INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 12/1 axa 10-15
  • Dzilawo, Mikpɔ Dzidzɔ Ðe Mia Viwo Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dzilawo, Mikpɔ Dzidzɔ Ðe Mia Viwo Ŋu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gbetete Ðe Yehowa ƒe Nyawo Dzi
  • Wo Hehe tso Ðevime
  • ‘Tsidede’ Wo Ɣesiaɣi
  • Ðeviwo Ta Kpɔkpɔ
  • Tohehe na Wo Lɔlɔ̃tɔe
  • Agbagbadzedzea Ðea Vi
  • Mlã Viwò tso Vidzĩme
    Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
  • Dzilawo—mihe Mia Viwo Le Lɔlɔ̃ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Alesi Woatu Ƒome Ðo Be Wòasẽ Ŋu Le Gbɔgbɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Mía Viwo—Domenyinu Xɔasi Ŋutɔ Aɖee Wonye
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 12/1 axa 10-15

Dzilawo, Mikpɔ Dzidzɔ Ðe Mia Viwo Ŋu

“Fofowò kple dawò akpɔ dzidzɔ.”—LODODOWO 23:25.

1. Nukae ana dzilawo nakpɔ dzidzɔ ɖe wo viwo ŋu?

ALEKE wònya kpɔnae nye esi be nàkpɔ ati fẽ aɖe wòatsi azu ati gã dzeani si ɖoa vɔvɔli—vevietɔ nenye wòe doe helé be nɛ! Nenema ke dzila siwo léa be na wo viwo wotsina zua Mawu subɔla nyuiwo la hã kpɔa dzidzɔ gã aɖe ɖe wo ŋui, abe alesi Biblia ƒe lododo sia gblɔe ene be: “Ame dzɔdzɔe fofo tsoa aseye, eye ne ame aɖe dzi vi nyanu la, ekpɔa dzidzɔ le eŋu. Fofowò kple dawò akpɔ dzidzɔ, eye dawò atso aseye.”—Lododowo 23:24, 25.

2, 3. (a) Aleke dzilawo awɔ be womava xa nu alo ase veve o? (b) Nukae ati fẽwo kple ɖeviwo siaa hiã bene woava zu nusi ado dzidzɔ na ame?

2 Gake vi menɔa anyi ko zua “ame dzɔdzɔe” kple vi “nyanu” o. Ehiã agbagbadzedze blibo hafi ɖeviwo mazu “nuxaxa” kple “dziku” o, abe alesi wòahiã agbagbadzedzee be ati fẽ natsi azu ati gã ene. (Lododowo 17:21, 25) Le kpɔɖeŋu me, ne wotu ati ɖe ati fẽawo ŋu la, ana be wòadzɔ eye ŋusẽ hã nanɔ eŋu. Tsidedee edziedzi le vevie ŋutɔ, eye ahiã be woakpɔ ati fẽa ta be lãwo megaɖe fu nɛ o. Mlɔeba la, ehiã be woake eŋu bene wòazu ati si anya kpɔ.

3 Mawu ƒe Nya la fia be ɖeviwo hiã nusiwo nye mawumehehe xɔxɔ, Biblia ƒe nyateƒea ƒe tsi dede wo wòate wo ŋu nyuie, takpɔkpɔ tso agbenɔnɔ vlowo me, kple tohehe si me lɔlɔ̃ le be woatsɔ ake nɔnɔme masɔmasɔwo le wo ŋui. Bene woana nuhiahiã siawo wo la, woxlɔ̃ nu vifofowo koŋ etɔxɛe be woanyi wo viwo le “Yehowa ƒe amehehe kple asitɔtrɔ le tamesusu ŋu” me. (Efesotɔwo 6:4, NW) Nukawoe nusia wɔwɔ bia?

Gbetete Ðe Yehowa ƒe Nyawo Dzi

4. Ðeviwo ƒe agba kae le dzilawo dzi, eye nukae wohiã hafi ate ŋu atsɔe?

4 “Yehowa ƒe . . . asitɔtrɔ le tamesusu ŋu” fia be míatrɔ asi le míaƒe tamebubu ŋu wòasɔ kple Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu. Eyata ele be dzilawo naƒã alesi Yehowa bua nyawo ŋui ɖe wo viwo me. Eye ele be woasrɔ̃ kpɔɖeŋu si Mawu ɖo le amehehe si me nublanuikpɔkpɔ le, alo ameɖɔɖɔɖo, me hã. (Psalmo 103:10, 11; Lododowo 3:11, 12) Gake hafi dzilawo nate ŋu awɔ nusia la, ele be Yehowa ƒe nyawo naxɔ woawo ŋutɔ me, abe alesi Mawu ƒe nyagblɔɖila Mose xlɔ̃ nu blema Israel-viwoe ene, be: “[Yehowa ƒe] nya, siwo megblɔ na wò egbe la, natsi dzi me na wò.” (Míawoe te gbe ɖe edzi.)—Mose V, 6:6.

5. Ɣekaɣiwoe wogblɔ na dzilawo le Israel be woahe wo viwo, eye le mɔ ka nu, eye nukae nya ‘ku ɖe to me’ fia?

5 Biblia sɔsrɔ̃ edziedzi kple ŋugbledede le eŋu, hekpe ɖe gbedodoɖa ŋu kpena ɖe dzilawo ŋu be woawɔ ɖe nusi ƒe se Mose gade ɖe eyome la dzi, be: “Ku [Yehowa ƒe nyawo] ɖe to me na viwòwo, eye naƒo nu le wo ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mɔ dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ.” (Míawoe te gbe ɖe edzi.) Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be ‘ku ɖe to me’ fia be “gbugbɔ gblɔ,” “gblɔe nàgagblɔe,” “na wòatsi susu me eme nakɔ kɔte.” De dzesi alesi Mose yi edzi te gbe ɖe nana be Yehowa ƒe nyawo naxɔ nɔƒe vevitɔ dzii: “Bla wo ɖe wò asi ŋu abe dzesi ene, eye bla wo ɖe ŋgonu le ŋudome; ŋlɔ wo ɖe wò xɔ ƒe ʋɔtrutiwo kple wò agbowo nu.” Eme kɔ kɔte be Yehowa di tso dzilawo si be woƒe ŋku nanɔ wo viwo ŋu lɔlɔ̃tɔe ɖaa!—Mose V, 6:7-9.

6. Nukae wobe dzilawo neku ɖe to me na wo viwo, eye vi kae wòaɖe?

6 Nukae nye Yehowa ƒe “nya” siwo wòle be dzilawo naku ɖe to me na wo viwo? Ðeko Mose gbugbɔ gblɔ nusi ame geɖe yɔna be Se Ewoawo, si me se aɖewoe nye mègawu ame o, mègawɔ ahasi o, mègafi fi o, mègaɖi aʋatsoɖase o, kple mègabiã ŋu o, vɔ koe nye ma. Agbenɔnɔ ƒe nudidi mawo, kpakple se si nye “tsɔ wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò ŋusẽ katã lɔ̃ Yehowa, wò Mawu la” koŋ ye nye nusi wòle be dzila siwo nye Israel-viwo naku ɖe to me na wo viwo. (Mose V, 5:6-21; 6:1-5) Mèkpɔe be nufiame sia tɔgbee hiã ɖeviwo egbea oa?

7. (a) Nukae wotsɔ ɖeviwo sɔ kplii le Biblia me? (b) Nuka me dzro ge míele azɔ?

7 Wogblɔ na vifofowo le Israel be: “Srɔ̃wò le abe weinka, si tsena ene le wò xɔ ƒe xɔgã me, eye viwòwo le abe amiti fẽwo ene le wò kplɔ̃ ŋu godoo.” (Psalmo 128:3) Gake be dzilawo nakpɔ dzidzɔ ɖe woƒe “ati fẽwo” ŋu ke menye be woase veve o la, ele be gbesiagbe woatsɔ ɖe le wo vi ɖesiaɖe me. (Lododowo 10:1; 13:24; 29:15, 17) Mina míakpɔ alesi dzilawo ate ŋu ahe wo viwoe, ade tsi wo le gbɔgbɔ me, akpɔ wo ta, eye woahe to na wo lɔlɔ̃tɔe ale be woava do dzidzɔ ŋutɔŋutɔ na wo ɖa.

Wo Hehe tso Ðevime

8. (a) Amekawoe nɔ abe ati ene wotu ɖe Timoteo ŋu? (b) Ɣekaɣie wodze hehenanae gɔme, eye vi kae wòɖe?

8 Bu Timoteo, amesi xɔ kpekpeɖeŋu tso ati eve siwo wotu ɖe eŋu le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu—dadaa kple mamaa—gbɔ, ŋu kpɔ. Esi Timoteo fofo nye Helatɔ eye edze ƒã be enye dzimaxɔsetɔ ta la, dadaa Yudatɔ, Eunike, kple eya hã dada Loide, woe na hehe ɖevi sia ‘tso vidzĩme ke le ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo me.’ (Timoteo II, 1:5; 3:15; Dɔwɔwɔwo 16:1) Woƒe agbagbadzedze le “nukunu, siwo [Yehowa] wɔ” fiafia Timoteo me—le eƒe vidzĩme ke—ɖe vi gã aɖe. (Psalmo 78:1, 3, 4) Ðewohĩ esime Timoteo ganɔ eƒe ƒewuiwo mee wòva zu dutanyanyuigblɔla le anyigba didi vovovowo dzi, eye ewɔ akpa vevi aɖe le ŋusẽdodo Kristo-hame gbãtɔwo me.—Dɔwɔwɔwo 16:2-5; Korintotɔwo I, 4:17; Filipitɔwo 2:19-23.

9. Aleke ɖeviwo awɔ asi le ŋutilãmenudidi ƒe mɔ̃tetrewo nu?

9 Dzilawo, hehenana ƒe atituɖeŋu ka ƒomevie mienye? Le kpɔɖeŋu me, ɖe miedi be nukpɔsusu si da sɔ le ŋutilãmenuwo ŋu nanɔ mia viwo sia? Ke ele be miaɖo kpɔɖeŋu nyuitɔ le alesi miaganɔ nu yeye ɖesiaɖe si gato alo nu bubu siwo mehiã mi ŋutɔŋutɔ o yome tim o me. Ne miedia ŋutilãmedzidzedzekpɔkpɔ la, ke megawɔ nuku na mi ne mia viwo srɔ̃e le mia gbɔ o. (Mateo 6:24; Timoteo I, 6:9, 10) Le nyateƒe me, ne hehenana ƒe atituɖeŋuawo ŋutɔ medzɔ o la, aleke ati fẽa ya awɔ adzɔ?

10. Ameka ƒe mɔfiafiae wòle be dzilawo nadi ɣesiaɣi, eye nɔnɔme kae le be wòanɔ wo si?

10 Dzila siwo kpɔa dzidzɔ ɖe wo viwo ŋu la adi Mawu ƒe kpekpeɖeŋu le wo hehe me ɣeawokatãɣi, woanɔ nusiwo ade wo viwo dzi wu le gbɔgbɔ me ŋu bum ɖaa. Vinɔ aɖe si si vi ene le gblɔ be: “Hafi míadzi mía viawo gɔ̃ hã la, míedoa gbe ɖa edziedzi na Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu ne míanyi wo nyuie, be eƒe Nya la nafia mɔ mí, eye míatsɔe awɔ dɔe le míaƒe agbenɔnɔ me.” Egagblɔ hã be: “‘Yehowae xɔa nɔƒe gbãtɔ’ menye numenya gbɔlo ko míegblɔna o ke boŋ nenemae míenɔa agbee hã.”—Ʋɔnudrɔ̃lawo 13:8.

‘Tsidede’ Wo Ɣesiaɣi

11. Nukae ati fẽwo kple ɖeviwo siaa hiã hafi woatsi?

11 Ehiã be ati fẽwo koŋ nakpɔ tsi ɖaa, eye àkpɔ alesi wòhiãe le alesi atiwo tsina nyuie le tɔ to me. (Tsɔe sɔ kple Nyaɖeɖefia 22:1, 2.) Vidzĩwo hã atsi nyuie le gbɔgbɔ me ne wodea Biblia me nyateƒea ƒe tsi wo ɣesiaɣi. Gake ele be dzilawo nabu afisi wo viwo ƒe susu ate ŋu alé nu asee ŋu. Ðewohĩ nufiame kpuikpuiwo nana wo edziedzi awɔ dɔ wu didi tɔwo nana wo ɣeyiɣi kpui aɖewo. Mègabu nufiafia kpukpui mawo nu tsɛe o. Dzilawo kple wo viwo ƒe anyinɔnɔ ɖekae le vevie ŋutɔ be ƒomedodo naɖo wo dome, eye wote gbe ɖe ƒomedodo sia dzi zi geɖe le Ŋɔŋlɔawo me.—Mose V, 6:6-9; 11:18-21; Lododowo 22:6.

12. Asixɔxɔ kae le gbedodoɖa kple ɖeviwo ŋu?

12 Ɣeyiɣi siwo me woafia nu ɖeviwo ƒe ɖe ate ŋu anye le woƒe anyimlɔɣi. Ðetugbi aɖe ɖo ŋku edzi be: “Dzinyelawo nɔa míaƒe abati to gbesiagbe zã me sea alesi míawo ŋutɔ míedoa gbe ɖae.” Nyɔnuvi bubu gblɔ alesi nusia wɔwɔ ɖea vii be: “Ena gbedodoɖa na Yehowa gbesiagbe zã me hafi amlɔ anyi va mãm.” Ne ɖeviwo senɛ wo dzilawo ƒoa nu tso Yehowa ŋu gbesiagbe eye wodoa gbe ɖa nɛ la, eva zua ame ŋutɔŋutɔ na wo. Ðekakpui aɖe gblɔ be: “Ne memia ŋku le gbe dom ɖa na Yehowa la, ewɔna nam abe ame ŋutɔŋutɔ aɖe si le abe tɔgbuinye ene ye le afima. Dzinyelawo kpe ɖe ŋunye mekpɔe be Yehowa wɔa akpa aɖe le nusianu si míewɔna kple nusianu si míegblɔna me.”

13. Nukawoe woate ŋu ade nufiaɣiwo me edziedzi?

13 Be Biblia me nyateƒea ƒe tsi la naɖo lãme na ɖeviawo la, dzilawo ate ŋu ade nuwɔna ŋutɔŋutɔ geɖewo woƒe nufiaɣiwo me. Dzila siwo ƒe vi eve meɖo ƒewuiwo me haɖe o gblɔ be: “Ðevi eveawo dze anyinɔnɔ kpoo le Fiaɖuƒe Akpata me sɔsrɔ̃ gɔme tso wo dzidzi ƒe kwasiɖa ʋee gbãtɔwo ko me. Vifofo aɖe gblɔ nusi eƒe ƒomea wɔ, be: “Míeŋlɔ Biblia ƒe agbalẽwo katã ɖe agbalẽ ɖeɖewo dzi eye míedzea agbagba be míaɖo wo ɖe ɖoɖo nu, mí katã míewɔnɛ ɖe mía nɔewo yome. Ðeviwo nɔa mɔ kpɔm na ɣeyiɣi sia ɣesiaɣi.” Ƒome geɖe srɔ̃a nu ɣeyiɣi kpui aɖe hafi ɖua nu alo le nuɖuɖu vɔ megbe. Vifofo aɖe gblɔ be: “Fiẽnuɖuɣiwo nye ɣeyiɣi nyui siwo míetsɔ dzroa gbesiagbe Biblia me mawunyakpukpuia mee.”

14. (a) Gbɔgbɔmedɔ ɖevi kawoe woate ŋu awɔ kple ɖeviwo? (b) Nusɔsrɔ̃ ŋutete kae le ɖeviwo si?

14 Biblia me nudzɔdzɔ vivi siwo le Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo me hã sese dzɔa dzi na ɖeviwo.a Srɔ̃tɔ aɖewo gblɔ be: “Esime ɖeviawo nɔ sue la, míedzroa nusɔsrɔ̃ ɖeka me le Biblia-Ŋutinyawo gbalẽa me, emegbe ɖeviawo doa awu abe ameawo ene wɔa ame vovovoawo ƒe akpa dzi abe drama sue aɖe ene. Ewɔwɔ doa dzidzɔ na wo eye zi geɖe la, wodina kokoko be míasrɔ̃e wu ŋutinya ɖeka le nusɔsrɔ̃ ɖesiaɖe me.” Mègabu viwò ƒe nusɔsrɔ̃ ŋutete nu tsɛe o! Biblia-Ŋutinyawo gbalẽa ƒe ta blibowo tsi susu me na ƒe ene viwo eye kura gɔ̃ hã wosrɔ̃ Biblia hã xexlẽ! Ðevi aɖe ɖo ŋku edzi be esi yexɔ abe ƒe etɔ̃ kple afã ene la, yemete ŋu yɔa “ʋɔnudɔdrɔ̃wo” nyuie o, gake ye fofo de dzi ƒo na ye be yeayi edzi asrɔ̃ eyɔyɔ.

15. Nukawoe woate ŋu ade nusɔsrɔ̃ siwo wowɔna kple ɖeviwo me, eye kpeɖodzi kawoe li be nusɔsrɔ̃ mawo ɖea vi?

15 Àte ŋu azã mia kple viwòwo ƒe nusrɔ̃ɣiwo atsɔ afia alesi woana nyateƒea ƒe tsi ame bubuwoe, abe le nyaŋuɖoɖo le kpekpewo me ene, la hã wo. (Hebritɔwo 10:24, 25) Ðetugbi aɖe gblɔ be: “Le míaƒe nusrɔ̃ɣiwo la, wobiana tsoa asinye be maɖo nya ŋu le nye ŋutɔ nye nyagbɔgblɔ me. Womeɖe mɔ nam be maxlẽ nua egɔmemasemasee o.” Hekpe ɖe eŋu la, woate ŋu ana hehe ɖeviwo be woakpɔ gome si sɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Nyɔnu aɖe si dzila Mawu vɔ̃lawo nyi la ɖe nu me be: “Menye amekplɔɖolawo koe míenye nɔa mía dzilawo yome le woawo ƒe dɔ me o. Míenya be míawo hã míaƒe gome le eme, ne eganye agbonuga ƒoƒo ana amekpegbalẽvie gɔ̃ hã. Dzadzraɖo nyuie do ŋgɔ na kwasiɖanuwuwu ɖesiaɖe ƒe dɔwɔnawo kpena ɖe mía ŋu be míenyaa nusi míagblɔ. Medzɔ gbaɖekegbe kpɔ be míafɔ Memleɖagbe ŋdi abia be ɖe míele gbeadzi yi ge hã o. Míenya be míele yiyi ge.”

16. Nukatae wòle vevie be woawɔ ƒomenusɔsrɔ̃ kple ɖeviwo ɖe ɣeyiɣi si woɖo ɖi dzi?

16 Míate ŋu agblɔ be wole gbe tem ɖe Biblia me nyateƒea ƒe tsi dede ɖeviwo edziedzi dzi fũ akpa o, esi fia be ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ kwasiɖa sia kwasiɖa le vevie ŋutɔ. Vifofo aɖe si si vi eve le gblɔ be “nusiwo tena ɖe ɖeviwo dzi wu ƒe ɖee nye nuwo mawɔmawɔ ɖe ɣeyiɣi ɖeka dzi.” (Efesotɔwo 6:4) Egblɔ be: “Mía kple srɔ̃nye míetia ŋkeke kple gaƒoƒo aɖe eye míewɔa ƒomenusɔsrɔ̃a le edzi pɛpɛpɛ. Mede ɣeyiɣi aɖeke hafi ɖeviwo kpɔa mɔ nɛ le ga ma me o.” Hehe siawo katã nana tso ɖeviwo ƒe vidzĩme ke le vevie, abe alesi wogblɔnɛ le nyateƒenya sia mee ene be ‘Alesi nèbi ati fẽe la, nenema nue wòatsi ɖo.’

17. Nuka hãe le vevie abe Biblia me nyateƒeawo fiafia ɖeviwo ene?

17 Biblia me nyateƒeawo gbɔgblɔ na ɖeviwo le vevie, gake dzilawo ƒe kpɔɖeŋu ɖoɖo hã le vevie nenema ke. Ðe viwòwo kpɔa wò nènɔa nu srɔ̃m, nɔa kpekpewo dem edziedzi, nɔa gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔm, ẽ, wokpɔnɛ be nèkpɔa dzidzɔ ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu veviea? (Psalmo 40:9) Ele vevie ŋutɔ be woakpɔ nusiawo le ŋuwò. Eme kɔ be nyɔnuvi aɖe gblɔ le dadaa si do dzi togbɔ be srɔ̃a tsi tre ɖe eŋu hã eye wònyi vi ade wova zu Ðasefo wɔnuteƒewo la ŋu be: “Nusi wɔ dɔ ɖe mía dzi wue nye Dada ŋutɔ ƒe kpɔɖeŋu—ekpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi wu eƒe nyagbɔgblɔwo.”

Ðeviwo Ta Kpɔkpɔ

18. (a) Aleke dzilawo awɔ ana takpɔkpɔ si ɖeviwo hiã la wo? (b) Nufiame ka ƒomevie wona ɖeviwo le Israel tso vidzinuwo ŋu?

18 Abe alesi wòhiãna edziedzi be woakpɔ ati fẽwo ta tso lã siwo agblẽ nu le wo ŋu si mee ene la, ɖeviwo hã hiã takpɔkpɔ tso “ame vɔ̃ɖiwo” si me le nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia me. (Timoteo II, 3:1-5, 13) Aleke dzilawo awɔ ana takpɔkpɔ sia? To kpekpe ɖe wo ŋu be Mawu ƒe nunya nasu wo si mee! (Nyagblɔla 7:12) Yehowa de se na Israel-viwo—“ɖeviwo” hã le eme—be woaɖo to asee ne wole Sea xlẽm, si me woagblɔ gbɔdɔdɔ ƒe agbenɔnɔ si sɔ kple esi mesɔ o hã le. (Mose V, 31:12; Mose III, 18:6-24) Woyɔ ŋutilã la ƒe vidzinuwo ƒe akpa vovovoawo, esi ƒe ɖewoe nye “voku” kple “ŋutsu”, si fia ŋutsu ƒe vidzinu. (Mose III, 15:1-3, 16; 21:20; 22:24; Mose IV, 25:8; Mose V, 23:10) Le alesi gbegbe egbe xexeame gblẽe ta la, ehiã be ɖevi suewo nanya ŋutinu siawo, si hã le Mawu ƒe asinudɔwɔwɔ siwo ŋu wògblɔ le be “wonyo ŋutɔ” la, ƒe zazã si sɔ kple esi mesɔ o.—Mose I, 1:31; Korintotɔwo I, 12:21-24.

19. Nufiame kae sɔ be woana ɖeviwo le woƒe ɣaɣlɛƒewo ŋu?

19 Nyuitɔe nye be dzila evea, alo ame tsitsi vidzikpɔla ɖesiaɖe, nayɔ ɖevia ƒe ɣaɣlɛƒewo ƒe ŋkɔwo nɛ. Ele be woaɖe eme kpe ɖe eŋu be mele be woaɖe mɔ na ame bubu aɖeke be wòaka asi teƒe siawo o. Esi zi geɖe ɖevigbɔdɔlawo dina be yewoakpɔ alesi ɖeviwo awɔ ɖa ne yewoble wo nu ta la, ele be woafia ɖevia be wòatsi tre ɖe wo ŋu sesĩe agblɔ be “Magblɔe!” Mifia ɖeviwo be woagblɔe na mi ɣesiaɣi si ame aɖe adi be yeaka asi wo ŋu le mɔ si ana woƒe dzi madze eme o nu, ne amea do vɔvɔ̃ na wo aleke ke hã.

Tohehe na Wo Lɔlɔ̃tɔe

20. (a) Aleke tohehe le abe ati ŋu keke ene? (b) Aleke wòwɔna na ame ne wohe to nɛ gbã, gake nukae dona tsoa eme?

20 Eɖea vi na ɖeviwo ne wohe to na wo lɔlɔ̃tɔe, abe alesi wònyona na atii ne woke alɔ aɖewo le eŋu ene. (Lododowo 1:8, 9; 4:13; 13:1) Ne woke alɔ gbegblẽwo ɖa la, enaa susɔeawo tsina nyuie. Eyata ne viwòwo ƒe susu le tɔtrɔm ɖe ŋutilãmenuwo ŋu alo wodina be yewoade ha baɖawo alo aɖe modzaka madzemadzewo la, didi siawo le abe alɔ siwo wòle be woalã ɖa ene. Ne woɖe wo ɖa la, akpe ɖe viwòwo ŋu be woatsi le gbɔgbɔ me. Gbã la, awɔ abe ɖe amehehe sia medzɔ dzi na wo o ene, abe alesi atilɔwo lalã ɖa ate ŋu aɖe fu na atia vie ene. Gake vi nyui si hehe sia aɖee nye be ana ŋusẽ yeye naɖo viwòa ŋu be wòatsi aɖo ta afisi nèdi.—Hebritɔwo 12:5-11.

21, 22. (a) Nukae fia be to menya hena na ame o, eye tohehe hã menya xɔna o? (b) Nukatae mele be dzilawo nagbe tohehe o?

21 Enye nusi dzi amewo lɔ̃na ɖo bɔbɔe be to menya hena na ame o alo be tohehea xɔxɔ medzɔa dzi na ame o. Vifofo aɖe de dzesii be: “Vinyeŋutsu lɔ̃a ɖevi aɖe si hamemegãwo na menya be eƒe nɔnɔme menyo woade ha kplii o la ƒe ha dede. Ðe wòle be matso ɖe eŋu kaba wu hafi. Togbɔ be vinyea mewɔ nu gbegblẽ aɖeke si dze gaglã o hã la, exɔ ɣeyiɣi hafi eƒe susu te ŋu trɔ.” Via gblɔ be: “Esi mía kple xɔ̃nye vevitɔ dome klã la, egbã dzi nam ŋutɔ.” Gake egagblɔ kpee be: “Nyametsotso nyui aɖee wònye míewɔ, elabena le ema megbe teti ko woɖee le hame.”

22 Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Agbemɔe nye mokaname, siwo fiaa mɔnu ame la.” Eyata aleke gbegbe wòasesẽ na wò hã la, mègagbe tohehe na viwòwo o. (Lododowo 6:23; 23:13; 29:17) Ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, woada akpe be nèhe yewo. Ðevi aɖe gblɔ be: “Meɖo ŋku edzi be tsã ne dzinyelawo he to nam la, dzi kuam helĩhelĩ ɖe wo ŋu. Fifia anye ne dzi agakum ɖe wo ŋu wu kura ne ɖe wogbe tohehe nam.”

Agbagbadzedzea Ðea Vi

23. Nukatae viɖe le agbagba ɖesiaɖe si woadze ɖe ɖeviwo ŋu la ŋu?

23 Ðikeke aɖeke mele eŋu o, gbesiagbe ƒe ŋkuléleɖeameŋu lɔlɔ̃tɔe gbogbo siae wɔa ɖevi siwo ƒe nuwɔna doa dzidzɔ na dzilawo kpakple ame bubuwo siaa. Gake agbagba sia agbagba si wodze ɖe wo ŋu—ɖe ŋutilãmeviwo alo gbɔgbɔmeviwo ŋu o—dze ɖe teƒeɖoɖo siwo woate ŋu akpɔ la ta. Apostolo Yohanes si ku amegã ɖeɖi la ŋlɔ be: “Nyemekpɔ dzidzɔ gã wu esia be, mese bena, vinyewo zɔna le nyateƒe me o.”—Yohanes III, 4.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye tae.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

◻ Nukae ati fẽwo kple ɖeviwo siaa hiã hafi woadze na kafukafu?

◻ Aleke dzilawo ate ŋu anɔ abe hehenana ƒe atituɖeŋuwo ene?

◻ Nukawoe woate ŋu ade nusiwo wofiaa ɖeviwo me, eye nuka ŋue wòle be woafia wo be woatsi tre ɖo?

◻ Aleke tohehe ɖea vi na vii, abe alesi ati ŋu keke ɖenɛ na atii ene?

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 10]

Le Green Chimney’s Farm ƒe mɔɖeɖe nu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe