INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 4/1 axa 9-13
  • Milé Dzi Ðe Ƒo Elabena Ðeɖe Gogo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Milé Dzi Ðe Ƒo Elabena Ðeɖe Gogo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Ɣeyiɣi Vɔ̃ Siwo me Nɔnɔ Sesẽ’
  • Amegbetɔ Mate Ŋu Aɖe Ame O
  • Ðeɖe Gogo—na Amekawo?
  • Ðela Gãtɔ
  • Ðeɖe le Blema
  • Míakpɔ Ðeɖe Kpuie—To Mawu Fiaɖuƒea Dzi!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Èdea Asixɔxɔ Nu Si Yehowa Wɔ Hena Wò Ðeɖekpɔkpɔ La Ŋua?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Ðeɖekpɔkpɔ Ayi ɖe Dzɔdzɔenyenye Xexe Yeye Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Yehowa Ƒe Nya Medoa Kpo Emevava Gbeɖe O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 4/1 axa 9-13

Milé Dzi Ðe Ƒo Elabena Ðeɖe Gogo

“Meli kpli wò, be maɖe wò, Yehowa ye gblɔe!” —YEREMYA 1:19.

1, 2. Nukata amegbetɔƒomea hiã ɖeɖe?

ÐEÐE! Akɔfanamenya kae nye si! Be woaɖe ame fia be woaxɔ na ame, woaɖe ame le nɔnɔme sesẽ manyomanyo aɖe me. Nɔnɔmea tɔtrɔ be dzidzɔ nanɔ eme nɛ eye wòanyo wu ƒe susu hã dze le eme.

2 Amegbetɔƒomea hiã ɖeɖe ma vevie ŋutɔ fifia! Kuxi sesẽwo—gakuxiwo, hadomekuxiwo, dɔlényawo, susumadzekɔanyi, kple tɔtɔ, ɖe kpe na amewo le afisiafi eye dzi ɖe le wo ƒo. Alesi xexeamenyawo le yiyimee la na ame akpa gãtɔ tsi dzodzodzoe, mɔkpɔkpɔ hã bu ɖe wo eye wodi be tɔtrɔ nava ne nuwo nanyo.—Yesaya 60:2; Mateo 9:36.

‘Ɣeyiɣi Vɔ̃ Siwo me Nɔnɔ Sesẽ’

3, 4. Nukata ɖeɖe hiã vevie ŋutɔ fifia wu?

3 Esi wònye fukpekpe le ƒe alafa 20 lia sia me wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe ta la, ɖeɖe hiã fifia ŋutɔ wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe. Egbea la, amesiwo wu biliɔn ɖeka da ahe kolikoli, eye xexlẽme ma dzina ɖe edzi abe miliɔn 25 ene ƒe sia ƒe. Nunyuimakpɔɖu alo nu bubu siwo tso ahedada gbɔ wua ɖevi siwo ade miliɔn 13 ƒe sia ƒe—35,000 kple edzivɔ gbesiagbe! Eye dɔléle vovovowo na ame tsitsi miliɔn geɖe kuna kpata.—Luka 21:11; Nyaɖeɖefia 6:8.

4 Aʋawɔwɔ kple dukɔmeviwo ƒe aglãdzenuwo wɔwɔ he fukpekpe manyagblɔ geɖe vɛ. Agbalẽ si nye Death by Government gblɔ be towo kple subɔsubɔhawo ƒe dzrewɔwɔ, kpakple dziɖuɖuwo ŋutɔ ƒe dukɔmevi gbogbowo wuwu “tsrɔ̃ ame miliɔn 203 kple edzivɔ le ƒe alafa sia me.” Egagblɔ be: “Amesiwo ku ƒe xexlẽme ŋutɔŋutɔ ade miliɔn 360 kloe. Ðeko wòwɔ abe ɖe fifi Dɔvɔ̃ nyanyrã aɖee tsrɔ̃ ameƒomea ene. Etsrɔ̃e hã nyateƒe, gake menye dɔlékuiwoe tsrɔ̃e o ke Amedziɖuɖu ƒe dɔvɔ̃e tsrɔ̃e.” Agbalẽŋlɔla Richard Harwood gblɔ be: “Aʋa manyatanu siwo wowɔ le ƒe alafa siwo va yi me nɔ sue ŋutɔ ne wotsɔe sɔ kple esia.”—Mateo 24:6, 7; Nyaɖeɖefia 6:4.

5, 6. Nukae na fukpekpe le míaƒe ɣeyiɣia me alea gbegbe?

5 Hekpe ɖe nɔnɔmea ƒe sesẽ le ƒe siawo me ŋu la, hlɔ̃dodo, agbegbegblẽnɔnɔ, kple ƒomewo ƒe gbagbã hã dzi ɖe edzi ale gbegbe. William Bennett si nye United States Sukudede Dɔdzikpɔlagã va yi la gblɔ be United States dukɔmeviwo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi zi 41 le alafa me le ƒe 30 me, gake hlɔ̃dodo ya dzi ɖe edzi zi 560, gbɔmeyaviwo dzidzi zi 400, srɔ̃gbegbe zi 300, eye ameɖokuiwuwu le sɔhɛwo dome dzi ɖe edzi zi 200. Princeton Yunivɛsiti Nufialagã John DiIulio, Jr., xlɔ̃ nu le sɔhɛ “adzoblasuwo” ƒe dzidziɖedzi ŋu, amesiwo “wua ame, dzea ame dzi, dɔa nyɔnuwo gbɔ sesẽe, daa adzo ame, dzea kpɔ hedea zitɔtɔ gã amewo dome. Nusi wo léle agblẽ le wo ŋu, aɖukliɖuɖu le gaxɔ me, alo dzitsinya ƒe fuɖename mena wodzia vo o.” Fifia la, amewuwue nye nu evelia si me amesiwo xɔ ƒe 15 vaseɖe 19 kuna le wu le dukɔ ma me. Eye ɖevi siwo mexɔ ƒe ene haɖe o dometɔ geɖe kuna le ŋutasesẽ me wu dɔléle.

6 Menye dukɔ ɖeka me koe hlɔ̃dodo kple ŋutasesẽ mawo yia edzi le o. Dukɔ akpa gãtɔ gblɔ be nu mawo ke dzɔna le yewo gbɔ. Atike vɔ̃ɖi siwo zãm ame geɖe le ɖe mɔ gbegblẽ nu si gblẽa ame miliɔn geɖe dome gbɔe wòtso. Australia ƒe Sydney Morning Herald gblɔ be: “Atikevɔ̃ɖisitsatsa le dukɔwo dome ye nye dɔ si me wokpɔa ga geɖe tsonɛ ɖe aʋawɔtudzadzra yome le xexeame.” Nu bubue nye ŋutasesẽ kple agbegbegblẽnɔnɔ si bɔ ɖe television dzi fifia. Le dukɔ geɖe me kaka ɖevi naxɔ ƒe 18 la, ekpɔa ŋutasẽnuwɔna gbogbo aɖewo kple agbegbegblẽnuwɔna gbogbo geɖe le TV dzi. Nusia kpɔa ŋusẽ gbegblẽ ɖe ame dzi ŋutɔ elabena nusi ŋu míebuna ɣesiaɣi trɔa míaƒe amenyenye.—Romatɔwo 12:2; Efesotɔwo 5:3, 4.

7. Aleke Biblia me nyagblɔɖi gblɔ nɔnɔme sesẽ siwo li fifia ɖii?

7 Biblia me nyagblɔɖi gblɔe ɖi pɛpɛpɛ be nudzɔdzɔ dziŋɔ siawo adzɔ le míaƒe ƒe alafa sia me. Egblɔ be aʋawɔwɔ, dɔvɔ̃, nuɖuɖu ƒe veve, kple sedzimawɔmawɔ ƒe dzidziɖedzi axɔ xexeame katã. (Mateo 24:7-12; Luka 21:10, 11) Eye ne míede ŋugble le nyagblɔɖi si le Timoteo II, 3:1-5 ŋu la, ɖeko wòanɔ abe nyadzɔdzɔwo sese gbesiagbe ene. Eyɔ míaƒe ɣeyiɣia be “ŋkeke mamlɛawo” eye wògblɔ be amewo anye ‘ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, ɖevi maɖoto dzilawo, ame mawɔnuteƒewo, amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, ɖokuidzimaɖulawo, ame wɔadãwo, amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzoo, amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu.’ Nenema tututue xexeame le egbea. William Bennett gblɔ be: “Dzesi siwo fia be ŋkuʋuʋu yi to . . . va sɔ gbɔ akpa.” Wogblɔ gɔ̃ hã be ŋkuʋuʋu nu yi le xexemeʋa gbãtɔ me.

8. Nukata Mawu he Tɔɖɔɖɔa vɛ le Noa ƒe ŋkekea me, eye aleke esia ku ɖe míaƒe ŋkekea ŋui?

8 Nuwo gblẽ keŋkeŋ fifia wu alesi wònɔ do ŋgɔ na Tɔɖɔɖɔa le Noa ƒe ŋkekea me esime “nu vlo wɔwɔ xɔ anyigba la dzi.” Ɣemaɣi la, amewo gbe tɔtrɔ le woƒe mɔ vɔ̃wo dzi. Eyata Mawu gblɔ be: “Woƒe nu vlo wɔwɔ xɔ anyigba la dzi; kpɔ ɖa, matsrɔ̃ wo.” Tɔɖɔɖɔa tsrɔ̃ xexeme wɔnuvlo ma.—Mose I, 6:11, 13; 7:17-24.

Amegbetɔ Mate Ŋu Aɖe Ame O

9, 10. Nukata mele be míaɖo ŋu ɖe amegbetɔwo ŋu be woaɖe mí o?

9 Ðe amegbetɔ ƒe agbagbadzedzewo ate ŋu aɖe mí le nɔnɔme sesẽ siawo mea? Mawu ƒe Nya ɖo eŋu be: “Migaɖo ŋu ɖe amegãwo, amegbetɔvi, siwo mate ŋu axɔ na ame o la ŋu o.” “Amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.” (Psalmo 146:3; Yeremya 10:23) Ŋutinya ɖo kpe nyateƒenya mawo dzi ƒe akpe geɖe. Amegbetɔwo te dunyahehe, gaŋutiɖoɖo, kple hadomenuɖoanyi ɖesiaɖe si va tame na ame la kpɔ gake ɖeko nɔnɔmeawo le gbegblẽm ɖe edzi. Ðe amegbetɔ ate ŋu akpɔ egbɔ la, anye ne edze xoxo míekpɔ. Nusi boŋ le dzɔdzɔm enye be “amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.”—Nyagblɔla 8:9; Lododowo 29:2; Yeremya 17:5, 6.

10 Ƒe ʋee aɖewo va yi la, United States dukɔa ƒe dedienɔnyawo ŋuti aɖaŋuɖola Zbigniew Brzezinski gblɔ be: “Nya ta si woaƒo godoo eye wòasɔ hã ne wolé ŋku ɖe alesi nuwo le edzi yim le xexeame ŋu enye be hadomezitɔtɔ, dunyahehe me nyaʋiʋli, gakuxiwo, kple dukɔwo dome nyahehe akeke ta ɖe edzi kokoko.” Egagblɔ be: “Afɔku si dze ŋgɔ ameƒomea [enye] zitɔtɔ gã si ava xexeame godoo.” Nya ma si wogblɔ le xexeame ƒe nɔnɔmewo ŋu sɔ ŋutɔ egbea wu ɣemaɣi. New Haven, Connecticut, Register me nyati aɖe gblɔ le ŋutasẽse ƒe dzidziɖedzi le ɣeyiɣi sia me ŋu be: “Edze abe nɔnɔmea sẽ wu mí míate ŋu atɔ tee o ene.” Ao, xexeame ƒe gbegblẽ matɔ te o, elabena ‘ŋkeke mamlɛ’ siawo ŋuti nyagblɔɖia gagblɔ be: “Ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo la woayi dzi vɔ̃ɖitɔe wu anɔ amewo blem, eye amewo able wo.”—Timoteo II, 3:13.

11. Nukata amegbetɔ ƒe agbagbadzedzewo mate ŋu aɖɔ nɔnɔmeawo ƒe gbegblẽ ɖo o?

11 Amegbetɔwo mate ŋu aɖɔ nɔnɔme siawo ɖo o elabena Satana ye nye “xexe sia me mawu.” (Korintotɔwo II, 4:4) Ẽ, “xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.” (Yohanes I, 5:19; kpɔ Yohanes 14:30 hã.) Esia ta Biblia gblɔ le míaƒe ŋkekea ŋu wòsɔ be: “Baba na anyigba kple atsiaƒu; elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum ŋutɔ; elabena enyae be, vovoɣi vi aɖe ko yekpɔ.” (Nyaɖeɖefia 12:12) Satana nya be yeƒe dziɖuɖu kple yeƒe xexeame ƒe nuwuwu ɖo vɔ, eyata ele abe “dzata, si le gbe ɖem hele ame dim, be yeavuvu ami ene.”—Petro I, 5:8.

Ðeɖe Gogo—na Amekawo?

12. Amekawo ƒe ɖeɖee gogo?

12 Nɔnɔmeawo ƒe sesẽ ɖe edzi le anyigba dzi nye kpeɖodzi ɖedzesi be tɔtrɔ gã aɖe—ẽ, ɖeɖe gã aɖe—ɖo vɔ! Na amekawo? Ðeɖe gogo na amesiwo léa ŋku ɖe nuxlɔ̃amedzesiawo ŋu eye wowɔa afɔɖeɖe si sɔ. Yohanes I, 2:17 gblɔ nusi wòle be míawɔ: “Xexeame [Satana ƒe nuɖoanyia] va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.”—Kpɔ Petro II, 3:10-13 hã.

13, 14. Aleke Yesu te gbe ɖe ŋudzɔnɔnɔ ƒe vevienyenye dzii?

13 Yesu gblɔe ɖi be xaxa aɖe “esi meva kpɔ tso xexeame ƒe gɔmedzedze vaseɖe egbegbe o, eye megale vava ge akpɔ o” la atsrɔ̃ ameƒome gblẽku si li egbea ɖa kpuie. (Mateo 24:21) Ema tae wòxlɔ̃ nu be: “Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bena nutsuɖuɖu kple ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe nuɖuɖu ŋu nagate miaƒe dzi ɖe to o, eye ŋkeke ma nagalili mi abe mɔ̃ ene o; elabena adze amesiwo katã [le] anyigba blibo la ƒe ŋku me la dzi. Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ le ɣeawo katã ɣi me kple gbedodoɖa, bena miate ŋu asi le nusiawo katã, siwo le eme va ge la nu.”—Luka 21:34-36.

14 Amesiwo ‘kpɔa wo ɖokui dzi’ ‘henɔa ŋudzɔ’ la adi nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu eye woawɔe. (Lododowo 2:1-5; Romatɔwo 12:2) Amesiawoe ‘asi’ le tsɔtsrɔ̃ si ava Satana ƒe nuɖoanyia dzi kpuie la nu. Eye kakaɖedzi blibo ate ŋu anɔ wo si be yewoakpɔ ɖeɖe.—Psalmo 34:16; Lododowo 10:28-30.

Ðela Gãtɔ

15, 16. Amekae nye Ðela gãtɔ, eye nukata míeka ɖe edzi be adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe?

15 Ele be woaɖe Satana kple eƒe xexemenuɖoanyia katã ɖa hafi ate ŋu axɔ na Mawu subɔlawo. Esia bia be ɖeɖe natso ame aɖe si kpɔ ŋusẽ wu amegbetɔwo la gbɔ. Ame mae nye Yehowa Mawu, Dziɖula Gãtɔ, xexe gã sia Wɔla Ŋusẽkatãtɔ la. Eyae nye Ðela gãtɔ. “Nyee nye Yehowa, eye xɔnametɔ aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o.”—Yesaya 43:11; Lododowo 18:10.

16 Yehowa sie ŋusẽ, nunya, dzɔdzɔenyenye, kple lɔlɔ̃ gãtɔ kekeake le. (Psalmo 147:5; Lododowo 2:6; Yesaya 61:8; Yohanes I, 4:8) Eyata ne ehe eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo vɛ la, kakaɖedzi anɔ mía si be adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe. Abraham bia be: “Ðe xexeame ƒe ʋɔnudrɔ̃la madrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe oa?” (Mose I, 18:24-33) Paulo gblɔ be: “Ðe Mawu wɔa nu madzɔmadzɔa? Gbeɖe!” (Romatɔwo 9:14, NW) Yohanes ŋlɔ be: “Ẽ, [Yehowa, NW] Mawu ŋusẽkatãtɔ la, nyateƒe kple dzɔdzɔe nye wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo.”—Nyaɖeɖefia 16:7.

17. Aleke Yehowa subɔla blematɔwo ɖee fia be yewoka ɖe eƒe ŋugbedodowo dzi?

17 Ne Yehowa do ŋugbe be yeaɖe mí la, aɖe mí godoo. Yosua gblɔ be: “Nya aɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa gblɔ . . . la me o.” (Yosua 21:45) Salomo gblɔ be: “Naneke meto le nya nyui, siwo katã wògblɔ . . . la me o.” (Fiawo I, 8:56) Apostolo Paulo gblɔ be Abraham “meke ɖi le . . . dzimaxɔse me hã o . . . eye wòkpɔ kakaɖedzi blibo bena, nusi ke ŋugbe [Mawu do] la, ate ŋu awɔe hã.” Nenema ke Sara hã “[bu Mawu] amesi na ŋugbedodoe la nuteƒewɔlae.”—Romatɔwo 4:20, 21; Hebritɔwo 11:11.

18. Nukata kakaɖedzi anɔ Yehowa subɔlawo si egbea be woaɖe yewo?

18 Yehowa ya mele abe amegbetɔwo ene o, enye amesi dzi woaka ɖo bliboe si wɔa eƒe nya dzi. “Yehowa Zebaot ka atam be: Alesi mebu ɖe ta me la, nenema wòanɔ, eye alesi meɖo la, nenema wòava mee.” (Yesaya 14:24) Eyata esi Biblia gblɔ be “[Yehowa] nya alesi wòaɖe mawumemewo atso tetekpɔwo me, eye wòadzra ame madzɔmadzɔwo ɖo hena ʋɔnudrɔ̃gbe, bene woatu fe vɔ̃ na wo” la, míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be ava eme. (Petro II, 2:9) Ne futɔ sesẽwo do ŋɔdzi na Yehowa subɔlawo be yewoatsrɔ̃ wo la, woléa dzi ɖe ƒo le eƒe susu si dze le ŋugbe si wòdo na eƒe nyagblɔɖila aɖe me ta, be: “Woawɔ avu kpli wò, ke woado kpoe, elabena meli kpli wò, be maɖe wò, Yehowa ye gblɔe!”—Yeremya 1:19; Psalmo 33:18, 19; Tito 1:2.

Ðeɖe le Blema

19. Aleke Yehowa ɖe Lot, nukae wòsɔ kplii le míaƒe ɣeyiɣia me?

19 Ŋkuɖoɖo Yehowa ƒe ameɖeɖe le blema dometɔ aɖewo dzi ate ŋu ade dzi ƒo na mí geɖe. Le kpɔɖeŋu me, Sodom kple Gomora ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ‘ɖe fu na’ Lot vevie. Gake Yehowa se ‘amewo ƒe ɣlidodo’ ɖe dukɔ mawo ta. Le ɣeyiɣi si sɔ me la, edɔ eƒe dɔlawo ɖa woxlɔ̃ nu Lot kple eƒe ƒomea be woadzo le nuto ma me enumake. Nukae va dzɔ? Yehowa “[ɖe] Lot dzɔdzɔetɔ” la “eye wòna Sodom kple Gomora ƒe duwo zu afi.” (Petro II, 2:6-8; Mose I, 18:20, 21) Egbea hã Yehowa le amewo ƒe ɣlidodo le xexe sia ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ta la sem. Ne eƒe dɔla siwo li egbea wɔ woƒe gbeƒãɖeɖedɔ si hiã kpata va ɖo afisi wòdi la, atso ɖe xexe sia ŋu eye wòaɖe esubɔlawo abe alesi wòɖe Lot ene.—Mateo 24:14.

20. Gblɔ alesi Yehowa ɖe blema Israel tso Egipte.

20 Wowɔ Mawu ƒe ame miliɔn geɖewo kluviwoe le blema Egipte. Yehowa gblɔ le wo ŋu be: “Mese woƒe ɣli, si wodo . . . menya woƒe fukpekpewo. Eye meɖi va, be maɖe wo.” (Mose II, 3:7, 8) Gake esi Farao ɖe asi le Mawu ƒe amewo ŋu wodzo vɔ la, etrɔ susu eye wòkplɔ eƒe aʋakɔ sesẽa woti wo yome. Edze abe ɖe Israel-viwo xaxa ɖe Ƒudzĩa nu ene. Gake Mose gblɔ be: “Migavɔ̃ o, milé dzi ɖe ƒo, eye miakpɔ, alesi Yehowa le mia ɖe gee egbe.” (Mose II, 14:8-14) Yehowa na Ƒudzĩa me mã eye Israel-viwo si. Farao ƒe aʋakɔa yɔ wo ɖe enu, gake Yehowa zã eƒe ŋusẽ ale be “ƒuɖɔɖɔ gbagba ɖe wo dzi, eye wodze to abe kpe ene.” Emegbe Mose dzi ha kafu Yehowa be: “Ameka de nuwò, kpɔ ŋusẽ, eye ŋutikɔkɔe le eŋu; amesi ŋu vɔvɔ̃ le, eye wòwɔ nu gãwo kple nukunuwo?”—Mose II, 15:4-12, 19.

21. Aleke woɖe Yehowa ƒe amewo tso Amon, Moab, kple Seir si mee?

21 Ɣebubuɣi la, futɔ siwo nye Amon, Moab, kple Seir (Edom) dukɔwo ɖoe be yewoatsrɔ̃ Yehowa ƒe amewo. Yehowa gblɔ be: “Migavɔ̃ o, eye [futɔwo ƒe] ameha gã sia megadzi ŋɔ na mi o, elabena aʋa la menye miaƒe nya o, ke boŋ Mawu tɔe. . . . Miele asi de ge aʋa la me o . . . mitsi tre ɖi, ne miakpɔ, alesi Yehowa le xɔxɔ ge na mi!” Yehowa de tɔtɔ futɔwo dome ale wowu wo nɔewo eye wòɖe eƒe amewo.—Kronika II, 20:15-23.

22. Aleke Yehowa ɖe Israel nukutɔe tso Asur si me?

22 Esi Asur ƒe Xexemefiaɖuƒea ho ɖe Yerusalem ŋu la, Fia Sanxerib ɖe alɔme le Yehowa ŋu esi wògblɔ na amesiwo bɔbɔ nɔ glia dzi be: “Anyigba siawo [siwo dzi meɖu] ƒe mawuwo katã dometɔ kae ɖe eƒe anyigba tso asinye me, ne Yehowa naɖe Yerusalem atso asinye me?” Egblɔ na Mawu subɔlawo be: “Migana Xizkiya natsɔ Yehowa anɔ dzi dem ƒo na mi ahanɔ gbɔgblɔm be: Yehowa aɖe mí vavã . . . o.” Ke Xizkiya do gbe ɖa vevie be woaɖe yewo “ne anyigba dzi fiaɖuƒewo katã nadze sii be, wò [Yehowa] ɖeɖe koe nye [Mawu].” Yehowa wu Asur-srafowo dometɔ 185,000, eye woɖe Mawu subɔlawo. Emegbe esi Sanxerib nɔ eƒe alakpamawu subɔm la, viawo va wui.—Yesaya ta 36 kple 37.

23. Biabia kawo ŋue míaɖo ku ɖe ɖeɖekpɔkpɔ ŋu egbea?

23 Ne míekpɔ alesi Yehowa ɖe eƒe amewo nukutɔe va yi la, ade dzi ƒo na mí godoo. Ke egbea ya ɖe? Afɔku ƒe nɔnɔme ka mee esubɔla nuteƒewɔlawo age ɖo kpuie si ana wòahiã be wòaɖe wo nukutɔe? Nukatae meɖe wo kpɔ o vaseɖe fifia? Aleke nya siwo Yesu gblɔ be: “Ne nusiawo de asi emevava me la, ekema miwu mo dzi, eye mikɔ miaƒe tawo ɖe dzi, elabena miaƒe ɖeɖe la gogo” la ava emee? (Luka 21:28) Eye aleke woaɖe Mawu subɔla siwo ku xoxo lae? Nyati si kplɔe ɖo adzro biabia siawo me.

Numetotobiabiawo

◻ Nukatae ɖeɖe hiã alea gbegbe?

◻ Nukata mele be míaɖo ŋu ɖe amegbetɔwo ŋu be woaɖe mí o?

◻ Amekawo ƒe ɖeɖee gogo vɔ?

◻ Nukata míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa aɖe mí?

◻ Alesi woɖe amewoe le blema ŋuti kpɔɖeŋu kae dea dzi ƒo na mí?

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Amesiwo ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe dometɔ ɖekae nye Abraham

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe