INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 12/15 axa 21-25
  • Ne Adzodalawo Dze Dziwò

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ne Adzodalawo Dze Dziwò
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ametakpɔkpɔ Kple Mawu ƒe Nya
  • Mɔxexe na Adzodada
  • Ne Adzodalawo Va
  • Anyinɔnɔ Kpoo
  • Adzodada aɖe Me Gblẽ le Ɣetoɖoƒe Afrika
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Ɣekaɣie Vɔvɔ̃ Nu Ayi?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Egakɔ Gbedoxɔa Ŋu Ake
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 12/15 axa 21-25

Ne Adzodalawo Dze Dziwò

LE Ikoyi, si nye Ɣetoɖoƒe Afrika ƒe du dzeani aɖe me la, aƒe gãwo trɔ zu mɔ sesẽwo. Woɖo gli siwo kɔkɔ meta 3 ƒo xlã wo dometɔ geɖe, eye wode ga siwo nu le tsuẽ, atukpa gbagbãwo, alo gaka xatsaxatsa siwo le ɖaɖam la gliawo tame. Agbonudzɔlawo dzɔa agbo gã siwo wodo kple gametiwo, gakpowo, kɔsɔkɔsɔwo, kple klaɖobawo la nu. Wode gakpowo fesrewo me. Wotsɔ gaʋɔtruwo mã xɔdɔmewo me ɖa tso aƒea ƒe akpa bubuwo gbɔ. Le zã me la, woɖea asi le avuwo—Germany-vu dzɔtsuwo—ŋu tso woƒe kpɔwo me. Kaɖi siwo klẽna sesĩe ɖua viviti dzi, eye ne nusianu le dedie la, gbe aɖe ɖina blewu tso kɔmpiuta-mɔ̃ si léa ŋku ɖe nu ŋu me.

Ðikeke mele eme o be amewo dina be yewoƒe aƒewo nanɔ dedie. Nublanuinya siwo dzena le nyadzɔdzɔgbalẽwo ƒe akpawo dzie nye: “Adzodalawo Da Adzo Nuto aɖe Me Tɔwo”; “Ðevifilawo Nyra”; kple “Dzidzi Ƒo Amewo, esi Gbevuhawo Dze [Du aɖe] Dzi.” Aleae wònɔna le dukɔ geɖe me. Abe alesi Biblia gblɔe ene la, míele ɣeyiɣi sesẽwo me vavã.—Timoteo II, 3:1.

Alesi gbegbe wole nu vlo wɔm la le dzidzim ɖe edzi le xexeame katã, eye adzodada hã le edzi nenema. Eva le bɔbɔm be dziɖuɖuwo mete ŋu le woƒe dukɔmeviwo ta kpɔm o alo womedi be yewoakpɔ wo ta o. Le dukɔ aɖewo me la, kpovitɔwo ƒe xexlẽme kple tu siwo le wo si mede adzodalaawo tɔ nu o, eyata womebla akpa nyuie ana kpekpeɖeŋu amewo ne woyɔ wo o. Eteƒekpɔla akpa gãtɔ medina be yewoade nu eme o.

Ele be amesiwo dzi wodze naʋli wo ɖokui ta le esi womate ŋu aɖo ŋu ɖe kpovitɔwo alo amewo ŋu o ta. Kristotɔ hamemegã aɖe si le dukɔ madeŋgɔ aɖe me gblɔ be: “Ne èdo ɣli be amewo nakpe ɖe ye ŋu la, adzodalaawo ade abi ŋuwò alo awu wò. Ðe susu ɖa le ame bubuwo ƒe kpekpeɖeŋu dzi. Ne wova kpe ɖe ŋuwò la, enyo, gake mègakpɔ mɔ nɛ alo abiae o elabena ɖeko kpekpeɖeŋu biabia adzi kuxia ɖe edzi.”

Ametakpɔkpɔ Kple Mawu ƒe Nya

Togbɔ be Kristotɔwo menye xexeame ƒe akpa aɖeke o hã la, wole xexea me. (Yohanes 17:11, 16) Eyata wowɔa ɖoɖo siwo sɔ ɖe woƒe dedienɔnɔ ŋu, abe alesi ame bubu ɖesiaɖe wɔna ene. Gake Mawu ƒe amewo dia takpɔkpɔ si le ɖekawɔwɔ me kple Kristotɔwo ƒe gɔmeɖosewo, eye enye nusi to vovo na ame geɖe siwo mesubɔa Yehowa o tɔ.

To vovo na esia la, Afrika-dukɔ aɖewo me tɔwo saa dzo be wòakpɔ yewo ta tso adzodada me. Dzotɔ ate ŋu asi alɔnu, akɔta, alo dzime na amea. Emegbe alili ama ɖe abia me, agblɔ gbesanya aɖewo, eye wògblɔna be adzodalawo mate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe amea dzi o. Ame bubuwo daa atiblɛwo alo ama ɖe woƒe aƒewo me kple susu be “ametakpɔnu” sia ana adzodalawo mawɔ nuvevi aɖeke yewo o.

Kristotɔ vavãwo mesaa dzo ƒomevi aɖeke o. Biblia tsri gbɔgbɔyɔyɔ ƒomevi ɖesiaɖe, eye esɔ nenema, elabena nuwɔna mawo ate ŋu ana ame nado ka kple gbɔgbɔ vɔ̃wo, amesiwo tututue le ŋutasesẽ dom ɖe ŋgɔ le anyigba dzi. (Mose I, 6:2, 4, 11) Biblia gblɔe eme kɔ ƒã be: “Migasa dzo o.”—Mose III, 19:26.

Ame aɖewo tsia dzodzodzoe ɖe dedienɔnɔ ŋu ale gbegbe be wotsɔa tu ɖe ŋui. Gake Kristotɔwo ya bua Yesu ƒe nya siawo nya vevii be: “Amesiwo katã dia yi la, yi kee woatsɔ awu woe.” (Mateo 26:52) Mawu ƒe amewo tsɔ ‘woƒe yiwo tu agblenuwoe’ eye womeƒlea tuwo be woatsɔ akpɔ wo ɖokui ta tso adzodada alo amedzidzedze me o.—Mixa 4:3.

Ke ɖoɖowɔwɔ ɖe dzɔla siwo bla akpa ŋu ya ɖe? Togbɔ be esia nye ame ŋutɔ ƒe nyametsotso hã la, ɖo ŋku edzi be ɖoɖo ma tɔgbe wɔwɔ fia be wotsɔ tua de ame bubu si. Nukae aƒeatɔ akpɔ mɔ be dzɔlawo nawɔ ne adzodala va adzodaƒe? Ðe wòakpɔ mɔ be dzɔlawo nada tu fiafitɔa be woakpɔ ameawo kple nunɔamesi siwo ŋu dzɔm wole la ta ne ehiã?

Ðewohĩ Kristotɔwo ƒe gbegbe be yewomasa dzo ahazã amewunuwo atsɔ akpɔ yewo ɖokui ta o adze bometsinu na amesiwo menya Mawu o. Gake Biblia ka ɖe edzi na mí be: “Amesi ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu la, woakpɔ eta.” (Lododowo 29:25) Togbɔ be Yehowa kpɔa eƒe amewo ƒe ha la ta hã la, medea nu nudzɔdzɔ ɖesiaɖe me be yeakpɔ ye subɔlawo ta tso adzodada me o. Hiob nye nuteƒewɔla ɖedzesi aɖe, gake Mawu ɖe mɔ adzohawo ha eƒe lãhawo, eye eƒe dɔlaawo bu woƒe agbe. (Hiob 1:14, 15, 17) Mawu gaɖe mɔ hã be apostolo Paulo ɖo “ŋɔdzi me le adzodalawo dome.” (Korintotɔwo II, 11:26) Gake Mawu fiaa nu eƒe subɔlawo be woanɔ agbe ɖe gɔmeɖose siwo awɔe be womada adzo wo bɔbɔe o nu. Eganaa sidzedze wo be wòakpe ɖe wo ŋu woanya nusi woawɔ le adzodalawo ƒe amedzidzedze me ale be womawɔ nuvevi wo dzodzro o.

Mɔxexe na Adzodada

Nunyala la gblɔ gbaɖegbe ke be: “Kesinɔtɔ ƒe nu gbogboawo menana wòdɔa alɔ̃ o.” (Nyagblɔla 5:11) Ne míagblɔe bubui la, amesiwo si nu geɖe le ate ŋu atsi dzi be yewoava bu yewoƒe nunɔamesiwo ale gbegbe be wonɔa wo ŋu bum eye womete ŋu dɔa alɔ̃ o.

Eyata nu ɖeka si woawɔ si maɖe dzimaɖitsitsi dzi akpɔtɔ ko o ke wòana madzro adzodalawo be woadze ame dzi o hãe nye be woagali kɔ nunɔamesi xɔasiwo ɖi o. Apostolo si gbɔgbɔ ʋã la ŋlɔ be: “Nusianu, si le xexeame: ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe ŋubiabiã kple [agbemenunɔamesiwo] ƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo la, metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ xexeame wotso.” (Yohanes I, 2:16) Didi si ʋãa amewo be woaƒle nu xɔasiwo kee ʋãa ame bubuwo be woafi fi. Eye “agbemenunɔamesiwo ƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo” ate ŋu anye asi miamia amesiwo tsɔ adzodada ɖo dɔe.

Le nuwɔwɔ be màgahe amewo ƒe susu o megbe la, agbenɔnɔ wòafia be ènye Kristotɔ vavã nye nu bubu si akpɔ tawò bene womagada adzo wò o. Ne èɖea lɔlɔ̃ fiaa ame bubuwo, èɖia anukware le wò nuwɔnawo me, eye nèdoa vevie nu le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me la, àte ŋu ana ŋkɔ nyui nanɔ ŋuwò le wò nutoa me be ènye ame nyui, si dze na bubu. (Galatiatɔwo 5:19-23) Kristotɔ ƒe agbenɔnɔ nyui sia ate ŋu anye takpɔnu si ƒo amewunu ta sãa.

Ne Adzodalawo Va

Gake nukae nàwɔ ne adzodalawo to mɔ aɖe nu ge ɖe aƒewò me eye wodo ŋɔdzi na wò? Ðo ŋku edzi be wò agbe le vevie wu nunɔamesiwo. Kristo Yesu gblɔ be: “Migatsi tre ɖe ame vɔ̃ɖi la ŋuti o; ke boŋ amesi ke ƒo wò nuɖusi tome la, nyẽ ekeme hã nɛ; eye amesi le didim be, . . . yeaxɔ wò awu le asiwò la, na ne wòaxɔ avɔ hã le asiwò.”—Mateo 5:39, 40.

Aɖaŋuɖoɖo nyui aɖee wònye. Togbɔ be menye se be Kristotɔwo nado ŋgɔ ana woanya afisi nunɔamesiwo le o hã la, adzodalawo ate ŋu anyra vevie ne wode dzesii be èdi be yeaʋli, ne ègbe woƒe nya dzi wɔwɔ, alo ne èble wo. Esi wo dometɔ geɖe ‘ƒe dzitsinya ku atri ta la,’ wodoa dziku kabakaba hesẽa ŋuta nublanuimakpɔmakpɔtɔe.—Efesotɔwo 4:19.

Samuel le aƒe gã aɖe si me xɔ geɖe le me. Adzodalawo ɖe to ɖe aƒea eye wotso xɔnu yi xɔnu nɔa adzo dam nunɔamesiwo. Samuel se tuwo ƒe ɖiɖi, wonɔ ʋɔtruwo gbãm, eye amewo nɔ ɣli dom, nɔ avi fam, eye wonɔ konyi fam. Sisiƒe aɖeke meli o. Samuel gblɔ na srɔ̃a kple viaŋutsu etɔ̃awo be woadze klo ado asi ɖe dzi, amia ŋku eye woalala. Esi adzodalawo ge ɖe eme la, Samuel de mo to hafi ƒo nu kpli wo, enya be ne yefɔ mo dzi kpɔ woƒe mo la, ɖewohĩ woasusu be yeava kpɔ wo adze sii emegbe. Egblɔ be: “Mige ɖe eme. Mitsɔ nusianu si miedi. Miate ŋu atsɔ nusianu faa. Yehowa Ðasefowoe míenye, eye míaʋlii kpli mi o.” Esia na adzodalaawo tsi yaa. Anɔ gaƒoƒo ɖeka megbe la, ame 12 siwo lé amewunuwo ɖe asi nɔ hatsotsowo me ge ɖe xɔa me. Togbɔ be wolɔ dzonu xɔsiwo, ga, kple elektrik-nuzazãwo hã la, womeƒo ƒomea me tɔwo alo dza wo kple yi abe alesi wowɔ ame bubuwo le aƒea me ene o. Samuel ƒe ƒomea da akpe na Yehowa ɖe woƒe agbe ta.

Esia nye kpɔɖeŋu si fia be ne ga kple ŋutilãmenunɔamesiwo dim adzodalawo le la, amesiwo dzi wova dze ate ŋu aƒo asa na nuvevi si ɖewohĩ woadi be woawɔ wo ne womeʋlii kpli wo o.a

Ɣeaɖewoɣi ne Kristotɔ ɖi ɖase la, ate ŋu anye ametakpɔnu be womawɔ nuvevii o. Esi adzodalawo va dze Ade ƒe aƒe dzi la, egblɔ na wo be: “Menya be nuwo sesẽ na mi, eyatae miele dɔ sia wɔm ɖo. Mí Yehowa Ðasefowo míexɔe se be amesiame ava kpɔ nuɖuɖu si asu na eya ŋutɔ kple eƒe ƒomea gbeɖeka. Amesiame anɔ agbe le ŋutifafa kple dzidzɔ me le Mawu ƒe Fiaɖuƒea te.” Esia na adzodalaawo ƒe adãwɔwɔa nu bɔbɔ. Wo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Míatɔ medzɔ be míeva aƒewò me o, gake ele be nàse eme na mí be dɔe le mía wum.” Togbɔ be wolɔ Ade ƒe nunɔamesiwo hã la, womeka asi eya ŋutɔ alo eƒe ƒomea me tɔwo ŋu o.

Anyinɔnɔ Kpoo

Mele bɔbɔe be woanɔ anyi kpoo le nɔnɔme dziŋɔwo me o, vevietɔ ne adzodalawo ɖoe be yewoado ŋɔdzi na amewo be woana ta. Gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu. Yehowa ate ŋu ase míaƒe yɔyɔ hena kpekpeɖeŋu, togbɔ be míagblɔe woase o eye wòanɔ kpuie hã. Biblia ka ɖe edzi na mí be: “Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe ɣlidodo ŋu.” (Psalmo 34:16) Yehowa sea míaƒe nyawo eye ate ŋu ana nunya si míatsɔ akpɔ nɔnɔmewo gbɔe le tufafa me la mí.—Yakobo 1:5.

Le gbedodoɖa megbe la, nu bubu si akpe ɖe ŋuwò nànɔ anyi kpoo enye be nànya nusi nàwɔ kple nusi mele be nàwɔ o ne wova wò nuwo fi ge. Enye nyateƒe be màte ŋu ado ŋgɔ anya nɔnɔme si me nànɔ ne wova fiwò ge ya o. Gake kokoko la, anyo be nànya gɔmeɖose aɖewo ɖe susu me, abe alesi ko nunya le eme be nànya nusiwo nàwɔ anɔ dedie ne èle xɔ aɖe me wòlé dzo ene. Nuŋububu do ŋgɔ akpe ɖe ŋuwò be nànɔ anyi kpoo, be dzidzi maƒo wò o, eye be woagawɔ nuvevi wò o.

Wogblɔ Mawu ƒe nukpɔsusu le adzodada ŋu eme kɔ ƒã be, ‘Nye Yehowa melɔ̃a nya dzɔdzɔe, eye meléa fu nuhaha vɔ̃ɖi kple numadzɔmadzɔwɔwɔ.’ (Yesaya 61:8) Yehowa ƒe gbɔgbɔ ʋã eƒe nyagblɔɖila Xezekiel wòyɔ adzodada de nuvɔ̃ gãwo dome. (Xezekiel 18:18) Gake Biblia-gbalẽ sia ke gaɖee fia be Mawu akpɔ nublanui atsɔe ake amesi trɔ dzime eye wògbugbɔ nusi wòda adzoe na.—Xezekiel 33:14-16.

Togbɔ be Kristotɔwo le xexe si me nuvlowɔwɔ bɔ ɖo me hã la, dzi dzɔa wo esi wole mɔ kpɔm na agbenɔnɔ le Mawu ƒe Fiaɖuƒea te, esime adzodada maganɔ anyi o ta. Biblia do ŋugbe le ɣeyiɣi ma ŋu be: “[Mawu ƒe amewo] dome amesiame abɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe weinka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ, eye ame aɖeke mado voɖi na wo o; elabena aʋakɔwo ƒe Yehowa ƒe nue gblɔe.”—Mixa 4:4, NW.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Gake seɖoƒe li na woƒe gbeɖeɖewo dzi wɔwɔ. Yehowa subɔlawo malɔ̃ awɔ naneke si anye dada le Mawu ƒe se dzi o. Le kpɔɖeŋu me, Kristotɔ malɔ̃ atsɔ eɖokui ana woadɔ egbɔ sesẽe o.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe