Wole Xexeame Gake Womenye Eƒe Akpa Aɖeke O
“Esi mienye xexeame ƒe akpa aɖeke o, . . . eyaŋuti xexeame le fu lém mi ɖo.”—YOHANES 15:19, NW.
1. Ƒomedodo kae le Kristotɔwo kple xexeame dome, ke hã aleke xexeame bua woe?
LE ZÃ mamlɛ si me Yesu nɔ anyi kple eƒe nusrɔ̃lawo la, egblɔ na wo be: “Mienye xexeame ƒe akpa aɖeke o.” Xexe ka me ƒe nya gblɔm wònɔ? Ðe megblɔ do ŋgɔ be: “Ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ” oa? (Yohanes 3:16) Edze kɔte be nusrɔ̃laawo nye xexe ma me tɔwo elabena woawoe nye ame gbãtɔ siwo ɖe Yesu dzixɔse fia hena agbe mavɔ kpɔkpɔ. Ke nukatae Yesu le gbɔgblɔm azɔ be yeƒe nusrɔ̃lawo menye xexeame ƒe akpa aɖeke o? Eye nukatae wògagblɔ be: “Esi mienye xexeame ƒe akpa aɖeke o, . . . eyaŋuti xexeame le fu lém mi ɖo”?—Yohanes 15:19, NW.
2, 3. (a) ‘Xexe’ ka me ƒe akpa aɖekee mele be Kristotɔwo nanye o? (b) Nukae Biblia gblɔ le ‘xexe’ si me ƒe akpa aɖeke Kristotɔwo menye o la ŋu?
2 Ŋuɖoɖoae nye be Biblia zãa nya “xexeame” (Helagbe, koʹsmos) le mɔ vovovo nu. Abe alesi míeɖe eme le nyati si do ŋgɔ mee ene la, ɣeaɖewoɣi la, Biblia yɔa “xexeame” na ameƒomea katã. Xexe sia mee Mawu lɔ̃ eye eya tae Yesu ku ɖo. Gake The Oxford History of Christianity gblɔ be: “ ‘Xexeame’ nye nya aɖe si Kristotɔwo zãna na nane si ɖe eɖokui ɖe aga tso Mawu gbɔ eye wòzu futɔ nɛ.” Nyateƒee wònyea? Katolikotɔ agbalẽŋlɔla Roland Minnerath ɖe nu me le eƒe agbalẽ si nye Les chrétiens et le monde (Kristotɔwo kple Xexeame) me be: “Ale wɔ ne wozãe le gɔmesese manyomanyo nu la, wobua xexeame be enye . . . dziɖuƒe si ŋusẽ siwo tsi tre ɖe Mawu ŋu wɔa woƒe dɔwo le, si to eƒe tsitretsitsi ɖe Kristo ƒe dziɖuɖu si ɖu aʋa dzi ŋu wɔ eɖokui futɔwo ƒe fiaɖuƒe si le Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi tee.” ‘Xexe’ siae nye amegbetɔƒomea ƒe habɔbɔ si wɔ eɖokui Mawu ƒe futɔe. Kristotɔ vavãtɔwo menye xexe sia ƒe akpa aɖeke o, eye xexeame léa fu wo.
3 Xexe siae nɔ susu me na Yohanes le ƒe alafa gbãtɔ ƒe nuwuwu lɔƒo esi wòŋlɔ be: “Migalɔ̃ xexeame kple nusiwo le eme o. Ne ame aɖe lɔ̃ xexeame la, Fofoa ƒe lɔlɔ̃ mele eme o. Elabena nusianu, si le xexeame: ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe ŋubiabiã kple agbe ƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo la, metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ xexeame wotso.” (Yohanes I, 2:15, 16) Egaŋlɔ be: “Míenyae bena, Mawu me míetso, eye xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.” (Yohanes I, 5:19) Yesu ŋutɔ yɔ Satana be “xexe sia me fia.”—Yohanes 12:31; 16:11.
Xexemeŋusẽwo ƒe Dzɔdzɔ
4. Aleke xexemeŋusẽwo wɔ va dzɔ?
4 Ameƒomea ƒe xexeme si li fifia si ɖe eɖokui ɖa le Mawu ŋu dze egɔme le Noa ƒe Tsiɖɔɖɔa ƒe ɣeyiɣi kpui aɖe megbe, esime Noa ƒe dzidzimeviwo dometɔ geɖe dzudzɔ tadedeagu na Yehowa Mawu. Ame aɖe si xɔ ŋkɔ le blemaɣeyiɣi ma mee nye Nimrod, dutsola aɖe si ganye ‘adela kalẽtɔ si tsi tre ɖe Yehowa ŋu.’ (Mose I, 10:8-12) Le ƒe mawo me la, xexe sia me ƒe akpa gã aɖe ƒoa wo ɖokui nu ƒu ɖe fiaɖuƒedu sue siwo blaa nu kple wo nɔewo nɔa aʋa hom ɖe wo nɔviwo ŋu enuenu me. (Mose I, 14:1-9) Fiaɖuƒedu aɖewo kpɔ ŋusẽ ɖe bubuwo dzi ale be wova zu nutomedziɖuɖuwo. Nutomedziɖuɖu aɖewo va keke ta va zu xexemeŋusẽ gãwo.
5, 6. (a) Xexemeŋusẽ adre kawo ŋue woƒo nu le le Biblia ƒe ŋutinya me? (b) Nukae wotsɔ wɔ xexemeŋusẽ siawo ƒe kpɔɖeŋui, eye afikae woxɔa woƒe ŋusẽ tsonɛ?
5 Xexemeŋusẽawo ƒe dziɖulawo srɔ̃ Nimrod ƒe kpɔɖeŋu eye womede ta agu na Yehowa o, eye míate ŋu akpɔ esia ƒe nyateƒenyenye le woƒe tagbɔsesẽnuwɔna dziŋɔwo me. Wotsɔ lã wɔadãwo wɔ xexemeŋusẽ siawo ƒe kpɔɖeŋui le Ŋɔŋlɔawo me, eye le ƒe alafawo me la, Biblia yɔ wo dometɔ ade siwo kpɔ ŋusẽ ɖe Yehowa ƒe amewo dzi vevie. Woawoe nye Egipte, Asiria, Babilon, Medo-Persia, Hela, kple Roma. Wogblɔ ɖi be xexemeŋusẽ adrelia aɖe ava ɖe Roma yome. (Daniel 7:3-7; 8:3-7, 20, 21; Nyaɖeɖefia 17:9, 10) Eyae va nye Anglo-Amerika Xexemeŋusẽ la, si nye Britaintɔwo ƒe Fiaɖuƒegã la kple exɔlɔ̃ United States, si kpɔ ŋusẽ wu Britain la. Britaintɔwo ƒe Fiaɖuƒegã la ƒe anyinɔnɔ dze egɔme esime Roma Fiaɖuƒegã la ƒe akpa mamlɛa va bu ɖa kura vɔ megbe.a
6 Wotsɔ lã wɔadã si ta adre li na si do tso ameƒomea si tɔ zi ƒe atsiaƒu me wɔ xexemeŋusẽ siwo kplɔ wo nɔewo ɖo ƒe kpɔɖeŋui le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me. (Yesaya 17:12, 13; 57:20, 21; Nyaɖeɖefia 13:1) Ameka gbɔe lã sia si le dzi ɖum la xɔa ŋusẽ tsonɛ? Biblia ɖo eŋu be: “Ʋɔ driba la tsɔ eƒe ŋutete kple eƒe fiazikpui kpakple eƒe ŋusẽ gã [na lã la.]” (Nyaɖeɖefia 13:2) Ʋɔ driba la menye ame bubu aɖeke wu Satana Abosam o.—Luka 4:5, 6; Nyaɖeɖefia 12:9.
Mawu Fiaɖuƒea ƒe Dziɖuɖu si Gbɔna
7. Nukae Kristotɔwo kpɔa mɔ na, eye aleke esia kpɔa ŋusẽ ɖe alesi wo kple xexeame dziɖuɖuwo le dzii?
7 Ƒe 2,000 sɔŋ kloe nye sia si Kristotɔwo doa gbe ɖa be: “Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!” (Mateo 6:10) Yehowa Ðasefowo nyae be Mawu ƒe Fiaɖuƒea koe ate ŋu ahe ŋutifafa vavãtɔ ava anyigba dzi. Esi woléa ŋku ɖe Biblia ƒe nyagblɔɖi ŋu nyuie ta la, woka ɖe edzi be esusɔ vie ko woaɖo gbedodoɖa sia ŋu eye be madidi o Fiaɖuƒea axɔ anyigba ƒe nyawo gbɔ akpɔ. (Daniel 2:44) Esi woku ɖe Fiaɖuƒea ŋu goŋgoŋ ta la, womedea nu xexemedziɖuɖuwo ƒe nyawo me o.
8. Aleke dziɖuɖuwo wɔa nu ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋui, abe alesi wogblɔe ɖi ɖe Psalmo 2 ene?
8 Dukɔ aɖewo gblɔna be mawusubɔsubɔ ƒe gɔmeɖosewo dzie yewozɔna ɖo. Ke hã la, woɖenɛ fiana le woƒe nuwɔna me be yewomelɔ̃ ɖe edzi be Yehowae nye Xexeame Katã Dziɖulagã eye be eɖo Yesu Fiae le dziƒo be wòakpɔ ŋusẽ ɖe anyigba dzi o. (Daniel 4:14; Nyaɖeɖefia 11:15) Psalmo aɖe gblɔ le nyagblɔɖi me be: “Anyigba dzi fiawo tso, eye amegãwo ƒo takpli ɖe adaŋu me ɖe Yehowa kple eƒe amesiamina [Yesu] ŋu [le gbɔgblɔm be:] Mina míatso woƒe kawo, eye míaɖe woƒe gawo aƒu gbe le mía ŋu!” (Psalmo 2:2, 3) Dziɖuɖuwo melɔ̃ be Mawu ƒe “kawo” alo “gawo” si axe mɔ ɖe yewoƒe dukɔdziɖuɖu ŋu nanɔ yewo ŋu o. Eyata Yehowa gblɔ na Yesu, Fia si wòtia be: “Biam, eye matsɔ dukɔwo awɔ wò domenyinu kple anyigba ƒe mlɔenuwo awɔ tɔwòe! Àtsɔ gatikplɔ ato wo nyanyanya, eye agbã wo abe zemela ƒe ze ene.” (Psalmo 2:8, 9) Gake ‘womato’ ameƒomea ƒe xexeme si ta Yesu ku ɖo la nyanyanya ‘o.’—Yohanes 3:17.
“Lã la” ƒe “Dzesi” Maxɔmaxɔ
9, 10. (a) Nuka ŋue woxlɔ̃ nu mí le le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me? (b) Nukae ‘lã la ƒe dzesi’ xɔxɔ fia? (d) Dzesi kawoe Mawu subɔlawo lɔ̃na xɔna?
9 Nyaɖeɖefia si woɖe fia apostolo Yohanes na míenya be ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na ameƒomea ƒe xexeme si ɖe eɖokui ɖe aga tso Mawu gbɔ ƒe nuwuwu la, ava nɔ nu geɖe biam amedzizizitɔe be “woade dzesi amewo katã, ɖeviwo kple ame tsitsiwo kple kesinɔtɔwo kple ame dahewo kple ablɔɖeviwo kple kluviwo ƒe nuɖusi alo woƒe ŋgonu, bena ame aɖeke magate ŋu aƒle nu alo adzra nu o, negbe amesi ŋu lã la ƒe . . . dzesi le la ko.” (Nyaɖeɖefia 13:16, 17) Nya sia gɔme ɖe? Dzesidede nuɖusi na ame nye nane ƒe akpadzinɔnɔ ƒe kpɔɖeŋunu si sɔ. Ke ŋgonudzesi hã ɖe? The Expositor’s Greek Testament gblɔ be: “Nyagbɔgblɔ sia si nye kpɔɖeŋu si sɔ nyuie la ku ɖe alesi wosia nu na asrafowo kple kluviwo dea ama eme alo wotsɔa ga xɔdzo dea dzesi woe . . . ŋu; alo esi asɔ wu la, be woakpla mawu aɖe ƒe ŋkɔ wòanye tsila anɔ ame ŋu.” Ame geɖe toa woƒe nuwɔna kple nyagbɔgblɔ dzi wɔa dzesi sia ɖe wo ɖokui ŋu tsɔ fiana be “lã” la ƒe “kluviwo” alo “asrafowo” yewonye. (Nyaɖeɖefia 13:3, 4) Ku ɖe woƒe etsɔme ŋu la, Theological Dictionary of the New Testament gblɔ be: “Mawu ƒe futɔwo ɖea mɔ wotua lã la ƒe [dzesia], xexlẽdzesi ɣaɣla si me eƒe ŋkɔ le, ɖe woƒe ŋgonu kple asi ɖeka. Esia na ŋgɔyiyi le ganyawo kple asitsanyawo me ƒe mɔnukpɔkpɔ gãwo wo, gake enaa Mawu ƒe dɔmedzoe vaa wo dzi eye woɖea wo le ƒe akpe ɖeka dziɖuɖua me, Nyaɖ. 13:16; 14:9; 20:4.”
10 Ebiaa dzideƒo kple dzidodo geɖe ŋutɔ be woanɔ te ɖe “dzesi” la xɔxɔ ƒe nyaƒoɖeamenu nu. (Nyaɖeɖefia 14:9-12) Gake ŋusẽ ma le Mawu subɔlawo ŋu, eye esia tae zi geɖe woléa fu wo hegblɔa nya vɔ̃ ɖe wo ŋu ɖo. (Yohanes 15:18-20; 17:14, 15) Ðe lã la ƒe dzesi xɔxɔ teƒe la, Yesaya gblɔ be le kpɔɖeŋumɔ nu woaŋlɔ ɖe woƒe asi ŋu be, ‘Yehowa Tɔe Míenye.’ (Yesaya 44:5) Gakpe ɖe eŋu la, esi ‘woɖea hũ hexaa nu’ le ŋunyɔnu siwo xɔsegbehawo wɔna ŋu ta la, woxɔa kpɔɖeŋudzesi aɖe ɖe ŋgonu si dea dzesi wo be wodze be woakpɔ wo ta ne Yehowa he eƒe toheʋɔnudɔdrɔ̃wo vɛ.—Xezekiel 9:1-7.
11. Amekae ɖe mɔ na amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo be woanɔ dzi ɖum vaseɖe esime Mawu Fiaɖuƒea naxɔ anyigba la dzi ɖuɖu?
11 Mawu ɖe mɔ na amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo be woaɖu dzi vaseɖe esime Kristo ƒe dziƒo Fiaɖuƒea naxɔ anyigba la dzi ɖuɖu bliboe. Nufialagã Oscar Cullmann ƒo nu tso Mawu ƒe mɔɖeɖe ɖe dunyahedukɔwo ƒe anyinɔnɔ ŋu le eƒe agbalẽ si nye The State in the New Testament me. Eŋlɔ be: “Alesi Dziɖuɖu la nye nusi anɔ anyi ‘ɣeyiɣi kpui aɖe ko’ si gɔmesese sesẽ ye nye nusita Kristotɔ gbãtɔwo ƒe nuwɔna ɖe Dziɖuɖua ŋu metoa mɔ ɖeka o, ke boŋ edzena abe nusi tsi tre ɖe eɖokui ŋu ene. Mele gbe tem ɖe edzi, be edzena abe nenema wòle ene. Asɔ be míayɔ Romatɔwo 13:1 ko, ‘Amesiame nebɔbɔ eɖokui na dziɖuɖuwo . . . ’ tsɔ kpe ɖe Nyaɖeɖefia 13 ŋu: be Dziɖuɖuae nye lã si do go tso aʋli me.”
“Lã” la Kple “Kaisaro”
12. Nukpɔsusu si da sɔ kae le Yehowa Ðasefowo si ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo ŋu?
12 Masɔ be míatsɔe be Satana ƒe dɔlae amesiame si le dziɖuɖu ƒe ŋusẽnɔƒe nye o. Edze le wo ŋu be wo dometɔ geɖe nye ame ɖɔʋuwo, abe nutomedziɖula Sergio Paulo si ŋu Biblia gblɔ le be enye “ŋutsu nyanu” ene. (Dɔwɔwɔwo 13:7) Dzitsinya si Mawu na ame la ʋã dziɖula aɖewo woʋli ameha suewo ƒe gomenɔamesiwo ta dzideƒotɔe ne womenya Yehowa kple eƒe tameɖoɖowo o gɔ̃ hã. (Romatɔwo 2:14, 15) Ðo ŋku edzi be Biblia zãa nya “xexeame” le mɔ eve siwo to vovo tso wo nɔewo gbɔ nu: ameƒomea ƒe xexeme si Mawu lɔ̃ si wòle be míawo hã míalɔ̃, kple amegbetɔƒome si ɖe eɖokui ɖa tso Yehowa gbɔ, amesiwo Satana nye mawu na, si gbɔ wòle be míaɖe mía ɖokui ɖe aga tsoe. (Yohanes 1:9, 10; 17:14; Korintotɔwo II, 4:4; Yakobo 4:4) Eyata Yehowa subɔlawo ƒe nuwɔna dana sɔna ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo ŋu. Esi míenye Mawu Fiaɖuƒea ƒe amedɔdɔwo alo eƒe dɔlawo eye míetsɔ míaƒe agbe ɖe adzɔgbe na Mawu ta míedea nu dunyahehe me o. (Korintotɔwo II, 5:20) Gake míeléa fɔ ɖe mía ɖokui bɔbɔ ɖe dziɖuɖumegãwo te ŋu.
13. (a) Aleke Yehowa bua amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwoe? (b) Afikae Kristotɔwo ƒe ɖokuibɔbɔ na amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo se ɖo?
13 Nuwɔna si da sɔ sia wɔ ɖeka kple Yehowa Mawu ŋutɔ ƒe nukpɔsusu. Ne xexemeŋusẽwo, alo dukɔ suesuewo gɔ̃ hã, zã woƒe ŋusẽ ɖe mɔ gbegblẽ nu tsɔ te woƒe dukɔmeviwo ɖe to, alo ti amesiwo dea ta agu na Mawu yome la, ke ɖikekemanɔmee nyagblɔɖi me ŋkɔ si woyɔ na wo be lã wɔadãwo la dze wo. (Daniel 7:19-21; Nyaɖeɖefia 11:7) Gake ne dukɔwo ƒe dziɖuɖuwo wɔ Mawu ƒe tameɖoɖo dzi eye wona wowɔ se dzi eye nuwo yi edzi le ɖoɖo nu le dzɔdzɔenyenye me la, ebua wo eƒe ‘dudɔtsɔlawoe.’ (Romatɔwo 13:6) Yehowa di tso eƒe amewo si be woabu amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo eye woabɔbɔ wo ɖokui na wo, gake menye nusi ŋu seɖoƒe mele o ye woƒe ɖokuibɔbɔa nye o. Ne amewo bia nusi Mawu ƒe se gbe tso Mawu subɔlawo si alo ne wode se ɖe nusiwo Mawu di tso esubɔlawo si be woawɔ nu la, esubɔlawo wɔa nu abe apostoloawo ene, esi nye be: “Ele be, woabu Mawu awu amewo.”—Dɔwɔwɔwo 5:29.
14. Aleke Yesu ɖe Kristotɔwo ƒe ɖokuibɔbɔ ɖe dziɖuɖuwo te mee? Paulo hã ɖe?
14 Yesu gblɔ be agba anɔ ye yomedzelawo dzi le dziɖuɖuwo kple Mawu siaa gbɔ esi wògblɔ be: “Mitsɔ nusi nye kaisaro tɔ la, na kaisaro, eye nusi enye Mawu tɔ la, na Mawu.” (Mateo 22:21) Gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòŋlɔ be: “Amesiame nabɔbɔ eɖokui na dziɖuɖu, siwo ŋusẽ li na. . . . Ke ne èwɔ nu vɔ̃ɖi la, ŋɔ nadzi wò, elabena melé yi la ɖe asi dzodzro o, elabena Mawu ƒe subɔla kple amesi tsɔa dziku biaa hlɔ̃ amesi le nu vɔ̃ɖi wɔm la wònye. Eyata ehiã be, miabɔbɔ mia ɖokui, menye dzikudodo ta ɖeɖeko o, hafi le dzitsinya ŋuti hã boŋ. Esia ŋuti miedzɔa nu ɖo hã.” (Romatɔwo 13:1, 4-6) Tso ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me ke va ɖo egbea la, Kristotɔwo bua nusiwo Dziɖuɖu biana la ŋu. Ehiãna be woalé ŋku ɖe eŋu akpɔe ɖa be ɖe nusiwo wobia la agblẽ yewoƒe tadedeagu me loo alo nuawo sɔ eye wòle be yewoatsɔ dzitsinya nyui awɔ woe.
Dukɔmevi Nyuiwo
15. Aleke Yehowa Ðasefowo xea nusi ƒe fe wonyi le Kaisaro ŋu la nɛ pɛpɛpɛe?
15 ‘Dunyahedziɖuɖuwo’ nye Mawu ƒe “dɔtsɔlawo” ne wowɔ woƒe dɔ si dzi Mawu da asi ɖo si ƒe ɖee nye be ‘woahe to na vɔ̃wɔlawo gake woakafu nyuiwɔlawo.’ (Petro I, 2:13, 14) Yehowa subɔlawo xea adzɔ siwo Kaisaro bia tso wo si si sɔ la nɛ pɛpɛpɛ, eye vaseɖe afisi woƒe dzitsinya si wotsɔ Biblia na hehee aɖe mɔ na wo asee la, ‘wobua dziɖuɖuwo kple ŋusẽwo, eye wosua te hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.’ (Tito 3:1) “Dɔ nyui wɔwɔ” ƒe akpa aɖee nye kpekpe ɖe amewo ŋu, abe ne afɔku dzɔ ene. Ame geɖe ɖi ɖase le Yehowa Ðasefowo ƒe dɔmenyonyo na wo havi amegbetɔwo le nɔnɔme siawo me ŋu.—Galatiatɔwo 6:10.
16. Dɔ nyui kawoe Yehowa Ðasefowo wɔna na dziɖuɖuwo kple wo havi amegbetɔwo?
16 Yehowa Ðasefowo lɔ̃ wo havi amegbetɔwo eye wobunɛ be nu nyuitɔ kekeake si yewoate ŋu awɔ na woe nye be yewoakpe ɖe wo ŋu be Mawu ƒe tameɖoɖo be yeahe “dziƒo yeye kple anyigba yeye” siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ vɛ la ƒe sidzedze vavãtɔ nasu wo si. (Petro II, 3:13) Woƒe Biblia ƒe gɔmeɖose kɔkɔwo fiafia kple agbenɔnɔ ɖe wo nu nye kpekpeɖeŋu gã aɖe na amegbetɔƒomea eye eɖea ame geɖe tso agbe vlo nɔnɔ me. Yehowa subɔlawo wɔa se dzi eye wodea bubu dziɖuɖu ƒe dudɔnunɔlawo, amegãwo, ʋɔnudrɔ̃lawo, kple dumegãwo ŋu, wobua ‘amesiwo dze bubu.’ (Romatɔwo 13:7) Enyea dzidzɔ na dzila siwo nye Ðasefowo be yewoakpe asi ɖe yewo viwo ƒe nufialawo ŋu eye wokpena ɖe wo viwo ŋu be woasrɔ̃ nu nyuie, bene woakpɔ dɔ awɔ le etsɔme eye womagazu agba ɖe dukɔa dzi o. (Tesalonikatɔwo I, 4:11, 12) Ðasefowo tsia tre ɖe ŋutigbalẽ kple kɔkɔƒenɔnɔ ƒe vovototodedeameme ŋu le woƒe hamewo me, eye wodea asixɔxɔ gã ƒomegbenɔnɔ ƒe kelili ŋu. (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35; Kolosetɔwo 3:18-21) Eyata wotoa woƒe nuwɔnawo dzi ɖenɛ fiana be aʋatsoe nutsotso siwo wotsɔna ɖe yewo ŋu be yewometsɔ ɖeke le eme na yewoƒe ƒomewo o alo be yewomekpena ɖe nuto si me yewole me tɔwo ŋu o la nye. Ewɔe be apostolo Petro ƒe nyawo va eme be: “Nenemae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu bena miatsɔ nu nyui wɔwɔ atsi abunetɔwo ƒe numanyamanya la nu.”—Petro I, 2:15.
17. Aleke Kristotɔwo ate ŋu ayi edzi ‘azɔ le nunya me ɖe egodotɔwo ŋui’?
17 Eyata togbɔ be Kristo yomedzela vavãwo ‘menye xexeame ƒe akpa aɖeke o’ hã la, wogale ameƒomea ƒe xexeame kokoko eye ele be woayi edzi ‘azɔ le nunya me ɖe egodotɔwo ŋu.’ (Yohanes 17:16; Kolosetɔwo 4:5) Zi alesi Yehowa aɖe mɔ dziɖuɖuwo nanye eƒe dɔtsɔla la, míade bubu si dze wo ŋu. (Romatɔwo 13:1-4) Togbɔ be míedea nu dunyahehe me o hã la, míedoa gbe ɖa ɖe “fiawo kple amesiwo katã ɖu amegãwo” ta, vevietɔ ne wobia tso amesiawo si be woawɔ nyametsotso siwo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe subɔsubɔblɔɖe dzi. Míayi nusia wɔwɔ dzi “bene míanɔ anyi kpoo le ŋutifafa me le mawuvɔvɔ̃ kple nusi dzea bubu katã la me” ale be ‘woaxɔ ame ɖesiaɖe ƒomevi ɖe agbe.’—Timoteo I, 2:1-4.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ agbalẽ si nye Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta la ƒe ta 35.
Review Questions
◻ ‘Xexe’ ka me ƒe akpa aɖee Kristotɔwo nye, gake ‘xexe’ ka me ƒe akpa aɖekee womate ŋu anye o?
◻ Nukae “lã” la ƒe “dzesi” xɔxɔ ɖe asi alo ŋgonu fia, eye dzesi kae le Yehowa subɔla vavãwo ŋu?
◻ Nukpɔsusu si da sɔ kae le Kristotɔ vavãtɔwo si ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo ŋu?
◻ Mɔ siwo nu Yehowa Ðasefowo kpea asi ɖe amegbetɔƒomea ƒe nyonyo ŋu ƒe ɖewoe nye kawo?
[Nɔnɔmetata siwo le axa 16]
Biblia yɔ amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo be Mawu ƒe subɔla kpakple lã wɔadã siaa
[Nɔnɔmetata si le axa 17]
Esi Yehowa Ðasefowo tsɔa ɖe le eme na amewo lɔlɔ̃tɔe ta la, wonye kpekpeɖeŋu na woƒe nutometɔwo