INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 12/1 axa 2-4
  • Ne Dzɔdzɔmefɔkuwo Dzɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ne Dzɔdzɔmefɔkuwo Dzɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Dzɔdzɔmefɔkuwo Ŋu?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Dzɔdzɔmefɔkuwo—Nu Ka Tae Wobɔ Alea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Ðe Dzɔdzɔmefɔkuwo Nye Tohehe Tso Mawu Gbɔa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Mawue Le To Hem Na Mía?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 12/1 axa 2-4

Ne Dzɔdzɔmefɔkuwo Dzɔ

Accra, Ghana, July 4, 1995: Tsi gãtɔ kekeake si gadza kpɔ le ƒe 60 kloe me la na tsi ɖɔ ale gbegbe. Amesiwo ade 200,000 ƒe nunɔamesiwo katã bu, ame 500,000 megate ŋu ge ɖe woƒe aƒewo me o, eye ame 22 ku.

San Angelo, Texas, U.S.A., May 28, 1995: Ahom kple tsikpe tsrɔ̃ dugã sia si me nɔlawo nye ame 90,000, eye wògblẽ nu si ade (United States ƒe) dɔlar miliɔn 120.

Tame: Information Services Department, Ghana; nuɖusime: San Angelo Standard-Times

Kobe, Japan, January 17, 1995: Anyigbaʋuʋu si xɔ sɛkɛnd 20 pɛ ko wu ame akpewo, ame akpe nanewo xɔ abi, eye ame akpe alafawo zu aƒemanɔsitɔwo.

MÍELE ɣeyiɣi si woate ŋu ayɔ be afɔkuwo ƒe azã me. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe habɔbɔ ƒe nyatakaka aɖe gblɔ be le ƒe 30 siwo tso ƒe 1963 va ɖo ƒe 1992 me la, amesiwo sinu afɔkuwo wu, de abi wo ŋu, alo wònyã de gbe dzi ɖe edzi alafa memamã 6 ƒe sia ƒe le mamã dedie nu. Mɔkpɔkpɔbuɖeame wɔe be Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe habɔbɔa ɖoe be ƒe 1990-awo nanye “Ƒe Ewo Siwo Woatsɔ Atso Dzɔdzɔmefɔkuwo Dzi le Dukɔwo Dome.”

Le nyateƒe me la, menye ɣesiaɣie dzɔdzɔmeŋusẽ—abe ahom, to ƒe wowo, alo anyigbaʋuʋu ene—hea afɔku vanɛ o. Wo dometɔ alafa geɖe dzɔna ƒe sia ƒe siwo megblẽa nu le amegbetɔwo ŋu o. Gake ne ame kple nunɔamesi gbogbo aɖewo tsi eme la, ke esɔ be woayɔe be afɔku.

Edze abe ɖe dzɔdzɔmefɔkuwo magbe dzidziɖedzi o ene. Agbalẽ si nye Natural Disasters—Acts of God or Acts of Man? gblɔ be: “Amewo le woƒe nutowo me trɔm si wɔe be afɔku aɖewo nate ŋu adzɔ bɔbɔe wu, eye wole nu wɔm ale be afɔku mawo nate ŋu adzɔ ɖe wo dzi wu.” Agbalẽa wɔ nane si ate ŋu adzɔ ƒe kpɔɖeŋu aɖe be: “Ne anyigbaʋuʋu si nu mesẽ boo o dzɔ le du dahe si me anyixɔwo sɔŋ le le abu aɖe ŋu la, anye afɔku ŋutɔŋutɔ le amesiwo aku kple esiwo akpe fu ta. Gake anyigbaʋuʋua gbɔe afɔkua tso loo alo esi ameawo le xɔ treazã mawo me le anyigba dziŋɔ ma dzi ta yea?”

Le Biblia-srɔ̃viwo gome la, susu bubu gali si ta dzɔdzɔmefɔkuwo ƒe dzidziɖedzi mewɔ nuku na wo o ɖo. Ƒe 2,000 kloe nye sia la, Yesu Kristo gblɔe ɖi be nusiwo ade dzesi ‘nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu’ dometɔ aɖewo anye be “dɔwuame kple . . . anyigbaʋuʋu ava teƒeteƒewo.” (Mateo 24:3, 6-8) Biblia gblɔe ɖi hã be le “ŋkeke mamleawo” me la, amewo anye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, kple amesiwo melɔ̃a nu nyui o.a (Timoteo II, 3:1-5) Nɔnɔme siawo na be amegbetɔ wɔa nu wògblẽa nu le eƒe nutoa me ŋu zi geɖe, eye enaa wònɔa bɔbɔe wu be dzɔdzɔmefɔkuwo nadzɔ ɖe amewo dzi. Amemalɔ̃malɔ̃ ƒe xexe si me wòhiã be ame akpa gãtɔ nanɔ mee afɔku siwo amegbetɔ he vɛ hã tso.

Esi amewo va le agbɔ sɔm ɖe míaƒe ɣletinyigba la dzi, esi amegbetɔ ƒe nuwɔna wɔe be afɔku ate ŋu adzɔ ɖe amewo dzi bɔbɔe wu, eye esi woyi edzi le anyigbadzinuwo dome gblẽm ɖe edzi la, afɔkuwo akpɔtɔ anɔ nu gblẽm le amegbetɔ ŋu. Abe alesi nyati si kplɔe ɖo aɖee fia ene la, kpekpeɖeŋunana nyea kuxi.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Kpɔ agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta, axa 98-107, hena nyatakaka bubuwo le ŋkeke mamlɛawo ƒe dzesi ŋu.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

Tame: Information Services Department, Ghana; nuɖusime: San Angelo Standard-Times

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 2]

AKPAA DZI: Le Maxie Roberts/THE STATE ƒe mɔɖeɖe nu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe