INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 6/1 axa 19-23
  • Yehowa Wɔa Nuteƒe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yehowa Wɔa Nuteƒe
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðevimegbenɔnɔ si Ŋu Tameɖoɖo Menɔ O
  • Nuteƒewɔwɔ Bubu
  • Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Subɔsubɔdɔwɔwɔ le England
  • Subɔsubɔdɔ si Keke Ðe Enu Wɔwɔ le Afrika
  • Míegayi Afrika
  • Nɔnɔme Yeyewo le England
  • Dutanyanyuigblɔƒe Va Zu Mía De
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Míaƒe Xexeame Katã Ƒe Nɔviwo Ƒe Habɔbɔa Do Ŋusẽm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Yehowa Yram Wu Ale Si Mesusui
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Tiatia Nyuiwo Wɔwɔ He Yayrawo Vɛ Nam Le Nye Agbemeŋkekewo Katã Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 6/1 axa 19-23

Yehowa Wɔa Nuteƒe

ABE ALESI PETER PALLISER GBLƆE ENE

December 1985 mee. Dzi nɔ mía dzɔm esime míenɔ ɖiɖim ɖe dukɔwo dome yameʋudzeƒe si le Nairobi, Kenya. Esi míenɔ ʋu me yina dua me eye nukpɔkpɔ kple gbeɖiɖi nyanyɛ aɖewo nyɔ míaƒe susu la, ena míegaɖo ŋku nanewo dzi.

YEHOWA ÐASEFOWO ƒe “Nuteƒewɔlawo” Nutome Gã Takpekpee míeva le Kenya. Ƒe wuieve do ŋgɔ la, wozi mía kple srɔ̃nye dzi míedzo le Kenya le esi woxe mɔ ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa nu ta. Betel, si nye ŋkɔ si woyɔna na Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒee míenɔ. Nukunu dodzidzɔname kae nye si nɔ mía lalam esi míetrɔ yi ɖasrã afima kpɔ!

Ðasefo sɔhɛ aɖe si míenya tso esime wòxɔ ƒe eve la nɔ asi kpem ɖe ŋdɔnu ɖaɖa ŋu le Betel. Ne mede ɖeke o hã la, míenya Betel-ƒomea me tɔ ade tso esime wonye ɖeviwo. Dzidzɔ ka gbegbee nye si wònye esi míekpɔ be wozu ɖekakpui kple ɖetugbiwo, eye wo kple woƒe ƒomewo kpɔtɔ le dɔ wɔm vevie le subɔsubɔdɔa me! Mía Mawu, Yehowa, lé be na wo wòsɔ ɖe Biblia ƒe ŋugbedodoa nu be: “Èwɔa nuteƒe na amesi nye nuteƒewɔla.” (Samuel II, 22:26, NW) Vovototo ka gbegbee nye si le agbe si menɔ le ɖevime kple agbe si ŋu viɖe le si nɔm sɔhɛ siawo le la dome!

Ðevimegbenɔnɔ si Ŋu Tameɖoɖo Menɔ O

Wodzim le Scarborough, England, le August 14, 1918 dzi. Le ƒe eve megbe la, danye kple danyevi nyɔnuvi dzo yi Canada, eyata le ƒe etɔ̃ siwo kplɔe ɖo me la, fofonye, mamanye, kple tasinye gbɔe menɔ. Esime mexɔ ƒe atɔ̃ la, Dada va kplɔm si dzo yi Montreal, Canada. Le ƒe ene megbe la, eɖom ɖe England be manɔ Papa gbɔ ade suku.

Danye kple danyevi nyɔnuvia ŋlɔa agbalẽ nam dzinu ade ɖesiaɖe kloe. Wogblɔna le woƒe lɛtaawo ƒe nuwuwu be yewodi be manye dumevi nyui, awɔ nuteƒe na Fia la kple dukɔa. Ðewohĩ nye ŋuɖoɖowo gblẽ woƒe mɔkpɔkpɔ me elabena meŋlɔna na wo be mekpɔ be dulɔlɔ̃ kple aʋawɔwɔ menyo o. Gake esi nyemekpɔ mɔfiafia nyui aɖeke le nye ƒewuiwo me o ta la, ɖeko menɔ eme ko.

Emegbe le July 1939 me si nye kwasiɖa ade do ŋgɔ na Xexemeʋa II la, wozi dzinye de Britaintɔwo ƒe asrafodɔ me. Ƒe 20 koe mexɔ. Medidi o woɖo míaƒe aʋakɔ la ɖe France. Esi Germany ƒe aʋawɔyameʋuwo dze mía dzi la, mí sɔhɛwoe da tu wo. Agbenɔnɔa ɖi vɔvɔ̃ ŋutɔ. Míesi le Germanytɔwo ƒe asrafo siwo zɔ gbɔna la nu, eye menɔ amesiwo woɖe tso Dunkirk le June 1940 ƒe kwasiɖa gbãtɔ me la dome. Vɔvɔ̃ gaɖoam kokoko ne meɖo ŋku alesi aʋakɔ blibo ku tsi ƒuta la dzi. Metsi agbe le nudzɔdzɔ dziŋɔ ma me eye meɖo agbatsɔtɔdziʋu sue aɖe va ɖo Harwich le England ƒe ɣedzeƒe gome.

Woɖom ɖe India le ƒe si kplɔe ɖo me, le March 1941 me. Wona hehem le afima menye yameʋudzraɖola. Esi dɔ aɖe dze dzinye eye menɔ kɔdzi ɣeyiɣi aɖe megbe la, woɖem yi asrafoha aɖe me le Delhi, India ƒe fiadu me. Esi aƒe gbɔ didi eye nye lãme hã menɔ kɔkɔm o la, meva nɔ tame bum tso etsɔme ŋu. Vevietɔ mebu tame tso nusi dzɔna ɖe mía dzi ne míeku la ŋu.

Nuteƒewɔwɔ Bubu

Mía kple hati Eŋlisitɔ aɖe si ŋkɔe nye Bert Gale, ye nɔ xɔme le Delhi. Gbeɖeka egblɔ be “Abosam gbɔe subɔsubɔha tso,” nya sia nyɔ nye ɖetsɔleme. Srɔ̃a zu Yehowa Ðasefo, eye eɖoa Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖee ɣeaɖewoɣi. Agbalẽvi siawo dometɔ ɖeka si nyɔ nye ɖetsɔlemee nye Hope. Alesi wòdzro tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔa me la na nye dzi dze eme ŋutɔŋutɔ.

Ɣeaɖeɣi le ƒe 1943 me la, Bert ɖo dze kple Britain kple India vidzidzi aɖe si menye asrafo o si nye Teddy Grubert, amesi nɔ dɔ wɔm kpli mí le asrafowo ƒe asaɖa la me. Ewɔ nuku na mí esi míese be Teddy nye Ðasefo. Togbɔ be wode se ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽwo nu le ƒe 1941 me hã la, ekplɔa mí yia kpekpe siwo Ðasefoawo wɔna le Delhi. Hame sue sia mee mekpɔ xɔlɔ̃wɔwɔ dodzidzɔname vavãtɔ le zi gbãtɔ le nye agbe me. Basil Tsatos si nye Kristotɔ tsitsi aɖe tso Greece la, tsɔ ɖe le eme nam vevie eye wòɖo nye biabiawo ŋu nam. Ezã Biblia tsɔ ɖo biabia siwo ku ɖe nusita míetsina hekuna, tsitretsitsi, kple ŋugbe si Mawu do be yeahe xexe yeye si me dzɔdzɔenyenye anɔ la ŋu eme kɔ nyuie.—Dɔwɔwɔwo 24:15; Romatɔwo 5:12; Petro II, 3:13; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Agbalẽvi si nye Peace—Can It Last? si wota le ƒe 1942 me koŋue nyɔ nye ɖetsɔleme. Ede dzesii be Dukɔwo ƒe Nubabla lae nye ‘lã woada dzẽ’ la. (Nyaɖeɖefia 17:3) Agbalẽvia yɔ nya si le Nyaɖeɖefia ta 17, kpukpui 11, eye wògblɔ be: “Woate ŋu agblɔ azɔ be Nubabla la ‘nɔ anyi, eye megali o.’ ” Eyi edzi gblɔ be: “Xexemedukɔwo ƒe habɔbɔa agafɔ ake.” Nu ma tututue dzɔ le ƒe 1945 me, si nye ƒe etɔ̃ kple edzivɔ megbe esime woɖo Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Habɔbɔa anyi!

Le ɣeyiɣi siwo me wode se ɖe Ðasefowo ƒe agbalẽwo nu la, mekpe ɖe xɔlɔ̃ yeye siwo su asinye la ŋu. Ne agbalẽvi si nye Peace—Can It Last? aɖaka ɖeka va ɖo la, hamea tsɔnɛ nam be madzrae ɖo. Amekae wòava susu me na be yeava tsa asrafowo ƒe asaɖa me be yele agbalẽ siwo nu wode se ɖo la dim? Ɣesiaɣi ne meyina kpekpewo la, metsɔa agbalẽvia ʋee aɖewo ɖe asi yina be matsɔ na nɔviawo. Metsɔa woawo ŋutɔ ƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɣlana ne wole vɔvɔ̃m be woava tsa yewoƒe aƒewo me. Mlɔeba le December 11, 1944 dzi la, woɖe mɔxenua ɖa.

Wodo alesi gbegbe meku ɖe Kristotɔwo ƒe nufiafiawo ŋu kpɔ le ƒe 1943 ƒe Kristmas ƒe ɖoɖo si wowɔ na míaƒe asrafoha la me. Esi mesrɔ̃e be womedzi Yesu le December ƒe vuvɔŋɔli o eye be Kristotɔ gbãtɔwo meɖu Kristmas o ta la, megbe gomekpɔkpɔ le eme.—Tsɔe sɔ kple Luka 2:8-12.

Menɔ ame 150 siwo de “Gbeƒãɖela Siwo Wɔ Ðeka” Nutome Sue Takpekpe si wowɔ le Jubbulpore (Jabalpur) tso December 27 vaseɖe 31, 1944 la dome. Takpekpea valawo dometɔ geɖe ɖo keteke tso Delhi, esi nye mɔzɔzɔ si didi wu kilometa 600. Nyemaŋlɔ alesi mese le ɖokuinye me be gbeɖe o, esi míekpe ta le gota eye mekpɔ alesi Yehowa ƒe habɔbɔa wɔa dɔe.

Sukuviwo ƒe xɔdɔmewo mee takpekpea valawo dze, afisi míedzi Fiaɖuƒehawo hede ha kple hati Kristotɔwo le dzidzɔtɔe. Takpekpe ma mee medze dutoƒogbeƒãɖeɖedɔ si gakpɔtɔ nye nusi ŋu medea asixɔxɔe la gɔme le.

Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Subɔsubɔdɔwɔwɔ le England

Metrɔ yi England le ƒe 1946 me eye medidi o meva nɔ ha dem kple Wolverton Hamea. Togbɔ be Fiaɖuƒe gbeƒãɖela ewo koe nɔ mía si hã la, amesiawo na meɖe dzi ɖi, eye wona nye dzi dze eme abe alesi wòdze eme esime menɔ nɔviwo dome le India ene. Vera Clifton ƒe xɔlɔ̃wɔwɔ vavãtɔ ɖe dzesi le hamea me. Esi meva nya be eya hã di be yeanye mɔɖela, si nye alesi woyɔa ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawoe la, míeɖe mía nɔewo le May 24, 1947 dzi. Medzra ʋu legbee aɖe ɖo, alo esi me anyimlɔƒe le, eye le ƒe si kplɔe ɖo me la, míexɔ míaƒe mɔɖeɖedɔdasi gbãtɔ le kɔƒedu si nye Huntingdon me.

Le ŋkeke mawo me la, míedoa gasɔ yia kɔƒenutowo me le ŋdi me. Ŋdɔmenu si míeva ɖuna kabakaba koe tsoa míaƒe ŋkeke bliboa ƒe gbeƒãɖeɖedɔa me. Aleke ke yaƒoƒo alo tsidzadza si me míedoa gasɔ tona yia aƒeme nu sẽe o, míekpɔa dzidzɔ kple dzidzeme le Aƒetɔ ƒe dɔa wɔwɔ me.

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, eva nɔ mía dzrom be míakeke míaƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu bene míaɖe gbeƒã ‘nyanyuia’ na dukɔ bubu me tɔwo. (Mateo 24:14) Eyata míebia be míade Gilead dutanyanyuigblɔlawo ƒe suku le South Lansing, New York, U.S.A. Mlɔeba wova xɔ mí na Gilead ƒe klass 26 lia si wu suku nu le February 1956 me.

Subɔsubɔdɔ si Keke Ðe Enu Wɔwɔ le Afrika

Northern Rhodesia (si woyɔna fifia be Zambia) si le Afrika ye wode dutanyanyuigbɔgblɔdɔ asi na mí le. Esi míeva ɖo eteƒe medidi o la, woyɔ mí be míava wɔ dɔ le dukɔ ma ƒe Betel. Nye Betel-dɔ ƒe akpa aɖee nye be makpɔ lɛtaŋɔŋlɔ na Ɣedzeƒe Afrika gbɔ. Le ƒe 1956 me la, Ðasefo ene pɛ koe nɔ Kenya—Ɣedzeƒe Afrika dukɔwo dometɔ ɖeka—evɔ wosɔ gbɔ wu 24,000 le Northern Rhodesia. Mía kple Vera míeva nɔ tame bum le alesi wòanyoe be míaɖasubɔ le afisi hiahiã la lolo wu le ŋu.

Emegbe nyemenɔ mɔ kpɔm kura o, tete wogakpem be mava de Gilead Suku, fifia ya enye dzikpɔlawo ƒe hehexɔxɔ si xɔ dzinu ewo. Megblẽ Vera ɖe Northern Rhodesia eye mezɔ mɔ yi New York City, afisi Gilead Sukua nɔ ɣemaɣi. Esi mewu hehexɔxɔa nu le November 1962 me la, wode dɔ asi nam le Kenya be maɖo alɔdzedɔwɔƒe ɖe afima. Ðasefowo sɔ gbɔ wu alafa ɖeka le Kenya le ɣeyiɣi ma me.

Esi metrɔ yina Northern Rhodesia be mado go Vera la, wobe matɔ ɖe Nairobi, Kenya, ɣeyiɣi kpui aɖe. Gake esi meɖo la, Bill Nisbet si de Gilead ƒe klass 25 lia va kpem gblɔ nam be mɔnukpɔkpɔ li be maxɔ mɔɖegbalẽ hena Kenya nɔnɔ enumake. Míeyi dutamɔzɔnyagbɔkpɔlawo gbɔ, eye le aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo megbe la, mexɔ ƒe atɔ̃ ƒe dɔwɔwɔɖaseɖigbalẽvi. Eyata nyemegate ŋu ɖo Northern Rhodesia kura o; Vera boŋue va do gom le Nairobi.

Esi míede Swahiligbesɔsrɔ̃ suku si ƒe ɖoɖo wowɔ na mí vɔ la, míeva kpe ɖe Nairobi-hame suea ŋu le gbeadzi yiyi me. Ɣeaɖewoɣi ne míexlẽ míaƒe Swahiligbe me dzeɖonya vɔ la, aƒemenɔla la gblɔna enumake be, “Nyemese Eŋlisigbe o!” Togbɔ be enɔ alea hã la, míedo vevie nu eye ʋeʋeʋe la, míeva ɖu gbegbɔgblɔ ƒe kuxia dzi.

Xɔ gã aɖewo nɔ míaƒe anyigbamamã me siwo wotsɔ Biblia me ŋkɔwo abe Yerusalem kple Yerixo ene na. Amewo ɖe ɖetsɔleme fia kabakaba, eye amesiawo domee Fiaɖuƒe gbeƒãɖela yeye geɖe do tso. Biblia me nyateƒea wɔ dɔ ɖedzesi aɖe ɖe amesiawo dzi ale gbegbe! Esi Fiaɖuƒea yomenɔnɔ na ɖekawɔwɔ va le Yehowa ƒe amewo dome la, gbeɖekadolawo ƒe sese le wo ɖokui me be yewoe de ŋgɔ wu la nu va tsi. Gbevovodolawo ɖe wo nɔewo gɔ̃ hã, si nye nusi mebɔ ɖe amesiwo menye Ðasefowo o la dome o.

Fiaɖuƒe gbeƒãɖela yeyewo tsɔ dzonɔameme xɔ nyateƒea. Le kpɔɖeŋu me, Samson di vevie be Biblia me nyateƒea naɖo yewo de nutome ale gbegbe be enɔ biabiam edziedzi be woaɖo mɔɖelawo ɖe afima. Le nyateƒe me la, etu xɔ tsiã ɖe eƒe xɔ ŋu le Ukambani nutome bene wòanye nɔƒe na wo. Eteƒe medidi o la, woɖo Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo ƒe hame yeye ɖe afima.

Meɖi tsa de mía nɔvi siwo le Ɣedzeƒe Afrika dukɔ si nye Ethiopia gbɔ zi geɖe. Togbɔ be wodea wo gaxɔ me, woƒoa wo, eye wonɔa ŋku lém ɖe wo ŋu zi geɖe hã la, wozãa gaƒoƒo 20 kple edzivɔ le mamã dedie nu ɣleti sia ɣleti. Ɣeaɖeɣi la, Ethiopia nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ɖo bɔs eve zɔ mɔ kwasiɖa ɖeka to todzimɔ dziŋɔwo dzi hafi de nutome gã takpekpe le Kenya. Agbagba si woa ŋutɔwo dzena be Fiaɖuƒegbalẽwo naɖo yewoƒe dukɔ me la dze na kafukafu. Enye dzidzɔ na mí amesiwo nɔ Kenya be míakpe ɖe wo ŋu be woaka wo si.

Dziɖuɖua xe mɔ ɖe míaƒe dɔa nu le Kenya le ƒe 1973 me, eye wòle na dutanyanyuigblɔlawo be woadzo. Ðasefowo sɔ gbɔ wu 1,200 le Kenya ɣemaɣi, eye wo dometɔ geɖe va yameʋudzeƒea va ɖo mí ɖa eye míaŋlɔe be gbeɖe o. Woƒe vava ʋã hati mɔzɔla aɖe wòbia be ame xɔŋkɔ aɖewoe míenye hã. Mía kple Vera míetrɔ yi England eye wode dɔ asi na mí le afima, gake edzroa mí vevie be míagayi Afrika.

Míegayi Afrika

Eyata le ɣleti ʋee aɖewo megbe la, wode dɔ yeye asi na mí le Betel le Accra, si nye ɣetoɖoƒe Afrika dukɔ, Ghana, ƒe fiadu me. Le afisia la, nye dɔdasiwo dometɔ ɖeka na meva kpɔ fu si mía nɔviwo kpena le afima la ŋutɔŋutɔ. Esi menɔ nuɖuɖu kple Betel-ƒomea ƒe nuhiahiãwo ƒeƒle gbɔ kpɔm la, nuɖuɖu ƒe asi si yi dzi bobobo wɔ nuku nam. Ɣeaɖewoɣi la, màte ŋu aƒle nusi dim nèle la koŋ o. Mɔ̃memi ƒe vɔvɔ kple mɔ̃ ŋu nuwo ƒe anyimanɔmanɔ dzi kuxiawo ɖe edzi.

Meva srɔ̃ dzigbɔɖi ƒe vevienyenye, si nye nɔnɔme si su mía nɔvi Ghanatɔwo si. Edea dzi ƒo ŋutɔ be nàkpɔ alesi dzidzɔ nɔa wo me esi wogbe be agbemenuhiahiãwo kpɔkpɔ to zãnuxɔxɔ me nagable wo o. Ewɔe be wova nya Yehowa ƒe amewo nyuie le Ghana le woƒe anukwareɖiɖi ta eye amegã geɖe va dea bubu wo ŋu.

Togbɔ be ŋutilãmenuwo menɔ anyi o hã la, nuwo nɔ edzi dzem le gbɔgbɔ me. Àkpɔ míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo le aƒe ɖesiaɖe kloe me le dukɔa me godoo. Eye míekpɔe be Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ dzi ɖe edzi le Ghana tso 17,156 le ƒe 1973 me le esime míeva, va ɖo 23,000 le ƒe 1981 me. Le ƒe ma me la, ŋutigbalẽ ƒe dɔdzẽ si ɖikeke aɖeke mele eme o be ƒe geɖe si menɔ ŋdɔ nu le India kple Afrika ye na wòdo gã ɖe edzi la va nɔ fu ɖem nam, eye wòva hiã be míadzo le Ghana atrɔ ayi England bene woanɔ gbɔnye kpɔm edziedzi.

Nɔnɔme Yeyewo le England

Le gonyeme la, míaƒe tɔtrɔgbɔa bia be mawɔ asitɔtrɔ geɖe le nye subɔsubɔdɔa wɔwɔ ŋu. Nuƒoƒo faa na amesiwo dea bubu Mawu kple Biblia ŋu mãm. Gake ƒã hafi medoa go nɔnɔme ma tɔgbe le London. Nɔvi siwo le Britain ƒe veviedodo wɔ nuku nam. Nusia na mekpɔ alesi wòhiã be mase veve ɖe amesiwo “[ƒe] lãme gbɔdzɔ, eye woka hlẽ” le gbɔgbɔ me la nu.—Mateo 9:36.

Esi míetrɔ gbɔ tso Afrika la, mía kple Vera míesubɔ ɖekae le London ƒe Betel vaseɖe esime wòku le September 1991 me esi wòxɔ ƒe 73. Mele bɔbɔe be zɔhɛ nuteƒewɔla ma si ku kutri kplim le subɔsubɔdɔa me ƒe geɖe la naku le gbɔnye o. Mesusunɛ ŋutɔ. Gake kpekpeɖeŋu nyui si mexɔna tsoa Betel-ƒomea me tɔ siwo ade 250 gbɔ la dzɔa dzi nam.

Mebui mɔnukpɔkpɔe be mekpɔ Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe ŋgɔyiyi teƒe eye mele alesi ame geɖe va le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm woƒe agbemedɔe hã teƒe kpɔm. Mate ŋu agblɔe kple kakaɖedzi be, agbenɔnɔ aɖeke meganyo wu esia o, elabena “Yehowa . . . megblẽa eƒe mawumemewo ɖi o.”—Psalmo 37:28.

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Míewɔ mɔɖeɖedɔa le England tso ƒe 1947 va ɖo ƒe 1955 me

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Zi gbãtɔ si mele subɔsubɔdɔa wɔm le takpekpe aɖe me le India

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Esime míenye dutanyanyuigblɔlawo le Northern Rhodesia

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Ƒe 1985 me, mía kple xɔlɔ̃ siwo nyemegakpɔ kpɔ o ƒe 12 sɔŋ

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe