INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 12/1 axa 15-20
  • ‘Miyi Edzi Miatsɔ Ake Mia Nɔewo Faa’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Miyi Edzi Miatsɔ Ake Mia Nɔewo Faa’
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nukata Míatsɔ Ake Ame Bubuwo?
  • “Mihe Adodo Kple Mia Nɔewo”
  • Ne Wode Abi Gã Mía Ŋu
  • Ne Edze Abe Màte Ŋu Atsɔe Ake O Ene
  • Mitsɔ Ke Mia Nɔewo Faa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Etsɔtsɔke Ahaŋlɔe Be—Aleke Wòanya Wɔe?
    Nyɔ!—1995
  • Nu Kae Nye Tsɔtsɔke?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Mitsɔ Ke Mia Nɔewo Tso Miaƒe Dzi Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 12/1 axa 15-20

‘Miyi Edzi Miatsɔ Ake Mia Nɔewo Faa’

“Mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ ke mia nɔewo.” —KOLOSETƆWO 3:13.

1. (a) Esime Petro doe ɖa be míatsɔe ake ame bubuwo “vaseɖe zi adre” la, nukata wòsusu be enye dɔmenyonyo na amewo? (b) Nukae Yesu fia esime wògblɔ be ele be míatsɔe ake “vaseɖe zi blaadre vɔ adre”?

“AƑETƆ, zi nenie nɔvinye awɔ nuvɔ̃ ɖe ŋutinye, eye matsɔe akee mahã? Halase zi adre loo?” (Mateo 18:21) Ðewohĩ Petro susu be dɔmenyo dze le yeƒe nyaawo me ŋutɔ. Ɣemaɣi la, rabiwo ƒe kɔnyinyi fia be mele be woatsɔe ake ame ɖe nuvɔ̃ ɖeka ma ta wòawu zi etɔ̃ o.a Eyata kpɔ alesi wòawɔ mo yaa na Petroe ɖa esi Yesu ɖo eŋu be: “Nyemegblɔ na wò bena, vaseɖe zi adre o, ke boŋ vaseɖe zi [blaadre vɔ adre, NW]”! (Mateo 18:22) Adre gbugbɔgayɔ sɔ kple gbɔgblɔ be “ɖaa.” Le Yesu ƒe susu nu la, seɖoƒe aɖeke koŋ mele zi alesinu wòle be Kristotɔ natsɔ ake ame bubuwo ŋu o.

2, 3. (a) Nɔnɔme siwo me wòasesẽ le be míatsɔe ake ame bubuwo la dometɔ aɖewo ɖe? (b) Nukata míate ŋu aka ɖe edzi be ade mía dzi ŋutɔ be míatsɔe ake ame bubuwo?

2 Gake menɔa bɔbɔe be woatsɔ aɖaŋuɖoɖo ma awɔ dɔe ɣesiaɣi o. Mía dometɔ kae mese le eɖokui me kpɔ be wowɔ nuvevi ye madzemadzee o? Ðewohĩ ame aɖe si dzi nèka ɖo ʋu go wò nya ɣaɣla. (Lododowo 11:13) Xɔlɔ̃ vevi ƒe nyagbɔgblɔ nuŋumabumabutɔe ‘ate ŋu atɔ wò abe yi ene.’ (Lododowo 12:18) Amesi nèlɔ̃ alo amesi ŋu nèɖoa ŋu ɖo ƒe ŋlɔmiwɔwɔ ate ŋu ade abi wò seselelãme ŋu vevie. Ne nusiawo tɔgbe dzɔ la, míado dziku godoo. Ðewohĩ míadi be míadzudzɔ nuƒoƒo na agɔdzelaa, eye míaƒo asa nɛ keŋkeŋ ne anya wɔ. Adze abe ne míetsɔ kee la, atsi tomahemahe le agɔ si wòdze le mía dzi me ene. Ke hã ne míelé dziku ɖe dɔme la, mía ŋutɔwo ŋue wòva gblẽa nu le mlɔeba.

3 Eyata Yesu fia nu mí be míatsɔe ake—“zi blaadre vɔ adre.” Eƒe nufiafiawo dzi wɔwɔ magblẽ nu le mía ŋu gbeɖe o. Nusianu si wòfia tso Yehowa, ‘Amesi le nu fiam mí be wòaɖe vi na mía ŋutɔwo’ la gbɔ. (Yesaya 48:17; Yohanes 7:16, 17) Eyata aɖe vi na mía ŋutɔwo ne míetsɔe ke ame bubuwo. Hafi míadzro nusita wòle be míatsɔe ake kple alesi míate ŋu awɔe nenema me la, anyo be gbã míakɔ nusi tsɔtsɔke fia kple nusi mefia o me. Alesi míebua tsɔtsɔkee ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe alesi míatsɔ ake amewoe ne wodze agɔ le mía dzi la dzi.

4. Nukae etsɔtsɔ ke ame bubuwo mefia o, gake aleke woɖe tsɔtsɔke gɔmee?

4 Etsɔtsɔ ake ame bubuwo ɖe agɔ si wodze le mía ŋutɔwo mía dzi mefia be míeda asi ɖe nusi wowɔ dzi alo míebu vodada la nu tsɛe o; eye mefia hã be míele mɔ nam ame bubuwo be woado lã mí o. Elabena ne Yehowa tsɔ ke mí la, menye ɖe wòle vo si míeda bum nu tsɛe o, eye maɖe mɔ be amegbetɔ nuvɔ̃mewo nawɔ eƒe nublanuikpɔkpɔ ŋudɔ ɖe mɔ gbegblẽ nu o. (Hebritɔwo 10:29) Le Insight on the Scriptures ƒe nya nu la, tsɔtsɔke fia “tomahemahe na agɔdzela; woagbe dzikudodo ɖe eŋu ɖe eƒe agɔdzedzea ta eye woaɖe asi le nusianu si wòle be woawɔ atsɔ aɖo eteƒe hafi la ŋu.” (Babla 1, axa 861)b Biblia na míenya susu nyui siwo ta wòle be míatsɔ ake ame bubuwo.

Nukata Míatsɔ Ake Ame Bubuwo?

5. Susu vevi kae woɖe fia le Efesotɔwo 5:1 si ta míatsɔ ake ame bubuwo?

5 Wogblɔ susu vevi aɖe si ta wòle be míatsɔ ake ame bubuwo la ɖe Efesotɔwo 5:1 be: “Azɔ la mizu mawusrɔ̃lawo abe lɔlɔ̃viwo ene.” Go ka mee wòle be ‘míazu mawusrɔ̃lawo le’? Nya si nye “azɔ la” tsia nya la ɖe kpukpui si do ŋgɔ nɛ nu, si gblɔ be: “Mikɔ dɔme ɖe mia nɔewo ŋu, eye miaƒe dɔme natrɔ ɖe mia nɔewo ŋu, eye mitsɔ ke mia nɔewo, abe alesi Mawu tsɔ ke mi le Kristo me la ene.” (Efesotɔwo 4:32, míawoe te gbe ɖe edzi.) Ẽ, le tsɔtsɔke gome la, ele be míazu mawusrɔ̃lawo. Abe alesi ŋutsuvi sue dzea agbagba be yeaɖi ye fofo ene la, ele be mí amesiwo nye vi siwo Yehowa lɔ̃ vevie la míadi be míanɔ abe mía Fofo si le dziƒo si lɔ̃a tsɔtsɔke la ene. Aleke gbegbe Yehowa ƒe dzi akpɔ dzidzɔe nye si be wòanɔ dziƒo abi kɔ akpɔ viawo le anyigba dzi woanɔ agbagba dzem be yewoanɔ abe eyama ene to etsɔtsɔ ke wo nɔewo me!—Luka 6:35, 36; tsɔe sɔ kple Mateo 5:44-48.

6. Mɔ ka nue Yehowa ƒe tsɔtsɔke to vovo na mía tɔ sasasã le?

6 Enye nyateƒe be míate ŋu atsɔ ake le gɔmesese bliboa nu abe alesi Yehowa wɔna ene ya o. Gake ema tae wògale vevie wu be míatsɔ ake mía nɔewo. Bu eŋu kpɔ: Vovototo gã aɖe le Yehowa ƒe tsɔtsɔke kple mía tɔ dome. (Yesaya 55:7-9) Ne míetsɔ ke amesiwo wɔ nuvɔ̃ ɖe mía ŋu la, zi geɖe míewɔnɛ kple susu be gbeɖeka ava hiã be woawo hã nave mía nu atsɔe ake mí. Le amegbetɔwo gome la, nuvɔ̃wɔla siwo tsɔ kea nuvɔ̃wɔlawo ƒe nya ko wònyena ɣesiaɣi. Gake le Yehowa gome la, eya ɖeka koe tsɔnɛ kena ɣesiaɣi. Etsɔnɛ kea mí, gake mava hiã be míawo hã míatsɔ akee gbeɖe o. Ne Yehowa, amesi mewɔa nuvɔ̃ o, ate ŋu atsɔe ake mí keŋkeŋ lɔlɔ̃tɔe alea la, ɖe mele be mí amegbetɔ nuvɔ̃wɔlawo míadze agbagba atsɔ ake mía nɔewo oa?—Mateo 6:12.

7. Ne susu aɖe li si ta wòle be míakpɔ nublanui na ame bubuwo gake míegbe la, ŋusẽ gbegblẽ kae wòakpɔ ɖe mía ŋutɔwo ƒe ƒomedodo kple Yehowa dzi?

7 Vevietɔ wu la, ne míegbe etsɔtsɔ ke ame bubuwo le esime wòsɔ be míakpɔ nublanui na wo hafi la, ate ŋu agblẽ mía ŋutɔwo ƒe ƒomedodo kple Mawu me. Menye ɖeko Yehowa gblɔ na mí be míatsɔ ake mía nɔewo ko o; ekpɔa mɔ be míawɔe nenema. Le Ŋɔŋlɔawo ƒe nya nu la, nusi aʋã mí míatsɔ ake amewoe nye be ana Yehowa hã natsɔe ake mí alo le esi wòtsɔ ke mí xoxo ta. (Mateo 6:14; Marko 11:25; Efesotɔwo 4:32; Yohanes I, 4:11) Eyata ne míelɔ̃na be míatsɔ ake ame bubuwo o esime susu nyui li si ta míawɔe nenema hafi la, ɖe míate ŋu akpɔ mɔ ŋutɔŋutɔ be Yehowa natsɔ mía tɔ ya ake mía?—Matthew 18:21-35.

8. Nukata etsɔtsɔ ke ame bubuwo va ɖea vi na mía ŋutɔwo?

8 Yehowa fiaa ‘mɔ nyui si dzi eƒe amewo ato la’ wo. (Fiawo I, 8:36) Esi wòfia mí be míatsɔ ake mía nɔewo la, míate ŋu aka ɖe edzi be míaƒe nyonyo dimee wòle. Susu nyui aɖe tae Biblia gblɔ na mí be ‘míaɖe mɔ na dziku.’ (Romatɔwo 12:19) Dziku nye agba si kpea ame le agbe me. Ne míelée ɖi la, exɔa míaƒe susu, xɔa míaƒe ŋutifafa, eye wògblẽa míaƒe dzidzɔ me. Dzikudodo ɣeyiɣi didi ate ŋu agblẽ nu le míaƒe lãmesẽ ŋu, abe ŋuʋaʋã ke ene. (Lododowo 14:30) Eye le esia katã me la, agɔdzela la anɔ yiyim eye manya naneke le fu si kpem míele ŋu o! Mía Wɔla lɔ̃amea nya be ele be míatsɔe ake ame bubuwo faa menye ɖe woƒe viɖe ɖeɖeko ta o ke le mía ŋutɔ mía tɔ hã ta. Nyateƒee, Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo be míatsɔ ake nye ‘mɔ nyui si dzi míato.’

“Mihe Adodo Kple Mia Nɔewo”

9, 10. (a) Nɔnɔme kawo tɔgbe mee mahiã kokoko be woaɖoe koŋ ayi ame gbɔ hafi atsɔe akee o? (b) Nukae nyagbɔgblɔ “mihe adodo kple mia nɔewo” fia?

9 Abi si míexɔna le ŋutilã me ate ŋu anye abi suewo alo abi gãwo, eye ɖesiaɖe kple alesi míekpɔa egbɔe. Nenema ke wòle le seselelãme si ŋu wode abii hã gome—abi aɖewo kpe wu bubuwo. Ðe wòhiã be míabu agɔ sue ɖesiaɖe si wodze le mía dzi le míaƒe ƒomedodo kple ame bubuwo me la nya gãea? Nuteɖeamedzi, nya kukluiwo, kple dɔmedzoe viviviwo nye agbenɔnɔ ƒe akpa aɖe eye mehiã be woaɖoe koŋ ayi ame gbɔ ɖe eta kokoko hafi atsɔe ake o. Ne wonya mí be míeƒoa asa na hadede kple ame bubuwo ɖe nya sue ɖesiaɖe ta eye míetea tɔ ɖe edzi be woaɖe kuku na mí hafi míagava wɔ nu ɖe wo ŋu nyuie la, ɖewohĩ ana amewo naɖɔ ŋu ɖo vevie le hadede kpli mí me—alo womagate ɖe mía ŋu fũ o!

10 Ðe ema teƒe la, enyo sã wu be ‘míana woabu mí ame fatuwoe.’ (Filipitɔwo 4:5) Esi míenye nuwɔwɔ madeblibo siwo le subɔsubɔm aduadu ta la, esɔ be míakpɔ mɔ be ɣeaɖewoɣi mía nɔviwo mawɔ nu ɖe mía ŋu nyuie o, eye ate ŋu adzɔ be míawo hã míawɔe ɖe wo ŋu. Kolosetɔwo 3:13 ɖo aɖaŋu na mí be: “Mihe adodo kple mia nɔewo.” Nyagbɔgblɔ ma fia be míagbɔ dzi ɖi na ame bubuwo, eye míalɔ̃ atsɔ nusiwo medzɔa dzi na mí le wo ŋu o alo woƒe nɔnɔme siwo kua dzi na mí faa. Dzigbɔgbɔɖi kple ɖokuidziɖuɖu alea ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe vodada suesue siwo wowɔna ɖe mía ŋu le míaƒe nuwɔwɔ kple ame bubuwo me la nu—ale be míagblẽ hamea ƒe ŋutifafa me o.—Korintotɔwo I, 16:14.

Ne Wode Abi Gã Mía Ŋu

11. Ne ame bubuwo wɔ nuvɔ̃ ɖe mía ŋu la, nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatsɔe ake wo?

11 Ke ne ame bubuwo wɔ nuvɔ̃ ɖe mía ŋu, hede abi mía ŋu wòdze gaglã ya ɖe? Ne nuvɔ̃ si wowɔ menye nu gã aɖeke o la, ɖewohĩ masesẽ be míawɔ ɖe aɖaŋu si Biblia ɖo be ‘míatsɔ ake mía nɔewo faa’ la dzi o. (Efesotɔwo 4:32) Tsɔtsɔke faa alea sɔ ɖe Petro ƒe nya siwo tso gbɔgbɔ me nu be: “Vevietɔ la mitsɔ lɔlɔ̃ lɔ̃ mia nɔewo vevie; elabena lɔlɔ̃ tsyɔa nuvɔ̃wo ƒe agbɔsɔsɔ dzi.” (Petro I, 4:8) Eléle ɖe susu me be nuvɔ̃wɔlawoe míawo hã míenye ana míaɖe mɔ ɖe ame bubuwo ƒe nuvɔ̃wo ŋu. Ne míetsɔe ke alea la, míeɖea asi le dzikua ŋu tsɔ wu be míalée ɖe dɔme. Esia awɔe be ƒomedodo si le mía kple agɔdzelaa dome la me magblẽ adidi o, eye míawɔ akpa aɖe hã le hamea ƒe ŋutifafa xɔasia ta kpɔkpɔ me. (Romatɔwo 14:19) Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, nusi wòwɔ la magava susu me na mí o.

12. (a) Afɔ kae wòahiã be míaɖe ale be míatsɔe ake amesi wɔ nu wòve mí vevie? (b) Aleke nya siwo le Efesotɔwo 4:26 ɖee fiae be ele be míakpɔ nyawo gbɔ kaba?

12 Ke ne ame aɖe wɔ nuvɔ̃ si lolo wu ɖe mía ŋu, hede abi mía ŋu vevie ya ɖe? Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ xɔwò aɖe si dzi nèka ɖo ʋu go wò nya ɣaɣla vevi aɖe si nègblɔ nɛ. Eve wò vevie, ena nètɔtɔ, eye nèkpɔe be ede ye asi. Èdze agbagba be yeaɖe nyaa le susu me do kpoe. Ne edzɔ alea la, ɖewohĩ ahiã be nàɖe afɔ gbã aƒo nu na agɔdzela la atsɔ akpɔ kuxia gbɔe. Nunya le eme be nàwɔ esia hafi nya la nava do gã ɖe edzi. Paulo xlɔ̃ nu mí be: “Mibi dzi, eye migawɔ nuvɔ̃ [si nye dzikuléle ɖi alo be woawɔ nu le dziku me] o; ɣe la nagaɖo to ɖe miaƒe dzibibi o.” (Efesotɔwo 4:26) Nusi gakɔ Paulo ƒe nyawo me ɖe edzie nye be le Yudatɔwo dome la, ɣeɖoto nyea ŋkeke ɖeka ƒe nuwuwu kple yeye ƒe gɔmedzedze. Eyata aɖaŋuɖoɖoa enye be: Mikpɔ nyaa gbɔ kaba!—Mateo 5:23, 24.

13. Ne míetsɔ nya yi amesi dze agɔ le mía dzi gbɔ la, nukae wòle be wòanye míaƒe taɖodzinu, eye aɖaŋuɖoɖo kawoe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔe nenema?

13 Aleke nàtsɔ nya la ayi agɔdzela la gbɔe? Petro I, 3:11 gblɔ be: ‘Di ŋutifafa, eye nàti eyome.’ Eyata wò taɖodzinue nye be nàwɔ ŋutifafa kple nɔviwò ke menye be nàɖe dziku ɖe eŋu o. Hafi nàte ŋu awɔe nenema la, anyo wu be màgagblɔ nya tɔamewo alo awɔ nu wòavee o; nusiawo ate ŋu ana amea hã nawɔ nu nenema ke. (Lododowo 15:18; 29:11) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ele be nàtsri nya siwo mele nenema tututu o gbɔgblɔ, siwo ƒe ɖewoe nye, “Èwɔa ale kple ale ɣesiaɣi!” alo, “Mèwɔa ale kple ale gbeɖe o!” Ðeko nya siawo siwo mele nenema tututu o la awɔe be wòava nɔ eɖokui ta ʋlim. Nusi nàwɔ boŋue nye be nàna wò gbeɖiɖi kple moɖoɖo naɖee afia be èdi be yeakpɔ nya si ve wò vevie la gbɔ. Gblɔ alesi tututu nèse le ɖokuiwò me le nusi dzɔ ŋu nɛ. Na mɔ ame kemɛa wòaɖe nusita wòwɔ nu nenema me. Ðo to nàse nya si wòagblɔ. (Yakobo 1:19) Vi kae ema aɖe? Lododowo 19:11 ɖe eme be: “Amesi gbɔa dzi blewu la, nunyalae, eye bubu wònye nɛ, nenye be, eɖe kɔ ɖa le dzidada ŋu.” Ne míese ame kemɛa ƒe seselelãmewo kple nusiwo ta wòwɔ nu nenema gɔme la, ate ŋu ana míaɖe susu kple seselelãme gbegblẽ si le mía me ɖe eŋu ɖa. Ne míetso ɖe nɔnɔmea ŋu kple susu be míawɔ ŋutifafa eye míena nɔnɔme ma nɔ mía si la, anɔ eme godoo be míakpɔ nugɔmemasemase ɖesiaɖe gbɔ, amesi tɔ medzɔ o aɖe kuku, eye míatsɔe ake mía nɔewo.

14. Ne míetsɔe ke ame bubuwo la, gɔmesese ka nue wòle be míaŋlɔe be le?

14 Ðe etsɔtsɔ ake ame bubuwo fia be míaŋlɔ nusi dzɔ la be ŋutɔŋutɔa? Ðo ŋku kpɔɖeŋu si Yehowa ŋutɔ ɖo le go sia me dzi, abe alesi míedzro eme le nyati si do ŋgɔ mee ene. Esi Biblia gblɔ be Yehowa ŋlɔa míaƒe nuvɔ̃wo be la, mefia be megate ŋu ɖoa ŋku wo dzi o. (Yesaya 43:25) Ke boŋ eŋlɔnɛ be le gɔmesese sia nu be ne etsɔe ke ko la, meganɔa te ɖe wo dzi wɔa nu ɖe mía ŋu le ɣeyiɣi bubu me o. (Xezekiel 33:14-16) Nenema ke etsɔtsɔ ke mía havi amegbetɔ mefia kokoko be míagate ŋu aɖo ŋku nusi wowɔ dzi o. Gake míate ŋu aŋlɔe be le gɔmesese sia nu be míaganɔ te ɖe edzi atsɔ nya ɖe agɔdzelaa ŋu alo agahe nyaa ɖe go ɣebubuɣi o. Ne míekpɔ nya la gbɔ alea vɔ la, masɔ be míagaƒo nu tso eŋu na amewo o; eye manye lɔlɔ̃ ɖeɖefia hã be míaƒo asa na agɔdzela la keŋkeŋ, ahawɔ nu ɖe eŋu abe ɖe woɖee le hamea me ene o. (Lododowo 17:9) Nyateƒee, ɖewohĩ ɣeyiɣi aɖe ava yi hafi ƒomedodo si le mía kplii dome nagaɖɔ ɖo; ɖewohĩ mía kplii dome maganɔ kplikplikpli abe tsã ene ya o. Gake míegalɔ̃e kokoko le esi wònye mía nɔvi Kristotɔ ta eye míadze agbagba be míana kadodo nyui nagava nɔ mía kplii dome.—Tsɔe sɔ kple Luka 17:3.

Ne Edze Abe Màte Ŋu Atsɔe Ake O Ene

15, 16. (a) Ðe wobia tso Kristotɔwo si be woatsɔe ake nuvɔ̃wɔla si gbe dzimetɔtrɔa? (b) Aleke míate ŋu awɔ aɖaŋu si Biblia ɖo le Psalmo 37:8 ŋudɔe?

15 Gake nukae míawɔ ne ame bubuwo wɔ nuvɔ̃ ɖe mía ŋu wòve mí wu ɖesiaɖe, eye agɔdzela la melɔ̃ ɖe edzi be yewɔ vɔ̃ ɖe mía ŋu o, metrɔ dzime o, eye meɖe kuku hã o? (Lododowo 28:13) Ŋɔŋlɔawo ɖee fia eme kɔ ƒã be Yehowa metsɔ kea nuvɔ̃wɔla totitritɔ siwo gbea dzimetɔtrɔ o. (Hebritɔwo 6:4-6; 10:26, 27) Ke míawo ya ɖe? Insight on the Scriptures gblɔ be: “Womebia tso Kristotɔwo si be woatsɔe ake amesiwo ɖonɛ koŋ sẽa tame wɔa nuvɔ̃ eye wogbea dzimetɔtrɔ la o. Amesiawo va zua Mawu ƒe futɔwo.” (Babla 1, axa 862) Mele be Kristotɔ aɖeke nabui be dzizizi wònye be yeatsɔe ake alo aɖe asi le nyaa ŋu ne nuvɔ̃wɔla matrɔdzime wɔ nu madzɔmadzɔ alo ŋunyɔnu wògbɔ eme, alo sẽ tame ɖe eŋu vevie o.—Psalmo 139:21, 22.

16 Gɔmesese le eŋu be ate ɖe amesiwo ŋu wowɔ ŋlɔmi le ŋutasesẽtɔe dzi eye woado dziku. Gake ɖo ŋku edzi be dziku kple nyaléleɖedɔme ate ŋu agblẽ nu le mía ŋu vevie. Ne míelala be amea nalɔ̃ ɖe eƒe nuvɔ̃ dzi alo wòaɖe kuku na mí gake wògbe ewɔwɔ la, ɖeko wòagana dzi nagaku mí ɖe edzi wu. Ne nu madzɔmadzɔ si wowɔ ɖe mía ŋu xɔ míaƒe susu katã la, ate ŋu ana dziku nanɔ mía me, eye wòagblẽ nu le míaƒe lãmesẽ ŋu le gbɔgbɔ me, seselelãme, kple le ŋutilã me gome. Efia be míeɖe mɔ be amesi wɔ nuvevi mí la nayi edzi anɔ nuvevi wɔm mí. Biblia ɖo aɖaŋu nunyatɔe be: “Wò dɔmedzoe nu nefa, eye nadzudzɔ dzikudodo.” (Psalmo 37:8) Eyata Kristotɔ aɖewo kpɔe be le ɣeyiɣi aɖe megbe la, yewote ŋu tso nya me be yewoatsɔe ake le gɔmesese sia nu be yewomagalé dziku ɖe dɔme o—mefia be woɖe nusi dzɔ ƒe ŋkubiãnyanyenye dzi kpɔtɔ o, ke boŋ be wòana dziku nagakpɔ ŋusẽ ɖe yewo dzi o. Esi wotsɔ nya bliboa de dzɔdzɔenyenye ƒe Mawu la si me ta la, wokpɔ gbɔdzɔe eye wote ŋu yi woƒe agbenɔnɔ dzi alesi dze.—Psalmo 37:28.

17. Kakaɖedzi fakɔname kae le ŋugbe si Yehowa do si woŋlɔ ɖe Nyaɖeɖefia 21:4 me na mí?

17 Ne vɔ̃ si wowɔ ɖe mía ŋu ve mí vevie la, ɖewohĩ míate ŋu aɖee ɖa le susu me keŋkeŋ o, zi alesi nuɖoanyi sia kpɔtɔ li. Gake Yehowa do xexe yeye si me “[wòatutu] aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi” la ƒe ŋugbe. (Nyaɖeɖefia 21:4) Nuka ke dzie míaɖo ŋkui ɣemaɣi o, magblẽ nu le mía ŋu, alo ana míase veve si ɖewohĩ míele sesem le míaƒe dzime fifia la o.—Yesaya 65:17, 18.

18. (a) Nukata wòhiã be míatsɔe ake mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo le nuwɔwɔ kpli wo me? (b) Ne ame bubuwo wɔ nuvɔ̃ ɖe mía ŋu la, gɔmesese ka nue wòle be míatsɔe ake wo ahaŋlɔe be le? (d) Vi kae esia ɖena na mí?

18 Hafi ɣemaɣi naɖo la, ele be mí nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu madeblibo siwo nye nuvɔ̃mewo la míanɔ anyi ɖekae ahawɔ dɔ ɖekae. Mí katã míedaa vo. Ɣeaɖewoɣi la, míedaa vo ɖe mía nɔewo ŋu eye míewɔa nu wòvea mía nɔewo gɔ̃ hã. Yesu nyae nyuie be ahiã be míatsɔ ake ame bubuwo, ‘menye vaseɖe zi adre o, ke boŋ vaseɖe zi blaadre vɔ adre’! (Mateo 18:22) Nyateƒee, míate ŋu atsɔe ake keŋkeŋ wòade alesi Yehowa wɔnɛ nu ya o. Ke hã zi geɖe ne mía nɔviwo wɔ nuvɔ̃ ɖe mía ŋu la, míate ŋu atsɔe ake wo le gɔmesesea nu be míaɖu dzikua dzi eye míate ŋu aŋlɔe be le gɔmesesea nu be míagatsɔ nya sia ɖe wo ŋu le etsɔme gbeɖe o. Ne míetsɔe ke heŋlɔe be alea la, menye ɖeko míewɔa akpa aɖe le hamea ƒe ŋutifafa ta kpɔkpɔ me o ke mía ŋutɔwo hã míekpɔa ŋutifafa le susu kple dzi me. Ƒo ye katã ta la, ŋutifafa si mía Mawu, Yehowa, ko nana la asu mía si.—Filipitɔwo 4:7.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Le Babilontɔwo ƒe Talmud ƒe nya nu la, rabiwo ƒe kɔnyinyi aɖe gblɔ be: “Ne ame aɖe wɔ nuvɔ̃ zi ɖeka, zi eve kple zi etɔ̃lia la, woatsɔe akee, ke womatsɔ enelia ya akee o.” (Yoma 86b) Mawunyakpukpui siwo ƒe ɖewoe nye Amos 1:3; 2:6; kple Hiob 33:29 gɔmesese bubui la le nusiwo dzi wotu nya siawo ɖo dome.

b Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye tae.

Numetoto ƒe Biabiawo

◻ Nukata wòle be míalɔ̃ faa atsɔ ake ame bubuwo?

◻ Nɔnɔme kawo tɔgbe mee wòhiã le be ‘míahe adodo kple mía nɔewo’?

◻ Ne ame bubuwo ƒe nuvɔ̃wo de abi mía ŋu vevie la, nukae míate ŋu awɔ atsɔ akpɔ nya la gbɔ le ŋutifafa me?

◻ Ne míetsɔe ke ame bubuwo la, gɔmesese ka nue wòle be míaŋlɔe be le?

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Ne míelé dziku ɖe dɔme la, ɖewohĩ agɔdzela ya manya be nu te ɖe mía dzi o

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Ne ètsɔ nya yi ame bubuwo gbɔ be miawɔ ŋutifafa la, miate ŋu aɖe nugɔmemasemasewo ɖa bɔbɔe

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe