Kaka Ðe Yehowa Dzie Lém Ðe Te
ABE ALESI AGENOR DA PAIXÃO GBLƆE ENE
Gbɔxi wu míaƒe tenuvi Paul, esime wòxɔ ɣleti 11 pɛ ko. Ɣleti etɔ̃ megbe le August 15, 1945 dzi la, axamevedɔ wu srɔ̃nye lɔlɔ̃a. Ƒe 28 ye mexɔ esi dzɔgbevɔ̃e siawo do nuxaxa nam ale be mezu nublanuitɔ. Gake kaka ɖe Yehowa kple eƒe ŋugbedodowo dzi lém ɖe te. Mina magblɔ nusi na kakaɖedzi sia va su asinye la na mi.
TSO esime wodzim le Salvador, Bahia Nutome, le Brazil, le January 5, 1917 dzi la, Dada fia Katolikoha la ƒe “ame kɔkɔewo” subɔsubɔm. Enyɔa mía kple nɔvinyeŋutsuwo le fɔŋli me gɔ̃ hã bene míado gbe ɖa ɖekae. Gake dzinyelawo gadea candomblé, Afrika kple Brazil tɔwo ƒe vudu kɔnuwo wɔƒe. Medea bubu dzixɔse siawo ŋu, gake nyemeka ɖe Katolikotɔwo ƒe ame kɔkɔe siwo woyɔna alo ɖe candomblé dzi o. Nusi tena ɖe dzinye koŋ enye nazã si wobuna ɖe ŋutigbalẽ bubu tɔwo ŋu le subɔsubɔha siawo me.
Eteƒe medidi o fonye eveawo dzo yi dɔ di ge. Emegbe fofonye dzo le ƒomea gbɔ. Eyata tso esime mexɔ ƒe asieke la, ele be madi dɔ awɔ akpe ɖe danye kple ƒenye ŋu. Anɔ ƒe 16 megbe la, dze aɖewo ɖoɖo kple hatinye mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒe dɔwɔla aɖe trɔ nu geɖe le nye agbe me.
Alesi Mewɔ Va Ka Ðe Yehowa Dzi
Medo go Fernando Teles le ƒe 1942 me. Egblɔna zi geɖe be “ame kɔkɔewo” subɔsubɔ menyo o. (Korintotɔwo I, 10:14; Yohanes I, 5:21) Gbã la, nyemetsɔa eƒe nyawo nya vevii o. Gake eƒe dzimekɔkɔ kple ɖetsɔtsɔ le amewo me metsɔ le ŋutigbalẽ si le wo ŋu o la wɔ dɔ ɖe dzinye, eye eƒe Biblia me sidzedze va nyo ŋunye, vevietɔ nya si wògblɔna tso Mawu Fiaɖuƒea kple anyigba dzi paradiso ŋu. (Yesaya 9:5, 6; Daniel 2:44; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Esi wòde dzesi nye ɖetsɔleme la, ena Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖewom.
Kwasiɖa ʋee aɖewo megbe la, melɔ̃ yi ɖe hamea ƒe Biblia nusrɔ̃ƒe. Agbalẽ si Watch Tower Bible and Tract Society ta si nye Religion la srɔ̃m ƒuƒoƒoa nɔ. Nusɔsrɔ̃a dzɔ dzi nam eye medze Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo ƒe kpekpewo katã dede gɔme. Nazãmabumabu si le wo me kple alesi woxɔm enumake lae wɔ dɔ ɖe dzinye wu. Mege ɖe srɔ̃ɖeŋugbedodo me kple Lindaura le ɣemaɣi me lɔƒo. Esi megblɔ nusiwo srɔ̃m menɔ ŋu nya nɛ la, edze kpekpeawo dede gɔme kplim.
Nu bubu si wɔ dɔ ɖe dzinye le kpekpeawoe nye alesi wotea gbe ɖe gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ dzii. (Mateo 24:14; Dɔwɔwɔwo 20:20) Mɔɖelawo, si nye alesi woyɔa ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo ƒe dzi dede ƒo nam wɔe be medze vomeɖase ɖiɖi gɔme na amewo le keteke me ne meɖoe yina dɔ me kple ne metrɔ gbɔna. Ne mekpɔ ame aɖe si tsɔ ɖe le eme la, mexɔa eƒe adrɛs eye meyia egbɔ ɖatua eƒe ɖetsɔleme ɖo.
Ɣemaɣi katã la, alesi meka ɖe Yehowa kple habɔbɔ si zãm wòle dzi la nu nɔ sesẽm ɖe edzi. Eyata esi mese Biblia me nuƒo si ku ɖe Kristotɔwo ƒe adzɔgbeɖeɖe ŋu vɔ la, wonyrɔm ɖe Atlantic-ƒua me le April 19, 1943 dzi. Gbemagbe kee nye zi gbãtɔ mewɔ tso aƒeme yi aƒeme dɔ si wowɔna ɖaa la.
Kwasiɖa eve megbe, si nye May 5 lia dzi la, mía kple Lindaura míeɖe mía nɔewo. Emegbe le August 1943 me la, exɔ nyɔnyrɔ le takpekpe gbãtɔ si Yehowa Ðasefowo wɔ le Salvador-dua me la me. Wogblɔ le takpekpe ma ŋu le 1973 Yearbook of Jehovah’s Witnesses me be: “Subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo ƒe nuwɔna na womeƒo dutoƒonuƒoa le Salvador o, gake hafi wòadzɔ alea la, . . . woɖe gbeƒã nyuie.” Kpeɖodzi si fia be Yehowa fiaa mɔ le yometiti sesẽwo me la gado ŋusẽ alesi meka ɖe eyama dzii.
Abe alesi megblɔe do ŋgɔ ene la, ƒe eve pɛ koe va yi esi Lindaura xɔ nyɔnyrɔ—eye mía viŋutsua ku ɣleti etɔ̃e nye ma—tete srɔ̃nye lɔlɔ̃a ku. Ƒe 22 koe wòxɔ. Gake alesi gbegbe meka ɖe Yehowa dzii ye lém ɖe te le ɣleti sesẽ mawo me.
Gbɔgbɔmedɔwo Do Ŋusẽm
Le ƒe 1946 me, si nye ƒe ɖeka le srɔ̃nye kple vinyeŋutsua ƒe ku megbe la, wode dɔ asi nam be manye Biblia-nusɔsrɔ̃ dzikpɔla le hame ɖeka si nɔ Salvador ɣemaɣi me. Ƒe ma ke mee Teokrasi Subɔsubɔ Sukua dze egɔme le hamewo me le Brazil, eye meva zu sukudzikpɔla gbãtɔ le Bahia nutome. Eye le October 1946 me la, wowɔ “Dukɔ Kpɔdzidzɔwo” ƒe Teokrasi Takpekpe le São Paulo dugã me. Amesi menɔ dɔ wɔm na ƒe ewo sɔŋ la be yehiãm eye wòƒoe ɖe nunye be magayi o. Gake esi meɖe alesi gbegbe kpekpe ma dede anɔ vevie nam me nɛ vɔ la, ena nu nyui aɖem eye wòdo hedenyuie nam.
Wowɔ takpekpe siwo wowɔ le São Paulo Dugã ƒe Fefewɔƒe la le Portugalgbe—si nye gbe si wodona le Brazil—kpakple Eŋlisigbe, Germanygbe, Hungarygbe, Polandgbe, kple Russiagbe me. Takpekpe ma mee woɖe Nyɔ! magazinea ɖe go le le Portugalgbe me. Takpekpea wɔ dɔ ɖe dzinye—amesiwo ade 1,700 ye va se dutoƒonuƒoa—ale gbegbe be mekpe mɔbiagbalẽ ɖo be madze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme le November 1, 1946 dzi.
Ɣemaɣi la, míewɔa hagbaƒomɔ̃ ŋudɔ le míaƒe mɔɖeɖedɔa me ŋutɔ. Nuƒo si ƒe tanyae nye “Takpɔkpɔ” ye míeƒona na aƒemenɔlawo zi geɖe. Emegbe míegblɔna be: “Be míakpɔ mía ɖokui ta tso futɔ makpɔmakpɔ aɖe si me la, ele be míaku ɖe xɔlɔ̃ aɖe si hã míate ŋu akpɔ o ŋu. Yehowa ye nye mía xɔlɔ̃ vevitɔ kekeake eye etri akɔ wu míaƒe futɔ, Satana. Eyata ele be míaku ɖe Yehowa ŋu bene míakpɔ mía ɖokui ta tso esi me.” Emegbe míetsɔa agbalẽvi si nye Protection (Takpɔkpɔ) si gaɖe nu geɖe me la naa wo.
Mewɔ mɔɖeɖedɔa mede ƒe ɖeka hafi womia asim be manye mɔɖela vevi le Carioca Hame si le Rio de Janeiro me o. Míedoa go tsitretsiɖeŋu sesẽ le afima ɣeaɖewoɣi. Gbeɖeka aƒemenɔla aɖe ƒo nye zɔhɛ Ivan Brenner ŋutɔŋutɔ. Aƒelikawo yɔ kpovitɔwo vɛ eye wokplɔ mí katã yi kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒee.
Esime wonɔ gbe biam mí la, aƒemenɔla la si do dziku vevie la tso mía nu be míele fu ɖem na amewo. Kpovitɔwo ƒe amegã la blu ɖe eta be nezi ɖoɖoe. Kpovitɔwo ƒe amegã la trɔ ɖe mía ŋu azɔ eye wògblɔ na mí kple gbe bɔbɔe be míate ŋu adzo faa. Ezi mía nutsola la dzi da ɖi eye wòbu fɔe ɖe ameƒoƒo ta. Nɔnɔme mawo tɔgbe ye na meyi edzi ka ɖe Yehowa dzi.
Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Subɔsubɔdɔ Dzi Ðe Edzi
Edzɔ dzi nam be womia asim le July 1, 1949 dzi be mava wɔ dɔ le Betel, si nye alesi woyɔna na Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã siwo le dukɔwo me. Betel si le Brazil la nɔ 330 Licínio Cardoso Mɔ dzi le Rio de Janeiro. Ame 17 koe nɔ Betel-ƒome bliboa me ɣemaɣi. Vaseɖe ɣeaɖeɣi la, Engenho de Dentro Hame si nɔ afima mee menɔ, gake emegbe woɖom dzikpɔla zimenɔlae le hame ɖeka pɛ si le Belford Roxo si nye du si te ɖe Rio de Janeiro ŋu la me.
Vovo menɔa ŋunye le kwasiɖanuwuwuwo o. Memleɖagbewo la, meɖoa keteke yia Belford Roxo ɖawɔa gbeƒãɖeɖedɔa le ŋdɔ me, eye emegbe medea Teokrasi Subɔsubɔ Suku kple Subɔsubɔkpekpe le fiẽ me. Metsia nɔviawo gbɔ dɔna eye medea gbeadzi le ŋufɔke ŋdi. Gbemagbe ŋdɔ la, medea Biblia me nuƒo ƒoƒe kple Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ wɔƒe hafi trɔna yia Betel le zã ga asieke kple afã lɔƒo. Hame 18 ye le Belford Roxo egbea.
Le ɖoɖo ma dzi zɔzɔ ƒe etɔ̃ megbe le ƒe 1954 me la, wogatrɔm va Rio de Janeiro be manye dzikpɔla zimenɔla le São Cristóvão Hamea me. Mesubɔ le hame ma me ƒe ewo siwo kplɔe ɖo.
Nye Betel Dɔwo
Dɔ gbãtɔ si wode asi nam le Betel enye be matu ʋudaɖoƒe na ʋu ɖeka pɛ si nɔ Habɔbɔa si si nye ƒe 1949 me Dodge agbatsɔʋu aɖe si wotsɔ ŋkɔ na be Chocolate le eƒe amadede hɛ̃ la ta. Esi mewu ʋudaɖoƒea tutu nu la, wogade dɔ asi nam le dzodoƒe, afisi menɔ ƒe etɔ̃ sɔŋ. Emegbe wogaɖom ɖe Agbalẽtaƒe si nye afisi mele ƒe 40 kple edzivɔ enye sia.
Wozã agbalẽtamɔ̃ siwo míezãna la dometɔ akpa gãtɔ kpɔ. Le kpɔɖeŋu me, agbalẽtamɔ̃ gbadza aɖe nɔ mía si ƒe geɖe si míetsɔ Abraham srɔ̃ Sara ƒe ŋkɔ na tsɔ doa vivi ɖe eŋu. Wozãe ƒe geɖe le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã si le Brooklyn, New York, ƒe agbalẽtaƒe. Emegbe wodee tɔdziʋu ɖo ɖe Brazil le ƒe 1950-awo me. Le afisia, abe Abraham srɔ̃ ene la, edzi viwo le eƒe tsitsime—siwo nye Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo.
Agbalẽ siwo wotana le Brazil ƒe agbalẽtaƒea ƒe dzidziɖedzi medzudzɔ nukuwɔwɔ nam kpɔ gbeɖe o. Le ƒe 1953 katã me la, míeta magazine 324,400, gake fifia la, esiwo míetana ɣleti sia ɣleti la wua miliɔn etɔ̃!
Míaƒe Betel Dɔwɔƒewo
Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, enye dzidzɔ nam be makpɔ eteƒe míaƒe Betel dɔwɔƒewo nanɔ ta kekem ɖe edzi le Brazil. Míetu mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒe tuɖedzi ɖeka aɖe le ƒe 1952 me ɖe míaƒe aƒea megbe le Rio de Janeiro. Emegbe le ƒe 1968 me la, woʋu Betel ɖe teƒe yeye aɖe le São Paulo dugã me. Esime míeʋu yi la, edze abe nusianu lolo eye wòkeke na míaƒe Betel-ƒomea me tɔ ame 42 ene. Le nyateƒe me míebu be xɔ sia asu na mí ne míeva dzi ɖe edzi zã le etsɔme hã. Gake wogatu xɔ tuɖedzi ene teƒe eve kpee le ƒe 1971 me, eye wogaƒle mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒe aɖe si te ɖe mía ŋu, wogbugbɔ trɔ asi le eŋu, eye wotsiãe ɖe aƒeawo ŋu. Gake le ƒe ʋee aɖewo megbe la, Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ—míesɔ gbɔ wu ame 100,000 le ƒe 1975 me—bia be woagatu xɔ geɖe.
Eyata wogatu xɔ yeyewo ɖe afisi gbɔ didi anɔ kilometa 140 tso São Paulo eye ete ɖe du sue si nye Cesário Lange ŋu. Míaƒe Betel-ƒomea me tɔ siwo nye ame 170 la ʋu yi dɔwɔƒe yeye sia le ƒe 1980 me. Tso ɣemaɣi la, Fiaɖuƒedɔa dzi ɖe edzi ale gbegbe. Amesiwo wu 410,000 ye le gbeƒãɖeɖedɔa wɔm ɣesiaɣi le Brazil fifia! Bene míate ŋu akpɔ Fiaɖuƒe gbeƒãɖela siawo ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ la, eva hiã be míanɔ agbalẽtaƒe yeyewo tum bene míata Biblia-srɔ̃gbalẽwo eye be míatu aƒe yeyewo na Betel lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo. Betel-ƒomea me tɔwo ade ame 1,100 fifia!
Mɔnukpɔkpɔ Xɔasiwo
Mɔnukpɔkpɔ xɔasie mebua Betel dɔe. Eyata togbɔ be mebu srɔ̃ bubu ɖeɖe ŋu gbã hã la, meɖoe be malé fɔ ɖe nye Betel mɔnukpɔkpɔwo kple gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu bliboe. Edzɔ dzi nam le afisia be mewɔ dɔ kple sɔhɛ gbogbo aɖewo le agbalẽtaƒea eye be mena hehe wo le woƒe dɔdasiwo me. Medze agbagba wɔ nu ɖe wo ŋu abe vinyewoe wonye ene. Woƒe dzonɔameme kple ɖokuitɔmadimadi dea dzi ƒo nam ŋutɔ.
Mɔnukpɔkpɔ bubu hãe nye hati xɔ ɖeka me nɔla nyuiwo dome nɔnɔ ƒe geɖe. Nyateƒee, amenyenye ƒe vovototowo he kuxiwo vɛ ɣeaɖewoɣi. Gake mesrɔ̃ alesi mele be madi blibodede tso ame bubuwo gbɔe o. Medze agbagba be nyematsɔ nya suewo awɔ nya gãwoe o alo be nyemanɔ ɖokuinye bum gãe o. Nye ŋutɔ nye vodadawo bubu nu ɖikokoe kpe ɖe ŋunye be mese ame bubuwo tɔ gɔme na wo.
Mɔnukpɔkpɔ xɔasi bubu si su asinyee nye dukɔwo dome takpekpe gãwo dede le United States. Wo dometɔ ɖekae nye “Nyanyui Mavɔ” Takpekpe si wowɔ le Yankee Stadium, New York, le ƒe 1963 me, eye eveliae nye “Ŋutifafa le Anyigba Dzi” Dukɔwo Dome Takpekpe si wowɔ le teƒe ma ke le ƒe 1969 me. Esime menɔ afima la, edzɔ dzi nam be meyi Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame godoo ƒe dɔwɔƒegã le Brooklyn, New York, si te ɖe afima ŋu!
Ƒe ewo sɔŋ la, mɔnukpɔkpɔ hã su asinye—mía kple ame bubuwo míeɖɔa li mía nɔewo—be menɔa zi me le Betel-ƒomea ƒe ŋdi mawunya me dzodzro wɔƒe. Gake mɔnukpɔkpɔ gãtɔ kekeake si do dzidzɔ nam wu eye wòde dzi ƒo nam enye Fiaɖuƒe gbedasia tsɔtsɔ yi na dzianukwaretɔwo, abe alesi míaƒe Aƒetɔ, Yesu Kristo, wɔe ene.
Le ƒe siawo me la, lãmetutudɔ va le fu ɖem nam. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le Betel ƒe dɔnɔdzikpɔƒea ƒe beléle nam lɔlɔ̃tɔe kpena ɖe ŋunye hefaa akɔ nam ɖaa. Metsɔa kakaɖedzi blibo doa gbe ɖa be Yehowa nado ŋusẽm be mayi edzi awɔ tɔnye sinua le eƒe subɔsubɔ vavãtɔ la me.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]
Brazil ƒe alɔdzedɔwɔƒe si mele fifia
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Mía kple srɔ̃nye, amesi ku le ƒe 1945 me