Yehowa Sinu Kpɔkpɔ Dzigbɔɖitɔe tso Nye Ðevime Ke
ABE ALESI RUDOLF GRAICHEN GBLƆE ENE
Zi ɖeka kasia afɔku dzɔ ɖe míaƒe ƒomea dzi esime mexɔ ƒe 12 ko. Gbã la, wode fofonye mɔ̃. Emegbe wokplɔ mía kple nɔvinyenyɔnu sesẽe dzoe le mía ƒeme eye míeyi ɖanɔ amesiwo míedze sii o gbɔ. Emegbe la Adzamekpovitɔwo lé mía kple danye. Wodem mɔ̃ eye wode eya fuwɔamegaxɔ me.
YOMETITI sesẽ ƒe ɣeyiɣi si me meto le ɖevime le nye Yehowa Ðasefo nyenye ta ƒe gɔmedzedze koe nudzɔdzɔ siawo nye. Nazi Adzamekpovitɔ ŋkɔgbegblẽxɔlawo kple emegbe Ɣedzeƒe Germany Kpovitɔwo te kpɔ be yewoagblẽ nye nuteƒewɔwɔ na Mawu me. Fifia mate ŋu agblɔ le ƒe 50 siwo metsɔ ɖokuinye na hesubɔe megbe abe alesi hakpala la gblɔ ene be: “Zi geɖe woxaxam ɖo tso nye ɖekakpui me, ke womede nunye o.” (Psalmo 129:2) Ale gbegbe medaa akpe na Yehowa enye si!
Wodzim le Lucka-du sue si te ɖe Leipzig, Germany, ŋu me le June 2, 1925 dzi. Do ŋgɔ hafi woadzim gɔ̃ hã la, Alfred kple Teresa siwo nye dzinyelawo kpɔ Biblia me nyateƒea dze sii le Biblia Nusrɔ̃viwo, si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowoe ɣemaɣi, ƒe agbalẽwo me. Meɖo ŋku edzi be gbesiagbe la mekpɔa Biblia me nutata siwo wotsɔ ku gli ŋu le mía ƒeme. Nɔnɔmetata ɖeka nye alesi amegãxi kple alẽvi, gbɔ̃vi kple lãklẽ, nyivi kple dzata—wo katã le ŋutifafa me eye ŋutsuvi sue aɖe le wo kplɔmee. (Yesaya 11:6-9) Nɔnɔmetata mawo wɔ dɔ ɖe dzinye ɣeyiɣi didi aɖe.
Ne anya wɔ la, dzinyelawo kplɔam ɖe asi le hame ƒe dɔwɔnawo me. Le kpɔɖeŋu me le ƒe 1933 ƒe February me le Hitler ƒe dziɖuɖuxɔxɔ ƒe ŋkeke ʋee aɖewo ko megbe la, woɖe “Photo-Drama of Creation”—si ŋu fotoɖeɖefia, sinimawo, kple numeɖeɖe si wolé ɖe agba dzi kpe ɖo—la fia le míaƒe du sue la me. Aleke gbegbe dzi dzɔm enye si, esi nye ƒe adre vi dzaa ko menɔ agbatsɔʋu megbe míenɔ tsatsam le dua me nɔ boblo dom “Photo-Drama” ɖeɖefia! Nɔviawo na mese le ɖokuinye me le wɔna sia kple bubuwo me be nye hã menye ŋudɔwɔnu le hamea me togbɔ be ɖevi dzaa koe menye hã. Eyata Yehowa fia num tso vidzĩ me ke eye eƒe Nya la kpɔ ŋusẽ ɖe dzinye.
Wohe Mí be Míaɖo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu
Le Kristotɔwo ƒe akpa aɖeke kura dzi mademade si me Yehowa Ðasefowo lé ɖe asi ta la, womeƒo wo ɖokui ɖe Nazitɔwo ƒe dunyahehe me o. Le ema ta le ƒe 1933 me la, Nazitɔwo de se tsɔ xe mɔ ɖe gbeƒãɖeɖe, kpekpeyiyi, kple mía ŋutɔwo míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo xexlẽ nu gɔ̃ hã. Le ƒe 1937 ƒe September me la, Adzamekpovitɔwo lé nɔviŋutsu siwo katã le míaƒe hamea me, kple fofonye hã. Esia na melé blanui vevie. Wode fofonye mɔ̃ ƒe atɔ̃.
Agbenɔnɔ va sesẽ na mí ŋutɔ le aƒeme. Gake eteƒe medidi hafi míesrɔ̃ ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu o. Gbeɖeka esi mekpã tso suku gbɔ va aƒeme la, mekpɔ danye wònɔ Gbetakpɔxɔ xlẽm. Edi be yeaɖa ŋdɔnuɖuɖu si ɖaɖa tsɔna la nam, eyata etsɔ magazine la da ɖe aɖaka sue aɖe tame. Esi míeɖu ŋdɔnua vɔ nɔ agba fɔm la, ame aɖe ƒo ʋɔ na mí sesĩe. Amea nye kpovitɔ si va míaƒe aƒeme tsa ge be yeakpɔ Biblia-srɔ̃gbalẽwo hã. Vɔvɔ̃ ɖom menye fefe o.
Ŋkekea me xɔ dzo gbagbagbã. Eyata nu gbãtɔ si kpovitɔ la wɔe nye be eɖe eƒe kukua da ɖe kplɔ̃ aɖe dzi. Azɔ eyi míaƒe aƒea me kaka dzi. Esi wòbɔbɔ nɔ kplɔ̃a te kpɔm la, eƒe kukua di be yeage. Eyata danye xee kaba hedae ɖe aɖaka la dzi le Gbetakpɔxɔ la dzi tututu! Kpovitɔ la ka mía nɔƒea katã gake mekpɔ agbalẽ aɖeke o. Le nyateƒe me la, meva susu me nɛ be yeakpɔ yeƒe kukua te o. Esi wòdzra ɖo be yeadzo la, eɖe kuku na danye abe ke eƒe gbe mee xe ene hetrɔ megbemegbe be yeatsɔ yeƒe kukua. Aleke gbegbe nye dzi dze emee nye si!
Nuteƒekpɔkpɔ siawo tɔgbe dzram ɖo ɖe dodokpɔ sesẽ bubuwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, wozi dzinye le suku be mage ɖe Hitler Sɔhɛwo habɔbɔ, si me wona asrafohehe ɖeviwo le eye wotsɔ Nazitɔwo ƒe xexemenunya gblẽ susu na wo la me. Nufiala aɖewo ɖoe woƒe taɖodzinui be yewoana sukuvi ɖesiaɖe nage ɖe eme. Anya wɔ na míaƒe nufiala, Aƒetɔ Schneider, be yedo kpo nu gbidii, elabena sukuvi ɖeka do le eƒe sukuviwo katã si wòdi be woage ɖe eme la me, evɔ menɔ nenema na nufiala bubu siwo katã le míaƒe sukua ya o. Nyee nye sukuvi ma.
Gbeɖeka Aƒetɔ Schneider ɖe gbeƒã na míaƒe sukuxɔ me viwo katã be: “Vinye ŋutsuviwo, mí katã míele tsa ɖi ge etsɔ.” Nya sia dzɔ dzi na amesiame. Azɔ egagblɔ be: “Ele be mia dometɔ ɖesiaɖe nado eƒe Hitler Sɔhɛwo ƒe awu bene ne míele asaɖa bɔm le ablɔwo dzi la, amesiame nakpɔe be Hitler-vi nyuiwoe mienye.” Kaka ŋu nake la, ŋutsuviwo katã do woƒe awu va do xoxo, negbe nye koe medoe o. Nufiala la yɔm va sukuviawo ŋkume biam be: “Tsa ŋku nakpɔ ŋutsuvi bubuwo ɖa eye nàkpɔ wò ŋutɔ ɖokuiwò ɖa.” Egblɔ kpee be: “Menya be ame dahewoe dziwòlawo nye eye womate ŋu atɔ awu na wò o, gake nà mafia nane wo.” Ekplɔm yi eƒe kplɔ̃a gbɔ, ʋu kplɔ̃ŋuɖaka aɖe hegblɔ be: “Medi be matsɔ awu yeye sia na wò. Menya kpɔ ŋutɔ oa?”
Ne ɖe meku la, anyo nam wu be mado Nazitɔwo ƒe awu. Esi míaƒe nufiala la kpɔ be awua dodo mele susu me nam o la, edo dziku, eye míaƒe sukuxɔ me tɔwo katã do aƒã ɖe tanye. Azɔ ekplɔ mí tsae gake dze agbagba ɣlam esi wòna menɔ zɔzɔm le ŋutsuvi bubu siwo katã le awu me la titina. Gake dua me tɔ geɖe kpɔe be meto vovo le mía tɔwo dome. Amesiame nya be Yehowa Ðasefowoe mía kple dzinyelawo míenye. Medaa akpe na Yehowa be wòna gbɔgbɔ me ŋusẽ si hiã lam le nye ɖevime.
Yometitia Nu Gasẽ Ðe Edzi
Gbeɖeka le ƒe 1938 ƒe gɔmedzedze la, wokplɔ mía kple nɔvinyenyɔnu tso suku eye wotsɔ kpovitɔwo ƒe ʋu ku mí yi gbevusuku le Stadtroda, si gbɔ didi anɔ kilometa 80. Nukatae? Ʋɔnudrɔ̃ƒewo tso nya me be yewoaɖe mí ɖa tso mía dzilawo ƒe ŋusẽ te atsɔ mí ade Nazitɔ siwo nye ɖeviwo dome. Eteƒe medidi o, amegã siwo nɔ gbevusukua nu kpɔ be togbɔ be mía kple nɔvinyenyɔnu míelé míaƒe Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade me ɖe asi sesĩe hã la, míebua ame heɖoa to. Míaƒe nu wɔ dɔ ɖe sukutatɔa dzi ale gbegbe be wòdi be yeakpɔ danye. Wowɔ ɖoɖo si womewɔna hafi o la, eye woɖe mɔ na danye be wòasrã mí akpɔ. Dzi dzɔ mía kple nɔvinyenyɔnu kpakple danye ale gbegbe eye míeda akpe na Yehowa be wòna mɔnukpɔkpɔ mí be míegado go hede dzi ƒo na mía nɔewo ŋkeke bliboa katã. Míehiã nusia vevie.
Míeyi edzi nɔ gbevusukua anɔ ɣleti ene. Emegbe woɖo mí ɖe Pahna be míaɖanɔ ƒome aɖe gbɔ. Wode se na wo be míaƒe ƒometɔwo megakpɔ mía ŋuti o. Womeɖe mɔ na danye gɔ̃ hã be wòava srã mí akpɔ o. Gake le ɣeyiɣi aɖewo me la, ekpɔ mɔ si dzi wòato ake ɖe mía ŋu. Danye zã mɔnukpɔkpɔ mawo siwo mebɔ o la wɔ nusianu si wòate ŋui tsɔ de dzi ƒo na mí be míaɖoe kplikpaa ayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa, eɖanye dodokpɔ kple nɔnɔme kawo ŋue wòɖe mɔ le o.—Korintotɔwo I, 10:13.
Eye dodokpɔawo va hã. Le December 15, 1942, esime mexɔ ƒe 17 ko la, Adzamekpovitɔwo lém de gaxɔ me le Gera. Anɔ kwasiɖa ɖeka megbe la, wolé danye hã eye mía kplii míenɔ gaxɔ ma ke me. Esi mekpɔtɔ nye ɖevi ta la, ʋɔnudrɔ̃ƒewo medrɔ̃ ʋɔnum o. Eyata mía kple danye míenɔ gaxɔ me ɣleti ade esime ʋɔnudrɔ̃ƒewo nɔ lalayem be maxɔ ƒe 18 hafi. Gbesigbe tututu mexɔ ƒe 18 ko la, wokplɔ mía kple danye yi ʋɔnui.
Kaka manya nusi nɔ dzɔdzɔm la, wodrɔ̃ ʋɔnua vɔ xoxo. Nyemenya kura be nyemagakpɔ danye azɔ o. Nu susɔe si ko dzi meɖo ŋkui le eŋu enye alesi mekpɔe wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe xanye tututu le zikpui legbee yibɔ aɖe dzi le ʋɔnua. Wobe mí ame evea míedze agɔ. Wobe manɔ mɔ̃ ƒe ene eye danye hã nanɔe ƒe ɖeka kple afã.
Le ŋkeke mawo me la, wode Yehowa Ðasefo akpe geɖe gaxɔwo kple fuwɔamegaxɔwo me. Gake wova ɖom ɖe gaxɔ me le Stollberg, afisi nye ɖeka koe nye Ðasefo le. Menɔ ameɖekɛgaxɔ me ƒe ɖeka kple edzivɔ, gake Yehowa nɔ kplim. Lɔlɔ̃ si metu ɖo nɛ le nye ɖevime koŋ ye lém ɖe te le gbɔgbɔ me.
Le nye gaxɔmenɔnɔ ƒe eve kple afã megbe le May 9, 1945 dzi la, míese nya nyui aɖe—aʋa la ke! Woɖe asi le ŋunye gbemagbe. Le nye zɔzɔ kilometa 110 megbe la, meɖo aƒe eye ɖeɖiteameŋu kple dɔwuame na medze dɔ enumake. Exɔ ɣleti geɖe hafi mehaya.
Esi meɖo aƒe teti ko la, mese nya vɔ̃ geɖe. Gbã la, tso danye ŋu. Le eƒe gaxɔmenɔnɔ ƒe ɖeka kple afã megbe la, Nazitɔwo bia tso esi be wòade asi agbalẽ aɖe te atsɔ agbe nu le eƒe Yehowa dzixɔxɔse gbɔe. Egbe ewɔwɔ. Eyata Adzamekpovitɔwo ɖoe ɖe nyɔnuwo ƒe fuwɔamegaxɔ me le Ravensbrück. Asrã lée wòku ɖe afima do ŋgɔ teti na aʋa la ƒe keke. Kristotɔ si ƒo dzi nɔ ŋutɔe wònye—enye xɔsetaʋlila sesẽ aɖe si mena ta gbeɖe o. Yehowa natsɔ amenuveve aɖo ŋku edzi.
Mese fonye Werner, amesi meɖe adzɔgbe kpɔ be yeasubɔ Yehowa o la ŋkɔ. Ege ɖe Germany-srafowo me eye wowui le Russia. Ke fofonye ya ɖe? Eva ɖo aƒe baa, gake nublanuitɔe la, eya hã nɔ Ðasefo ʋee siwo de asi agbalẽ gbegblẽ ma te tsɔ gbe nu le woƒe xɔse gbɔe dome. Esi mekpɔe la, elé blanui vevie hetɔtɔ ŋutɔ.—Petro II, 2:20.
Gbɔgbɔmedɔ Wɔwɔ Dzonɔamemetɔe Ɣeyiɣi Kpui Aɖe
Mede nye aʋa megbe takpekpe gbãtɔ le Leipzig le March 10, 1946. Aleke gbegbe wòhedzɔ dzi nam enye si esi woɖe gbeƒã be wole nyɔnyrɔ na ge gbemagbe ke! Togbɔ be ƒe geɖee nye ma metsɔ nye agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa hã la, esiae nye mɔnukpɔkpɔ gbãtɔ nam be maxɔ nyɔnyrɔ. Nyemaŋlɔ ŋkeke ma be akpɔ o.
Esi mewɔ mɔɖeɖedɔa ƒe ɖeka la, woyɔm va Betel le Magdeburg le March 1, 1947. Bɔmb siwo woda gblẽ nu geɖe le Habɔbɔa ƒe ɔfiswo ŋu. Mɔnukpɔkpɔ kae nye si wònye nam be mekpe asi ɖe wo gbugbɔdzraɖo ŋu! Le dzomeŋɔli ma megbe la, wode mɔɖela vevi ƒe dɔ asi nam le dugã si nye Wittenberge me. Mezã gaƒoƒo 200 kple edzivɔ ɣleti aɖewo tsɔ ɖe gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒe nyanyuia na ame bubuwoe. Aleke gbegbe dzi nɔ dzɔyem enye si be megakpɔ ablɔɖe—aʋawɔwɔ, yometiti, alo gaxɔmenɔnɔ megali o!
Gake nublanuitɔe la, ablɔɖe ma menɔ anyi didi o. Le aʋa la megbe la, Germany va mã, eye afisi menɔ la va ge ɖe Kɔmiunistɔwo si me. Le September 1950 me la, Ɣedzeƒe Germany ƒe adzamekpovitɔ siwo woyɔna be Stasi va nɔ nɔviwo lém kabakaba. Nya siwo wotsɔ ɖe ŋunye la ɖi kokoe ŋutɔ. Wotso nunye be ŋkutsalae menye na Amerika-dziɖuɖua. Woɖom ɖe Stasi-gaxɔ si me nɔnɔ sesẽ wu me le dukɔa me le Brandenburg.
Kpekpeɖeŋu tso Nye Gbɔgbɔmenɔviwo Gbɔ
Le afima la, Stasi-kpovitɔwo meɖea mɔ nam medɔa alɔ̃ le ŋkeke me o. Azɔ hã wobiaa gbem zã bliboa katã. Esi wowɔ fum alea ŋkeke ʋee aɖewo megbe la, nuwo gava gblẽ ɖe edzi. Gbeɖeka ŋdi le esi teƒe be woatrɔm ayi nye gaxɔ me la, woƒe gaxɔ vloe aɖe si nye U-Boot Zellen (woyɔnɛ be ƒugɔmegaxɔwo le esi wole tome ke ta) me boŋ ye wokplɔm yii. Woʋu gaʋɔ xoxo aɖe si ŋu lé ɣebia eye wobia tso asinye be mage ɖe xɔa me. Ele be maɖo afɔ kpui kɔkɔ aɖe dzi. Esi meɖo afɔ anyi la, mekpɔe be tsi ɖeɖe sɔŋ xɔ anyigba. Wolé ʋɔa tu sesĩe si de vɔvɔ̃ lãme nam ŋutɔ. Kekeli kple fesre aɖeke menɔ anyi. Eme do blukɔ tsiɖitsiɖi.
Esi wònye tsia xɔ anyigba la katã ta la, nyemete ŋu nɔ anyi, mlɔ anyi alo dɔ alɔ̃ o. Esi melala ɣeyiɣi didi si dze abe ɖe mawu enu akpɔ o ene la, wova kplɔm dzoe be woagabia gbem le akaɖi siwo nu sẽ ŋutɔ la nu. Nyemenya wo dometɔ si nu sẽ wu o—tsitrenɔnɔ le tsi me ŋkeke bliboa katã le xɔ si me do viviti tsiɖitsiɖi kloe me alo dzidodo anɔ akaɖi si woklẽ ɖe dzinye si vea ŋku ale gbegbe la nu zã bliboa katã.
Wodo ŋɔdzi nam zi geɖe be yewoada tum. Le zã aɖewo siwo me wobia gbem megbe la, Russia-srafomegã aɖe va gbɔnye gbeɖeka ŋdi. Mɔnukpɔkpɔ su asinye megblɔ nɛ be Germany Stasi tɔwo le funyafunya wɔmem sãa wu Nazi ƒe Adzamekpovitɔwo. Megblɔ nɛ be Yehowa Ðasefowo medea akpa aɖeke dzi le Nazi-dziɖuɖua me o eye womedea akpa aɖeke dzi le Kɔmiunist-dziɖuɖua hã me o eye be míehea dunya le xexeame ƒe akpa aɖeke o. Le nusi to vovo na esia me la, megblɔ nɛ be amesiwo nye Stasi tɔ fifia dometɔ geɖe nɔ Hitler Sɔhɛwo habɔbɔ me kpɔ, afisi ɖewohĩ wosrɔ̃ alesi woati ame maɖifɔwo yome ŋutasesẽtɔe le. Esi menɔ nu ƒom la, avuvɔ, dɔwuame, kple ɖeɖiteameŋu na menɔ ƒoƒom kpakpakpa.
Ewɔ nuku ŋutɔ be Russia-srafomegã la medo dziku ɖe ŋunye o. Etsyɔ kuntru nam boŋ helé be nam. Le eƒe sasrãkpɔ megbe kpuie la, wogbugbɔm yi gaxɔ si me nɔnɔ ka ɖe eme wu me. Le ŋkeke ʋee aɖewo megbe la, wotsɔm de asi na Germany-ʋɔnudrɔ̃ƒewo. Esi menɔ lalam hena nye nya la dɔdrɔ̃ la, mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe su asinye be mía kple Ðasefo atɔ̃ bubuwo míenɔ gaxɔ ɖeka me. Aleke gbegbe nye dzi dze emee nye si be mede ha kple nye gbɔgbɔmenɔviwo le fuwɔame vloe geɖe me toto vɔ megbe!—Psalmo 133:1.
Wodrɔ̃ nya nam le ʋɔnua be meɖi ŋkutsatsa ƒe fɔ eye wobe manɔ mɔ̃ ƒe ene le ameɖekɛgaxɔ me. Wobu esia be enye tohehe sue aɖe ko. Wobe nɔvi aɖewo nanɔ mɔ̃ ƒe ewo kple edzivɔ. Woɖom ɖe ameɖekɛgaxɔ si gbɔ atse meble ame aɖeke wòato o me. Meka ɖe edzi be afi gɔ̃ hã mekpɔ mɔ ge ɖe gaxɔa me alo do tso eme o—wonɔ eŋu dzɔm vevie kple ŋkubiã. Ke hã le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, nɔvi aɖewo siwo ƒo dzi nɔ la te ŋu tsɔ Biblia blibo to nu xa ge ɖe eme. Woɖee ɖekaɖeka ɖe ŋkɔ siwo le agbalẽwo dzi nu hemã wo ɖe nɔvi siwo wolé de mɔ̃ dome.
Aleke míewɔ mã wo? Nu sesẽ ŋutɔ aɖee wònye. Ne wokplɔ mí yi tsileƒe kwasiɖa eve sia kwasiɖa eve koe nye ɣeyiɣi si míekpɔa mía nɔewo. Gbeɖeka esime menɔ tsi lem la, nɔviŋutsu aɖe do dalĩ nam be yetsɔ Biblia ɖeɖee aɖewo ɣla ɖe yeƒe tsiletse me. Ne mele tsia vɔ la, eƒe tsiletsee matsɔ, ke menye tɔnye o.
Dzɔla aɖe kpɔ nɔvia wònɔ dalĩ dom nam eye wotsɔ kpo ƒoe vevie ŋutɔ. Ehiã be maxɔ tsiletsea kaba age ɖe gameme bubuawo dome. Meda akpe be womelém ɖe Biblia ɖeɖeeawo ta o. Ne ɖe wolém la, ne ɖoɖo si dzi míetona ɖua gbɔgbɔ me nuɖuɖu la me gblẽ. Míekpɔ nudzɔdzɔ ma tɔgbe geɖe teƒe. Ðe míebena ɣesiaɣi hafi xlẽa Biblia eye woate ŋu alé mí bɔbɔe hã. Nya siwo apostolo Petro gblɔ be, “Minɔ mo xexi, minɔ ŋudzɔ,” la sɔ na mí ŋutɔ.—Petro I, 5:8.
Le susu aɖe ta la, ŋusẽtɔwo tso nya me be yewoanɔ mía dometɔ aɖewo ɖem anɔ ameɖekɛgaxɔ bubuwo me yim enuenu. Le ƒe ene kple edzivɔ me la, woɖom ɖe ameɖekɛgaxɔ vovovo ewo me. Gake mete ŋu kena ɖe nɔviwo ŋu ɣesiaɣi. Meva lɔ̃ nɔvi siawo katã vevie, eye vevesese gã aɖee wònyena na nye dzi ɣesiaɣi si woɖem dzo le wo gbɔ.
Mlɔeba la, woɖom ɖe Leipzig, eye wova ɖe asi le ŋunye le gaxɔ me le afima. Dzɔla si ɖe asi le ŋunye la medo hedenyuie nam o, ke ɖeko wògblɔ boŋ be, “Míagado go kpuie.” Susu vɔ̃ si nɔ tame nɛ enye be woagalém ade mɔ̃ ake. Zi geɖe la mebua tame le Psalmo 124:2, 3 ŋu, afisi gblɔ be: “Esime amegbetɔwo tso ɖe mía ŋu, ɖe menye Yehowa ye le mía dzi o la, anye ne womi mí agbagbe, esime woƒe dɔmedzoe bi ɖe mía ŋu.”
Yehowa Ðea Esubɔla Wɔnuteƒewo
Fifia megakpɔ ablɔɖe. Nye venɔvi, Ruth kpakple Nɔvinyɔnu Herta Schlensog nɔ agboa nu nɔ lalayem. Herta ɖoa nubablɛ si me nuɖuɖu le ɖem ɣleti sia ɣleti le ƒe siwo katã me menɔ mɔ̃a me. Mexɔe se nyateƒe be ne ɖe menye nubablɛ suesue siawoe woɖona ɖem o la, ne meku ɖe mɔ̃ me. Yehowa netsɔ amenuveve aɖo ŋku edzi.
Tso esime woɖe asi le ŋunye la, Yehowa tsɔ subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔ geɖe yram. Megawɔ mɔɖela vevi dɔa ake le Gronau, Germany, eye mewɔ nutome sue dzikpɔdɔ hã le Germany Alps towo dome. Emegbe womia asim be mava de Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku si wonaa dutanyanyuigbɔgblɔdɔ ƒe hehe le, ƒe klass 31 lia. Míewɔ míaƒe gododo le suku wɔnawo le Yankee Stadium le Yehowa Ðasefowo ƒe dukɔwo dome takpekpe me le ƒe 1958 me. Mɔnukpɔkpɔ su asinye meƒo nu na nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo ƒe ha gã aɖe eye megblɔ nusiwo teƒe mekpɔ dometɔ aɖewo na wo.
Esi míewu sukua nu la, mezɔ mɔ yi Chile yi dutanyanyuigbɔgblɔdɔ wɔ ge. Megawɔ nutome sue dzikpɔdɔ ake le Chile ƒe anyiehe gome ʋĩ—woɖom ɖe anyigba ƒe seƒe ke ŋutɔŋutɔ. Le ƒe 1962 me la, meɖe Patsy Beutnagel, si nye dutanyanyuigblɔla dzetugbee aɖe tso San Antonio, Texas, U.S.A. Mía kpli míesubɔ Yehowa kple dzidzɔ ƒe geɖe.
Mekpɔ nu dodzidzɔname geɖe teƒe hekpe ɖe dzɔgbevɔ̃e geɖe ŋu le nye agbenɔnɔ ƒe 70 kple edzivɔ me. Hakpala la gblɔ be: “Ame dzɔdzɔewo ƒe fukpekpewo sɔ gbɔ, ke Yehowa ɖenɛ tsoa wo katã me.” (Psalmo 34:20) Le ƒe 1963 me esime míekpɔtɔ nɔ Chile la, nublanuitɔe la, mía kple Patsy ƒe vinyɔnuvi fẽ si míedzi la ku. Emegbe Patsy dze dɔ vevie, eye míeʋu yi Texas. Eku le eƒe ƒe 43 ko xɔxɔ me le nɔnɔme siwo wɔ nublanui ŋutɔ me. Medoa gbe ɖa edziedzi be Yehowa naɖo ŋku srɔ̃nye lɔlɔ̃a dzi le amenuveve me.
Togbɔ be nye lãme mekɔna tututu o eye metsi fifia hã la, mɔnukpɔkpɔ su asinye mele gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔm eye meganye hamemegã le Brady, Texas. Nyateƒee, agbenɔnɔ mele bɔbɔe nam ɣesiaɣi o, eye ɖewohĩ dodokpɔ bubuwo gale ŋgɔnye mado goe. Ke hã la, mate ŋu agblɔ abe hakpala la ene be: “Mawu, èfia num tso nye ɖevime ke, eye meɖe gbeƒã wò nukunuwo vaseɖe fifi.”—Psalmo 71:17.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]
Fifia menye hamemegã kple gbesiagbe mɔɖela, (2) mía kple Patsy, do ŋgɔ na míaƒe srɔ̃ɖeɖe, (3) le Aƒetɔ Schneider ƒe sukuxɔ me, (4) danye Teresa, si ku le Ravensbrück