Agora Blema Atene ƒe Teƒe Vevi
ZITƆTƆ ɖo Atene-gbalẽnyalawo dome! Wogblɔa nya yeyewo le Hela-dugã ma ƒe agora (takpeƒe), alo asiƒleƒe ɣesiaɣi. Gake fifiatɔ ya to vovo. Esi Yuda-ŋutsu aɖe va ɖo dua me teti ko la, ewɔ abe eva le ‘nu ƒom tso dutamawu ŋu’ ene. Eva le nyamasekpɔ aɖewo gblɔm na ‘amesiwo do goe.’ Epikurotɔ dadalawo kple Stoatɔ mokplalatɔwo bia be: “Nuka gɔ̃ dim nuƒola sia le be, yeagblɔ?” Ẽ, Atenetɔwo ƒe agora nye afisi wohea nya ƒomeviwo katã le eye amewo va sena. Gake nuƒoƒo tso mawu tutɔwo ŋu ya la,—kpao, esia ya gbɔ eme!—Dɔwɔwɔwo 17:17, 18.
Nenemae Atenetɔwo susu esi apostolo Paulo va dze gbeƒãɖeɖe zi gbãtɔ gɔme le Atene ƒe takpeƒea. Yesu Kristo kple tsitretsitsia ŋue wònɔ nu ƒom le. Gake esi wòdze abe wolɔ̃na xɔa nya sia nya le Atene ɖe, nukae gawɔ nuku ne wole nufiafia yeyewo tom vɛ le takpeƒea?
Takpeƒe Va Su Atene Si
Nusi le etɔxɛ koŋue nye takpeƒea ŋutɔ kple akpa vevi si wòwɔ le Atenetɔwo ƒe subɔsubɔgbenɔnɔ kple hadomegbenɔnɔ me. Atene ƒe takpeƒea nye teƒe si ɖi aga vie eye wòkeke agbleka 25 hele Acropolis la ƒe dzieheɣetoɖoƒe. Edze abe ƒe alafa adelia D.M.Ŋ. ƒe gɔmedzedze me, le Atene-dziɖuɖumegã kple sewɔla Solon ƒe agbenɔɣie wotia anyigba sia be wòanye dua ƒe takpeƒe. Esime demokrasi va xɔ anyinɔ ɖe Atene eye susu va nɔ dumeviwo ƒe agbenɔnɔ ŋu la, ewɔe be ame geɖe va nɔ xɔ tum le ƒe alafa si kplɔe ɖo ƒe gɔmedzeƒewo me. Esia na agbe yeye va ɖo takpeƒea eye wòva zu teƒe vevi aɖe.
Helagbe me nya a·go·raʹ dzɔ tso dɔwɔnya si gɔmee nye “ƒo ƒu, kpe ta” me. Esiatae wòsɔ be agora la nye dua ƒe takpeƒe vevi. Takpeƒea va nye teƒe vevi si amehawo ƒoa ƒu ɖo hebɔa ha le. Afimae wokpɔa dumeviwo kpɔkplɔ kple ʋɔnunyawo gbɔ le, enye asiƒleƒe kple asitsaƒe vevitɔ, enye fefewɔƒe si wokpɔa Helatɔwo ƒe fefewo le, enye kamedefefewo wɔƒe, eye wònye teƒe si agbalẽnyalagãwo lɔ̃a ƒuƒoƒo ɖo hena nyamedzodzro.
Àdi be yeaɖi tsa akpɔ Atene takpeƒea ƒe mawuxɔwo, akpatawo, kpememewo, ŋkuɖodzikpewo, kple duxɔwo ƒe kpɔtɔewoa? Esi míedi be míalé ŋku ɖe alesi takpeƒea nɔ le blema ŋu ta la, mina míaɖe hoowɔwɔ kple hloloetsotso si le egbegbe dugã la me le susu me ne míazɔ kpekuimɔwo dzi, ato akalokpe sesẽ ƒe xɔ gbagbã siwo me zi ɖoɖoe, kpekpakpawo, kple agbo siwo le kakam eye gbewo vu tsyɔ wo dzi la dome.
Mawuxɔwo, Vɔsaxɔwo, Kple Takpɔmawuwo
Mawuxɔ, vɔsaxɔ, kple teƒe kɔkɔe geɖe siwo wotu na mawu vovovo la wɔa dɔ ɖe tsaɖilawo dzi. Nusiawo katã wɔe be le Acropolis la megbe la, takpeƒeae ganye tadeaguƒe vevitɔ. Le Nunyonameɣia me le blema Atene la, mawusubɔsubɔ kpɔ ŋusẽ ɖe amewo ƒe hadomenuwɔna ɖesiaɖe dzi. Nusia fia kokoko be woatu mawuxɔ kɔkɔewo ɖe takpeƒea na mawu vovovo siwo wotia be wonye “takpɔmawuwo” na dziɖuɖudɔwɔƒewo kple dukplɔdɔwɔnawo.
Hephaestus ƒe Gbedoxɔe ɖe dzesi le xɔ siawo dome. Mawunɔ Athena do ƒome kple Hephaestus. Wodea ta agu na mawu siawo be wonye mawu siwo kpɔa aɖaŋudɔwo kple asinudɔwo dzi. Wogblɔ be Hephaestus, Helatɔwo ƒe mawu si naa nuwɔɖaŋu si hiã dzoƒoƒonu la, gbɔe wòtso be wowɔ gakponu kple anyinu siwo blematomenukulawo fɔ le gbedoxɔ sia gbɔ. Anye le ƒe alafa adrelia M.Ŋ. me la, wotrɔ gbedoxɔ sia si ta wokpɔ nyuie la wòzu George Kɔkɔe ƒe Hela Orthodɔks Sɔleme, togbɔ be womegazãnɛ nenema egbea o hã.
Ðikeke mele eme o be ele be takpɔmawu nanɔ takpeƒea ŋutɔ si. Eyae nye Zeus Agoraios si wobe eyae to dutoƒonuƒoɖaŋu vɛ, eye wotsɔ Penteli-kalokpe ɖi vɔsamlekpui si woɖo atsyɔ̃ na la nɛ. (Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 14:11, 12.) Woɖi vɔsamlekpui ɖe egbɔ lɔƒo na Mawuwo Dada, eye kalẽtɔwo ƒe ŋkuɖodzikpe gbogbo siwo le eƒe axawo dzi nye nukpɔkpɔ.
Ne míegayi ŋgɔ vie la, míake ɖe Ionia-gbedoxɔ sue aɖe ŋu. Anyigbaŋutinunyala Pausanias gblɔ be enye Papa Apollo ƒe Gbedoxɔ. Nukatae? Elabena wogblɔ le blema Helatɔwo ƒe xotutu aɖe me be eyae nye Ion si to Ion-duɖimekeke si me Atenetɔwo hã kpɔa gome le vɛ la fofo.a Le ɖoƒe sia ta la, Apollo nye dukplɔhawo takpɔmawuwo dometɔ ɖeka, vevietɔ na nɔvisihabɔbɔ vovovo siwo nɔ dua me.
Le dzigbe gome tututu la, míakpɔ gbedoxɔ sue aɖe si wotu le ƒe alafa enelia D.M.Ŋ. domedome ƒe akalokpegli gbagbãwo. Zeus kple Athena Phatrios, siwo nye blema subɔsubɔhawo ƒe mawu veviwoe wodea ta agu na le afisia. Enye nudidi na Atene dumeviwo katã kloe be woanɔ ha siawo me. Le mɔa godo tututu la, míakpɔ Mawu Wuieveawo ƒe vɔsamlekpui kpɔtɔea.
Wogade bubu Helatɔwo ƒe mawu vevitɔ ŋu le Zeus Eleutherios ƒe Akpata si tsɔ ɖe afima me, fifia wode bubu eŋu be enye ablɔɖe kple xɔxɔ ƒe mawu. Akpata sia nye tsaɖiƒe kple takpeƒe xɔŋkɔ aɖe. Wogblɔ be xexemenunyala xɔŋkɔ Socrates kple exɔlɔ̃wo kpea ta le akpata sia me nɔa anyi heɖoa dze alo ɖia tsa. Nunana geɖe siwo wotsɔ ɖo atsyɔ̃ na akpata sia abe aʋawɔla siwo tsi aʋa le Atene taʋiʋli me ƒe akpoxɔnuwo ene la do ƒome tẽ kple dua xɔxɔ tso futɔwo si me alo do ƒome kple eƒe ablɔɖe ta kpɔkpɔ.
Panathenaea-Mɔ La
Mɔ gbadza aɖe si dzi kpekuiwo le si woyɔna be Panathenaea-Mɔ la tso takpeƒea me tso dzogoe ɖeka va yi bubu. Atenetɔwo ƒe dukɔzã si woyɔna be Panathenaea mee wofɔ eƒe nɔnɔme tɔxɛ la kple eƒe ŋkɔ tsoe. Le azã sia ɖuɣi la, wotsɔa mawunɔ Athena ƒe ŋkumetsyɔnu toa mɔ sia dzi tso Gbɔlɔlawo ƒe Xɔ (si te ɖe dua ƒe agbo nu) me va yina Acropolis la me. Gliŋunutata aɖe si le Parthenon-gbedoxɔ ŋu na míekpɔ atsyɔ̃ɖoɖo kple gãnyenye si wotsɔ lɔa gbɔe le azã la ɖuɣi—sɔdzisrafowo, duɖimeketasiaɖamwo, vɔsa nyiwo kple alẽwo, ɖekakpui kple ɖetugbi siwo tsɔ nusiwo woazã le vɔsasa me la. Atene-viwo kple woƒe amekpekpewo, amesiwo ƒe vivisese tae xɔtuɖaŋuwɔlawo wɔ teƒe siwo sɔ na wo le takpeƒea tuɣi lae va kpɔa gbɔlɔlaawo. Le kpɔɖeŋu me, woɖo kpuiwo kple wo ŋu trakpuiwo aɖaŋutɔe ale gbegbe be wosɔ ɖe afisi woalɔ gbɔ ato nu. Nukpɔla geɖe ate ŋu ato atrakpui gbogbo siwo woɖe ɖe wo ŋu dzi le ɣeyiɣi ɖeka me.
‘Eyɔ Fũ Kple Legbawo’
Le gbedoxɔwo, kpememewo, kple ŋkuɖodzikpewo ƒe agbɔsɔsɔ fũ ta la, mewɔ nuku o be Paulo ƒe “gbɔgbɔ bi dzi le eme, esi wòkpɔ dua me yɔ fũ kple legbawo.” (Dɔwɔwɔwo 17:16) Ðewohĩ nusiwo Paulo kpɔ esi wòge ɖe takpeƒea na wòɖi vo. Mawu si nye Hermes ƒe kpememe siwo le abe ŋutsu ƒe gbɔdɔnu ene sɔ gbɔ ale gbegbe be ehiã be woada wo ɖe akpata blibo ɖeka si woyɔna be Hermes ƒe Akpata me. Atitsogadzesiwo le awu siwo le Hermes ƒe nɔnɔmetatawo ŋu la ŋu—wonye vidzidzi kple agbe ƒe dzesi. Venus Genetrix, si nye gbɔdɔdɔ ƒe lɔlɔ̃ mawunɔ ƒe kpememe li, eye ɖe hã li na Dionysus si ŋu ŋutsu ƒe gbɔdɔnu gbogbo aɖewo siwo tso ga wo nɔewo le. Nusi fia be takpeƒea nye ‘teƒe kɔkɔe’ enye liƒokpe si dzi agba le eye tsi “kɔkɔe” le eme na amesiwo katã vaa eme be woatsɔ aklɔ wo ɖokui ŋu le kɔnua nu.
Ne míebu alesi subɔsubɔ xɔ aƒe ɖe teƒeae ŋu la, míate ŋu akpɔe enumake be nɔnɔme si me Paulo nɔ la dziŋɔ ŋutɔ. Wobui be ‘ele dutamawuwo fiam,’ eye ɣemaɣi ƒe se gblɔ be ‘mele be mawu bubu alo yeye aɖeke nanɔ ame aɖeke si o; eye ame aɖeke mekpɔ mɔ asubɔ mawu tutɔ le eɖokui si o negbe ɖe dukɔa ɖe mɔ nɛ hafi.’ Eyata mewɔ nuku o be wokplɔ apostoloa yi ɖe Areopago la be woabia gbee.—Dɔwɔwɔwo 17:18, 19.
Dudzikpɔƒea
Atene-dziɖuɖu dɔwɔƒegã nɔ xɔ aɖe si le godoo si woyɔna be Tholos me. Bene dumegãwo nanɔ kpuiƒe ɣesiaɣi ta la, dumegã geɖe mlɔa xɔ sia me le zã me. Nudakpe aɖewo nɔ Tholos sia me. Dudzikpɔƒea ƒe dɔwɔƒe vovovo ƒe xɔwo nɔ nutoa me. Aɖaŋuɖotakpexɔa le kpui aɖe si woɖe ɖe togbɛ si le Tholos la ƒe dzieheɣetoɖoƒe gome la ŋu. Afimae Aɖaŋuɖotakpekpea me tɔ 500 wɔa takpekpe siwo me kɔmitiwo wɔa woƒe dɔwo le eye wowɔa sewo na Sedzikpɔlawo le.
Dudzikpɔdɔwɔƒe vevi aɖe hãe nye Fiahawo ƒe Akpata la. Afimae Atene ƒe Fiahawo ƒe Ʋɔnudrɔ̃la—si nye dua ƒe ʋɔnudrɔ̃la vevi etɔ̃awo dometɔ ɖeka—ƒe dɔwɔƒe nɔ. Afimae wòwɔa eƒe dudzikpɔdɔ siwo ku ɖe subɔsubɔ kple ʋɔnunyawo ŋu le. Esime wotsɔ mawumavɔ̃mavɔ̃ ƒe nutsotso ɖe Socrates ŋu la, anye afisia kokokoe wosamae be wòava. Woɖe Atene ƒe blemasewo ɖe xɔ aɖe si dze ŋgɔe ƒe gliwo ŋu. Kpe aɖe le xɔgã sia ke ŋgɔ, si dzi ʋɔnudrɔ̃lawo, alo ʋɔnudrɔ̃lagãwo tsia tre ɖo ƒe sia ƒe kaa atam ne woaxɔ wo ɖe dɔme.
Attalus ƒe Akpata
Takpeƒea ƒe xɔ si ta wokpɔ wu ɖesiaɖee nye Attalus ƒe Akpata. Le Attalus si nye Pergamum Fia (ƒe alafa evelia D.M.Ŋ. me) ƒe ɖekakpui me la, ede Atene sukuwo abe alesi Mediterranea-nyigba dzi ƒe fiaƒomewo me viwo dee ene. Esime wòva zi dzie wòtu nunana dzeani sia—Attalus ƒe Akpata—na du si me wòde suku le.
Wɔƒe vevi si nɔ Attalus ƒe Akpata la ŋue nye be wòanye nɔƒe kple tsaɖiƒe dzeani si tame wogba si me woabɔ ha le ahalé susuwo kpɔ le. Eƒe anyigba kple kpuiwo nye nɔƒe nyuiwo woanɔ akpɔ gbɔlɔlawo, eye ɖewohĩ alesi wònye tsaɖiƒe xɔŋkɔ tae wòte ŋu nye asiƒleƒe kpɔdzidzedze hã. Dziɖuɖua hayana nudzraƒeawo na asitsalawo bene woakpɔ ga atso xɔa me.
Esi wogbugbɔ trɔ asi le Attalus ƒe Akpata la ŋu wòɖo eƒe nɔnɔme tsãtɔ nu ta la, eva zu alesi wotua xɔ ɖe dzidze tɔxɛ nu ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe. Nu bliboa ƒe dzidzeme, dometsotso nyui siwo le sɔtiawo tame kple ete dome, alesi kekeli kple vɔvɔli tso wo nɔewo domee, xɔtunuawo ƒe nyonyome kple anidzedze katã na wòle etɔxɛ. Le alesi wozã sɔtiwo tame ƒe atsyã vovovo etɔ̃—Dorictɔwo tɔ, Ioniatɔwo tɔ, kple Egiptetɔwo tɔ—ta la, ena be nuwo menye nu ɖeka ŋugbe sɔŋ o.
Dekɔnuwo Wɔƒe
Xɔ aɖe si me woɖua dekɔnuzã geɖe le le Atene ye nye Fefewɔxɔ la. Vipsanius Agrippa si nye Roma Fiagã Augustus toyɔvie tsɔe na nunanae. Woɖo akalokpe sesẽ siwo le amadede vovovo me ɖe anyigba le eƒe ŋgɔgbe. Anyinɔƒea si ame 1,000 kloe ate ŋu anɔ la keke meta 25 eye esi wotui gbã la, wometu sɔti aɖeke ɖe eme si dzi xɔgbatiawo nɔ o. Nusia nye xɔtutu me nuwɔkpɔ si bia dzideƒo wu ɖesiaɖe si wonya le blema ɣeyiɣiwo me! Gake ɖewohĩ le esi agbenɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔwo le Kristotɔ vavãwo si ta la, modzaka geɖe siwo woɖena le afima madze wo ŋu o.—Efesotɔwo 5:3-5.
Anɔ eme be amesiwo lɔ̃a numekuku le blema ɣeyiɣiwo me anya de Pantainos ƒe Agbalẽdzraɖoƒe. Aɖakaviwo nɔ eƒe gliwo ŋu fũ siwo me wodzra aƒlagbalẽ xatsaxatsawo kple lãgbalẽwo ɖo. Agbalẽdzraɖoƒea ƒe xɔgã le ɣetoɖoƒe gome, eye woate ŋu akpɔ xɔxɔnu aɖe si ŋu sɔtiwo le agbaka me—enye teƒe nyui aɖe si woate ŋu aɖi tsa le, axlẽ nu le, alo ade ŋugble le. Woke ɖe nuŋlɔɖi aɖe si dzi agbalẽdzraɖoƒea ƒe sewo le ŋu. Woawoe nye be: “Mele be woatsɔ agbalẽ aɖeke adzoe o,” kple “[Agbalẽdzraɖoƒea] le ʋuʋu ɖi tso gaƒoƒo gbãtɔ va ɖo adelia dzi.”
Takpeƒea le Egbeŋkekewo Me
Le ŋkeke siawo me la, Amerika ƒe Blemanuwo Ŋuti Nusrɔ̃ƒea ku takpeƒea ale gbegbe. Enye teƒe ziɖoɖoe aɖe le Acropolis tsrala la gɔme, eye ezu teƒe si tsaɖimɔzɔla si di be yealé ŋku ɖe alesi blema Atene nɔ ŋu vie la alɔ̃ be yeayi.
Monastiraki Nuxoxodzraƒea—si woate ŋu azɔ afɔ bɔkɔɔ tso takpeƒea kple Acropolis la gbɔ ayi—hã nye teƒe dzeani bubu. Enye nukunuteƒe na tsaɖila ganye afisi wòate ŋu akpɔ Helatɔwo ƒe dekɔnu si avivi enu kpakple Titinaɣedzeƒe kple Ɣedzeƒenyigba dzi tɔwo ƒe asiƒeƒle kple asiƒoƒo teƒe le. Eye le nyateƒe me la, tsaɖila la akpɔ Yehowa Ðasefowo hã le afima wole dɔ ma ke si apostolo Paulo wɔ ƒe 1,900 kple edzivɔe nye si va yi hã teƒe—si nye gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia le gaglãgbe ‘na amesiwo wodoa goe.’
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Javan, amesi nye Yafet ƒe vi kple Noa tɔgbuiyɔvi ƒe ŋkɔ mee wokpɔ Ion tsoe.—Mose I, 10:1, 2, 4, 5.
[Aɖaka si le axa 28]
Asitsatsa le Atene
Takpeƒea menye agbalẽnyalawo kple dumeviwo ƒe nɔƒe vevi le Atene ko o ke enye dua ƒe asiƒleƒe vevi hã. Atene va zu asitsaƒe xɔŋkɔ aɖe, le eƒe ga ƒe kelili kple ʋɔnudrɔ̃lawo, amesiwo wona ŋusẽe be woakpɔ egbɔ be wotsa asi ɖesiaɖe le anukwareɖiɖi me amebaba manɔmee ƒe moveviɖoɖo ta.
Atenetɔwo ɖoa wein, amiti ƒe ami, anyitsi, akalokpe sesẽ, kple mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒenuwo abe anyinuwo kple ga ƒomevi siwo ŋu wotrɔ asi le ɖe duta. Ðe eteƒe la, edɔa lu koŋ tso duta. Esi womete ŋu kpɔa adzɔnuwo wòsua Attica (Atene-nutome) nɔlawo o ta la, asitsasewo me sẽ. Wokpɔa egbɔ be nuɖuɖu mumu si asu la le asiƒleƒe si le Piraeus (Atene ƒe ʋudzeƒe) ɣesiaɣi bene woana dua me tɔwo kple asrafowo. Eye womeɖea mɔ na asitsalawo be woali kɔ nuwo ɖi adzra asi sesẽe ne nuwo va le vevem o.