Wowɔ Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu
Eliya Do Mawu Vavã la Ðe Dzi
EYAE nye ŋutsu si dim wonɔ vevie wu le lsrael. Ðewohĩ fia la awui kokoko ne ekpɔe. Ŋutsu ka dim wonɔ? Yehowa ƒe nyagblɔɖila Eliya ye.
Fia Axab kple srɔ̃a trɔ̃subɔla, lzebel, do Baal subɔsubɔ ɖe dzi le lsrael. Nusia wɔe be Yehowa na ku ɖi le anyigba la dzi, eye wòɖo eƒe ƒe enelia me azɔ. lzebel si do dziku vevie la wɔ ɖoɖo be woawu Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo katã, gake Eliya koŋ dim Axab nɔ. Eliyae nye amesi gblɔ na Axab ƒe etɔ̃ kple edzivɔ do ŋgɔ be: “Zamu kple tsi madza le ƒe siawo me o, negbe nye koe agblɔe hafi!” (1 Fiawo 17:1) Eye eva eme ale be kua gale ɖiɖim kokoko.
Afɔku ƒe nɔnɔme sia mee Yehowa gblɔ na Eliya le be: “Yi ɖatsɔ ɖokuiwò fia Axab, eye mana tsi nadza ɖe anyigba dzi.” Togbɔ be afɔku gã le esia wɔwɔ me nɛ hã, Eliya ɖo to Yehowa ƒe gbe.—1 Fiawo 18:1, 2.
Futɔ Eve Do Go
Esi Axa kpɔ Eliya la, ebia be: “Wò, amesi he gbegblẽ va lsrael dzi la, enye esia?” Eliya ɖo eŋu dzideƒotɔe be: “Menye nyee he gbegblẽ va lsrael dzi o, ke boŋ mia kple fofowò ƒe aƒee, elabena mieɖe asi le Yehowa ƒe seawo ŋu, eye nèdze Baalwo yome.” Azɔ Eliya dɔ be woaƒo lsrael blibo la nu ƒu ɖe Karmel-to la gbɔ, hekpe ɖe “Baal ƒe nyagblɔɖila alafa ene blaatɔ̃ kpakple Asera ƒe nyagblɔɖila alafa ene” la ŋu. Tete Eliya gblɔ na dukɔ la bena: “Vaseɖe ɣekaɣi miaɖu adzɔ evee (Eŋlisigbe me: mianɔ kpo tim le nya eve dome) ase ɖo?a Nenye Yehowae nye Mawu [vavã, NW] la, midze eyome, eye nenye Baal ye la, midze eyome!”—1 Fiawo 18:17-21.
Dukɔ la meɖo nya aɖeke ŋu o. Ðewohĩ wokpɔe be yewoda vo le esi wodo kpo tadedeagu tsɔtsɔ na Yehowa ɖeka kolia ta (2 Mose 20:4, 5) Alo anye be woƒe dzitsinya ku atri ale gbegbe be womegakpɔe be yewo ƒe nuteƒewɔwɔ mamã ɖe Yehowa kple Baal dome nye nuvɔ̃ o. Nuka kee wòɖanye o, Eliya gblɔ na dukɔ la be woatsɔ nyitsu eve vɛ—Baal ƒe nyagblɔɖilawo tɔ ɖeka eye evelia nanye ye tɔ. Woadzra nyitsɔ eveawo katã ɖo hena vɔsasa, ke womaɖe dzo ade ete o. Eliya gblɔ be: “Miayɔ miaƒe mawu ŋkɔ, eye nye hã mayɔ Yehowa ŋkɔ, eye wòava me be, mawu si atsɔ dzo atɔe la, eyae nye Mawu [vavã la, NW].”—1 Fiawo 18:23, 24.
Wodo Yehowa Ðe Dzi
Baal ƒe nyagblɔɖilawo le “kpo tim le xlã ƒom vɔsamlekpui, si wowɔ la.” Woyɔ Baal ŋkɔ ŋdi bliboa katã le gbɔgblɔm bena: “Baal, tɔ na mí!” Gake Baal metɔ o. (1 Fiawo 18:26) Eliya ɖe alɔme le wo ŋu gblɔ bena: “Mido ɣli sesĩe ko, elabena mawue.” (1 Fiawo 18:27) Baal ƒe nyagblɔɖilawo tsɔ yi kple akplɔ dze abi dede wo ɖokuiwo ŋu gɔme—nusi trɔ̃subɔlawo wɔna zi geɖe be yewo ƒe mawuawo nakpɔ nublanui ye yewob—1 Fiawo 18:28.
Ɣetrɔ ɖo azɔ, eye Baal ƒe nyagblɔɖilawo de asi “nugbenugbee wɔwɔ me.”—nyagbe sia fia nuwɔwɔ gbodogbodo ɖokuidzimaɖumaɖutɔe le nuxexlẽ sia nu. Mlɔeba le ɣetrɔa me la, Eliya gblɔ na dukɔa bliboa bena: “Mite va gbɔnye.” Wo katã nɔ Eliya kpɔm gãa esime wòɖɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui la ɖo, wòɖe ʋe ƒo xlãe kpe ɖo, wòfli nyitsua heɖo nakeawo dzi le vɔsamlekpuia dzi hena ememe. Emegbe wodu tsi kɔ ɖe vɔsalã la, vɔsamlekpuia, kple nakeawo dzi, eye ʋe la hã yɔ taŋ kple tsi (si ɖikeke mele eme o be anye ƒutsi si wodu tso Mediterranea Ƒua me). Emegbe Eliya do gbe ɖa na Yehowa be: “Egbe [nàna] woanyae be, wòe nye Mawu le lsrael, eye menye wò dɔla, eye be mewɔ nusiawo katã le wò nya nu. Tɔ nam, Yehowa, tɔ nam, ne dukɔ sia nadze sii be, wò Yehowa enye Mawu, [vavã NW] eye wòe agatrɔ woƒe dziwo!”—1 Fiawo 18:29-37.
Tete dzo tso dziƒo “va fiã vɔsalã la, nakeawo, kpeawo kple anyigba, eye wòɖuɖɔ tsi si le ʋea me hã keŋkeŋ.” Esi dukɔa kpɔe la, wotsyɔ mo anyi enumake hegblɔ be, ‘Yehowae nye Mawu vavã la! Yehowae nye Mawu vavã la!’ Le Eliya ƒe gbeɖeɖe nu la, wolé Baal ƒe nyagblɔɖilawo hekplɔ wo yi Kison-tɔʋu la nu afisi wowu wo ɖo. 1 Fiawo 18:38-40.
Nusi Míasrɔ̃ tso Eme
Dzideƒo si Eliya ɖe fia la dze abe esi tri akɔ wu amegbetɔ tɔ ene. Ke hã, Biblia-ŋlɔla Yakobo ka ɖe edzi na mí be “Eliya nye ame, eye nu venɛ abe míawo ene.” (Yakobo 5:17) Menye ɖe vɔvɔ̃ alo dzimaɖitsitsi aɖeke meɖea fu na eya o. Le kpɔɖeŋu me, esime lzebel ka atam be yeabia hlɔ̃ le esi wowu Baal ƒe nyagblɔɖilawo ta la, Eliya si eye wògblɔ na Yehowa le gbedodoɖa me be: “Esɔ gbɔ! Azɔ̃, Yehowa, xɔ nye luʋɔ.”—1 Fiawo 19:4.
Yehowa mena Eliya ku o. Ke boŋ ena kpekpeɖeŋui nublanuikpɔkpɔtɔe. (1 Fiawo 19:5-8) Mawu subɔlawo egbea ate ŋu aka ɖe edzi be ne yewotsi dzimaɖi vevie ɖewohĩ le yometiti ta la, Yehowa awɔ na yewo nenema ke. Nyateƒee, ne wodo gbe ɖa bia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu la, ate ana “ŋusẽ ƒe agbɔsɔsɔ, si gbã go la” wo, bena ne “womimi [wo] ɖo le go sia go me” gɔ̃ hã la, ‘gbɔgbɔtsixe matsi wo ƒo o.’ Le mɔ sia nu la, woana kpekpeɖeŋu wo be woado dzi abe Eliya ene.—2 Korintotɔwo 4:7, 8.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Agbalẽnyala aɖewo gblɔ be Baal subɔlawo ƒe ɣeɖuɖu le kɔnu nu ye Eliya wɔnɛ. Wogazã nyagbe “kpo tim” ma ke le 1 Fiawo 18:26 tsɔ ɖɔ Baal ƒe nyagblɔɖilawo ƒe ɣeɖuɖui
b Ame aɖewo gblɔ be abi dede ame ɖokui ŋu sɔ kple amegbetɔ tsɔtsɔ sa vɔe. Wɔna eveawo fia be abi dede ŋutilã ŋu alo ʋu kɔkɔ ɖi ate ŋu ana mawua nakpɔ nublanui na ame.