INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 12/15 axa 22-24
  • Akwila Kple Priskila—Srɔ̃tɔ Siwo Ðo Kpɔɖeŋu Nyui Wonye

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Akwila Kple Priskila—Srɔ̃tɔ Siwo Ðo Kpɔɖeŋu Nyui Wonye
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Avɔgbadɔwɔlawo
  • Woɖo Kpɔɖeŋu le Amedzrowɔwɔ Me
  • ‘Wode Woƒe Agbe Afɔku me’ ɖe Paulo Ta
  • Srɔ̃tɔ Siwo Dome Tsi Metona O
  • Ðe Gbeƒã Be Nàwɔ Nusrɔ̃lawo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • “Yi Edzi Nànɔ Nya La Gblɔm, Eye Ðoɖoe Megazi Le Nuwò O”
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
  • Kristotɔwo Hiã Wo Nɔewo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Èɖo Ŋku Wo Dzia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 12/15 axa 22-24

Akwila Kple Priskila—Srɔ̃tɔ Siwo Ðo Kpɔɖeŋu Nyui Wonye

“MIÐUÐƆ Priskila kple Akwila, siwo nye hanyedɔwɔlawo le Kristo Yesu me la, nam ƒã; woawo nye amesiwo tsɔ woawo ŋutɔ ƒe kɔwo ɖo anyi ɖe nye luʋɔ ta, amesiwo menye nye ɖeɖekoe le akpe dam na wo o, ke hame, siwo katã le trɔ̃subɔlawo dome hãe.”—Romatɔwo 16:3, 4.

Apostolo Paulo ƒe nya siawo siwo wòŋlɔ ɖo ɖe Kristo-hame si le Roma la fia asixɔxɔ gã si wòde atsu kple asi siawo ŋu kple xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe bubu si le eme na wo. Ekpɔ egbɔ be yemeŋlɔ wo be esime yenɔ lɛta ŋlɔm na woƒe hamea o. Gake amekawoe nye Paulo ƒe ‘hadɔwɔla’ siawo, eye nukatae wole vevie alea gbegbe na eya kple hameawo?—Timoteo II, 4:19.

Akwila nye Yudatɔ siwo le gbedzi (esiwo kaka ɖe nuto vovovowo me) dometɔ ɖeka eye wo dee nye Ponto, si nye nuto aɖe le Asia Sue ƒe dziehenutome. Wo kple srɔ̃a Priskila (Priska) ʋu va tsi Roma. Yudatɔ gbogbo aɖewo va nɔ du ma me, ne mede ɖeke o hã, anye le esi Pompey va xɔ Yerusalem le ƒe 63 D.M.Ŋ. me, esime wokplɔ gamenɔla gbogbo aɖewo va Roma va wɔ wo kluviwoe vɔ megbe. Le nyateƒe me la, Romatɔwo ƒe nuŋlɔɖiwo fia be Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe wuieve alo esiwo wu nenema nɔ blemadu ma me. Yudatɔ aɖewo va Yerusalem le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi, esime wose nyanyuia. Ðewohĩ woawoe nye ame gbãtɔ siwo tsɔ Kristotɔwo ƒe nya la yi Roma Fiaɖuƒea ƒe fiadua mee.—Dɔwɔwɔwo 2:10.

Gake Fiagã Klaudio de se wonyã Yudatɔwo le Roma le ƒe 49 alo 50 M.Ŋ. ƒe gɔmedzedze lɔƒo. Eyata Helatɔwo ƒe du si nye Korinto mee apostolo Paulo do go Akwila kple Priskila le. Esime Paulo va Korinto la, Akwila kple Priskila nyo dɔme xɔe woƒe amedzroe eye wona dɔ hãe wòwɔ, elabena dɔ ɖekae wo katã wowɔna—wonye avɔgbadɔwɔlawo.—Dɔwɔwɔwo 18:2, 3.

Avɔgbadɔwɔlawo

Dɔ sia menye dɔ feŋui o. Avɔgbadɔwɔwɔ bia be woasẽ avɔ alo lãgbalẽ sesẽ trikpawo atɔ akpe. Ŋutinyaŋlɔla Fernando Bea gblɔ be “enye dɔ si bia dɔnyanya kple ŋuɖɔɖɔɖo” tso avɔgbadɔwɔlaa siwo wɔa dɔ kple “avɔ sesẽ kpako siwo wozãna tsɔ wɔa avɔgbadɔe ne wole mɔ zɔm, esiwo te wobena ɖo na tsi alo ŋdɔ, alo esiwo me wodea agbae le tɔdziʋu ƒe dzisasrã etetɔ me.”

Esia fɔ biabia aɖe ɖe te. Ðe Paulo megblɔ be ‘yexɔ hehe le Gamaliel ƒe afɔ nu,’ si ana wòakpɔ dɔ si ŋu bubu le awɔ le etsɔme oa? (Dɔwɔwɔwo 22:3) Togbɔ be ele eme alea hã la, ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔwo bunɛ be enye nusi ŋu bubu le be woafia asinudɔ vi ne agaxɔ hehe si de ŋgɔ wu kpee hã. Eyata anɔ eme be Akwila kple Paulo srɔ̃ woƒe avɔgbadɔwɔwɔa le woƒe ɖevime. Eva kpe ɖe wo ŋu ŋutɔ emegbe. Gake le Kristotɔnyenye ta la, wometsɔ ŋutilãmedɔ ma wɔ woƒe taɖodzinu vevitɔe o. Paulo ɖe nu me be nusi akpe ɖe ye ŋu le yeƒe dɔ vevitɔ si nye nyanyuigbɔgblɔdɔa me ‘ale be yemagazu agba na ame aɖeke o’ koe dɔ si ye kple Akwila kple Priskila yewowɔ le Korinto la nye.—Tesalonikatɔwo II, 3:8; Korintotɔwo I, 9:18; Korintotɔwo II, 11:7.

Edze ƒã be edzɔ dzi na Akwila kple Priskila be yewoawɔ nusianu si yewoate ŋui atsɔ akpe ɖe Paulo ŋu be eƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa nanɔ bɔbɔe nɛ. Amekae nya zi nenie xɔlɔ̃ etɔ̃ siawo tɔna le woƒe dɔwɔɣiwo ɖia vomeɖase na asisiwo alo amesiwo tso eme va yina! Eye togbɔ be woƒe avɔgbadɔwɔwɔdɔa nye dɔ tsɛ si tea ɖeɖi ame ŋu hã la, edzɔ dzi na wo be yewoawɔ dɔ “zã kple keli” atsɔ ado Mawu ƒe nuwo ɖe ŋgɔe—abe alesi egbe Kristotɔ geɖe wɔa ɣeyiɣi aɖe ƒe dɔ alo esiwo nɔa anyi ɣeaɖeɣi ko le ƒea me ene bene woazã ɣeyiɣi si susɔ na wo ƒe akpa gãtɔ atsɔ akpe ɖe amewo ŋu ne woase nyanyuia.—Tesalonikatɔwo I, 2:9; Mateo 24:14; Timoteo I, 6:6.

Woɖo Kpɔɖeŋu le Amedzrowɔwɔ Me

Edze abe ɖe Akwila ƒe aƒeme va zu Paulo ƒe nɔƒe koŋ si wòtsona yia eƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔwo wɔƒe le ɣleti 18 siwo wònɔ Korinto la ene. (Dɔwɔwɔwo 18:3, 11) Eyata anɔ eme be edzɔ dzi na Akwila kple Priskila be yewoaxɔ Sila (Silvano) kple Timoteo amedzroe esi wotso Makedonia va. (Dɔwɔwɔwo 18:5) Anye esime apostolo Paulo nɔ Akwila kple Priskila gbɔe wòŋlɔ eƒe lɛta eve siwo wòɖo ɖe Tesalonikatɔwo, siwo wova de Biblia-gbalẽwo me emegbe.

Míate ŋu asusui bɔbɔe be le ɣeyiɣi sia me la, Akwila kple Priskila ƒe aƒeme va zu teƒe vevi aɖe si teokrasidɔwo yia edzi le. Ðewohĩ xɔlɔ̃ vevi geɖewo vanɛ kabakaba—Stefana kple eƒe ƒomea, amesiwo nye Kristotɔ gbãtɔwo le Axaya-nutoa me, siwo Paulo ŋutɔ na nyɔnyrɔe; Tito Yusto, amesi ɖe mɔ na Paulo be wòaƒo dutoƒonuƒowo le eƒeme; kple Krispo, ƒuƒoƒedzikpɔla si hã kple eƒe ƒomea katã xɔ nyateƒea. (Dɔwɔwɔwo 18:7, 8; Korintotɔwo I, 1:16) Emegbe Fortunato kple Axaiko hã; Gayo, amesi ƒeme anye eyae wowɔa hamea ƒe kpekpewo le; Erasto, dua ƒe gadzikpɔla la; Tertio, amesi Paulo gblɔ lɛta si wòɖo ɖe Romatɔwo la me nyawo na wòŋlɔ; kpakple Foibe, nɔvinyɔnu nuteƒewɔla si tso Kenxrea-hame si tsɔ ɖe wo gbɔ me, si anye eyae xɔ lɛta la tso Korinto tsɔ yi Romae.—Romatɔwo 16:1, 22, 23; Korintotɔwo I, 16:17.

Míaƒe ɣeyiɣia me Yehowa subɔla siwo si mɔnukpɔkpɔ su wowɔ amedzro na dzikpɔla mɔzɔlawo nya alesi gbegbe wòte ŋu dea dzi ƒo eye wòtsia susu me na amee. Nuteƒekpɔkpɔ tuameɖo siwo wogblɔna le woƒe vava me la nyea gbɔgbɔmeŋusẽdodo nyui aɖe na amesiame vavã. (Romatɔwo 1:11, 12) Eye abe Akwila kple Priskila ene la, edzɔa dzi na amesiwo ɖea mɔ wowɔa kpekpewo le woƒe aƒewo me, ɖewohĩ Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃, be yewote ŋu to mɔ sia dzi kpe asi ɖe tadedeagu vavãtɔ dodoɖeŋgɔ ŋu eye wònaa woƒe dzi dzea eme.

Xɔlɔ̃wɔwɔ si nɔ Akwila kple Priskila kpakple Paulo dome va nɔ kplikplikpli ale gbegbe be esi Paulo dzo le Korinto le ƒe 52 M.Ŋ. ƒe adame la, woɖoe ɖa va ɖo keke Efeso ke. (Dɔwɔwɔwo 18:18-21) Wotsi du ma me ɖo dɔ si wɔe be apostolo la gava srã wo kpɔ la gɔme anyi. Afisiae nyanyuia fiala bibi siawo do go Apolo si bi ɖe nuƒoƒo me le eye ‘wokplɔe ɖe ŋuti’ eye enye dzidzɔ na wo be “woɖe Mawu ƒe mɔ fiae kɔte wu tsãtɔ.” (Dɔwɔwɔwo 18:24-26) Esi Paulo gatrɔ va Efeso nyateƒe le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ etɔ̃lia me, le ƒe 52/53 M.Ŋ. ƒe vuvɔŋɔli lɔƒo la, dɔ si atsu kple asi dzonɔamemetɔ siawo wɔ le agblea dzi la ƒe nukuwo ƒu na ŋeŋe xoxo. Paulo ɖe gbeƒã hefia nu le “Mɔ la” ŋu le afima, eye Efeso-hamea wɔa kpekpewo le Akwila ƒe aƒeme.—Dɔwɔwɔwo 19:1-20, 26; 20:31; Korintotɔwo I, 16:8, 19.

Emegbe esi wotrɔ gbɔ va Roma la, Paulo xɔlɔ̃ eve siawo ‘ganɔ amedzrowɔwɔ dzi,’ woɖe mɔ wowɔa Kristotɔwo ƒe kpekpewo le wo ƒeme.—Romatɔwo 12:13; 16:3-5.

‘Wode Woƒe Agbe Afɔku me’ ɖe Paulo Ta

Ðewohĩ Akwila kple Priskila gbɔe Paulo gadze le eƒe Efeso nɔɣia. Anye wo gbɔe wònɔ esime klosalonutulawo de zitɔtɔ amewo me le dua mea? Nuŋlɔɖi si le Dɔwɔwɔwo 19:23-31 fia be esi aɖaŋuwɔla siwo wɔa gbedoxɔwo dze aglã ɖe gbeƒãɖeɖe nyanyuia ŋu la, eva hiã be nɔviawo nalé Paulo be megatsɔ eƒe agbe de afɔku me ado go ɖe nuvlowɔhawo dome o. Biblia ŋuti numeɖela aɖewo gblɔ be nudzɔdzɔ dziŋɔ sia me tututue Paulo se le eɖokui me be ‘kakaɖedzi mele yeƒe agbe ŋutɔ gɔ̃ hã ŋu o’ eye Akwila kple Priskila de nu eme le mɔ aɖe nu, wɔ nusi ‘ade woƒe agbe afɔku me’ ɖe eta.—Korintotɔwo II, 1:8; Romatɔwo 16:3, 4.

Esi “wodzudzɔ hoowɔwɔ” la megbe la, Paulo nya nu dzo le dua me. (Dɔwɔwɔwo 20:1) Ðikekemanɔmee la, wotsi tre ɖe Akwila kple Priskila hã ŋu eye woɖu fewu le wo ŋu. Ðe nusia ɖe dzi le wo ƒoa? Kura o, ɖe Akwila kple Priskila yi woƒe Kristo dɔwo dzi kple dzideƒo geɖe wu boŋ.

Srɔ̃tɔ Siwo Dome Tsi Metona O

Esi Klaudio ƒe dziɖuɖua wu enu la, Akwila kple Priskila trɔ yi Roma. (Romatɔwo 16:3-15) Gake zi mamlɛa si woyɔ wo ŋkɔ le Biblia me la, Efeso ye míegase wo ŋkɔ le. (Timoteo II, 4:19) Le afisia hã wogayɔ ŋutsu sia kple srɔ̃a ŋkɔ ɖekae abe alesi woyɔ woe le teƒe siwo katã wòdze le le Ŋɔŋlɔawo me ene. Atsu kple asi kawoe nye si le kplikplikpli eye ɖekawɔwɔ le wo dome ale! Ne Akwila, nɔviŋutsu lɔlɔ̃ ma ƒe nu va susu me na Paulo la, megbea ŋkuɖoɖo alesi srɔ̃a ku ɖe eŋu wɔ dɔ aduadu kplii la dzi o. Eye kpɔɖeŋu nyui kae nye si wonye na Kristotɔ atsu kple asiwo egbea, elabena ame srɔ̃ ƒe kpekpe ɖe ame ŋu kpena ɖe ame ŋu wowɔa dɔ geɖe le ‘Aƒetɔ la ƒe dɔ la me’ eye ɣeaɖewoɣi wowɔnɛ kura wu alesi woate ŋui ne tree amea nye.—Korintotɔwo I, 15:58.

Akwila kple Priskila subɔ le hame vovovo geɖe me. Abe woawo ene la, egbe Kristotɔ geɖe lɔ̃ faa ʋu yi afisiwo hiahiã la lolo le wu. Woawo hã kpɔa dzidzɔ kple dzidzeme si wònyena be woakpɔe Fiaɖuƒea ƒe nuwo nanɔ dzidzim ɖe edzi eye be woadze Kristotɔ xɔlɔ̃ veviwo hã.

Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ ƒe kpɔɖeŋu nyui si Akwila kple Priskila ɖo la na woƒe nu dzɔ dzi na Paulo kple ame bubuwo. Gake vevitɔ wue nye be woɖo ŋkɔ nyui na wo ɖokui le Yehowa ŋutɔ gbɔ. Ŋɔŋlɔawo ka ɖe edzi na mí be: “Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta, le esime miesubɔ ame kɔkɔewo, eye miegale edzi le wo subɔm la be o.”—Hebritɔwo 6:10.

Mɔnukpɔkpɔ masu mía si be míatsɔ mía ɖokui ana abe Akwila kple Priskila ene ya o, gake mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu asrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋu nyui la. Dzidzeme gã aɖee míakpɔ ne míetsɔ míaƒe ŋusẽ kple agbe ɖo anyi na subɔsubɔdɔ kɔkɔea wɔwɔ eye ‘míeŋlɔ nunyuiwɔwɔ kple nunana ame be o, elabena vɔsasa siawo dzea Mawu ŋu ŋutɔ.’—Hebritɔwo 13:15, 16.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe