INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 8/1 axa 8-14
  • Subɔsubɔ Nuteƒewɔwɔtɔe Kple Yehowa ƒe Habɔbɔa

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔ Nuteƒewɔwɔtɔe Kple Yehowa ƒe Habɔbɔa
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Susu Hehe Ayi Gbɔdzɔgbɔdzɔwo Dzii Ate Ŋu Agblẽ Nuteƒewɔwɔ Me
  • Mía Ŋutɔwo Míaƒe Gbɔdzɔgbɔdzɔwo
  • Kpɔ Nyuie Le Nuteƒemawɔmawɔ Fluamewo Ŋu!
  • Nuteƒewɔwɔ Nɔa Te Ðe Yometiti Nu
  • Mikpɔ Nuteƒewɔla La Ða!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • “Wò Ðeɖe Koe Nye Nuteƒewɔla!”
    Te Ðe Yehowa Ŋu
  • Tenɔnɔ Ðe Nuteƒewɔwɔ Ƒe Dodokpɔ La nu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Amekae Wòle Be Nàwɔ Nuteƒe Na?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 8/1 axa 8-14

Subɔsubɔ Nuteƒewɔwɔtɔe Kple Yehowa ƒe Habɔbɔa

“Èwɔa nuteƒe na amesi wɔa nuteƒe na wò.”—SAMUEL II, 22:26, NW.

1, 2. Nuteƒewɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu siwo mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu akpɔ le hamea me dometɔ aɖewo ɖe?

HAMEMEGÃ aɖe nɔ nuƒo si wòaƒo le Kristotɔwo ƒe kpekpe aɖe me la me tom zãtsiƒe aɖe. Edi be yeadzudzɔ nua me toto amlɔ anyi hafi; gake nua sɔsrɔ̃ dzi koe wòganɔ henɔ Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋu kple lododo siwo aʋã dzi na alẽha la ahade dzi ƒo na wo la dim. Le fiẽ si me woawɔ woƒe kpekpea la, dzila eve aɖewo siwo ŋu ɖeɖi te ŋutɔ le hame ma ke me la di be yewoaɖi ɖe eme fiẽ ma le wo ƒeme hafi; gake ɖe ema teƒe la, wo viwo koe wodzra ɖo nyuie hedzo yi kpekpea. Esi wokpã la, Kristotɔ aɖewo nɔ nu ƒom tso nuƒo si hamemegãa ƒo ŋu. Esusɔ vie ko nɔvinyɔnu aɖe gblɔ be nɔviŋutsu ma ke dze agɔ le ye dzi kpɔ; gake ɖe ema teƒe la, dzidzɔ koe wòtsɔ nɔ nu ƒom tso nya vevi aɖe si nuƒolaa gblɔ ŋui. Èkpɔ nu ɖeka aɖe si dze le nudzɔdzɔ siawo katã mea?

2 Nu mae nye nuteƒewɔwɔ. Hamemegã la dzea agbagba nuteƒewɔwɔtɔe kpɔa Mawu ƒe alẽha la dzi; dzilaawo dea hame ƒe kpekpewo nuteƒewɔwɔtɔe; nɔvinyɔnua kpea asi ɖe hamemegãwo ŋu nuteƒewɔwɔtɔe. (Hebritɔwo 10:24, 25; 13:17; Petro I, 5:2) Ẽ, míekpɔnɛ le agbemenuwɔna ɖesiaɖe me be Mawu ƒe amewo ɖonɛ kplikpaa be yewoasubɔ nuteƒewɔwɔtɔe kple Yehowa ƒe habɔbɔa.

3. Nukata wòle vevie ŋutɔ be míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa ƒe anyigba dzi habɔbɔa?

3 Ne Yehowa bɔbɔ kpɔ xexe gblẽku sia la, nuteƒewɔwɔ sue aɖe ko wòkpɔna. (Mixa 7:2) Aleke gbegbe wòahado dzidzɔ na eƒe dzi enye si ne ekpɔ eƒe amewo wole nuteƒe wɔm! Ẽ, wò ŋutɔ wò nuteƒewɔwɔ doa dzidzɔ nɛ. Gake enyea dziku na Satana, aglãdzela gbãtɔ la eye wòɖenɛ fiana be aʋatsokalae wònye. (Lododowo 27:11; Yohanes 8:44) Nɔ mɔ kpɔm be Satana ate kpɔ be yeagblẽ wò nuteƒewɔwɔ na Yehowa kple na Eƒe anyigba dzi habɔbɔa me. Na míadzro mɔ aɖewo siwo dzi Satana tona wɔa esia me akpɔ. Esia ana míaganya alesi míate ŋu ayi edzi awɔ nuteƒe vaseɖe nuwuwua nyuie wu.—Korintotɔwo II, 2:11.

Susu Hehe Ayi Gbɔdzɔgbɔdzɔwo Dzii Ate Ŋu Agblẽ Nuteƒewɔwɔ Me

4. (a) Nukata ɖeklemiɖeɖe amesiwo wona ŋusẽe le bɔbɔe? (b) Mɔ ka nue Korax mewɔ nuteƒe na Yehowa ƒe habɔbɔa le o?

4 Ne nɔvi aɖe le ɖoƒe si wokpɔa agbanɔamedziwo gbɔ le la, ɖewohĩ eƒe vodadawo ava dze gaglã wu. Aleke wòhele bɔbɔe enye si be míahe nya le ‘ati fefee si le mía nɔvi ƒe ŋku dzi’ ŋu ‘evɔ míahagbe atikpo si le mía ŋutɔwo tɔ dzi kpɔkpɔ’! (Mateo 7:1-5) Gake susu hehe ayi vodadawo dzii ate ŋu ana womawɔ nuteƒe o. Le kpɔɖeŋu me, bu vovototo si le Korax kple Dawid ƒe nyaa me ŋu kpɔ. Agba geɖe nɔ Korax dzi, eye ɖewohĩ ewɔ nuteƒe geɖe hafi, gake nɔƒegãdidi va ɖo eme. Dzi kui ɖe Mose kple Aron, siwo nye eƒe nyruiyɔviwo ƒe amekplɔŋusẽ ŋu. Togbɔ be Mose fa wu amewo katã hã la, edze ƒã be Korax va te vodada didi le eŋu. Anɔ eme be ekpɔ vodadawo le Mose ŋu. Gake vodada mawo menye nusitae Korax agbe nuteƒewɔwɔ na Yehowa ƒe habɔbɔa hafi o. Wotsrɔ̃e ɖa le ha la dome.—Mose IV, 12:3; 16:11, 31-33.

5. Nukata wòawɔ na Dawid be yeadze aglã ɖe Saul ŋu hafi?

5 Gake Dawid ya lɔ̃ subɔ le Fia Saul te. Saul si nye fia nyui tsã la va vɔ̃ɖi ŋutɔ. Xɔse, dzidodo, kple aɖaŋu gɔ̃ hã hiã le Dawid gome be wòatsi agbe le Saul si nɔ ŋu ʋãm ƒe amedzidzedzewo me. Gake esi mɔnukpɔkpɔ va na Dawid be wòabia hlɔ̃ la, egblɔ be ‘enye bometsinuwɔwɔ le Yehowa ŋkume,’ be yeawɔ nusi me nuteƒewɔwɔ mele o ɖe Yehowa ƒe amesiamina ŋu.—Samuel I, 26:11.

6. Ne míekpɔ gbɔdzɔgbɔdzɔ kple vodadawo le hamemegãwo ŋu gɔ̃ hã la, nukae mele be míawɔ gbeɖe o?

6 Ne edze abe mía ŋgɔnɔlawo dometɔ aɖewo da vo le nuŋububu me, wogblɔ nya kudzinamewo loo alo ɖe ameŋkumekpɔkpɔ fia ene la, ɖe míalĩ wo ŋu, ɖewohĩ míawɔ nusi ahe ɖeklemiɖeɖegbɔgbɔ ava hamea mea? Ðe míadzudzɔ Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede atsɔ aɖe míaƒe dziku afiaa? Kpao! Abe Dawid ene la, míaɖe mɔ gbeɖe be ame bubuwo ƒe vodadawo nana míadzudzɔ nuteƒewɔwɔ na Yehowa kple eƒe habɔbɔa o!—Psalmo 119:165.

7. Nuwɔna gbegblẽ siwo wova nɔ wɔwɔm le Yerusalem-gbedoxɔ me dometɔ aɖewo ɖe, eye aleke Yesu bu woe?

7 Yesu Kristo, amesi woyɔ le nyagblɔɖi me be enye Yehowa ƒe “mawumeme” ye ɖo amegbetɔ ƒe nuteƒewɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu gãtɔ kekeake ɖi. (Psalmo 16:10) Alesi wonɔ Yerusalem-gbedoxɔa zãmee ɖe mɔ gbegblẽ nu anya na nuteƒewɔwɔ nasesẽ ŋutɔ. Yesu nya be nunɔlagã ƒe dɔ kple vɔ siwo wosana la nye kpɔɖeŋu na ye ŋutɔ yeƒe subɔsubɔdɔa kple vɔsakua, eye wònya alesi gbegbe wòle vevie be amewo nasrɔ̃ nu tso wo mee. Eyata esi wòkpɔ be wotsɔ gbedoxɔa wɔ “adzodalawo ƒe doe” la, edo dziku vevie wòsɔ. Ezã ŋusẽ si Mawu nae la tsɔ wɔ nui zi eve kɔ eŋui.a—Mateo 21:12, 13; Yohanes 2:15-17.

8. (a) Aleke Yesu ɖe nuteƒewɔwɔ na gbedoxɔ ƒe ɖoɖoa fiae? (b) Aleke míate ŋu aɖee afia be Yehowa subɔsubɔ le eƒe habɔbɔ dzadzɛa me dze mía ŋu?

8 Togbɔ be nuwo nɔ alea hã la, Yesu tsɔ nuteƒewɔwɔ kpe asi ɖe gbedoxɔa me ɖoɖoa ŋu. Tso eƒe ɖevime kee wòdea ŋkekenyuiwo ɖuƒe le gbedoxɔa me hefia nu zi geɖe le afima. Exe gbedoxɔ me nudzɔdzɔ gɔ̃ hã—togbɔ be menye dzizizie wònye nɛ be wòaxee o hã. (Mateo 17:24-27) Yesu kafu ahosi dahe la le esi wòtsɔ “nusiwo katã le esi na eƒe agbenɔnɔ” la da ɖe gbedoxɔ me nudzɔɖaka me ta. Ema megbe kpuie la, Yehowa gbe gbedoxɔ ma ɖikaa. Gake do ŋgɔ na nusia ƒe dzɔdzɔ la, Yesu yi edzi de bubu eŋu. (Marko 12:41-44; Mateo 23:38) Mawu ƒe anyigba dzi habɔbɔ si li egbea la de ŋgɔ boo wu Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia kple eƒe gbedoxɔ la. Enye nyateƒe be mede blibo ya o; eyatae wowɔa tɔtrɔ aɖewo ɣeaɖewoɣi. Gake nufitifitiwɔwɔ mexɔ aƒe ɖe eme loo alo Yehowa Mawu nayi eɖɔli ge o. Mígana gbeɖe be gbɔdzɔgbɔdzɔ siwo míekpɔna le eme la naku dzi na mí loo alo wòana míava nɔ ɖeklemi ɖem ahanɔ nyatoƒoe tom o. Mina míasrɔ̃ Yesu Kristo ƒe nuteƒewɔwɔ boŋ.—Petro I, 2:21.

Mía Ŋutɔwo Míaƒe Gbɔdzɔgbɔdzɔwo

9, 10. (a) Aleke Satana ƒe nuɖoanyia wɔa míaƒe blibomademadewo ŋudɔ ɖe mɔ gbegblẽ nu bene yeatsɔ able mí míanɔ nuteƒemawɔmawɔ ƒe agbee? (b) Nukae wòle be amesi wɔ nuvɔ̃ gã aɖe nawɔ?

9 Satana gadzea agbagba zãa míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo tsɔ gblẽa míaƒe nuteƒewɔwɔ me. Eƒe nuɖoanyi la wɔa míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋudɔ tsɔ tea mí kpɔ be míawɔ nu gbegblẽ le Yehowa ŋkume. Ewɔ nublanui ŋutɔ be ame akpe geɖe nɔa agbe gbegblẽ ƒe sia ƒe. Ame aɖewo nɔa agbe eve esi wonɔa nuvɔ̃ aɖe wɔm kokoko gake buana wɔa nu abe ke Kristotɔ wɔnuteƒewo woganye ene, esi gagblẽa nuteƒemawɔmawɔ sia me kura wu. Ðetugbi aɖe ŋlɔ agbalẽ tso “Sɔhɛwo Biana be . . .” me nyati siwo tsiã ɖe wo nɔewo nu le Nyɔ! magazine me le nya sia ŋu la ŋuti be: “Nusiwo mewɔ le agbe me ŋue nyatiawo ku ɖo.” Edze ahiã ɖekakpui siwo me lɔlɔ̃ aɖeke menɔ na Yehowa o la le bebeme. Nukae do tso eme? Eŋlɔ be: “Nye agbenɔnɔ va gblẽ kura, eye meƒo ɖokuinye ɖe agbegbegblẽnɔnɔ me eye wòva hiã be woaka mo nam. Mía kple Yehowa dome gblẽ, eye dzinyelawo kple hamemegãwo megaxɔ dzinye se o.”b

10 Ðetugbi sia xɔ kpekpeɖeŋu tso hamemegãwo gbɔ eye wògatrɔ va le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe. Gake ewɔ nublanui ŋutɔ be nusiwo vɔ̃ɖi wu dona tsoa eme na ame geɖe, eye wo dometɔ aɖewo megatrɔna gbɔna o. Aleke gbegbe wòahanyo wu enye si be míawɔ nuteƒe eye míaɖu xexe vɔ̃ɖi sia me tetekpɔwo dzi! Wɔ ɖe nuxlɔ̃menya siwo wotana ɖe Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo me ku ɖe nya ma tɔgbewo abe hadede kple xexeametɔwo kple modzaka gbegblẽ ɖeɖe ene ŋu. Megadzɔ gbeɖe be nànɔ nuteƒemawɔmawɔ ƒe agbe o. Gake ne ènɔe hã la, mègabua wɔ ɖokuiwò amesi mènye o. (Psalmo 26:4) Xɔ kpekpeɖeŋu boŋ. Esia tae Kristotɔ dzilawo kple hamemegãwo li ɖo.—Yakobo 5:14.

11. Nukatae masɔ be míabu mía ɖokui be míegblẽ tso eme o, eye Biblia me kpɔɖeŋu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖɔ míaƒe nukpɔsusu sia ɖo?

11 Míaƒe blibomademadewo ate ŋu anye afɔku na mí le mɔ bubu nu. Amesiwo nɔa agbe si menye nuteƒewɔwɔ o la dometɔ aɖewo dzudzɔa agbagbadzedze be yewoadze Yehowa ŋu. Ðo ŋku edzi be Dawid wɔ nuvɔ̃ gãwo. Gake le Dawid ƒe ku megbe sã hã la, Yehowa ɖo ŋku edzi be enye subɔla nuteƒewɔla. (Hebritɔwo 11:32; 12:1) Nukatae? Elabena medzudzɔ Yehowa ŋudzedze ƒe agbagbadzedzewo o. Lododowo 24:16 gblɔ be: “Elabena ame dzɔdzɔe dzea anyi zi adre, eye wògafɔna.” Le nyateƒe la, ne míegawɔ nuvɔ̃ suesuewo—ẽ, ne míewɔe edziedzi—le gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe si dzi míele agbagba dzem be míaɖu ta hã la, míakpɔtɔ anye ame dzɔdzɔe le Yehowa ŋkume ne míeyi edzi ‘fɔna’—si fia be míetrɔa dzime anukwaretɔe eye míegadzea subɔsubɔ nuteƒewɔwɔtɔe gɔme.—Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo II, 2:7.

Kpɔ Nyuie Le Nuteƒemawɔmawɔ Fluamewo Ŋu!

12. Aleke Farisitɔwo ƒe nukpɔsusu le senyahehe tikaa me na womeva wɔ nuteƒe o?

12 Nuteƒemawɔmawɔ gatoa mɔ bubu siwo menya kpɔna dzea sii o dzi vana. Ðewohĩ nu abu ŋkume nɛ abe ke nuteƒewɔwɔe ene! Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ Farisitɔ siwo nɔ anyi le Yesu ŋɔli la bu wo ɖokui nuteƒewɔla veviwoe.c Gake womekpɔ vovototo si le nuteƒewɔwɔ kple amegbetɔ ƒe sewo me léle ɖe asi goŋgoŋ dome o, elabena woƒe nya me sẽ eye wobua susu vɔ̃ ɖe ame ŋu. (Tsɔe sɔ kple Nyagblɔla 7:16.) Nuteƒemawɔlawoe wonye le nusia me nyateƒe—na amesiwo wòle be woasubɔ hafi, na nusi koŋ Se si wotɔa asi akɔ be yewofiana la fia, kple na Yehowa ŋutɔ. Ke Yesu ya nɔ nusi koŋ Se si wotu ɖe lɔlɔ̃ dzi fia la yome. Eyata etu amewo ɖo hede dzi ƒo na wo, abe alesi tututu Mesia ŋuti nyagblɔɖiwo gblɔe ɖi ene.—Yesaya 42:3; 50:4; 61:1, 2.

13. (a) Aleke wòate ŋu adzɔe be dzila Kristotɔwo mawɔ nuteƒe o? (b) Nukatae wòle be dzilawo natsri adãnuwɔwɔ, ɖeklemiɖeɖe, alo nusi aɖe dzi le ame ƒo wɔwɔ ne wole to hem na wo viwo?

13 Kpɔɖeŋu si Yesu ɖo le esia me ɖea vi geɖe na Kristotɔ siwo wona ŋusẽ aɖee. Le kpɔɖeŋu me, dzila wɔnuteƒewo nya be ele be yewoahe to na yewo viwo. (Lododowo 13:24) Gake wokpɔa egbɔ be yewometsɔ tohehe sesẽ si me dziku le alo ɖeklemiɖeɖe wo ɣesiaɣi do dzikui na wo viwo o. Ðeko dzi aɖe le ɖevi siwo sena le wo ɖokui me be yewomate ŋu awɔ nu wòadze yewo dzilawo ŋu o alo sena le wo ɖokui me be ɖeko yewo dzilawo ƒe subɔsubɔha na wova nye amesiwo ɖea dzi le ame ƒo hedia vodada le ame ŋu la ƒo, eye woado le xɔse vavã la me le esia ta.—Kolosetɔwo 3:21.

14. Aleke kplɔla Kristotɔwo ate ŋu awɔ nuteƒe na alẽha si subɔm wolee?

14 Nenema ke Kristotɔ hamemegãwo kple dzikpɔla mɔzɔlawo kpɔa kuxi kple afɔku siwo alẽha la doa goe la gbɔ. Esi wonye kplɔla wɔnuteƒewo ta la, woɖoa aɖaŋu ne ehiã, eye wokpɔa egbɔ be yewonya nu tso nya bliboa katã ŋu gbã eye wotsɔa ŋuɖɔɖo gblɔa nya siwo wotu ɖe Biblia kple Habɔbɔa ƒe agbalẽwo dzii. (Psalmo 119:105; Lododowo 18:13) Wonya hã be alẽawo da susu ɖe yewo dzi hena gbɔgbɔ me nuɖuɖu kple tutuɖo. Eyata wodzea agbagba srɔ̃a Yesu Kristo, Alẽkplɔla Nyui la. Wotsɔa nuteƒewɔwɔ subɔa alẽawo kwasiɖa sia kwasiɖa le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me—womeɖea dzi le wo ƒo o, ke ɖe wodea dzi ƒo na wo hetua woƒe xɔse ɖo boŋ.—Mateo 20:28; Efesotɔwo 4:11, 12; Hebritɔwo 13:20, 21.

15. Aleke ƒe alafa gbãtɔ me tɔ aɖewo wɔ nu si fia be nusiwo mesɔ o mee wowɔ nuteƒe le?

15 Nuteƒemawɔmawɔ bubu si menya kpɔna dzea sii o enye nuteƒewɔwɔ le go si mesɔ o me. Le Biblia ƒe nya nu la, nuteƒewɔwɔ vavãtɔ meɖea mɔ be míatsɔ nuteƒewɔwɔ na nu bubu aɖe aɖo ŋgɔgbe na nuteƒewɔwɔ na Yehowa Mawu o. Le ƒe alafa gbãtɔ me la, Yudatɔ geɖe tsɔ dzimesesẽ ku ɖe Mose ƒe Sea kple Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia ŋu goŋgoŋ. Gake Yehowa ƒe ɣeyiɣi de be wòɖe eƒe yayra ɖa le dukɔ dzeaglã ma dzi tsɔ na gbɔgbɔ me Israel-dukɔa. Ame ʋee aɖewo koe wɔ nuteƒe na Yehowa eye wowɔ nu wòsɔ ɖe tɔtrɔ vevi sia nu. Le Kristotɔ vavãwo dome gɔ̃ hã la, Yudatɔ aɖewo te tɔ ɖe edzi be woagbugbɔ ayi Mose ƒe Se si va eme ɖe Kristo dzi, ƒe “gɔmedzenu gbɔdzɔ daheawo” gbɔ.—Galatiatɔwo 4:9; 5:6-12; Filipitɔwo 3:2, 3.

16. Aleke Yehowa subɔla nuteƒewɔlawo wɔa nui ne tɔtrɔ aɖewo va?

16 Gake Yehowa ƒe ame siwo li egbea ya ɖee fia be yewonye nuteƒewɔlawo le tɔtrɔɣeyiɣiwo me. Esi nyateƒe si woɖe fia ƒe kekeli yi edzi le kɔkɔm na wo la, wowɔa tɔtrɔwo. (Lododowo 4:18) Nyitsɔ laa la, “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la kpe ɖe mía ŋu be gɔmesese yeye su mía si le nya “dzidzime” si wozã le Mateo 24:34 kple ɣeyiɣi si me woadrɔ̃ ʋɔnu “alẽwo” kple “gbɔ̃wo” si woyɔ ɖe Mateo 25:31-46, kpakple alesi míebua dumevidɔ aɖewoe tsã la ŋu. (Mateo 24:45) Ðikeke mele eme o be ɖe wòadzɔ dzi na xɔsegbela aɖewo ŋutɔ ne ɖe Yehowa Ðasefo geɖe lé nya mawo gɔmesese gbãtɔ me ɖe asi goŋgoŋ hegbe ŋgɔyiyi. Nu ma tɔgbe aɖeke medzɔ o. Nukatae? Le esi Yehowa ƒe amewo wɔa nuteƒe tae.

17. Aleke míaƒe lɔlɔ̃tɔwo ate ŋu ado míaƒe nuteƒewɔwɔ akpɔ ɣeaɖewoɣii?

17 Ðewohĩ nuteƒewɔwɔ si mesɔ o la ava ku ɖe mía ŋutɔwo mía ŋu. Ne mía xɔlɔ̃ vevi alo ƒomea me tɔ aɖe nɔ agbe si ŋu Biblia me gɔmeɖosewo tsi tre ɖo la, ɖikeke ate ŋu aɖo mía me le amesi míawɔ nuteƒe na ŋu. Le dzɔdzɔme nu la, míewɔa nuteƒe na míaƒe ƒomea me tɔwo. Gake mele be mía ɖokui tsɔtsɔ na ame mawo nado ŋgɔ na míaƒe nuteƒewɔwɔ na Yehowa o! (Tsɔe sɔ kple Samuel I, 23:16-18.) Míakpe ɖe nugbegblẽwɔlawo ŋu woaɣla nuvɔ̃ gã aɖe si wowɔ alo awɔ ɖeka kpli wo atsi tre ɖe hamemegã siwo le agbagba dzem be ‘yewoaɖɔ wo ɖo le dɔmefafa me’ ŋu o. (Galatiatɔwo 6:1) Esia wɔwɔ anye nuteƒemawɔmawɔ na Yehowa, eƒe habɔbɔa, kple na míaƒe lɔlɔ̃tɔ aɖe. Le nyateƒe me la, mɔxexe ɖe tohehe si nuvɔ̃wɔla hiã nu nɛ nye mɔxexe ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ ɖeɖefia amea nu ŋutɔŋutɔ. (Hebritɔwo 12:5-7) Ðo ŋku edzi hã be “xɔlɔ̃ ƒe abidede ame ŋu medze vɔ̃ o.” (Lododowo 27:6) Aɖaŋuɖoɖo si le tẽ si me lɔlɔ̃ le eye wotui ɖe Mawu ƒe Nya dzi ate ŋu aɖɔ míaƒe lɔlɔ̃tɔ si wɔ nuvɔ̃ ƒe dada si le eme la ɖo, gake axɔe ɖe agbe mlɔeba!

Nuteƒewɔwɔ Nɔa Te Ðe Yometiti Nu

18, 19. (a) Nukae Axab di tso Nabot gbɔ, eye nukatae Nabot gbe? (b) Ðe nusi do tso eme na Nabot le eƒe nuteƒewɔwɔ ta la dzea? Ðe eme.

18 Ɣeaɖewoɣi la, Satana dzea míaƒe nuteƒewɔwɔ dzi tẽ. Bu Nabot ƒe nyaa ŋu kpɔ. Esi Fia Axab ƒoe ɖe enu be wòadzra eƒe weingble la, eɖo eŋu be: “Yehowa nena wòade megbe xaa tso gbɔnye be, matsɔ fofonyewo ƒe domenyinu na wò.” (Fiawo I, 21:3) Menye dzime sẽmee Nabot nɔ o; nuteƒe wɔm wònɔ. Mose ƒe Se la bia be Israel-vi aɖeke nagadzra domenyinyigba si anɔ ame si ɖaa la o. (Mose III, 25:23-28) Nabot nya kɔte be fia vɔ̃ɖi sia ate ŋu ana woawu ye, elabena Axab na srɔ̃a, Izebel, wu Yehowa ƒe nyagblɔɖila geɖe do ŋgɔ xoxo! Ke hã la, Nabot tɔ afɔ to sesĩe.—Fiawo I, 18:4.

19 Afɔku dona tsoa nuteƒewɔwɔ me ɣeaɖewoɣi. Izebel kpakple ‘yakame’ aɖewo na wovivi nu me ɖe Nabot si be ewɔ nu gbegblẽ si mewɔ o la. Le ema ta la, wowu eya kple viaŋutsuwo. (Fiawo I, 21:7-16; Fiawo II, 9:26) Ðe ema fia be Nabot ƒe nuteƒewɔwɔ mesɔ oa? Gbeɖe! Nabot le ŋutsu kple nyɔnu wɔnuteƒe geɖe siwo ‘le agbe’ le Yehowa ƒe susu me fifia la dome, amesiwo le alɔ̃ dɔm bɔkɔɔ le yɔme vaseɖe esime woafɔ wo ɖe tsitre.—Luka 20:38; Dɔwɔwɔwo 24:15.

20. Aleke mɔkpɔkpɔ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míayi edzi awɔ nuteƒee?

20 Ŋugbedodo ma ke naa kakaɖedzi amesiwo wɔa nuteƒe na Yehowa egbea. Míenya be míaƒe nuteƒewɔwɔ ate ŋu agblẽ nu le mía ŋu vevie le xexe sia me ya. Nuteƒewɔwɔ tae wowu Yesu Kristo ɖo, eye egblɔ na eyomedzelawo be nenema tututue woawɔ nu ɖe wo ŋui. (Yohanes 15:20) Abe alesi nusi wònɔ mɔ kpɔm na le etsɔme lée ɖe te ene la, nenema ke mía tɔ hã léa mí ɖe tee. (Hebritɔwo 12:2) Eyata míate ŋu ayi edzi awɔ nuteƒe le yometiti ƒomevi ɖesiaɖe me.

21. Nukawo dzie Yehowa ka ɖo na amesiwo wɔa nuteƒe nɛ?

21 Nyateƒee, mía dometɔ ʋee aɖewo ko ƒe nuteƒewɔwɔ dzie wodzena tẽ nenema egbea. Gake anɔ eme be Mawu ƒe amewo agato yometiti geɖe me hã hafi nuwuwua naɖo. Aleke míawɔ aka ɖe edzi be míate ŋu alé míaƒe nuteƒewɔwɔ me ɖe asi? Eyae nye be míayi edzi awɔ nuteƒe fifia. Yehowa de dɔ gã aɖe asi na mí—si nye gbeƒãɖeɖe eƒe Fiaɖuƒea kple nufiafia tso eŋu. Mina míatsɔ nuteƒewɔwɔ ayi dɔ vevi sia wɔwɔ dzii. (Korintotɔwo I, 15:58) Ne míena amegbetɔ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo gblẽ míaƒe nuteƒewɔwɔ na Yehowa ƒe habɔbɔa me o, eye ne míenɔa ŋudzɔ ɖe nuteƒemawɔmawɔ ƒomevi siwo menya kpɔna dzea sii o abe nuteƒewɔwɔ siwo mesɔ o ene ŋu la, ekema míasu te nyuie ne wodo míaƒe nuteƒewɔwɔ kpɔ vevie wu tsã. Aleke kee nyaa le o, kakaɖedzi anɔ mía si ɣesiaɣi be Yehowa ƒe nuteƒewɔwɔ na esubɔla wɔnuteƒewo medana ƒu o. (Samuel II, 22:26) Ẽ, adzɔ eƒe mawumemewo ŋu!—Psalmo 97:10.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Yesu wɔ nu kalẽtɔe tsɔ tsi tre ɖe ame mawo siwo me asitsatsa me viɖekpɔkpɔ xɔ susu me na la ŋui. Ŋutinyaŋlɔla aɖe gblɔ be ele be woatsɔ blema Yudatɔwo ƒe gaku aɖe axe gbedoxɔmedzɔ lae. Eyata ahiã be amesiwo yia gbedoxɔa me la nagbã woƒe ga bene woaxe adzɔ la. Woɖe mɔ na gaɖuɖɔlawo wodoa asi ɖe ga si wogbãna la ta, eye woto esia me kpɔ ga gbogbo aɖe.

b Kpɔ Eŋlisigbe me Nyɔ!, December 22, 1993; January 8, 1994; kple January 22, 1994.

c Woƒe habɔbɔa dzɔ tso Hasid-ha, si nye ƒuƒoƒo aɖe si woɖo ƒe alafa geɖewo do ŋgɔ be woatsɔ aɖe Helatɔwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ɖa la me. Hasidtɔwo ɖe woƒe ŋkɔ tso Hebrigbe me nya chasi·dhimʹ, si gɔmee nye “nuteƒewɔlawo” alo “veviedolawo” me. Ðewohĩ wosusu be yewo ŋue ŋɔŋlɔ siwo yɔ Yehowa ƒe ‘mawumemewo’ la ku ɖo le mɔ tɔxɛ aɖe nu. (Psalmo 50:5) Woawo kple Farisitɔ siwo va ɖe wo megbe nye zazɛnyahelawo, kple amesiwo ɖo wo ɖokui Sea taʋlilawoe.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

◻ Aleke míawɔ be ame bubuwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo mana míadzudzɔ nuteƒewɔwɔ o?

◻ Mɔ kawo nue mía ŋutɔwo míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ate ŋu ana míanɔ agbe si menye nuteƒewɔwɔ o?

◻ Aleke míawɔ anɔ te ɖe nuteƒewɔwɔ siwo mesɔ o ƒe tetekpɔ nui?

◻ Nukae akpe ɖe mía ŋu be míayi edzi awɔ nuteƒe le yometiti ƒe ɣeyiɣiwo me gɔ̃ hã?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe