Aleke Nàte Ŋu Aɖe Ðokuibɔbɔ Vavãtɔ Afiae?
ÐOKUIBƆBƆ vavãtɔ xɔ asi ŋutɔ le Mawu ŋkume. Yakobo ŋlɔ bena: “Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti; ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.” (Yakobo 4:6) Le afisia la, Yakobo anya nɔ susu hem yi nukpɔsusu vovovo siwo woɖe gblɔ le Hebri Ŋɔŋlɔawo me dzi. ‘Yehowa lolo, gake ekpɔa amesiwo bɔbɔ wo ɖokui; eye edzea si dadala tso adzɔge.’ “Woabɔbɔ amegbetɔwo ƒe ŋku kɔkɔwo ɖe anyi, eye woate ŋutsuwo ƒe dada ɖe to, ale be Yehowa ɖeɖeko lanye gã.” “[Mawu ɖua] fewu le fewuɖulawo ŋu, ke evea ame bɔbɔɖeanyiwo ya nu.”—Psalmo 138:6; Yesaya 2:11; Lododowo 3:34.
Apostolo Petro hã de ɖokuibɔbɔ ƒe dzi ƒo. Eŋlɔ bena: “Mi katã mibɔbɔ mia ɖokui ɖe mia nɔewo te, eye mitsɔ ɖokuibɔbɔɖeanyi hetsyɔ; elabena Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti, ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.”—Petro I, 5:5.
Kristo ƒe Ðokuibɔbɔ ƒe Kpɔɖeŋu
Àbia be, nu nyui alo viɖe kae ɖokuibɔbɔ hena vɛ? Ŋuɖoɖo si woana amesi di be yeanye Kristotɔ vavãtɔ nye nya vevi aɖe—be woanye ɖokuibɔbɔla fia be woanɔ abe Kristo ene. Yesu ɖe ɖokuibɔbɔ fia ale be wòlɔ̃ xɔ dɔdasi tɔxɛ si nye be wòaɖi tso dziƒonutome ava zu amegbetɔ tsɛ si bɔbɔ ɖe anyi wu mawudɔlawo le anyigba dzi. (Hebritɔwo 2:7) Togbɔ be enye Mawu ƒe Vi hã la, edo dzi tsɔ ŋukpe si eƒe mawusubɔsubɔ me futɔwo he va edzii. Elé eɖokui kpoo le eƒe dodokpɔwo me, togbɔ be ŋusẽ le esi wòate ŋu ayɔ mawudɔlawo ƒe aʋakɔ geɖe be woava kpe ɖe eŋu hafi.—Mateo 26:53.
Mlɔeba wohe Yesu ɖe fuwɔameti ŋu ŋukpedoametɔe, gake elé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Fofoa. Eyata Paulo te ŋu ŋlɔ nu tso eŋu bena: “Mina susu ma ke, si nɔ Kristo Yesu hã me la, nanɔ miawo hã mia me, amesi esi wònye Mawu ƒe nɔnɔmee wònɔ hã la, mebui nuhahae bena, ye kple Mawu sɔ o, ke boŋ eɖi gbɔlo eɖokui, esime wòtsɔ dɔla ƒe nɔnɔme ɖo eɖokui dzi, hedzɔ ɖe amewo ƒe nɔnɔme, eye wokpɔ nuwɔna le eŋuti abe ame tɔ ene. Ebɔbɔ eɖokui ɖe anyi, eye wòɖo to yiɖase ku me, yiɖase [fuwɔameti] ŋuti ku la me ke.”—Filipitɔwo 2:5-8.
Eyata aleke míate ŋu aɖe ɖokuibɔbɔ vavãtɔ afiae? Le agbemenya ŋutɔŋutɔwo me la, aleke míate ŋu awɔ nu ɖokuibɔbɔtɔe tsɔ wu be míawɔ nu dadatɔe?
Alesi Ðokuibɔbɔla Wɔa Nui
Mina míade ŋugble le ɖokuibɔbɔ le dɔwɔƒe alo le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me ŋu. Be woawɔ dɔ dzidzedzetɔe la, ahiã be dɔdzikpɔlawo, dɔmemegãwo, kple dɔnunɔlawo nanɔ anyi. Ame aɖe kokokoe awɔ nyametsotsowo. Aleke nèwɔa nui? Ðe nègblɔna le susu me be, “Mɔ kae wòkpɔ anɔ nusi mawɔ gblɔm nam? Metsi wui ƒe geɖe le dɔ sia me.” Ẽ, ne dadalae nènye la, àdo dɔmedzoe ne èle ame te. Gake ɖokuibɔbɔla ya dzea agbagba be ‘yemawɔ naneke le dzrewɔwɔ alo bubu dzodzro ta o, ke boŋ atsɔ ɖokuibɔbɔ abu nɔvia gã wu ye ŋutɔ ɖokui.’—Filipitɔwo 2:3.
Aleke nèwɔa nui ne ɖevi alo nyɔnue ɖo aɖaŋu na wò? Ne èbɔbɔa ɖokuiwò la, àbu eŋu ya teti. Ne dadalae nènye la, àdo dziku alo agbee enumake. Kafukafu kple kesekukuɖɔɖɔname si akplɔ wò ade gbegblẽ me boŋue nyo ŋuwòa, alo aɖaŋuɖoɖo tuameɖo hena wò ŋgɔgbedede?—Lododowo 27:9; 29:5.
Àte ŋu anɔ te ɖe fukpekpe ƒe dodokpɔ nua? Ðokuibɔbɔ akpe ɖe ŋuwò be nàkpe akɔ kple nɔnɔme sesẽwo ahado dzi, abe alesi Hiob hã do dzii ene. Ne dada le mewò la, dzi aɖe le ƒowò eye àte ŋu adze aglã le nɔnɔme sesẽwo me kple ne èsusu be womede bubu ye ŋu o.—Hiob 1:22; 2:10; 27:2-5.
Ðokuibɔbɔ Fia Amelɔlɔ̃ Kple Tsɔtsɔke
Esesẽna na ame aɖewo be woagblɔ be, “Tɔnye medzɔ o. Mewɔ vodada. Tɔwò dzɔ.” Nukatae? Dada vivivo tae! Gake zi geɖe la, kukuɖeɖe tso dzime tsia srɔ̃tɔwo ƒe dzrehehe nu kaba ŋutɔ.
Èlɔ̃na be yeatsɔ ake ne ame aɖe dze agɔ le dziwòa? Alo le dada ta ɖe nèléa agɔdzela la ɖe dɔme, ɖewohĩ ŋkeke kple ɣleti geɖe, agbe nuƒoƒo nɛa? Ðe nènɔa nyahehe dzi ɖaa gɔ̃ hã henɔa didim be yeaɖo nusi wòwɔ la teƒe nɛ kokokoa? Wowu amewo le dzre makemake aɖewo me. Le bubuwo me la, ameŋugbegblẽ ye nye nusi wowɔna. Gake ɖokuibɔbɔla lɔ̃a ame eye wòtsɔna kena. Nukatae? Elabena lɔlɔ̃ meléa nya ɖe dɔme o. Yehowa lɔ̃ be ne Israel-viwo abɔbɔ wo ɖokui la yeatsɔ woƒe nuvɔ̃wo ake wo. Yesu yomedzela ɖokuibɔbɔla lɔ̃na be yeatsɔ ake, zi gbɔ zi geɖe kura gɔ̃ hã!—Yoel 2:12-14; Mateo 18:21, 22; Korintotɔwo I, 13:5.
Ðokuibɔbɔla ‘xɔa ŋgɔ le bubu dede nɔvia ŋu me.’ (Romatɔwo 12:10) New International Version xlẽ ale: “Mibu mia nɔewo tsɔ wu mia ɖokui.” Èkafua ame bubuwo eye èkpɔa ŋudzedze ɖe woƒe agbagbadzedzewo kple ŋutetewo ŋua? Alo ɖe nèdia vodada le wo ŋu ɣesiaɣi be yeagblẽ wo ŋua? Ẽ, ame bubuwo kafukafu le mɔ nyuitɔ nu nya wɔna na wòa? Ne esia wɔwɔ sesẽna na wò la, ke ɖewohĩ dzimaɖitsitsi le ɖokuiwò ŋu kple dada ye le fu ɖem na wò.
Dadala megbɔa dzi ɖi o. Ðokuibɔbɔla gbɔa dzi ɖi eye wòdoa dzi. Ke wò hã ɖe? Ðe vo ɖesiaɖe si woda ɖe ŋuwò la doa nuxaxa na wòa? Nuwɔwɔ alea to vovo na dzigbɔgbɔ blewu. Ne èbɔbɔa ɖokuiwò la, màbu ɖokuiwò gãe akpa o. Ðo ŋku nusi dzɔ esi Yesu ƒe nusrɔ̃lawo bu wo ɖokui gãe akpa la dzi—nyaʋiʋli sesẽwo ɖo wo dome le amesi anye gãtɔ ŋuti. Woŋlɔe be bena “dɔla madzemadzewo” yewo katã yewonye!—Luka 17:10; 22:24; Marko 10:35-37, 41.
Fransetɔ agbalẽŋlɔla Voltaire ƒo nu tso ɖokuibɔbɔ ŋu be enye “luʋɔ la ƒe bɔbɔɖeanyi . . . dada nutsitike.” Ẽ, ɖokuibɔbɔ nye tamesusu ƒe bɔbɔɖeanyi. Ðokuibɔbɔla ɖua eƒe gbɔgbɔ dzi, medoa eɖokui ɖe dzi o. Edea bubu ame bubuwo ŋu ale gbegbe eye ewɔa nudzeame.
Eyata nukatae nàdze agbagba abɔbɔ ɖokuiwò? Elabena ɖokuibɔbɔ dzea Mawu ŋu eye wòna míexɔa mɔfiafia tsoa egbɔ. Daniel ƒe ɖokuibɔbɔ hã le eme tae Yehowa bui be enye ‘amesi gbɔ yemelɔ̃a nu lena o’ eye wòdɔ mawudɔla aɖe ɖo ɖee be wòaɖe ŋutega aɖe afiae! (Daniel 9:23; 10:11, 19) Ðokuibɔbɔ hea teƒeɖoɖo geɖe vɛ. Ana nàkpɔ xɔlɔ̃ vavã siwo lɔ̃ wò. Vevietɔ la, ana be Yehowa nayra wò. “Kesinɔnu, bubu kple agbe enye fetu tso ɖokuibɔbɔ kple Yehowa-vɔvɔ̃ me.”—Lododowo 22:4.
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Kukuɖenya si wogblɔ le ɖokuibɔbɔ me ate ŋu ana agbe navivi ɖe edzi