INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 10/1 axa 28-31
  • Yi Edzi Nànɔ Gbɔgbɔmeŋgɔyiyi Wɔm!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yi Edzi Nànɔ Gbɔgbɔmeŋgɔyiyi Wɔm!
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ŋgɔyiyi Wɔwɔ to Ðokuisinusɔsrɔ̃ Me
  • Ehiã be Nàte Ðe Mawu Ŋu
  • Ƒomedodo Kplikplikpli si Anɔ Mia Kple Mawu Dome
  • Gbɔgbɔmeŋgɔyiyi le Wò Subɔsubɔdɔa Me
  • Sɔhɛwo—Miyi Ŋgɔ Le Miaƒe Nyɔnyrɔxɔxɔ Megbe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Ðoe Be Nàsubɔ Mawu Tegbee
    Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
  • Miyi Edzi Miazɔ Yi Ŋgɔ le Ðoɖo Nu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Ðe Yehowa Ðasefowo Xɔ Yesu Dzi Sea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 10/1 axa 28-31

Yi Edzi Nànɔ Gbɔgbɔmeŋgɔyiyi Wɔm!

Míaƒe nyɔnyrɔxɔgbe nye ŋkeke si ŋu wòle be míade asixɔxɔe ahaɖo ŋku edzi ɣesiaɣi. Elabena ŋkeke ma dzie míeɖee fia le gaglãgbe be míeɖe adzɔgbe be míasubɔ Mawu.

LE AME geɖe gome la, ebia agbagbadzedze blibo hafi woɖo afɔɖeɖe sia gbɔ—asiɖeɖe le numãme gbegblẽ xoxowo ŋu, ɖokui ɖeɖeɖa le hadede matuameɖowo me, kple tamesusu kpakple nuwɔna siwo ƒo ke ɖe to ɖe ame me vevie la tɔtrɔ.

Gake togbɔ be nyɔnyrɔxɔxɔ nye dzidzɔ kple wɔna vevi le Kristotɔ ƒe agbe me hã la, gɔmedzedze ko wònye. Apostolo Paulo gblɔ na Kristotɔ xɔnyɔnyrɔ siwo nɔ Yudea be: “Mina míagblẽ Kristo ƒe nufiafia ƒe gɔmedzedze ɖi, eye míade ŋgɔgbe ate ɖe blibonyenye ŋuti.” (Hebritɔwo 6:1) Ẽ, ehiã be Kristotɔwo katã “[nade] Mawuvi la dzixɔse kple sidzedze ƒe ɖekanyenye la gbɔ, azu ŋutsu blibo, eye míade Kristo ƒe tsitsime blibo la ƒe dzidzenu la gbɔ.” (Efesotɔwo 4:13) To ŋgɔyiyi wɔwɔ aɖo tsitsi gbɔ koe ate ŋu ana ‘míali ke ɖe xɔse me’ ŋutɔŋutɔ.—Kolosetɔwo 2:7.

Le ƒe ʋee siwo va yi me la, subɔla adzɔgbeɖela yeye akpe alafa geɖe va Kristo-hamea me. Ðewohĩ wo dometɔ ɖekae nènye. Abe nɔviwò ƒe alafa gbãtɔ me tɔwo ene la, mèdi be yeakpɔtɔ anye vidzĩ le gbɔgbɔ me o. Èdi be yeatsi ahawɔ ŋgɔyiyi! Gake aleke nàwɔe? Eye mɔ kawo dzie nàto awɔ ŋgɔyiyi sia?

Ŋgɔyiyi Wɔwɔ to Ðokuisinusɔsrɔ̃ Me

Paulo gblɔ na Kristotɔ siwo nɔ Filipi be: “Esia ŋuti medoa gbe ɖa ɖo, bena miaƒe lɔlɔ̃ la nanɔ agbɔ sɔm ɖe dzi wu le sidzedze [vavãtɔ kple nugɔmesese, NW] katã me.” (Filipitɔwo 1:9) Tsitsi le “sidzedze vavãtɔ” me nye nu vevi aɖe le wò gbɔgbɔmeŋgɔyiyi wɔwɔ me. ‘Yehowa Mawu kple Yesu Kristo ŋuti sidzedze xɔxɔ’ nye nusi nɔa edzi yim ɖaa, eye menye nusi tɔna le nyɔnyrɔxɔxɔ vɔ megbe o.—Yohanes 17:3.

Nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖe si míayɔ be Alexandra, vade dzesi esia le ƒe ewo megbe tso esime wòxɔ nyɔnyrɔ le eƒe ƒe 16 xɔɣi. Wodzii ɖe nyateƒea me eye edea Kristotɔwo ƒe kpekpewo katã ɣesiaɣi eye wòkpɔa gome le gbeƒãɖeɖedɔa me. Eŋlɔ be: “Le ɣleti ʋee siwo va yi me la, mede dzesii be nane gblẽ le ŋunye vevie. Meva ɖoe be malé ŋku ɖe ɖokuinye ŋu nyuie le anukwareɖiɖi me, le alesi mebuna le nyateƒea ŋu, kple nusita megakpɔtɔ le nyateƒea me ŋu.” Nukae wòkpɔ? Egblɔ yi edzi be: “Mekpɔe be nusiwo tae mele nyateƒea me mede dzinye kura o. Meɖo ŋku edzi be tsitsim ko mele, eye wonɔa gbe tem ɖe kpekpewo dede kple gbeadzi dede dzi. Ewɔ nam abe ɖokuisi nusɔsrɔ̃ ƒe nɔnɔme tutuɖo kple gbedodoɖa asu asinye le wo ɖokui si ene. Gake esi medzro nye nɔnɔmea me tsitotsito la, mekpɔe be meva dzɔ nenema o.”

Apostolo Paulo xlɔ̃ nu be: “Nusi dzi míesu xoxo la, minɛ míazɔ ɖe [ɖoɖo] ma ke nu.” (Filipitɔwo 3:16) Ðoɖo ate ŋu ana nàdze nane si nàyi edzi anɔ wɔwɔm la gɔme. Hafi nàva xɔ nyɔnyrɔ la, ɖikeke mele eme o be ɖoɖo nɔ asiwò ale be nufiala bibi aɖe wɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ kpli wò kwasiɖa sia kwasiɖa. Esi wò ŋudzedzekpɔkpɔ va nɔ to dem ɖe edzi la, ètsɔ dzadzraɖo ɖe kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe nusɔsrɔ̃ ŋu kple mawunyakpukpui siwo me nyawo womeŋlɔ o xexlẽ, kple bubuawo kpe ɖe ɖoɖo sia ŋu. Fifia esi nèxɔ nyɔnyrɔ la, ɖe nèyi edzi ‘le zɔzɔm le ɖoɖo ma ke nua’?

Ne mèle zɔzɔm ɖe enu o la, ke ahiã be nàgadzro nusiwo xɔa nɔƒe gbãtɔ na wò la me, eye ‘nàde dzesi nusiwo le vevie wu.’ (Filipitɔwo 1:10) Esi vovo menɔa mía ŋu o ta la, ebia ɖokuidziɖuɖu be míadi ɣeyiɣi na ɖokuisi Biblia xexlẽ kple esɔsrɔ̃. Gake agbagbadzedze alea ɖea vi geɖe. Gabu nusi dzɔ ɖe Alexandra dzi ŋu kpɔ. Eka nya ta be: “Magblɔ be ƒe 20 lɔƒoe nye sia si mele nyateƒea me eye ɖeko menɔa kpekpewo dem henɔa gbeadzi dem dzro ko.” Gake egblɔ yi edzi be, “meva de dzesii mlɔeba be togbɔ be nusiawo le vevie hã la, woawo ɖeɖe mate ŋu além ɖe te le esime nuwo de asi sesẽ me nam o. Nusiawo katã va dze ŋgɔm le esi nye ɖokuisi nusɔsrɔ̃ nu tsi keŋkeŋ, eye nye gbedodoɖawo metoa mɔ ɖeka o eye wonye nya gbɔlo aɖewo ko. Meva kpɔe dzesii fifia be ele be matrɔ asi le alesi mebua nu ŋui ŋu eye madze nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo si me susu anɔ gɔme ne mate ŋu anya Yehowa tututu ahalɔ̃e eye makpɔ ŋudzedze ɖe nusi Via na mí ŋu.”

Ne èhiã kpekpeɖeŋu le ɖokuisinusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo tuameɖo wɔwɔ me la, anye dzidzɔ na hamemegãwo kple Kristotɔ tsitsi bubu siwo le miaƒe hamea me be woakpe ɖe ŋuwò. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, nyati siwo le Gbetakpɔxɔ, May 1, 1995; August 15, 1993; kple Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, May 15, 1986 me ɖo aɖaŋu geɖe siwo akpe ɖe ŋuwò.

Ehiã be Nàte Ðe Mawu Ŋu

Wò ƒomedodo kple Mawu nye go bubu si me wòle be nàdze agbagba awɔ ŋgɔyiyi le. Esia ate ŋu ahiã godoo gɔ̃ hã le nɔnɔme aɖewo me. Bu Anthony, amesi xɔ nyɔnyrɔ esi wònye sɔhɛ dzaa ŋu kpɔ. Egblɔ be, “esi mexɔ nyɔnyrɔ vɔ megbe la, danye va kpla asi kɔ nam dzidzɔtɔe. Nyemekpɔe wòkpɔ dzidzɔ nenema kpɔ o. Dzidzɔa teƒe mekɔ o, eye mekpɔ ŋudzedze le ɖokuinye me.” Gake nya la ƒe akpa bubu hã li. Anthony gblɔ yi edzi be, “ɣeyiɣi didi aɖee nye si gake sɔhɛ aɖeke mexɔ nyɔnyrɔ le míaƒe hamea me o, eyata medana le ɖokuinye me ŋutɔ. Medana le nye nyaŋuɖoɖowo kple nuƒowo le kpekpeawo me hã ta ŋutɔ. Kafukafu si amewo tsɔna nam va xɔ asi nam wu Yehowa kafukafu. Le nyateƒe me la, ƒomedodo kplikplikpli aɖeke menɔ nye kplii dome o.”

Abe Anthony ene la, ame aɖewo anya ɖe adzɔgbe le didi be woadze amewo ŋu ta tsɔ wu be woadze Yehowa ŋu. Ne nenemae hã la, Mawu di tso amesiawo si be woawɔ ɖe adzɔgbe si woɖe be woasubɔe la dzi. (Tsɔe sɔ kple Nyagblɔla 5:4.) Gake esi ƒomedodo mele woa ŋutɔwo kple Mawu dome o ta la, esesẽna na wo zi geɖe be woawɔ nenema. Anthony gblɔ be: “Ɣeyiɣi kpui aɖe koe dzidzɔ deto si mekpɔ le nye nyɔnyrɔxɔɣi nɔ anyi. Mede ƒe ɖeka gɔ hã le nye nyɔnyrɔ xɔxɔ megbe hafi medze nugbegblẽ gãwo wɔwɔ gɔme o, eye hamemegã siwo le hamea me ka mo nam. Nye agbebaɖanɔnɔ atraɖii na woɖem le hamea me. Ƒe ade le nye adzɔgbeɖeɖe na Yehowa megbe la, wolém de game le amewuwu ta.”

Ƒomedodo Kplikplikpli si Anɔ Mia Kple Mawu Dome

Aleke kee wò nɔnɔmea le o, Kristotɔwo katã ate ŋu awɔ ɖe Biblia me amekpekpe sia dzi be: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye wòate ɖe mia ŋu.” (Yakobo 4:8) Ðikekemanɔmee la, ƒomedodo kplikplikpli aɖe va nɔ mia kple Mawu dome esime nèsrɔ̃ Biblia zi gbãtɔ. Èva srɔ̃e be Mawu menye mawu aɖe si meli ŋutɔŋutɔ o si wosubɔna le Kristodukɔa me o, ke boŋ enye ame ŋutɔŋutɔ si ŋkɔe nye Yehowa. Èsrɔ̃e hã be nɔnɔme nyoameŋuwo le esi, eye be enye “nublanuikpɔla kple amenuve Mawu, amesi gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve . . . sɔ gbɔ.”—Mose II, 34:6.

Gake be nàte ŋu anɔ agbe ɖe wò adzɔgbeɖeɖe be yeasubɔ Mawu nu la, ele be nàgate ɖe eŋu kplikplikpli wu! Aleke nàwɔe? Hakpala do gbe ɖa be: “Yehowa, ɖe wò mɔwo fiam, eye nafia wò toƒewom!” (Psalmo 25:4) Biblia kple Habɔbɔa ƒe agbalẽwo sɔsrɔ̃ le ɖokuiwò si ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànya Yehowa nyuie wu. Gbedodoɖa tso dzi blibo me ɣesiaɣi hã le vevie. Hakpala xlɔ̃ nu be: “Mitrɔ miaƒe dzi ƒo ɖe eŋku me.” (Psalmo 62:9) Àse le ɖokuiwò me be Mawu tsɔa ɖe le eme na ye ne èkpɔ be wole yeƒe gbedodoɖawo ŋu ɖom. Esia akpe ɖe ŋuwò be nàse le ɖokuiwò me be yete ɖe eŋu wu.

Dodokpɔwo kple kuxiwo hã nana tete ɖe Mawu ŋu ƒe mɔnukpɔkpɔ bubu mí. Àdze ŋgɔ gbetɔamewo kple xɔse ƒe dodokpɔwo, abe dɔléle, nyaƒoɖeamenuwo le suku kple dɔwɔƒewo, alo gakuxiwo ene. Ate ŋu anye be teokrasiɖoɖo siwo nye gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me, kpekpewo yiyi, alo Biblia sɔsrɔ̃ kple viwòwo sesẽ na wò. Wò ɖeka mègakpe akɔ kple kuxi siawo o! Ƒo koko na Mawu be wòakpe ɖe ŋuwò, eye nàbia eƒe amekpɔkplɔ kple mɔfiafia. (Lododowo 3:5, 6) Bia eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea! (Luka 11:13) Ne èkpɔe Mawu le kpekpem ɖe ŋuwò lɔlɔ̃tɔe la, àgate ɖe eŋu kplikplikpli wu. Abe alesi hakpala gblɔe ene la, “miɖɔe kpɔ, eye miakpɔ be, Yehowa ƒe dɔme nyo; woayra ŋutsu, si sii tso.”—Psalmo 34:9.

Ke Anthony ya ɖe? Egblɔ be: “Medze tamebubu le ɣeyiɣi si me meɖo gbɔgbɔme taɖodzinu geɖe siwo ku ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu la ŋu. Evem ŋutɔ. Gake le veveseseawo kple dzidzedzemakpɔmakpɔ siawo katã me la, meɖo ŋku Yehowa ƒe lɔlɔ̃ dzi. Exɔ ɣeyiɣi aɖe hafi mete ŋu do gbe ɖa na Yehowa, gake nusiae mewɔ hetrɔ nye dzi ƒo ɖe eŋkume, hebia tsɔtsɔke. Eye medze Biblia hã xexlẽ gɔme eye ewɔ nuku nam ŋutɔ be meŋlɔ nu gbogbo aɖe be eye be nu sue aɖe ko menya tso Yehowa ŋu.” Togbɔ be ɣeyiɣi mede haɖe be woaɖe asi le Anthony ŋu le game le ŋutasẽnu si wòwɔ ta o hã la, Ðasefo siwo le woƒe nutoa me le kpekpeɖeŋu namii eye ele hayahayam le gbɔgbɔme. Ŋudzedzekpɔkpɔtɔe la, Anthony gblɔ be: “Akpe na Yehowa kple eƒe habɔbɔa, mete ŋu le amenyenye xoxoa ɖem ɖa, eye medzea agbagba doa yeyea gbesiagbe. Nye kple Yehowa dome ƒomedodo ye va nye nu vevitɔ nam fifia.”

Gbɔgbɔmeŋgɔyiyi le Wò Subɔsubɔdɔa Me

Yesu Kristo de se na eƒe nusrɔ̃lawo be woanye “mawufiaɖuƒe ŋuti nyanyui” gbeƒãɖelawo. (Mateo 24:14) Ne ènye nyanyuigbeƒãɖela yeye la, subɔsubɔdɔa wɔwɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ manɔ asiwò boo o. Ke aleke nàwɔ awɔ ŋgɔyiyi ale be ‘nawu wò subɔsubɔdɔa nu bliboe’?—Timoteo II, 4:5.

Mɔ ɖekae nye alesi nàna kakaɖedzi nanɔ asiwò ɖe dɔa ŋu. Srɔ̃ alesi nàbu gbeƒãɖeɖedɔa “kesinɔnu” kple mɔnukpɔkpɔ nyui aɖee. (Korintotɔwo II, 4:7) Enye mɔnukpɔkpɔ be míaɖe míaƒe lɔlɔ̃, anukwaretɔnyenye, kple nuteƒewɔwɔ, afia Yehowa. Egana mɔnukpɔkpɔ mí hã be míaɖe ɖetsɔleme afia mía havi. Mía ɖokui tsɔtsɔna ɖokuitɔmadimaditɔe alea ate ŋu ana míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ.—Dɔwɔwɔwo 20:35.

Kakaɖedzi nɔ Yesu ŋutɔ si ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Biblia me nyateƒea gbɔgblɔ na ame bubuwo le nɛ abe “nuɖuɖu” ene. (Yohanes 4:34) Eyata míate ŋu agblɔ nusi doa ŋusẽe wònaa kpekpeɖeŋu ame bubuwo la kpuie wòasɔ le eƒe nya sia me be, “melɔ̃.” (Mateo 8:3) Yesu ƒe dɔme trɔ ɖe amewo ŋu, vevietɔ amesiwo ƒe “lãme gbɔdzɔ” eye Satana ƒe xexea na “woka hlẽ.” (Mateo 9:35, 36) Ðe wò hã ‘nèlɔ̃’ be yeakpe ɖe amesiwo le gbɔgbɔmeviviti me eye Mawu ƒe Nya ŋuti sidzedze hiã wo la ŋua? Ekema aʋã wò vevie nàwɔ ɖe Yesu ƒe sededea dzi be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo.” (Mateo 28:19) Le nyateƒe me la, aʋã wò be nàkpɔ gome le dɔ sia wɔwɔ me bliboe alesi wò lãmesẽ kple nɔnɔmewo aɖe mɔe.

Nu vevi bubu si ana nàgawɔ ŋgɔyiyie nye gomekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa me edziedzi—kwasiɖa ɖesiaɖe ne anya wɔ. Ewɔwɔ nenema ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàɖu dzitsitsi kple vɔvɔ̃ si ate ŋu azu mɔxenu na amesiwo dea gbeadzi ɣeaɖewoɣi ko la dzi. Gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me edziedzi akpe ɖe ŋuwò le mɔ bubuwo hã nu. Ana wò ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nyateƒea ŋu nagade to ɖe edzi, atu wò lɔlɔ̃ na Yehowa kple hawòvi ɖo, eye akpe ɖe ŋuwò be wò susu nanɔ Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔa ŋu.

Ke ne nɔnɔme si me nèle fifia meɖe mɔ na wò nèwɔa geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me o ɖe? Ne naneke manya wɔ le wò nɔnɔmea ŋu o la, ekema nya be Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe nusianu si nète ŋu wɔna le wò subɔsubɔdɔa me ŋu zi alesi wòtso luʋɔ blibo me ko. (Mateo 13:23) Ðewohĩ àte ŋu awɔ ŋgɔyiyi le mɔ bubuwo nu, si ƒe ɖee nye asitɔtrɔ le wò gbeƒãɖeɖe ŋutetewo ŋu be woanyo ɖe edzi. Le hamea me la, Teokrasi Subɔsubɔ Sukua kple Subɔsubɔ Kpekpea naa kpekpeɖeŋu geɖe le go sia me. Le nyateƒe me la, zi geɖe alesi míeƒo mía ɖokui ɖe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me la, zi geɖe nenemae wòadzɔ dzi na mí eye míakpɔ eme viɖewoe.

Eme kɔ azɔ be mele be gbɔgbɔmeŋgɔyiyi wɔwɔ nawu nu ɖe gbesigbe ame xɔ nyɔnyrɔ dzi o. Apostolo Paulo ŋlɔ le eƒe mɔkpɔkpɔ na makumakugbenɔnɔ le dziƒo ŋu be: “Nɔvinyewo, nye ŋutɔ nyemebu ɖokuinye bena, nye asi su edzi haɖe o. Ke nu ɖeka ko menya: Nusiwo le megbenye la, meŋlɔ wo be, hafi nusiwo le ŋgɔnye la, nyãm mele, mele dzesiɖoƒe yome tim yiɖase Mawu ƒe ameyɔyɔ le dziƒo ƒe dziɖuɖufetu la dzi le Kristo Yesu me. Eyaŋuti ame alesi nu le blibo le mía dome la, minɛ míasusu esia ke, eye ne miesusua nu bubu le nane me la, Mawu aɖe esia ke hã afia mi.”—Filipitɔwo 3:13-15.

Nyateƒee, ele be Kristotɔwo katã ‘nayi ŋgɔ,’ woƒe mɔkpɔkpɔ ɖanye makumakugbenɔnɔ le dziƒo alo agbe mavɔ nɔnɔ le Paradisonyigba dzi o—woaʋli vevie aɖo agbe mavɔ ƒe taɖodzinua gbɔ! Wò nyɔnyrɔxɔxɔ nye gɔmedzedze nyui aɖe, gake gɔmedzedze ko wònye. Yi edzi nàʋli awɔ ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me. To kpekpewo yiyi kple ɖokuisinusɔsrɔ̃ wɔwɔ me ‘nàzu ame tsitsi le nugɔmesese ƒe ŋutete me.’ (Korintotɔwo I, 14:20) Dze si nyateƒea ƒe “kekeme kple didime kple goglome kple kɔkɔme.” (Efesotɔwo 3:18) Menye ɖe ŋgɔyiyi si nàwɔ akpe ɖe ŋuwò nàyi edzi akpɔ dzidzɔ kple dzidzeme fifia ko o, ke akpe ɖe ŋuwò hã be nàdze na Mawu ƒe xexe yeyea me nɔnɔ, afisi nàte ŋu awɔ ŋgɔyiyi le ɖaa le eƒe dziƒo Fiaɖuƒea te!

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Ebia ɖokuimamlã be míadi ɣeyiɣi na ɖokuisinusɔsrɔ̃

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Ne kakaɖedzi le mía si la, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ dzidzɔ le subɔsubɔdɔa me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe