‘Yehowa Magblẽ Eƒe Amewo Ði O’
“Ame dzɔdzɔe ƒe fukpekpewo sɔ gbɔ, ke Yehowa ɖenɛ tsoa wo katã me.”—PSALMO 34:20.
1, 2. (a) Aleke Yehowa le eƒe amewo yramee egbea? (b) Nukae dze ŋgɔ Kristotɔ geɖe, eye nyabiase kawoe fɔ ɖe te?
LE BIBLIA ƒe nyagblɔɖi mevava me la, Yehowa subɔlawo le gbɔgbɔmeparadiso me. (Korintotɔwo II, 12:1-4) Yehowa Ðasefowo nye dukɔwo dome nɔviwo ƒe habɔbɔ si me lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ le. (Yohanes 13:35) Biblia me nyateƒea ƒe gɔmesese deto le wo si. (Yesaya 54:13) Dzi kae nye si dzɔa wo be Yehowa le mɔnukpɔkpɔ nam yewo be yeaxɔ yewo amedzroe ɖe yeƒe gbɔgbɔmegbadɔ me!—Psalmo 15:1.
2 Togbɔ be amesiwo katã le Yehowa ƒe habɔbɔa me le gbɔgbɔmedzidzedze kpɔm hã la, ewɔ abe ɖe wo dometɔ aɖewo le ŋutifafa kple tomefafa me vaseɖe afi aɖe ene evɔ ame bubuwo ya le fu ƒomevi vovovo kpem. Kristotɔ geɖe le nɔnɔme wɔnublanuiwo me ɣeyiɣi didi aɖe eye mɔkpɔkpɔ aɖeke mele wo si be nuwo ava ka ɖe eme na yewo kpuie o. Godoo la, nɔnɔme siawo te ŋu ɖea dzi le ame ƒo. (Lododowo 13:12) Ðe vɔ̃dzɔɖeamedzi siawo fia be ame ƒe nu medze Mawu ŋu oa? Ðe Yehowa le Kristotɔ aɖewo ta kpɔm etɔxɛe evɔ wògblẽa bubuwo ya ɖia?
3. (a) Yehowa gbɔe fu siwo eƒe amewo kpena la tsonaa? (b) Nukatae Yehowa subɔla nuteƒewɔlawo gɔ̃ hã kpea fu ɖo?
3 Biblia ɖo eŋu be: “Amesi wote kpɔ la, megagblɔ bena, Mawue te ye kpɔ o; elabena womate ŋu ate Mawu akpɔ kple nuvɔ̃ o, ke eya ŋutɔ la metea ame aɖeke kpɔna o.” (Yakobo 1:13) Yehowa ye nye eƒe amewo Takpɔla kple wo Léɖetela. (Psalmo 91:2-6) “Yehowa magbe eƒe dukɔ la o.” (Psalmo 94:14) Mefia be esubɔla nuteƒewɔlawo makpe fu o. Amesiwo tso dzɔdzɔme ke nye blibomadelawoe le fifi xexemenuɖoanyi sia dzi ɖum. Wo dometɔ geɖe nye ame gbegblẽwo eye wo dometɔ ʋee aɖewo vɔ̃ɖi ŋutɔŋutɔ. Wo dometɔ aɖeke media nunya si tso Yehowa gbɔ o. Esia hea fukpekpe geɖe vɛ na amewo. Biblia gblɔe eme kɔ kɔte be menye ɣesiaɣie Yehowa ƒe amewo ate ŋu asi le amegbetɔ ƒe blibomademade kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖi metsonuwo nu o.—Dɔwɔwɔwo 14:22.
Kristotɔ Nuteƒewɔlawo Kpɔa Mɔ be Yewoakpe Fu
4. Nukae Kristotɔwo katã ate ŋu akpɔ mɔ na zi alesi wole nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia me, eye nukatae?
4 Togbɔ be Yesu yomedzelawo menye xexeame ƒe akpa aɖeke o hã la, nuɖoanyi sia mee wole. (Yohanes 17:15, 16) Woklo nu le Satana dzi le Biblia me be eyae nye vivimeŋusẽ si le xexe sia dzi ɖum. (Yohanes I, 5:19) Eyata Kristotɔ ɖesiaɖe ate ŋu akpɔ mɔ be kuxi sesẽwo ava tu ye gbaɖegbe. Esia nɔ susu me na apostolo Petro wògblɔ be: “Minɔ mo xexi, minɔ ŋudzɔ; elabena miaƒe adikãtɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata, si le gbe ɖem hele ame dim, be yeavuvu ami ene; minɔ tsitre ɖe eyama ŋuti le xɔse me, esi mienyae bena, fukpekpe mawo ke va mia nɔvi, siwo le xexeame la dzi.” (Petro I, 5:8, 9) Ẽ, Kristotɔwo ƒe habɔbɔ la me tɔwo katã ate ŋu akpɔ mɔ na fukpekpe.
5. Aleke Yesu na eme kɔe be nublanuinyawo adzɔ ɖe Kristotɔ nuteƒewɔlawo dzi le woƒe agbe me?
5 Ne míelɔ̃ Yehowa vevie eye míewɔa eƒe gɔmeɖosewo dzi nuteƒewɔwɔtɔe kura hã la, nublanuinyawo adzɔ ɖe mía dzi le agbe me. Yesu na esia me kɔ kɔte le eƒe lododo si woŋlɔ ɖe Mateo 7:24-27, afisi wòna vovototo si le amesiwo wɔa eƒe nyawo dzi kple amesiwo mewɔnɛ o dome la dze ƒã le la me. Etsɔ nusrɔ̃la siwo ɖoa to sɔ kple ŋutsu aɖe si tu xɔ ɖe kpe gbadza dzi. Etsɔ amesiwo mewɔna ɖe eƒe nyawo dzi o sɔ kple ŋutsu abunɛtɔ si tu eƒe xɔ ɖe ke dzi. Esi ahom sesẽ aɖe tu la, xɔ si wotu ɖe kpe gbadza dzi koe te ŋu tsi anyi. De dzesii be le ŋutsu nyanua ƒe xɔ gome la, “tsi dzana, eye tɔwo ɖɔna, eye yawo ƒona, eye wova nyẽa zi ɖe nenem xɔ ma te, eye memuna o.” Yesu medo ŋugbe be ŋutsu nyanua anɔ ŋutifafa kple dziɖeɖi me ɣesiaɣi o. Ðe ŋutsua ƒe nunya akpe ɖe eŋu be wòanɔ te ɖe kuxia nu boŋ. Nufiame ma tɔgbe ke dze le nukuwula ƒe lododoa me. Yesu ɖe nu me le eme be subɔla siwo wɔa nya dzi eye “dzi nyui si dza” le wo si gɔ̃ hã ‘atsɔ dzidodo atse kui.’—Luka 8:4-15.
6. Le kpɔɖeŋu si Paulo wɔ le xɔtunu siwo dzo mefiãna o me la, amekawoe wodo kpɔ kple dzo?
6 Esi apostolo Paulo nɔ agbalẽ ŋlɔm na Korintotɔwo la, ezã kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ tsɔ fia be nɔnɔme siwo kpena ɖe ame ŋu wonɔa te ɖe xaxawo nu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míadze ŋgɔ tetekpɔwo. Nusiwo dzo mebina o abe sika, klosalo, kple kpe xɔasiwo ene sɔ ɖe mawumenɔnɔmewo nu. (Tsɔe sɔ kple Lododowo 3:13-15; Petro I, 1:6, 7.) Gake wotsɔ ŋutilãmenɔnɔmewo sɔ kple nusiwo dzo fiãna. Paulo gblɔ ɖe eyome azɔ be: “Amesiame ƒe dɔwɔwɔ adze ƒã, elabena ŋkeke la aɖee ɖe go afia to dzo me, eye alesialesi ke amesiame ƒe dɔwɔwɔ le la, dzo la adoe akpɔ. Ne ame aɖe ƒe dɔwɔwɔ, si wòtu ɖe edzi la, tsi anyi la, axɔ fetu.” (Korintotɔwo I, 3:10-14) Le afisia hã Biblia ɖe eme be mí katã míato dodokpɔ sesẽ ƒomevi aɖe me godoo.
7. Abe alesi Romatɔwo 15:4 gblɔe ene la, aleke Ŋɔŋlɔawo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míado dzi le fukpekpewo mee?
7 Mawu subɔla nuteƒewɔla siwo wòhiã be woado dzi le dzɔgbevɔ̃e me, eteƒe nadidi ɣeaɖewoɣi, ƒe kpɔɖeŋu geɖe le Biblia me. Ke hã Yehowa megblẽ wo ɖi o. Anye amesiawo ƒe kpɔɖeŋue nɔ susu me na apostolo Paulo esi wògblɔ be: “Nusi ke woŋlɔ ɖi tsã la, woŋlɔe le míaƒe nufiafia ta, bene míatsɔ ŋɔŋlɔawo ƒe dzidodo kple akɔfafa akpɔ mɔkpɔkpɔ.” (Romatɔwo 15:4) De ŋugble le ame etɔ̃ siwo togbɔ be wo kple Mawu dome nɔ kplikplikpli hã dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe wo dzi ƒe kpɔɖeŋuwo ŋu kpɔ.
Nusi Míesrɔ̃ le Biblia ƒe Nuŋlɔɖiwo Me
8. Nuka ŋue Yehowa ɖe mɔ ɖo wòdzɔ ɖe Yosef dzi, eye va de asi na ɣeyiɣi didi ka?
8 Yakob vi Yosef ƒe nu dzɔ dzi na Yehowa tso eƒe ɖevime ke. Gake togbɔ be menye eya ŋutɔe wɔ naneke o hã la, ekpe fu geɖewo. Eya ŋutɔ nɔviawo lée sesẽe eye wosẽ ŋuta le eŋu. Wodzrae kluvii na dutanyigbadzitɔwo eye woka aʋatso ɖe esi le dzronyigbaa dzi lée “de ga.” (Mose I, 40:15) “Womimi eƒe afɔ ɖe atiboli ŋu, eye wodee kunyowu me” le afima. (Psalmo 105:17, 18) Ðikekemanɔmee la, le Yosef ƒe kluvi kple ga me nɔnɔ me la, eɖe kuku na Yehowa zi geɖe be wòana woaɖe asi le ye ŋu. Gake togbɔ be Yehowa do ŋusẽe le mɔ vovovo nu hã la, enɔ kluvinyenye alo ga me zã kple keli wòade ƒe 13 sɔŋ.—Mose I, 37:2; 41:46.
9. Nuka ƒe dzie wòhiã be Dawid nado ƒe geɖe?
9 Nusia tɔgbe ke dzɔ ɖe Dawid hã dzi. Esime Yehowa nɔ amesi adze aɖu Israel dzi tiam la, egblɔ be: “Mekpɔ Dawid, Isai vi la, ŋutsu, si dze nye dzi ŋu.” (Dɔwɔwɔwo 13:22) Dawid kpe fu geɖe ŋutɔ togbɔ be eƒe nu dze Yehowa ŋu hã. Eɣla eɖokui ƒe geɖe ɖe gbedzi, ɖe agadowo, kple kpetowo me, kple dzronyigba dzi be womegawu ye o. Dzi ɖe le eƒo eye vɔvɔ̃ ɖoe esi woti eyome dii be woawu abe gbemelã wɔadã aɖe ene. Gake edo dzi le Yehowa ƒe ŋusẽ me. Eyata esɔ be Dawid nanɔ te ɖe nusiwo me eya ŋutɔ to dzi agblɔ be: “Ame dzɔdzɔe ƒe fukpekpewo sɔ gbɔ, ke Yehowa ɖenɛ tsoa wo katã me.”—Psalmo 34:20.
10. Dzɔgbevɔ̃e gã kae dzɔ ɖe Nabot kple eƒe ƒomea dzi?
10 Le nyagblɔɖila Eliya ƒe ŋkekeawo me la, ame 7,000 koe susɔ ɖe Israel siwo medze klo na alakpamawu Baal o. (Fiawo I, 19:18; Romatɔwo 11:4) Wowɔ nu madzɔmadzɔ vɔ̃ɖi aɖe ɖe Nabot, si anɔ eme be eya hã nɔ amesiawo dome la ŋu. Wodo vloe esi wotso enu be ebɔ busu. Wobu fɔe eye fia de se woƒu kpee wòku, eye avũwo ɖuɖɔ eƒe ʋu. Wowu viawo gɔ̃ hã! Gake medze agɔ aɖeke hafi o. Alakpatɔwoe amesiwo ɖu ɖasefo le eŋu la nye. Fianyɔnu Izebel ye ɖo nugbe siawo katã ɖe eŋu ale fia la nate ŋu axɔ Nabot ƒe weingble le esi.—Fiawo I, 21:1-19; Fiawo II, 9:26.
11. Nukae apostolo Paulo gblɔ na mí le ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔla siwo nɔ anyi le Biblia ƒe ŋutinya me la ŋu?
11 Ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔla siwo ŋkɔ woyɔ le Biblia me be dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe wo dzi dometɔ etɔ̃ koe Yosef, Dawid, kple Nabot nye. Apostolo Paulo to Yehowa subɔlawo ƒe ƒe alafawo ƒe ŋutinya me eye wòŋlɔ nu tso wo ŋuti. Egblɔ le eme be ame aɖewo “[to] fewuɖuɖu kple ƒoƒo ƒe dodokpɔ me, ke gawu la bablawo kple gaxɔ me nɔnɔ me; woƒu kpe wo, wodze wo kple laxalaxa, wote wo kpɔ, wowu wo kple yi, wonɔa tsatsam le alẽgbalẽwo kple gbɔ̃gbalẽwo me, le koɖoɖo, xaxa kple fukpekpe me, amesiwo xexeame medzena kura o la, wotra mɔ henɔ tsatsam le gbedziwo kple towo kple agadowo kple anyigbaʋewo me.” (Hebritɔwo 11:36-38) Gake Yehowa megblẽ wo ɖi o.
Yehowa Tsɔ Ðe Le Eme na Amesiwo Le Fu Kpem
12. Nukawoe nye fu siwo Yehowa Ðasefowo kpena egbea la dometɔ aɖewo?
12 Ke Yehowa ƒe amewo egbea hã ɖe? Abe habɔbɔ ene la, míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu akpɔ mía ta dedie míato ŋkeke mamlɛawo kple xaxa gã la me ado. (Yesaya 54:17; Nyaɖeɖefia 7:9-17) Gake le mía dome ame ɖekaɖekawo gome la, míenyae be “azãgbe kple nuɖiɖeame” ɖina ɖe amesiame. (Nyagblɔla 9:11) Egbea Kristotɔ nuteƒewɔla geɖewo le fu kpem. Wo dome ame aɖewo da ahe kolikoli. Biblia gblɔ le Kristotɔ aɖewo ŋu be wonye “tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo,” amesiwo le xaxa me. (Yakobo 1:27) Bubuwo le fu kpem le dzɔdzɔmefɔkuwo, aʋawɔwɔwo, nuvlowɔwɔ, ameteteɖanyi, dɔdzedze, kple ku si me.
13. Nudzɔɖeamedzi sesẽ kawo ŋue woka nya ta le nyitsɔ laa?
13 Le kpɔɖeŋu me, Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒewo gblɔ ɖe woƒe ƒe 1996 subɔsubɔƒea ƒe nyatakaka siwo woɖo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la me be mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu aɖewo le fu kpem le game le nɔnɔme wɔnublanuiwo me le woƒe Biblia ƒe gɔmeɖosewo me léle ɖe asi ta. Hame etɔ̃ gbã le Anyiehe Amerika dukɔ aɖe me esime vivimeʋawɔha aɖe zi Ðasefo alafa geɖe dzi be woadzo le nutoa me. Le Ɣetoɖoƒe Afrika dukɔ aɖe me la, wowu Ðasefo siwo va tsi dukɔmeviʋawɔhawo dome. Nuwo gagblẽ ɖe edzi na nɔvi aɖewo siwo ganyawo nɔ fu ɖem na xoxo le Titina Amerika dukɔ aɖe me esi ahom sesẽ aɖe gatu le afima. Le teƒe bubu siwo ahedada kple nuɖuɖu ƒe veve maɖe fu boo le o la, fuɖenamenu bubu aɖewo anɔ ame aɖewo ƒe dzidzɔkpɔkpɔ me gblẽm. Míaƒe ŋkekea me gbesiagbegbenɔnɔ me nuteɖeamedziwo zu agba kpekpe na ame bubuwo. Ame akpa gãtɔ ƒe ɖekematsɔleme ate ŋu aɖe dzi le ame bubuwo hã ƒo ne wole gbeƒã ɖem Fiaɖuƒenyanyuia.
14. (a) Nukae míesrɔ̃ le Hiob ƒe kpɔɖeŋu la me? (b) Le esi míanɔ dziɖeleameƒonuwo ŋu bum teƒe la, nukae wòle be míawɔ ne míeɖo xaxa me?
14 Mele be míabui be míaƒe nue medze Yehowa ŋu o tae nusiawo le dzɔdzɔm ɖe mía dzi ɖo o. Ðo ŋku Hiob kple fu gbogbo siwo wòkpe dzi. “Ame maɖifɔ [kple] ame dzɔdzɔe” wònye hafi. (Hiob 1:8) Aleke gbegbe wòate ɖe Hiob dzii enye esi esime Elifaz bu fɔe be nu gbegblẽe wòwɔ! (Hiob, ta 4, 5, 22) Menyo be míatso ko agblɔ be Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu mawɔmawɔ le nane me tae dzɔgbevɔ̃ewo dzɔna ɖe mía dzi ɖo alo esi Yehowa ƒe yayra megale mía dzi o tae o. Dziɖeleameƒonuwo ŋu bubu le xaxa me ate ŋu agbɔdzɔ míaƒe xɔse. (Tesalonikatɔwo I, 3:1-3, 5) Ne míele xaxawo me tom la, nu nyuitɔ si míawɔe nye be míade ŋugble le nyateƒe si wònye be Yehowa kple Yesu tsɔ ɖe ame dzɔdzɔewo gbɔ nuka ke le dzɔdzɔm o ŋu.
15. Aleke míewɔ nya be Yehowa tsɔ ɖe le eƒe amewo ƒe fukpekpewo me vevie?
15 Apostolo Paulo gado ŋusẽ míaƒe kakaɖedzi sia esi wògblɔ be: “Amekae amã mí atso Kristo ƒe lɔlɔ̃ me mahã? Fukpekpe loo alo xaxa alo yometiti alo dɔwuame alo amamanɔnɔ alo ŋɔdzidodo alo yi mahã? . . . Menyae keŋ bena, eɖanye ku o, eɖanye agbe o; eɖanye mawudɔlawo o, eɖanye dziɖulawo o; eɖanye ŋusẽwo o; eɖanye nusi le fifi o, eɖanye nusi le vava ge o; eɖanye kɔkɔƒe o, eɖanye gogloƒe o, alo nuwɔwɔ bubu aɖe o, mate ŋu amã mí atso Mawu ƒe lɔlɔ̃, si le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ me la gbɔ o.” (Romatɔwo 8:35, 38, 39) Yehowa tsɔ ɖe le eme na mí vevie eye míaƒe fukpekpewo le nyanya nɛ. Esime Dawid ganɔ sisim la, eŋlɔ be: “Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe ɣlidodo ŋu. Yehowa tsɔ ɖe amesiwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ, eye wòxɔna na amesiwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi.” (Psalmo 34:16, 19; Mateo 18:6, 14) Mía Fofo si le dziƒo la tsɔ ɖe le eme na mí eye amesiwo le fu kpem ƒe nu wɔa nublanui nɛ. (Petro I, 5:6, 7) Enaa nusiwo hiã mí be míado dzi la mí, fu ka kee míanɔ kpekpem o.
Yehowa ƒe Nunanawo Léa Mí Ðe Te
16. Yehowa ƒe nunana kae kpena ɖe mía ŋu be míado dzi, eye le mɔ ka nu?
16 Togbɔ be míate ŋu akpɔ mɔ be mía ŋu navo tso fukpekpe si me le nuɖoanyi xoxo sia me o hã la, “womegblẽ mí ɖi o.” (Korintotɔwo II, 4:8, 9) Yesu do ŋugbe na eyomedzelawo be yeaɖo kpekpeɖeŋunala aɖe ɖe wo. Egblɔ be: “Maɖe kuku na Fofo la, eye wòana nyaxɔɖakɔla bubu mi, bena wòanɔ anyi kpli mi vaseɖe mavɔmavɔ me: Nyateƒegbɔgbɔ [la].” (Yohanes 14:16, 17) Apostolo Petro gblɔ na amesiwo wònɔ nu ƒom na le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi be woate ŋu axɔ ‘gbɔgbɔ kɔkɔe la wòanye nunana.’ (Dɔwɔwɔwo 2:38) Ðe gbɔgbɔ kɔkɔea le kpekpem ɖe mía ŋu egbea? Ẽ! Yehowa ƒe dɔwɔŋusẽ la na míele ku wɔnukuwo tsem: “Lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, anukwaretɔnyenye, dɔmefafa, ɖokuidziɖuɖu.” (Galatiatɔwo 5:22, 23) Nɔnɔme siawo katã nye nɔnɔme vevi siwo kpena ɖe mía ŋu míedoa dzi.
17. Biblia me nyateƒe siwo doa ŋusẽ míaƒe xɔse kple tameɖoɖo kplikpaa be míagbɔ dzi ɖi akpɔ Yehowa sinu ƒe ɖewo ɖe?
17 Gbɔgbɔ kɔkɔea gakpena ɖe mía ŋu míekpɔnɛ dzea sii be ‘ɣeyiɣi kpui aɖe ko’ ƒe nue fu siwo kpem míele fifia la nye eye ‘wo nu mesẽ o’ ne míetsɔ wo sɔ kple agbe mavɔ fetu la. (Korintotɔwo II, 4:16-18) Kakaɖedzi le mía si be Mawu maŋlɔ míaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃ si míeɖena fiana eyama be o. (Hebritɔwo 6:9-12) Ne míexlẽ Biblia me nya siwo tso gbɔgbɔ me la, blematɔ subɔla nuteƒewɔla siwo do dzi le fukpekpe geɖe me gake wogblɔ be wonye dzidzɔtɔwo la ƒe kpɔɖeŋu faa akɔ na mí. Yakobo ŋlɔ be: “Nɔvinyewo, mitsɔ nyagblɔɖila, siwo ƒoa nu le Aƒetɔ ƒe ŋkɔa me la, ƒe fukpekpewo kple woƒe dzigbɔgbɔ blewu wɔ miaƒe kpɔɖeŋu. Kpɔ ɖa, míeyɔa amesiwo doa dzi keŋ la be yayratɔwo.” (Yakobo 5:10, 11) Biblia do ŋugbe be woana ‘ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu’ mí bene wòakpe ɖe mía ŋu míado dzi le dodokpɔwo me. Yehowa tsɔa tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa hã yraa míi. (Korintotɔwo II, 1:8-10; 4:7) Ne míexlẽa Biblia gbesiagbe eye míedea ŋugble le ŋugbedodo siawo ŋu la, míado ŋusẽ míaƒe xɔse kple míaƒe tameɖoɖo kplikpaa be míatsɔ dzigbɔɖi akpɔ Mawu sinui.—Psalmo 42:6.
18. (a) Nuka wɔwɔ ƒe dzie wode ƒo na mí le Korintotɔwo II, 1:3, 4? (b) Aleke Kristotɔ dzikpɔlawo ate ŋu anye akɔfafa kple ŋusẽdoame tsoƒee?
18 Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa na gbɔgbɔmeparadiso si me mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo lɔ̃a mí vavã le la mí. Mí katã míawɔ akpa aɖe le akɔfafa na mía nɔewo me. (Korintotɔwo II, 1:3, 4) Kristotɔ dzikpɔlawo koŋ ate ŋu anye akɔfafa kple ŋusẽdoame tsoƒe vevi aɖe. (Yesaya 32:2) Wonye ‘nunana siwo nye amewo,’ amesiwo wode dɔ asi na be woatu amesiwo le fu kpem ɖo, ‘woafa akɔ na dzikatsoƒoetɔwo eye woaxɔ na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo.’ (Efesotɔwo 4:8, 11, 12; Tesalonikatɔwo I, 5:14) Wode dzi ƒo na hamemegãwo be woazã Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo kpakple agbalẽ bubu ɖesiaɖe si “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la tana la nyuie. (Mateo 24:45-47) Biblia me ɖaŋuɖoɖo gbogbo aɖewo le agbalẽ siawo me si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ kuxi siwo naa míetsia dzimaɖi la dometɔ aɖewo gbɔ—eye be míatsɔ axe mɔ ɖe wo nui gɔ̃ hã. Mina míasrɔ̃ Yehowa le akɔfafa kple dzidede ƒo na mía nɔewo me le ɣeyiɣi sesẽ siawo me!
19. (a) Nukae kpena ɖe mía ŋu míeƒoa asa na dzɔgbevɔ̃e aɖewo? (b) Mlɔeba la, ameka ŋue wòle be míaɖo ŋu ɖo, eye nukae akpe ɖe mía ŋu be míadze ŋgɔ fukpekpewo?
19 Esi míeɖo ŋgɔgbe ʋĩ le ŋkeke mamlɛ siawo me eye nuwo le gbegblẽm ɖe edzi le fifi nuɖoanyi sia me la, Kristotɔwo wɔa nusi woate ŋui be woaxe mɔ na afɔkuwo. (Lododowo 22:3) Nuŋububu nyui, moxexinɔnɔ, kple Biblia ƒe gɔmeɖosewo nyanya ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ nyametsotso siwo me nunya le. (Lododowo 3:21, 22) Míesea Yehowa ƒe Nya eye míewɔna ɖe edzi bene míagawɔ vodada siwo míate ŋu axe mɔ na hafi o. (Psalmo 38:5) Ke hã la, míenyae be aleke gbegbe míedze agbagbae o míate ŋu aɖe fukpekpe ɖa keŋkeŋ le míaƒe agbe me o. Afɔku sesẽwo dzɔna ɖe ame dzɔdzɔe geɖe dzi le nuɖoanyi sia me. Gake míate ŋu atsɔ kakaɖedzi blibo be ‘Yehowa magblẽ etɔwo ɖi o’ adze ŋgɔ míaƒe fukpekpewoe. (Psalmo 94:14) Eye míenyae be eteƒe madidi o nuɖoanyi sia kple eƒe fuɖenamewo nu ava ayi. Eyata mina míaɖoe kplikpaa be “[míagana] ɖeɖi nate mía ŋu le nu nyui wɔwɔ me o; elabena ne míegbɔdzɔ le nu nyui wɔwɔ me o la, míaŋe nu le ye ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi.”—Galatiatɔwo 6:9.
Nukae Míesrɔ̃?
◻ Fu kawoe Kristotɔwo ƒe habɔbɔ bliboa katã kpena?
◻ Biblia me kpɔɖeŋu kawoe kpena ɖe mía ŋu be míakpɔe be dzɔgbevɔ̃edzɔɖeamedzi mefia Yehowa ƒe ŋudzedzemakpɔmakpɔ o?
◻ Aleke Yehowa sena le eɖokui me le fu siwo eƒe amewo kpena la ŋu?
◻ Nukawoe nye Yehowa ƒe nunana siwo kpena ɖe mía ŋu be míado dzi le fukpekpe me ƒe ɖewo?
[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]
Dawid, Nabot, kple Yosef nye amesiwo dzi dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖo dometɔ etɔ̃