Ðe Wò Susu Sɔ Kple Mawu Tɔ le Ahanono Ŋua?
ANYE ƒe 20 enye sia la, tomenukulawo ku anyixɔ xoxo aɖe le afisi te ɖe du si nye Urmia si le Iran la ŋu. Wokpɔ ze aɖe si dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gblɔ be exɔ ƒe akpe geɖe, wogblɔ be enɔ anyi tso keke dukɔ gbãtɔ aɖewo ƒe dutsoɣi ƒe gɔmedzedze lɔƒo ke. Wozã mɔɖaŋununya yeyewo tsɔ do zea kpɔ nyitsɔ laa. Ewɔ nuku na dzɔdzɔmeŋutinunyalaawo be yewokpɔ nusiwo fia be wonɔa wein fiam tsã la ƒe kpeɖodzi xoxotɔ kekeake le eme.
Biblia hã ɖo kpe edzi kɔte be tso keke blema ke la, wonoa wein, beer, kple aha sesẽ bubuwo. (Mose I, 27:25; Nyagblɔla 9:7; Naxum 1:10) Abe nuɖuɖu bubuwo ene la, Yehowa ɖe tiatiawɔwɔmɔ na mía dometɔ ɖesiaɖe—be míano aha loo alo míaganoe o. Yesu no wein zi geɖe le nuɖuɣiwo. Yohanes Amenyrɔɖetsimela ya tsri aha.—Mateo 11:18, 19.
Biblia de se ɖe ahatsunono nu. Ahamumu nye nuvɔ̃wɔwɔ ɖe Mawu ŋu. (Korintotɔwo I, 6:9-11) Esia ta Yehowa Ðasefowo meɖea mɔ na amesiwo zu ahamula matrɔdzimewo be woanɔ Kristo-hamea me o. Ele be hamea me tɔ siwo ɖo be yewoano aha la nanoe ɖe ŋku ŋu.—Tito 2:2, 3.
Nukpɔsusu si me Mawuvɔvɔ̃ Mele O
Mawuvɔvɔ̃ ƒe nukpɔsusu mele ame geɖe si egbea ɖe ahanono ŋu o. Ele bɔbɔe be míakpɔe be Satana na amewo le nusia si nɔ anyi tso blema ke la zãm ɖe mɔ gbegblẽ nu. Le kpɔɖeŋu me, le Anyiehe Pacific ƒukpowo dzi la, ebɔ be nàkpɔ ŋutsuwo woanɔ ha me anɔ wo de ha tsitsi gbogbo aɖe nom. Woate ŋu anɔ enono dzi gaƒoƒo geɖe eye wononɛ edziedzi hã—ezu gbesiagbedɔ na ŋutsu geɖe. Ame aɖewo bunɛ ko dekɔnui. Ɣeaɖewoɣi wonoa beer kple aha sesẽwo ɖe wo de tɔwo teƒe—alo wononɛ ƒua edzi. Womuna zi geɖe.
Le Pacific-dukɔ bubu me la, ƒã hafi nase be ŋutsuwo yi ahanoƒe si menye ɖe womu o. Zi geɖe ne wole aha no ge la, ɖe woɖonɛ nonɛ ɖe mumu ŋu koŋ. Ebɔ be fetuxɔgbewo la, ŋutsuwo nɔa ha me dzea beer ketre geɖe, atukpa 24 ye nɔa ketre ɖesiaɖe me. Ne mevɔ o kpa womekakana o. Eyata ahamumu va bɔ ɖe afima ŋutɔ.
Aha tsitsiwo, abe deha kple aha ɖaɖa bubuwo ene, nono bɔ tso gbaɖegbe ke le Afrika-dukɔwo me. Le teƒe aɖewo ƒe kɔnu nu la, ele be aha sesẽ nanɔ amedzrowɔnuwo me. Zi geɖe la, aha si amesi me amedzrowɔwɔ le nana eƒe amedzrowo la sɔa gbɔ wu esi woate ŋu ano. Le teƒe aɖe ƒe kɔnu nu la, beer atukpa 12 ye wodana ɖe amedzro ɖesiaɖe kɔme.
Japantɔwo ƒe dɔwɔƒe geɖe wɔa ʋutsaɖiɖoɖowo na woƒe dɔwɔlawo. Wotsɔa aha sesẽ gbogbo aɖe ɖe asi, eye womegatsɔa ɖeke le ahamumu me o. Dɔwɔlawo ƒe tsaɖiɖi siawo dometɔ aɖewo xɔa ŋkeke eve alo etɔ̃. Magazine si nye Asiaweek gblɔ be le Japan la, “tso mɔligbledelawo dzi va ɖo dunyahela kɔbatɔwo dzi la, aha agbɔsɔsɔme si woate ŋu ano ye wotsɔna kpɔa ame ƒe ŋutsunyenyee tso blema ke.” Nusiawo tɔgbe ke le dzɔdzɔm le Asia-dukɔ bubuwo hã me. Asiaweek gblɔ be “fifia Anyiehe Koreatɔwo ƒe aha sesẽ nono va gbɔ enola siwo le xexeame ƒe teƒe bubu ɖesiaɖe tɔ ŋu.”
Ahanoglotutuwo va zu nusi bɔ ɖe kɔledzikpowo dzi le United States. The Journal of the American Medical Association gblɔ be “ahanoglotula geɖe mebua wo ɖokui be ahanokuxi aɖeke le yewo ŋu o.”a Mele be wòawɔ nuku na mí o elabena le dukɔ geɖe me la, nyakakadɔwɔƒewo kafua ahanono be enye nusi me vivisese le, be eyae gale tsia dzi, eye wòfia be ame ƒe ŋku ʋu. Zi geɖe la, ɖeviwo dzi koŋ ye wodina be yewoƒe asi nasu le boblododo siawo me.
Le Britain la, beer nono dzi ɖe edzi zi gbɔ zi eve le ƒe 20 me eye aha sesẽwo nono dzi ɖe edzi zi gbɔ zi etɔ̃. Enolawo megale tsitsim le afi aɖeke ɖom hafi le egɔme dzem o, eye nyɔnu ahanolawo le dzidzim ɖe edzi. Nusiawo tɔgbe ke le dzɔdzɔm le Ɣedzeƒe Europa kple Latin Amerika dukɔwo me. Àkpɔ esia nyuie le ame alesinu le ahanoxewo zum kple ahamumu atsɔ aku ʋui ƒe afɔkuwo me. Edze ƒã be ahatsunono le dzidzim ɖe edzi le xexeame katã.
Agbɔsɔsɔ Kae Tso Eme?
Biblia ƒe nukpɔsusu da sɔ le ahanono ŋu. Le go aɖe me la, Ŋɔŋlɔawo gblɔ be Yehowa Mawu ƒe nunana si “doa dzidzɔ na amegbetɔ ƒe dzi” ye wein nye. (Psalmo 104:1, 15) Gake le go bubu me la, Biblia zã nyagbɔgblɔ siwo nye “ahamumu,” “ahatsunonowo, nutsuɖuɖuwo, kple aglotutuwo,” kple “aha geɖe nolawo” tsɔ tsi tre ɖe enono fũ akpa ŋui. (Luka 21:34; Petro I, 4:3; Timoteo I, 3:8; Tito 2:3) Gake afikae woanoe asee hafi wòanye “aha geɖe” nono? Aleke Kristotɔwo awɔ anya nusi nye nukpɔsusu si sɔ ɖe Mawu tɔ nu le ahanono ŋu?
Ahamumu kpɔkpɔ dze sii mesesẽ o. Wotsɔ nya siawo ƒo nu tso nusiwo wòhena vɛ ŋui le Biblia me be: “Amekae ɖea hũ? amekae sea veve? amekae xaa nu? amekae xɔa abi yakatsyɔ? ameka ƒe ŋku dzie wɔna dɔ̃? Amesiwo tsia wein te [didii] la tɔe; amesiwo yina, be woade nu aha, si wotɔtɔ me akpɔ la tɔe. . . . Wò ŋkuwo akpɔ nu tutɔwo, eye wò dzi anɔ nya baɖawo gblɔm.”—Lododowo 23:29-33.
Ne wono aha sesẽ wòtso eme la, enaa wotɔtɔna, wokpɔa nusiwo meli ŋutɔŋutɔ o alo sea wo, woate ŋu ayi ɖime, kpakple susu kple ŋutilã ƒe dɔmawɔmawɔ ɖe ɖoɖo nu bubuwo. Ne èmu la, màgate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe wò nuwɔnawo dzi o, eye ana nàwɔ nuvevi ɖokuiwò alo ame bubuwo. Wonya alesi ahamulawo wɔa vlodoameɖokuinuwo kple agɔdzenuwoe, alo alesi wonɔa agbe gbegblẽe.
Ðikekemanɔmee la, ahanono kaka amu, eye emetsonu siwo míeyɔ va yi nadzɔ ɖe ame dzi, la nye enono fũ akpa. Gake woate ŋu anoe wòagbɔ eme evɔ mumudzesiawo katã madze le ame ŋu o. Eyata zi geɖe wohea nya le biabia si nye ɖe ame aɖe ƒe ahanono gbɔ emea ŋu. Nukae nàtsɔ ade vovototo enono ɖe ŋku ŋu kple enono akpa dome?
Kpɔ Wò Tamebubuŋutetewo Ta
Biblia metsɔ aha agbɔsɔsɔme si le ame ƒe ʋu me ƒe dzidzeme alo edzidzemɔnu bubu aɖeke ɖo enoseƒee na mí o. Amewo ƒe ahanoŋutete toa vovo tso wo nɔewo tɔ gbɔ. Gake Biblia ƒe gɔmeɖosewo ku ɖe Kristotɔwo katã ŋu eye woate ŋu akpe ɖe mía ŋu be mawumenukpɔsusu le ahanono ŋu nanɔ mía si.
Yesu gblɔ be se gbãtɔe nye be, “lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò tamesusu blibo.” (Mateo 22:37, 38) Aha sesẽ kpɔa ŋusẽ ɖe ame ƒe susu dzi tẽ, eye enono akpa ado kplamatse wò wɔwɔ ɖe se sia si nye seawo katã ƒe vevitɔ dzi. Ate ŋu agblẽ nu le nuŋububu nyui, le ŋutete si nàtsɔ akpɔ kuxiwo gbɔe ŋu, le wò ɖokuidziɖuɖu, kple susu ƒe dɔwɔwɔ vevi bubuwo ŋu. Ŋɔŋlɔawo xlɔ̃ nu mí be: “Lé nunya vavã kple tamebubu ɖe asi sesĩe; ekema woanye agbe na wò kple atsyɔ̃ɖoɖo na wò kɔ.”—Lododowo 3:21, 22.
Apostolo Paulo ɖe kuku na Kristotɔwo vevie be: “[Mitsɔ] miaƒe ŋutilãwo [wɔ] vɔsasa gbagbe, si ŋuti kɔ, si dze Mawu ŋu, esi anye miaƒe mawusubɔsubɔ gbɔgbɔmetɔ [kple miaƒe tamebubuŋutete, NW].” (Romatɔwo 12:1) Ðe Kristotɔ ƒe ‘nu adze Mawu ŋu’ ne enoa aha kaka magate ŋu azã eƒe ‘tamebubuŋutete’ oa? Zi geɖe la, aha va mãa ahatsunola eye ne wònoe sɔ gbɔ hã megasea naneke o. Anɔ wɔwɔm nɛ be yeƒe ahatsunonoa megogo ahamumu kura o—eya ŋutɔ anɔ esusum nenema. Gake ana aha nava nɔ esi tsim. Ðe ame ma tɔgbe ate ŋu atsɔ eƒe ŋutilã awɔ ‘vɔsasa gbagbe, si ŋuti kɔa’?
Aha agbɔsɔsɔme ɖesiaɖe si agblẽ nu le wò Kristotɔ ƒe ‘nunya vavã kple tamebubuŋutete’ ŋu la nono sɔ gbɔ akpa na wò.
Nukae Kpɔa Ŋusẽ Ðe Alesi Nèbua Ahae Dzi?
Ele be Kristotɔ nakpɔe ɖa be ɖe nuwɔna siwo bɔ fifia alo nusiwo va zu kɔ na ye le ŋusẽ kpɔm ɖe alesi yebua ahanonoe dzi hã. Le ahasesẽnono gome la, kakaɖedzitɔe la, màdi be yeatu tiatia siwo yeawɔ ɖe mia detɔwo ƒe agbenɔnɔ alo nusiwo ƒe dzi nyakakadɔwɔƒewo dea ƒo dzi o. Le wò ŋutɔ wò nukpɔsusu ŋu bubu me la, bia ɖokuiwò se be, ‘Nusi dzi woda asi ɖo le afisi mele ye kpɔ ŋusẽ ɖe edzia? Alo Biblia ƒe gɔmeɖosewoe kpɔ ŋusẽ ɖe nye ahanono dzi?’
Togbɔ be Yehowa Ðasefowo metsia tre ɖe dekɔnuwo ŋu o hã la, wonya be nuwɔna geɖe li egbea siwo dzi woda asi ɖo le teƒe geɖe siwo Yehowa lé fui. Ame aɖewo ŋea aɖaba ƒua fuɖeɖe, ʋudodo, ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ alo srɔ̃geɖeɖeɖe dzi le teƒe aɖewo. Gake nusi nye Mawu ƒe nukpɔsusu le nusiawo ŋue Kristotɔwo ya tsɔna wɔa dɔe. Nyateƒee, nukpɔsusu mawumetɔ aʋã Kristotɔ be wòalé fu nuwɔna mawo, woda asi ɖe wo dzi le wo de alo womeda asi ɖe edzi o.—Psalmo 97:10.
Biblia yɔ “trɔ̃subɔlawo ƒe lɔlɔ̃nu,” si ƒe akpa aɖewoe nye “ahatsunonowo” kple “ahanono ƒe ɖikekewo.” (NW) Nusi vaa ame ƒe susu me ne woyɔ “ahanono ƒe ɖikekewo” ye nye kpekpe siwo ƒe ɖoɖo wowɔ koŋ ɖe aha gbogbo aɖe nono ŋu. Ewɔ abe le Biblia ƒe ɣeyiɣiawo me la, ame aɖewo siwo dana ɖe woƒe ahanoŋutete si wobe ele yewo ŋu dzi la dzea agbagba be yewoanoe agbɔ ame bubuwo tɔ ŋu, alo wodzea agbagba dina be yewoakpɔ amesi anoe wu ene. Apostolo Petro yɔ agbenɔnɔ sia tɔgbe be ‘nuvlowɔwɔ ƒe ba’ si me Kristotɔ siwo trɔ dzime megakpɔa gome le o.—Petro I, 4:3, 4.
Ðe susu anɔ eme be Kristotɔ natsɔe be zi alesi menye ɖe yemu o la, le nyateƒe me la, nya aɖeke meku ɖe afisi yeanoe le, ɣeyiɣi si me yeanoe, alo agbɔsɔsɔ si yeano ŋu oa? Míate ŋu abia be, Ðe mawuvɔvɔ̃ dze le nukpɔsusu sia mea? Biblia gblɔ be: “Ne miele nu ɖum alo miele nu nom alo miele dɔ aɖe wɔm la, miwɔ ye katã na Mawu ƒe kafukafu.” (Korintotɔwo I, 10:31) Ne ŋutsuwo de ha va no aha zã le dutoƒo la, ɖewohĩ wo katã womamu ya o, gake ɖe woƒe agbenɔnɔ anye kafukafu na Yehowaa? Biblia xlɔ̃ nu mí be: “Migana miaƒe anyinɔnɔ naɖi xexe sia me o, hafi mitrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu ƒe yeyewɔwɔ me boŋ, bene miadzro nusi nye Mawu ƒe [lɔlɔ̃nu], si nyo, eye wòdzea eŋu nyuie, eye wòle blibo la me akpɔ.”—Romatɔwo 12:2.
Mèganye Nukikli na Amewo O
Ewɔ nuku be zi geɖe la, amesiwo ɖea mɔ ɖe ahatsunono ŋu la tututue mevivina na be amesi be mawudɔwɔlae yenye la nanye ahatsunola o. Le Anyiehe Pacific ƒe du sue aɖe me la, ame aɖe gblɔ be: “Miaƒe nu dzɔa dzi nam. Miaƒe nyawo nye nyateƒe. Gake nusi míekpɔ le mia ŋue nye be mia tɔwo noa aha akpa.” Wogblɔ be amesiawo menoa ahaa muna o, gake afimatɔ geɖe megaléa ŋku ɖe akpa ma ya ŋu o. Ekpɔlawo ate ŋu asusui bɔbɔe be abe ŋutsu ahatsunola akpa gãtɔ ke ene la, Ðasefowo hã muna. Ðe ŋkɔ nyui akpɔtɔ anɔ Kristotɔ subɔla si va nɔa aha te ɣeyiɣi didi aɖe ŋu eye wòavo le eɖokui me aƒo nu le eƒe dutoƒosubɔsubɔdɔa wɔwɔ mea?—Dɔwɔwɔwo 28:31.
Nyatakaka aɖe si tso Europa-dukɔ aɖe me fia be ɣeaɖewoɣi nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu aɖewo vaa Fiaɖuƒe Akpata me eye aha nɔa ʋeʋẽm le wo ŋu gegege. Nusia ɖe fu na ame bubuwo ƒe dzitsinya. Biblia xlɔ̃ nu be: “Enyo bena, màɖu lã o, eye màno aha hã o, alo màwɔ nane, si nɔviwò klina alo wòɖia enu alo wògbɔdzɔna le eŋuti la o.” (Romatɔwo 14:21) Mawuvɔvɔ̃ ƒe nukpɔsusu le ahanono ŋu aʋã Kristotɔ si tsi le gbɔgbɔ me be wòabu ame bubuwo ƒe dzitsinya ŋu, ne efia be wòagbe ahanono le nɔnɔme aɖewo me hã.
Kristotɔwo To Vovo Kura
Ewɔ nublanui be xexe sia zã nu nyui siwo Yehowa na ameƒomea ɖe mɔ gbegblẽ nu le nu geɖe me, le ahanonno hã gome, tsɔ le dziku dom nɛ. Ele be Kristotɔ adzɔgbeɖela ɖesiaɖe nadze agbagba vevie atsri mawumavɔ̃mavɔ̃ susu siwo bɔ la. Ekema amewo ate ŋu akpɔ “[vovototo], si le ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi dome, kple [vovototo], si le mawusubɔla kple amesi mesubɔnɛ o la dome.”—Maleaxi 3:18.
Le ahanono gome la, ele be “vovototo” si le Yehowa Ðasefowo kple xexeame dome la nadze kɔte. Menye ahanonoe nye nu vevitɔ le Kristotɔ akuakuawo dome o. Womenɔa ahanono dzi kpɔ be afikae yewoate ŋu anoe ase hafi amu, ale be woade mumu ge kloe o; womeɖea mɔ aha gblẽa nu le woƒe Mawu subɔsubɔ kple luʋɔ blibo kpakple susumekɔkɔe ŋu alo wòkpɔa ŋusẽ ɖe edzi le mɔ aɖeke nu o.
Abe ƒuƒoƒo ene la, nukpɔsusu si me mawuvɔvɔ̃ le le Yehowa Ðasefowo si. Ke wò hã ɖe? Mía dometɔ ɖesiaɖe míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ayra mí ne míewɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiafia be “míagbe mawumavɔ̃mavɔ̃ kple xexeame nudzodzrowo, eye míanɔ anyi le ɖokuidziɖuɖu kple nu dzɔdzɔe wɔwɔ kpakple mawusosroɖa me le xexe sia me” la dzi.—Tito 2:12.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a “Woɖe ahanoglotutuwo gɔme be enye aha vovovo atɔ̃ alo esi wu nenema nono tre ɖe enu le ŋutsuwo gome eye ene alo esi wu nenema le nyɔnuwo gome.”—The Journal of the American Medical Association.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 28]
Se Wò Lɔlɔ̃tɔwo ƒe Gbe
Zi geɖe la, ahatsunolae nyea ame mamlɛtɔ si alɔ̃ ɖe edzi be kuxi aɖe le ye ŋu. Mele be ƒometɔwo, xɔlɔ̃wo, kple Kristotɔ hamemegãwo ƒe lãme nafa le kpekpe ɖe lɔlɔ̃tɔ siwo noa aha wògbɔa eme ŋu o. Ke wò hã ne lɔlɔ̃tɔwo gblɔ na wò be èle aha nom akpa la, zi geɖe woƒe nya la anɔ eme. Bu nya si gblɔm wole la ŋu.—Lododowo 19:20; 27:6.