INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 1/1 axa 6-11
  • Amesiame Nekafu Yehowa!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Amesiame Nekafu Yehowa!
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Aʋakɔwo ƒe Yehowa” Ƒo Nu
  • Ŋutikɔkɔe Gbɔgbɔmegbedoxɔ La
  • “Meli Kpli Mi”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Agbe Neɖo Miaƒe Asiwo Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Nya Vevi Siwo Tso Xagai Kple Zaxarya Ƒe Agbalẽawo Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • “Maʋuʋu Dukɔwo Katã”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 1/1 axa 6-11

Amesiame Nekafu Yehowa!

“Mikafu Yehowa le ɣedzeƒe.”—YESAYA 24:15.

1. Aleke Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo bu eƒe ŋkɔ lae, si to vovo na Kristodukɔa ƒe nɔnɔme ka?

YEHOWA—Mawu ƒe ŋutikɔkɔeŋkɔ dzeani la! Dzidzɔ gã kae nye si wònye na blema nyagblɔɖila nuteƒewɔlawo be woaƒo nu le ŋkɔ ma me! Wotsɔ aseyetsotso kafu Aƒetɔ Dziɖulagã, Yehowa, amesi ƒe ŋkɔ fia be eyae nye Tameɖola Gã la. (Yesaya 40:5; Yeremya 10:6, 10; Xezekiel 36:23) Nyagblɔɖila siwo woyɔna be nyagblɔɖila suewo kura gɔ̃ hã ƒe gbee de dzi wu le Yehowa ŋutikɔkɔ me. Wo dometɔ ɖekae nye Xagai. Le kpukpui 38 pɛ siwo le Xagai ƒe agbalẽa me la, zi gbɔ zi 35 sɔŋ ye wozã Mawu ƒe ŋkɔ la. Agbe aɖeke manɔ nyagblɔɖi ma me o ne dzesideŋkɔ “Aƒetɔ” ye wònye wozã ɖe ŋkɔ Yehowa teƒe, abe alesi Kristodukɔa ƒe apostolo siwo kɔ akpa ŋlɔe ɖe woƒe Biblia gɔmeɖeɖewo mee ene.—Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo II, 11:5.

2, 3. (a) Aleke nyagblɔɖi ɖedzesi aɖe si ku ɖe Israel ƒe gbugbɔgaɖoanyi ŋu va emee? (b) Dzidzɔ ka mee Yudatɔwo ƒe ame susɔeawo kple woƒe zɔhɛwo kpɔ gome le?

2 Wozã ŋkɔ la ƒe yɔyɔ ƒomevi eve le Yesaya 12:2.a Nyagblɔɖila la gblɔ be: “Kpɔ ɖa, Mawu enye nye xɔname, dzi le ƒonye, nyemavɔ̃ o; elabena nye ŋusẽ kple nye hadzidzi enye [Yah Yehowa, NW], eye eya zu xɔname!” (Kpɔ Yesaya 26:4, NW hã.) Eyata anye ƒe 200 hafi woaɖe asi le Israel ŋu tso Babilontɔwo ƒe aboyomenɔnɔ me la, Yah Yehowa to eƒe nyagblɔɖila Yesaya dzi ka ɖe edzi na wo be yee nye woƒe Ðela triakɔ la. Aboyomenɔnɔ ma anɔ anyi tso ƒe 607 D.M.Ŋ. me va ɖo ƒe 537 D.M.Ŋ. me. Yesaya gaŋlɔ be: “Nyee nye Yehowa, amesi wɔ nusiawo katã, . . . amesi gblɔ na Kores be: Nye lãkplɔvi nènye! Eyae awɔ nye didiwo katã ade goe, eye wòagblɔ na Yerusalem be, woatsoe, eye na gbedoxɔ be, woaɖo egɔme anyi!” Amekae nye Kores sia? Ewɔ nuku be eyae nye Persia-fia Kores si ɖu Babilon dzi le ƒe 539 D.M.Ŋ. me.—Yesaya 44:24, 28.

3 Abe alesi Yehowa ƒe nya siwo Yesaya ŋlɔ gblɔe ene la, Kores de se na Israel-vi siwo nɔ aboyo me be: “Mi eƒe dukɔ la dome amesiame neyi Yerusalem le Yuda, eye eƒe Mawu anɔ kplii, ne wòatu xɔ na Yehowa, Israel ƒe Mawu, si nye Mawu le Yerusalem.” Yudatɔwo ƒe ame susɔe siwo ƒe dzidzɔ gba go tsɔ kpe ɖe Netinim-vi siwo menye Israel-viwo o ŋu kpakple Salomo ƒe dɔlawo ƒe viwo trɔ gbɔ va Yerusalem. Wova ɖo ɖe ɣeyiɣi nyui dzi na Agbadɔmeŋkekenyui ɖuɖu le ƒe 537 D.M.Ŋ. me kple vɔsasa na Yehowa le eƒe vɔsamlekpui la dzi. Esi ƒe trɔ ƒe dzinu evelia me la, woɖo gbedoxɔ evelia gɔme anyi, le aseyetsotso gã kple Yehowa kafukafu me.—Ezra 1:1-4; 2:1, 2, 43, 55; 3:1-6, 8, 10-13.

4. Aleke Yesaya ta 35 kple 55 va emee?

4 Ale Yehowa ƒe gbugbɔgaɖoanyi nyagblɔɖi la ava eme le ŋutikɔkɔe me le Israel enye si: “Gbegbe kple gbedadaƒo akpɔ dzidzɔ, tagba atso aseye, eye wòaƒo se abe dzogbenya ene. . . . Woakpɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe kple mía Mawu ƒe atsyɔ̃.” “Miaʋu adzo kple dzidzɔ, eye woaɖo mi ɖa le ŋutifafa me. Towo kple togbɛwo atso aseye le mia ŋgɔ, . . . eye wòazu kafukafu na Yehowa Mawu kple eƒe ŋkuɖodzinu mavɔ, si nu mayi o.”—Yesaya 35:1, 2; 55:12, 13.

5. Nukatae Israel ƒe dzidzɔ la menɔ anyi didi o?

5 Gake dzidzɔ ma menɔ anyi didi o. Dukɔ siwo ƒo xlã wo di be yewoatsɔ yewoƒe xɔse atsaka kple wo tɔ atsɔ atu gbedoxɔae. Gbã la, Yudatɔwo gbe tanana, eye wogblɔ na wo be: “Medze be, mía kpli miawo míatu xɔ na mía Mawu la o, ke boŋ míawo ɖeɖe míatui na Yehowa, Israel ƒe Mawu la, abe alesi Persia-fia Kores de se na mí ene.” Dzi ku dukɔ mawo helĩhelĩ wova tsi tre ɖe wo ŋu vevie. ‘Wonɔ alɔgblɔdɔ dom Yuda-dukɔa eye wonɔ dzi ɖem le wo ƒo le xɔ la tutu me.’ Wova ka aʋatso hã na Artaxsasta, fia si va xɔ ɖe Kores teƒe, wòna wode se ɖe gbedoxɔa tutu nu. (Ezra 4:1-24) Dɔa tsi akpo dzi ƒe 17 sɔŋ. Nublanuitɔe la, Yudatɔwo ƒe ŋku va biã ɖe ŋutilãmenuwo didi ŋu ɣemaɣi.

“Aʋakɔwo ƒe Yehowa” Ƒo Nu

6. (a) Aleke Yehowa wɔ nu ɖe nɔnɔme si me Israel nɔ la ŋui? (b) Nukatae nusi dze abe eyae nye Xagai ƒe ŋkɔ ƒe gɔmeɖeɖe ene la sɔ?

6 Ke hã la, Yehowa ɖe ‘eƒe ŋusẽ kple ŋutete’ be wòakpe ɖe Israel ŋu la fia esi wòdɔ nyagblɔɖilawo, vevietɔ Xagai kple Zaxarya, be woanyɔ Yudatɔwo ɖe woƒe agbanɔamedziwo tsɔtsɔ ŋu. Xagai ƒe ŋkɔ la do ƒome kple azãɖuɖu, elabena edze abe egɔmee nye “Azãgbevi” ene. Eyata esɔ be edze nyagbɔgblɔɖi gɔme le Agbadɔmeŋkekenyui ƒe dzinu si nye ɣeyiɣi si me wodi tso Yudatɔwo si be ‘woakpɔ dzidzɔ wòatso eme’ la me. (Mose V, 16:15) Yehowa to Xagai dzi ɖo gbedasi ene ɖe wo le ŋkeke 112 me.—Xagai 1:1; 2:1, 10, 20.

7. Aleke wòle be Xagai ƒe agbalẽa nuʋunyawo nade dzi ƒo na míi?

7 Xagai gblɔ le eƒe nyagblɔɖia nuʋuʋu me be: “Ale Yehowa Zebaot [aʋakɔwo ƒe Yehowa, NW] gblɔ esi.” (Xagai 1:2a) Anye amekawoe nye ‘aʋakɔ’ mawo? Woawoe nye Yehowa ƒe mawudɔlawo ƒe aʋakɔwo, amesiwo woyɔna le Biblia me ɣeaɖewoɣi be asrafowo ƒe aʋakɔwo. (Hiob 1:6; 2:1; Psalmo 103:20, 21; Mateo 26:53) Ðe medea dzi ƒo na mí egbea be Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa ŋutɔ le eƒe dziƒoʋakɔ siwo dzi womate ŋu akpe o zãm tsɔ le mɔ fiam míaƒe tadedeagu vavãtɔ gbugbɔɖoanyi ɖe anyigba dzi ƒe dɔa oa?—Tsɔe sɔ kple Fiawo II, 6:15-17.

8. Nukpɔsusu kae kpɔ ŋusẽ ɖe Israel dzi, eye nukae do tso eme?

8 Nya kawoe le Xagai ƒe gbedasi gbãtɔa me? Dukɔa gblɔ be: “Azã meɖo edzi, be woatu Yehowa ƒe xɔ haɖe o.” Meganye gbedoxɔa tutu, si nye kpɔɖeŋu na Mawu ƒe tadedeagu gbugbɔɖoanyi, ye nye nu gbãtɔ na wo o. Wova nɔ woawo ŋutɔ ƒe xɔ dzeaniwo tum. Ŋutilãmenuwo didi ƒe nukpɔsusu na dzo si nɔ wo me ɖe Yehowa ƒe tadedeagu ŋu la nɔ tsitsim. Eyata eƒe yayra meganɔ wo dzi o. Woƒe agblewo meganɔ wɔwɔm o, eye nudodo meganɔ wo si na vuvɔŋɔli sesẽ la o. Ne wowɔ dɔ hã womegakpɔa nu boo aɖeke tsoa eme azɔ o, eye ɖeko wòwɔ abe kotoku ŋɔŋɔ mee wonɔ ga demee ene.—Xagai 1:2b-6.

9. Nuxlɔ̃amenya sẽŋu tuameɖo kae Yehowa gblɔ?

9 Yehowa xlɔ̃ nu wo vevie zi eve be: “Milé ŋku ɖe miaƒe zɔzɔme ŋu.” Edze ƒã be Zerubabel, dziɖuɖuteƒenɔla si nɔ Yerusalem, kple nunɔlagã Yosuab wɔ ɖe edzi eye wode dzi ƒo na dukɔa be ‘woase Yehowa woƒe Mawu la ƒe gbe kple Xagai nyagblɔɖila la ƒe nya siwo Yehowa woƒe Mawu de asi nɛ; eye dukɔ la vɔ̃ le Yehowa ta.’ Gakpe ɖe eŋu la, “Xagai, Yehowa ƒe ame dɔdɔ la, to Yehowa ƒe gbe na dukɔ la bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Meli kpli mi.”—Xagai 1:5, 7-14.

10. Aleke Yehowa zã eƒe ŋusẽ tsɔ kpe ɖe Israel ŋui?

10 Yerusalem me tsitsi aɖewo asusui be gbedoxɔ si woagagbugbɔ atu la ƒe ŋutikɔkɔe ‘maɖi naneke’ le gbedoxɔ gbãtɔ tɔ gbɔ o. Gake anye le ŋkeke 51 megbe la, Yehowa ʋã Xagai be wògblɔ gbedasi bubu si nye evelia. Eɖe gbeƒã be: “Zerubabel, lé dzi ɖe ƒo, Yehowa ye gblɔe! Nunɔlagã Yosua, Yozadak vi, lé dzi ɖe ƒo! Mi dukɔ hahoo la katã, milé dzi ɖe ƒo, eye miwɔ dɔ, Yehowa ye gblɔe! Elabena meli kpli mi, Yehowa Zebaot ye gblɔe. . . . Migavɔ̃ o!” Yehowa, amesi atsɔ eƒe ŋusẽ si ƒo ɖesiaɖe ta ‘aʋuʋu dziƒo kple anyigba’ la kpɔ egbɔ be woɖu tsitretsiɖeŋu ɖesiaɖe dzi, woɖu fiagã la ƒe mɔxeɖenu gɔ̃ hã dzi. Le ƒe atɔ̃ me la, wotsɔ dzidzedzekpɔkpɔ wɔnuku aɖe wu gbedoxɔa tutu nui.—Xagai 2:3-6.

11. Aleke Mawu na ‘ŋutikɔkɔe si lolo wu’ yɔ gbedoxɔ evelia mee?

11 Ŋugbedodo ɖedzesi aɖe va eme ɣemaɣi, si nye: “Woahe dukɔwo katã ƒe [nu nyoameŋuwo, NW] vɛ, eye matsɔ ŋutikɔkɔe ayɔ xɔ sia taŋ, Yehowa Zebaot ye gblɔe.” (Xagai 2:7) ‘Nu nyoameŋu’ mawoe nye amesiwo menye Israel-viwo o siwo va de ta agu le gbedoxɔ ma me, elabena eƒe fianyenye ƒe anyinɔnɔ ƒe ŋutikɔkɔe dze le eme. Aleke gbedoxɔ sia si wogbugbɔ tu la le le esi wotu le Salomo ƒe ŋkekea me gbɔ? Mawu ƒe nyagblɔɖila la gblɔe be: “Xɔ megbetɔ ƒe atsyɔ̃ asɔ gbɔ wu gbãtɔ tɔ, Yehowa Zebaot ye gblɔe!” (Xagai 2:9) Le nyagblɔɖi ma ƒe emevava gbãtɔ me la, gbedoxɔ si wogbugbɔ tu la nɔ anyi eteƒe didi wu aƒe gbãtɔ. Egakpɔtɔ nɔ anyi esime Mesia la do le ƒe 29 M.Ŋ. me. Gakpe ɖe eŋu la, hafi Mesia la ƒe futɔ xɔsegbelawo nana woawui le ƒe 33 M.Ŋ. me la, eya ŋutɔ do ŋutikɔkɔe nɛ esime wòɖe gbeƒã nyateƒe la le afima.

12. Vi ka gbedoxɔ gbãtɔ eveawo ɖe?

12 Gbedoxɔ gbãtɔ kple evelia siwo nɔ Yerusalem la wɔ dɔ vevi aɖe le vɔvɔli nyenye na Mesia la ƒe nunɔlagãdɔ ƒe akpa veviwo me kple le nana be Yehowa ƒe tadedeagu dzadzɛ la nayi edzi le anyigba dzi vaseɖe Mesia la ƒe dodo ŋutɔ.—Hebritɔwo 10:1.

Ŋutikɔkɔe Gbɔgbɔmegbedoxɔ La

13. (a) Nudzɔdzɔ siwo ku ɖe gbɔgbɔmegbedoxɔa ŋu kawoe dzɔ tso ƒe 29 vaseɖe 33 M.Ŋ. me? (b) Akpa vevi kae Yesu ƒe tafevɔsa la wɔ le nudzɔdzɔ siawo me?

13 Ðe gɔmesese tɔxɛ aɖe le Xagai ƒe gbugbɔgaɖoanyi nyagblɔɖia ŋu na ɣeyiɣi siwo ava va emegbea? Kakaɖedzitɔe la, ele eŋu! Yerusalem ƒe gbedoxɔ si wogbugbɔ gatu la va zu tadedeagu vavãtɔ nɔƒe le anyigba dzi. Gake enye vɔvɔli na gbɔgbɔmegbedoxɔ aɖe si ƒe ŋutikɔkɔe lolo wu kura. Edze dɔwɔwɔ gɔme le ƒe 29 M.Ŋ. me, esime le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe Yordan-tɔsisia me la, Yehowa si ami na Yesu wòzu Nunɔlagã esi gbɔgbɔ kɔkɔea ɖi ɖe edzi abe akpakpa ene. (Mateo 3:16) Esi Yesu ku vɔsaku le eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa nuwuwu me la, wofɔe ɖe tsitre yi dziƒoe, esi ƒe kpɔɖeŋu gbedoxɔa ƒe kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la nye, eye etsɔ eƒe vɔsa la ƒe asixɔxɔ yi na Yehowa le afima. Esia nye tafe si tsyɔa eƒe nusrɔ̃lawo ƒe nuvɔ̃wo dzi eye wòʋu mɔ be woasi ami na wo, le ƒe 33 M.Ŋ. me Pentekoste-ŋkekea dzi, be woava azu nunɔlateviwo le Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔa me. Woƒe nuteƒewɔwɔ le subɔsubɔdɔa me vaseɖe ku me le gbedoxɔa ƒe xɔxɔnu le anyigba dzi ana woafɔ wo na dziƒogbenɔnɔ le etsɔme, bene woayi woƒe nunɔlanyenyedɔa dzi.

14. (a) Dzidzɔ kae Kristotɔwo ƒe hame gbãtɔ la ƒe dɔwɔwɔ dzonɔamemetɔe na wokpɔ? (b) Nukatae dzidzɔ sia menɔ anyi didi o?

14 Yudatɔ dzimetrɔla akpe geɖe—kple emegbe Dukɔwo me tɔwo—nye zi va Kristo-hamea me eye wokpɔ gome le gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe dziɖuɖu si ava ɖu anyigba dzi la ƒe nyanyuia me. Anye abe le ƒe 30 ene megbe la, apostolo Paulo te ŋu gblɔ be “woɖe gbeƒã” nyanyuia “na nuwɔwɔwo katã le dziƒo te.” (Kolosetɔwo 1:23) Gake le apostoloawo ƒe ku megbe la, xɔsegbegbe gã aɖe do mo ɖa, eye nyateƒea ƒe kekeli ƒe keklẽ me meganɔ kɔkɔm tututu o. Kristodukɔa ƒe kɔmamã siwo wotu ɖe trɔ̃subɔlawo ƒe nufiafiawo kple xexemenunyawo dzi la va vu tsyɔ Kristotɔnyenye vavãtɔ dzi.—Dɔwɔwɔwo 20:29, 30.

15, 16. (a) Aleke nyagblɔɖi aɖe va eme le ƒe 1914 mee? (b) Nuwo nuƒoƒoƒudɔ kae wowɔ vevie le ƒe alafa 19 lia kple 20 lia ƒe gɔmedzedze me?

15 Ƒe alafawo va yi. Ke le ƒe 1870 ƒe ƒeawo me la, Kristotɔ veviedolawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe va dze Biblia sɔsrɔ̃ deto aɖe gɔme. Wote ŋu nɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi tɔ asi ƒe 1914 dzi be anye ‘dukɔwo ƒe ɣeyiɣiwo’ ƒe nuwuwu. Ɣemaɣie kpɔɖeŋu ‘ɣeyiɣi’ adre (ƒe 2,520 si amegbetɔwo tsɔ ɖu dzi abe lãwo ene) wu enu eye woɖo Kristo Yesu—‘Amesi tɔ wònye le se nu’—zi dzi le dziƒo wòanye anyigba la ƒe Mesia Fia. (Luka 21:24; Daniel 4:22; Xezekiel 21:31, 32) Vevietɔ tso ƒe 1919 dzi heyina la, Biblia Nusrɔ̃viwo, siwo woyɔna egbea be Yehowa Ðasefowo, tsɔ dzonɔameme gã aɖe le gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe si woɖo anyi yeyee la ƒe nyanyuia. Ƒe 1919 mee Ðasefo akpe ʋee siwo nɔ anyi la wɔ ɖe amekpekpe na dɔwɔwɔ si wogblɔ le Cedar Point, Ohio, U.S.A., takpekpea me dzi. Woƒe xexlẽme dzi ɖe edzi va ɖo ƒe 1935 me esime ame 56,153 bu gbeadzisubɔsubɔdɔkɔnta. Le ƒe ma me la, ame 52,465 ɖu kpɔɖeŋuboloa eye wono kpɔɖeŋuwein la le Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzi si woɖuna ƒe sia ƒe la me tsɔ wɔ woƒe mɔkpɔkpɔ be yewoava zu nunɔlawo kple Kristo Yesu le Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ gã la ƒe akpa si le dziƒo me la ƒe kpɔɖeŋui. Woava anye hatidziɖulawo hã le eƒe Mesia Fiaɖuƒea me.—Luka 22:29, 30; Romatɔwo 8:15-17.

16 Gake Nyaɖeɖefia 7:4-8 kple 14:1-4 fia be ame 144,000 koe Kristotɔ amesiamina siawo katã ƒe xexlẽme se, eye woƒo wo dometɔ geɖe nu ƒu le ƒe alafa gbãtɔ me hafi xɔsegbegbe gã la va. Tso ƒe alafa 19 lia ƒe nuwuwu va ge ɖe ƒe alafa 20 lia me la, Yehowa nɔ hatsotso sia si ŋu wòatsɔ eƒe Nya la ƒe tsi akɔe eye woabu dzɔdzɔenyenye na wo to Yesu ƒe avulévɔsa la dzixɔxɔse me, eye mlɔeba woatre wo nu woanye Kristotɔ amesiaminawo la nuƒoƒoƒu hem va nuwuwui, bene woƒe xexlẽme bliboa nanye ame 144,000.

17. (a) Nuwo nuƒoƒoƒudɔ kae yi edzi va ɖo ƒe 1930 ƒe ƒeawo me? (b) Nukatae míetsɔ ɖe le Yohanes 3:30 me le afisia? (Kpɔ Luka 7:28 hã.)

17 Nukae akplɔe ɖo ne wotia amesiaminawo ƒe xexlẽme bliboa katã vɔ? Le ƒe 1935 me, le takpekpe vevi si wowɔ le Washington, D.C., U.S.A. me la, wona wonya be “ameha gã” si ƒe nya wogblɔ le Nyaɖeɖefia 7:9-17 la nye ƒuƒoƒo si woade dzesii le ame 144,000 la nu ƒoƒo ƒu vɔ “megbe” eye woƒe mɔkpɔkpɔe nye agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzi. Esi Yohanes Amenyrɔɖetsimela, amesi woafɔ va anyigba dzi wòanye ‘alẽ bubuawo’ dometɔ ɖeka la gblɔ amesi Yesu si wosi ami na la nye vɔ kɔte la, egblɔ le Mesia la ŋu be: “Eyama latsi ɖe edzi tsã; ke nye la mayi to.” (Yohanes 1:29; 3:30; 10:16; Mateo 11:11) Yohanes Amenyrɔɖetsimela ƒe dɔ si nye be wòadzra nusrɔ̃lawo ɖo na Mesia la nɔ enu wum esi Yesu dze amesiwo ƒe xexlẽme anɔ dzidzim ɖe edzi siwo ava nye ame 144,000 la tiatia gɔme. Le ƒe 1930 ƒe ƒeawo me la, nusi to vovo na emae dzɔ. Amesiwo ‘woyɔ hetia’ be woava anɔ ame 144,000 la dome ƒe xexlẽme dzi nɔ ɖeɖem kpɔtɔ esime ‘alẽ bubuawo’ ƒe “ameha gã” la ya ƒe xexlẽme nɔ dzidzim ɖe edzi. Ameha gã sia gale dzidzim ɖe edzi ko esime xexeame ƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖi la ƒe nuwuwu le Harmagedon me le aƒe tum.—Nyaɖeɖefia 17:14b.

18. (a) Nukatae míate ŋu atsɔ kakaɖedzi akpɔ mɔ be “ame miliɔn geɖe siwo le agbe fifia maku akpɔ o”? (b) Nukatae wòle be míatsɔ dzonɔameme awɔ ɖe Xagai 2:4 me nyawo dzi?

18 Le ƒe 1920 ƒe ƒeawo me la, dutoƒonuƒo aɖe si woɖe gbeƒãe ŋutɔ si Yehowa Ðasefowo ƒo la ƒe tanyae nye “Ame Miliɔn Geɖe Siwo Le Agbe Fifia Maku Akpɔ O.” Nya ma afia kakaɖedzi si gbɔ eme si nɔ wo si ɣemaɣi. Gake míate ŋu atsɔ kakaɖedzi blibo agblɔ nya mae egbea. Biblia ƒe nyagblɔɖi ƒe kekeli si me le kɔkɔm ɖe edzi kpakple zitɔtɔ gã si le xexe sia si le kudɔ ƒom me le gbe tem ɖe edzi sesĩe be Satana ƒe nuɖoanyia ƒe nuwuwu tu aƒe ŋutɔ, etui ŋutɔ! Ƒe 1996 Ŋkuɖodzia ɖuɖu ƒe akɔntabubu fia be vavalawo nye ame 12,921,933, gake ame 8,757 (.068 le alafa me) koe ɖu kpɔɖeŋunuawo tsɔ fia be dziƒomɔkpɔkpɔe le yewo si. Tadedeagu vavãtɔ ƒe gbugbɔɖoanyi yina ɖe eƒe yɔyrɔea nu. Gake migana míaƒe alɔ nado agblɔ le dɔ ma me gbeɖe o. Ẽ, Xagai 2:4 gblɔ be: “Mi dukɔ hahoo la katã, milé dzi ɖe ƒo, eye miwɔ dɔ, Yehowa ye gblɔe! Elabena meli kpli mi, Yehowa Zebaot ye gblɔe.” Mina míaɖoe be ŋutilãmenudidi alo xexeame ƒe nɔnɔme ƒomevi aɖeke mafa lãme na mí le Yehowa ƒe dɔa me o!—Yohanes I, 2:15-17.

19. Aleke míawɔ akpɔ gome le Xagai 2:6, 7 ƒe emevava me?

19 Mɔnukpɔkpɔ si nye dzidzɔe le mía si be míekpɔ gome le Xagai 2:6, 7 ƒe emevava egbetɔ sia me: “Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Esusɔ vie ko maʋuʋu dziƒo kple anyigba, atsiaƒu kple ƒuƒuiƒe; maʋuʋu dukɔwo katã, eye woahe dukɔwo katã ƒe [nu nyoameŋuwo, NW] vɛ, eye matsɔ ŋutikɔkɔe ayɔ xɔ sia taŋ, Yehowa Zebaot ye gblɔe.” Ŋukeklẽ, nufitifitiwɔwɔ, kple fuléle xɔ aƒe ɖe ƒe alafa 20 lia ƒe xexe sia me. Eɖo eƒe ŋkeke mamlɛawo me nyateƒe, eye Yehowa dze ‘eʋuʋu’ gɔme to alesi wòna eƒe Ðasefowo le ‘gbeƒã ɖem eƒe hlɔ̃biabiaŋkeke’ la me. (Yesaya 61:2) Nuwo ‘ʋuʋu’ gbãtɔ sia aɖo eƒe taƒoƒo le xexeame ƒe tsɔtsrɔ̃ le Harmagedon me, gake hafi ɣemaɣi naɖo la, Yehowa le “dukɔwo katã ƒe nu nyoameŋuwo”—ame fafa siwo ƒe nɔnɔme ɖi alẽwo tɔ—nu ƒom ƒu le anyigba dzi. (Yohanes 6:44) “Ameha gã” sia tsɔa ‘subɔsubɔ kɔkɔe’ subɔnɛ fifia le eƒe tadedeagu ƒe aƒe la ƒe xɔxɔnu si le anyigba dzi.—Nyaɖeɖefia 7:9, 15.

20. Afikae míakpɔ kesinɔnu xɔasitɔ kekeake le?

20 Viɖe siwo tsoa subɔsubɔ le Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔa me xɔ asi wu ŋutilãmekesinɔnu ɖesiaɖe. (Lododowo 2:1-6; 3:13, 14; Mateo 6:19-21) Hekpe ɖe eŋu la, Xagai 2:9 gblɔ be: “Xɔ megbetɔ ƒe atsyɔ̃ asɔ gbɔ wu gbãtɔ tɔ, Yehowa Zebaot ye gblɔe! Eye made ŋutifafa teƒe sia, Yehowa Zebaot ye gblɔe!” Nukae nya siawo fia na mí egbea? Míasee le nyati si kplɔ esia ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Gbeteteɖedzi tɔxɛ tae wozã nyagbɔgblɔ “Yah Yehowa” ɖo. Kpɔ Insight on the Scriptures, Babla I, axa 1248.

b Woyɔe be Yesua le Ezra kple Biblia-gbalẽ bubuwo me.

Numetotobiabiawo

◻ Nyagblɔɖilawo ƒe kpɔɖeŋu kae wòle be míasrɔ̃ le Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu?

◻ Dzideƒo kae míakpɔ tso Yehowa ƒe gbedasi sẽŋu siwo woɖo ɖe Israel si wogbugbɔ ɖo anyi la me?

◻ Ŋutikɔkɔe gbɔgbɔmegbedoxɔ kae le dɔ wɔm egbea?

◻ Nuwo nuƒoƒoƒu kawoe kplɔ wo nɔewo ɖo le ƒe alafa 19 kple 20 lia me, eye kple mɔkpɔkpɔ wɔnuku ka?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Yehowa ƒe dziƒoʋakɔwo fiaa mɔ eƒe Ðasefowo le anyigba dzi heléa wo ɖe te

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe