INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 11/1 axa 8-13
  • Ðe Wò Dɔwɔwɔ Ato Dzo Me Adoa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Wò Dɔwɔwɔ Ato Dzo Me Adoa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gɔmeɖoanyi Nyui Ðoɖo
  • Xɔtunu Nyuiwo Zazã
  • Ðe Wò Dɔwɔwɔ Ato Dzo Me Adoa?
  • Ameka ƒe Agbae?
  • Kpekpe Ðe Amewo Ŋu Be Woate Ðe Yehowa Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Yi Edzi Nàwɔ Wò Ŋutɔ Wò Xɔxɔdɔ!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 11/1 axa 8-13

Ðe Wò Dɔwɔwɔ Ato Dzo Me Adoa?

‘Amesiame nakpɔ nyuie alesi wòatui ɖe gɔmeɖoanyia dzii.’ —KORINTOTƆWO I, 3:10.

1. Nukae Kristotɔ nuteƒewɔlawo kpɔa mɔ na le nusrɔ̃vi yeyewo ŋu?

ATSU kple asi Kristotɔ aɖe nɔ wo vi fẽ si wodzi teti kpɔm dũ. Fiaɖuƒe gbeƒãɖela aɖe kpɔ ɖetsɔleme ŋutɔŋutɔ aɖe le mo na eƒe Biblia-nusrɔ̃vi. Kristotɔ hamemegã aɖe si nɔ nu fiam le nuƒolanɔƒe la kpɔ ɖetsɔlemetɔ yeye aɖe wòtsɔ moveviɖoɖo nɔ mawunyakpukpuiwo dim le eƒe Biblia me. Mɔkpɔkpɔ yɔ dzime na Yehowa subɔla nuteƒewɔla siawo fũ. Nya si ava tame na wo kokokoe nye be, ‘Ðe amesia ava lɔ̃ Yehowa asubɔea—eye ɖe wòanye nuteƒewɔla ɖaa?’ Gake nusiawo mava le wo ɖokui si o. Ebia agbagbadzedze.

2. Aleke apostolo Paulo ɖo ŋku nufiafiadɔa ƒe vevienyenye dzi na Hebri Kristotɔwoe, eye ɖokuimedzodzro kae nya sia bia be míawɔ?

2 Apostolo Paulo si nye nufiala bibi la te gbe ɖe nufiafia kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa ƒe vevienyenye dzi esime wòŋlɔ be: “Ele na mi be, mianye nufialawo le ɣeyiɣi la ƒe didi nu.” (Hebritɔwo 5:12) Ne wòbu ɣeyiɣi didi si Kristotɔ siwo wòŋlɔ nyaawo na va zu xɔsetɔwo ŋu la, ekpɔe be womewɔ ŋgɔyiyi boo o. Menye ɖeko womesu te na nufiafia ame bubuwo ko o, ke ehiã be woagaɖo ŋku nyateƒea ƒe gɔmedzenufiafia veviwo dzi na wo hã. Egbea anyo be enuenu la, mí katã míalé ŋku ɖe míaƒe nufiafia ŋutetewo ŋu bene míanya ɖɔɖɔɖo siwo wòle be míawɔ. Amewo ƒe agbe ŋue nya la ku ɖo. Nukae míate ŋu awɔ?

3. (a) Nukae apostolo Paulo tsɔ Kristotɔ nusrɔ̃la wɔwɔ sɔ kplii? (b) Esi míenye Kristotɔ xɔtulawo ta la, mɔnukpɔkpɔ gã kae le mía si?

3 Paulo wɔ kpɔɖeŋu aɖe si ku ɖe nu geɖe ŋu si me wòtsɔ nusrɔ̃lawɔwɔdɔa sɔ kple xɔtutu le. Edze eƒe nyawo gɔme be: “Mawu ƒe hadɔwɔlawo míenye; Mawu ƒe agble kple Mawu ƒe xɔtutu miawo mienye.” (Korintotɔwo I, 3:9) Eyata míele xɔtudɔ aɖe wɔm si ku ɖe amewo ŋu; míele kpekpem ɖe wo ŋu be woazu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo. Míele dɔ sia wɔm henye hadɔwɔlawo kpe ɖe Amesi ‘tu nusianu’ ŋuti. (Hebritɔwo 3:4) Mɔnukpɔkpɔ ka gbegbee nye si! Mina míakpɔ alesi aɖaŋu si tso gbɔgbɔ me si Paulo ɖo na Korintotɔwo akpe ɖe mía ŋu be míagabi ɖe míaƒe dɔa me ɖe edzii ɖa. Míalé ŋku ɖe míaƒe ‘nufiafiaɖaŋu’ koŋ ŋu.—Timoteo II, 4:2.

Gɔmeɖoanyi Nyui Ðoɖo

4. (a) Akpa kae Paulo wɔ le Kristotɔwo ƒe xɔtudɔa me? (b) Nukatae míate ŋu agblɔ be Yesu kple eƒe nyaselawo siaa nya gɔmeɖoanyi nyui ƒe vevienyenye?

4 Ehiã be woaɖo xɔ gɔme anyi nyuie hafi wòate ŋu ali ke ahanɔ anyi eteƒe nadidi. Eyata Paulo ŋlɔ be: “Mawu ƒe amenuveve, si wonam la, nu meɖo gɔme anyi [ɖo] abe xɔtula dzeaɖaŋu ene.” (Korintotɔwo I, 3:10) Yesu Kristo hã wɔ kpɔɖeŋu ma tɔgbe esime wòƒo nu tso xɔ aɖe si nɔ te ɖe yatsi sesẽ nu le esi xɔa tula tui ɖe gɔmeɖoanyi sesẽ dzi ta ŋu. (Luka 6:47-49) Yesu nya alesi gbegbe gɔmeɖoanyi le vevii. Enɔ eteƒe esime Yehowa ɖo anyigba gɔme anyi.a (Lododowo 8:29-31) Yesu ƒe nyaselawo hã nya viɖe si le gɔmeɖoanyi nyui ŋu. Xɔ siwo gɔme woɖo anyi nyuie koe ate ŋu anɔ te ɖe tsiɖɔɖɔ gãwo kple anyigbaʋuʋu siwo dzɔna le Palestina ɣeaɖewoɣi la nu. Gake gɔmeɖoanyi kae nɔ susu me na Paulo?

5. Ameka dzie wotu Kristo-hamea ɖo, eye aleke wogblɔ nya sia ɖii?

5 Paulo ŋlɔ bena: “Ame aɖeke mate ŋu aɖo gɔmeɖoɖo bubu anyi o, negbe esi woɖo anyi, si nye Yesu Kristo la ko.” (Korintotɔwo I, 3:11) Menye esiae nye zi gbãtɔ si wotsɔ Yesu sɔ kple gɔmeɖoanyi o. Le nyateƒe me la, Yesaya 28:16 gblɔe ɖi be: “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, meɖo kpe aɖe anyi ɖe Zion, kpe, si wodo kpɔ, dzogoekpe xɔasi, si li ke zã.” Yehowa ɖo tame xoxoxo be ye Vi nava nye gɔmeɖokpe na Kristo-hamea.—Psalmo 118:22; Efesotɔwo 2:19-22; Petro I, 2:4-6.

6. Gɔmeɖoanyi nyui kae Paulo ɖo le Korinto Kristotɔwo me?

6 Nukae nye gɔmeɖoanyi na Kristotɔ ɖekaɖekawo? Abe alesi Paulo gblɔe ene la, gɔmeɖoanyi aɖeke megali na Kristotɔ vavãwo wu esi woɖo ɖi le Mawu ƒe Nya me o—eyae nye Yesu Kristo. Enye nyateƒe be gɔmeɖoanyi mae Paulo ɖo. Medze agbagba be yeatsɔ xexemesusuwo anyɔ amewo ƒe ɖetsɔleme le Korinto, afisi wobua xexemenunya nu gãe le la o. Ke boŋ ‘Kristo si woklã ɖe ati ŋuti,’ si nye nusi dukɔwo bu ‘bometsinui’ lae Paulo ɖe gbeƒãe. (Korintotɔwo I, 1:23) Paulo fia nu be Yesue nye ame vevi si ŋu Yehowa ƒe tameɖoɖowo ku ɖo.—Korintotɔwo II, 1:20; Kolosetɔwo 2:2, 3.

7. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Paulo ƒe nya si wògblɔ le eɖokui ŋu be yenye “xɔtula dzeaɖaŋu” me?

7 Paulo gblɔ be yefia nu “abe xɔtula dzeaɖaŋu ene.” Menɔ nya sia gblɔm dadatɔe o. Nunana wɔnuku si Yehowa nae ƒe nya ko gblɔm wònɔ—si nye ɖoɖowɔwɔ ɖe dɔ ŋu alo mɔfiame nana. (Korintotɔwo I, 12:28) Ele eme be nukununana siwo wona ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo mele mía si egbea o. Eye míate ŋu agblɔ be míenye nufialawo tso dzɔdzɔme o. Gake míenyee le gɔmesese vevi aɖe nu. Bu eŋu kpɔ: Yehowa na eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea mí be wòakpe ɖe mía ŋu. (Tsɔe sɔ kple Luka 12:11, 12.) Eye lɔlɔ̃ le mía si na Yehowa eye míenya eƒe Nya la me nufiafia veviwo. Nunana wɔnukuwoe nusiawo nye vavã siwo míatsɔ afia nu amewoe. Mina míaɖoe kplikpaa be míazã wo atsɔ aɖo gɔmeɖoanyi nyui.

8. Aleke míatsɔ Kristo awɔ gɔmeɖoanyi le nusrɔ̃la yeyewo mee?

8 Ne míetsɔ Kristo le gɔmeɖoanyi ɖom la, míegblɔna be enye vidzĩ kokoe wɔnamanɔŋutɔ si le lãnuɖunu me loo, alo be ele tasɔsɔ me kple Yehowa le Mawuɖekaetɔ̃ aɖeke me o. Kpao, yeaɖi Kristotɔwoe nukpɔsusu mawo siwo wometu ɖe ŋɔŋlɔawo dzi o nye gɔmeɖoanyi na. Ke boŋ míefiana be eyae nye ame vevitɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ, be etsɔ eƒe agbe deblibo ɖo anyi ɖe mía ta, eye be fifia la, enye Fia si Yehowa tia wòle dzi ɖum le dziƒo. (Romatɔwo 5:8; Nyaɖeɖefia 11:15) Míedi hã be míaʋã míaƒe nusrɔ̃viwo ƒe dzi bene woato Yesu ƒe afɔtoƒewo ahasrɔ̃ eƒe nɔnɔmewo. (Petro I, 2:21) Míedi be Yesu ƒe dzonɔameme ɖe subɔsubɔdɔa ŋu, eƒe dɔmetɔtrɔ ɖe ame tsɛwo kple amesiwo wote ɖe anyi ŋu, eƒe nublanuikpɔkpɔ na nuvɔ̃wɔla siwo ŋutɔ ƒe fɔɖiɖi ɖea fu na wo, kple alesi dzi nɔa eƒo vevie ne wòdo go dodokpɔwo la naʋã wo. Yesu nye gɔmeɖokpe nyui aɖe vavã. Gake nukae gakplɔe ɖo?

Xɔtunu Nyuiwo Zazã

9. Togbɔ be gɔmeɖola koŋue Paulo nye hã la, nuka ŋue wòtsi dzi ɖo na amesiwo xɔ nusi wòfia dzi se la?

9 Paulo ŋlɔ be: “Ne ame aɖe tsɔ sika, klosalo, kpe xɔasiwo, atiwo, gbe, alo ahɔ̃liti tui ɖe gɔmeɖoɖoanyi sia dzi la, ekema amesiame ƒe dɔwɔwɔ adze ƒã, elabena ŋkeke la aɖee ɖe go afia, elabena woaɖee ɖe go afia to dzo me, eye alesialesi ke amesiame ƒe dɔwɔwɔ le la, dzo la adoe akpɔ.” (Korintotɔwo I, 3:12, 13) Nukae Paulo wɔnɛ? Bu nɔnɔmea ŋu kpɔ. Gɔmeɖola koŋue Paulo nye. Le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔwo me la, ezɔa mɔ tso du me yia du me, eye eɖea gbeƒã na ame geɖe siwo mese Kristo ŋu nya kpɔ o. (Romatɔwo 15:20) Ne nyateƒe si fiam wòle me va kɔ na amewo la, eɖoa hamewo. Paulo tsi dzi vevie ɖe nuteƒewɔla siawo ŋu. (Korintotɔwo II, 11:28, 29) Gake eƒe dɔwɔna bia be wòanɔ tsatsam. Eyata esi wòzã ɣleti 18 tsɔ ɖo gɔmeɖoanyi le Korinto vɔ la, edzo yi du bubuwo me be yeava ɖe gbeƒã. Ke hã egatsɔ ɖe le alesi ame bubuwo va nɔ dɔ si wòwɔ le afima dzi yimee me vevie.—Dɔwɔwɔwo 18:8-11; Korintotɔwo I, 3:6.

10, 11. (a) Aleke Paulo tsɔ xɔtunu vovovowo sɔ kple wo nɔewoe? (b) Xɔ ŋutɔŋutɔ kawoe anya nɔ blema Korinto? (d) Xɔ kawo ƒomevie ate ŋu anɔ te ɖe dzo nu, eye nukae kpɔɖeŋu sia fia na Kristotɔ nusrɔ̃lawɔlawo?

10 Edze abe ame aɖewo siwo va nɔ etum ɖe gɔmeɖoanyi si Paulo ɖo le Korinto dzi la menɔ dɔa wɔm nyuie o ene. Esi Paulo di be yeaɖe kuxia ɖe go la, etsɔ xɔtunu ƒomevi eve sɔ kple wo nɔewo: sika, klosalo, kple kpe xɔasiwo nye hatsotso ɖeka; ati, be, kple gbe hã nye hatsotso bubu. Woate ŋu atsɔ xɔtunu nyui siwo sesẽ eye wote ŋu nɔa dzo nu atu xɔe; alo woate ŋu atso kpatakpata atsɔ esiwo gblẽna, siwo mesẽ o, eye dzo bia wo kabakaba atui. Ðikeke mele eme o be xɔ eve mawo ƒomeviwo nɔ Korinto si nye du gã aɖe ŋutɔ me. Gbedoxɔ gã siwo wotsɔ gliɖokpe gã xɔasiwo tui, eye ɖewohĩ wotsɔ sika alo klosalo si ɖe wo ŋu alo wotsɔe ɖo atsyɔ̃ na woƒe akpa aɖe la nɔ anyi.b Anɔ eme be xɔ sesẽ siawo kɔ ta le atsyɔ̃ɖoɖo me gbɔ anyixɔwo, agbadɔwo, kple asimegbadɔ siwo wotsɔ ati ɖesiaɖe ko kple be gbae la ŋu.

11 Nukae adzɔ ɖe xɔ siawo dzi ne wolé dzo? Nyaŋuɖoɖoa dze ƒã le Paulo ŋɔli abe alesi míakpɔe le mía ŋɔli hã ene. Le nyateƒe me la, Roma ƒe Aʋafiagã Mummius va si Korinto le ƒe 146 D.M.Ŋ. me eye wòtɔ dzoe. Anɔ eme kokoko be xɔ siwo wotsɔ ati, be, alo gbe tui la bi dzo keŋkeŋ. Ke kpexɔ sesẽ siwo wotsɔ klosalo kple sika ɖo atsyɔ̃ na ya ɖe? Ðikeke mele eme o be dzo mebi xɔ siawo ya o. Anɔ eme godoo be Paulo ƒe nusrɔ̃vi siwo nɔ Korinto la toa xɔ mawo ŋu gbesiagbe—wonye kpexɔ gã siwo tsi anyi le afɔku siwo tsrɔ̃ wo tɔ manyomanyowo ɖa gbaɖegbe ke la me. Eyata Paulo ƒe nyawo me kɔ ale gbegbe! Ne míele nu fiam la, ele be míabu mía ɖokuiwo abe xɔtulawo ene. Míedi be míatsɔ xɔtunu nyuitɔwo, esiwo lina wu ɖesiaɖe la awɔ dɔe. Ne míewɔe nenema la, ekema míaƒe dɔ ate ŋu anɔ anyi eteƒe nadidi. Nukawoe xɔtunu sesẽ mawo nye, eye nukata wo zazã le vevie?

Ðe Wò Dɔwɔwɔ Ato Dzo Me Adoa?

12. Mɔ kawo nue Korinto Kristotɔwo nɔ xɔtudɔa wɔm ɖewoɖewoe le?

12 Edze ƒã be Paulo kpɔe be Kristotɔ aɖewo siwo nɔ Korinto menɔ xɔa tum nyuie o. Nukae gblẽ? Nya bubu siwo wògagblɔ fia be mamã nɔ hamea me, eye wonɔ kafukafu tsɔm na ame aɖewo togbɔ be enɔ nu gblẽm le hamea ƒe ɖekawɔwɔ ŋu hã. Wo dometɔ aɖewo nɔ gbɔgblɔm be, “Nye la, Paulo tɔ menye!,” eye ame bubuwo hã gblɔ be, “Nye la, Apolo tɔ menye!” Edze abe ɖe wo dometɔ aɖewo nɔ bubum be yewonya nu kakaka ene. Mewɔ nuku o be tamebubu le ŋutilã nu, matsimatsi le gbɔgbɔ me, kpakple “ŋuʋaʋã kple dzrewɔwɔ” atraɖii va xɔ aƒe ɖi. (Korintotɔwo I, 1:12; 3:1-4, 18) Ðikeke mele eme o be nɔnɔme siawo va dze le nusiwo wofiana le hamea me kple le gbeadzi. Ewɔe be wonɔ woƒe nusrɔ̃lawɔwɔdɔa wɔm ɖewoɖewoe ko, abe alesi ko woatsɔ xɔtunu manyomanyowo atu xɔe ene. Mate ŋu anɔ te ɖe “dzo” nu o. Dzo ka ƒe nya gblɔm Paulo nɔ?

13. Nukae dzo si le Paulo ƒe kpɔɖeŋua me fia, eye nuka ŋue wòle na Kristotɔwo katã be woanɔ ŋudzɔ ɖo?

13 Dzo aɖe dze ŋgɔ mí katã le agbe me—enye míaƒe xɔse dodo akpɔ. (Yohanes 15:20; Yakobo 1:2, 3) Ehiã be Kristotɔ siwo nɔ Korinto nanya abe alesi wòhiã be míawo hã míanya egbea ene be, woado amesiame si míefiaa nyateƒeae akpɔ. Ne míefia nu nyuie o la, nusi ado tso eme manyo o. Paulo xlɔ̃ nu be: “Ne ame ɖe ƒe dɔwɔwɔ, si wòtu ɖe dzi la, tsi anyi la, axɔ fetu. Ne ame aɖe ƒe dɔwɔwɔ afiã la, abui, ke woaxɔ eya ŋutɔ, gake abe amesi to dzo me ene.”c—Korintotɔwo I, 3:14, 15.

14. (a) Aleke wòadzɔe be Kristotɔ nusrɔ̃lawɔlawo ‘nabu woƒe dɔ,’ ke hã aleke woakpɔ xɔxɔ abe dzo mee woto ene? (b) Nukae míawɔ be míaƒe dɔ nagabu nenema gbegbe o?

14 Ŋkubiãnyae nye esia vavã! Anye vevesese ŋutɔŋutɔ be woakpe fu akpe ɖe ame aɖe ŋu wòava zu nusrɔ̃la, eye emegbe kaka woakpɔ ko ameae nye ma na ta le dodokpɔ alo yometiti me eye wòva ɖe asi le nyateƒea ŋu mlɔeba. Nya ma gblɔm Paulo le be ne edzɔ nenema la, ke míebu míaƒe dɔ. Nɔnɔmea ave mí ale gbegbe be wogblɔ le míaƒe xɔxɔ ŋu be ele ko “abe amesi to dzo me ene”—ɖeko wòle abe amesi ƒe nusianu fiã le dzo me eye bebli hafi woɖe eya ŋutɔ ene. Le míawo gome la, nukae míawɔ bene míagabu míaƒe dɔ nenema gbegbe o? Tsɔ xɔtunu sesẽwo tui! Ne míefia nu míaƒe nusrɔ̃viwo wòɖo dzi gbɔ na wo, eye wòʋã wo be wokpɔ asixɔxɔ si le Kristotɔwo ƒe nɔnɔme xɔasiwo abe nunya, gɔmesese, Yehowa vɔvɔ̃, kple xɔse vavã ŋu dze sii la, ke míetsɔ xɔtunu sesẽ, siwo dzo mate ŋu afiã o la le wo tum ɖo. (Psalmo 19:10, 11; Lododowo 3:13-15; Petro I, 1:6, 7) Amesiwo si nɔnɔme siawo ava su la ayi edzi awɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu; woakpɔ mɔ na agbe mavɔ nɔnɔ si ava eme godoo. (Yohanes I, 2:17) Gake aleke míawɔ atsɔ Paulo ƒe kpɔɖeŋua awɔ dɔe? Bu kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ.

15. Aleke míakpɔ egbɔe be míewɔ xɔtudɔa ɖewoɖewoe le míaƒe Biblia-nusrɔ̃viwo gome o?

15 Ne míele nu fiam Biblia-nusrɔ̃viwo la, mele be míakafu amewo wu Yehowa Mawu o. Menye míaƒe taɖodzinue nye be míafia wo woasusu be míawo sie nunya le o. Míedi be woakpɔ Yehowa, eƒe Nya la, kple eƒe habɔbɔa sinu hena mɔfiafia. Le ema ta la, míagblɔ míaƒe susu ɖeɖeko atsɔ aɖo woƒe nyabiasewo ŋu o. Ke boŋ míafia wo be woazã Biblia kple agbalẽ siwo “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la ta atsɔ adi ŋuɖoɖoawoe. (Mateo 24:45-47) Le susu ma ke ta míadi be míaɖo tɔ ɖe míaƒe Biblia-nusrɔ̃viwo nu o. Le esi dɔme nave mí ne ame bubuwo le vivi dom ɖe míaƒe nusrɔ̃viwo ŋu teƒe la, mina míade dzi ƒo na wo be ‘woakeke woƒe xɔlɔ̃wɔwɔ ɖe enu’ boŋ, be woadze si ame geɖe alesinu woate ŋui le hamea me eye be woakpɔ dzidzɔ ɖe wo ŋu.—Korintotɔwo II, 6:12, 13.

16. Aleke hamemegãwo atsɔ nusiwo dzo mebina o awɔ xɔtudɔae?

16 Kristotɔ hamemegãwo hã wɔa akpa vevi aɖe le nusrɔ̃viwo tutuɖo me. Ne wole nu fiam le hamea me la, woadze agbagba atsɔ nusiwo dzo mabi o atu woe. Woƒe nufiafiaŋutete, nuteƒekpɔkpɔ, kple amenyenye ate ŋu anɔ vovovo, gake womewɔa esiawo ŋudɔ tsɔ hea amewo ɖe wo ɖokui ŋu o. (Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 20:29, 30.) Míenya nusi tututu tae ame aɖewo siwo nɔ Korinto nɔ gbɔgblɔm be, “Nye la, Paulo tɔ menye” alo, “Nye la, Apolo tɔ menye” o. Gake míeka ɖe edzi kokoko be hamemegã nuteƒewɔla siawo dometɔ aɖeke medo mamã ƒe susuwo ɖe ŋgɔ o. Kafukafunya mawo mevivi Paulo nu o; egbe nya mawo gbidii. (Korintotɔwo I, 3:5-7) Nenema ke egbea hã ele susu me na hamemegãwo be yewonye “Mawu ƒe alẽha” la kplɔlawo. (Petro I, 5:2) Menye amegbetɔ aɖeke tɔe o. Eyata hamemegãwo tsia tre sesĩe ɖe ame ɖeka ɖesiaɖe si adi be yeaɖu aƒetɔ ɖe alẽha la loo alo hamemegãwo ƒe ha la dzi ŋu. Zi alesi hamemegãwo atso ɖokuibɔbɔ me adi be yewoasubɔ hamea, aɖo amewo ƒe dzi gbɔ, eye be yewoakpe ɖe alẽawo ŋu be woasubɔ Yehowa tso luʋɔ blibo me ko la, ke nusiwo dzo mabi o enye ma wotsɔ le wo tumee.

17. Aleke dzila Kristotɔwo atsɔ nusiwo dzo mebina o awɔ xɔtudɔae?

17 Nya sia ka dzila Kristotɔwo hã vevie. Aleke gbegbe wòdzroa wo vevie be yewoakpɔe be yewo viwo nanɔ agbe tegbee nye si! Susu ma tae wodzea agbagba vevie be ‘yewoaƒã Mawu ƒe Nya la me gɔmeɖosewo ɖe wo viwo ƒe dzime’ ɖo. (Mose V, 6:6, 7) Wodi be yewo viwo nanya nyateƒea, menye be woanyae abe sededewo alo mawunya me nyateƒenya aɖewo ko o, ke boŋ be enye nusi nu wonɔa agbe ɖo bliboe si me wokpɔa teƒeɖoɖo kple dzidzɔ le. (Timoteo I, 1:11) Esi dzila lɔ̃amewo di be yewoatu yewo viwo ɖo woazu Kristo ƒe nusrɔ̃la nuteƒewɔlawo ta la, wodzea agbagba be yewoazã nusiwo dzo mabi o. Wogbɔa dzi ɖi na wo viwo, kpena ɖe wo ŋu be woaɖe asi le nɔnɔme siwo Yehowa léa fui ŋu eye woƒãa esiwo wòlɔ̃na ɖe wo me.—Galatiatɔwo 5:22, 23.

Ameka ƒe Agbae?

18. Ne nusrɔ̃la gbe nufiafia nyuitɔa la, nukata manye amesiwo le agbagba dzem be yewoafia nui ahana hehee ƒe vodada o?

18 Numedzodzro sia fɔ biabia vevi aɖe ɖe te. Ne amesi ŋu míele agbagba dzem be míakpe ɖo ge le nyateƒea me la, ɖe wòfia be míawoe mefia nui nyuie oa—be ɖewohĩ míawoe zã xɔtunu manyomanyowoa? Mefia nenema kokoko o. Nyateƒee, Paulo ƒe nyawo fia mí be agba gãe wònye be míakpɔ gome le nusrɔ̃lawo tutuɖo me. Míedi be míawɔ míatɔ sinua atu wo ɖo nyuie. Gake Mawu ƒe Nya mele gbɔgblɔm na mí be míatsɔ agba la katã eye wòanɔ fu ɖem na mí be míeɖi fɔ ne wòdzɔ be amesi ŋu míedi be míakpe ɖo ge le nyateƒea me o. Nu bubuwo gali kpe ɖe akpa si míewɔna abe xɔtulawo ene ŋu. Le kpɔɖeŋu me, se nya si Paulo gblɔ le nufiala si mewɔ xɔtudɔa nyuie o gɔ̃ hã ŋu ɖa: “Abui, ke woaxɔ eya ŋutɔ.” (Korintotɔwo I, 3:15) Ne nufiala sia ava kpɔ xɔxɔ mlɔeba—evɔ wogblɔ be Kristotɔwo ƒe nɔnɔme si wòdi be yeatu ɖe yeƒe nusrɔ̃via me ya ‘fiã’—la, ke nya kae míagblɔ? Ke míaƒo nya ta kokoko be Yehowa abia akɔnta nusrɔ̃via koŋ ɖe nyametsotso siwo eya ŋutɔ wɔ be yeawɔ nuteƒe loo alo yemawɔe o ta.

19. Nuka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

19 Nya vevi ŋutɔŋutɔe wònye ne agba la kpɔ ame ŋutɔ, alo ame ɖeka ɖesiaɖe ŋkume. Eka mía dometɔ ɖesiaɖe. Nya ka tututue Biblia gblɔ le nya sia ŋu? Míaƒe nyati si kplɔe ɖo adzro nya sia me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a ‘Anyigba ƒe gɔmeɖoanyia’ ate ŋu anye dzɔdzɔmeŋusẽ siwo lée—kpakple dziƒonuwo katã—ɖe te. Gakpe ɖe eŋu la, wowɔ anyigba la ŋutɔ ale gbegbe be “magaʋã,” alo agblẽ o.—Psalmo 104:5.

b Menye kpe xɔasiwo abe lotamekpewo kple karneol ene kokokoe ‘kpe xɔasi’ siwo Paulo yɔ nye o. Woate ŋu anye xɔtukpe xɔasiwo abe kpe dama, kpe ɣi, alo kpe zɔzrɔ̃e ene.

c Paulo mele gbɔgblɔm be asesẽ be xɔtula la nakpɔ ɖeɖe o, ke xɔtula la ƒe “dɔwɔwɔ” boŋ tɔe asesẽ. Kpukpui sia dze le The New English Bible me be: “Ne ame aɖe ƒe xɔ tsi anyi la, woana fetui; ne efiã la, eƒe fiafiã ƒe agba le edzi; ke eya ŋutɔ atsi agbe, abe amesi to dzo me do ene.”

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

◻ Nukae nye “gɔmeɖoanyi” le Kristotɔ vavã me, eye aleke woɖonɛ?

◻ Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso xɔtunu vovovoawo me?

◻ Nukae “dzo” la tsi tre ɖi na, eye aleke wòana ame aɖewo ‘nabu woƒe dɔ’?

◻ Aleke Biblia-fialawo, hamemegãwo, kple dzilawo ate ŋu atsɔ nusiwo dzo mebina o awɔ xɔtudɔae?

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Le blemadu geɖe me la, kpexɔ siwo dzo mete ŋu bina o kple xɔ beliwo siaa nɔa anyi

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe