Betel—Du si Xɔ Ŋkɔ Nyui Kple Ŋkɔ Vɔ̃
DU AÐEWO xɔa ŋkɔ nyui—alo ŋkɔ vɔ̃—le nusiwo dzɔ le wo me ta. Gake Betel ya tɔ to vovo le susu sia nu be exɔ ŋkɔ nyui kple ŋkɔ vɔ̃ siaa. Blemafofo Yakob tsɔ ŋkɔ na du sia be Betel, si gɔmee nye “Mawu ƒe Aƒe.” Gake le ƒe akpe ɖeka megbe la, nyagblɔɖila Hosea va yɔ dua be “Nugbegblẽwɔwɔ ƒe Aƒe.” Alekee du nyui sia va trɔ zu du gbegblẽe? Eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso eƒe ŋutinya me?
Betel nyanya ɖe Mawu ƒe amewo ŋu dze egɔme le ƒe 1943 D.M.Ŋ. me, esime Abraham gakpɔtɔ nɔ agbe. Woyɔa dua ɣemaɣi be Lus, si nye ŋkɔ si Kanaanitɔwo tsɔ nɛ. Wotsoe ɖe todzinuto si didi kilometa 17 tso Yerusalem ƒe dziehe gbɔ la me. Tsɔ susu kpɔ alesi Abraham kple tɔgãyɔvia Lot wotɔ ɖe teƒe kɔkɔ aɖe si woakpɔ nu le nyuie le to siwo ƒo xlã Betel dzi nɔ bali nyonu si le Yordan Balia ƒe anyigbe kpɔmee ɖaa la ɖa. Abraham tsɔ aɖaŋudzedze gblɔ alesi wòhiã be yewoamã gbeɖuƒe na yewoƒe lãha gbogboawo la na Lot be: “Megana dzre nanɔ mía kpli wò, nye lãnyilawo kple wò lãnyilawo dome o, elabena nɔviwo míenye. Alo menye anyigba blibo la nye esi le ŋkuwò me oa? De megbe tso gbɔnye dzro! Ne ètia mia me la, matsɔ ɖusi me, eye ne ètia ɖusi me la, matsɔ mia me.”—Mose I, 13:3-11.
Abraham meʋli be yee dze awɔ tiatia la gbã o. Eɖe mɔ na amesi wònye tsitsi na boŋ be wòatia afisi wòlɔ̃ gbã. Míate ŋu asrɔ̃ nɔnɔme nyui si Abraham ɖe fia la. Míate ŋu atsi nyaʋiʋliwo nu ne míexɔ ŋgɔ ƒo nu bɔkɔɔ eye míewɔ nu ɖokuitɔmadimadii.—Romatɔwo 12:18.
Ƒe aɖewo megbe, esi Abraham ƒe tɔgbuiyɔvi Yakob va tsi Lus dɔ la, eku drɔ̃e tɔxɛ aɖe. Ekpɔ “atsrɔe aɖe tɔ anyigba, eye eƒe nugbɔ de dziƒo, eye wòkpɔ mawudɔlawo le eflɔm le dzi yim gale ɖiɖim. Eye wòkpɔ Yehowa le tsitre ɖe [etame].” (Mose I, 28:11-19; tsɔe sɔ kple Yohanes 1:51.) Gɔmesese vevi aɖe nɔ drɔ̃e la ŋu. Mawudɔla siwo Yakob kpɔ la asubɔ Yakob le dɔwɔwɔ tso ŋugbe si Mawu do nɛ tso eƒe dzidzimevi ŋu la ƒe emevava me. Alesi Yehowa nɔ atsrɔe la tame fia be eyae afia mɔ mawudɔlaawo le dɔ sia wɔwɔ me.
Kakaɖedzi sia si Mawu na Yakob be yeanɔ megbe nɛ la ʋãe ale gbegbe. Esi wònyɔ tso drɔ̃eƒea teti ko la, eyɔ teƒea be Betel, si fia be “Mawu ƒe Aƒe,” eye wòɖe adzɔgbe na Yehowa be: “Matsɔ nusianu, si nanam la ƒe ewolia na wò kokoko.”a (Mose I, 28:20-22) Esi wònyae be nusianu si nɔ ye si tso Mawu gbɔ ta la, eɖoe be yeatsɔ eƒe gbogbo aɖe ana atsɔ aɖe yeƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afiae.
Mawudɔlawo le subɔsubɔdɔ wɔm ɖe Kristotɔwo hã ta egbea. (Psalmo 91:11; Hebritɔwo 1:14) Woawo hã ate ŋu aɖe woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe yayra gbogbo siwo woxɔna la ta to ‘alesi woagba go le akpedada geɖe me na Mawu’ me.—Korintotɔwo II, 9:11, 12.
Le ɣeyiɣia aɖe megbe la, Yakob ƒe dzidzimeviwo va zu dukɔ. Wo nunɔla Yosua ɖu Betel-fia si nye trɔ̃subɔla la dzi le Kanaan dzi ɖuɖu ƒe gɔmedzedze ko. (Yosua 12:16) Le Ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ɣeyiɣiwo me la, nyɔnu nyagblɔɖila Debora nɔ teƒe aɖe si te ɖe Betel ŋu eye wògblɔa Yehowa ƒe nya na dukɔa. Esi Samuel hã nɔ ʋɔnu drɔ̃m Isreal-dukɔa la, ede Betel edziedzi.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:4, 5; Samuel I, 7:15, 16.
Betel Va Zu Xɔsegbedu
Gake esi Fiaɖuƒea mã le ƒe 997 D.M.Ŋ. megbe la, subɔsubɔ kɔkɔe nu tso le Betel. Fia Yerobeam na Betel va zu nyivisubɔsubɔdu, eye wotsɔe be nyiviae le Yehowa teƒe. (Fiawo I, 12:25-29) Nusia tae esime Hosea nɔ Betel ƒe tsɔtsrɔ̃ ŋutinya gblɔm ɖi la, eyɔe be “Bet-Awen” si fia be “Nugbegblẽwɔwɔ ƒe Aƒe.”—Hosea 10:5, 8.
Togbɔ be Betel va zu gbɔgbɔ me nugbegblẽwɔwɔ ƒe aƒe hã la, nusɔsrɔ̃ vevi aɖewo le nusiwo dzɔ le afima me na mí. (Romatɔwo 15:4) Nusɔsrɔ̃ mawo dometɔ ɖeka ku ɖe nyagblɔɖila aɖe si ŋkɔ womeyɔ o si wodɔ tso Yuda ɖo ɖe Betel be wòagblɔ tsɔtsrɔ̃ si ava eƒe vɔsamlekpuiwo kple nunɔlawo dzi ɖi la ŋu. Yehowa gblɔ nɛ hã be wòatrɔ ava Yuda—azɔ kilometa ʋee aɖewo ko ava anyiehe—eye mele be wòaɖu nu alo ano tsi o. Nyagblɔɖila sia gblɔ gbegblẽ si ava Betel vɔsamlekpuiawo dzi dzideƒotɔe le Isreal-fia Yerobeam ƒe ŋkume. Gake meɖo to Mawu o esi wòɖu nu le nyagblɔɖila xoxo aɖe ƒeme le Betel. Nukatae? Nyagblɔɖila xoxo la blee be Yehowa ƒe dɔla gblɔ na ye be yeawɔ amedzro na ye havi nyagblɔɖila aɖe. Yuda nyagblɔɖila la ƒe tomaɖomaɖo na wòku ku kpata.—Fiawo I, 13:1-25.
Nukae míawɔ ne mía havi dzixɔsetɔ aɖe do nane si wɔwɔ ŋu nya ku ɖo ɖe mía gbɔ? Ðo ŋku edzi be nyuidinameɖaŋu si woaɖo na ame kura gɔ̃ hã ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu ne menyo o. (Tsɔe sɔ kple Mateo 16:21-23.) Ne míebia mɔfiame Yehowa to gbedodoɖa kple eƒe Nya la sɔsrɔ̃ dzi la, míawɔ vodada wɔnublanui si nyagblɔɖila si ŋkɔ womeyɔ o wɔ la o.—Lododowo 19:21; Yohanes I, 4:1.
Anye ƒe 150 aɖewo megbe la, nyagblɔɖila Amos hã zɔ mɔ yi dziehe yi be yeagblɔ nya ɖi ɖe Betel ŋu. Amos ƒo nu dzideƒotɔe na eƒe nyasela siwo tsi tre ɖe eŋu, si me nunɔla Amazya si gblɔ na Amos dadatɔe be ‘wòasi ayi Yuda-nyigba dzi’ hã nɔ. Gake Amos ƒo nu tso dzɔgbevɔ̃e siwo ava nunɔla la ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo dzi la ŋu na Amazya vɔvɔ̃ manɔmee. (Amos 5:4-6; 7:10-17) Eƒe kpɔɖeŋua fia mí be Yehowa ate ŋu ana dzi nanɔ eƒe subɔla siwo nye ame tsɛwo ƒo.—Korintotɔwo I, 1:26, 27.
Mlɔeba Yuda-fia nuteƒewɔla Yosiya ‘gbã vɔsamlekpui si le Betel, eye wòtɔ dzo nuxeƒe la hetui memie, eye wòtɔ dzo Asera la.’ (Fiawo II, 23:15, 16) Egbea hamemegãwo hã ate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu nyui la ne wotsɔa dzonɔameme wɔa Mawu ƒe mɔfiamewo dzi eye wokpɔa egbɔ be hamea le dzadzɛ.
Betel ƒe ŋutinya me nudzɔdzɔ siawo ɖe nusi dona tsoa eme ne wowɔ nu dzɔdzɔe alo nu vɔ̃ɖi, ne woɖo to Yehowa alo womeɖo toe o la fia kɔte. Ƒe aɖewo do ŋgɔ la, Mose tsɔ tiatia sia wɔwɔ ɖo Israel-dukɔa ŋkume: “Metsɔ agbe kple dzɔgbenyui, ku kple dzɔgbevɔ̃e ɖo ŋkuwò me egbe.” (Mose V, 30:15, 16) Ŋugbledede le Betel ƒe ŋutinya ŋu ade dzi ƒo na mí be míaɖee afia be míenye “Mawu ƒe Aƒe,” afisi wowɔa tadedeagu vavãtɔ le, la me tɔwo, ke menye “Nugbegblẽwɔwɔ ƒe Aƒe” me tɔwo o.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Yakob kple Abraham siaa tsɔ lɔlɔ̃nu faa na nu ewolia.
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Betel, afisi Yerobeam ɖo nyivi subɔsubɔ ɖo, si wotsrɔ̃ ƒe glikpowo