Alesi Mawudɔlawo Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwòe
MAWU ƒe Nya ɖo kpe edzi be mawudɔlawo li. Egblɔ na mí be gbɔgbɔmenuwɔwɔ siawo miliɔn geɖe ye li. Yehowa Mawu ƒe subɔla Daniel kpɔ ŋutega aɖe si ku ɖe dziƒonuwo ŋu eye eŋlɔ eŋu nya be: “Ame akpe teƒe akpe le esubɔm, eye ame akpe ewo teƒe akpe ewo tsi tre ɖe egbɔ.”—Daniel 7:10.
De dzesii be Daniel ƒe nyawo na nyatakaka geɖe mí tsɔ wu mawudɔlawo ƒe agbɔsɔsɔme gbɔgblɔ na mí ko. Eɖee fia hã be mawudɔlawo subɔa Mawu. Wonye eƒe subɔlawo. Le ɖekawɔwɔ me kple esia la, hakpala dzi ha be: “Mikafu Yehowa, mi eƒe dɔlawo, mi kalẽtɔ sesẽ, siwo wɔa eƒe nya dzi hesea eƒe nya ƒe gbe! Mikafu Yehowa, mi eƒe aʋakɔwo katã, mi eƒe subɔla, siwo wɔa nusi dzea eŋu!”—Psalmo 103:20, 21.
Biblia ɖe eme hã be mawudɔlawo meva nye amegbetɔwo le anyigba dzi tsɔ dze agbe gɔme o. Yehowa wɔ mawudɔlawo ɖe dziƒo do ŋgɔ kura hafi va wɔ anyigba gɔ̃ hã. Esime Mawu ‘ɖo anyigba gɔme anyi la, Mawu ƒe vi siwo nye mawudɔlawo katã gli kple dzidzɔ.’—Hiob 38:4-7.
Gbɔgbɔmenuwɔwɔwoe mawudɔlawo nye—womate ŋu akpɔ wo kple ŋku o, wosẽ ŋu, wonya nu. Woɖea Hebrigbe me nya mal·ʼakhʹ kple Helagbe me nya agʹge·los gɔme le Biblia me be “mawudɔla” ne wole nu ƒom tso gbɔgbɔmenuwɔwɔwo ŋu. Nya siawo dze le Biblia me zi 400 kloe. Gɔmesese ɖekae le nya evea sia ŋu, si nye, “dɔla.”
Mawudɔlawo Kpɔkpɔ
Mawudɔlawo nye dɔlawo nyateƒe. Ðewohĩ ènya Biblia me ŋutinya si ku ɖe ɣeyiɣi si me mawudɔla Gabriel ɖe eɖokui fia Maria ŋu. Egblɔ nɛ be togbɔ be enye ɖetugbi nɔaƒe hã la, adzi ŋutsuvi si woayɔ be Yesu. (Luka 1:26-33) Mawudɔla aɖe hã ɖe eɖokui fia alẽkplɔla siwo nɔ gbedzi. Eɖe gbeƒã be: “Wodzi xɔla, si nye Kristo, Aƒetɔ la, na mi egbe.” (Luka 2:8-11) Nenema ke mawudɔlawo tsɔ gbedasiwo vɛ na Hagar, Abraham, Lot, Yakob, Mose, Gideon, Yesu, kple ame bubu siwo le Biblia ƒe nuŋlɔɖiwo me.—Mose I, 16:7-12; 18:1-5, 10; 19:1-3; 32:24-30; Mose II, 3:1, 2; Ʋɔnudrɔ̃lawo 6:11-22; Luka 22:39-43; Hebritɔwo 13:2.
Enyo be míade dzesii be mawudɔlawo ƒe gbedasi siawo katã nye nya siwo le ɖekawɔwɔ me kple Mawu ƒe tameɖoɖowo me vava eye menye amesiwo wotsɔ gbedasiawo yi na tɔ o. Mawudɔlawo ɖe wo ɖokui fia abe Mawu teƒenɔlawo ene, le eƒe lɔlɔ̃nu kple eƒe ɣeyiɣi ɖoɖi nu. Menye amegbetɔwoe yɔ wo o.
Ðe Wòle Be Míabia Kpekpeɖeŋu tso Mawudɔlawo Gbɔa?
Ðe wòsɔ be míabia kpekpeɖeŋu tso mawudɔlawo gbɔ ne míeɖo xaxa mea? Ne esɔ la, ke ele be míanya mawudɔla si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu nyuie wu ƒe ŋkɔ. Le esia ta woŋlɔ ŋkɔ geɖe siwo wobe wonye mawudɔlawo tɔ hekpe ɖe woƒe ɖoƒewo, dzesideŋkɔwo, kple woƒe dɔdasiwo ŋu ɖe agbalẽ aɖewo siwo dzram wole me. Agbalẽ aɖe ŋlɔ esiwo wòyɔ be “dziƒome ewo siwo ƒo ta,” siwo nye “mawudɔla siwo xɔ ŋkɔ le Ɣetoɖoƒe dukɔwo me” ƒe ŋkɔwo ɖi. Woŋlɔ mɔfiame sia kpe ɖe ŋkɔawo ŋu be, mia wò ŋku, nɔ mawudɔla la ƒe ŋkɔ yɔm blewu zi gbɔ zi geɖe, nɔ gbɔgbɔm blewu, eye “nàdzra ɖo be yeate ŋu akpɔ wo.”
To vovo na esia la, Mawu ƒe dɔla nuteƒewɔla eve ko ƒe ŋkɔ Biblia yɔ na mí, amesiwo nye Mixael kple Gabriel. (Daniel 12:1; Luka 1:26) Anye be woyɔ ŋkɔ siawo na mí kple susu be míade dzesii be mawudɔla ɖesiaɖe nye gbɔgbɔmeme tɔxɛ si si ŋkɔ le, ke menye ŋusẽ aɖe ko si si amenyenye mele o.
Enyo be míanya be mawudɔla aɖewo gbe woƒe ŋkɔwo yɔyɔ na amegbetɔwo. Esime Yakob bia mawudɔla aɖe be wòayɔ eƒe ŋkɔ la, egbe eyɔyɔ nɛ. (Mose I, 32:30) Esi Yosua bia mawudɔla si ɖe eɖokui fiae be wòaɖe eɖokui nu la, ɖeko wògblɔ nɛ ko be “Yehowa ƒe aʋafia menye.” (Yosua 5:14) Esime Simson dzilawo bia mawudɔla aɖe ƒe ŋkɔ la, egblɔ na wo be: “Nukaŋuti nèle nye ŋkɔ, si nye nukunu la, ta biam?” (Ʋɔnudrɔ̃lawo 13:17, 18) Alesi Biblia meyɔ mawudɔlawo ƒe ŋkɔ na mí o nye takpɔkpɔ na mí be míagatsɔ bubu kple subɔsubɔ si womedze na o la ana wo o. Abe alesi míele ekpɔ gee ene la, Biblia meɖe mɔ na mí be míabia kpekpeɖeŋu tso wo gbɔ o.
Nu Biabia Mawu
Nusiwo katã hiã be míanya tso gbɔgbɔmenutome ŋue Biblia gblɔ na mí. Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ, si tso Mawu ƒe Gbɔgbɔ me la, enyo hã na nufiafia . . . bene Mawu ƒe ame la nade blibo, eye wòanɔ dzadzraɖoɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.” (Timoteo II, 3:16, 17) Ne ɖe Mawu di be míanya mawudɔla geɖe ƒe ŋkɔwo la, anye ne aɖee afia le eƒe Nya, Biblia me. Eye ne ɖe Mawu di be yeafia mɔ si dzi míato ado ka kple mawudɔlawo aƒo nu kple wo le gbedodoɖa me la, anye ne ade mɔfiame mawo Ŋɔŋlɔawo me.
Le esia teƒe la, Yesu Kristo fia nu be: “Ne èle gbe do ge ɖa la, yi ɖe wò xɔgã me, eye esi nètu ʋɔa la, nado gbe ɖa na Fofowò le ɣaɣlaƒe . . . Eyata miawo mido gbe ɖa ale: Mía Fofo, si le dziƒowo! Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ!” (Mateo 6:6, 9) Ŋɔŋlɔawo ƒe nukpɔsusu le nya sia ŋue nye be: Mele be míabia nu mawudɔlawo alo ado gbe ɖa na wo o, ke boŋ míate ɖe Wɔla si wɔ mawudɔlawo, si nye Mawu ŋutɔ ŋu le gbedodoɖa me. Eƒe ŋkɔ mele ɣaɣla o, eye míehiã nukpɔla aɖeke be wòaɖee afia mí o. Togbɔ be wodze agbagba be woatsyɔ nu Mawu ƒe ŋkɔa dzi hã la, edze le Biblia ƒe nuŋlɔɖi me wu zi 7,000 sɔŋ. Le kpɔɖeŋu me, dziƒo Fofo la ŋue hakpala nɔ nu ƒom le esime wòdzi ha be: “Ŋkɔwòe nye Yehowa, eye wò ɖeɖe koe ɖo kpo ɖe anyigba blibo la dzi!”—Psalmo 83:19.
Yehowa mexaxa akpa be wòaɖo to mí ne míete ɖe eŋu do gbe ɖa nɛ le mɔ nyuitɔ nu o. Biblia na kakaɖedzi sia mí be: “Yehowa ƒe ŋku kpɔa anyigba blibo la dzi, eye wòdoa ŋusẽ amesiwo ku ɖe eŋu kple woƒe dzi blibo.”—Kronika II, 16:9.
Mawudɔlawo Kple Agbenyuinɔnɔ
Mawudɔlawo medrɔ̃a ʋɔnu amewo abe alesi nyakakamɔnuwo ɖenɛ fiana zi geɖe ene o. Esia sɔ, elabena womena ŋusẽ mawudɔlawo be woadrɔ̃ ʋɔnu amegbetɔwo o. Togbɔ be Yehowae nye ‘Ʋɔnudrɔ̃la si ƒo ɖesiaɖe ta’ hã la, “etsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ la katã de asi na Via,” Yesu Kristo. (Hebritɔwo 12:23; Yohanes 5:22) Ke hã la, anye vodada be míabu be mawudɔlawo metsɔa ɖeke le alesi míenɔa míaƒe agbee me o. Yesu gblɔ be, ‘Enyea dzidzɔ le mawudɔlawo dome ne nuvɔ̃wɔla ɖeka trɔ dzime.’—Luka 15:10.
Gake menye nukpɔla dzro koe mawudɔlawo nye o. Le blema ɣeyiɣiwo me la, wowɔ ametsrɔ̃lawo ƒe dɔ ale be wohe Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo va amewo dzi. Le kpɔɖeŋu me, Mawu zã mawudɔlawo le tohehe na blema Egiptetɔwo me. Edze le Psalmo 78:49 be, “eɖo eƒe dɔmedzoe heliheli, nyanyrã, dziku kple xaxa ɖe wo, [wòto eƒe dɔlawo ƒe ha dzi he xaxa vɛ].” Nenema ke Biblia ka nya ta na mí be, le zã ɖeka me mawudɔla ɖeka tsrɔ̃ Asiriatɔwo ƒe asrafo 185,000.—Fiawo II, 19:35.
Nenema ke le etsɔme la, mawudɔlawo atsrɔ̃ amesiwo gbe be yewomawɔ ɖe Mawu ƒe dzidzenu dzɔdzɔewo dzi o hedoa ŋɔdzi na ame bubuwo ƒe agbe. Yesu ava ‘kple eƒe dɔla sesẽwo le dzo ƒe aɖe me, esime wòabia hlɔ̃ amesiwo menya Mawu o kple amesiwo meɖoa to nyanyui la o.’—Tesalonikatɔwo II, 1:7, 8.
Eyata Ŋɔŋlɔawo ɖee fia be Mawu ƒe dɔla wɔnuteƒewo wɔa eƒe lɔlɔ̃nu ɣesiaɣi to eƒe sededewo dzi wɔwɔ kple eƒe dzidzenu dzɔdzɔewo me léle ɖe asi me. Eme kɔ ƒã be ne míedi be Mawu ƒe dɔlawo nakpe ɖe mía ŋu la, ele be míanya nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu eye míado vevie nu adze agbagba awɔe.
Mawudɔla Ameŋudzɔlawo
Ðe mawudɔlawo tsɔa ɖe le eme na amewo hekpɔa wo ta? Apostolo Paulo bia be: “Alo wo [mawudɔlawo] katã la, ɖe menye subɔsubɔgbɔgbɔwo wonye woɖo ɖa be, woawɔ subɔsubɔdɔ le amesiwo lanyi agbexɔxɔ ƒe dome la ta o mahã?” (Hebritɔwo 1:14) Eme kɔ be Paulo ƒe biabia la ƒe ŋuɖoɖoe nye ẽ.
Wotsɔ Hebri-vi etɔ̃ siwo nye Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego ƒu gbe ɖe kpodzo bibi me, le esi wogbe be yewomade ta agu na sikalegba si Babilon-Fia Nebukadnezar li anyi o ta. Gake dzoa mewɔ nuvevi aɖeke Mawu ƒe subɔla nuteƒewɔla mawo o. Esi fia la lé ŋku ɖe kpodzoa me la, ekpɔ “ŋutsu ene,” eye wògblɔ be “enelia ƒe nɔnɔme le abe mawuwo vi tɔ ene.” (Daniel 3:25) Le ƒe aɖewo megbe la, wotsɔ Daniel ƒu gbe ɖe dzatawo ƒe do me le eƒe nuteƒewɔwɔ ta. Gake nuvevi aɖeke mewɔ eya hã o, eye egblɔ be: “Nye Mawu dɔ eƒe dɔla ɖa wòde ga nu na dzatawo.”—Daniel 6:23.
Esime woɖo Kristo yomedzelawo ƒe hamea anyi le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, mawudɔlawo gaɖe wo ɖokui fia eye woɖe apostoloawo le ga me. (Dɔwɔwɔwo 5:17-24; 12:6-12) Eye esi Paulo ƒe agbe ɖo xaxa me le ƒu dzi la, mawudɔla aɖe ka ɖe edzi nɛ be ade Roma dedie.—Dɔwɔwɔwo 27:13-24.
Yehowa Mawu subɔla siwo li egbea ka ɖe edzi bliboe be Mawu ƒe gbɔgbɔmeʋakɔ siwo nye mawudɔlawo li nyateƒe eye woate ŋu akpɔ yewo ta abe alesi wokpɔ Elisa kple eƒe subɔvi ta ene. (Fiawo II, 6:15-17) Nyateƒee, “Yehowa ƒe dɔla ƒua asaɖa anyi ɖe amesiwo vɔ̃nɛ la ŋu, eye wòhea wo doa goe.”—Psalmo 34:8; 91:11.
Gbedasi si Le Mawudɔlawo Si
Togbɔ be amesiwo subɔa Yehowa Mawu ƒe dedienɔnɔ le vevie na mawudɔlawo hã la, wogakpɔa egbɔ be amewo srɔ̃ nu tso Mawu kple eƒe tameɖoɖo hã ŋu. Apostolo Yohanes ŋlɔ be: “Mekpɔ mawudɔla bubu aɖe le dzodzom le dziƒo titina, eye wòlé nyanyui mavɔ ɖe asi, be yeagblɔ afia anyigbadzinɔlawo kple trɔ̃subɔlawo katã kple to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple dukɔ sia dukɔ, eye wòle gbɔgblɔm kple gbe gã bena: Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ.”—Nyaɖeɖefia 14:6, 7.
Ðe nèdi be yeanya nusi ŋu “nyanyui mavɔ” sia ku ɖoa? Ne èdii la, ekema bia Yehowa Ðasefowo. Adzɔ dzi na wo be yewoadzro eme kpli wò.
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Mawudɔla aɖe le dziƒo titina le gbeƒã ɖem nyanyui mavɔ. Ðe nèdi be yeanya nu tso eŋua?