Nyanyuia Tsɔtsɔ Ðo Ame Geɖe Wu Gbɔ
ESI menɔ mía detɔwo ŋu bum la, mekpɔe be nyadzɔdzɔwo ŋuti nyatakakawo me koe wosea Yehowa Ðasefowo ŋu nya le. Megblɔ le tame be ele be woaɖo amesiawo gbɔ bene woanya amesiwo Yehowa Ðasefowo nye kple nusi dzi woxɔ se ŋutɔŋutɔ. Gake aleke mawɔ ana kpekpeɖeŋu? Atsunye nye Kristotɔ hamemegã eye ena mɔfiame kple aɖaŋuɖoɖo nyuiwòm.
Míeke ɖe aɖaŋu nyui aɖe ŋu le nyati si nye “Magazine Siwo Gblɔa Akɔfanya Siwo Wɔa Dɔ,” si wota ɖe Eŋlisigbe me Nyɔ! magazine, January 8, 1995, tɔ me. Nyatia gblɔ le Ðasefo aɖe ƒe dɔwɔna ŋu be: “Nɔvinyɔnua tsɔe ɖo dɔe nɔa Nyɔ! magazine aɖewo ƒe xoxotɔ siwo Ðasefo bubuwo li kɔ ɖi le wo ƒeme la xɔm. Emegbe etsɔ wo yia dɔwɔƒe siwo wòsusu be tanyaawo adzɔ dzi na amewo etɔxɛe le.”
Atsunye kpe ɖe ŋunye ale be medidi o mexɔ magazine siawo alafa geɖe. Metia nyati hamehame siwo asɔ na amesiwo madi be maƒo nu na la tso wo me.
Mekpɔ telefon xexlẽdzesi ƒe nuŋlɔɖiwo kple du ƒe nuŋlɔɖiwo me eye meŋlɔ kɔdziwo, sɔhɛwo ƒe dzeƒewo, kple dɔnɔdzikpɔƒewo ƒe ŋkɔwo. Meŋlɔ kunuwɔwɔ dzikpɔlawo, suku dzikpɔlawo kple aɖaŋuɖolawo, amedokpɔlawo, kpakple gaxɔ dzikpɔlawo kple se dɔwɔlawo ƒe ŋkɔwo hã. Meŋlɔ tatɔ siwo le ahatsunolawo kple atikevɔ̃ɖizãlawo ƒe dɔdaƒewo, nutomenyagbɔkpɔhawo me, nuwɔametɔwo kple amesiwo xɔ abi le aʋawɔwɔ me ƒe habɔbɔwo me, kpakple nuɖuɖu ŋuti numekuhawo me ƒe ŋkɔwo hã. Nyemegblẽ dedienɔnɔ dzikpɔhawo, hadomekpekpeɖeŋunahawo, kple ƒomenyawo gbɔkpɔhawo ƒe tatɔwo ɖi o.
Nya Kae Magblɔ?
Nu gbãtɔ si mewɔna ne meyi amewo gbɔe nye be maɖe ɖokuinye afia nyuie. Emegbe megblɔna be aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo koe maxɔ le wo gbɔ.
Ne meke ɖe dɔnunɔla la ŋutɔ ŋu ko la, megblɔna be: “Yehowa Ðasefoe menye. Gake menye subɔsubɔnyawo me dzro ge meva o, elabena masɔ le dɔwɔɣi o.” Ewɔnɛ zi geɖe be woɖea dzi ɖi. Ke ne metrɔ nye nyawo ɖe nɔnɔmea nu la, meyia edzi be: “Susu eve tae meva ɖo. Gbã medi be magblɔ be mekpɔ ŋudzedze ɖe dɔ si wɔm miaƒe dɔwɔƒea le ŋu. Ne èbu eŋu kpɔ la, mele be woabui dɔ gbɔlo ne ame aɖe zãa eƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ ɖe amehawo ta o. Nusia dze na kafukafu vavã.” Le go geɖe me la, amesiwo meƒo nu na alea ƒe mo wɔna yaa.
Vaseɖe fifia la, anɔ eme kokoko be amea anɔ tame bum le susu evelia si ta meva ŋu. Meyia edzi be: “Nu evelia si ta mevae nye si: Metia nyati aɖewo siwo ku ɖe dɔ si wɔm miele koŋ kple kuxi siwo le eme la le míaƒe Nyɔ! magazine si wotana le dukɔ vovovo me la me. Meka ɖe edzi be àdi be yeanya alesi dukɔwo dome magazine sia bua kuxi siawoe. Adzɔ dzi nam be magblẽ esiawo ɖe gbɔwò.” Zi geɖe wogblɔna nam be yewokpɔ ŋudzedze ɖe nye agbagbadzedzewo ŋu.
Emetsonu Ðiɖeame Siwo Ðe Vi
Esi meƒo nu alea la, ame akpa gãtɔ do vivi ɖe ŋunye ɖo tom; ame ɖeka le 17 me koe gbena. Mekpɔ nuteƒe gbogbo aɖewo siwo ɖi ɖem eye woɖe vi hã.
Le kpɔɖeŋu me esi medze agbagba zi gbɔ zi ene helala dzigbɔɖitɔe megbe la, mete ŋu do go nutome sukudzikpɔla aɖe. Vovo menɔa eŋu kura o. Ke hã edo vivi ɖe ŋunye ŋutɔ eye míeƒo nu vie. Esi menɔ dzodzom la, egblɔ be: “Mekpɔ ŋudzedze ɖe wò agbagbadzedze ŋu ŋutɔŋutɔ, eye magbɔ dzi ɖi axlẽ wò agbalẽawo godoo.”
Ɣebubuɣi la, meyi nutome ʋɔnudrɔ̃ƒe aɖe eye medo go ʋɔnudrɔ̃la gã si nye amesi xɔ wu ƒe blaene. Esi mege ɖe eƒe dɔwɔƒe la, ekpɔ eƒe nuŋlɔɖiwo me eye dɔme vee.
Egblɔ adãtɔe be: “Braɖagbe ŋdiwo koe mekpena kple amewo, eye ɣemaɣie manɔ klalo be mase nya sia nya.”
Meɖo eŋu enumake be, “Taflatse tsɔe kem le esi nyemeva ɖe ɣeyiɣi nyuitɔ dzi o ta,” eye megblɔ kpee be, “Gake adzɔ dzi nam be magava ɣebubuɣi. Menye dɔwɔnyae metsɔ vɛ hafi o.”
Ʋɔnudrɔ̃la la di be yeanya nusi wònye azɔ. Ebɔbɔ gbe bia nusi dim mele. Megagblɔe be matrɔ ava Braɖagbe.
Ewɔ nuku nam be ete tɔ ɖe edzi be: “Taflatse nɔ anyi. Nuka dim nèle?”
Míeɖo dze vivi aɖe, eye edo taflatse be yemeɖe xɔlɔ̃wɔwɔ fia kura gbã o, le esi vovo menɔ ye ŋu kura o ta.
Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, ʋɔnudrɔ̃la la bia be: “Ènya nusi dzɔa dzi nam le Yehowa Ðasefowo ŋua? Gɔmeɖose likewo le wo si eye womedana le wo dzi o. Hitler wɔ nusianu si wòate ŋui, gake Ðasefoawo meyi aʋa o.”
Esi mí ame eve míege ɖe dɔwɔƒe aɖe la, agbalẽŋlɔla siwo nɔ afima la kpɔ mí dze sii. Emegbe agbalẽŋlɔla gã la tsɔ tufafa gblɔ be, “Dɔnunɔla la mexɔa nyatɔwo gbeɖe o.”
Metsɔ gbe ɖɔɖɔe ɖo eŋu be: “Gake axɔ míawo ya, elabena Yehowa Ðasefowoe míenye. Menye nyagbugbɔdrɔ̃bialawoe míenye o, eye míanɔ anyi wu aɖabaƒoƒo etɔ̃ o.” Medo gbe ɖa le susu me be, “O Yehowa, na wòadze edzi na mí fifia ya!”
Agbalẽŋlɔla gã la ɖo ŋu ɖekematsɔlemetɔe be, “Enyo, ekema matee kpɔ.” Ezɔ dzo. Anɔ aɖabaƒoƒo eve, si wɔ nam abe ɣeyiɣi didi aɖe ene megbe la, nyɔnua trɔ gbɔ eye dɔnunɔla la ŋutɔ nɔ eyome. Megblɔ nya aɖeke o, eye eya ŋutɔ nɔ ŋgɔ míeto xɔ eve bubuwo ŋu yi eƒe ɔfis.
Esi míedze dzeɖoɖo gɔme la, eva nɔ mo kɔm ɖe mí. Elɔ̃ faa xɔ Nyɔ! magazinea ƒe tata tɔxɛ siwo míetsɔ nɛ. Míeda akpe na Yehowa ɖe mɔnukpɔkpɔ sia si míetsɔ ɖi ɖase nyuie le tameɖoɖo si le míaƒe dɔa ŋu la ŋu.
Ne mebu nuteƒekpɔkpɔ wɔnuku geɖeawo ŋu la, meva se nya si apostolo Petro gblɔ la gɔme nyuie wu esi wògblɔ be: “Medze sii le nyateƒe me be, Mawu mekpɔa ame ŋku me o, hafi boŋ le dukɔ sia dukɔ me, amesi ke vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya dzea eŋu.” (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35) Mawu ƒe lɔlɔ̃nue nye be mɔnukpɔkpɔ nasu teƒe ɖesiaɖe tsola, gbe sia gbe dola, alo dɔ sia dɔ wɔla si be wòanya yeƒe tameɖoɖo na ameƒomea kple na anyigba la.—Ame aɖee ŋlɔe míeta.