INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 4/15 axa 28-31
  • Èɖua Nu Ðia Ƒo le Gbɔgbɔ Mea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Èɖua Nu Ðia Ƒo le Gbɔgbɔ Mea?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nuɖuɖu Hena Tsitsi le Gbɔgbɔ Me
  • Nuɖuɖu Hena Gbɔgbɔmeŋusẽ
  • Nuɖuɖu Hena Gbɔgbɔmelãmesẽ
  • Gbɔgbɔmeɖiƒoƒo
  • Gbɔgbɔmenuɖuɖu Bɔ
  • Nuɖuɖu Nyuie
  • Èɖua Nu Nyuie le Gbɔgbɔ Mea?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • Nuɖuɖu si le Dedie Anɔ Anyi na Amesiame
    Nyɔ!—2002
  • ‘Wɔ Nyateƒenya la Ŋudɔ Pɛpɛpɛ’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Ame Sia Ame Akpɔ Nu Nyuiwo Aɖu—Kpuie!
    Nyɔ!—2012
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 4/15 axa 28-31

Èɖua Nu Ðia Ƒo le Gbɔgbɔ Mea?

“Nuɖuɖu nyui nye amegbetɔ ƒe nuhiahiã vevitɔ kekeake. . . . Ne míeɖua nuɖuɖu si asu na mí o la, míaku.”—Food and Nutrition.

ŊUTSUWO, nyɔnuwo, kple ɖevi siwo dɔ le wuwum, siwo mekpɔ “amegbetɔ ƒe nuhiahiã vevitɔ kekeake” sia o, siwo ɖi ku glaŋui la ɖe nyateƒenya vevi sia fia kɔtee. Ame bubuwo te ŋu le nuhiahiã sia kpɔm vaseɖe afi aɖe ya, gake mele susum na wo o kokoko. Gake zi geɖe la, aminu si me amenyinu gobii aɖeke mele o lae amesiwo te ŋu ɖua nu nyuie ɖia ƒo la dometɔ geɖe ɖuna. Healthy Eating gblɔ be: “Ewɔ abe nuɖuɖue nye míaƒe nunɔamesi siwo dome wogblẽna wu dometɔ ɖeka ene.”

Nenemae wòle le gbɔgbɔmenuɖuɖu—si nye Mawu ƒe Nya, Biblia, me nyateƒea hã gome. Gbɔgbɔmenunyiame vevitɔ gɔ̃ hã mele ame aɖewo si o; gbɔgbɔmedɔ wua wo. Ame bubuwo hã gbea gbɔgbɔmenuɖuɖu si li la ɖuɖu. Ke wò ya ɖe? Èɖua nu nyuie ɖia ƒo le gbɔgbɔ mea? Alo ɖe wòanye be èle gbɔgbɔmenuɖuɖu tem ɖokuiwòa? Ele vevie be míadzro mía ɖokui me anukwaretɔe le nya sia me elabena míehiã gbɔgbɔmenuɖuɖu wu ŋutilãmenuɖuɖu.—Mateo 4:4.

Nuɖuɖu Hena Tsitsi le Gbɔgbɔ Me

Nusrɔ̃gbalẽ si nye Food and Nutrition, si ƒo nu tso nu nyui ɖuɖu ƒe vevienyenye ŋu la gblɔ nu vevi etɔ̃ siwo ta míaɖu nu nyuie la na mí. Gbãtɔe nye be míehiã nuɖuɖu si “ana míatsi eye wòaɖɔ li lãmenugbagbevi siwo le gbɔdzɔgbɔdzɔm la.” Ènya be lãmenugbagbevi triliɔn ɖeka gbɔdzɔna gbesiagbe le wò agbe me eye wòhiã be woaɖɔ li woa? Nuɖuɖu si me nunyiame le ɖuɖu hiã be ŋutilã la natsi ahanɔ eɖokui dzram ɖo.

Aleae wòle le gbɔgbɔ me hã. Le kpɔɖeŋu me esime apostolo Paulo ŋlɔ agbalẽ na Efeso-hamea la, ete gbe ɖe alesi Kristotɔ ɖesiaɖe hiã gbɔgbɔmenuɖuɖu nyui be wòatsi “azu ŋutsu blibo” la dzi. (Efesotɔwo 4:11-13) Ne míeɖua gbɔgbɔmenuɖuɖu si tua ame ɖo ɖia ƒo nyuie la, míeganyea vidzĩ kokoe siwo mate ŋu akpɔ wo ɖokui dzi o, siwo dzi afɔku ƒomevi ɖesiaɖe ate ŋu adzɔ ɖo la o. (Efesotɔwo 4:14) Ke boŋ míetsina zua ame tsitsi lãmesesẽtɔ siwo te ŋu ʋlia xɔse la ta le esi wotsɔ ‘xɔsenyawo nyi míi’ ta.—Timoteo I, 4:6.

Nenemae wòle le gowòmea? Ètsi le gbɔgbɔ mea? Alo ègakpɔtɔ nye gbɔgbɔmevidzĩ—si nuvevi ɖesiaɖe ate ŋu awɔ, amesi ƒe agbenɔnɔ kpɔ ame bubuwo ŋkume bliboe, eye mete ŋu tsɔa Kristotɔ ƒe agbanɔamedziwo bliboe oa? Eme kɔ be mía dometɔ ʋee aɖewo agblɔ enumake be míenye vidzĩ le gbɔgbɔ me, gake esɔ be míadzro mía ɖokui me anukwaretɔe. Kristotɔ amesiamina aɖewo nye gbɔgbɔmevidzĩwo le ƒe alafa gbãtɔ me. Togbɔ be ele be woa ŋutɔwo nanye “nufialawo,” siwo ate ŋu alɔ̃ faa afia Mawu ƒe Nya la ame bubuwo hã la, apostolo Paulo ŋlɔe bena: “Egahiã mi be, woagafia nusiwo nye Mawu ƒe nyawo ƒe gɔmedzenuwo mi, eye miezu abe amesiwo gahiã notsi ko, eye menye nuɖuɖu sesẽ o la ene.” Ne èdi be yeatsi le gbɔgbɔ me la, ke gbɔgbɔmenuɖuɖu sesẽ si me amenyinu le nèdzro wò vevie. Gbɔgbɔmevidzĩ ƒe nuɖuɖu megasɔ gbɔ na wò o!—Hebritɔwo 5:12.

Míegahiã gbɔgbɔmenuɖuɖu sesẽ sia atsɔ aɖɔ nusi dodokpɔ siwo míedoa goe gbesiagbe le xexe sia si nye futɔ na mí me gblẽ le mía ŋu la ɖo. Nusiawo ate ŋu axɔ gbɔgbɔmeŋusẽ le mía si. Gake Mawu agate ŋu ado ŋusẽ mí. Paulo gblɔ be: “Ðeɖi metea mía ŋu o; ke ne míaƒe gotame gblẽna hã la, míaƒe ememe la zua yeye gbesiagbe.” (Korintotɔwo II, 4:16) Aleke ‘míaƒe ememe la zua yeye gbesiagbee’? Eƒe akpa aɖe tso Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ edziedzi le mía ɖokui si kple Ŋɔŋlɔawo kpakple Biblia-srɔ̃gbalẽwo sɔsrɔ̃ le ƒuƒoƒo me gbɔ.

Nuɖuɖu Hena Gbɔgbɔmeŋusẽ

Nuɖuɖu gahiã be “woatsɔ ana dzoxɔxɔ kple ŋusẽe.” Nuɖuɖu naa nusiwo míaƒe ametia hiã be wòawɔ dɔ nyuie la mí. Ne míeɖua nu nyuie o la, ŋusẽ gobii aɖeke manɔ mía ŋu o. Ne nunyiame si nye iron mele míaƒe nuɖuɖu me o la, ate ŋu ana ɖeɖi nanɔ mía ŋu tem kabakaba eye míaƒe lãme nawɔ gblɔdɔɔ. Alea nèsena le ɖokuiwò me ɣeaɖewoɣi le gbɔgbɔmedɔwo gomea? Ðe Kristotɔnyenye ƒe dɔdasiwo wɔwɔ sesẽna na wòa? Ðeɖi tea ame aɖewo siwo gblɔna be Yesu Kristo yomedzelawoe yewonye la ŋu le nu nyui wɔwɔ me, eye ŋusẽ si woatsɔ awɔ Kristotɔwo ƒe dɔwoe la meganɔa wo ŋu o. (Yakobo 2:17, 26) Ne aleae wòle le gowòme la, ke nusi nàtsɔ akpɔ egbɔe ƒe akpa gãtɔ anye alesi nàna wò gbɔgbɔmenuɖuɖu naganyo wu alo esinu nèɖuna la nagasɔ gbɔ ɖe edzi.—Yesaya 40:29-31; Galatiatɔwo 6:9.

Mègana woable wò nàva nɔ gbɔgbɔmenu ɖum nyamɛnyamɛ o. Beble gãtɔwo dometɔ ɖeka si Satana zã ƒe alafa geɖe enye be wòable ame nu wòaxɔ ase be Biblia xexlẽ kple sidzedze vavãtɔ si le eme xɔxɔ mehiã o. Ezã ayedzedze aɖe si li tso tititi ke, si asrafowo zãna tsɔ ɖua woƒe futɔwo ƒe duwo dzii—woxɔa nuɖuɖu le wo si henana dɔ wua wo wonaa ta. Gake ewɔ ayedzedze sia ŋudɔ le mɔ bubu nu. Eblea amesiwo wòɖe “to ɖo” wogblẽa wo ɖokui ɖe dɔmeɣi evɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu tuameɖo gbogbo aɖe ƒo xlã wo hafi. Mewɔ nuku o be eto eƒe amedzidzedze me lé ame geɖe!—Efesotɔwo 6:10-18.

Nuɖuɖu Hena Gbɔgbɔmelãmesẽ

Food and Nutrition gblɔ be susu etɔ̃lia si ta míehiã nuɖuɖue nye “be míatsɔ akpɔ míaƒe ametia ƒe lãmesẽ ta . . . ahaxe mɔ na dɔléle.” Nuɖuɖu si me nunyiame le ɖuɖu ƒe viɖewo medzena enumake o. Ne míeɖu nu si me nunyiame le vɔ la, ƒã hafi míebua tame gblɔna be, ‘Nuɖuɖu sia na ŋusẽ ɖo nye dzi (nye ayikuwo alo nye lãmekawo) ŋu.’ Gake atse neble wò nàgbe nuɖuɖu hena ɣeyiɣi didi aɖe kpɔ be magblẽ nu le ŋuwò o hã. Nukawoe wòagblẽ? Atikewɔgbalẽ aɖe gblɔ be “nusi wògblẽna si bɔ wu enye vɔ̃ si dona tsoa eme: tekuku, dɔ ɖesiaɖe ƒe amedzidzedze, ŋusẽ alo dzo manɔameme.” Blema Israel hã lé gbɔgbɔmedɔ si ɖi esia hena ɣeyiɣi aɖe. Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ le wo ŋu be: “Ta blibo la xɔ abi, eye nu te dzi blibo la ŋu belibeli. Teƒe nyui aɖeke mele eŋu o, tso afɔƒo me vaseɖe dzodome.”—Yesaya 1:5, 6.

Gbɔgbɔmenuɖuɖu nyui doa ŋusẽ mí be míagagbɔdzɔ le gbɔgbɔ me nenema eye nusiwo dona tsoa gbɔgbɔmedɔléle me la nagava mía dzi o. Sidzedze si Mawu nana la kpena ɖe mía ŋu míenɔa lãmesẽ me le gbɔgbɔ me—ne míenya ɖunɛ ko! Yesu Kristo ƒo nu tso alesi eŋɔlimetɔ akpa gãtɔ mesrɔ̃ nu tso wo tɔgbuiwo ƒe gbɔgbɔmenumaɖumaɖu nyuie ƒe vodada me o ŋuti. Woawo hã gbe nyateƒe siwo fiam wònɔ la ɖuɖu. Nukae do tso eme? Yesu gblɔ be: “Dukɔ sia ƒe dzi ku atri, eye woƒe towo sẽ, eye womiã woƒe ŋkuwo, bena woagakpɔ nu kple ŋkuwo o, eye woagase nu kple towo o, eye woagase nu gɔme kple dzi, ne woatrɔ, eye mada gbe le wo ŋu o.” (Mateo 13:15) Ame akpa gãtɔ mena Mawu ƒe Nya ƒe gbedaŋusẽ ɖe vi na wo o. Woƒe gbɔgbɔmedɔlélea nɔ wo ŋu. Kristotɔ amesiamina aɖewo gɔ̃ hã “ƒe lãme gbɔdzɔ eye amewo le dɔ lém.” (Korintotɔwo I, 11:30) Migana míanyɔ ŋu gbɔgbɔmenuɖuɖu si Mawu le mía nam gbeɖe o.—Psalmo 107:20.

Gbɔgbɔmeɖiƒoƒo

Hekpe ɖe gbɔgbɔmedɔwuame ƒe afɔkua ŋu la, afɔku bubu aɖe hã gali si wòle be míanya—ɖewohĩ ɖi anɔ nuɖuɖu si ƒomevi míanɔ ɖuɖum me. Nufiafia siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe susu gbegblẽwo xɔ la xɔxɔ ate ŋu anye aɖi asi mí abe alesi nuɖuɖu ŋutɔŋutɔ si me dɔlékuiwo alo aɖi le awu míi ene. (Kolosetɔwo 2:8) Nuɖuɖu si me aɖi le menya kpɔna dzea sii ɣesiaɣi o. Nuɖuɖu ŋuti nunyala aɖe gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la nuɖuɖu anɔ dzedzem nyuie evɔ dɔlékui siwo ade dɔ lãme na ame sɔŋ le eme.” Eyata anyo be míalé ŋku ɖe afisi míaƒe kpɔɖeŋunuɖuɖuwo tsona ŋu nyuie, eye wòanɔ susu me na mí be nufiafia kple xexemenunya siwo metso Ŋɔŋlɔawo me o, abe xɔsegbelawo ƒe agbalẽwo ene, ate ŋu age ɖe ɖewo me. Nuɖuɖudɔwɔla aɖewo gɔ̃ hã klãa nu bubu kura ɖe nuɖuɖu si dzram wole dzi tsɔ blea woƒe asisiwoe. Míawo hã míate ŋu akpɔ mɔ godoo be Satana, ameblelagã la, awɔ nu ma ke. Eyata kpɔ egbɔ be kpɔɖeŋunuɖuɖu si yeɖuna la tso teƒe nyui aɖe, ale be ‘nànɔ sesĩe le xɔsea me.’—Tito 1:9, 13.

Thomas Adams, amesi nye ƒe alafa 17 lia me mawunyagblɔla aɖe, gblɔ le eŋɔlimetɔwo ŋu be: “Wotsɔ aɖu ɖe woa ŋutɔwo ƒe yɔdowoe.” Ne míagblɔe bubui la, nusi woɖu wu wo. Kpɔ egbɔ be gbɔgbɔmenu si nèɖuna la mawu wò o. Di gbɔgbɔmenuɖuɖu si me nunyiame le. Esi amesiwo gblɔna be Yehowa Mawu ƒe amewoe yewonye dze alakpanufialawo kple aʋatsonyagblɔɖilawo yome la, ebia wo be: “Nuka ta miebe, yewoaxlẽ ga ɖe nusi menye abolo o la ta . . . ? Miɖo tom ko, ekema miaɖu nu nyui, eye miaƒe luʋɔ ƒe dzeme akɔ ɖe ami ŋu. Miƒu to anyi, eye miva gbɔnye! Mise nu, ekema miaƒe luʋɔ anɔ agbe!”—Yesaya 55:2, 3; tsɔe sɔ kple Yeremya 2:8, 13.

Gbɔgbɔmenuɖuɖu Bɔ

Gbɔgbɔmenuɖuɖu nyui mele vevem kura o. Abe alesi Yesu Kristo gblɔe ɖi ene la, dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe ha le esi fifia si tsɔ veviedodo le “nuɖuɖu” nam amesiame si le edim “le ɣeyiɣi nyui dzi.” (Mateo 24:45) Yehowa do ŋugbe to nyagblɔɖila Yesaya dzi be: “Kpɔ ɖa, nye dɔlawo aɖu nu, ke miawo la, dɔ awu mi; . . . Kpɔ ɖa nye dɔlawo atso aseye le dzi ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ta.” Vavãe, edo ŋugbe be yeaɖo kplɔ̃ na amesiwo di be yewoaɖu nu. “Yehowa Zebaot atsɔ nuɖuɖu damiwo kple wein, siwo ɖo ƒã la, atu aglo na dukɔwo katã . . . nuɖuɖuawo da ami, eye ƒuto me mi le wo me.”—Yesaya 25:6; 65:13, 14.

Gake bu nya sia ŋu kpɔ: Dɔ ate ŋu awu mí míaku le kplɔ̃ ŋuti! Togbɔ be nuɖuɖu ƒo xlã mí hã la, dɔ ate ŋu awu mí vevie kokoko ne mía ŋutɔwo míedo abɔ ɖa be míaɖu ɖe o. Lododowo 26:15 gblɔ nya la le nyagbea ŋutɔŋutɔ nu be: “Ne kuviatɔ de asi agba me la, edede nu me nyea dɔ nɛ.” Ewɔ nublanui loo! Veviedodo Mawu ƒe Nya la kple Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo wota be woatsɔ akpe ɖe mía ŋu míanɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu ɖumee la sɔsrɔ̃ le mía ɖokui si ate ŋu ava nɔ kuvia wɔm na míawo hã vevie. Alo dzadzraɖo ɖe Kristo-hamea ƒe kpekpewo ŋu alo nyaŋuɖoɖo ne míeyi ate ŋu ati mí vevie.

Nuɖuɖu Nyuie

Eyata susu vevi ɖesiaɖe le mía si, si ta wòle be míaɖu gbɔgbɔmenu nyuie aɖi ƒo. Gake nya lae nye be ɖeko ame aɖewo ɖua woƒe gbɔgbɔmenuɖuɖua nyamɛnyamɛ ko, bubuwo gblẽa wo ɖokui ɖe dɔmeɣi gɔ̃ hã. Woɖi amesiwo mekpɔ nuɖuɖu nyuie ƒe vevienyenye dze sii o vaseɖe esime wova le fu kpem ɖe enu le tsitsime hafi la. Healthy Eating na míekpɔ susu si ta míate ŋu ava nɔ dzi tsim ɖe míaƒe nuɖuɖu nyuie ŋu o, evɔ míanya be nuɖuɖu nyuie hiã hena agbenɔnɔ hafi: “Nya lae nye be nu megblẽna le ame ƒe lãmesẽ ŋu kaba [le numaɖumaɖu nyuie ta] o, vɔ̃ medona tsoa eme kpata abe mɔmetsotso ŋumaɖɔmaɖɔɖoe ene o. Ke boŋ, ɖe ame ƒe lãme anɔ gbegblẽm vivivi eye womakpɔe adze sii o, dɔ ate ŋu adze ame dzi kpata wu, ame ƒe ƒuwo ate ŋu aŋe bɔbɔe wu, menaa abi kuna kaba eye dɔ kɔna le ame dzi kaba o.”

Esi gawue nye be ame ate ŋu ava zu abe ɖetugbi si nuɖuɖu medzrona o ene. Egblɔna na eɖokui be nuɖuɖu vi aɖe koe yehiã, eye be naneke mele ye wɔm o, togbɔ be ele ku ɖim gake. Mlɔeba la, nuɖuɖu megadzronɛ kura o. Atikewɔgbalẽ aɖe gblɔ be: “Enye nɔnɔme wɔnublanui aɖe.” Nukatae? “Togbɔ be ƒã hafi dɔ nawu amesi dzi wòdzɔ ɖo wòaku hã la, eva ɖia ku glaŋui eye dɔ nyaŋui ɖesiaɖe ate ŋu adze edzi bɔbɔe.”

Nyɔnu Kristotɔ aɖe lɔ̃ ɖe edzi be: “Medze agbagba ƒe geɖe be manya alesi dzadzraɖo ɖe kpekpewo ŋu edziedzi kple ɖokuisinusɔsrɔ̃ hiãe gake menya wɔna nam o.” Ʋeʋeʋe la, eva wɔ tɔtrɔ ale be wòva doa vevie Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃, gake esi wòva kpɔ alesi wòhiã be wòawɔ dɔ tso eƒe nɔnɔmea ŋu kpata ko hafi wòwɔe.

Eyata tsɔ aɖaŋu si apostolo Petro ɖo la de dzi me. Mizu abe “vidzĩwo” ene eye “gbɔgbɔ me notsi tsimatɔ nadzro mi vevie, bene miatsi to me hena xɔxɔ la.” (Petro I, 2:2) Ẽ, ‘nu nedzro wò’—tu didi sẽŋu ɖo—be nàtsɔ sidzedze Mawu ayɔ wò susu kple dzi mee. Ele be gbɔgbɔmeme tsitsiwo hã nayi edzi anɔ dzodzro ma tum ɖo. Mègana gbɔgbɔmenuɖuɖu nazu ‘wò nunɔamesi siwo dome nègblena wu dometɔ ɖeka’ o. Ðu gbɔgbɔmenu nyuie nàɖi ƒo, eye ‘nya tuameɖo’ siwo le Mawu ƒe Nya, Biblia, me la naɖe vi na wò bliboe.—Timoteo II, 1:13, 14.

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Ðe wòhiã be nàna wò nuɖuɖu naganyo ɖe edzia?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe