Wò Agbe—Tameɖoɖo Kae Le Eŋu?
“Nye dzi natsɔ nunya akplɔm, . . . eye makpɔ nusi nyo na amegbetɔviwo . . . le woƒe agbenɔɣi me.”—NYAGBLƆLA 2:3.
1, 2. Nukatae ɖetsɔtsɔ le ame ɖokui me si megbɔ eme o megblẽ o?
ÈTSƆ ɖe le eme na ɖokuiwò, alo? Esɔ nenema. Eyatae míeɖua nu gbesiagbe, dɔa alɔ̃ ne ɖeɖi te mía ŋu, eye míedina be míanɔ mía xɔlɔ̃wo kple míaƒe lɔlɔ̃tɔwo gbɔ ɖo. Ɣeaɖewoɣi míewɔa kamedefefewo, míeƒua tsi, alo wɔa nu bubu siwo doa dzidzɔ na mí, si fia le mɔ si da sɔ nu be míetsɔ ɖe le eme na mía ɖokui.
2 Ðetsɔtsɔ le eme na ame ɖokui sia wɔ ɖeka kple nusi Mawu ʋã Salomo wòŋlɔ be: “Ðe menyo na amegbetɔ wu be, wòaɖu nu ano nu, eye eƒe luʋɔ naɖu agbe akpe ɖe eƒe agbagbadzedzewo ŋu oa?” Salomo nɔ te ɖe eya ŋutɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ dzi gblɔ kpee be: “Ke esia la, Mawu si me ko wòtsona, abe alesi mekpɔe ene. Elabena ameka ato exa aɖu nu, eye wòase vivi?”—Nyagblɔla 2:24, 25.
3. Nyabiabia ɖefuname kawoe ame akpa gãtɔ mete ŋu kpɔa ŋuɖoɖo na o?
3 Gake ènyae be menye nuɖuɖu, nunono, alɔ̃dɔdɔ, kple nu nyui aɖewo wɔwɔ koe le agbe me o. Vevesesewo, numadzedzinamewo, kple dzimaɖitsitsiwo hã le mía ŋu. Eye ewɔ abe ɖe míexaxana akpa be míegate ŋu bua gɔmesese si le míaƒe agbe ŋu la ŋuti o ene. Ðe mele nenema le gowòme oa? Esi Vermont Royster si nye The Wall Street Journal ƒe nuŋɔŋlɔmetola kpɔ la ƒo nu tso alesi gbegbe míaƒe sidzedze kple ŋutetewo dzi ɖe edzii ŋu vɔ la, eŋlɔ be: “Nu wɔmoya aɖee nye si. Ne míede ŋugble le amegbetɔ ŋutɔ ŋu, eƒe fuɖenamenuwo ŋu, kple teƒe si wòle na xexeame ŋu la, míakpɔ be míenya nu yi ŋgɔ boo wu nusi wonya tso esime agbe dze egɔme o. Nyabiabia siwo ku ɖe amesiwo míenye kple nusitae míeli ɖo kpakple afisi míeɖo tae ŋu la gaɖea fu na mí kokoko.”
4. Nukatae wòle be mía dometɔ ɖesiaɖe nadi be yeanya ŋuɖoɖo na nya siwo ka mí?
4 Aleke nàɖo biabiaawo ŋui: Amekawoe míenye? Nukatae míeli ɖo? Eye afikae míeɖo tae? Aƒetɔ Royster ku le ƒe si va yi ƒe July me. Èsusu be ekpɔ ta na wo hafi kua? Ne míagblɔe tẽ la, Ðe mɔ aɖe li si dzi nàte ŋu ato akpɔ ta na woa? Eye aleke esia ate ŋu akpe ɖe ŋuwòe be dzidzɔ kple gɔmesese nanɔ wò agbe ŋu wu? Mina míakpɔe ɖa.
Gɔmesesetsoƒe Vevi Aɖe
5. Nukatae wòle be míatrɔ ɖe Mawu ŋu ne míedi be míase nyabiabia siwo ku ɖe gɔmesese si le agbe ŋu gɔme?
5 Ne ɖe woagblẽe ɖe mía si me be mía ŋutɔwo míadi tameɖoɖo si le agbe ŋu la, anye ne ɖewohĩ míakpɔ dzidzedze gobi aɖeke nɛ o alo míakpɔ ɖeke ŋutɔ hã o, abe alesi ŋutsu kple nyɔnu akpa gãtɔ, esiwo srɔ̃ nu de ŋgɔ eye nuteƒekpɔkpɔ geɖe su wo si hã, mete ŋu kpɔe o ene. Gake womegblẽe ɖe mía si me o. Mía Wɔla la na kpekpeɖeŋu mí. Ne èbu eŋu kpɔ la, ɖe menye eyae nye gɔmesese kple nunya Tsoƒe kɔkɔtɔ, esi wònye eyae li “tso mavɔ me yi mavɔ me” eye xexeame katã ŋuti sidzedze kple eƒe ŋutinya le eƒe asinu oa? (Psalmo 90:1, 2) Eyae wɔ amegbetɔ eye wòkpɔ nu vovovo siwo me amegbetɔwo to va yi, eyata eyae nye Amesi gbɔ wòle be míadi gɔmesese le, menye amegbetɔ madeblibo siwo ƒe nugɔmesese meɖo afi aɖeke o gbɔe o.—Psalmo 14:1-3; Romatɔwo 3:10-12.
6. (a) Aleke Wɔla la na gɔmesese si hiã la míi? (b) Nya sia ƒe akpa kae ku ɖe Salomo ŋu?
6 Togbɔ be míate ŋu akpɔ mɔ be Wɔla la nado dalĩ ɖe to me na mí agblɔ gɔmesese si le agbe ŋu na mí o hã la, ena teƒe si míakpɔ nugɔmesese le la mí—eƒe Nya si tso gbɔgbɔ me. (Psalmo 32:8; 111:10) Nyagblɔla ƒe agbalẽa koŋ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le esia gome. Mawu ʋã eŋlɔla, eye le esia ta “Salomo ƒe nunya ƒo ɣedzeƒetɔwo katã ƒe nunya . . . ta.” (Fiawo I, 3:6-12; 5:10-14) “Salomo ƒe nunya” wɔ dɔ ɖe fianyɔnu aɖe si va egbɔ la dzi ale gbegbe be wògblɔ be womegblɔ eŋunya ƒe afã hã na ye o eye be amesiwo sea eƒe nunya la anye dzidzɔmewo vavã.a (Fiawo I, 10:4-8) Míawo hã nugɔmesese kple dzidzɔkpɔkpɔ ate ŋu asu mía si tso nunya si tso Mawu gbɔ si mía Wɔla la na to Salomo dzi la me.
7. (a) Aleke Salomo ƒo nya tae le dɔ siwo wowɔna le dziƒoa te la dometɔ akpa gãtɔ ŋui? (b) Nukae fia be Salomo ƒe nuŋububuawo sɔ?
7 Nunya si tso Mawu gbɔ, si kpɔ ŋusẽ ɖe Salomo ƒe dzi kple susu dzi, dze le Nyagblɔla ƒe agbalẽa me. Salomo ‘lé ŋku ɖe nusiwo katã wowɔna le ɣea te la ŋu’ elabena ekpɔ vovo ɖe wo ŋu, nunɔamesiwo kple nugɔmesese hã nɔ esi ɖe ewɔwɔ ŋu. Ekpɔ be “tofloko kple dagbadagba ɖe ya me” ko woƒe akpa gãtɔ nye, eye esia nye nuwo ŋu bubu si tso gbɔgbɔ me si wòle be nenɔ susu me na mí ne míele tameɖoɖo si le míaƒe agbe ŋuti la ŋu bum. (Nyagblɔla 1:13, 14, 16) Alesi nuwo le tututue Salomo gblɔ, nyateƒee wòto. Le kpɔɖeŋu me, bu eƒe nya siwo dze le Nyagblɔla 1:15, 18 ŋu kpɔ. Ènyae be amewo te dziɖuɖu ƒomevi vovovo kpɔ le ƒe alafawo me, eye ɣeaɖewoɣi la, wodzea agbagba anukwaretɔe be yewoakpɔ kuxiwo gbɔ eye yewoana agbenɔnɔ naka ɖe eme na amewo. Gake le nyateƒe me la, ɖe wo dometɔ aɖe te ŋu dzɔ “nu gɔglɔ̃” siwo le nuɖoanyi madeblibo sia mea? Eye ɖewohĩ àkpɔe be alesi ame ƒe sidzedze dzi ɖe edzii la, nenema ke wòkpɔnɛ dzea sii be le ame ƒe agbenɔƒe kpui sia me la, mate ŋu aɖɔ nuwo ɖo vɔ keŋkeŋ o. Sidzedze esia naa dzi ɖena le ame geɖe ƒo, gake mefia be ele be wòanɔ nenema na míawo hã o.
8. Xexemenudzɔdzɔ siwo yia edzi ɖaa kawoe li tso gbaɖegbe ke?
8 Nu bubu si hã ŋu wòle be míabue nye dzɔdzɔmenu siwo dzɔna kplɔa wo nɔewo ɖo siwo kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzi, abe ɣedzedze kple eƒe toɖoɖo alo ya ƒe ƒoƒo kple tsi ƒe tsatsa ene. Wonɔ anyi le Mose, Salomo, Napoléon, kple mía tɔgbuitɔgbuiwo ŋɔli. Eye nenema koe wogale. Nenema ke “dzidzime nu yina, eye bubu vana.” (Nyagblɔla 1:4-7) Le amegbetɔ ƒe nukpɔsusu nu la, nu boo aɖeke metrɔ o. Woate ŋu atsɔ egbetɔwo ƒe dɔ, mɔkpɔkpɔ, nudidi, kple nudzedziname asɔ kple blematɔwo tɔ. Ne ame aɖe xɔ ŋkɔ alo dze ɖeka alo dze tugbe alo ŋutete ɖedzesi aɖe nɔ esi le amewo dome hã la, afikae ame ma le fifia? Megali o eye ɖewohĩ woŋlɔe be ŋutɔ gɔ̃ hã. Menye ɖe wogblɔ nya ma be woatsɔ aɖe dzi le ame ƒo o. Ame akpa gãtɔ mate ŋu ayɔ wo tɔgbuitɔgbuiwo alo mamamamɛwo ŋkɔ gɔ̃ hã alo agblɔ afisi wodzi wo le kple afisi woɖi wo ɖo o. Àte ŋu akpɔ nusitae Salomo bui wònye nyateƒe be amegbetɔ ƒe dɔwɔnawo kple agbagbadzedzewo nye tofloko ɖo.—Nyagblɔla 1:9-11.
9. Aleke nɔnɔme si me ameƒomea le gɔmesese vavãtɔ ate ŋu akpe ɖe mía ŋui?
9 Le esi nɔnɔme si me amegbetɔ le ŋuti nugɔmesese sia si tso Mawu gbɔ nana dzi naɖe le mía ƒo teƒe la, ate ŋu aɖe vi boŋ na mí eye wòaʋã mí be míagade asixɔxɔ si mesɔ o taɖodzinu alo nudidi siwo eteƒe madidi hafi wo nu ava ayi alo woaŋlɔ wo be o la ŋu o. Ele be wòakpe ɖe mía be míabu nusi míele kpɔkpɔm le agbe me kple nusi míele agbagba dzem be míawɔ le eme la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, le esi míate nu mía ɖokui teƒe la, míate ŋu akpɔ dzidzɔ le nuɖuɖu kple nunono me ne míeda sɔ le wo me. (Nyagblɔla 2:24) Eye abe alesi míava akpɔe ene la, Salomo va ƒo nya ta nyui dedziƒoname aɖe le eŋu. Kpuie ko la, eyae nye be ele be míade asixɔxɔ gã aɖe ƒomedodo si le mía kple mía Wɔla, amesi ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be etsɔme mavɔ si me dzidzɔ le eye taɖodzinu le eŋu nasu mía si, la dome ŋu. Salomo te gbe ɖe edzi be: “Mina míase nyaawo katã ƒe taƒonya be: Vɔ̃ Mawu, eye nalé eƒe seawo me ɖe asi; elabena esia nye amegbetɔwo katã tɔ!”—Nyagblɔla 12:13.
Nusi Wòle Be Wòanye Míaƒe Taɖodzinu le Alesi Agbemenyawo Le Ta
10. Mɔ ka nue Salomo tsɔ lãwo sɔ kple amewo le?
10 Nunya si tso Mawu gbɔ si dze le Nyagblɔla ƒe agbalẽa me agate ŋu akpe ɖe mía ŋu ne míele ŋugble dem le míaƒe taɖodzinu le agbe me ŋu. Le mɔ ka nu? Le gɔmesese sia nu be Salomo ƒo nu tso nyateƒenya bubu siwo ƒã hafi woava susu me na mí la hã ŋu nyateƒetɔe. Ðekae nye nusiwo ɖi wo nɔewo le amegbetɔwo kple lãwo dome. Yesu tsɔ eyomedzelawo sɔ kple alẽwo, gake amewo melɔ̃na be woatsɔ yewo asɔ kple lãwo o. (Yohanes 10:11-16) Ke hã la, Salomo ƒo nu tso nyateƒenya aɖewo siwo míate ŋu agbe o la ŋu: “Ne Mawu nado [amegbetɔwo] kpɔ, eye ne woadze sii be, lãwo yewonye. Elabena nya ɖeka tɔgbe dzɔna ɖe amegbetɔviwo kple lãwo siaa dzi; alesi esiawo kunae la, nenema ke ekemɛawo hã kunae, . . . eye amegbetɔ mexɔ asi wu lã o; elabena wo katã tofloko wonye. . . . Anyi me wo katã wotso, eye anyi wo katã woagazu.”—Nyagblɔla 3:18-20.
11. (a) Aleke nàte ŋu aƒo nu tso alesi lãwo ƒe agbenɔnɔ yinae ŋu? (b) Nukae nye wò susu le nuŋububu sia ŋu?
11 Bu lã aɖe si nya kpɔna na wò, abe xɔfie alo fɔmizi ene, ŋu kpɔ. (Mose V, 14:7; Psalmo 104:18; Lododowo 30:26) Alo àte ŋu asusu adɔ alo kadzidɔe ŋu kpɔ; wo ƒomeviwo sɔ gbɔ wu hamehame 300 le xexeame katã. Aleke wònɔa agbee? Ne wòdzii la, nɔa dia nuɖuɖu nɛ kwasiɖa aɖewo. Kasia ko eto fu xoxo eye wòate ŋu ado ɖe gota. Àkpɔe wòanɔ tsa ɖim anɔ alesi wodia nuɖuɖui srɔ̃m. Gake zi geɖe la, ɖeko wòawɔ abe fefem wòle ene, anɔ vivi sem le ɣeyiɣi si me metsi o me. Ne etsi xɔ abe ƒe ɖeka ene la, edia asi. Ke ewɔa atɔ alo dia do si me wòanɔ akpɔ viawo dzi. Ne ete ŋu kpɔ atikutsetse, neku, alo nukuwo sɔgbɔ la, eƒe ƒomea adzi asɔ gbɔ eye woakpɔ vovo akeke woƒe aƒea ɖe enu. Gake le ƒe ʋee aɖewo ko me la, lã sia tsina eye afɔku kple dɔlélewo ate ŋu ava nɔ fu ɖem kabakaba. Ne exɔ abe ƒe ewo ene la, ke ekuna. Vovototo suesue ʋee aɖewo koe nɔa adɔ alo kadzidɔe ƒomeviwo dome le esia gome, gake le wo dometɔ akpa gãtɔ gome la, alea koe woƒe agbenɔnɔ nɔna.
12. (a) Ne míagblɔe tututu la, nukatae ame geɖe ƒe agbenɔnɔ meto vovo na lãwo tɔ o? (b) Nuka ŋue míate ŋu abu ɣebubuɣi si míagakpɔ lã aɖe si le susu me na mí?
12 Ame akpa gãtɔ magbe alesi lãwo nɔa agbee alea la xɔxɔ o, eye womakpɔ mɔ hã be tameɖoɖo si ŋu gɔmesese le nanɔ adɔ ƒe agbe ŋu o. Gake ɖe ame geɖe ƒe agbenɔnɔ to vovo boo na esia? Wodzia wo kpɔa wo dzi le woƒe ɖevime. Woɖua nu, tsina, fena esime wole sue. Kasia ko wotsi xoxo, di asi, kple afisi woanɔ eye wosrɔ̃a alesi woawɔ anɔ nuɖuɖu kpɔm. Ne nu dze edzi na wo la, woate ŋu adzi eye woƒe nɔƒea (atɔ) nakeke ɖe edzi woanyi wo viwo le afima. Gake ƒeawo va yina kabakaba, eye wotsina. Ne woxɔ ƒe 70 alo 80 siwo me “fuɖename kple hiã” bɔna ɖo la, wokuna, ne womeku do ŋgɔ o ye nye ema. (Psalmo 90:9, 10, 12) Àte ŋu abu nusiawo siwo ana woayi tame ŋu ɣebubuɣi si nèkpɔ adɔ (alo lã bubu aɖe si le susu me na wò).
13. Nukae dzɔna ɖe lãwo kple amegbetɔwo siaa dzi?
13 Àte ŋu akpɔ nusita Salomo tsɔ amewo ƒe agbenɔnɔ sɔ kple lãwo tɔ ɖo. Eŋlɔ be: “Ɣeyiɣi li na nusianu, . . . Amedziɣi li, eye kuɣi li.” Nudzɔdzɔ evelia ma si nye ku la sɔ le amegbetɔ kple lãwo gome, “alesi esiawo kunae la, nenema ke ekemɛawo hã kunae.” Egagblɔ kpee be: “Anyi me wo katã wotso, eye anyi wo katã woagazu.”—Nyagblɔla 3:1, 2, 19, 20.
14. Aleke ame aɖewo dina be yewoatrɔ alesi agbenɔnɔ yinae, gake nukae dona tsoa eme?
14 Mehiã be míabu nuŋububu sia si nye nusi dzɔna le agbe me ŋutɔŋutɔ la dziɖeleameƒonui o. Nyateƒee, ame aɖewo dzea agbagba be yewoatrɔ nɔnɔmea, le kpɔɖeŋu me, wowɔa dɔ sesĩe be yewoakpɔ ŋutilãmenuwo wu yewo dzilawo. Woade suku ayi ŋgɔ wu be yewoakpɔ ga na agbemenu geɖe kpɔkpɔ, esime woanɔ agbagba dzem be yewoadzi yewoƒe agbe la gɔmesese ɖe edzi. Alo woabiã ŋku ɖe kamedede ŋu alo ɖe nuɖuɖoɖo aɖe ŋu be wòade yewoƒe lãmesẽ dzi ne yewoaganɔ agbea ayi ŋgɔ vie. Eye ɖewohĩ aɖe vi aɖe na wo. Gake amekae ate ŋu aka ɖe edzi be agbagbadzedze mawo adze edzi? Ne wodze edzi kura hã la, ɣeyiɣi didi kae wòanɔ anyi aɖo?
15. Ame akpa gãtɔ ƒe agbenɔnɔ ŋu bubu kae sɔ?
15 Salomo bia be: “Elabena nya geɖe li, si dzia toflokonyenye ɖe edzi, ke viɖe ka amegbetɔ kpɔna tsoa eme? Elabena ameka nya nusi nyo na amegbetɔ le agbe me, le eƒe agbe ƒuƒlu, si wònɔ abe vɔvɔli ene la ƒe ŋkekewo katã me? Elabena ameka agblɔ nusi adzɔ le amegbetɔ megbe . . . la nɛ?” (Nyagblɔla 6:11, 12) Esi wònye mexɔa ɣeyiɣi aɖeke hafi ku va gblẽa ame ƒe agbagbadzedzewo me o ta la, ɖe viɖe boo aɖe le eme ŋutɔŋutɔ be woanɔ dagbadagbam be woakpɔ ŋutilãmenuwo kpaŋkpaŋ alo le ƒe gbogbo aɖe tsɔtsɔ de sukui me kple susu be nunɔamesiwo nadzi ɖe edzi na ame ko taa? Eye esi agbea meɖoa afi aɖeke kura o elabena ɖeko enu va yina abe vɔvɔli ene ta la, ame geɖe kpɔnɛ be ɣeyiɣi megali be yewoagbugbɔ agbagba bubu adze le amegbetɔ ƒe taɖodzinu bubu gbɔ ɖoɖo ŋu ne gbãtɔa medze edzi o; eye ame mate ŋu aka ɖe nusi adzɔ ɖe viawo dzi ‘emegbe’ la dzi o.
Ɣeyiɣi si me Nàwɔ Ŋkɔ Nyui
16. (a) Nukae wòle be míawɔ si lãwo mate ŋu awɔ o? (b) Nyateƒe bubu kae wòle be wòakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe tamebubu dzi?
16 Ŋutete si mele lãwo si o le mí amegbetɔwo ya si be míabu eŋu be, ‘Gɔmesese kae le nye anyinɔnɔ ŋu? Nudzɔdzɔ matrɔmatrɔ siwo kplɔ wo nɔewo ɖo, si ƒe akpa aɖee nye amedziɣi kple kuɣi, koea?’ Le ema gome la, ɖo ŋku nyateƒe si le Salomo ƒe nya siwo wògblɔ le amegbetɔ kple lãwo ŋu me la dzi be: “Anyi wo katã woagazu.” Ðe wòfia be ku nye amegbetɔ ƒe anyinɔnɔ ƒe nuwuwu kuraa? Nyateƒee, Biblia fia be luʋɔ makumaku mele amegbetɔ si si nɔa agbe le eƒe ŋutilã ƒe ku megbe o. Luʋɔwoe amegbetɔwo nye, eye luʋɔ si wɔ nuvɔ̃ la kuna. (Xezekiel 18:4, 20) Salomo ɖe nu me yi ŋgɔe be: “Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o, fetu aɖeke megali na wo o, eye woŋlɔ woƒe ŋkɔ be. Nusianu, si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ; elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afisi yi ge nala o.”—Nyagblɔla 9:5, 10.
17. Nuka ŋue wòle be Nyagblɔla 7:1, 2 nana míade ŋugble le?
17 Le nyateƒenya sia si nu míate ŋu asi le o ta la, bu nya si gbɔna la ŋu kpɔ: “Ŋkɔ nyui nyo wu ami xɔasi, eye kugbe nyo wu dzigbe. Kuteƒeyiyi nyo wu aglotuƒeyiyi; elabena afi kemɛa nye amegbetɔwo katã ƒe nuwuƒe, eye wòdea dzigbɔ na agbagbeawo.” (Nyagblɔla 7:1, 2) Ele be míalɔ̃ ɖe edzi be kue nye “amegbetɔwo katã ƒe nuwuƒe.” Ame aɖeke mete ŋu no makumakutike, ɖu nunyiame hamehame siwo wotsaka, wɔ ɖe nuɖuɖoɖo aɖe dzi, alo wɔ kamedeɖoɖo aɖe si na wòte ŋu nɔ agbe mavɔmavɔe kpɔ o. Eye zi geɖe ɣeyiɣi kpui aɖe le woƒe ku megbe ko “woŋlɔ woƒe ŋkɔ be.” Eyata nukatae ŋkɔ nyui “nyo wu ami xɔasi, eye kugbe nyo wu dzigbe”?
18. Nukatae míate ŋu aka ɖe edzi be Salomo xɔ tsitretsitsi la dzi se?
18 Abe alesi míekpɔe va yi ene la, alesi nuwo le tututu gblɔm Salomo nɔ. Enya nu tso tɔgbuia Abraham, Isak, kple Yakob, amesiwo ŋu kakaɖedzi le be wowɔ ŋkɔ nyui le mía Wɔla gbɔ la ŋu. Esi Yehowa Mawu nya Abraham nyuie ta la, edo ŋugbe be yeayra eya kple eƒe dzidzimeviwo. (Mose I, 18:18, 19; 22:17) Ẽ, ŋkɔ nyui nɔ Abraham si le Mawu gbɔ, eye wòzu exɔlɔ̃. (Kronika II, 20:7; Yesaya 41:8; Yakobo 2:23) Abraham nya be agbe si yele kple ye vi tɔ menye ame ƒe dzɔdzɔ kple kuku siwo tre ɖe enu ƒe akpa aɖeke o. Kakaɖedzitɔe la, tameɖoɖo si de ŋgɔ wu ema le eŋu. Agbenɔnɔ ake ƒe mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le la nɔ wo si, menye esi luʋɔ makumaku le wo si ta o, ke boŋ le esi woafɔ wo ɖe tsitre ta. Abraham ka ɖe edzi be “ŋusẽ le Mawu si be, [wòafɔ Isak] ɖe tsitre tso ame kukuwo dome ke hã.”—Hebritɔwo 11:17-19.
19. Nuka gɔmee míate ŋu ase tso Hiob gbɔ le Nyagblɔla 7:1 ƒe gɔmesese ŋu?
19 Ema nye nusi akpe ɖe mía ŋu míase alesi ‘ŋkɔ nyui nyo wu ami xɔasi, eye kugbe nyo wu dzigbee’ la gɔme. Salomo ka ɖe edzi, abe Hiob, amesi nɔ anyi do ŋgɔ nɛ ene, be Amesi wɔ amegbetɔ ƒe agbe la ate ŋu agana agbe bubu ame. Ate ŋu agbɔ agbe amesiwo ku. (Hiob 14:7-14) Nuteƒewɔla Hiob gblɔ be: “[Wò Yehowa] àyɔm, eye matɔ na wò, ne wò asinudɔwɔwɔ ƒe nu le dzrowòm.” (Hiob 14:15) Bu nya sia ŋu kpɔ! Be mía Wɔla la subɔla nuteƒewɔlawo ‘ƒe nu dzronɛ.’ (“Àdi be yeagakpɔ wò asinudɔwɔwɔ ake.”—The Jerusalem Bible.) Wɔla la ate ŋu awɔ Yesu Kristo ƒe tafevɔsa la ŋudɔ atsɔ afɔ ame ɖe tsitree. (Yohanes 3:16; Dɔwɔwɔwo 24:15) Eme kɔ be amewo ate ŋu ato vovo na lã siwo kuna.
20. (a) Nɔnɔme ka mee kugbe nyona wu dzigbe le? (b) Anye be aleke Lazaro ƒe tsitretsitsia wɔ dɔ ɖe ame geɖe dzii?
20 Esia fia be ame ƒe kugbe ate ŋu anyo wu eƒe dzigbe, ne ɣemaɣi amea dze agbagba be ŋkɔ nyui le eŋu le Yehowa, amesi ate ŋu afɔ ame kukuwo ɖe tsitre la gbɔ. Yesu Kristo, Salomo Gãtɔ, ɖo kpe nya sia dzi. Le kpɔɖeŋu me, efɔ nuteƒewɔla Lazaro ɖe tsitre. (Luka 11:31; Yohanes 11:1-44) Abe alesi nàte ŋu akpɔe le susu me ene la, nusia wɔ dɔ ɖe amesiwo kpɔe wofɔ Lazaro ɖe tsitre wògava nɔ agbe la dzi vevie, eye woxɔ Mawu Vi la dzi se. (Yohanes 11:45) Èsusu be awɔ na wo be tameɖoɖo aɖeke mele agbe ŋu o, eye womenya amesiwo wonye kple afisi woɖo tae oa? Kura o, wokpɔe dze sii boŋ be mele be yewoanɔ agbe abe lãwo ko ene, woadzi yewo, yewoanɔ agbe sẽ ko aku o. Ƒomedodo kplikplikpli nyui aɖe nɔ woƒe taɖodzinu le agbe me kple woƒe Yesu Fofo nyanya kpakple Eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ dome. Ke wò hã ɖe? Ðe numedzodzro sia kpe ɖe ŋuwò be nèkpɔ alesi tameɖoɖo vavã ate ŋu anɔ wò agbe ŋui eye wòle be wòanɔ eŋu hãa, alo ɖe eme gakɔ na wò ɖe edzia?
21. Gɔmesese si le míaƒe agbe ŋu didi ƒe akpa ka mee míedi be míagadzro?
21 Ke hã la, be gɔmesese vavãtɔ nanɔ alesi míenɔa agbee ŋu la, mefia ku kple agbenɔnɔ ake ne míeku ko ŋu bubu o. Nusi míewɔna kple míaƒe agbe gbesiagbe hã le eme. Salomo ɖe esia hã me le Nyagblɔla ƒe agbalẽa me, abe alesi míakpɔe le nyati si kplɔe ɖo me ene.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a “Saba Fianyɔnu la ƒe ŋutinya ɖee fia be Salomo ƒe nunya ta keke, eye wolɔ̃a gbɔgblɔ le ŋutinya la ŋu be enye xotutu (Fia. I, 10:1-13). Gake nya siwo ƒo xlã ŋutinya la fia be asitsatsa ta koŋ ye nyɔnua va Salomo gbɔ ɖo eye eme kɔ nenema; mehiã be míake ɖi le eƒe ŋutinya me nudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ nyenye ŋu o.”—The International Standard Bible Encyclopedia (ƒe 1988), Babla IV, axa 567.
Èɖo Ŋku Wo Dzia?
◻ Mɔ kawo nue woate ŋu atsɔ lãwo asɔ kple amewo le?
◻ Nukatae ku naa eme kɔna be toflokoe amegbetɔwo ƒe agbagbadzedze kple dɔwɔna geɖe nye?
◻ Aleke wòawɔ kugbe nanyo wu dzigbe?
◻ Ƒomedodo ka dzie tameɖoɖo si le agbe ŋu ƒe amesinɔnɔ nɔ te ɖo?
[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]
Aleke gbegbe wò agbenɔnɔ to vovo sã na lãwo tɔe?