Yesu Ŋuti Nyateƒe La
EDZE abe ɖe seɖoƒe meli na nufiafia kple nyagblɔkpɔ siwo ku ɖe amesi Yesu nye kple nusiwo wòwɔ ŋu o ene. Gake nya kae Biblia ŋutɔ gblɔ? Nya kae wògblɔ na mí le Yesu Kristo ŋuti?
Nya si Biblia Gblɔ
Ne èxlẽ Biblia la nyuie la, àde dzesi nyateƒenya vevi siawo:
◻ Yesu nye Mawu ƒe Tenuvi, nuwɔwɔwo katã ƒe ŋgɔgbevi.—Yohanes 3:16; Kolosetɔwo 1:15.
◻ Anye ƒe akpe evee nye sia la, Mawu tsɔ Yesu ƒe agbe de Yuda-ɖetugbi nɔaƒe aɖe ƒe vidzidɔ me bene woadzii amegbetɔe.—Mateo 1:18; Yohanes 1:14.
◻ Menye ame nyui koe Yesu nye o. Eɖe Fofoa, Yehowa Mawu, ƒe amenyenye nyui fia pɛpɛpɛ le go ɖesiaɖe me.—Yohanes 14:9, 10; Hebritɔwo 1:3.
◻ Yesu kpɔ amesiwo wote ɖe anyi ƒe nuhiahiãwo gbɔ lɔlɔ̃tɔe le eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa wɔɣi. Eda gbe le dɔnɔwo ŋu nukutɔe eye wòfɔ ame kukuwo ɖe tsitre gɔ̃ hã.—Mateo 11:4-6; Yohanes 11:5-45.
◻ Yesu ɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea be eya koe nye ameƒomea fukpelawo ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia, eye ehe eƒe nusrɔ̃lawo be woayi gbeƒãɖeɖedɔ sia dzi.—Mateo 4:17; 10:5-7; 28:19, 20.
◻ Le Nisan 14 (April 1 lɔƒo), ƒe 33 M.Ŋ. la, wotso Yesu nu alakpatɔe be ele aglãdzedze ɖe dziɖuɖu ŋu ƒãm ɖe amewo me, eye wolée, wodrɔ̃ ʋɔnui, wobu fɔe, eye wowui.—Mateo 26:18-20, 48–27:50.
◻ Yesu ƒe ku nye tafe si ɖea ameƒomea me tɔ siwo xɔ edzi se la tso woƒe nuvɔ̃ me eye esia ʋua agbe mavɔ kpɔkpɔ ƒe mɔ na amesiame si xɔa edzi sena.—Romatɔwo 3:23, 24; Yohanes I, 2:2.
◻ Wofɔ Yesu ɖe tsitre le Nisan 16 lia dzi, eye le ema megbe kpuie la, egatrɔ yi dziƒo bene wòatsɔ tafe si nye eƒe amegbetɔ ƒe agbe debliboa ƒe asixɔxɔ ana Fofoa.—Marko 16:1-8; Luka 24:50-53; Dɔwɔwɔwo 1:6-9.
◻ Yesu si wofɔ ɖe tsitre nye Yehowa ƒe Fia si wòtia, eyata ŋusẽ blibo le esi be wòana Mawu ƒe gɔmedzetameɖoɖo ɖe amegbetɔ ŋu nava eme.—Yesaya 9:5, 6; Luka 1:32, 33.
Eyata Biblia ƒo nu le Yesu ŋu be eyae nye ame vevitɔ si ana Mawu ƒe tameɖoɖowo nava eme. Gake aleke nàwɔ aka ɖe edzi be Yesu ŋutɔŋutɔ lae nye amesia—Yesu si ƒe nya wogblɔ le ŋutinya me be wodzii le Betlexem eye wònɔ anyigba sia dzi anye ƒe 2,000 enye sia?
Nusi Ana Nàka Ðe Edzi
Àte ŋu aɖe ɖikeke geɖe ɖa ne èxlẽ Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo akpaɖekedzimademadee. Ne èxlẽe la, àkpɔe be Biblia ƒe nuŋlɔɖia menye ŋutinya wogblɔ gbadzaa ko abe alesi glitoto le ene o. Ke boŋ woyɔ ŋkɔwo, ɣeyiɣiwo, kple teƒewo tututu. (Le kpɔɖeŋu me, kpɔ Luka 3:1, 2.) Gakpe ɖe eŋu la, wogblɔ Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ŋu nya le anukwareɖiɖi blibo me, nyateƒetoto dze ale gbegbe be enaa kakaɖedzi sua exlẽla si. Nuŋlɔlaawo metsyɔ nu ame aɖeke ƒe vodada dzi kple susu be nuŋlɔɖia nadze nyateƒenyae o—womeɣla woa ŋutɔwo tɔ gɔ̃ hã o. Vavãe, àkpɔe be nyateƒetoto dze le Biblia me.—Mateo 14:28-31; 16:21-23; 26:56, 69-75; Marko 9:33, 34; Galatiatɔwo 2:11-14; Petro II, 1:16.
Gake nu geɖe gali. Tomenu siwo ŋu woke ɖo la ɖo kpe Biblia ƒe nuŋlɔɖia dzi enuenu. Le kpɔɖeŋu me ne èyi Israel Blemanudzraɖoƒe le Jerusalem la, àkpɔ kpe aɖe si dzi woŋlɔ nu ɖo si yɔ Pontio Pilato ƒe ŋkɔ. Tomenu bubu siwo wogakpɔ la ɖo kpe edzi be Lisania kple Sergio Paulo, amesiwo ƒe ŋkɔ Biblia yɔ be wonye amewo ŋutɔŋutɔ ke womenye amesiwo ŋu nyawo Kristotɔ gbãtɔwo kpa o. Nyadzɔdzɔ siwo ŋu nya wogblɔ le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo (Nubabla Yeyea) me ƒe kpeɖodzi gbogbo aɖewo le nya siwo blema nuŋlɔla siwo dometɔ aɖewoe nye Juvenal, Tacitus, Seneca, Suetonius, Pliny Suetɔ, Lucian, Celsus, kple Yudatɔ ŋutinyaŋlɔla Josephus gblɔ la me.a
Ame akpe geɖe siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔa me la mehe nya le nuŋlɔɖi siwo le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me ŋu o. Amesiwo lé fu Kristotɔnyenye gɔ̃ hã meke ɖi nya siwo wobe Yesu gblɔ kple nusiwo wòwɔ ƒe nyateƒenyenye o. Nufialagã F. F. Bruce gblɔ le alesi wòate ŋu adzɔ be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo aɖe ami ɖe eƒe agbenɔnɔ ŋu nyawo ŋui le eƒe ku megbe ŋu be: “Le ƒe gbãtɔ mawo me si Eƒe nusrɔ̃la siwo ate ŋu aɖo ŋku nusi dzɔ kple nusi medzɔ o dzi la dometɔ geɖe ŋutɔ ganɔ agbe la, manɔ bɔbɔe abe alesi agbalẽŋlɔla aɖewo di be yewoasusui ene be ɖe wokpa nya siwo Yesu gblɔ kple nusiwo wòwɔ la o. . . . Nusrɔ̃laawo mate ŋu ada alakpa o (kaka wòazu be woaɖoe koŋ atro nyaawo o), elabe adzɔ dzi na ame aɖewo vevie be yewoaɖe wo gɔme enumake.”
Nusiwo Ta Womexɔe Se O
Gake agbalẽnyala aɖewo gakea ɖi kokoko. Togbɔ be wosusunɛ be Biblia ƒe nuŋlɔɖia nye nyakpakpa hã la, wotsɔa ŋkubiã tsaa Ŋɔŋlɔ Ɣaɣla siwo metso Biblia me o me be woawo ya wonye nyateƒe! Nukatae? Edze ƒã be nanewo le Biblia me siwo egbegbe agbalẽnyalawo medi be yewoaxɔ wo dzi ase o.
S. Austin Allibone tɔ gbe ɖikelawo le eƒe agbalẽ si nye Union Bible Companion, si wota le ƒe 1871 me. Eŋlɔ be: “Bia amesiame si be yekea ɖi le ŋutinya siwo le Nyanyuigbalẽawo me ƒe nyateƒenyenye ŋu be nukatae wòxɔe se be Cæsar ku le Capitol, alo be Papa Leo III. ye ɖo Fiagã Charlemagne wònye [Roma Fiaɖuƒea ƒe] Ɣetoɖoƒenuto ƒe Fiagã le ƒe 800 me hã? . . . Míexɔ nya siwo katã . . . wogblɔ tso ŋutsu siawo ŋu dzi se; eye susu si tae nye be kpeɖodziwo le ŋutinya me si fia be wonye nyateƒe. . . . Ne woɖe kpeɖodzi abe esia ene fia vɔ eye ame aɖewo gakpɔtɔ gbe nya siawo dzi xɔxɔ se la, míebua wo nugɔmemasela tsibomewo alo numanyala siwo ŋu viɖe aɖeke mele o. Eyata nya kae míagblɔ azɔ tso amesiwo togbɔ be wokpɔ Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo ƒe nyateƒenyenye ƒe kpeɖodzi geɖe hã la, wogblɔna kokoko be yewomexɔ edzi se o ŋuti? . . . Womedi be yewoaxɔ nusi aɖe woƒe dada ɖa, eye wòazi wo dzi be woatrɔ woƒe agbenɔnɔ dzi ase o.”
Ẽ, susu gbegblẽwo tae ɖikela aɖewo gbe Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ɖo. Woƒe kuxia metso eƒe nyateƒenyenye gbɔ o ke eƒe dzidzenuwo gbɔ boŋ wòtso. Le kpɔɖeŋu me, Yesu gblɔ le eyomedzelawo ŋu be: “Womenye xexeame ƒe akpa aɖeke o, abe alesi nye hã nyemenye xexeame ƒe akpa aɖeke o ene.” (Yohanes 17:14, NW) Ke hã la, ame geɖe siwo be Kristotɔwoe yewonye la ƒoa wo ɖokui ɖe xexe sia me ƒe dunyahenyawo me vĩ, eye wowɔa ʋukɔkɔɖiʋawo gɔ̃ hã. Le esi teƒe be ame geɖe natrɔ ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo ŋu la, woadi be Biblia boŋ nasɔ ɖe yewoƒe dzidzenuwo nu.
Bu agbenyuinɔnɔ hã ŋu kpɔ. Yesu ɖo aɖaŋu na hame si nɔ Tiatira vevie le alesi woɖe mɔ ɖe ahasiwɔwɔ ŋu ta. Egblɔ na wo be: “Nyee nye amesi dzroa ayikuwo kple dziwo me kpɔna, eye maɖo teƒe na mia dome amesiame le eƒe dɔwɔwɔwo nu.”b (Nyaɖeɖefia 2:18-23) Gake ɖe menye nyateƒe be ame geɖe siwo be Kristotɔwoe yewonye la mebua agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo ɖe naneke me oa? Woagbe nya siwo Yesu gblɔ tsɔ wu be woaɖe asi le woa ŋutɔwo ƒe nuwɔna gbegblẽwo ŋu.
Esi agbalẽnyalawo gbe be yewomaxɔ Yesu si ŋu nya wogblɔ le Biblia me dzi se o la, wokpa Yesu aɖe ƒe ŋutinya na wo ɖokui. Woawo boŋue le gli si wole fɔ bum Nyanyuiŋlɔlawo alakpatɔe be woto la tom. Wolɔ̃ ɖe Yesu ƒe agbenɔnɔ ƒe akpa siwo dze wo ŋu dzi, wogbe akpa susɔea, eye wotsɔ woa ŋutɔwo ƒe nya sue aɖewo kpee. Le nyateƒe me la, menye Yesu si nɔ anyi kpɔ ye woƒe nunyala tsatsala alo hadomegbenɔnɔfiala si wobe yewole didim la nye o; ke boŋ amesi ƒe ŋutinya wokpa le agbalẽnyanya me dadatɔe ko wònye dzro.
Keke Ðe Yesu Ŋutɔŋutɔ la Ŋu
Yesu dze agbagba be yeaʋã amesiwo nyateƒea kple dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ nɔ wuwum la ƒe dzi. (Mateo 5:3, 6; 13:10-15) Ame mawo wɔ ɖe Yesu ƒe amekpekpea dzi be: “Mite va gbɔnye, mi amesiwo katã le agbagba dzem, eye agba le mia wum la, eye nye la mana dzudzɔ mi. Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye miasrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena nye dɔme fa, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miakpɔ dzudzɔ na miaƒe luʋɔwo. Elabena [nye] kɔkuti la le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.”—Mateo 11:28-30.
Míate ŋu akpɔ amesi nye Yesu la ŋutɔŋutɔ le egbegbe agbalẽnyalawo ƒe agbalẽ siwo woŋlɔ me o; eye míakpɔe le Kristodukɔa ƒe sɔlemeha siwo zu afisiwo wotoa amewo ƒe kɔnyinyiwo vɛ lena hã me o. Àte ŋu akpɔ Yesu si ŋu nya wogblɔ le ŋutinya me la le wò ŋutɔ wò Biblia me. Àdi be yeasrɔ̃ nu bubu geɖe tso eŋua? Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ nu tso eŋu.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Hena numeɖeɖe bubuwo la, kpɔ The Bible—God’s Word or Man’s?, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta, ta 5, axa 55-70.
b Ɣeaɖewoɣi la, wotsɔa ayikuwo tsia tre ɖi na ame ƒe tamebubu kple seselelãme ememetɔwoe le Biblia me.
[Aɖaka si le axa 6]
ƑE ALAFA GEÐE ƑE ÐIKEKE
Wodze ɖikeke le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ŋu gɔme wu ƒe 200 enye sia esime Germanytɔ xexemenunyala Hermann Samuel Reimarus (ƒe 1694 va ɖo ƒe 1768 me) gblɔ be: “Mía tɔ dzɔ be míana vovototo nadze ƒã le nusiwo Apostoloawo fia le woƒe nuŋlɔɖiwo me kple nusiwo Yesu Ŋutɔ gblɔ hefia le Eƒe agbemeŋkekewo katã me la dome.” Tso Reimarus ŋɔli ke la, wona agbalẽnyala geɖe va se le wo ɖokui me nenema ke.
Agbalẽ si nye The Real Jesus gblɔ be blema ɖikela geɖe mebu wo ɖokui xɔsegbelawoe o. Ke boŋ, “wobu wo ɖokui be yewoe nye Kristotɔ akuakuawo wu, le esi yewote ŋu ɖe ga yewo ɖokui tso sɔlemenufiafiawo kple aʋatsodzixɔse ƒe kɔsɔkɔsɔwo me ta.” Wobu ɖikeke deŋgɔ be enye “Kristotɔnyenye kɔkɔetɔ.”
Nya si wɔ nublanuie nye be Kristodukɔa va zu afisi wotoa amewo ƒe kɔnyinyiwo vɛ lena. Luʋɔ makumaku, Mawuɖekaetɔ̃, kple dzomavɔ nufiafiawo nye nufiafia siwo tsi tre ɖe Biblia ŋu dometɔ ʋee aɖewo ko. Gake menye Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ŋlɔlawoe tɔtɔ nyateƒea alea o. Ke boŋ wotsi tre ɖe aʋatsonufiafiawo ƒe mododoɖa gbãtɔwo ŋu le ƒe alafa gbãtɔ ƒe domedome lɔƒo esime Paulo ŋlɔ be megbedede nɔ “dɔ wɔm ŋusẽtɔe xoxo” le amesiwo be yewonye Kristotɔwo dome. (Tesalonikatɔwo II, 2:3, 7) Míate ŋu aka ɖe edzi be ŋutinya kple nufiafia siwo woŋlɔ ɖe Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la nye nyateƒe.
[Aɖaka si le axa 7]
ƔEKAƔIE WOŊLƆ NYANYUIGBALẼAWO?
Nubabla Yeyea ŋuti ɖikela geɖe tea tɔ ɖe edzi be nudzɔdzɔ siwo ŋu nya wogblɔ le Nyanyuigbalẽawo me la dzɔ vɔ ƒe geɖe megbe hafi wova ŋlɔ wo eyata vodada anɔ wo me kokoko.
Gake ɖaseɖiɖiwo fia asi ƒe siwo va do ŋgɔ be woawo mee woŋlɔ Mateo, Marko, kple Luka ƒe agbalẽawo. Axadzidzeside siwo woŋlɔ ɖe Mateo ƒe agbalẽ aɖewo siwo wotsɔ asi ŋlɔe dzi fia be enye keke ƒe 41 M.Ŋ. lɔƒoe wowɔ nuŋlɔɖi gbãtɔa. Anye ƒe 56 kple 58 M.Ŋ. domee woŋlɔ Luka, elabena Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa (si dze abe ƒe 61 M.Ŋ. lɔƒoe wowu enu ene la) fia be eŋlɔla, Luka, ŋlɔ eƒe “nya gbãtɔ,” si nye Nyanyuia xoxo. (Dɔwɔwɔwo 1:1) Wobui be Roma ye woŋlɔ Marko ƒe Nyanyuia le le apostolo Paulo ƒe gamenɔɣi gbãtɔ alo evelia me—anye le ƒe 60 kple 65 M.Ŋ. dome.
Nufialagã Craig L. Blomberg lɔ̃ ɖe edzi be ƒe siwo do ŋgɔ wu mee woŋlɔ Nyanyui mawo. Egblɔ be ne míetsɔ Yohanes ƒe Nyanyui, si woŋlɔ le ƒe alafa gbãtɔa ƒe nuwuwu me kpee gɔ̃ hã la, “míegogo nyaawo dzɔɣi wu blema agbeŋutinya geɖewo. Le kpɔɖeŋu me, Alexander Gãtɔ ƒe agbeŋutinyaŋlɔla gbãtɔ eveawo siwo nye Arrian kple Plutarch ŋlɔ Alexander ŋu nya le ƒe alafa ene kple edzivɔ le eƒe ku megbe, si nye ƒe 323 D.M.Ŋ. me, gake ŋutinyaŋlɔlawo akpa gãtɔ ka ɖe woƒe nyawo dzi. Ɣeyiɣi geɖe va yi hafi woto Alexander ƒe agbenɔnɔ ŋuti xotutu wɔmoyawo vɛ, gake enye ƒe alafa geɖe le agbalẽŋlɔla eve siawo ƒe ku megbe hafi.” Ne mede ɖekeɖeke o hã la, ele be woaxɔ Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa siwo nye ŋutinya la dzi ase abe alesi woxɔ xexemetɔwo ƒe ŋutinyawo dzi see ene.
[Nɔnɔmetata si le axa 8]
Dzidzɔ ayɔ amesiame me fũ le anyigba dzi Paradiso si gbɔna me