Alesi Nàwɔ Anɔ Dzidzɔ Kpɔm le Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Subɔsubɔdɔa Me
BIBLIA ƒe nyagblɔɖi me vava fia kɔte be míele nuɖoanyi mavɔ̃mawu sia ƒe ŋkeke mamlɛawo me. Esi Yehowa Mawu subɔlawo nyae alea ta la, wozãa ɣeyiɣi alesinu woate ŋui ɖe eƒe Fiaɖuƒea ƒe nyanyuia kaka ŋu. Yehowa Ðasefo siwo wu 600,000 wɔ asitɔtrɔ le woƒe agbenɔnɔ ŋu bene woawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa. Wo dometɔ aɖewo nye ɣeyiɣiawo katã ƒe Fiaɖuƒe gbeƒãɖela siwo woyɔna be mɔɖelawo. Bubuwo nye Betel lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã alo eƒe alɔdzedɔwɔƒewo. Ðewo hã nye dutanyanyuigblɔlawo kple dzikpɔla mɔzɔlawo.
Biblia gblɔe ɖi be le ŋkeke mamlɛawo me la, “ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ asẽ” ava. (Timoteo II, 3:1-5, NW) Woate ŋu aɖe nya si wozã le Helagbe si me woŋlɔ Biblia ƒe mawunyakpukpui sia ɖo la gɔme be “ɣeyiɣi ɖoɖi siwo ŋu ŋɔdzi le.” Eyata mele be ame aɖeke nasusui be kuxi manɔ ye ŋu le míaƒe ŋkekea me o. Ewɔ abe ɖe kuxiawo sẽ ale gbegbe le Kristotɔ subɔla aɖewo gome ene ale be woabia wo ɖokui se be, ‘Magate ŋu ayi ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzia, alo ɖe madzudzɔ?’
Nukawoe ana ame aɖe natɔ abu mɔɖeɖedɔ, Betel lɔlɔ̃nu faa dɔ, dzikpɔla mɔzɔla ƒe dɔ, alo dutanyanyuigbɔgblɔdɔ si wɔm wòle ŋu? Ate ŋu anye lãmegbegblẽnya sesẽ aɖee. Ðewohĩ ƒometɔ aɖe si zu ame tsitsi alo nuwɔametɔ hiã dzikpɔkpɔ ɣesiaɣi. Ate ŋu anye be srɔ̃tɔ aɖewo dze vidzidzi gɔme. Ne ame aɖe ɖe asi le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ŋu le susu siawo dometɔ ɖesiaɖe ta kple ɖe Ŋɔŋlɔawo me agbanɔamedziwo ta la, megakpe ŋu nɛ be yewɔ tɔtrɔ sia o.
Gake ne ame aɖe le ɖoɖo wɔm be yeaɖe asi le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ ŋu le esi mele dzidzɔ kpɔm le eme o ta ɖe? Ðewohĩ mɔɖela aɖe kpɔe be ame geɖe meɖoa to nya la le yeƒe subɔsubɔdɔa me o eye wòabia eɖokui se be, ‘Nukata mayi edzi anɔ ɖokuitsɔtsɔsavɔgbe nɔm evɔ ame ʋee aɖewo koe ɖoa to?’ Ðewohĩ dɔ si wode asi na Betel lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla aɖe medze eŋu tututu o. Alo ate ŋu anye be togbɔ be ame ƒe lãmegbegblẽ ɣesiaɣi mexe mɔ na eƒe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ o hã la, eva na be mɔɖela la megale dzidzɔ kpɔm le eme o. Aleke amesiwo le nɔnɔme siawo me awɔ dzi nanɔ wo dzɔm? Mina míase nya siwo subɔla kpɔnuteƒe aɖewo gblɔ ɖa.
Tenɔnɔ Ðe Dziɖeleameƒo Nu
Anny, si tso Switzerland, de Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku le ƒe 1950 me. Enɔ mɔ kpɔm be woaɖo ye ɖe dutanyanyuigblɔƒe le ƒugodo. Esi wogade Betel-dɔ asi na Anny be wòawɔ le Europa la, medzɔ dzi nɛ o. Gake exɔ dɔ si wode asi nɛ le Gbegɔmeɖeƒe eye wògale dɔ sia dzi vaseɖe fifia. Aleke wòwɔ ɖu nusi ɖe dzi le eƒo la dzi? Anny ɖe eme be: “Dɔ geɖe nɔ anyi mawɔ eye egali fifia hã. Nye seselelãmewo kple nusi dzɔ dzi nam wu mele vevie de dɔa nu o.”
Ne dɔ si wode asi na mí menye esi dim míele o la, ɖewohĩ míate ŋu asrɔ̃ Anny ƒe nɔnɔmea. Menye nusi dzɔ dzi na mí wue nye vevia o. Nusi le vevie wue nye be woakpɔ gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe gbedasia ƒe agbanɔamedzi vovovoawo gbɔ nyuie. Lododowo 14:23 gblɔ na mí be “agbagbadzedze hea viɖe vɛ.” Eɖanye dɔ kae wode asi na mí o, ewɔwɔ le nuteƒewɔwɔ me doa Fiaɖuƒedɔa ɖe ŋgɔ. Eye míate ŋu akpɔ dzidzeme—ẽ, dzidzɔ—gã aɖe le dɔ sia si tso Mawu gbɔ na mí me.—Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 12:18, 27, 28.
Ƒomedodo Nyui me Nɔnɔ Kple Ame Bubuwo
Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa naa míedoa go ameƒomevi vovovowo edziedzi—le gbeadzisubɔsubɔdɔa me, le Betel, le dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒeme, alo ne dzikpɔla mɔzɔlawo le hamewo srãm kpɔ. Eyata dzidzɔkpɔkpɔ ƒe akpa gã aɖe ku ɖe alesi míanɔ ƒomedodo nyui me kple amewo ŋu. Gake ‘ɣeyiɣi dziŋɔ’ si ƒe nya wogblɔ ɖi be ŋkeke mamlɛ siawo anye la na be wòsesẽna na amewo be woanɔ ƒomedodo nyui me kple amewo. Aleke subɔla awɔ be eƒe dzidzɔkpɔkpɔ me magblẽ o ne ame aɖe do dziku nɛ hã? Ðewohĩ míate ŋu asrɔ̃ nane tso Wilhelm gbɔ.
Wilhelm zu Betel-ƒomea me tɔ le Europa le ƒe 1947 me. Emegbe ewɔ mɔɖeɖedɔa kple dzikpɔla mɔzɔla ƒe dɔa. Wilhelm ɖe nu me be: “Ne mía kple srɔ̃nye míekpɔ nane si míesusu be mesɔ o alo nane si ɖe fu na mí la, míegblɔa alesi míese le mía ɖokui me na Yehowa eye míegblẽnɛ ɖe esi me be wòakpɔ egbɔ.”—Psalmo 37:5.
Ðewohĩ wò ŋutɔ hatiwò Kristotɔ aɖe si ƒo nu na wò amemabumabutɔe alo tamemabumabutɔe ƒe nuwɔna ɖe fu na wò. Ðo ŋku edzi be mí katã míedaa vo zi geɖe le míaƒe nuƒoƒo me. (Yakobo 3:2) Eyata nukatae màzã ɣeyiɣi sia ate ɖe ‘Gbedodoɖasela’ la ŋu kplikplikpli wu o? (Psalmo 65:3) Ƒo nu tso nya la ŋu na Yehowa, eye nàgblẽe ɖe esi me. Ne Mawu di be yeatrɔ nuwo la, atrɔe. Ahiã be nusia nanɔ susu me na amesiwo le dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒewo me ne kuxi sia tɔgbe aɖe di be yeado mo ɖa, elabena esia akpe ɖe wo ŋu be woayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me.
Ne Lãmegbegblẽ Ðea Fu na Mí
Ame ʋee aɖewo ko ƒe lãmee sẽna ɣesiaɣi. Blanuiléle alo dɔ aɖe ate ŋu anɔ fu ɖem na amesiwo le woƒe ɖekakpui alo ɖetugbime gɔ̃ hã. Lãmegbegblẽ naa wòhiãna be ame aɖewo naɖe asi le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ŋu, gake emegbe wonyea Fiaɖuƒe gbeƒãɖela nyuiwo. Gake ame bubuwo te ŋu yia ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzi togbɔ be lãmegbegblẽ ɖea fu na wo hã. Le kpɔɖeŋu me, bu Hartmut kple Gislind ŋu kpɔ.
Hartmut kple Gislind nye srɔ̃tɔ siwo wɔ mɔɖeɖedɔa, dutanyanyuigbɔgblɔdɔa, kple mɔzɔzɔdɔa ƒe 30 sɔŋ. Wo ame evea siaa dze dɔ sesẽwo kpɔ si gbã lãme na wo heɖe dzi le wo ƒo ɣeaɖewoɣi. Ke hã wodze agbagba ŋutɔ eye wote ŋu de dzi ƒo na ame bubu siwo le nɔnɔme sesẽ mawo ke me tom. Aɖaŋu kae woɖo? “Kpɔ etsɔme ke menye ɣeyiɣi si va yi o. Wɔ wò ŋutete bliboe le nɔnɔme ɖesiaɖe me. Ðewohĩ mɔnukpɔkpɔ ɖeka pɛ koe asu asiwò be nàkafu Yehowa le ŋkeke ɖesiaɖe me. Zã mɔnukpɔkpɔ ma eye nàse vivi nɛ.”
Kpɔ Hannelore hã ƒe kpɔɖeŋu ɖa. Dɔ aɖe si nɔa anyi hona la ɖe fu na nyɔnu sia le ƒe 30 siwo wòtsɔ wɔ mɔɖeɖedɔa, dutanyanyuigbɔgblɔdɔa, wo kple srɔ̃a ƒe mɔzɔzɔdɔa wɔwɔ, kple le Betel-dɔ wɔwɔ me. Hannelore gblɔ be: “Menaa nye susu nɔa nya si Satana fɔ ɖe te dzi—be ne Yehowa subɔsubɔ le bɔbɔe na amewo ko hafi wosubɔnɛ. Ne medo dzi le fukpekpewo me la, ke nye hã manɔ eme míaɖo kpe edzi na Satana be alakpatɔe wònye.” Esia ate ŋu anye ameʋãŋusẽ gã aɖe. Ðo ŋku edzi be wò ŋutɔ wò nuteƒewɔwɔ na Yehowa le dodokpɔ me le vevie nɛ.—Hiob 1:8-12; Lododowo 27:11.
Ne èdi be yeawɔ nyametsotso si da sɔ le wò lãmesẽ ŋu la, lé ŋku ɖe Yesu Kristo ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe nuɖoanyia ƒe nuwuɣi ŋu ƒe akpa eve ŋu. Yesu gblɔ ɖi be dɔvɔ̃ ava teƒeteƒewo. Egagblɔ hã be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me.” (Mateo 24:3, 14; Luka 21:11) Yesu nya be le ŋkeke mamlɛawo me, dɔléle aɖe fu na ye yomedzelawo. Gake enya be menye amesiwo le lãmesẽ me koe awɔ gbeƒãɖeɖedɔa o ke amesiwo ŋu dɔ sesẽwo le hã awɔe. Ne míete ŋu yi ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzi togbɔ be lãmegbegblẽ ɖea fu na mí hã la, Yehowa maŋlɔ lɔlɔ̃ si míeɖe fia eƒe ŋkɔa be o.—Hebritɔwo 6:10.
Dzidzɔkpɔkpɔ Togbɔ Be Amewo Matsɔ Ðeke le Eme O Hã
Alesi amewo xɔa míaƒe Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔa ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe nɔnɔme dzi. Subɔla kpɔnuteƒe aɖe gblɔ be: “Esesẽna na mɔɖelawo gɔ̃ hã be woadze dzeɖoɖo gɔme kple aƒemenɔlawo. Ele be mí katã míaʋli hafi míate ŋu ayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm.” Nyateƒee, amewo ƒe ɖekematsɔleme ate ŋu aɖe míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me dzi akpɔtɔ. Eyata aleke mɔɖela si doa go ɖekematsɔleme edziedzi awɔ anɔ dzidzɔ kpɔm? Subɔla kpɔnuteƒewo ɖo aɖaŋu siwo gbɔna siwo ŋudɔ wowɔ kpɔ eye wokpɔ be wonyo.
Ðekematsɔleme nye kuxi sesẽ, gake mefia kokoko be woɖu dziwò o. Ðekematsɔleme si bɔ fũ la ŋutɔ menye nusita míaɖe asi le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ŋu ɖo o. Míate ŋu ayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm togbɔ be womaxɔ míaƒe nyaa o hã ne míeɖoa ɣeyiɣi si sɔ ɖi na Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃ kutrikukutɔe. ‘Wodzraa mí ɖo na dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ,’ eye eƒe ɖee nye nuƒoƒo na amesiwo agbe be yewomase nyanyuia o. (Timoteo II, 3:16, 17) Togbɔ be amewo medi be yewoase nyagblɔɖila Yeremya ƒe nya o hã la, mena wòdzudzɔ o. (Yeremya 7:27) Ne míetsɔ Kristotɔwo ƒe agbalẽwo le Biblia srɔ̃mee la, aɖe vi geɖe na mí ne míedea dzesi nya siwo ado ŋusẽ míaƒe xɔse eye woakpe ɖe mía ŋu míado dzi ne amewo metsɔ ɖeke le eme o hã.
Togbɔ be ɖekematsɔleme nye kuxi sesẽ hã la, mina míasusu alesi míebua amesiwo míeɖea gbeƒã na la ŋu. Nukatae wometsɔ ɖeke le eme o? Le kpɔɖeŋu me, nusita ɖekematsɔleme bɔ ɖe Europa ƒe teƒeteƒewo dometɔ ɖekae nye alakpasubɔsubɔhawo ƒe nugbegblẽwɔwɔwo. Amewo megabunɛ be mawusubɔsubɔ hiã yewo o, eye womegadia eƒe nya aɖeke be yewoase o. Ehiã be míasrɔ̃ alesi míatrɔ ɖe nɔnɔmewo ŋu aƒo nu na amewo tso nusiwo le fu ɖem na wo ŋu, abe le dɔmakpɔwɔe, lãmesẽnyawo, nuvlowɔwɔ, mɔmaɖemaɖeɖenuŋu, nutomekuxiwo, kple aʋawɔwɔkuxiwo ene ŋu.
Míate ŋu agblɔ nane si le susu me na amewo le nutoa me na aƒemenɔlaa le míaƒe ŋgɔdonya me. Nu mae Dietmar dze agbagba be yeawɔ esime wònɔ gbeƒã ɖem le duvi aɖe si me menɔ dzidzedze gobi aɖeke kpɔm le o. Dua me tɔ aɖe gblɔ be afɔku aɖe dzɔ le afima ŋkeke eveagbee nye ma. Le ema megbe la, aƒe ɖesiaɖe si me Dietmar ge ɖo la, efaa konyi kple wo vevie ɖe afɔku ma ta. Egblɔ be: “Ðeko amewo dze nuƒoƒo gɔme kple ye enumake. Afɔkua nɔ susu me na amesiame. Meɖo dze vivi geɖe gbemagbe le esi metsɔ ɖe le woƒe agbe me ta.”
Ele be míaɖi ɖase na amewo tso Fiaɖuƒea ŋu le afisiafi si míakpɔ wo le. Vomeɖaseɖiɖi ate ŋu atse ku geɖe, eye míate ŋu atsɔ aɖaŋu siwo woɖona le Biblia-srɔ̃gbalẽwo me ana dɔ sia ƒe hehe mía ɖokui. Dze ʋee aɖewo siwo míaɖo xɔlɔ̃wɔwɔtɔe alo Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo nana ana míakpɔ dzidzɔ. Ne míewɔ tɔtrɔyiwo alo míedze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kple ɖetsɔlemetɔ aɖe la, woate ŋu afia ame bubu mí ne míebia be: “Ènya ame bubu aɖe si hã adi be yeasrɔ̃ Bibliaa?” Esia ate ŋu ana nàdze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ bubu gɔme. Aleke ke o, mina kakaɖedzi nanɔ mía me, míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu gbedodoɖatɔe, eye míagana ɖekematsɔleme naɖe dzi le mía ƒo o.
Ame Bubuwo ƒe Dzideƒoname
Jürgen kple Christiane le mɔɖeɖedɔa kple mɔzɔzɔdɔa wɔm ƒe 30 kple edzivɔe nye sia. Ɣeaɖeɣi woƒe dɔdasia bia be woaɖe gbeƒã le nuto si me ame akpa gãtɔ nye ɖekematsɔlemetɔwo kple amesiwo mexɔa nya la o me. Aleke wòdzro Jürgen kple srɔ̃a enye esi be ame aɖe nade dzi ƒo na yewo! Gake le susu aɖewo ta hamea me tɔwo mena kpekpeɖeŋu sia si wohiã la wo o.
Eyata le nusi dzɔ ɖe Jürgen dzi me la, enya be “nuwo sesẽna na mɔɖela aɖewo. Wohiã dzideƒo geɖe tso hamemegãwo kple gbeƒãɖela bubuwo gbɔ.” Mawu gblɔ na Mose be wòade dzi ƒo na Yosua ahado ŋusẽe. (Mose V, 3:26-28) Eye ele be Kristotɔwo nade dzi ƒo na wo nɔewo. (Romatɔwo 1:11, 12) Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo ate ŋu atsɔ nya tuameɖowo ade dzi ƒo na ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo eye woazɔ kple wo le subɔsubɔdɔa me ɣeaɖewoɣi.
Yehowa ƒe Dzidzɔ—Míaƒe Mɔ̃ Sesẽ
Kristotɔ siwo zã woƒe agbenɔƒe akpa gãtɔ le mɔɖeɖedɔa alo dutanyanyuigbɔgblɔ me, le Betel-dɔ, alo hamewo sasrã kpɔ le mɔzɔzɔdɔa me la kpɔe be ɣeyiɣi kpui aɖe koe kuxi akpa gãtɔ nɔa anyi, gake ɖewo nɔa anyi didina. Mele be kuxi ʋee siwo gbe vɔvɔ la gɔ̃ hã nagblẽ míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ me o. Ramon, si subɔ le duta wu ƒe 45 sɔŋ, ɖo aɖaŋu be ɣesiaɣi si kuxiwo na míelé blanui la, “míabu yayra gbogbo si le mía dzi kple ame bubu akpe geɖe siwo ƒe fukpekpewo lolo wu ŋu.” Nyateƒee, mía haxɔsetɔwo kpea fu le xexeame katã, eye Yehowa tsɔa ɖe le eme na mí katã vavã.—Petro I, 5:6-9.
Eyata ne míaƒe nɔnɔmewo ɖe mɔ na mí be míawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa eye míayi edzi la, mina míaɖo ŋu ɖe mía Fofo si le dziƒo ŋu bene míanɔ dzidzɔkpɔkpɔ dzi. Eyae doa ŋusẽ esubɔlawo, eye ele be mí katã míaɖo ŋku edzi be ‘Yehowa ƒe dzidzɔe nye míaƒe mɔ̃ sesẽ.’—Nexemya 8:10.
[Nɔnɔmetata si le axa 21]
“Nye seselelãmewo kple nusi dzɔ dzi nam wu mele vevie de dɔa nu o”
[Nɔnɔmetata si le axa 22]
“Míegblɔa alesi míese le mía ɖokui me na Yehowa eye míegblẽnɛ ɖe esi me be wòakpɔ egbɔ”
[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]
“Wɔ wò ŋutete bliboe le nɔnɔme ɖesiaɖe me. Ðewohĩ mɔnukpɔkpɔ ɖeka pɛ koe asu asiwò be nàkafu Yehowa le ŋkeke ɖesiaɖe me”
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
“Ne medo dzi le fukpekpewo me la, ke nye hã manɔ eme míaɖo kpe edzi na Satana be alakpatɔe wònye”
[Nɔnɔmetata siwo le axa 24]
“Nuwo sesẽna na mɔɖela aɖewo. Wohiã dzideƒo geɖe tso hamemegãwo kple gbeƒãɖela bubuwo gbɔ”
[Nɔnɔmetata si le axa 24]
‘Ele be míabu yayra gbogbo si le mía dzi ŋu’