Kristotɔwo ƒe Amedzrowɔwɔ Le Xexe Si Me Mamã Le Me
“Eyata ele na mí be, míaxɔ nenem me siawo, bene míazu woƒe hadɔwɔlawo na nyateƒe la.”—YOHANES III, 8.
1. Nunana dodzidzɔname vevi kawoe Wɔla la na ameƒomea?
“NU NYUI aɖeke mele ɣea te na amegbetɔ wu esia be, wòaɖu nu ano nu akpɔ dzidzɔ o. Eye esia akplɔe ato eƒe agbe me ŋkeke, siwo Mawu nae le ɣea te la ƒe agbagbadzedzewo me.” (Nyagblɔla 8:15) Blema Hebritɔ nyagblɔla la tsɔ nya mawo le nu fiam mí be menye dzidzɔ kple vivisese ko dim Yehowa Mawu le na eƒe nuwɔwɔ siwo nye amegbetɔwo o ke ena nusiwo ana dzi nadzɔ wo eye woase vivi la hã wo. Le amegbetɔ ƒe ŋutinya katã me la, ewɔ abe didi aɖe si le amewo me le afisiafie nye be yewoado dzidzɔ na yewo ɖokui eye yewoase vivi ene.
2. (a) Aleke amegbetɔwo gblẽ nusi ƒe tame Yehowa ɖo na wo la domee? (b) Nukae do tso eme?
2 Egbea míele xexe si me agbeɖuɖu xɔ aƒe ɖo si me amewo tsia dzi ɖe dzidzɔkpɔkpɔ kple vivisesenuwo ŋu la me. Abe alesi Biblia gblɔe ɖi ene la, ame akpa gãtɔ zu “ɖokuilɔ̃lawo, . . . amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu.” (Timoteo II, 3:1-4) Gake menye aleae Yehowa Mawu ɖoe be wòanɔ kura hafi o. Ne vivisese didi va zu ame ƒe taɖodzinu koŋ, alo ne dzidzɔdodonameɖokui va zu nusi koŋ nye eƒe taɖodzinu la, menaa ame ƒe dzi dzea eme ŋutɔŋutɔ o, eye ‘nusianu zua tofloko kple dagbadagba ɖe yame.’ (Nyagblɔla 1:14; 2:11) Esia wɔe be amesiwo tsi akogo kple amesiwo ƒo dzi ɖe le va bɔ ɖe xexeame, eye esia hã hea kuxi siwo le ameƒomea me la dometɔ geɖewo vɛ. (Lododowo 18:1) Amewo bua nazã ɖe wo nɔewo ŋu eye ŋutigbalẽ ƒe amadede, gbegbɔgblɔ, hadomegbenɔnɔ, kple ganyawo ƒe nɔnɔme mãa wo me.
3. Aleke míawɔ akpɔ dzidzɔ kple dzidzeme vavãtɔ?
3 Aleke gbegbe nuwo ato vovoe nye si ne ɖe amewo srɔ̃ alesi Yehowa wɔa nu ɖe amewo ŋui—eye wonyoa dɔme, ʋua asi me, hewɔa amedzro! Ena eme kɔ kɔte be menye agbagbadzedze be míakpɔ mía ŋutɔwo míaƒe nudzodzrowo gbɔ mee dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ tsona o. Nusi gbɔ boŋ wòtsona enye si: “Dzidzɔ geɖe le nana me wu xɔxɔ.” (Dɔwɔwɔwo 20:35, NW) Bene míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ eye míaƒe dzi nadze eme ŋutɔŋutɔ la, ele be míaɖu mɔxenu kple mamã siwo ate ŋu axaxa mí ɖo la dzi. Eye ele be míakpe ɖe amesiwo mía kple wo míele Yehowa subɔm la ŋuti. Ele vevie ŋutɔ be míawɔ ɖe nuxlɔ̃ame sia dzi, be: “Eyata ele na mí be, míaxɔ nenem me siawo, bene míazu woƒe hadɔwɔlawo na nyateƒe la.” (Yohanes III, 8) Amedzrowɔwɔ na amesiwo dze le alesi míaƒe ŋutete le nu, ɖea vi le mɔ eve nu—eɖea vi na nua nalawo kple exɔlawo siaa. Ekema amekawoe dze be ‘míawɔ amedzro’ na?
‘Mikpɔ Tsyɔ̃eviwo Kple Ahosiwo Dzi’
4. Tɔtrɔ kae va le ƒomewo me, si le Yehowa ƒe amewo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã ƒe ƒomewo me?
4 Ƒome likewo kple srɔ̃ɖeɖe siwo me dzidzɔ le mebɔ egbea o. Srɔ̃gbegbe kple vinɔ siwo si srɔ̃ mele o ƒe dzidziɖedzi le xexeame godoo trɔ alesi nuwo nɔ le ƒomewo me tsã la kura. Esia wɔe be amesiwo va zu Yehowa Ðasefowo le ƒe siawo me dometɔ geɖe tso ƒome siwo gbã me. Woƒe srɔ̃ɖeɖe me gblẽ kura alo wo kple wo srɔ̃wo dome klã, alo wole dzilaɖekaƒomewo me. Gakpe ɖe eŋu la, abe alesi Yesu gblɔe ɖi ene la, nyateƒe si wòfia la he mamã va ƒome geɖewo me.—Mateo 10:34-37; Luka 12:51-53.
5. Nya kae Yesu gblɔ si ate ŋu ade dzi ƒo na amesiwo le ƒome siwo me mã la me?
5 Edzɔa dzi na mí ŋutɔ be míakpɔ be ame yeyewo tso nya me be yewoanɔ nyateƒea ƒe akpa dzi, eye zi geɖe míetsɔa Yesu ƒe ŋugbedodo dedziƒoname sia faa akɔ na woe be: “Vavã mele egblɔm na mi bena: Ame aɖeke meli, si gblẽ xɔ alo nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo alo fofo alo dada alo srɔ̃ alo viwo alo agblewo ɖi le nye kple nyanyui la ŋuti, ne menye bena, ɖe wòaxɔ teƒeɖoɖo alafa le ɣeyiɣi sia me o: Xɔwo kple nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo kple dadawo kple viwo kple agblewo hekpe ɖe yometitiwo ŋuti, kple agbe mavɔ le xexe, si gbɔna la me.”—Marko 10:29, 30.
6. Aleke míate ŋu azu ‘nɔviŋutsuwo, nɔvinyɔnuwo, dadawo, kple viwo’ na ‘tsyɔ̃evi kple ahosi’ siwo le mía domee?
6 Gake amekawoe nye ‘nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu kple dada kple vi’ siawo? Ameha gã aɖe kpɔkpɔ le Fiaɖuƒe Akpata me, amesiwo zi geɖe wodea alafa alo wu nenema gɔ̃ hã, siwo yɔa wo nɔewo be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo mewɔnɛ be nàsee le ɖokuiwò me kokoko be amesiawo nye ye nɔviŋutsuwo, nɔvinyɔnuwo, dadawo, kple viwo o. Bu nya sia ŋu kpɔ: Nusrɔ̃la Yakobo ɖo ŋku edzi na mí be bene míaƒe tadedeagu nadze Yehowa ŋu la, ele be ‘míakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ta le woƒe xaxa me eye míadzra mía ɖokui ɖo ɖimaƒomaƒoe tso xexeame.’ (Yakobo 1:27) Efia be mele be míaɖe mɔ xexeame ƒe nɔnɔme siwo nye dada le gakpɔkpɔ ta kple ame ɖokui bubu be wole ŋgɔ na ame bubuwo nana míatu míaƒe nublanuikpɔkpɔ ƒe ʋɔtru ɖe ‘tsyɔ̃evi kple ahosi’ siawo nu o. Ke boŋ míatso le mía ɖokui si ade ha kpli wo awɔ amedzro na wo.
7. (a) Taɖodzinu ka koŋ ye le amedzrowɔwɔ na “tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo” ŋu? (b) Amekawo hãe ate ŋu akpɔ gome le Kristotɔwo ƒe amedzrowɔwɔ ɖeɖefia me?
7 Menye ɣesiaɣie amedzrowɔwɔ na “tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo” fia be woadi ŋutilãmenu siwo mele wo si o la atsɔ aɖo eteƒe na wo o. Menye kɔba kokokoe nye dzilaɖekaƒomewo alo ƒome siwo me mã le subɔsubɔnyawo gome ƒe kuxi o. Gake hadede tuameɖo, ƒome me nɔnɔ ƒe seselelãme, hadede kple amesiwo xɔ ƒe vovovowo, kple gbɔgbɔmenu nyuiwo nana ame nɔewo—nusiawo nye agbemenu siwo xɔ asi ŋutɔ. Eyata ne míeɖo ŋku edzi be menye wɔna la ƒe lolomee nye vevitɔ o, ke boŋ lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ gbɔgbɔ ɖeɖefiae la, ke aleke gbegbe wònyoe nye si be, ɣeaɖewoɣi la, “tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo” kura ate ŋu awɔ amedzro na hati Kristotɔwo!—Tsɔe sɔ kple Fiawo I, 17:8-16.
Ðe Du Bubu Me Tɔwo Le Mía Domea?
8. Tɔtrɔ kae dze le Yehowa Ðasefowo ƒe hame geɖe me?
8 Míele ɣeyiɣi si me ame gbogbo aɖewo le ʋuʋum me. World Press Review gblɔ be: “Le xexeame godoo la, amesiwo wu miliɔn 100 le dukɔ siwo menye wo dedukɔwo o me, eye wonyã ame miliɔn 23 de gbe le woawo ŋutɔ wo denyigba dzi.” Nusiwo nusia he vɛ tẽ ƒe ɖewoe nye be le teƒe geɖe, vevietɔ le dugãwo me, le Yehowa ƒe amewo ƒe hame siwo me ame ŋutigbalẽ ɖeka ƒomeviwo alo dukɔ ɖeka me tɔwoe nɔ anyi tsã dome la, fifia amesiwo tso xexeame ƒe akpa vovovowoe li. Ðewohĩ nusia le dzɔdzɔm le afisi nèle. Gake aleke wòle be míabu “amedzro” kple “dukɔ bubu me tɔ” siawoe, abe alesi xexeame yɔa woe ene, amesiwo ƒe gbegbɔgblɔ, nuwɔnawo, kple agbenɔnɔ ate ŋu ato vovo tso mía tɔwo gbɔ?
9. Afɔku gã ka mee míate ŋu age ɖo le alesi míebua “amedzro” kple “du bubu me tɔ” siwo le Kristo-hamea me vam gome?
9 Kpuie ko la, mele be míaɖe mɔ vɔvɔ̃ na du bubu me tɔwo alo fuléle wo ƒe nɔnɔme aɖeke nana míase le mía ɖokui me be le mɔ aɖe nu la, míedze be mɔnukpɔkpɔ nasu mía si míanya nyateƒea wu amesiwo tso dzronyigba dzi alo dukɔ siwo wogblɔna be trɔ̃subɔlawo ƒe dukɔe wonye la me o; alo be wòawɔ na mí be amedzro siawo va le Fiaɖuƒe Akpata la alo nunɔamesi bubuwo zãm evɔ womedze na wo zazã hafi o. Ehiã be apostolo Paulo naɖo ŋku edzi na ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔ Kristotɔ aɖewo, amesiwo me susu siawo tɔgbe nɔ la be le nyateƒe me la, ame aɖeke medze hafi o; Mawu ƒe amenuveve si míedze na o ta koe ame aɖe ate ŋu akpɔ ɖeɖe ɖo. (Romatɔwo 3:9-12, 23, 24) Ele be míakpɔ dzidzɔ be Mawu ƒe amenuveve si míedze na o la le ame gbogbo siwo, le mɔ aɖewo nu la, wote nyanyuia sese wo la gbɔ ɖom azɔ. (Timoteo I, 2:4) Aleke míate ŋu aɖee fia wo be míelɔ̃a nu le wo gbɔ o vavã?
10. Aleke míate ŋu aɖee fiae le nyateƒe me be míewɔa amedzro na “du bubu me tɔ” siwo le mía dome?
10 Míate ŋu awɔ ɖe Paulo ƒe nuxlɔ̃amea dzi, be: “Mixɔ mia nɔewo, abe alesi Kristo hã xɔ mi ene hena Mawu ƒe kafukafu.” (Romatɔwo 15:7) Esi míenyae be zi geɖe la, nuwo medea du bubu me tɔ alo amesiwo ƒe nɔnɔme to vovo na mía tɔ dzi o la, ele be míanyo dɔme na wo, atsɔ ɖe le eme na wo ne ŋutetea le mía ŋu na ewɔwɔ. Ele be míaxɔ wo atuu ɖe mía dome, míawɔ nu ɖe wo dometɔ ɖesiaɖe ŋu “abe duamevi ene,” eye “nalɔ̃e abe ɖokuiwò ene.” (Mose III, 19:34) Esia wɔwɔ manɔ bɔbɔe o, gake míate ŋui ne míeɖo ŋku nuxlɔ̃ame sia dzi, be: “Migana miaƒe anyinɔnɔ naɖi xexe sia me o, hafi mitrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu ƒe yeyewɔwɔ me boŋ, bene miadzro nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si nyo, eye wòdzea eŋu nyuie, eye wòle blibo la me akpɔ.”—Romatɔwo 12:2.
Mimã Nu Kple Ame Kɔkɔewo
11, 12. Ameŋububunu tɔxɛ kae wowɔ na Yehowa subɔla aɖewo le (a) blema Israel kple (b) ƒe alafa gbãtɔ me?
11 Amesiwo dze ŋutɔŋutɔ siwo ŋu míabu eye míawɔ amedzro na dometɔ aɖewoe nye Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me siwo kua kutri ɖe míaƒe gbɔgbɔmenyonyo ta. Yehowa wɔ ɖoɖo tɔxɛwo na nunɔlawo kple Lewitɔwo le blema Israel. (Mose IV, 18:25-29) Le ƒe alafa gbãtɔ me la, wode dzi ƒo na Kristotɔwo vevie be woatsɔ ɖe le eme na amesiwo subɔa wo le mɔ tɔxɛwo nu. Nuŋlɔɖi si le Yohanes III, 5-8 la na míekpɔ lɔlɔ̃ ƒe nublanu sesẽ si nɔ Kristotɔ gbãtɔwo dome.
12 Apostolo Yohanes si zu ame tsitsi de asixɔxɔ gã aɖe dɔmenyo kple amedzro si Gayo wɔna na nɔvi mɔzɔla aɖewo siwo woɖo ɖa be woava srã hamea kpɔ la ŋu. Nɔvi siawo katã—siwo dometɔ ɖekae nye Demetrio, amesi anye eyae xɔ lɛta la vɛ na wo—nye amedzrowo na Gayo alo medze si wo do ŋgɔ o. Gake woxɔ wo atuu elabena “[Mawu ƒe] ŋkɔ la ŋuti wodo go yi ɖo.” Ale Yohanes gblɔe enye esi: “Eyata ele na mí be, míaxɔ nenem me siawo, bene míazu woƒe hadɔwɔlawo na nyateƒe la.”—Yohanes III, 1, 7, 8.
13. Amekawoe dze be ‘míaxɔ wo amedzrowɔwɔtɔe’ etɔxɛe le mía dome egbea?
13 Egbea le Yehowa ƒe habɔbɔa me la, ame geɖe li siwo le agbagba dzem vevie ɖe nɔviwo ƒe habɔbɔ bliboa ta. Wo dometɔ aɖewoe nye dzikpɔla mɔzɔlawo, amesiwo zãa woƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ kwasiɖa sia kwasiɖa tsɔ nɔa hameawo tum ɖo; dutanyanyuigblɔlawo, amesiwo ʋuna le woƒe ƒomewo kple xɔlɔ̃wo gbɔ be yewoava ɖe gbeƒã le dzronyigbawo dzi; amesiwo le subɔsubɔm le Betel-ƒewo alo alɔdzedɔwɔƒewo, amesiwo tsɔ wo ɖokui na faa be yewoasubɔ atsɔ akpe asi ɖe xexeame katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋui; kple mɔɖelawo, amesiwo zãa woƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ ƒe akpa gãtɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Amesiawo katã wɔa dɔ sesẽ, menye ɖe woawo ŋutɔ woƒe kafukafu alo viɖekpɔkpɔ ta o, ke boŋ le lɔlɔ̃ na Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ la kple na Yehowa ta. Wodze be míasrɔ̃ wo le woƒe subɔsubɔ kple luʋɔ blibo ta eye wodze hã be ‘míaxɔ wo atuu amedzrowɔwɔtɔe.’
14. (a) Aleke míezua Kristotɔ nyuiwo wui ne míewɔ amedzro na nuteƒewɔlawo? (b) Nukatae Yesu gblɔ be Maria tia “nyuia gome”?
14 Ne ‘míexɔ amesiawo atuu amedzrowɔwɔtɔe’ la, apostolo Yohanes gblɔ be ‘míazu hadɔwɔlawo le nyateƒe la me.’ Le gɔmesese aɖe nu la, enaa míezua Kristotɔ ɖɔʋuwo wu. Nusitae nye be Kristotɔwo ƒe dɔwɔwɔwo ƒe akpa aɖee nye be woawɔ nyui na haxɔsetɔwo. (Lododowo 3:27, 28; Yohanes I, 3:18) Teƒeɖoɖowo le eŋu le mɔ bubu nu hã. Esime Maria kple Marta xɔ Yesu va wo ƒemee la, Marta di be yeanye amedzroxɔla nyui aɖa ‘nu geɖe’ na Yesu. Maria wɔ amedzro nɛ le mɔ si to vovo nu. ‘Ebɔbɔ nɔ Aƒetɔ la ƒe afɔ nu nɔ eƒe nyawo sem,’ eye Yesu kafui be etia “nyuia gome.” (Luka 10:38-42) Zi geɖe la, dzeɖoɖo kpakple numedzodzrowo wɔwɔ kple amesiwo si ƒe geɖe ƒe nuteƒekpɔkpɔ le ye nyea nu vevitɔ si wokpɔna le fiẽ si míana woanɔ mía gbɔ me.—Romatɔwo 1:11, 12.
Le Wɔna Tɔxɛwo Me
15. Wɔna tɔxɛ kawoe ate ŋu anye dzidzɔɣeyiɣiwo na Yehowa ƒe amewo?
15 Togbɔ be Kristotɔ vavãtɔwo mewɔa kɔnu siwo dzi ame geɖe da asi ɖo alo ɖua xexeme ŋkekenyuiwo alo woƒe azãwo o hã la, ɣeaɖewoɣi nɔa anyi siwo wokpena be yewoado dzidzɔ na yewo nɔewo. Le kpɔɖeŋu me, Yesu de srɔ̃ɖeŋkekenyui aɖe le Kana eye ewɔ eƒe akpa dzi be vavalawo kpɔ dzidzɔ esi wòwɔ eƒe nukunu gbãtɔ. (Yohanes 2:1-11) Nenema ke egbea Yehowa ƒe amewo kpɔa dzidzɔ le wɔna tɔxɛ mawo tɔgbe me, eye dzidzɔkpɔkpɔ kple vivisese si sɔ dzia wɔna siawo ƒe vivi ɖe edzi. Gake nukae nye nusi sɔ?
16. Mɔfiame kawoe le mía si le agbenɔnɔ si sɔ le wɔna tɔxɛwo gɔ̃ hã me ŋu?
16 Míesrɔ̃ nu tso nusi nye agbenɔnɔ si sɔ na Kristotɔwo ŋu le míaƒe Biblia sɔsrɔ̃ me, eye esiae míewɔna ɣesiaɣi. (Romatɔwo 13:12-14; Galatiatɔwo 5:19-21; Efesotɔwo 5:3-5) Hadomekpekpewo, le srɔ̃kpekpewo me alo le wɔna bubuwo me o, meʋu mɔ na mí be míaɖe asi le míaƒe Kristotɔwo ƒe dzidzenuwo ŋu alo be míawɔ nusi anye ne míawɔe hafi o la o; eye menye dzizizi hãe wònye be míawɔ ɖe kɔnu siwo katã wowɔna le dukɔ si me míele la me dzi o. Alakpasubɔsubɔnuwɔnawo alo aʋatsodzixɔsewo dzie wotu kɔnu siawo dometɔ geɖe ɖo, eye wonɔa agbe si edze ƒã be medze Kristotɔwo o le bubuwo hã me.—Petro I, 4:3, 4.
17. (a) Nukawoe fia be wowɔ ɖoɖo nyui ɖe srɔ̃ɖeŋkekenyui si woɖu le Kana la ŋu eye wokpɔ edzi nyuie? (b) Nukae fia be Yesu da asi ɖe wɔna ma dzi?
17 Ne míexlẽ Yohanes 2:1-11 la, masesẽ na mí be míakpɔe be wɔna si ŋu wotrɔ asi le nyuie eye amedzro gbogbo aɖewo va ye wònye o. Gake amedzro siwo “wokpe” ye Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nye; menye ɖeko wotso le wo ɖokui si va do ɖe afima o, togbɔ be anɔ eme be wo dometɔ aɖewo teti ado ƒome kple aƒetɔa hã. Míede dzesii hã be “subɔlawo” nɔ anyi, nenema ke nye “nuɖuɖudzikpɔla,” amesi gblɔa nusiwo woatsɔ aɖo amewo kɔme alo nusi woawɔ. Esiawo katã fia be wowɔ ɖoɖo ɖe wɔna la ŋu nyuie eye wokpɔ nuwo dzi nyuie. Nuŋlɔɖia wu enu be Yesu to nusi wòwɔ le ŋkekenyuia ɖuƒe me ‘ɖe eƒe ŋutikɔkɔe fia.’ Ðe wòaɖoe be yeaɖee afia le azã ma me ne hadomekpekpe si me hoowɔwɔ nɔ ye wònyea? Kura o.
18. Nuka ŋue wòle be míabu nyuie le hadomewɔna ɖesiaɖe ŋu?
18 Ke wɔna tɔxɛ siwo me míakpe ame le hã ɖe? Míedi be míaɖo ŋku edzi be nusita míewɔa amedzro na amewoe nye be mí katã ‘míazu hadɔwɔlawo le nyateƒe la me.’ Eyata wɔna aɖe yɔyɔ be enye “Ðasefowo” ƒe kpekpe ɖeɖe mesu o. Míate ŋu abia be, Le nyateƒe me la, ɖe wòɖi ɖase le amesiwo míenye kple míaƒe dzixɔsewo ŋua? Mele be míabu wɔna mawo gbeɖe be wonye mɔnukpɔkpɔ na mí be míakpɔe ɖa be afika ke míate ŋu awɔ nu wòaɖi xexeame tɔ asee, eye míawɔ nusiwo nye “ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe ŋubiabiã kple agbe ƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo” o. (Yohanes I, 2:15, 16) Ke boŋ ele be nusi mí Yehowa Ðasefowo míewɔna la nadze le wɔna siawo me le mɔ si sɔ nu, eye ele be míakpɔ egbɔ be nusi míawɔ la nanye ŋutikɔkɔe kple bubu na Yehowa.—Mateo 5:16; Korintotɔwo I, 10:31-33.
‘Miwɔ Amedzro Liʋiliʋilili Manɔmee’
19. Nukata wòhiã be ‘míawɔ amedzro na mía nɔewo liʋiliʋilili manɔmee’?
19 Esi xexeame ƒe nɔnɔme le gbegblẽm ɖe edzi eye amewo me le mamãm ɖe edzi la, ehiã be míawɔ nusianu si míate ŋui atsɔ ado ŋusẽ nublanu kplikplikpli si le Kristotɔ vavãtɔwo dome. (Kolosetɔwo 3:14) Le esia ta ele be ‘míalɔ̃ mía nɔewo vevie,’ abe alesi Petro de eƒe dzi ƒo na míi ene. Eye le nuwɔwɔ ŋutɔŋutɔ me la, egblɔ kpee be: “Milɔ̃ amedzrowɔwɔ na mia nɔewo, eye liʋiliʋilili naganɔ me o.” (Petro I, 4:7-9) Ðe míelɔ̃na faa be míawɔ amedzro na mía nɔviwo, be míadze agbagba anyo dome eye míakpe ɖe wo ŋua? Alo ɖe míelia liʋiliʋi ne mɔnukpɔkpɔ siawo vaa? Ne míelinɛ la, ate ŋu agblẽ dzidzɔ si míate ŋu akpɔ la me eye viɖe si tsoa dzidzɔ si wokpɔna le nyuiwɔwɔ me la hã ato mía ŋu.—Lododowo 3:27; Dɔwɔwɔwo 20:35.
20. Yayra kawoe míava kpɔ ne míelɔ̃a amedzrowɔwɔ le egbe xexe sia si me mamã le la me?
20 Ne míewɔa dɔ aduadu kple mía hati Kristotɔwo, eye míenyoa dɔme hewɔa amedzro na mía nɔewo la, míaƒe yayrawo awu gbɔgblɔ. (Mateo 10:40-42) Yehowa do ŋugbe na amesiawo be ‘yeakeke yeƒe agbadɔ ɖe wo dzi. Dɔ megale wo wu ge akpɔ o, eye tsikɔ hã megale wo wu ge akpɔ o.’ Yehowa ƒe agbadɔ me nɔnɔ fia be míanɔ eƒe ametakpɔkpɔ te eye wòawɔ amedzro na mí. (Nyaɖeɖefia 7:15, 16; Yesaya 25:6) Ẽ, mɔnukpɔkpɔ si nye vivisese le Yehowa ƒe amedzrowɔwɔ me tegbee koe nye ma le ŋgɔ na mí kpuie.—Psalmo 27:4; 61:4, 5.
Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?
◻ Nukae mele be míaŋlɔ be ne míedi be míakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme vavãtɔ o?
◻ Amekawoe nye “tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo,” eye aleke wòle be ‘míakpɔ wo dzii’?
◻ Aleke wòle be míabu “amedzro” kple “du bubu me tɔ” siwo le mía gbɔe?
◻ Amekawoe dze na ameŋububu tɔxɛ egbea?
◻ Aleke wòle be míana amedzrowɔwɔgbɔgbɔ vavãtɔ nadze le wɔna tɔxɛwo mee?
[Nɔnɔmetata siwo le axa 16, 17]
Míate ŋu awɔ amedzro na du bubu me tɔwo, tsyɔ̃eviwo, ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo, kple ame kpekpewo le kplɔ̃ɖoɖowo me