INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 12/15 axa 28-29
  • Yehowa Ðua Fia le Dɔmetɔtrɔ Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yehowa Ðua Fia le Dɔmetɔtrɔ Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yehowa ƒe Dɔmetɔtrɔ Sɔsrɔ̃
  • Dɔmetɔtrɔ le Tagbɔsesẽ ƒe Xexeme
  • “Miaƒe Dɔme Natrɔ Ðe Ame Ŋu”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Srɔ̃ Yehowa Ƒe Veveseɖeamenu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
  • “Mía Mawu Ƒe Dɔmetɔtrɔ Gã La”
    Te Ðe Yehowa Ŋu
  • Miaƒe “Dɔme Natrɔ Ðe Ame Ŋu”
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 12/15 axa 28-29

Yehowa Ðua Fia le Dɔmetɔtrɔ Me

TSO gbaɖegbe ke la, amegbetɔ dziɖula geɖe ɖu fia eye wotsɔ dzimesesẽ ŋe aɖaba ƒu wo teviwo ƒe fukpekpewo dzi. Gake Yehowa ɖe vovototoa fia esime wòtia dukɔ aɖe—Israel—eye wòɖu edzi le dɔmetɔtrɔ me.

Esime Israel-viwo gakpɔtɔ nye kluviwo le blema Egipte la, Yehowa se woƒe avifafa hena kpekpeɖeŋu. ‘Esime woɖo xaxa me katã la, ete ɖe edzi. Egaxɔ wo ƒle le eƒe lɔlɔ̃ kple dɔmetɔtrɔ me.’ (Yesaya 63:9) Yehowa xɔ na Israel, ena nuɖuɖu wo to nukumɔ nu, eye wòkplɔ wo yi woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi.

Dɔmetɔtrɔ ƒe nɔnɔme si le Yehowa si la gadze le se siwo wòna dukɔ sia me. Ede se na Israel-viawo be woƒe dɔme natrɔ ɖe tsyɔ̃eviwo, ahosiwo, kple amedzrowo ŋu. Mele be woatafa nuwɔametɔwo o.

Se la bia be woƒe dɔme natrɔ ɖe amesiwo hiã tu la ŋu. Ame dahewo ate ŋu afɔ nukuwo le nuŋeŋe megbe. Wotea fli ɖe fenyinyi me le Sabat-ƒe (adrelia) me. Ele be woatrɔ domenyinyigba siwo katã wodzra la ana le Aseyetsoƒe (50 lia) me. Ancient Israel—Its Life and Institutions ka nya ta be: “Hadomevovototowo menɔ Israel gbeɖe abe alesi wòle le egbe gɔmesesea nu ene o.” “Le ɣeyiɣi gbãtɔ siwo me wova ɖo me, ne mede ɖeke o hã la, Israel-viwo katã nɔ agbe wòsɔ.”—Mose III, 25:10; Mose V, 15:12-14; 24:17-22; 27:18.

Yehowa ƒe Dɔmetɔtrɔ Sɔsrɔ̃

Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ ʋãa esubɔlawo. Le kpɔɖeŋu me, tso gbaɖegbe ke la, fia yeye aɖewo wua fiaƒome si nɔ anyi va yi la me tɔ siwo gale agbe. Gake Yehowa subɔla Dawid mewɔ nusia o. Le Fia Saul ƒe ku megbe la, Dawid kpɔ Mefiboset si nye Saul tɔgbuiyɔvi si nye domenyila si ganɔ agbe la ta. “Fia la ve Mefiboset, Saul vi Yonatan ƒe viŋutsu la nu.”—Samuel II, 21:7.

Amegbetɔ aɖeke mesrɔ̃ Yehowa ƒe dɔmetɔtrɔ wòde alesi Yesu wɔe nu o. Mawumedɔmetɔtrɔe ʋãe wòwɔ eƒe nukunuwo dometɔ geɖe. Anyidzela aɖe ɖe kuku nɛ ɣeaɖeɣi be: “Ne èlɔ̃ ko, àte ŋu aklɔ ŋutinye.” Yesu ƒe dɔme trɔ ɖe eŋu eye wòka asi eŋu gblɔ be: “Melɔ̃, ŋutiwò nakɔ!” (Marko 1:40-42) Ameha gã aɖe dze Yesu yome ɣebubuɣi. Le hoowɔwɔa me la, Yesu lé to ɖe ŋkuagbãtɔ eve aɖewo ƒe ɣlidodo ŋu, be: “Aƒetɔ, Dawid vi la, kpɔ mía nublanui! . . . Yesu ƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋu, eye wòde asi woƒe ŋkuwo ŋu, eye enumake wokpɔ nu.”—Mateo 20:29-34.

Yesu ƒe seselelãme ɖe amewo ŋu nu metsi le ameha gãwo dome o. Ɣeaɖeɣi esi ɣeyiɣi aɖewo va yi eye ameawo meɖu naneke o la, egblɔ be: “Nye dɔme trɔ ɖe ameha la ŋuti.” Eyata ena nu wo nukutɔe woɖu. (Marko 8:1-8) Esi Yesu nɔ tsatsam la, menye nu koe wòfia amehawo o ke elé ŋku ɖe woƒe nuhiahiãwo hã ŋu. (Mateo 9:35, 36) Le tsaɖiɖi ma tɔgbe aɖe megbe la, vovoɣi aɖeke menɔ anyi na Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo bene woɖu nu gɔ̃ hã o. Biblia ƒe nuŋlɔɖia gblɔ be: “Eye woɖo ʋu dzo heyi ɖe gbedzi, woawo ɖeɖe. Eye ame geɖewo kpɔ wo woyina, eye wodze si wo, eye wosi du tso duawo katã me ƒo ƒu heto afɔ yi afima, eye wotre vava na woawo. Eye esi Yesu do go la, ekpɔ ameha gã aɖe, eye eƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋuti, elabena wole abe alẽ siwo nu kplɔla mele o ene, eye wòde asi nu geɖe fiafia me wo.”—Marko 6:31-34.

Menye ameawo ƒe lãmegbegblẽ kple ahedada koe ʋã Yesu o ke woƒe gbɔgbɔmenɔnɔme hãe. Woƒe kplɔlawo nɔ wo bam, eyatae Yesu “[ƒe] dɔme trɔ ɖe wo ŋuti.” Helagbe me nya si wozã na “eƒe dɔme trɔ” la gɔmee nye be “woase nublanuiwɔwɔa le dɔme.” Amesi ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋue Yesu nye vavã!

Dɔmetɔtrɔ le Tagbɔsesẽ ƒe Xexeme

Fifia Yesu Kristoe nye Yehowa ƒe Dziƒofiaɖuƒea ƒe Fia. Egbea Mawu gale eƒe amewo dzi ɖum le dɔmetɔtrɔ me abe alesi wòwɔe le blema Israel ene. “Woawoe azu tɔnye le ŋkeke, si wɔ ge mala la dzi, Yehowa Zebaot ye gblɔe, eye [nye dɔme atrɔ ɖe wo ŋu, NW].”—Maleaxi 3:17.

Ele be amesiwo di be Yehowa ƒe dɔme natrɔ ɖe yewo ŋu la nasrɔ̃ eƒe nɔnɔmewo. Nyateƒee, míele xexe si amewo dina le be yewoakpɔ yewo ŋutɔ yewoƒe agbe ta tsɔ wu be woakpe ɖe amesiwo hiã tu ŋu la me. Zi geɖe la, tatɔwo dia viɖe ale be wometsɔa ɖeke le dɔwɔlawo kple nuƒlelawo ƒe dedienɔnɔ me o. Le Timoteo II, 3:1-4 la, Biblia ƒo nu wòsɔ tututu tso alesi agbenɔnɔ anɔ le míaƒe ɣeyiɣia me si na amewo ƒe dɔme megatrɔna ɖe ame ŋu o ŋu.

Gake mɔnukpɔkpɔwo ate ŋu asu mía si be míaɖe dɔmetɔtrɔ afia. Ðe míate ŋu ana kpekpeɖeŋu si hiã míaƒe nutometɔwo la woa? Ðe ame aɖe dze dɔ si míate ŋu ava srã kpɔa? Ðe míate ŋu afa akɔ na amesiwo lé blanui abe alesi woɖo aɖaŋua ene be: “Mifa akɔ na dzikatsoƒoetɔwo, mixɔ na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo, migbɔ dzi ɖi na amewo katã”?—Tesalonikatɔwo I, 5:14.

Dɔmetɔtrɔ akpe ɖe mía ŋu hã be míatsri nuwɔwɔ le dziku me ne amewo da vo. Wogblɔ na mí be: “Mina woaɖe veve heliheli kple dɔmedzoe kple dziku kple ɣlidodo kple busubɔbɔ katã kpakple nu tovo wɔwɔ katã hã ɖa le mia dome. Ke mikɔ dɔme ɖe mia nɔewo ŋu, eye miaƒe dɔme natrɔ ɖe mia nɔewo ŋu, eye mitsɔ ke mia nɔewo, abe alesi Mawu tsɔ ke mi le Kristo me la ene.”—Efesotɔwo 4:31, 32.

Dɔmetɔtrɔ akpe ɖe mía ŋu be míaƒo asa na ŋusẽ zazã madzemadzee. Biblia gblɔ be: “Mido dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ, dɔmekɔkɔ, ɖokuibɔbɔɖeanyi, dɔmefafa, dzigbɔgbɔ blewu.” (Kolosetɔwo 3:12) Ðokuibɔbɔɖeanyi akpe ɖe mía ŋu be míatsɔe be míawoe nye amesiwo le míaƒe dzikpɔkpɔ te la ene. Dɔmetɔtrɔ bia be woanye ame fatu kple nugɔmesela tsɔ wu be woanye amesi nu medzea eŋu o. Dɔnyuiwɔwɔ menye nusita woazi ame dzi abe ke mɔ̃ ƒe akpa aɖe koe wònye ene o. Azɔ le ƒomea me la, srɔ̃ŋutsuwo naɖo ŋku edzi be yewo srɔ̃wo nye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo. (Petro I, 3:7) Ŋugbledede le kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi le dɔmetɔtrɔ gome ŋu akpe ɖe mía ŋu be míawɔ nusiawo katã.

Esi Yesu se veve vevie ɖe amewo nu le eƒe anyigbadzidɔwɔɣi ta la, míate ŋu aka ɖe edzi be enye Dziɖula si ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu fifia, eye akpɔtɔ anɔ nenema ɖaa. Psalmo 72 lia gblɔ ɖi le eŋu be: “Atso afia na dukɔ la ƒe hiãtɔwo, axɔ na ame daheviwo, eye wòato ŋutasẽla nyanyanya. Aɖu fia tso atsiaƒu nu yi atsiaƒu nu, tso tɔsisi la nu ɖaseɖe anyigba ƒe mlɔenuwo ke. Ave hiãtɔwo kple ame dahewo nu, eye wòaɖe ame dahewo ƒe luʋɔ.”—Psalmo 72:4, 8, 13.

Mawu ƒe Nya gblɔe ɖi be: “Adrɔ̃ ʋɔnu na ame dahewo le dzɔdzɔenyenye me, eye wòatso afia na anyigba dzi hiãtɔwo ɖe eteƒe; . . . awu ame vɔ̃ɖi [la].” Esi nyagblɔɖia ƒo nu tso alesi tagbɔsesẽtɔ aɖewo siwo ɖi gbemelãwo atrɔ woƒe nɔnɔmee vɔ la, egagblɔ be: “Womawɔ vɔ̃ aɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava nye tonyigba kɔkɔe blibo la dzi o; elabena sidzedze Yehowa xɔ anyigba la dzi, abe alesi tsi yɔ atsiaƒu me ene.” (Yesaya 11:4-9) Amesiwo anɔ anyigba bliboa dzi eye woadze si Yehowa ahasrɔ̃ eƒe dɔmetɔtrɔ ƒe nɔnɔmewo ƒe ŋugbe dom nyagblɔɖia le koŋ!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe