Ele Be Míaku Drɔ̃e
ÈKUA drɔ̃ea? Míate ŋu agblɔe ɖikekemanɔmee be èkua drɔ̃e, elabena mí katã míekua drɔ̃e ne míedɔ alɔ̃, ne míagblɔ be míekunɛ o gɔ̃ hã. Wobui be amewo meɖoa ŋku drɔ̃e siwo katã wokuna ƒe alafa memamã si wu 95 dzi o. Kawo dzie nèɖoa ŋkui? Le nyateƒe me la, esiwo dzi míeɖoa ŋkui enye esiwo míeku teti hafi míenyɔ.
Drɔ̃e ŋuti numekulawo kpɔe be alɔ̃dɔdɔ nye nusi zɔna le ɖoɖo aɖe nu si me míeyia alɔ̃ me ʋĩ le gaƒoƒo ʋee gbãtɔawo me eye edzi ɖena kpɔtɔna emegbe. Ɣeyiɣi si me míaƒe ŋku nɔa ʋaʋãm kabakaba koŋ ye míekua drɔ̃e wu, eye woyɔnɛ be Ŋkuʋaʋã Kabakaba ƒe alɔ̃dɔdɔ. Ɣeyiɣi si me ŋku meʋãna kabakaba o kplɔa ɣeyiɣi sia ɖo. Ŋkumaʋamaʋã Kabakaba kple Ŋkuʋaʋã Kabakaba ƒe ɣeyiɣiwo ƒe tododo ɖesiaɖe xɔa abe aɖaƒoƒo 90 ene, eye zi atɔ̃ alo zi adee tododo sia yia edzi hafi ŋu kena, eye mamlɛtɔ vana teti hafi míenyɔna.
Enye vodada be nàsusu be yeƒe ahɔhɔ̃ mewɔa dɔ boo ne yele alɔ̃ dɔm o. Wokpɔ be ahɔhɔ̃ la wɔa dɔ vevie le drɔ̃ewo me wu ŋudzɔnɔɣi aɖewo, gake ahɔhɔ̃menugbagbevi siwo le ahɔhɔ̃a ƒe akpa si tsiã kple dzimeƒu, siwo kpɔa ŋudzɔnɔnɔ kple ŋkuɖoɖonudzi gbɔ koe mele eme o. Edze abe esiawo ɖina ɖe eme le Ŋkuʋaʋã Kabakaba ƒe alɔ̃dɔdɔ me ene. Gake kadodo nɔa ahɔhɔ̃menugbagbevi akpa gãtɔwo dome ɣesiaɣi.
Míaƒe ahɔhɔ̃ nye ŋutilã la ƒe akpa wɔnuku aɖe si me nu vovovo biliɔn geɖe le eye wonaa nyatakaka siwo ade alafa ɖeka va ɖo alafa eve alo etɔ̃ kloe sɛkɛnd ɖesiaɖe. Nu vovovo siwo ƒoƒu nye ame ɖeka ƒe ahɔhɔ̃ la sɔ gbɔ wu amesiwo katã le anyigba la dzi. Numekula aɖewo susu be nu vovovo biliɔn 20 va ɖo esi wu biliɔn 50 ye ƒo ƒu wɔe. Alesi wòwɔ nukui la ɖo kpe nya si Biblia-ŋlɔla Dawid gblɔ le amegbetɔ ƒe ŋutilã ŋu la dzi, be: “Meda akpe na wò le alesi wowɔm nukutɔe la ta; wò dɔwɔwɔwo nye nukunu, eye nye luʋɔ dze si esia keŋ.”—Psalmo 139:14.
Alesi Míekua Drɔ̃ee
Ne míele ŋu la, míaƒe sidzenu atɔ̃awo yia edzi nɔa nyatakaka kple nɔnɔmetatawo ɖom ɖe ahɔhɔ̃a, gake mele alea ne míele alɔ̃ dɔm o. Ahɔhɔ̃a wɔa nɔnɔmetatawo le eɖokui si siwo metso sidzenu aɖeke gbɔ o. Eyata nusiwo míekpɔna le drɔ̃eƒe kple nusiwo míewɔna le wo me nɔa abe nusiwo menye nu ŋutɔŋutɔwo o kpɔkpɔ ene. Esia wɔnɛ be míete ŋu wɔa nusiwo mele dzɔdzɔme nu o, abe dzodzo le yame abe glitoto me me aɖe ene alo gege tso kpo kɔkɔ aɖe tame abi maxɔmaxɔe. Ɣeyiɣi te ŋu trɔa gbo ale be blema va nɔna abe fifi ɣeyiɣi me ene. Alo ne míedi be míasi la, awɔ abe míegate ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe nuwɔnawo dzi o ene—míaƒe afɔ megate ŋu ʋãna o. Le nyateƒe me la, nusiwo tsi míaƒe susu me vevie kple esiwo teƒe míekpɔ le ŋudzɔnɔɣiwo ate ŋu ava míaƒe drɔ̃ewo me. Amesiwo kpɔ ŋutasesẽ dziŋɔ siwo wowɔ le aʋa me teƒe la mate ŋu aŋlɔe be kaba o, eye amesiwo dzi hlɔ̃dola aɖe dze kpɔ hã mate ŋu aŋlɔe be bɔbɔe o. Ne nu ɖefuname mawo dzɔ ɖe mía dzi esime míele ŋu la woate ŋu ado ɖe míaƒe drɔ̃ewo me ana míaku drɔ̃e baɖabaɖawo. Míate ŋu aku drɔ̃e tso nusiwo míekpɔna gbesiagbe siwo tsi susu me na mí hafi míeyi anyimlɔƒe la ŋu.
Ɣeaɖewoɣi ne míele agbagba dzem be míakpɔ kuxi aɖe gbɔ la, míete ŋu kpɔa ta nɛ le alɔ̃ me. Esia ate ŋu afia be menye alɔ̃dɔɣiwo katãe míekua drɔ̃e o. Eƒe akpa aɖe nye tamebubu.
Agbalẽ aɖe si ƒo nu le drɔ̃ewo kple míaƒe ahɔhɔ̃ ŋu gblɔ be: “Menye drɔ̃ekukue nye susu ƒe dɔwɔwɔ le alɔ̃ me si bɔ wu o ke tamebubu boŋue. Tamebubu le alɔ̃ me menye sidzenuwo ƒe amefuflu o eye menye nu manyataleŋu ye o. Enyea nusi dzɔna ɖaa, zi geɖe la, enyea etsɔ si va yi alo etsɔ si gbɔna ƒe agbemenudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔwo, eye menye nu madzɔkpɔ o, metoa nu yeye aɖeke vɛ o, eye edzɔna enuenu.”
Ame aɖewo susu be gɔmesese tɔxɛ aɖewo le nusiwo yewokpɔ le drɔ̃e me ŋu na yewo. Bene woate ŋu ana woaɖe drɔ̃eawo gɔme na wo la, wodaa agbalẽ ɖe woƒe abati xa ale be ne wofɔ la woate ŋu aŋlɔ wo da ɖi. The Dream Game si Ann Faraday ŋlɔ la gblɔ le viɖe siwo le agbalẽ siwo me wodzea agbagba be woaɖe drɔ̃ewo gɔme le la ŋu be: “Viɖe aɖeke mele drɔ̃egɔmeɖegbalẽ siwo me nànɔ tsatsam be yele drɔ̃ewo ŋu nyawo kple dzesiwo gɔmeɖeɖe dim le la hã ŋu o, eɖanye esiwo li tso gbaɖegbe ke alo egbegbe susuŋutinunya ƒe nufiafia aɖe dzie wotu wo ɖoe o.”
Esi wòdze abe ahɔhɔ̃a me koŋue drɔ̃ewo tsona ene ta la, masɔ be míasusu be gbedasi tɔxɛ aɖe le wo me na mí o. Ele be míabu wo be wonye ahɔhɔ̃ ƒe dɔwɔwɔ le dzɔdzɔme nu si naa wònɔa lãmesẽ me.
Ke amesiwo gblɔna be yewoku drɔ̃e yewoƒe ƒometɔ alo xɔlɔ̃ aɖe ku eye wova se le ŋufɔke be amea ku ya ɖe? Ðe mefia be drɔ̃ewo ate ŋu aɖe etsɔme fia oa? Míadzro nusi le megbe na nyagblɔɖidrɔ̃ewo me le nyati si kplɔe ɖo me.