INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 10/1 axa 13-18
  • Srɔ̃ Yehowa Ƒe Nublanuikpɔkpɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Srɔ̃ Yehowa Ƒe Nublanuikpɔkpɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nɔvi aɖe ƒe Dzibibi
  • Tame Gbegblẽ Bubu
  • Vifofo aɖe ƒe Nublanuikpɔkpɔ
  • Mawu ƒe Nublanuikpɔkpɔ Sɔsrɔ̃ Egbea
  • “Yehowa, Nublanuikpɔla Kple Amenuve Mawu”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Mawu Si Ƒe “Nublanuikpɔkpɔ Sɔ Gbɔ” La Subɔm Míele
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
  • ‘Mia Fofo Nye Nublanuikpɔla’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Aleke Míate Ŋu Anye Nublanuikpɔlawoe?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 10/1 axa 13-18

Srɔ̃ Yehowa Ƒe Nublanuikpɔkpɔ

“Mizu nublanuikpɔlawo, abe alesi mia Fofo hã nye nublanuikpɔla ene.”—LUKA 6:36.

1. Aleke Farisitɔwo ɖee fia be yewomenye nublanuikpɔlawo o?

TOGBƆ be Mawu ƒe nɔnɔme nue wowɔ amegbetɔ ɖo hã la, zi geɖe Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ menya srɔ̃na nɛ o. (Mose I, 1:27) Le kpɔɖeŋu me, bu Farisitɔwo ŋu kpɔ. Woƒe ƒuƒoƒoa gbe be yewomakpɔ dzidzɔ esi Yesu kpɔ nublanui na ŋutsu aɖe si siti lé asi na eye wòda gbe le eŋu le Sabat dzi o. Aɖaŋu boŋ ye wode ɖe Yesu ŋu, “alesi woawɔ awui.” (Mateo 12:9-14) Ɣebubuɣi Yesu gada gbe le ame aɖe si nye ŋkuagbãtɔ tso eƒe dzidzi me ke ŋu. Le afisia hã Yesu ƒe dɔmetɔtrɔ medzɔ dzi na ‘Farisitɔwo dometɔ aɖewo’ o. Wotsɔ nya ɖe eŋu boŋ be: “Amesia la menye Mawu gbɔ wòtso o, elabena medzra Sabat la ɖo o.”—Yohanes 9:1-7, 16.

2, 3. Nya si Yesu gblɔ be, “Milé be na mia ɖokui le farisitɔwo . . . ƒe amɔwɔ ʋaʋã la ŋuti” gɔme ɖe?

2 Farisitɔwo ƒe vevemasemaseɖeamenu la nye agɔdzedze le ameƒomea dzi kple nuvɔ̃wɔwɔ ɖe Mawu ŋu. (Yohanes 9:39-41) Eyata esɔ be Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo be, “Milé be na mia ɖokui le” ame ŋkutawo ƒe hatsotso sia kple subɔsubɔhaŋgɔnɔla bubuwo, abe Zadukitɔwo ene, ƒe “amɔwɔ ʋaʋã la ŋuti.” (Mateo 16:6) Wozãa amɔwɔ ʋaʋã le Biblia me na nuvɔ̃ alo nugbegblẽwɔwɔ. Eyata Yesu nɔ gbɔgblɔm be “agbalẽfialawo kple farisitɔwo” ƒe nufiafia ate ŋu agblẽ tadedeagu dzadzɛa. Le mɔ ka nu? Le gɔmesese sia nu be wofia amewo be woabu Mawu ƒe Sea le woawo ŋutɔ ƒe se kple kɔnyinyiwo nu ko esime wometsɔ ɖeke le “nusiwo le kpekpem wu,” si me nublanuikpɔkpɔ hã le la me o. (Mateo 23:23) Subɔsubɔ si nye kɔnuwɔwɔ ko sia tɔgbe wɔe be tadedeagu na Mawu zu agba si wu tsɔtsɔ na amewo.

3 Le vi nudomegblẽlaa ƒe lododoa ƒe akpa evelia me la, Yesu klo nu le Yudatɔwo ƒe subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo ƒe tame gbegblẽ bubu dzi. Le lododoa me la, vifofoa, si tsi tre ɖi na Yehowa, di vevie be yeatsɔ ake ye vi si trɔ dzime. Gake via tsitsitɔ, si nye kpɔɖeŋu na “farisitɔwo kple agbalẽfialawo,” ƒe seselelãme le nyaa ŋu to vovo kura.—Luka 15:2.

Nɔvi aɖe ƒe Dzibibi

4, 5. Gɔmesese ka nue nudomegblẽla nɔvia ‘bu’ le?

4 “Ke viaŋutsuvi xoxoetɔ le agble me; eye esi wòva tu aƒe la, ese saŋkuɖiɖi kple ɣeɖuɖu. Eye wòyɔ dɔlawo dometɔ ɖeka va egbɔ, eye wòbiae bena: Nukawo nye nusiawo mahã? Eye wògblɔ nɛ bena: Nɔviwò va, eye fofowò wu nyivi dami; elabena egakpɔe dedie. Eye wòbi dzi, eye melɔ̃ be, yeayi ɖe aƒea me o.”—Luka 15:25-28.

5 Edze ƒã be menye vi nudomegblẽlaa koe nye amesi ŋu kuxi le le Yesu ƒe lododoa me o. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Viŋutsu eve siwo ƒe kpɔɖeŋu wowɔ le afisia la dometɔ evea siaa bu. Ðeka to numadzɔmadzɔwɔwɔ si ɖi gbɔe me, evelia to eɖokui bubu ame dzɔdzɔe si gbã ŋku nɛ me.” De dzesii be menye ɖeko nudomegblẽla nɔvia gbe dzidzɔkpɔkpɔ kple wo ko evɔ o ke ‘ebi dzi’ hã. Nya si me woɖe Helagbe me nya si wozã na “dzibibi” tsoe la meku ɖe dzikukpɔkpɔ kpata ŋu ale o ke boŋ eku ɖe susu me ƒe nɔnɔme aɖe si nɔa anyi ɣeyiɣi didi la ŋu. Edze abe ɖe nudomegblẽla nɔvi do dziku ɖe eŋu helĩhelĩ ene, eyata ewɔ nɛ be mesɔ be woaɖu azã na amesi mele be wòaʋu le aƒea me hafi o la esi wòtrɔ gbɔ o.

6. Amekawoe nudomegblẽla nɔvia nye kpɔɖeŋu na, eye nukatae?

6 Nudomegblẽlaa nɔvia ƒe kpɔɖeŋua sɔ na amesiwo Yesu ƒe nublanuikpɔkpɔ na nuvɔ̃wɔlawo kple eƒe ɖetsɔleme na wo ve dɔme na la nyuie. Yesu ƒe nublanuikpɔkpɔ mewɔ naneke le lãme na amesiawo siwo bua wo ɖokui ame dzɔdzɔewoe o; eye dzidzɔ si wokpɔna le dziƒo ne nuvɔ̃wɔla aɖe trɔ dzime hã medze le woƒe nuwɔna me o. Ðe Yesu ƒe nublanuikpɔkpɔ na wobi dzi boŋ, eye ‘wobu nu vɔ̃ɖiwo le woƒe dzi me.’ (Mateo 9:2-4) Gbeɖeka Farisitɔwo kpɔ dziku ale gbegbe be woyɔ ame aɖe si ŋu Yesu da gbe le vɛ eye “wonyãe do goe” le ƒuƒoƒe la—ate ŋu anye be ɖe woɖee le hame! (Yohanes 9:22, 34) Abe nudomegblẽlaa nɔvi si “melɔ̃ be, yeayi ɖe aƒea me o” ene la, Yudatɔwo ƒe subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo gbe kura esi mɔnukpɔkpɔ su wo si be ‘woadzɔ dzi kple amesiwo dzi le dzɔdzɔm.’ (Romatɔwo 12:15) Yesu na woƒe tamebubu vɔ̃ɖi la gadze le eƒe lododoa dziyiyi me.

Tame Gbegblẽ Bubu

7, 8. (a) Aleke nudomegblẽla nɔvia mese vinyenye gɔmee o? (b) Mɔ ka nue vi tsitsitɔa meɖi fofoa le o?

7 “Ke fofoa do go va ɖe kuku nɛ. Eye wòɖo ŋu gblɔ na fofoa bena: Kpɔ ɖa, nenem ƒe geɖe siawo mesubɔ wò, eye nyemeda wò seawo dzi kpɔ o, ke nye la mèna gbɔ̃ tatam kpɔ bena, mía kple xɔ̃nyewo míakpɔ dzidzɔ o; ke esi viwòŋutsuvi sia, si gblẽ wò nuwo kple nyɔnu wɔahasiwo la, va ko la, nèwu nyivi dami nɛ.”—Luka 15:28-30.

8 Vi nudomegblẽlaa nɔvi ƒe nya siawo gbɔgblɔ fia be mese vinyenye ŋutɔŋutɔ gɔme o. Ðeko wòsubɔa fofoa abe alesi dɔwɔvi subɔa eƒe dɔtɔ ene. Abe alesi wògblɔe na fofoa ene la: “Mesubɔ wò.” Nyateƒee, vi tsitsitɔa meʋu le aƒeme kpɔ alo da fofoa ƒe se dzi kpɔ o. Gake esi wòlɔ̃ fofoa tae wòɖoa toea? Ðe fofoa subɔsubɔ dzɔa dzi nɛ ŋutɔŋutɔa, alo ɖe wòva zu ɖokuiŋudzela ale gbegbe kple susu be yenye vi nyui le esi yewɔ dɔ siwo wòle be yeawɔ “le agble me” taa? Ne vi si lɔ̃a fofoa ye wònye vavã la, ke nukatae fofoa ƒe nɔnɔme medze le eŋu o? Esi mɔnukpɔkpɔ su esi be wòakpɔ nublanui na nɔvia la, nukata nublanuikpɔkpɔ meʋã dzi nɛ o?—Tsɔe sɔ kple Psalmo 50:20-22.

9. Ðe alesi Yuda subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo ɖi vi tsitsitɔa le la me.

9 Yudatɔ subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo ɖi vi tsitsitɔa. Wosusu be yewowɔa nuteƒe na Mawu le esi yewoléna ɖe se ŋu goŋgoŋ ta. Ele eme baa be toɖoɖo hiã ŋutɔ ya. (Samuel I, 15:22) Gake woƒe gbetete ɖe mawusubɔsubɔdɔwo dzi akpa wɔe be woƒe tadedeagu na Mawu va zu nusi metso dzi me o abe kɔnuwɔwɔ ko ene, enye gotagomesubɔsubɔ ko, gbɔgbɔmemenyenye ŋutɔŋutɔ aɖeke mekpe ɖe eŋu o. Kɔnyinyiwo xɔ susu me na wo. Lɔlɔ̃ mele dzi me na wo o. Wobua ame tsɛwo abe ɖi si le woƒe afɔ te ene, woyɔ wo vlodoametɔe kura gɔ̃ hã be ‘amesiwo woƒo fi dee.’ (Yohanes 7:49) Le nyateƒe me la, aleke subɔsubɔhaŋgɔnɔla mawo ƒe subɔsubɔdɔwo adze Mawu ŋui esi woƒe dzi te ɖa xaa tso egbɔ?—Mateo 15:7, 8.

10. (a) Nukatae nya siwo nye “nublanuikpɔkpɔ dim mele, menye numeme o” nye nuxlɔ̃ame si sɔ? (b) Aleke gbegbee nublanuimakpɔmakpɔ nye nya gãe?

10 Yesu gblɔ na Farisitɔwo be: “Miyi ɖasrɔ̃ nusia gɔme: ‘Nublanuikpɔkpɔ dim mele, menye numeme o.’ ” (Mateo 9:13; Hosea 6:6) Womeganya nusiwo nye vevitɔ o, elabena woƒe vɔsawo azu dzodzro ne nublanuikpɔkpɔ mele wo me o. Ŋkubiãnya ŋutɔŋutɔe wònye, elabena Biblia bu “ame makpɔnublanuiwo” de amesiwo ‘dze ku’ le Mawu ŋkume dome. (Romatɔwo 1:31, 32) Eyata mewɔ nuku o be Yesu gblɔ be abe ƒuƒoƒo ene la, subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo ayi ɖe tsɔtsrɔ̃ mavɔ me. Edze ƒã be woƒe nublanuimakpɔmakpɔ koŋ hã gbɔe wòtso be ʋɔnudɔdrɔ̃ sia dze wo. (Mateo 23:33) Gake ɖewohĩ woate ŋu akpe ɖe hatsotso sia me tɔ ɖekaɖekawo ŋu. Le lododoa taƒoƒo me la, Yesu dze agbagba be yeakpe ɖe Yudatɔ siawo ŋu ne woatrɔ susu esi wògblɔ nya siwo vifofoa gblɔ na via tsitsitɔa. Mina míakpɔ alesi wòwɔe ɖa.

Vifofo aɖe ƒe Nublanuikpɔkpɔ

11, 12. Aleke vifofo si le Yesu ƒe lododoa me dze agbagba be yeaɖe nu me na via tsitsitɔe, eye nukae ɖe dzesi le nya si fofoa gblɔ be “nɔviwò” ŋu?

11 “Eye wògblɔ nɛ bena: “Vinye, wò la èle gbɔnye ɣesiaɣi, eye nusiwo katã nye tɔnye la, tɔwòe. Ke ele be, dzi nadzɔ [mí]; elabena nɔviwò sia ku, eye wògagbɔ agbe; ebu, eye wogakpɔe.”—Luka 15:31, 32.

12 De dzesii be vifofo la zã nya “nɔviwò.” Nukatae? Ðo ŋku edzi be esi vi tsitsitɔa nɔ nu ƒom na fofoa la, eyɔ nudomegblẽlaa be “viwòŋutsuvi”—menye “nɔvinye” o. Ðeko wòwɔ abe ɖe menya be dɔɖekamevie ye kple ye nɔvia yewonye o ene. Eyata le nyateƒe me, fofoa le egblɔm na vi tsitsitɔa be: ‘Menye nye ko ƒe vie wònye o. Wò hã nɔviwòe, wò ŋutɔ wò ŋutilã kple wò ʋue. Ele be dzi nadzɔ wò be etrɔ gbɔ!’ Ðe wòle be nya si gblɔm Yesu nɔ me nakɔ na Yuda subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo hafi. Le nyateƒe me, wo “nɔviwo” ye nuvɔ̃wɔla siawo siwo wodoa vloe nye. Vavãe, “ame dzɔdzɔe aɖeke mele anyigba dzi, si wɔa nu nyui sɔŋ, eye mewɔa nuvɔ̃ o.” (Nyagblɔla 7:20) Eyata esɔ keŋkeŋ be Yudatɔwo ƒe ame ŋkuta siawo nakpɔ dzidzɔ ne nuvɔ̃wɔlawo trɔ dzime.

13. Nyabiabia si bia ɖokuimeyiyi kae alesi Yesu ƒe lododoa tso kpo la gblẽ ɖe mía si me?

13 Le vifofoa ƒe kokoƒoƒoa vɔ megbe la, lododoa tso kpo. Ðeko wòwɔ abe ɖe Yesu le gbɔgblɔm na eƒe nyaselawo be woawo ŋutɔ nawu ŋutinyaa nu na wo ɖokui ene. Aleke vi tsitsitɔa ɖawɔ o, biabia si wogblẽ ɖe nyasela ɖesiaɖe si mee nye, ‘Ðe wò ya àkpɔ dzidzɔ kple dziƒotɔwo ne nuvɔ̃wɔla aɖe trɔ dzimea?’ Mɔnukpɔkpɔ sua Kristotɔwo hã si egbea be woaɖo nya ma ŋu. Alekee?

Mawu ƒe Nublanuikpɔkpɔ Sɔsrɔ̃ Egbea

14. (a) Aleke míate ŋu atsɔ Paulo ƒe nuxlɔ̃amenya siwo le Efesotɔwo 5:1 la awɔ dɔe le nublanuikpɔkpɔ gome? (b) Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ la gɔmesese totro kae wòle be míatsri?

14 Paulo xlɔ̃ nu Efesotɔwo be: “Mizu mawusrɔ̃lawo abe lɔlɔ̃viwo ene.” (Efesotɔwo 5:1) Eyata ele be mí Kristotɔwo míakpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ ŋu, míaƒae ɖe míaƒe dzi ƒe gogloeaƒe ke, eye míaɖe nɔnɔme sia afia le míaƒe nuwɔwɔ ɖe amewo ŋu me. Gake esɔ be nane nanɔ nyanya na mí. Mele be míatsɔ Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ be ebua nuvɔ̃ nu tsɛe o. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo ate ŋu asusui ɖekematsɔlemetɔe be, ‘Ne mewɔ nuvɔ̃ la, mate ŋu ado gbe ɖa abia Mawu ƒe tsɔtsɔke eye atsɔe akem.’ Nɔnɔme sia asɔ kple nusi Biblia-ŋlɔla Yuda yɔ be ‘Mawu ƒe amenuveve tɔtrɔ yi ɖe agbebaɖanɔnɔ me.’ (Yuda 4) Togbɔ be Yehowa nye nublanuikpɔla hã la, “megbea tohehe” na nugbegblẽwɔla matrɔdzimewo “o.”—Mose II, 34:7; tsɔe sɔ kple Yosua 24:19; Yohanes I, 5:16.

15. (a) Nukatae wòle be hamemegãwo koŋ ƒe susu nada asɔ le nublanuikpɔkpɔ ŋu? (b) Togbɔ be hamemegãwo maɖe mɔ ɖe nugbegblẽ si woɖo wɔ ŋu o hã la, nukae wòle be woadze agbagba awɔ, eye nukatae?

15 Ke hã ele be míaɖɔ ŋu ɖo nyuie nenema ke ɖe nɔnɔme masɔmasɔ evelia ŋu—si nye didi be míaƒe nya dzi nasẽ eye míadi vodada le amesiwo ɖe dzimetɔtrɔ vavãtɔ kple mawumenuxaxa ɖe woƒe nuvɔ̃wo ta fia ŋu. (Korintotɔwo II, 7:11) Esi wònye hamemegãwo sie wode Yehowa ƒe alẽawo dzikpɔkpɔe ta la, ele vevie be woada asɔ le go sia me, vevietɔ ne wole ʋɔnunyawo gbɔ kpɔm. Ele be woakpɔ Kristo-hamea ta wòanɔ dzadzɛ, eye esɔ le Ŋɔŋlɔawo nu be ‘woaɖe ame vɔ̃ɖi la ɖa’ to eɖeɖe le hame me. (Korintotɔwo I, 5:11-13) Le ɣeyiɣi ma ke me la, enyo be woakpɔ nublanui ne edze nenema. Eyata togbɔ be hamemegãwo meɖea mɔ ɖe nugbegblẽ si woɖo wɔ ŋu o hã la, wodzea agbagba be yewoaɖe lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ afia, le mɔ si asɔ ɖe dzɔdzɔenyenye nu la nu. Woƒe susu nɔa Biblia me gɔmeɖose sia dzi ɣesiaɣi: “Nublanuikpɔkpɔ manɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ me na amesi mefia nublanuikpɔkpɔ aɖeke o; ke nublanuikpɔkpɔ ƒoa adegbe ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti.”—Yakobo 2:13; Lododowo 19:17; Mateo 5:7.

16. (a) Zã Biblia nàtsɔ afia alesi Yehowa dina le nyateƒe me be vodalawo natrɔ va ye gbɔe. (b) Aleke míate ŋu aɖee afia be míawo hã míexɔa nuvɔ̃wɔla trɔdzimewo atuu?

16 Nudomegblẽlaa ŋuti lododoa na wòdze kɔte be Yehowa dina be amesiwo tra mɔ natrɔ va ye gbɔ. Le nyateƒe me la, enaa mɔ la nɔa ʋuʋu ɖi na wo vaseɖe esime woawo ŋutɔ fiana to woƒe nuwɔna me be mɔkpɔkpɔ aɖeke megale yewo ŋu o. (Xezekiel 33:11; Maleaxi 3:7; Romatɔwo 2:4, 5; Petro II, 3:9) Abe nudomegblẽlaa fofoa ene la, Yehowa wɔa nu ɖe amesiwo trɔ gbɔ ŋu le bubumɔ nu, exɔa wo bliboe be woaganye yeƒe ƒomea me tɔwo. Èsrɔ̃a Yehowa le esia mea? Ne wogaxɔ haxɔsetɔ aɖe si woɖe le hame ɣeaɖeɣi la ɖe hame la, aleke nèwɔa nui? Míesee va yi xoxo be wokpɔa “dzidzɔ le dziƒo.” (Luka 15:7) Gake ɖe wokpɔa dzidzɔ le anyigba dzi, le miaƒe hamea me, le wò dzi me gɔ̃ hãa? Alo ɖe dziku aɖe nɔa mewò, abe ɖe mele be woaxɔ amesi mele be wòado le Mawu ƒe ha la me hafi o, abe vi tsitsitɔ le lododoa me enea?

17. (a) Nukae dzɔ le Korinto-hamea me, eye aleke Paulo xlɔ̃ nu hamea be woakpɔ nya la gbɔe? (b) Nukatae Paulo ƒe nuxlɔ̃amea sɔ, eye aleke míate ŋu azãe egbea? (Kpɔ ɖusime ɖakaa me nyawo hã.)

17 Be míatsɔ ado mía ɖokui akpɔe la, bu nusi dzɔ le ƒe 55 M.Ŋ. me lɔƒo le Korinto la ŋu kpɔ. Le afima la, ŋutsu aɖe si woɖe le hame va ɖe asi le eƒe agbebaɖabaɖanɔnɔ ŋu. Nukae wòle be nɔviawo nawɔ? Ðe wòle be woanɔ ɖi kem le eƒe dzimetɔtrɔa ŋu eye woaganɔ gbegbem be yewoade ha kpliia? Kura o, ke boŋ Paulo xlɔ̃ nu Korintotɔwo be: “Mitsɔe kee, eye mifa akɔ nɛ ɖe eteƒe boŋ, bene nuxaxa geɖe akpa la nagami nenem me sia o. Eyata mele nu xlɔ̃m mi bena: Mina miaƒe lɔlɔ̃ nu nasẽ ɖe eyama dzi.” (Korintotɔwo II, 2:7, 8) Zi geɖe la, ŋu kpea nugbegblẽwɔla siwo trɔ dzime eye mɔkpɔkpɔ buna ɖe wo. Eyata ehiã be haxɔsetɔwo naka ɖe edzi na amesiawo be yewolɔ̃ wo eye Yehowa hã lɔ̃ wo. (Yeremya 31:3; Romatɔwo 1:12) Ele vevie ŋutɔ. Nukatae?

18, 19. (a) Aleke Korintotɔwo ɖe mɔ ɖe nu ŋu akpa tsãe? (b) Aleke nublanuimakpɔmakpɔ ate ŋu ana ‘Satana naba’ Korintotɔwoe?

18 Esi Paulo nɔ nu xlɔ̃m Korintotɔwo be woatsɔe akee la, egblɔ nusiwo tae la dometɔ ɖeka be, “bena Satana nagaba mi o, elabena mienya eƒe tameɖoɖowo keŋkeŋ.” (Korintotɔwo II, 2:11) Nya siawo gɔme ɖe? Gbã la, ehiã be Paulo naka mo na Korinto-hamea ɖe alesi woɖe mɔ ɖe nuwo ŋu akpa ta. Woɖe mɔ ŋutsu sia nɔ nuvɔ̃wɔwɔ dzi tomahemahe nɛ. Esi wowɔe alea la, hamea—vevietɔ eƒe hamemegãwo—wɔ nusi vivi na Satana, elabena dzi adzɔe ŋutɔ be woado vlo hamea.—Korintotɔwo I, 5:1-5.

19 Fifia ne wowɔ nu bubu si tso eme eye wogbe be yewomatsɔ ake dzimetrɔlaa o la, Satana aganɔ wo bam le mɔ bubu nu. Le mɔ ka nu? Eyae nye be adzɔ dzi nɛ be woƒe tagbɔ sẽ eye womekpɔa nublanui o. Ne ‘nuxaxa geɖe akpa mi’ nuvɔ̃wɔla si trɔ dzime—alo abe alesi Today’s English Version ɖe egɔmee ene, “wòlé blanui ale gbegbe be wòna ta kura” la—agba gã kae nye si anɔ hamemegãwo dzi le Yehowa gbɔ! (Tsɔe sɔ kple Xezekiel 34:6; Yakobo 3:1.) Eyata susu nyui le eme be esi Yesu xlɔ̃ nu eyomedzelawo le “ɖevi sue siawo” nuɖiaɖia ŋu vɔ la, egblɔ be: “Mikpɔ mia ɖokui dzi! Ne nɔviwò wɔ nuvɔ̃ la, ka ŋku me nɛ; eye ne etrɔ le eƒe dzi me la, tsɔe kee.”a—Luka 17:1-4, míawoe te gbe ɖe edzi.

20. Mɔ ka nue dzidzɔ nɔa dziƒo kple anyigba dzi siaa ne nuvɔ̃wɔla aɖe trɔ dzime?

20 Ame akpe siwo trɔna vaa tadedeagu dzadzɛtɔ me ƒe sia ƒe la daa akpe ɖe alesi Yehowa kpɔ nublanui na wo ta. Kristotɔ nɔvinyɔnu aɖe gblɔ le egbugbɔgaxɔ ŋu be: “Nyemegaɖo ŋku ɣeyiɣi bubu aɖeke le nye agbe me dzi si me mekpɔ dzidzɔ ɖe nane ŋu nenema kpɔ o.” Ẽ, mawudɔlawo hã le dzidzɔ kpɔm kplii. Mina míawo hã míakpɔ ‘dzidzɔ si wokpɔna le dziƒo’ ne nuvɔ̃wɔla aɖe trɔ dzime. (Luka 15:7) Ne míewɔe alea la, ke míele Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ srɔ̃m.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Togbɔ be edze abe ɖe wogaxɔ nugbegblẽwɔla ma si nɔ Korinto ɖe hame le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe hã la, esia menye dzidzenu na ame ɖeɖe le hame ɖesiaɖe o. Nya ɖesiaɖe kple eƒe nɔnɔmee. Eteƒe medidina boo hafi nugbegblẽwɔla aɖewo dzea dzimetɔtrɔ vavãtɔ ɖeɖefia gɔme ne woɖe wo le hame o. Le ame bubuwo gome la, exɔa ɣeyiɣi didi kura hafi woɖea nɔnɔme sia fiana. Gake le wo dometɔ ɖesiaɖe me la, ele be amesiwo wogbugbɔ xɔ ɖe hame naɖe mawumenuxaxa afia, eye le go siwo me wòasɔ le la, woawɔ dɔ siwo dze dzimetɔtrɔ hã.—Dɔwɔwɔwo 26:20; Korintotɔwo II, 7:11.

Numetoto

◻ Aleke nudomegblẽla nɔvia ɖi Yudatɔwo ƒe subɔsubɔhaŋgɔnɔlawoe?

◻ Aleke nudomegblẽla nɔvia mese vinyenye vavãtɔ gɔmee o?

◻ Nɔnɔme eve siwo gbɔ eme kawoe wòle be míatsri ne míebu Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ ŋu?

◻ Aleke míate ŋu asrɔ̃ Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔe egbea?

[Aɖaka si le axa 17]

“MINA MIAƑE LƆLƆ̃ NU NASẼ ÐE EYAMA DZI”

Paulo gblɔ na Korinto-hamea le nugbegblẽwɔla si woɖe le hame si va trɔ dzime ŋu be: “Mina miaƒe lɔlɔ̃ nu nasẽ ɖe eyama dzi.” (Korintotɔwo II, 2:8) Helagbe me nya si gɔme woɖe be “nu nasẽ” nye nya si sedɔwɔlawo zãna si fia be “woaɖo kpe nu dzi.” Nyateƒee, ehiã be dzimetrɔla siwo wogbugbɔ xɔ ɖe hame nasee le wo ɖokui me be wolɔ̃ yewo eye be wogaxɔ yewo atuu ake be yewoanye hamea me tɔwo.

Gake ele be míaɖo ŋku edzi be hamea me tɔ akpa gãtɔ menya nusita woɖe amea le hame alo nusi na wogagbugbɔ xɔe ɖe hame o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ɖewohĩ dzimetrɔla la ƒe nugbegblẽwɔwɔa gblẽ nu le ame aɖewo ŋu alo wɔ nuvevi wo—ɖewohĩ ɣeyiɣi didi aɖe kura gɔ̃ hã. Le nya siawo ƒe ame veve ta la, eme kɔ be manya wɔ na mí enumake be míakpɔ dzidzɔ ɖe amea ŋu ne woɖe gbeƒãe be wogbugbɔ xɔe ɖe hame o, vaseɖe esime míase le mía ɖokui me be anya wɔ na mí.

Aleke gbegbee wòdoa ŋusẽ amesiwo wogbugbɔ xɔ ɖe hame ƒe xɔsee nye si ne woanya be wogaxɔ yewo be yewonye Kristo-hamea me tɔwo ake! Míate ŋu atsɔ míaƒe dzeɖoɖo kpakple hadede kple wo le Fiaɖuƒe Akpata me, gbeadzi, kple mɔnukpɔkpɔ bubu siwo sɔ me ade dzi ƒo na dzimetrɔla siawo. Ne míaƒe lɔlɔ̃ nu sẽ na lɔlɔ̃tɔ siawo alea alo míeɖo kpe edzi na wo la, mele fiafiam be míebu nuvɔ̃ siwo wowɔ nu tsɛe kura o. Efia boŋ be míekpe ɖe dziƒodɔlawo ŋu le dzidzɔ kpɔm be woɖe asi le woƒe nuvɔ̃gbenɔnɔa ŋu trɔ va Yehowa gbɔ.—Luka 15:7.

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Vi tsitsitɔa gbe dzidzɔkpɔkpɔ ɖe nɔvia ƒe tɔtrɔgbɔ ŋu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe