Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta
Sisi Yi Yehowa ƒe Teokrasi Habɔbɔa Me
GBƆGBƆ ʋã nyagblɔɖila Yesaya wògblɔ gbaɖegbe ke be: ‘Woakafu Yehowa le ƒukpowo dzi.’ (Yesaya 24:15) Yehowa Ðasefowo kpɔe be ƒukpowo nye “anyigba” si Yesu gblɔ be “ele be, woaɖe gbeƒã nyanyui la afia” le la ƒe akpa aɖe.—Mateo 24:14; Marko 13:10.
Marquesas Ƒukpowo gbɔ didi ade kilometa 1,400 tso Tahiti ƒe dzieheɣetoɖoƒe gome. Wole ƒukpowo ƒe hatsotso siwo sa ɖe aga si woyɔna be French Polynesia dome le Anyiehe Pacific. Nuwo miena nyuie le ƒukpo siawo dzi le dzotonyigba wɔnu kple yame ƒe nɔnɔme si xɔa dzo ta. Gake Marquesastɔwo le ku ƒomevi bubu aɖe tsem. Bu ƒome aɖe si xɔ Fiaɖuƒegbedasia le ƒukpo si nye Hiva Oa dzi ŋu kpɔ.
Jean kple srɔ̃a, Nadine, mekpɔ dzidzɔ ɖe Ɣetoɖoƒe Europa ƒe agbenɔnɔ si wobe enye ŋkuʋuʋu si me wonɔ la ŋu o. Eyata woɖoe do le hloloetsotso ƒe agbenɔnɔ ma me eye wo kple wo vi woʋu yi Marquesas Ƒukpowo dzi. Woƒe aƒe yeyea nye pamproxɔ si nɔ bali si sa ɖe aga me. Ele be woalia to gaƒoƒo eve ato afɔmɔ klitsaklitsa aɖe dzi hafi ade amesiwo te ɖe wo ŋu wu la gbɔ. Wonɔa ʋu me gaƒoƒo etɔ̃ hafi dea kɔƒe si tsɔ ɖe wo ŋu wu si me ɖɔkta, suku, kple fiase aɖe le la me.
Jean kple Nadine metsɔ ɖeke le mawusubɔsubɔ me o. Gake woɖoa dze tso afisi agbe dzɔ tso ŋu ya. Woɖoa dze geɖe tso nɔnɔmetɔtrɔ nufiafia siwo gɔmesese sesẽ ŋu zi geɖe. Gake woƒe nufiafiaawo dometɔ aɖeke mena woƒe dzi dze eme o.
Esi wosa ɖe aga ƒe ade sɔŋ megbe ta la, ewɔ nuku na wo esi Yehowa Ðasefo eve va wo gbɔ. Kɔƒe siwo te ɖe wo ŋu me tɔwoe gblɔ afisi Jean kple Nadine wole la na Ðasefoawo. Abe alesi nàkpɔ mɔe ene la, dzeɖoɖoa va de nu nɔnɔmetɔtrɔ nufiafia me. Edzɔ dzi na srɔ̃tɔawo be agbalẽ si nye Life—How Did It Get Here? By Evolution Or By Creation? si Yehowa Ðasefowo ta la nɔ Ðasefoawo si. Evivi na Jean kple Nadine be agbalẽ si dzro alesi agbe wɔ va dzɔ me tsitotsito la ka yewo si.
Wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme le ema megbe kpuie. Jean kple Nadine wɔ ŋgɔyiyi nyuie anɔ ƒe etɔ̃ kple edzivɔ megbe. Wova ka ɖe edzi be madidi o anyigba katã dzi ava zu paradiso. Esi woƒe ƒomea dzi ɖe edzi ɖevi etɔ̃ va nɔ wo si la, eva nye kuxi sesẽ ŋutɔ be woazɔ mɔ gaƒoƒo ene ayi Kristotɔwo ƒe kpekpewo. Gake nusia mena wodzudzɔ kpekpewo dede o. Mlɔeba la, Jean kple Nadine xɔ nyɔnyrɔ wònye woƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa ƒe dzesi. Wowɔ nusia le nutome gã takpekpe aɖe si wowɔ le kɔƒe gãtɔa me, si amesiwo katã de ƒe agbɔsɔsɔ gãtɔe nye 38!
Bene woate ŋu akpe ɖe Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo ƒe ƒuƒoƒo sue si li ŋu la, ƒomea tso nya me be yewoadzo le saɖeagakɔƒea me. Woʋu yi kɔƒe si me nɔlawo ade ame akpe ɖeka me, afisi Jean nye subɔsubɔdɔwɔla le le Yehowa Ðasefowo ƒe hame aɖe me. Enye mɔnukpɔkpɔ na ƒome si si le ŋkuʋuʋu nu yi ƒukpowo dzi be yewoke ɖe sitsoƒe vavãtɔ si nye Yehowa ƒe teokrasi habɔbɔa ŋu.