INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 11/1 axa 30-31
  • Yesu Kpɔ Vovo ɖe Ðeviwo Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yesu Kpɔ Vovo ɖe Ðeviwo Ŋu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yesu Lɔ̃ Ðeviwo
  • Nusi Míasrɔ̃ tso Eme
  • Ðe “Kristo Ƒe Tamesusu” Le Asiwòa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Mía Viwo—Domenyinu Xɔasi Ŋutɔ Aɖee Wonye
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Mla Viwò Be Wòasubɔ Yehowa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Nu Kae Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Ðeviwo Gbɔ?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 11/1 axa 30-31

Wowɔ Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu

Yesu Kpɔ Vovo ɖe Ðeviwo Ŋu

YESU ƒe ƒe etɔ̃ kple afã ƒe subɔsubɔdɔa nɔ eƒe nuwuwu gogom. Madidi o ayi Yerusalem eye wòaku le vevesese helĩhelĩ me. Enya nusi dze ŋgɔe nyuie, elabena egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: “Woade Amegbetɔvi la asi na amewo, eye woawui.”—Marko 9:31.

Godoo la, Yesu adi be yeazã ŋkeke ɖesiaɖe, gaƒoƒo ɖesiaɖe kple ɣeyiɣi ɖesiaɖe si susɔ la nyuie. Eƒe nusrɔ̃lawo gahiã kpekpeɖeŋu kokoko. Yesu kpɔe be ehiã be yeagaxlɔ̃ nu wo vevie tso alesi wòhiã be woabɔbɔ wo ɖokui kple susuhenuwo ƒe afɔku si li ɣesiaɣi la ŋuti kokoko. (Marko 9:35-37, 42-48) Ehiã be wòaɖo aɖaŋu na wo tso srɔ̃ɖeɖe, srɔ̃gbegbe, kple trenɔnɔ hã ŋuti. (Mateo 19:3-12) Esi Yesu nyae be madidi o yele kuku ge ta la, ɖikeke mele eme o be etsɔ hiahiã kpata ƒe susu ƒo nu hetɔ asi nya veviwo dzi tẽ na eƒe nusrɔ̃lawo. Vovo menɔ Yesu ŋu kura o—si na nusi wòwɔ emegbe gaɖe dzesi wu.

Yesu Lɔ̃ Ðeviwo

Biblia ƒe nuŋlɔɖi gblɔ be: “Wotsɔ ɖevi suewo va egbɔ be, wòada asi ɖe wo dzi.” Esi nusrɔ̃lawo kpɔ esia la, woɖee gblɔ enumake be mɔɖeɖe meli o. Ðewohĩ wosusui be ame vevi ŋutɔ aɖee Yesu nye alo vovo mele eŋu kura be wòatsi dzi ɖe ɖeviwo ŋu o. Kpɔ alesi wòawɔ nuku na nusrɔ̃lawoe ɖa esi Yesu do dziku ɖe wo ŋu! Egblɔ na wo be: “Mina ɖeviwo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o; elabena nenem mewo tɔ enye mawufiaɖuƒe la.” Emegbe Yesu gblɔ kpee be: “Vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi ke mexɔ mawufiaɖuƒe la abe ɖevi ene o la, mele eme yi ge o.”—Marko 10:13-15.

Yesu kpɔ nɔnɔme nyuiwo le ɖeviwo me. Wonye amesiwo lɔ̃a numekuku eye wonye amesiwo dzi woate ŋu aka ɖo. Woxɔa wo dzilawo ƒe nyawo eye woʋliaa wo ta kura gɔ̃ hã le ɖevi bubuwo gbɔ. Alesi woléa to ɖe nya ŋu helɔ̃na wofiaa nu wo la nye nɔnɔme si wòle be amesiwo katã di be yewoage ɖe Mawu Fiaɖuƒea me la nasrɔ̃. Yesu gblɔ be “nenem mewo tɔ enye mawufiaɖuƒe la.”—Tsɔe sɔ kple Mateo 18:1-5.

Gake menye ɖe Yesu nɔ ɖevi siawo zãm tsɔ nɔ kpɔɖeŋu aɖe ko wɔmee o. Nuŋlɔɖia na eme kɔ nyuie be wo gbɔ nɔnɔ doa dzidzɔ na Yesu ŋutɔŋutɔ. Marko ka nya ta be Yesu ‘lé ɖeviwo ɖe eƒe akɔnu heyra wo, eye eda asi ɖe wo dzi.’ (Marko 10:16) Marko ƒe nuŋlɔɖia koe gblɔ vividoɖeameŋu ƒe nɔnɔme sia tsitsotsito be Yesu ‘lé wo ɖe eƒe akɔnu.’a Eyata Yesu wɔ nu wògbɔ nusi dim ame tsitsi siwo tsɔ ɖevi siawo vɛ na Yesu be ‘wòada asi ɖe wo dzi’ ko la ŋu.

Nukae ‘asi si Yesu da ɖe’ ɖeviawo dzi fia? Subɔsubɔnuwɔna abe mawutsidetaname ene medze le nya sia ƒe akpa aɖeke o. Togbɔ be asidada ɖe ame dzi fia ame tiatia ɣeaɖewoɣi hã la, le nya bubuwo me la ame yayra koe wòfia. (Mose I, 48:14; Dɔwɔwɔwo 6:6) Eyata anye be ɖeko Yesu yra ɖeviawo.

Aleke ke wòdzɔe o, Marko zã nya si nu sẽ wu na “yayra” (ka·teu·lo·geʹo), si fia ŋusẽ si de ŋgɔ. Esia fia be Yesu tso eƒe dzi me, kɔ dɔme yra wo dzidzɔtɔe. Eme kɔ ƒã be mebu ɖeviwo agbanɔamedzi si tsɔtsɔ gblẽa ɣeyiɣi o.

Nusi Míasrɔ̃ tso Eme

Yesu mewɔ nu kple ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa le vɔvɔ̃ dodo na ame alo gbɔ̃ɖiɖi ame ƒe mɔ nu o. Numekuku aɖe gblɔ be: “Nukomo ɖoɖo kple nukoko dzidzɔtɔe manye nu sesẽ nɛ o.” Mewɔ nuku o be ɖeviwo kple tsitsiawo siaa lɔ̃a egbɔ nɔnɔ. Ne míebu tame le Yesu ƒe kpɔɖeŋua ŋu la, míate ŋu abia mía ɖokui be: ‘Ðe ame bubuwo te ŋu tena ɖe ŋunyea?’ ‘Ðe meɖi amesi ŋu vovo mele kura woatsɔ ame bubuwo ƒe dɔ kple nuhiahiãwo aɖe fu na oa?’ Ðetsɔleme vavãtɔ tutuɖo ɖe amewo me aʋã mí míatsɔ mía ɖokui ana abe alesi Yesu wɔe ene. Ame bubuwo akpɔ míaƒe ɖetsɔleme vavã la eye woate ɖe mía ŋu.—Lododowo 11:25.

Abe alesi Marko ƒe nuŋlɔɖia fia ene la, anyinɔnɔ kple ɖeviwo do dzidzɔ na Yesu. Edze ƒã be edze agbagba lé ŋku ɖe wo ŋu ne wole fefem, elabena eƒo nu tso woƒe fefewo ŋu le eƒe kpɔɖeŋuwo dometɔ ɖeka me. (Mateo 11:16-19) Ðewohĩ ɖevi siwo Yesu yra dometɔ aɖewo metsi tututu anya amesi wònye kple nusi wòfia la o. Gake esia mena wòse le eɖokui me be yenɔ ɣeyiɣi gblẽm o. Ekpɔ vovo ɖe ɖeviwo ŋu elabena elɔ̃ wo. Anɔ eme be ɖevi siwo Yesu do go le eƒe subɔsubɔdɔa me la dometɔ geɖe va zu eƒe nusrɔ̃lawo emegbe le lɔlɔ̃ si wòɖe fia wo ta.

Ne Yesu kpɔ ɣeyiɣi na ɖeviwo le kwasiɖa vevi mamlɛawo me le eƒe agbeme me la, ɖikeke mele eme o be míate ŋu akpɔ ɣeyiɣi na wo le míaƒe ɖoɖowɔɖi si me vovo mele o me. Ele be esiwo ŋu hiahiã tɔxɛwo le abe ŋutsuvi kple nyɔnuvi tɔmanɔsitɔwo koŋ nanɔ susu me na mí. Nyateƒee, ne wolé ŋku ɖe ɖeviwo katã ŋu la, agbe adze edzi na wo, eye enye Yehowa ƒe didi be míadze agbagba ɖesiaɖe si míate ŋui alɔ̃ wo ahakpe ɖe wo ŋu.—Psalmo 10:14.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Gɔmeɖeɖe aɖe gblɔ be Yesu “wɔ atuu na wo.” Bubu gblɔ be “elé wo ɖe eƒe abɔdome.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe