INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 11/1 axa 26-29
  • ‘Tsɔ Wò Kesinɔnuwo De Bubu Yehowa Ŋu’—Alekee?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Tsɔ Wò Kesinɔnuwo De Bubu Yehowa Ŋu’—Alekee?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “De Bubu Yehowa Ŋu”
  • “Wò Kesinɔnuwo” —Woawoe nye Nukawo?
  • Blema Kpɔɖeŋuwo
  • ‘Lɔlɔ̃nu Faa Nunanawo’ le Míaƒe Ŋkekea Me
  • Yehowa Yraa Amesiwo Dea Bubu Eŋu
  • Nukata Nàna Nu Yehowa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • “Afikae Ga la Tsona?”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • “Amesi Na Nu Kple Dzidzɔ La, Eyae Mawu Lɔ̃na”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Nunana Le Agbɔsɔsɔ Me Na Wokpɔa Dzidzɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 11/1 axa 26-29

‘Tsɔ Wò Kesinɔnuwo De Bubu Yehowa Ŋu’—Alekee?

“TSƆ wò kesinɔnuwo kple wò agblemenuwo katã ƒe gbãtɔwo [de] bubu Yehowa ŋu.” Nusi ana Yehowa nayra ame zi gbɔ zi geɖe la le nya siawo siwo me nunya le siwo tso gbɔgbɔ me woŋlɔ anɔ ƒe 2,600 enye sia la me, elabena eŋlɔla gaɖe eme be: “Ekema nu ayɔ wò ava taŋtaŋ, eye wein agbagba ɖe wò ahafiãƒe.”—Lododowo 3:9, 10.

Gake nukae wòfia be woade bubu Mawu ŋu? Nukawoe nye kesinɔnu siwo míatsɔ ade bubu Yehowa ŋui? Eye aleke míele nusia wɔ gee?

“De Bubu Yehowa Ŋu”

Hebrigbe me nya vevi si wozã le Ŋɔŋlɔawo me na bubudedee nye, ka·vohdhʹ, si gɔmee nye “kpekpeme,” le nya la ŋutɔŋutɔ nu. Eyata be woade bubu ame aɖe ŋu fia be woabui be kpekpeme le eŋu, enye bubume, alo ame vevi. Woɖe Hebrigbe me nya bubu, yeqarʹ, hã gɔme be “xɔasi” kple “nu xɔasiwo.” Nenema ke Helagbe me nya ti·meʹ, si gɔme woɖe be “bubu” le Biblia me la fia gãnyenye, viɖenu, asixɔxɔ. Eyata wodea bubu ame ŋu ne wosi amea ɖa hebui gãe.

Bubudede ame ŋu gale go bubu me. Bu Yudatɔ Mardoxai nuteƒewɔla la, amesi ʋu go nugbe si woɖo ɖe blema Persia Fia Axasweros ŋu la ƒe ŋutinya ŋu kpɔ. Emegbe esi fia la kpɔe be womewɔ naneke tsɔ de bubu Mardoxai ŋu le nu ma si wòwɔ ta o la, ebia eƒe dumegãwo ƒe tatɔ, Haman, be nukae nye nu nyuitɔ kekeake woawɔ na amesi ŋu fia la kpɔ ŋudzedze ɖo hã. Haman bu be yee dze na bubu ma, gake eda ƒu ale gbegbe! Ke hã Haman gblɔ be ele be woado “fiawu” na ame ma eye wòado “sɔ, si fia dona.” Eƒo eta be: “[Woana] wòado sɔ ato dua ƒe ablɔ me, eye [woanɔ] ɣli dom le eŋgɔ be: Ale woawɔ na ŋutsu, si ŋu fia di be, yeade bubui enye si!” (Ester 6:1-9) Le go sia me la, nusiwo wowɔ tsɔ de bubu ame ŋu ƒe ɖewoe nye be wodo amea ɖe dzi le gaglãgbe bene amesiame nado gãe.

Nenema ke bubudede Yehowa ŋu le go eve mee: ame ŋutɔ nasii ɖa vevie eye wòadoe ɖe dzi to gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔ si kafua eƒe ŋkɔ la me ahado alɔ dɔa.

“Wò Kesinɔnuwo” —Woawoe nye Nukawo?

Míaƒe agbe, míaƒe ɣeyiɣi, míaƒe dzɔdzɔmeŋutetewo, kple míaƒe ŋusẽ kpe ɖe míaƒe kesinɔnuwo ŋu vavã. Ke míaƒe ŋutilãmenunɔamesiwo ya ɖe? Bu nya siwo Yesu gblɔ esi wòkpɔ be ahosi dahe aɖe va dzɔ gaku sue eve siwo meɖi nu boo o ɖe gbedoxɔ me nudzɔɖaka me ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Ahosi dahe sia tsɔ geɖe de eme wu wo katã; elabena nenem [nudzɔla bubu] siawo katã ƒe nunana la nye woƒe nukpɔkpɔ vivivo la ƒe ɖe; ke eya la, tso eƒe ahedada la me wòtsɔ nusiwo katã le esi la, heda ɖe eme.” (Luka 21:1-4) Yesu kafu ahosi sia le esi wòtsɔ eƒe ŋutilãmenunɔamesiwo do alɔ Yehowa ƒe tadedeagui ta.

Ekema edze ƒã be, ŋutilãmenu ɖesiaɖe si anɔ mía si la hã le kesinɔnu siwo Salomo yɔ la dome. Eye nyagbɔgblɔ si nye “wò agblemenuwo katã ƒe gbãtɔwo” fia be míatsɔ míaƒe nu xɔasitɔwo kekeake ana Yehowa.

Gake aleke ŋutilãmenuwo nana Mawu ade bubu eŋui? Menye etɔe nuwo katã nye xoxo oa? (Psalmo 50:10; 95:3-5) Fia Dawid lɔ̃ ɖe edzi le gbe si wòdo ɖa tso dzime na Yehowa me be: “Nuwo katã tso gbɔwò.” Eye Dawid gblɔ le nu gbogbo aɖe si eya kple eƒe dukɔa wona be woatsɔ atu gbedoxɔ ŋu be: “Asiwò me míexɔ wo le hetsɔ na wò.” (Kronika I, 29:14) Eyata ne míena nu Yehowa la, nusiwo wòkɔ dzime hena mí koe míegatsɔ le enam. (Korintotɔwo I, 4:7) Gake abe alesi míekpɔe do ŋgɔ ene la, Yehowa dodo ɖe dzi le amewo ŋkume hã le bubudede eŋu me. Eye ŋutilãmenunana siwo ŋudɔ míewɔna tsɔ doa Mawu ƒe tadedeagu vavãtɔ ɖe ŋgɔ la dea bubu eŋu. Bubudede Yehowa ŋu to mɔ sia dzi ƒe kpɔɖeŋu nyuitɔwo le Biblia me.

Blema Kpɔɖeŋuwo

Anɔ ƒe 3,500 enye sia, esime ɣeyiɣia de be Yehowa natu avɔgbadɔ le gbeadzi be wòanye tadeaguƒe na Israel-viwo la, nu xɔasiwo va hiã le alesi Mawu bia be woawɔe nu. Yehowa gblɔ na Mose be ‘wòana amesiame si lɔ̃ tso dzime faa la, nadzɔ nu na Yehowa.’ (Mose II, 35:5) Nuŋlɔɖia gblɔ yi edzi be: “Amesiame, si wòdzɔ dzi na, eye wòlɔ̃ kple dzi faa la, va dzɔ nu na Yehowa, bena woatsɔ awɔ Mawu ƒe agbadɔ la kple eŋu dɔwo katã kpakple awu kɔkɔeawoe.” (Mose II, 35:21) Le nyateƒe me la, woƒe lɔlɔ̃nu faa nunana la va sɔ gbɔ wu alesi hiã na dɔa wɔwɔ ale gbegbe be ele be woana dukɔ la ‘nadzudzɔ nunanawo tsɔtsɔ vɛ’!—Mose II, 36:5, 6.

Bu kpɔɖeŋu bubu ŋu kpɔ. Esime wova dzudzɔ avɔgbadɔa zazã eye wonɔ dzadzraɖo wɔm be woatu gbedoxɔ la, Dawid ŋutɔ dzɔ nu gbogbo aɖewo hena gbedoxɔ si via Salomo ava tu la. Ekpe ame bubuwo hã be woadzɔ nu, eye dukɔ la tso ɖe eŋu dzɔ nu xɔasiwo na Yehowa. Klosalo kple sika ɖeɖe dzaa si wodzɔ la ƒe home ade dɔlar biliɔn 50 le egbe ƒe asi nu. “Eye dukɔ la kpɔ dzidzɔ le esi wolɔ̃ faa [na nu] ta.”—Kronika I, 29:3-9; Kronika II, 5:1.

‘Lɔlɔ̃nu Faa Nunanawo’ le Míaƒe Ŋkekea Me

Aleke míawo hã míawɔ akpɔ dzidzɔ le lɔlɔ̃nu faa nunanawo me egbeae? Dɔ vevitɔ kekeake si le edzi yim le xexeame le ɣeyiɣi sia mee nye Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa. (Mateo 24:14; 28:19, 20; Dɔwɔwɔwo 1:8) Eye Yehowa kpɔe be esɔ, ale be wòtsɔ Fiaɖuƒea ƒe nu siwo le anyigba dzi la de eƒe Ðasefowo si.—Yesaya 43:10.

Edze ƒã be dɔ si wɔm Yehowa Ðasefowo le egbea la bia ga. Ebia ga hafi woatu Fiaɖuƒe Akpatawo, Takpexɔwo, alɔdzedɔwɔƒewo, agbalẽtaƒewo, kple Betel-ƒewo ahalé be na wo. Bibliawo kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo tata ɖe gbegbɔgblɔ vovovo me kple wo mamã hã bia be woazã ga. Aleke wokpɔa ɖoɖowɔwɔ mawo ŋuti fewo gbɔe? To lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwo koŋ dzie!

Amesiwo si alɔme mele boo o—abe ahosi si ŋu Yesu lé ŋku ɖo ene—ye dzɔa nuawo ƒe akpa gãtɔ. Le esi womedi be bubudede Yehowa ŋu le go sia me nato yewo ŋu o ta la, wodzɔa ga sue “alesi [woate] ŋui,” eye ɣeaɖewoɣi la, ‘ewua alesi woate ŋui’ gɔ̃ hã.—Korintotɔwo II, 8:3, 4.

Apostolo Paulo gblɔ na Kristotɔ siwo nɔ Korinto be: “Amesiame abe alesi wòɖo ɖi le eƒe dzi me ene, menye kple veve alo dzizizi o; elabena amesi na nu kple dzidzɔ la, eyae Mawu lɔ̃na.” (Korintotɔwo II, 9:7) Nunana dzidzɔtɔe bia ɖoɖowɔwɔ. Paulo gblɔ na Korintotɔawo be: “Kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la mia dome amesiame natsɔ nane adzra ɖo ɖi vovo ɖe ye ŋutɔ gbɔ, eye wòaƒo enu ƒu le eƒe viɖekpɔkpɔ nu, bena menye ne meva la, hafi woadze nudzɔdzɔ gɔme o.” (Korintotɔwo I, 16:2) Nenema ke amesiwo di be yewoadzɔ nu atsɔ ado alɔ Fiaɖuƒedɔa egbea la ate ŋu aɖe woƒe fetu ƒe akpa aɖe ada ɖi faa ɖe nudzɔdzɔ ŋu le ɣaɣlaƒe.

Yehowa Yraa Amesiwo Dea Bubu Eŋu

Togbɔ be menye ŋutilãmenudzedzinamee na nu dzea edzi na ame le gbɔgbɔ me o hã la, woyraa mí geɖe ŋutɔ ne míewɔa míaƒe nu xɔasiwo—míaƒe ɣeyiɣi, míaƒe ŋusẽ, kple míaƒe ŋutilãmenunɔamesiwo—ŋudɔ tsɔ de bubu Yehowa ŋui. Nenemae wòle, elabena Mawu, amesi tɔ nusianu nye la, ka ɖe edzi na mí be: “Woaɖi ƒo na luʋɔ dɔmenyotɔ la taŋ, eye woana tsi amesi na tsi wono.”—Lododowo 11:25.

Le Fia Dawid ƒe ku megbe la, via Salomo zã lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔ siwo katã nu fofoa ƒo ƒu la tsɔ tu gbedoxɔ dzeani aɖee, abe alesi Yehowa fia mɔe ene. Eye zi alesi Salomo yi edzi wɔ nuteƒe le eƒe tadedeagu na Mawu me ko la, “Yuda kple Israel dome amesiame nɔ [anyi] bɔkɔɔ tso Dan vaseɖe Beer-Seba le Salomo ƒe agbe me ŋkekewo me.” (Fiawo I, 5:5) Avawo yɔ taŋ, weinfiãƒewo yɔ gba go—zi alesi Israel-viwo ‘tsɔ woƒe kesinɔnuwo de bubu Yehowa ŋui’ ko.

Emegbe Yehowa gblɔ to nyagblɔɖila Maleaxi dzi be: “Mitsɔ esia dom kpɔ abe nyemaʋu dziƒo nu, eye nyemadudu yayra aƒo ɖe mia dzi wòagbɔ eme o hã? Yehowa Zebaot ye gblɔe.” (Maleaxi 3:10) Gbɔgbɔmenudzedziname si teƒe kpɔm Yehowa subɔlawo le egbea nye kpeɖodzi be Mawu wɔ eƒe ŋugbedodoa dzi.

Edzea Yehowa ŋu ŋutɔ ne míewɔa mía tɔ sinua tsɔ doa Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖe ŋgɔe. (Hebritɔwo 13:15, 16) Eye edo ŋugbe be yeanyi mí ne ‘míeyi edzi di fiaɖuƒea kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã.’ (Mateo 6:33) Mina míatsɔ dzidzɔ gbago ‘atsɔ míaƒe kesinɔnuwo ade bubu Yehowa ŋui.’

[Aɖaka si le axa 28, 29]

Mɔ Siwo Dzi Ame Aɖewo Tona Dzɔa Nu Hena Xexeame Katã ƒe Dɔa

Ame geɖe ɖoa ga home aɖe ɖi koŋ si wodana ɖe nudzɔɖaka siwo dzi woŋlɔ ɖo be: “Nudzɔdzɔ Hena Habɔbɔa ƒe Xexeame Katã ƒe Dɔa—Mateo 24:14” me. Hameawo ɖoa ga siawo ɖe xexeame katã ƒe dɔwɔƒea ƒe ta le Brooklyn, New York, alo ɖe alɔdzedɔwɔƒe si le wo gbɔ la ɣleti sia ɣleti.

Woate ŋu aɖo lɔlɔ̃nu faa gadzɔdzɔwo ɖe Treasurer’s Office, Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania, 25 Columbia Heights, Brooklyn, New York 11201-2483, alo ɖe Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe si subɔa miaƒe dukɔa. Woate ŋu adzɔ sikanuwo alo kesinɔnu bubuwo hã. Ele be woaŋlɔ lɛta kpui aɖe si aɖe eme be wotsɔ nunana siawo ke keŋkeŋ akpe ɖe nudzɔdzɔ siawo ŋu.

Nudzɔdzɔ Siwo Woagate Ŋu Axɔ Ƒe Ðoɖo

Woate ŋu awɔ ɖoɖo tɔxɛ aɖe ale be woatsɔ ga ana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa, ale be ne ga la hiã amea la, woagatrɔe nɛ. Ne èdi numeɖeɖe bubuwo la, taflatse ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Treasurer’s Office, nàzã adrɛs si le etame.

Nunana Si Ŋu Wowɔ Ðoɖo Ðo

Tsɔ kpe ɖe ga siwo woatsɔ ake kple gadzɔdzɔ siwo woagate ŋu axɔ ŋu la, nunana ƒe mɔnu bubuwo li woatsɔ akpe ɖe xexeame godoo ƒe Fiaɖuƒe subɔsubɔdɔa ŋui. Esiawo dometɔ aɖewoe nye:

Nugblẽfewo Xexe: Woate ŋu ayɔ Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe ŋkɔ be eyae woaxe nugblẽfe ƒe ga na ne yeku alo be woaxe yeƒe dzudzɔxɔledɔmega nɛ. Ele be woana Habɔbɔa nanya nu le ɖoɖo siawo tɔgbe ɖesiaɖe ŋu.

Ga si Le Gadzraɖoƒe: Woate ŋu ana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa nanɔ ga si woda ɖe gadzraɖoƒe, ga la dada ɖi ƒe ɖaseɖigbalẽwo, alo ga si woaxe na ame ne wodzudzɔ dɔwɔwɔ la zãm gbɔ alo woana woaxe wo nɛ ne nunala la ku, le mia gbɔ gadzraɖoƒea ƒe ɖoɖowo nu. Ele be woana Habɔbɔa nanya nu le ɖoɖo siawo dometɔ ɖesiaɖe ŋu.

Ga si Wode Dɔ Aɖe Me Kple esi Wodo Na Dɔwɔƒe Aɖe ƒe Gomewo: Woate ŋu atsɔ ga si wode dɔ aɖe me kple esi wodo na dɔwɔƒe aɖe ƒe gome ana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa abe nusi wotsɔ kee keŋkeŋ ene alo woawɔ ɖoɖo be woanɔ fe xem na nunala la.

Aƒewo Kple Anyigbawo: Woate ŋu atsɔ aƒe alo anyigba siwo woate ŋu adzra la ana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa abe nusi ŋu woɖe asi le keŋkeŋ ene alo woagblẽ xɔawo dometɔ aɖe ɖi na nunala la be wòanɔ eme le eƒe agbe me. Ele be woana Habɔbɔa nanya hafi woawɔ agbalẽ ɖe aƒe alo anyigba siawo dzi na Habɔbɔa.

Domenyinu Kple Nunɔamesi Siwo Woanɔ Zazãm Gbɔ: Woate ŋu ato domenyinumãgbalẽ si wowɔ le setɔwo gbɔ dzi atsɔ nunɔamesi alo ga si anye domenyinu ana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa, alo woate ŋu ayɔ Habɔbɔa ŋkɔ be wòanɔ amesiwo anɔ nunɔamesi aɖewo ƒe viɖe zãm gbɔ la dome. Womexɔa adzɔ aɖewo ɖe nunɔamesi siwo wotsɔ na subɔsubɔha aɖe la ta o. Ele be woatsɔ domenyinumãgbalẽa alo nusi woanɔ zazãm gbɔ ƒe ɖaseɖigbalẽ ɖeka ana Habɔbɔa.

Abe alesi nyagbe “nunana si ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo” fia ene la, ehiã be nunala la nawɔ ɖoɖo le nunana siawo tɔgbe ŋu. Míeta agbalẽ gbadza si ƒe ŋkɔe nye Planned Giving to Benefit Kingdom Service Worldwide be wòakɔ nu me na amesiwo di be yewoakpe ɖe Habɔbɔa ŋu to nunana siwo ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo ƒomevi aɖewo dzi. Wota agbalẽ gbadza sia be woatsɔ aɖo biabia geɖe siwo wobiaa Habɔbɔa ku ɖe nunanawo, domenyinumãgbalẽwo, kple nunɔamesi siwo woanɔ zazãm gbɔ ŋu la ŋu. Nyatakaka nyui bubuwo gale eme ku ɖe aƒe alo anyigba, ga, kple adzɔxexe ŋuti ɖoɖowɔwɔ ŋu, eye ɖe wotae be wòakpe ɖe amesiwo le United States siwo di be yewoakpe asi ɖe xexeame godoo Fiaɖuƒedɔwo ŋuti la ŋu bene woatia mɔnu si aɖe vi wu eye wònyo ale be woabu woƒe ƒomea kple woa ŋutɔwo ƒe nɔnɔme ŋu le ewɔwɔ me. Esi ame geɖe xlẽ agbalẽ gbadza la eye wodzro nu me kple amesiwo le dɔ wɔm le Nunana si Ŋu Wowɔ Ðoɖo Ðo Dzikpɔƒea la, wote ŋu kpe ɖe Habɔbɔa ŋu eye le ɣeyiɣi ma ke me la, egaɖe vi geɖe le adzɔxexenyawo gome le esi wowɔe nenema ta. Agbalẽ gbadza la aka asiwò ne èŋlɔ agbalẽ alo èƒo ka bia.

Amesiwo di numekɔkɔ le nunana siawo siwo ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo ŋuti la naŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Planned Giving Desk, Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania, 100 Watchtower Drive, Patterson, New York 12563-9204, telefon (914) 878-7000, alo ɖo ɖe Habɔbɔa ƒe dɔwɔƒe si kpɔa dukɔ si me wole ƒe dɔa dzi.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe