INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 9/1 axa 30-31
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Si Wòle Be Nànya Tso Tagbɔdɔléle Ŋu
    Nyɔ!—2014
  • Ne Tagbɔdɔ Le Fu Ðem na Wò Ame Aɖe
    Nyɔ!—2004
  • Susumedɔléle Le Fu Ðem Na Amewo Le Xexea Me Godoo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2023
  • 4 | Aɖaŋuɖoɖo Nyuiwo Le Biblia Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2023
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 9/1 axa 30-31

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ðe nunya anɔ eme be Kristotɔ nayi susumedɔdala aɖe gbɔ be wòada dɔ na yea?

Nyatakaka siwo tso dukɔ aɖewo me ɖee fia be seselelãme kple susu me dɔlélewo dzi ɖe edzi le ‘ŋkeke mamlɛ’ siawo me. (Timoteo II, 3:1) Kristotɔwo ƒe dɔme trɔna ɖe woƒe haxɔsetɔwo ŋu vevie ne wodze dɔ, gake wokpɔnɛ dzea sii be ame ŋutɔe atso nya me na eɖokui ne adi be woada dɔ na ye eye, ne woadae nɛ la, le dɔdamɔnu si tɔgbe wòdi ŋu.a “Amesiame atsɔ ye ŋutɔ ƒe agba.” (Galatiatɔwo 6:5) Ame aɖewo siwo dze tagbɔdɔ si na wotɔtɔna le nusiwo ƒo xlã ame me, tagbɔdɔ si na wowɔa nu kple dzonɔameme si gbɔ eme, tamesusu kple nuwɔna ziamedzi dɔ, blanuiléledɔ si kɔdzidodokpɔ ɖe fia, ameɖokuisisi, kple dɔléle sesẽ bubuwo me te ŋu nɔ agbe abe ame bubuwo ke ene le eŋutinunyalawo ƒe kpekpeɖeŋu xɔxɔ vɔ megbe.

Le teƒe aɖewo la, ebɔ be woadi eƒe atike. Le dɔnɔ geɖe gome la, susumedɔléle sesẽ aɖeke menɔa wo ŋu o gake esesẽna na wo be woakpe akɔ kple nɔnɔme aɖe le agbe me. Gake Bibliae na kpekpeɖeŋu nyuitɔ kekeake mí le agbemekuxi sesẽwo gbɔ kpɔkpɔ me. (Psalmo 119:28, 143) Yehowa to Biblia dzi na nunya, tamebubuŋutete, kple sidzedze akuakua mí—nusiwo doa ŋusẽ mí le susu kple seselelãme gome. (Lododowo 2:1-11; Hebritɔwo 13:6) Mawu subɔla nuteƒewɔlawo ate ŋu aƒo nu gɔmesesemanɔmee ɣeaɖewoɣi le esi wotɔtɔ le ememe vevie ta. (Hiob 6:2, 3) Yakobo 5:13-16 de dzi ƒo na amesiawo be woate ɖe hamemegãwo ŋu axɔ kpekpeɖeŋu kple aɖaŋuɖoɖo. Ðewohĩ Kristotɔ aɖe anɔ dɔ lém le gbɔgbɔ me, alo anɔ fu kpem le nɔnɔme si mate ŋu atrɔ o alo nuteɖeamedzi sẽŋuwo me, alo abu be wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe ye ŋu. (Nyagblɔla 7:7; Yesaya 32:2; Korintotɔwo II, 12:7-10) Amesia ate ŋu akpɔ kpekpeɖeŋu le hamemegãwo gbɔ, amesiwo ‘asi ami nɛ’—si fia be, woaɖo aɖaŋu fakɔname nɛ tso Biblia me aɖaŋutɔe—eye “woado gbe ɖa ɖe eta” hã. Nukae ado tso eme? “Xɔse ƒe gbedodoɖa la axɔ dɔléla ma ɖe agbe, eye Aƒetɔ la afɔe ɖe tsitre [tso eƒe mɔkpɔkpɔbuɖeame alo ebubu be Mawu gblẽ ye ɖi me].”

Ke nukae woawɔ ne amea ƒe susu me fuɖename kple tɔtɔ gakpɔtɔ li togbɔ be gbɔgbɔmelẽkplɔlawo kpe ɖe eŋu aɖaŋutɔe gɔ̃ hã? Ame aɖewo siwo le nɔnɔme sia me tiae be yewoana woado yewo kpɔ nyuie. (Tsɔe sɔ kple Lododowo 14:30; 16:24; Korintotɔwo I, 12:26.) Ate ŋu anye ŋutilãmekuxi aɖe gbɔe fukpekpe le seselelãme alo susu me tso. Le teƒe aɖewo la, kuxi sia gbɔ kpɔkpɔ na gbɔdzɔe amesi le seselelãmedɔ lém la.b Ne atikewɔla la mekpɔ ŋutilãmekuxi aɖeke o la, ɖewohĩ akafui be woakpɔ susumedɔdala ne woabiae. Nukae nàwɔ? Abe alesi míegblɔe ene la, esia nye ame ŋutɔ ƒe nyametsotso si eya ŋutɔ ada kpɔ. Mele be ame bubuwo nake ɖii alo adrɔ̃ ʋɔnui o.—Romatɔwo 14:4.

Gake ele be míawɔ nunya vavãtɔ ŋudɔ eye míakpɔ nyuie be míagaŋlɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo be o. (Lododowo 3:21; Nyagblɔla 12:13) Le ŋutilãmedɔléle gome la, tiatiawɔwɔ le dɔdamɔnu vovovowo me dzea ŋgɔ dɔnɔwo, tso yevutike dzi vaseɖe dɔdamɔnuwo abe dzɔdzɔmenuwo ko tsɔtsɔ da dɔe, nutɔtɔamedɔdada, kple atike sue aɖe nana ame be wòana dɔ si dam wole ƒe dzesiwo nadze ene dzi. Susumedɔdala vovovowo hã li. Wo dometɔ aɖewoe nye susumedɔdala siwo dzroa ame ƒe tamesusu me kple bubuwo, amesiwo aku dɔnɔa ŋutɔ ƒe ŋutinya me tsitotsito ate kpɔ be yewoakpɔ nusi gbɔ nɔnɔme manyatalenu alo seselelãme gome veveseseawo tso. Susumedɔdala siwo dzroa ame ƒe nuwɔna me adze agbagba be yewoakpe ɖe dɔnɔa ŋu wòasrɔ̃ nuwɔna ƒe mɔnu yeyewo. Susumedɔdala aɖewo xɔe se be woate ŋu atsɔ atikewo ada susumedɔléle akpa gãtɔe.c Woka nya ta be wo dometɔ aɖewo kafu nuɖuɖu ƒe ɖoɖo kple nunyiamewo na ame.

Ele be dɔnɔwo kple woƒe ƒomewo naɖɔ ŋu ɖo ne wole tiatia siawo ŋu bum. (Lododowo 14:15) Eɖe dzesi be Nufialagã Paul McHugh si nye tatɔ le Johns Hopkins Atikewɔwɔsrɔ̃suku ƒe Yunivɛsiti ƒe akpa si nye Susu kple Nuwɔna Ŋuti Nusrɔ̃ƒe la gblɔ be susumedɔdada “nye atikewɔɖaŋu aɖe si gɔme womese nyuie haɖe o. Esesẽ be woakpɔ kpeɖodzi na nya si wogblɔna le amedodokpɔ kple dɔdadawo ŋu le dɔwɔwɔ tso amegbetɔ ƒe agbenɔnɔ ƒe akpa siwo gɔme sese sesẽ wu ɖesiaɖe ƒe dɔlélewo ŋu me—si nye susu kple ame ƒe nɔnɔme.” Esia ʋua mɔ ɖe mɔnu siwo to vovo kple ametafafata ŋu, eye ena dɔdada si ŋu susu nyui le te ŋu gblẽa nu geɖe wu nu nyui si wòawɔ.

Ele be míagblɔ hã be togbɔ be ɖaseɖigbalẽwo le tagbɔdɔdalawo kple susuŋutinunyalawo si be wosrɔ̃e wònye woƒe dɔ hã la, ame geɖe siwo si dɔnyanya ƒe ɖaseɖigbalẽ aɖeke mele o wɔa dɔ abe aɖaŋuɖolawo alo dɔdamɔnufialawo ene le wo ɖokui si. Ame aɖewo gblẽ ga geɖe le amesiawo siwo medze awɔ dɔ na ame o la gbɔ yiyi me.

Ne susumedɔdala si wona hehee wònye eƒe dɔ gɔ̃ hã gbɔe woayi la, nanewo li siwo ŋu míabu. Ne míele ɖɔkta alo amekola tiam la, ele be míaka ɖe edzi be ade bubu míaƒe nukpɔsusu siwo nɔ te ɖe Biblia dzi la ŋu. Nenema ke afɔku anɔ eme be míayi susumedɔdala si medea bubu míaƒe mawusubɔsubɔ kple agbenyuinɔnɔ ƒe nukpɔsusuwo ŋu o gbɔ. Kristotɔ geɖe le agbagba dzem vevie be ‘tamesusu ma ke si nɔ Kristo Yesu si la’ nanɔ yewo si, togbɔ be susu kple seselelãme kuxiwo le wo ŋu hã. (Romatɔwo 15:5) Esɔ be amesiawo tsia dzi ɖe amesiame si akpɔ ŋusẽ ɖe woƒe tamebubu alo nuwɔna dzi ƒe nɔnɔmewo ŋu. Atikewɔla aɖewo bua nusiwo nu Ŋɔŋlɔawo me dzixɔsewo de se ɖo be mehiã o eye be woate ŋu azu afɔku na ame ƒe susu ƒe dedienɔnɔ ŋu. Ðewohĩ woada asi ɖe nuwɔna siwo ŋu Biblia ƒo nu tsi tre ɖo, abe ŋutsu kple ŋutsu ƒe dɔdɔ alo anukwaremaɖimaɖi le srɔ̃ɖeɖe me ene dzi ahakafui na ame gɔ̃ hã.

Nukpɔsusu siawo hã kpe ɖe nusiwo apostolo Paulo yɔ be “aʋatsosidzedze ƒe nudadafiafia” la ŋu. (Timoteo I, 6:20) Wotsia tre ɖe nyateƒe si ku ɖe Kristo ŋuti la ŋu eye wonye xexe sia me ‘nunya kple beble dzodzro’ la ƒe akpa aɖe. (Kolosetɔwo 2:8) Biblia ƒe dzidzenua me kɔ nyuie be: “Nunya kple gɔmesese kpakple aɖaŋuɖoɖo aɖeke meli [tsitre] ɖe Yehowa ŋu o.” (Lododowo 21:30) Susumedɔdala siwo yɔa “vɔ̃ be nyui kple nyui be vɔ̃” la nye “habɔbɔ vɔ̃wo.” ‘Woagblẽ nuwɔna nyuiwo’ boŋ tsɔ wu be woakpe ɖe amewo ŋu woƒe susu si tɔtɔ la nadze kɔ anyi.—Yesaya 5:20; Korintotɔwo I, 15:33.

Eyata ele be Kristotɔ si kpɔe be ehiã be yeakpɔ susumedɔdala aɖe la nadzro dɔdala la ƒe dzedze, nɔnɔme, kple ŋkɔ si le eŋu kpakple ŋusẽ si dɔdamɔnu ɖesiaɖe si woakafu ate ŋu akpɔ ɖe edzi me akpɔ. Ne Kristotɔ si dze dɔ mate ŋu awɔ esia o la, ɖewohĩ exɔlɔ̃ vevi aɖe si nye ame tsitsi alo ƒometɔ aɖe ate ŋu ana kpekpeɖeŋu. Kristotɔ si meka ɖe edzi ne nunya anɔ dɔdamɔnu aɖe zazã me o la akpɔe be enyo be yeaɖo dze kple hamemegã siwo le hamea me—togbɔ be eya ŋutɔe (alo edzilawo, alo atsu kple asi ye awɔ ɖeka) awɔ nyametsotso mamlɛa hã.d

Dzɔdzɔmeŋutinunya ate ŋu ana woawɔ nu geɖe atsɔ aɖe fukpekpe dzi akpɔtɔ egbea wu tsã. Gake dɔléle geɖe gakpɔtɔ li—ŋutilã me kple susu me tɔwo siaa—siwo womate ŋu ada fifia o eye wòle be woado dzi le wo me ato nuɖoanyi sia me. (Yakobo 5:11) Hafi wo nu nava yi la, “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la,” hamemegãwo, kple ame bubu siwo katã le hamea me ɖea nublanuikpɔkpɔ fiaa dɔnɔwo hekpena ɖe wo ŋu. Eye Yehowa ŋutɔ doa ŋusẽ wo be woado dzi vaseɖe ŋutikɔkɔe ƒe ɣeyiɣi ma si me dɔléle maganɔ anyi o me.—Mateo 24:45; Psalmo 41:2-4; Yesaya 33:24.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Ɣeaɖewoɣi woabia tso ame si be wòana woado eƒe nɔnɔme kple susu kpɔ, ɖewohĩ ne wodi be woaxɔe ɖe dɔ me ana ɖoƒe kɔkɔ amea. Ne woalɔ̃ ɖe dodokpɔ sia tɔgbe dzi alo womalɔ̃ ɖe edzi o nye ame ŋutɔ ƒe nyametsotso, gake ele be míade dzesii be menye susumedɔdadae susudodokpɔ nye o.

b Kpɔ “Blanuiléle ƒe Aʋa la Dzi Ðuɖu” le Eŋlisigbe me March 1, 1990 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

c Edze abe atikewɔwɔ siwo sɔ te ŋu daa susumedɔléle aɖewo ene. Gake ele be woazã wo le ŋuɖɔɖo me le atikenyalawo alo tagbɔdɔdala kpɔnuteƒe siwo nya dɔ ƒe mɔfiafia te, elabena woate ŋu agblẽ nu le ame ŋu vevie ne atike siwo woazã ƒe agbɔsɔsɔ meda sɔ nyuie o.

d Kpɔ nyati si nye “Susumefukpekpe—Ne Edzɔ Ðe Kristotɔ Dzi” le Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, October 15, 1988 ƒe tata me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe