INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 4/15 axa 3-4
  • Ðe Woŋlɔ Míaƒe Etsɔme Ði Do Ŋgɔa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Woŋlɔ Míaƒe Etsɔme Ði Do Ŋgɔa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Mawu ɖo dzɔgbese ɖi na mí xoxoa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Amegbetɔwo Ƒe Dzɔgbese Didi
    Nyɔ!—1999
  • Dzɔgbesee loo alo Ðeko Wòdzɔ le Eɖokui Si?
    Nyɔ!—1999
  • Ðe Woɖo Ale Si Wò Agbe Ava Nɔ La Ði Do Ŋgɔa?
    Nyɔ!—2007
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 4/15 axa 3-4

Ðe Woŋlɔ Míaƒe Etsɔme Ði Do Ŋgɔa?

AFƆKU dzɔna ɖe Kristotɔwo, Moslemtɔwo, Yudatɔwo, Hindutɔwo, alo subɔsubɔha bubu me tɔwo dzi—edzɔna ɖe xɔseha ɖesiaɖe me tɔwo dzi eye woxaa nu ɖe eta.

Le kpɔɖeŋu me le December 6, 1997 dzi la, afɔku aɖe dzɔ le Siberia-dugã Irkutsk me. Ðeko yameʋugã AN-124 si tsɔa agba la ho teti koe nye ma esi eƒe mɔ̃ eve dzudzɔ dɔwɔwɔ. Yameʋua si me wode mɔ̃memi gbogbo aɖee la ge dze amenɔƒe aɖe si xɔ geɖe le. Xɔ geɖe lé dzo, wòna wo me nɔla geɖe siwo ŋu wɔna aɖeke menɔ o ku eye ɖewo xɔ abi, ɖevi maɖifɔwo hã le eme.

Anɔ eme be amesiwo si mawusubɔsubɔ me nukpɔsusu vovovowo le la le Siberia-nuto si me afɔkua dzɔ le la me. Ðewohĩ wo dometɔ aɖewo gblɔ be yewoxɔ Kristotɔnyenye dzi se, ke hã woagate ŋu asusui be dzɔgbesee na afɔkua dzɔ. Woa kple ame bubuwo ate ŋu abui be, ‘Mawue na wòdzɔ, eye ne menye ɖe amesiwo tsi eme la ku le mɔ sia nu o hã la, woaku le nudzɔdzɔ bubu aɖe me godoo—woƒe dzɔgbesee.’

Amewo ɖaɖe nya sia gblɔ alo womeɖaɖee gblɔ o, enye nukpɔsusu si le amewo si le subɔsubɔha geɖe me le anyigba dzi katã—woyɔnɛ be dzɔgbese. Ame geɖe xɔe se be le mɔ aɖe nu la, woŋlɔ míaƒe etsɔme ɖi, tso gbesigbe wodzi mí vaseɖe míaƒe kugbe.

Dzixɔse vovovowoe le amewo si le dzɔgbese ŋu, eye ena wòsesẽ be woaɖe nusi wòfia me wòasɔ ɖe wo katã nu. Susu si dze le dzɔgbese ŋu koŋue nye be womate ŋu awɔ naneke le nusianu si dzɔna, nuwɔna ɖesiaɖe, kple nudzɔdzɔ ɖesiaɖe—eɖanye nyui alo vɔ̃ o—ŋu o; ele be wòadzɔ kokoko elabena ame aɖe si tri akɔ wu, si amegbetɔwo ƒe ŋusẽ megogo o la ɖoe do ŋgɔ. Míate ŋu akpɔ susu sia le ɣletivimefakaka, Hindu kple Buddha subɔsubɔwo ƒe karma nufiafia, kple Kristodukɔa ƒe nufiafia si nye Mawu ƒe nuɖoɖoɖi la me. Le blema Babilonia la, amewo xɔe se be mawuawo nɔa te ɖe nuŋlɔɖi aɖe dzi kpɔa ŋusẽ ɖe dzɔgbese kple etsɔme dzi. Wobui be mawu ɖesiaɖe si kpɔa ŋusẽ ɖe “dzɔgbese ƒe nuŋlɔkpe” siawo dzi ate ŋu aɖo dzɔgbese na amewo, fiaɖuƒewo, kple mawuawo gɔ̃ hã.

Hamevi geɖe xɔe se be hafi woadzi amegbetɔwo la, Mawu ɖoa nusiwo katã adzɔ ɖe amewo dzi le Mawu ƒe sedede nu, kple ɣeyiɣi ƒe didime si woatsɔ anɔ agbee, ne woadzɔ ŋutsuwo alo nyɔnuwo, ne woazu kesinɔtɔwo alo ame dahewo, ne woaxa nu alo akpɔ dzidzɔ la ɖi. Wogblɔna be nusiawo katã le Mawu ƒe susu me alo woŋlɔ wo ɖe agbalẽ aɖe me hafi wodzɔna. Eyata ne afɔku dzɔ la, ebɔ be hamevi nagblɔ be, “mektoub,”—ɖe woŋlɔe ɖi! Wogblɔ be esi Mawu nya nusianu do ŋgɔ ta la, ate ŋu anya amesiwo aɖo toe kple amesiwo maɖo toe o. Eyata hamevi geɖe xɔe se be hafi woadzi ame aɖe gɔ̃ hã la, Mawu ɖoe ɖi xoxo ne ava kpɔ dzidzɔ mavɔ le Paradiso me loo alo akpɔ tsɔtsrɔ̃ mavɔ.

Ðewohĩ àkpɔe be esia ɖi nuɖoɖoɖi si wofiana le Kristodukɔa ƒe sɔlemeha aɖewo me ŋutɔ. Protestanttɔ gbãtɔ si ʋli nuɖoɖoɖinufiafia ta wue nye ƒe alafa 16 lia me Fransetɔ Ðɔɖɔɖowɔla John Calvin. Eɖe nuɖoɖoɖi me be enye “Mawu ƒe sedede mavɔ, si dzi wònɔa te ɖo ɖoa nusi wòdi be yeana amegbetɔ ɖesiaɖe nazu. Menye nɔnɔme ɖekae wotsɔ wɔ amesiamee o, ke boŋ woɖoe ɖi na ame aɖewo be woakpɔ agbe mavɔ eye ame bubuwo hã tɔ nye tsɔtsrɔ̃ mavɔ.” Calvin gblɔ hã be: “Menye ɖeko Mawu kpɔ ame gbãtɔ ƒe kpododonu kple nu gbegblẽ si wòahe vɛ na eƒe dzidzimeviwo do ŋgɔ o; ke boŋ eya ŋutɔe ɖoe ɖi hã le eƒe didi nu.”

Ke hã menye subɔsubɔha siwo fiaa nuɖoɖoɖi alo dzɔgbese la me tɔwo katãe xɔe se o. Wo dometɔ aɖewo gblɔe wòsɔ be mawusubɔsubɔ ƒe agbalẽwo ƒo nu tso amegbetɔ ƒe tiatiawɔblɔɖe ŋu. Le nyateƒe me la, woʋli nya le amegbetɔ ƒe nuwɔnawo ŋu vevie, ne amegbetɔ ƒe tiatiawɔblɔɖe mee wotso loo alo Mawue ɖo wo ɖi. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo gblɔ be ele be ablɔɖe nanɔ amegbetɔ si be wòawɔ tiatia ahawɔ nu, elabena Mawu si nye dzɔdzɔetɔ la léa ŋku ɖe amegbetɔ ƒe nuwɔnawo ŋu hebiaa akɔnta tso wo ŋu. Ame bubuwo gblɔ be Mawue ɖoa nusi amegbetɔ wɔna gake wova “zua” amegbetɔ tɔ to mɔ aɖe nu eye wo me tsonuwo ƒe agba va nɔa edzi. Gake ne míagblɔe gbadzaa la, ame geɖe xɔe se be Mawue ɖo nu ɖesiaɖe, gã kple sue, siwo dzɔna le míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ me ɖi.

Ka dzie nèxɔ se? Ðe Mawu ɖo alesi wò etsɔme anɔ ɖi xoxoa? Ðe tiatiawɔblɔɖe, si nye tiatiawo wɔwɔ le woƒe etsɔme ŋu ƒe ŋutete, le amegbetɔwo si nyateƒea? Afikae míaƒe nuwɔnawo fiaa nusi ava dzɔ ɖe mía dzi se ɖo? Nyati si kplɔe ɖo aɖo biabia siawo ŋu.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

SEL/Sipa Press

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe