Yerusalem—‘Fia Gã La Ƒe Du’
“Migatà . . . Yerusalem o, elabena fia gã la ƒe due.” —MATEO 5:34, 35.
1, 2. Yerusalem ŋuti nya kae ate ŋu aɖe fu na ame aɖewo ƒe susu?
YERUSALEM—eƒe ŋkɔ teti gɔ̃ hã nyɔa seselelãme sẽŋu ɖe subɔsubɔha vovovo me tɔwo me. Le nyateƒe me mía dometɔ aɖeke mate ŋu aɖe blemadu sia le susu me o, elabena woyɔa eŋkɔ zi geɖe le nyadzɔdzɔwo me. Gake nublanuitɔe la, edze le nyatakaka geɖe me be menye ɣesiaɣie ŋutifafa nɔ Yerusalem o.
2 Nya sia ate ŋu aɖe fu na Biblia xlẽla geɖe ƒe susu. Ŋkɔ kpui si woyɔna na Yerusalem le blemae nye Salem, si gɔmee nye “ŋutifafa.” (Mose I, 14:18; Psalmo 76:3; Hebritɔwo 7:1, 2) Eyata ɖewohĩ àbia be, ‘Nukata le egbe ŋkeke siawo me la, ŋutifafa meva le du si tɔ ŋkɔ sia me o alea?’
3. Afikae míate ŋu akpɔ Yerusalem ŋuti nyatakaka nyuitɔ le?
3 Be míaɖo biabia ma ŋu la, ele be míatrɔ ayi keke blema ke asrɔ̃ nu tso blema Yerusalem ŋu. Gake ɖewohĩ ame aɖewo agblɔ be, ‘Vovo mele mía ŋu míasrɔ̃ blema ŋutinya o ɖe.’ Ke hã blema Yerusalem ƒe ŋutinya nyanya nyuie aɖe vi na mí katã. Nusita wòle nenema dze le Biblia ƒe nya siawo me be: “Nusi ke woŋlɔ ɖi tsã la, woŋlɔe le míaƒe nufiafia ta, bene míatsɔ [Ŋɔŋlɔawo] ƒe dzidodo kple akɔfafa akpɔ mɔkpɔkpɔ.” (Romatɔwo 15:4) Nusi Biblia gblɔ le Yerusalem ŋu nyanya ate ŋu afa akɔ na mí—ẽ, ana ŋutifafa ƒe mɔkpɔkpɔ hã mí, menye esi anɔ du ma ɖeɖeko me o ke boŋ esi anɔ anyigba bliboa katã dzi hã.
“Yehowa ƒe Fiazikpui” Nɔƒe
4, 5. Nukae Dawid wɔ tsɔ kpe ɖe Yerusalem ŋu be wòwɔ akpa vevi aɖe le Mawu ƒe tameɖoɖowo me vava me?
4 Yerusalem ƒe ŋkɔ va de du le ƒe alafa 11 lia D.M.Ŋ. me be enye dukɔ si me dedienɔnɔ kple ŋutifafa le ƒe fiadu. Yehowa Mawu na wosi ami na Dawid si nye ɖekakpui be wòanye fia ɖe blemadu ma—si nye Israel—dzi. Esi dziɖuɖua ƒe zi nɔ Yerusalem ta la, wogblɔ be Dawid kple eƒe fiaƒomea ƒe dzidzimeviwo “[bɔbɔ] nɔ Yehowa ƒe . . . fiazikpui dzi.”—Kronika I, 28:5; 29:23.
5 Yebusitɔ trɔ̃subɔlawo si mee mawuvɔ̃la Dawid—amesi nye Israel-vi tso Yuda-toa me—xɔ Yerusalem le. To si woyɔna be Zion dzi koe dua nɔ ɣemaɣi, gake wova yɔa ŋkɔ ma na Yerusalem. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Dawid na wokɔ nu si Mawu bla kple Israel-viwo ƒe aɖaka va Yerusalem, eye wòtu avɔgbadɔ nɛ. Ƒe aɖewo do ŋgɔ la, Mawu ƒo nu kple eƒe nyagblɔɖila Mose tso alilikpo aɖe si do ɖe Aɖaka kɔkɔea tame la me. (Mose II, 25:1, 21, 22; Mose III, 16:2; Kronika I, 15:1-3) Aɖakaa nye dzesi be Mawu le wo dome, elabena Yehowae nye Israel ƒe Fia ŋutɔŋutɔ. Eyata míate ŋu agblɔe le susu eve nu be Yehowa Mawu nɔ fia ɖum tso Yerusalem-dua me.
6. Ŋugbe kae Yehowa do le Dawid kple Yerusalem ŋu?
6 Yehowa do ŋugbe na Dawid be eƒe fiaƒomea ƒe fiaɖuƒe si Zion, alo Yerusalem, tsi tre ɖi na la matsrɔ̃ gbeɖe o. Nya sia fia be Dawid ƒe dzidzimevi aɖe ava nyi gomenɔamesi sia ƒe dome anye Mawu ƒe Amesiamina—Mesia, alo Kristo—aɖu fia tegbee.a (Psalmo 132:11-14; Luka 1:31-33) Biblia gaɖee fia be amesia si ava nyi “Yehowa ƒe fiazikpui” la dome tegbetegbe la aɖu dukɔwo katã dzi, ke menye Yerusalem ɖeɖeko dzi o.—Psalmo 2:6-8; Daniel 7:13, 14.
7. Aleke Fia Dawid de tadedeagu dzadzɛtɔ ƒe dzi ƒoe?
7 Dukɔwo dze agbagba be yewoaɖe Fia Dawid, Mawu ƒe amesiamina la, le zi dzi do kpoe. Ke dukɔ siwo nye futɔwo boŋ dzie woɖu, eye wokeke Ŋugbedodonyigba la ƒe liƒowo woɖo afisi Mawu ɖoe be woaɖo. Dawid zã mɔnukpɔkpɔ sia tsɔ de tadedeagu dzadzɛtɔ ƒe dzi ƒoe. Eye Dawid ƒe ha geɖe kafu Yehowa be eyae nye Zion Fia ŋutɔŋutɔ.—Samuel II, 8:1-15; Psalmo 9:2, 12; 24:1, 3, 7-10; 65:2, 3; 68:2, 25, 30; 110:1, 2; 122:1-4.
8, 9. Aleke tadedeagu vavãtɔ keke ta le Yerusalem le Fia Salomo ƒe dziɖuɣie?
8 Le Dawid vi Salomo ƒe fiaɖuɣi la, Yehowa ƒe tadedeagu gade dzi wu. Salomo keke Yerusalem ɖe enu yi dziehe gome ale be Moria-to (afisi Kpe Gbadza dzi Gbedoxɔ Tame Gobaa le egbea) va kpe ɖe eŋu. Kɔkɔƒe siae mɔnukpɔkpɔ su esi wòtu gbedoxɔ dzeani aɖe hena Yehowa kafukafu ɖo. Woda nubablaɖaka la ɖe gbedoxɔ ma ƒe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe.—Fiawo I, 6:1-38.
9 Ŋutifafa nɔ Israel esime dukɔa tsɔ dzi blibo nɔ megbe na Yehowa ƒe tadedeagu si nɔ Yerusalem. Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tso nɔnɔmea ŋu wònya se be: “Yuda kple Israel sɔ gbɔ abe ƒutake ene; woɖua nu, noa nu, eye wokpɔa dzidzɔ. . . . [Salomo kpɔ] tomefafa le goawo katã me va kpe. Eye Yuda kple Israel dome amesiame nɔ eƒe weinka kple gboti te bɔkɔɔ.”—Fiawo I, 4:20; 5:4, 5.
10, 11. Aleke blematomenukuku ɖo kpe nya si Biblia gblɔ le Yerusalem kple Salomo ƒe dziɖuɣi ŋuti dzii?
10 Nusiwo ŋu blematomenukulawo ke ɖo la ɖo kpe Salomo ƒe dziɖuɣi me nudzedziname ƒe ŋutinya sia dzi. Nufialagã Yohanan Aharoni gblɔ le eƒe agbalẽ si nye The Archaeology of the Land of Israel me be: “Kesinɔnu siwo wotsɔ tso go ɖesiaɖe me va fiasãa me, kpakple asitsatsa ƒe dzidzedzekpɔkpɔ . . . wɔe be ŋutilãmenudzedziname va kpatakpata le nusianu me wòdze ƒã. . . . Menye atsyɔ̃ɖonuwo gome koe . . . ŋutilãmenudzedziname ƒe tɔtrɔa va le o ke wokpɔe hã le anyinuwɔwɔwo koŋ me. . . . Numemewo ƒe nyonyome kple dzoƒoƒo wo va nyo ɖe edzi wu gbɔgblɔ.”
11 Jerry M. Landay ŋlɔ nya ma ƒomevi ke be: “Israel-viwo ƒe dzidzedzekpɔkpɔ le ŋutilãmenuwo gome le Salomo te ɖe zɔ kabakaba le ƒe blaetɔ̃ me wu ƒe alafa eve siwo do ŋgɔ. Míekpɔ xɔ gãwo ƒe glikpowo, dugã siwo ŋu gli titriwo nɔ, aƒe geɖewo tsotso kpakple afisi kesinɔtɔwo ƒe aƒe nyuiwo ƒo ƒu ɖo, tɔtrɔ gã si va zemelawo ƒe aɖaŋu kple dɔwɔmɔnuwo me la le Salomo ŋɔli me nu siwo míeku tso tome la me. Azɔ hã míekpɔ asinudɔwɔwɔ geɖe siwo nye dutatɔ siwo tso didiƒe ʋĩ ƒe adzɔnuwo, siwo fia be wotsa asi kple dukɔ bubuwo ale gbegbe.”—The House of David.
Tso Ŋutifafa me Yi Aƒedozuzu Me
12, 13. Aleke wòdzɔe be womegava tsɔ dzo ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu le Yerusalem o?
12 Yerusalem, du si me Yehowa ƒe kɔkɔeƒe nɔ, ƒe ŋutifafa kple nudzedziname nye nya siwo sɔ woatsɔ ayi gbedodoɖa mee. Dawid ŋlɔ be: “Mibia ŋutifafa na Yerusalem! Amesiwo lɔ̃a wò la, woanɔ anyi bɔkɔɔ. Ŋutifafa nenɔ wò gliwo me, eye gbɔdzɔe nenɔ wò fiasãwo me! Le nɔvinyewo kple xɔ̃nyewo ta madi ŋutifafa na wò.” (Psalmo 122:6-8) Togbɔ be mɔnukpɔkpɔ su Salomo si wòtu gbedoxɔ dzeani ma ɖe ŋutifafadu ma me hã la, mlɔeba eva ɖe nyɔnu trɔ̃subɔlawo kpaŋkpaŋ. Woble enu le eƒe amegãkukume wòde dzi ƒo wosubɔ alakpamawu siwo nɔ anyi ɣemaɣi. Xɔsegbegbe sia na dukɔ bliboa va gblẽ ale be dukɔa kple emetɔwo megava nɔ ŋutifafa vavãtɔ me o.—Fiawo I, 11:1-8; 14:21-24.
13 Esi Salomo vi Rexabeam dze dziɖuɖu gɔme eteƒe medidi o la, to ewo dze aglã eye wova ɖo Israel ƒe dziehefiaɖuƒe anyi. Mawu ɖe mɔ Asiriatɔwo va mu fiaɖuƒe ma ƒu anyi le woƒe trɔ̃subɔsubɔ ta. (Fiawo I, 12:16-30) Yuda ƒe anyiehefiaɖuƒe si me to eve nɔ la kpɔtɔ nɔ Yerusalem. Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, woawo hã va ɖe asi le tadedeagu dzadzɛa ŋu, eyata Mawu ɖe mɔ Babilontɔwo va tsrɔ̃ du dzego sia le ƒe 607 D.M.Ŋ. me. Yudatɔ siwo woɖe aboyoe zu kluviwo le Babilon eye wokpe fu ƒe 70 sɔŋ. Emegbe le Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ ta la, wogaɖe mɔ na wo wotrɔ yi Yerusalem eye wogbugbɔ ɖo tadedeagu vavãtɔ anyi.—Kronika II, 36:15-21.
14, 15. Aleke wɔƒe vevi aɖe gava su Yerusalem si esi wotrɔ gbɔ tso aboyome le Babilon megbe, gake nukae trɔ?
14 Esi dua zu aƒedo ƒe 70 sɔŋ ta la, gbewo vu tsyɔ glikpoawo dzi. Wogbã Yerusalem gliwo ale be mɔ gãwo tsi afisiwo agbowo kple wo ŋu xɔ tsralawo nɔ tsã la teƒe. Gake Yudatɔ siwo trɔ gbɔ la lé dzi ɖe ƒo. Woɖi vɔsamlekpui ɖe afisi gbedoxɔa nɔ tsã eye wogadze vɔwo sasa gɔme na Yehowa gbesiagbe.
15 Wodze egɔme nyuie, gake Yerusalem ma si wogbugbɔ tso la maganye fiaɖuƒe si me Fia Dawid ƒe dzidzimevi anɔ zi dzi le ƒe fiadu akpɔ gbeɖe o. Ke boŋ dudzikpɔla si Babilon-tsrɔ̃lawo tiae va ɖu Yudatɔwo dzi eye ele na wo be woaxe adzɔ na woƒe aƒetɔ Persiatɔwo. (Nexemya 9:34-37) Togbɔ be ‘wotu afɔ Yerusalem dzi’ hã la, egakpɔtɔ nye du ɖeka kolia si nu Yehowa Mawu ve etɔxɛe le anyigba bliboa dzi. (Luka 21:24) Esi wònye tadedeagu dzadzɛtɔ ƒe teƒe vevitɔ ta la, etsi tre ɖi na gome si le Mawu si be wòaɖu anyigba katã dzi to Fia Dawid ƒe dzidzimevi dzi.
Alakpamawusubɔla Siwo Ƒo Xlã Wo Tsi Tre Ðe Wo Ŋu
16. Nukatae Yudatɔ siwo trɔ gbɔ tso Babilon dzudzɔ Yerusalem gbugbɔtso?
16 Eteƒe medidi o Yudatɔ siwo gbɔ tso aboyome va Yerusalem la ɖo gbedoxɔ yeye gɔme anyi. Gake alakpamawusubɔla siwo ƒo xlã wo ɖo ameŋugblẽgbalẽ aɖe ɖe Persia Fia Artaxsasta be Yudatɔwo agadze aglã. Ewɔe be Artaxsasta xe mɔ ɖe xɔa tutu nu le Yerusalem. Àte ŋu akpɔe le susu me be ne ɖe yenɔ dua me ɣemaɣi la, yeabu alesi etsɔme anɔ nɛ ŋu. Eva dzɔ be Yudatɔawo dzudzɔ gbedoxɔa tutu eye wova nyrɔ wo ɖokui ɖe woawo ŋutɔ ƒe ŋutilãmenuwo didi me vĩ.—Ezra 4:11-24; Xagai 1:2-6.
17, 18. Mɔ ka dzie Yehowa to kpɔ egbɔ be wogbugbɔ Yerusalem tso?
17 Anɔ ƒe 17 tso esime wotrɔ gbɔ megbe la, Mawu tia nyagblɔɖila Xagai kple Zaxarya be woaɖɔ ameawo ƒe nukpɔsusu ɖo. Yudatɔawo trɔ dzime eye wogadze gbedoxɔa tutu gɔme. Le ɣemaɣi me la, Dario va nye Persia fia. Ekpɔe be nyateƒee, Fia Kores ɖe gbe be woagbugbɔ Yerusalem ƒe gbedoxɔa atu. Dario ɖo agbalẽ ɖe Yudatɔwo ƒe liƒo dzi tɔwo xlɔ̃ nu wo be ‘woate ɖa le Yerusalem ŋu’ eye be woaɖe ga tso fia ƒe adzɔga me atsɔ ado alɔ xɔtudɔa vaseɖe esime woawu enu.—Ezra 6:1-13.
18 Yudatɔwo wu gbedoxɔa tutu nu le woƒe tɔtrɔgbɔ ƒe ƒe 22 lia me. Àkpɔe be nudzɔdzɔ ɖedzesi sia nye nusita wòle be woaɖu azã akpɔ dzidzɔ gã ɖo. Ke hã Yerusalem ƒe gliwo gakpɔtɔ nye glikpowo le mɔ geɖe nu. Wova tso ɖe dua tsotso ŋu le “anyigba dzikpɔla Nexemya kpakple nunɔla Ezra, amesi nye agbalẽfiala la ŋɔli.” (Nexemya 12:26, 27) Ðaseɖiɖiwo fia be va ɖo ƒe alafa atɔ̃lia D.M.Ŋ. ƒe nuwuwu la, wogbugbɔ Yerusalem tso keŋkeŋ wònye blema xexeame ƒe dugã.
Mesia la Do!
19. Aleke Mesia la ɖo kpe edzi be ɖoƒe tɔxɛ aɖe le Yerusalem si?
19 Gake mina míati kpo ato ƒe alafa aɖewo dzi aɖo nudzɔdzɔ aɖe si le vevie na xexeame katã, si nye Yesu Kristo dzidzi dzi. Yehowa Mawu ƒe dɔla gblɔ na Yesu dada si nye ɖetugbi nɔaƒe be: “[Yehowa] Mawu atsɔ fofoa Dawid ƒe fiazikpui la anae; . . . eye nuwuwu manɔe na eƒe fiaɖuƒe la o.” (Luka 1:32, 33) Le ƒe aɖewo megbe la, Yesu gblɔ eƒe Todzimawunya xɔŋkɔa. Ede dzi ƒo heɖo aɖaŋu le nyati geɖe ŋu le eme. Le kpɔɖeŋu me, ede dzi ƒo na eƒe nyaselawo be woawɔ ɖe adzɔgbe siwo woɖe na Mawu dzi ke woakpɔ nyuie be woaganɔ nu tàm yakayaka o. Yesu gblɔ be: “[Miese] wogblɔ na blematɔwo bena: Megaka atam dzodzro o, ke nawɔ wò atamkaka dzi na Aƒetɔ la. Ke nye la mele egblɔm na mi bena: Migatà nu kura o, eɖanye dziƒo o, elabena Mawu ƒe zikpui wònye; eɖanye anyigba o, elabena eƒe afɔɖodzinue; eɖanye Yerusalem o, elabena fia gã la ƒe due.” (Mateo 5:33-35) Enye nu ɖedzesi be Yesu hã lɔ̃ ɖe ɖoƒe tɔxɛ si le Yerusalem si dzi—enye ɖoƒe si le esi ƒe alafa geɖe. Ẽ, enye Yehowa Mawu, ‘Fia gã la ƒe du.’
20, 21. Tɔtrɔ wɔdɔɖeamedzi kae va Yerusalem-nɔla geɖe ƒe nuwɔna me?
20 Esi wòsusɔ vie Yesu nawu eƒe anyigbadzigbenɔnɔ nu la, eɖe eɖokui fia Yerusalem-nɔlawo be yenye woƒe Fia si wosi ami na wòsɔ. Ame geɖe tso aseye do ɣli le nudzɔdzɔ dodzidzɔname ma ta be: “Woayra amesi gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa me. Woayra mía fofo Dawid ƒe fiaɖuƒe, si gbɔna la!”—Marko 11:1-10; Yohanes 12:12-15.
21 Gake mede kwasiɖa ɖeka o, amehawo ɖe mɔ Yerusalem ƒe subɔsubɔhakplɔlawo na wolé fu Yesu. Ena wonya be Mawu magakpɔ ŋudzedze ɖe Yerusalem kple dukɔ bliboa ŋu abe alesi wòkpɔnɛ tsã ene o. (Mateo 21:23, 33-45; 22:1-7) Le kpɔɖeŋu me, Yesu gblɔ be: “Yerusalem, Yerusalem, si wu nyagblɔɖilawo, eye wòfɔ kpe ƒu amesiwo wodɔ ɖo ɖe egbɔ! Zi nenie medi bena, maƒo viwòwo nu ƒu, abe alesi koklonɔ ƒoa viawo nu ƒu ɖe eƒe aʋala te ene, gake mielɔ̃ o! Kpɔ ɖa, woagblẽ miaƒe aƒe ɖi na mi aƒedoe.” (Mateo 23:37, 38) Esime wonɔ ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Ŋutitotoa ɖum la, Yesu ƒe futɔwo na wowui madzemadzee le Yerusalem gbɔto. Ke hã Yehowa fɔ eƒe Amesiamina la ɖe tsitre eye wòtsɔ gbɔgbɔmeme ƒe makumakugbenɔnɔ de bubu eŋu le dziƒo Zion, esi nye nudzɔdzɔ si aɖe vi na mí katã.—Dɔwɔwɔwo 2:32-36.
22. Le Yesu ƒe ku megbe la, nuka ŋue nya geɖe siwo wogblɔ le Yerusalem ŋu va ku ɖo?
22 Tso ema dzi la, míate ŋu ase egɔme be Zion, alo Yerusalem, ŋuti nyagblɔɖi siwo katã meva eme haɖe o la ku ɖe dziƒo ƒe ɖoɖowo alo Yesu yomedzela amesiaminawo ŋu. (Psalmo 2:6-8; 110:1-4; Yesaya 2:2-4; 65:17, 18; Zaxarya 12:3; 14:12, 16, 17) Edze ƒã be nya geɖe siwo wogblɔ le “Yerusalem” alo “Zion” ŋu le Yesu ƒe ku megbe la nye kpɔɖeŋunyagbɔgblɔwo eye womeku ɖe dua ŋutɔŋutɔ alo afisi wotsoe ɖo ŋu o. (Galatiatɔwo 4:26; Hebritɔwo 12:22; Petro I, 2:6; Nyaɖeɖefia 3:12; 14:1; 21:2, 10) Wokpɔ kpeɖodzi mamlɛtɔ si fia be Yerusalem meganye ‘Fia gã la ƒe du’ o le ƒe 70 M.Ŋ. me esime Roma-ʋakɔwo va tsrɔ̃e, abe alesi Daniel kple Yesu Kristo gblɔe ɖi ene. (Daniel 9:26; Luka 19:41-44) Biblia-ŋlɔlawo loo alo Yesu ŋutɔ gɔ̃ hã megblɔe ɖi be emegbe Yehowa Mawu agava kpɔ ŋudzedze tɔxɛ ɖe anyigba dzi Yerusalem ŋu abe tsã ene o.—Galatiatɔwo 4:25; Hebritɔwo 13:14.
Ŋutifafa Mavɔ ƒe Kpɔɖeŋu Sue Aɖe
23. Nukatae wòle be míagatsɔ ɖe le Yerusalem me kokoko?
23 Esi míedzro anyigba dzi Yerusalem ƒe blema ŋutinya me vɔ la, ɖikeke mele eme o be le Fia Salomo ƒe dziɖuɣi si me ŋutifafa nɔ la, dua ƒe ŋkɔ sɔ nɛ—enye “Ŋutifafa Teƒe Eve me Nɔnɔ [alo, ƒe Gɔmeɖoanyi].” Ke hã ŋutifafa kple nudzedziname si ƒe vivi Mawu lɔ̃la siwo anɔ anyigba si wotrɔ wòzu paradiso dzi ase la ƒe kpɔɖeŋu sue aɖe koe wònye.—Luka 23:43.
24. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso nɔnɔme si nɔ anyi le Salomo ƒe dziɖuɣi la me?
24 Psalmo 72 lia gblɔ alesi nuwo nɔ le Fia Salomo ƒe dziɖuɣi fia. Gake ha vivi ma nye yayra siwo ameƒomea akpɔ le Yesu Kristo, Mesia la, ƒe dziƒofiaɖuƒea te ŋuti nyagblɔɖi. Hakpala la dzi eƒe ha be: “Ame dzɔdzɔe la amie le eƒe ŋkekewo me, eye ŋutifafa axɔ aƒe, vaseɖe esime dzinu maganɔ anyi o. . . . Aɖe ame dahe, si le ɣli dom, kple hiãtɔ, si xɔnametɔ aɖeke meli na o la. Ave hiãtɔwo kple ame dahewo nu, eye wòaɖe ame dahewo ƒe luʋɔ. Aɖe woƒe luʋɔ tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me, eye woƒe ʋu axɔ asi le eŋku me. Bli ado kpekpekpe le anyigba dzi kple towo tame.”—Psalmo 72:7, 8, 12-14, 16.
25. Nukata wòle be míadi be míagasrɔ̃ nu bubuwo tso Yerusalem ŋu?
25 Akɔfafa kple mɔkpɔkpɔ ka gbegbee nye si nya mawo nye na Mawu lɔ̃la siwo le Yerusalem alo anyigba ƒe afisiafi! Wò hã àte ŋu anɔ amesiwo ase vivi na ŋutifafa si anɔ anyigba katã dzi le Mawu ƒe Mesia Fiaɖuƒea te dome. Sidzedze Yerusalem ƒe blemanyawo akpe ɖe mía ŋu míase tame si Mawu ɖo ɖe ameƒomea ŋu gɔme. Nyati siwo kplɔe ɖo aƒo nu tso nusiwo dzɔ le ƒe bladrelia kple blanyilia me ŋu, esime Yudatɔwo gbɔ tso aboyome le Babilon vɔ megbe. Anye akɔfafa na amesiwo katã di be yewoade ta agu na Yehowa Mawu, Fia Gã la, wòadze eŋu.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Dzesideŋkɔ siwo nye “Mesia” (si woɖe tso Hebrigbe me nya aɖe me) kple “Kristo” (si woɖe tso Helagbe me) siaa gɔmee nye “Amesiamina.”
Èɖo Ŋku Wo Dzia?
◻ Aleke wɔ hafi Yerusalem va zu afisi “Yehowa ƒe fiazikpui” nɔ?
◻ Akpa vevi kae Salomo wɔ le tadedeagu vavãtɔ dodo ɖe ŋgɔ me?
◻ Aleke míewɔ nya be Yerusalem megava nye teƒe vevi si wodea ta agu na Yehowa le o?
◻ Nukatae míedi be míagasrɔ̃ nu bubuwo tso Yerusalem ŋu?
[Nɔnɔmetata si le axa 10]
Dawid ƒe Du la nɔ to aɖe dzi le anyiehe gome, gake Salomo keke dua ɖe enu wòɖo dziehe eye wòtu gbedoxɔa
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Pictorial Archive (Near Eastern History) Est.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 8]
Pictorial Archive (Near Eastern History) Est.