Adzɔgbeɖeɖe Kple Tiatiawɔblɔɖe
“Ablɔɖenyenye ŋuti Kristo wɔ mí ablɔɖeviwo ɖo.”—GALATIATƆWO 5:1.
1. Nuka ŋu koŋue Hebri kple Hela gbe me nya siwo gɔme woɖe be ‘adzɔgbeɖeɖe,’ ‘nuŋukɔkɔ,’ alo ‘ɖokuitsɔtsɔna’ la ku ɖo?
BIBLIA-ŊLƆLAWO zã Hebrigbe kple Helagbe me nya geɖe tsɔ fia alesi woatia ame, alo aɖee ɖe vovo, hena tameɖoɖo kɔkɔe aɖee. Le Eʋegbe Biblia me la, wotsɔ nyawo abe ‘adzɔgbeɖeɖe,’ ‘nuŋukɔkɔ,’ alo ‘ɖokuitsɔtsɔna’ ene ɖe nya siawo gɔmee. Wozãa nya siawo ɖe xɔtutuwo ŋu ɣeaɖewoɣi—zi geɖe ekuna ɖe Mawu ƒe gbedoxɔ si nɔ blema Yerusalem kple tadedeagu si yi edzi le afima ŋu. Ƒã hafi wozãa nya siawo ɖe nya siwo meku ɖe mawusubɔsubɔ ŋu o ŋu.
Adzɔgbeɖeɖe na “Israel ƒe Mawu La”
2. Nukata woate ŋu ayɔ Yehowa be “Israel ƒe Mawu” wòasɔ?
2 Le ƒe 1513 D.M.Ŋ. me la, Mawu ɖe Israel-viwo tso kluvinyenye me le Egipte. Emegbe kpuie la, eɖe wo ɖe vovo wozu eƒe dukɔ tɔxɛ, eye eya ŋutɔ bla nu kpli wo. Egblɔ na wo be: “Azɔ ne miaɖo to nye gbe, eye mialé nye nubabla me ɖe asi la, ekema mianye tɔnye koŋ le dukɔwo katã dome, elabena anyigba blibo la tɔnyee.” (Mose II, 19:5; Psalmo 135:4) Esi Yehowa wɔ Israel-viwo eƒe ame tɔxɛwoe ta la, woate ŋu ayɔe wòasɔ be “Israel ƒe Mawu la.”—Yosua 24:23.
3. Nukata menye ameŋkumee Yehowa kpɔ esi wòtia Israel be wòanye yeƒe dukɔ o?
3 Esi Yehowa wɔ Israel-viwo wozu eƒe dukɔ ɖeadzɔgbe la, menye ɖe wònɔ ameŋkume kpɔm o elabena ebu amesiwo menye Israel-vi o hã ŋu lɔlɔ̃tɔe. Egblɔ na eƒe dukɔ la be: “Ne amedzro aɖe dze gbɔwò le wò anyigba dzi la, migatee ɖe anyi o. Amedzro nanɔ mia gbɔ abe duamevi ene, eye nalɔ̃e abe ɖokuiwò ene; elabena miawo hã mienye amedzrowo kpɔ le Egipte-nyigba dzi. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!” (Mose III, 19:33, 34) Ƒe alafa geɖe megbe la, wona apostolo Petro kpɔ alesi Mawu bua amewoe wòwɔ dɔ ɖe edzi vevie, eye wògblɔ be: “Medze sii le nyateƒe me be, Mawu mekpɔa ame ŋku me o, hafi boŋ le dukɔ sia dukɔ me, amesi ke vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya dzea eŋu.”—Dɔwɔwɔwo 10:34, 35.
4. Nukawoe wobia tso ame si le Mawu kple Israel-viwo ƒe ƒomedodoa me, eye ɖe Israel-viwo te ŋu nɔ agbe ɖe wo nua?
4 De dzesii hã be nanewo dzie Mawu ƒe dukɔ ɖeadzɔgbe nyenye nɔ te ɖo. Ne wowɔ ɖe Mawu ƒe gbe dzi tututu eye wolé eƒe nubabla me ɖe asi ko hafi woanye ‘etɔwo koŋ.’ Nublanuitɔe la, Israel-viwo mete ŋu wɔ ɖe nudidi siawo dzi o. Esi wogbe Mesia si Mawu dɔ le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, wobu woƒe mɔnukpɔkpɔa. Yehowa megava nye “Israel ƒe Mawu” o. Eye dzɔdzɔme Israel-viwo meganye Mawu ƒe dukɔ ɖeadzɔgbe o.—Tsɔe sɔ kple Mateo 23:23.
“Mawu ƒe Israel” ƒe Adzɔgbeɖeɖe
5, 6. (a) Nuka fiam Yesu nɔ esi wògblɔ eƒe nyagblɔɖinya siwo woŋlɔ ɖe Mateo 21:42, 43? (b) Ɣekaɣie woɖo “Mawu ƒe Israel” la anyi eye aleke wòdzɔe?
5 Ðe esia fia be dukɔ ɖeadzɔgbe maganɔ Yehowa si oa? Ao. Yesu Kristo yɔ hakpala la ƒe nyawo hegblɔ ɖi be: “Alo miexlẽ le ŋɔŋlɔawo me kpɔ bena: ‘Kpe, si xɔtulawo gbe la, eya ke trɔ zu dzogoekpe; Aƒetɔ la gbɔ esia tso, eye wònye nukunu le míaƒe ŋkuwo me’ o mahã? Eyakeŋuti mele egblɔm na mi bena: Woaxɔ mawufiaɖuƒe la le mia si, eye woatsɔe ana dukɔ, si atse ku la.”—Mateo 21:42, 43.
6 Kristo-hamea ye va nye ‘dukɔ si tse ku’ la. Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, etia amesiwo ava nye emetɔ gbãtɔwo. Gake le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi la, Yehowa Mawu ŋutɔe ɖo Kristo-hamea anyi esi wòkɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe emetɔ gbãtɔ siwo ƒe xexlẽme ade ame 120 dzi. (Dɔwɔwɔwo 1:15; 2:1-4) Abe alesi apostolo Petro ŋlɔ emegbe ene la, hame yeye sia si woɖo la va zu “dzidzime tiatia la, fia nunɔlanyenye, dukɔ kɔkɔe, dukɔ, si nye Mawu ŋutɔ tɔ.” Susu ka ta wotia wo? Eyae nye be ‘woaɖe gbeƒã amesi yɔ wo tso viviti me va ye ŋutɔ ƒe nukukekeli gbɔ la, ƒe nutsuwɔwɔwo afia.’ (Petro I, 2:9) Fifia Kristo yomedzela siwo wotsɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ si ami na la zu dukɔ ɖeadzɔgbe, si nye “Mawu ƒe Israel.”—Galatiatɔwo 6:16.
7. Nuka mee wogblɔ be Mawu ƒe Israel la me tɔwo ase vivi le, eye le ema ta nukae wogblɔ na wo be woatsri?
7 Togbɔ be dukɔ kɔkɔea me tɔwo nye ‘Mawu ŋutɔ ƒe ame tɔxɛwo’ hã la, womenye kluviwo o. Ke boŋ woanɔ ablɔɖe geɖe wu me wòawu esi nɔ dzɔdzɔme Israel ɖeadzɔgbea si. Yesu do ŋugbe na amesiwo ava nye dukɔ yeye sia me tɔwo be: “Miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la lawɔ mi ablɔɖeviwoe.” (Yohanes 8:32) Apostolo Paulo ɖee fia be wona ablɔɖe Kristotɔwo tso Se ƒe nubabla la ƒe nudidiwo me. Exlɔ̃ nu haxɔsetɔ siwo nɔ Galatia le esia ŋu be: “Ablɔɖenyenye [sia] ŋuti Kristo wɔ mí ablɔɖeviwo ɖo: Eyaŋuti minɔ tsitre sesĩe, eye migana woade kluvinyenye ƒe kɔkuti kɔ na mi o!”—Galatiatɔwo 5:1.
8. Go ka mee Kristotɔwo ƒe ɖoɖoa na amewo nɔa ablɔɖe geɖe me wu esi amewo kpɔ le Se ƒe nubabla la te?
8 Mawu ƒe Israel la wɔ ɖe woƒe adzɔgbeɖeɖe ƒe nudidiwo dzi tututu vaseɖe egbea wòto vovo na blema dzɔdzɔme Israel. Mele be esia nawɔ nuku na mí o elabena emetɔawo ŋutɔe tiae be yewoawɔ ɖe edzi. Wodzia dzɔdzɔme Israel-viwo adzɔgbeɖelawoe, gake Mawu ƒe Israel la me tɔwo ŋutɔwoe tianɛ be yewoawɔ nenema. Eyata Kristotɔwo ƒe ɖoɖoa to vovo na Yudatɔwo ƒe Se ƒe nubabla, si zi adzɔgbeɖeɖe ɖe amewo dzi tiatiawɔblɔɖe manɔmee.
9, 10. (a) Aleke Yeremya ɖee fiae be tɔtrɔ ava le adzɔgbeɖeɖe gome? (b) Nukata nàgblɔ be menye Kristotɔ adzɔgbeɖela siwo katã li egbea yenye Mawu ƒe Israel la me tɔwo o?
9 Nyagblɔɖila Yeremya gblɔ tɔtrɔ si ava le adzɔgbeɖeɖe gome la ɖi esime wòŋlɔ bena: “Yehowa be: Kpɔ ɖa, ŋkeke li gbɔna, eye mabla nu yeye kple Israel ƒe aƒe kpakple Yuda ƒe aƒe. Manɔ abe nusi mebla kple wo fofowo le gbesigbe melé woƒe alɔnu, be makplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi, nubabla, si wotu, eye nye hã megbe wo la ene o, Yehowa ye gblɔe; ke boŋ nusi mele babla ge kple Israel ƒe aƒe la le ŋkeke siawo megbe la, enye esi: Matsɔ nye se la ade woƒe dɔ me, eye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋu, manye Mawu na wo, eye woawo nanye nye dukɔ, Yehowa ye gblɔe.”—Yeremya 31:31-33.
10 Esi wotsɔ Mawu ƒe sea de Mawu ƒe Israel la me tɔwo ‘ƒe dɔ me,’ eye woŋlɔe ɖe “woƒe dzi ŋu” le kpɔɖeŋumɔ nu ta la, eʋãa wo wonɔa agbe ɖe woƒe adzɔgbeɖeɖe nu. Nusi ʋãa wo la nu sẽ wu nusi ʋã dzɔdzɔme Israel-viwo, amesiwo wodzi adzɔgbeɖelawoe, ke menye be woa ŋutɔwoe tiae o la tɔ. Egbea la, nusi ʋãa Mawu ƒe Israel la vevie be wowɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la kee ʋãa wo hati tadeagula siwo wu miliɔn atɔ̃ le xexeame katã. Woawo hã tsɔ woƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa Mawu be yewoawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Togbɔ be menye amesiawo ƒe mɔkpɔkpɔe nye be yewoanɔ agbe le dziƒo abe Mawu ƒe Israel la me tɔwo ene o hã la, dzi dzɔa wo ɖe agbe tegbee si woanɔ le anyigba dzi le Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te la ŋu. Woɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiana ɖe gbɔgbɔ me Israel-viwo ŋu hedoa alɔ emetɔ susɔe ʋeeawo le woƒe dɔdasi sia wɔwɔ me be “[woaɖe] gbeƒã amesi yɔ [wo] tso viviti me va ye ŋutɔ ƒe nukukekeli gbɔ la, ƒe nutsuwɔwɔwo afia.”
Ablɔɖe si Mawu Na Wo Ŋudɔwɔwɔ Nunyatɔe
11. Ŋutete kae wotsɔ wɔ amegbetɔe, eye aleke wòle be woazãe?
11 Mawu wɔ amegbetɔwo be woade asixɔxɔ ablɔɖe ŋu. Ena tiatiawɔwɔ ƒe ŋutete wo. Ame eve gbãtɔawo wɔ woƒe tiatiawɔblɔɖea ŋudɔ. Gake wotsɔ bometsitsi wɔ tiatia si me lɔlɔ̃ mele o wòkplɔ woa kple woƒe dzidzimeviwo de afɔku me. Gake esia ɖee fia kɔte be Yehowa mezia nuwɔwɔ nyanuwo dzi be woawɔ nusi to vovo na woƒe dzimesusuwo alo didiwo gbeɖe o. Eye esi ‘Mawu lɔ̃a amesi naa nu kple dzidzɔ’ ta la, adzɔgbeɖeɖe si wotu ɖe lɔlɔ̃ dzi, esi wowɔ faa le dzidzɔ me, eye wòtso tiatiawɔblɔɖe me koe dzea eŋu. (Korintotɔwo II, 9:7) Ðesiaɖe si to vovo na esia medzea eŋu o.
12, 13. Aleke Timoteo nye alesi woana hehe nyui ɖevii la ƒe kpɔɖeŋu, eye nukae eƒe kpɔɖeŋua na sɔhɛ geɖe wɔ?
12 Esi Yehowa Ðasefowo nya nudidi sia nyuie ta la, wodea dzi ƒo na amewo be woatsɔ wo ɖokui aɖe adzɔgbe na Mawu, gake womezinɛ ɖe ame aɖeke dzi be wòaɖe adzɔgbe sia gbeɖe o, eye womezinɛ ɖe woa ŋutɔwo ƒe viwo gɔ̃ hã dzi o. Ðasefowo menaa nyɔnyrɔ ɖeviwo abe alesi sɔlemeha bubuwo wɔna ene o, abe ɖe wòanya wɔ be woazi wo dzi woaɖe adzɔgbe esi woa ŋutɔwo metiae nenema hafi o ene. Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋu si dzi wozɔna ɖoe nye esi ŋudɔ ɖekakpui Timoteo wɔ. Esi wònye ame tsitsi ta apostolo Paulo gblɔ nɛ be: “Nɔ nusiwo nèsrɔ̃, eye nèkpɔ kakaɖedzi le wo me la me; elabena ènya amesiwo gbɔ nèsrɔ̃e le, eye esi tso ɖevime ke nènya ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo la, woate ŋu ana nunya wò hena agbexɔxɔ to xɔse, si le Kristo Yesu me la me.”—Timoteo II, 3:14, 15.
13 Ele be míade dzesii be Timoteo nya ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo elabena wofiae tso ɖevime. Wòna wòkpɔ kakaɖedzi—menye ɖe wozi edzi o—hexɔ Kristotɔwo ƒe nufiafia siwo dadaa kple mamaa fiae dzi se. (Timoteo II, 1:5) Esia na Timoteo kpɔ nunya si le eme be yeazu Kristo yomedzela eye wòna eya ŋutɔ tiae be yeawɔ Kristotɔwo ƒe adzɔgbeɖeɖe. Le egbeŋkekeawo me la, ɖekakpui kple ɖetugbi akpe bla nane siwo dzilawo nye Yehowa Ðasefowo srɔ̃ kpɔɖeŋu sia. (Psalmo 110:3) Bubuwo mesrɔ̃e o. Ame ŋutɔe awɔ tiatia.
Amekae Nàtiae be Yeanye Kluvi Na?
14. Nya kae Romatɔwo 6:16 gblɔ na mí le ablɔɖe blibo ŋu?
14 Ablɔɖe blibo mele amegbetɔ aɖeke si o. Dzɔdzɔmesewo abe nuheŋusẽ si dzi womate ŋu aŋe aɖaba aƒui eye magbe nugbegblẽ le ame ŋu o ene na seɖoƒe le amesiame ƒe ablɔɖe ŋu. Ablɔɖe blibo mele ame aɖeke si le gbɔgbɔ me gome hã o. Paulo ɖe nu me be: “Ðe mienyae bena, amesi mietsɔ mia ɖokui wɔ kluvi na, bene miaɖo toe la, miezu amesi mieɖoa toe la ƒe kluviwo, eɖanye nuvɔ̃ tɔ hena ku o alo toɖoɖo tɔ hena dzɔdzɔenyenye o mahã?”—Romatɔwo 6:16.
15. (a) Aleke amewo bua kluvinyenyee, gake nukae ame akpa gãtɔ va wɔna mlɔeba? (b) Biabia kawoe wòsɔ be míabia mía ɖokuiwo?
15 Kluvinyenye na ame bubu ƒe nukpɔsusu medzea ame akpa gãtɔ ŋu kura o. Ke hã nusi le dzɔdzɔm le egbe ƒe xexeamee nye be zi geɖe la, amewo ɖea mɔ wozãa wo eye wokpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi to ayemɔ geɖe dzi ale gbegbe be eva zua dzizizi na wo be woawɔ nusi ame bubuwo di be woawɔ. Le kpɔɖeŋu me, boblododo kple modzakaɖeɖe zinɛ ɖe amewo dzi be woawɔ nu ɖeka, eye woɖoa dzidzenuwo na wo be woawɔ ɖe wo dzi. Menye ɣesiaɣie dunyahehawo kple subɔsubɔhawo ɖea nya me na amewo be woade yewoƒe susuwo kple taɖodzinuwo dzi o, ke boŋ wowɔa ƒomedodo alo kukuɖeameŋu si le wo dome ŋudɔ. Esi Paulo gblɔ be ‘míenye amesiwo míeɖoa toe ƒe kluviwo’ ta la, anyo be mía dometɔ ɖesiaɖe nabia eɖokui be, ‘Ameka ƒe kluvie menye? Amekae kpɔa ŋusẽ ɖe nye nyametsotsowo kple alesi menɔa agbee dzi wu? Subɔsubɔhawo ƒe osɔfowo, dunyahehe me ŋgɔnɔlawo, asitsalagãwo, alo fefewɔla xɔŋkɔwoea? Amekae meɖoa toe—Mawue loo alo amewoe?’
16. Gɔmesese ka nue Kristotɔwo nye Mawu ƒe kluviwo le, eye nukae nye kluvinyenye ŋuti nukpɔsusu si sɔ?
16 Kristotɔwo mebua toɖoɖo Mawu be exɔa ame ŋutɔ ƒe ablɔɖe le esi madzemadzee o. Wolɔ̃na faa wɔa woƒe ablɔɖe ŋudɔ abe alesi woƒe Kpɔɖeŋuɖola Yesu Kristo wɔe ene, eye wonaa woa ŋutɔwo ƒe didiwo kple woƒe nu vevitɔwo sɔna kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. (Yohanes 5:30; 6:38) Wonaa “Kristo ƒe tamesusu” nɔa wo si, eye wobɔbɔa wo ɖokui na eyama si nye hamea ƒe Ta. (Korintotɔwo I, 2:14-16; Kolosetɔwo 1:15-18) Esia le abe alesi nyɔnu naɖe srɔ̃ eye wòalɔ̃ faa awɔ nu aduadu kple ŋutsu si wòlɔ̃ la ene. Le nyateƒe me la, woƒo nu tso Kristotɔ amesiaminawo ƒe ha la ŋu abe ɖetugbi nɔaƒe dzadzɛ ene si ŋugbe wodo na Kristo be wòaɖe.—Korintotɔwo II, 11:2; Efesotɔwo 5:23, 24; Nyaɖeɖefia 19:7, 8.
17. Nukae Yehowa Ðasefowo katã tia be yewoazu?
17 Yehowa Ðasefo ɖesiaɖe, eɖanye dziƒoyiyi alo anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔe le esi o, wɔ eya ŋutɔ ƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu be yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu eye be eyae nye Dziɖula si yeaɖo toe. Adzɔgbeɖeɖe nye tiatia si Ðasefo ɖesiaɖe ŋutɔ wɔna be yeava zu Mawu ƒe kluvi tsɔ wu be yeanye amewo ƒe kluvi. Esia wɔ ɖeka kple apostolo Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖoa be: “Asi sesẽe miexɔ, migazu amewo ƒe kluviwo o.”—Korintotɔwo I, 7:23.
Nusɔsrɔ̃ be Wòaɖe Vi na Mí
18. Ɣekaɣie amesi di be yeanye Ðasefo adze axɔ nyɔnyrɔ?
18 Hafi ame nadze ava zu Yehowa Ðasefo la, ele be wòaɖo Ŋɔŋlɔawo me nudidiwo gbɔ. Hamemegãwo gbɔa dzi ɖi léa ŋku ɖe nu ŋu ne amesi ava zu Ðasefo la se nusi Kristotɔwo ƒe adzɔgbeɖeɖe nye la gɔme ŋutɔŋutɔ. Ðe wòdi be yeava zu Yehowa Ðasefo nyateƒea? Ðe wòlɔ̃ be yeanɔ agbe ɖe nusi esia bia nua? Ne mele alea o la, ke medze axɔ nyɔnyrɔ o.
19. Nukata mesɔ be woaɖe ɖeklemi amesi ɖoe be yeava zu Mawu subɔla ɖeadzɔgbe o?
19 Gake ne ame aɖe ɖo nudidiawo katã gbɔ la, nukata wòle be woaɖe ɖeklemii le esi eya ŋutɔ lɔ̃ faa tso nya me be yeana Mawu kple Eƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la nakpɔ ŋusẽ ɖe eyama dzi ta? Ðe wònye nu gbegblẽ be woana Mawu nakpɔ ŋusẽ ɖe ame dzi wu amewoa? Alo ɖe viɖe aɖeke mele esia me oa? Yehowa Ðasefowo mebunɛ nenema o. Wolɔ̃ ɖe Mawu ƒe nya siwo Yesaya ŋlɔ ɖi la dzi tso dzi blibo me be: “Nye Yehowa, wò Mawu, enye amesi fia nusi nyo na wò la wò, nyee akplɔ wò to mɔ, si dzi nato la.”—Yesaya 48:17.
20. Go kawo mee Biblia me nyateƒea naa ablɔɖe amewo le?
20 Biblia me nyateƒea na amewo vona tsoa subɔsubɔhawo ƒe alakpanufiafiawo abe funyafunyawɔwɔ ame tegbee le dzomavɔ aɖe me ene dzixɔxɔse me. (Nyagblɔla 9:5, 10) Ewɔnɛ boŋ be akpedada yɔa woƒe dzime ɖe ame kukuwo ƒe mɔkpɔkpɔ vavãtɔa ŋu—eyae nye tsitretsitsi si nɔ te ɖe Yesu Kristo ƒe tafevɔsa dzi. (Mateo 20:28; Dɔwɔwɔwo 24:15; Romatɔwo 6:23) Biblia me nyateƒea na amewo vona tsoa dziɖeleameƒo si ŋuɖoɖo ɖe dunyahelawo ƒe ŋugbedodo siwo doa kpo emevava ŋu hena vɛ la me. Enana boŋ be dzidzɔ yɔa woƒe dzime esi wonya be Yehowa ƒe Fiaɖuƒea dze dziɖuɖu gɔme xoxo le dziƒo eye eteƒe madidi o wòaɖu anyigba bliboa katã dzi ta. Biblia me nyateƒea naa amewo vona tsoa nuwɔna siwo togbɔ be ana nuvɔ̃mewo nase vivi hã, womedea bubu Mawu ŋu o eye wogblẽa ƒomedodowo me, hea dɔléle vɛ, eye wonana wokuna ku kpo la me. Kpuie ko la, be woanye Mawu ƒe kluvi ɖea vi sasasã wu be woanye amewo ƒe kluvi. Le nyateƒe me la, adzɔgbeɖeɖe na Mawu ana míakpɔ viɖe geɖe “le ɣeyiɣi sia me . . . kple agbe mavɔ le xexe, si gbɔna la me.”—Marko 10:29, 30.
21. Aleke Yehowa Ðasefowo bua adzɔgbeɖeɖe na Mawui, eye nukae nye woƒe didi?
21 Egbea womedzia Yehowa Ðasefowo ɖe dukɔ ɖeadzɔgbe me abe blema Israel-viwo ene o. Kristotɔ ɖeadzɔgbewo ƒe hametɔwoe Ðasefoawoe nye. Ðasefo xɔnyɔnyrɔ ɖesiaɖe ŋutɔe wɔ tiatiawɔblɔɖe ŋudɔ tsɔ ɖe adzɔgbe va zu nenema. Le nyateƒe me le Yehowa Ðasefowo gome la, adzɔgbeɖeɖe naa dzidzɔ ƒe ƒomedodo va nɔa ame ŋutɔ kple Mawu dome eye wolɔ̃na faa be yewoasubɔe. Wodii tso dzi blibo me be dzidzɔ ƒe ƒomedodo sia nanɔ anyi ɖaa, eye yewoalé ablɔɖe si Yesu Kristo na
Aleke Nàɖo Wo Ŋui?
◻ Nukata menye ameŋkume wònye Mawu kpɔ esi wòtia Israel be wòanye ‘yetɔ koŋ’ o?
◻ Nukata nàgblɔ be Kristotɔwo ƒe adzɔgbeɖeɖe mefia be woxɔ ablɔɖe le ame si keŋkeŋ o?
◻ Vi kawoe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa Mawu ɖena?
◻ Nukata wònyo be woanye Yehowa subɔla tsɔ wu be woanye amewo ƒe kluvi?
wo la me ɖe asi sesĩe.
[Nɔnɔmetata si le axa 15]
Le blema Israel la, adzɔgbeɖeɖe na Mawu tsoa ame dziɣi ke
[Nɔnɔmetata si le axa 16]
Kristotɔwo ƒe adzɔgbeɖeɖe nye tiatia si ame ŋutɔ wɔna