Kristo Ƒe Tafe Mawu Ƒe Agbexɔxɔmɔ La
“Ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.”—YOHANES 3:16.
1, 2. Ƒo nu tso nɔnɔme wɔnublanui si me amegbetɔƒomea ge ɖo la ŋu.
TSƆE be yedze dɔ aɖe si awu ye godoo negbe ɖe wowɔ dɔ na ye ko hafi. Aleke nàse le ɖokuiwò me ne ga si woaxɔ hafi awɔ dɔa na wò gbɔ wò ŋutete ŋu sã? Aleke nàwɔ ne woƒo ga siwo katã le mia kple miaƒe ƒomea kpakple xɔ̃wòwo si nu ƒu gɔ̃ hã la, made na dɔa wɔwɔ o? Anye dzigbãnya ŋutɔ be agbe kple ku ƒe nya sesẽ ma tɔgbe nadze ŋgɔ wò!
2 Kpɔɖeŋu sia sɔ na nane si dzɔ ɖe amegbetɔƒomea dzi. Wowɔ mía dzila gbãtɔ Adam kple Xawa ame deblibowoe. (Mose V, 32:4) Agbenɔnɔ tegbee ƒe mɔkpɔkpɔ nɔ woamawo si eye be woana Mawu ƒe tameɖoɖo si nye, “Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi, eye mianye agbo ɖe edzi” la nava eme. (Mose I, 1:28) Gake Adam kple Xawa dze aglã ɖe wo Wɔla ŋu. (Mose I, 3:1-6) Menye Adam kple Xawa ɖeɖeko dzie woƒe tomaɖomaɖoa he nuvɔ̃ vɛ o ke ehee va wo vi siwo womedzi haɖe o hã dzi. Nuteƒewɔla Hiob gblɔ emegbe be: “Ðe ame dzadzɛ ate ŋu atso ame madzamadza mea? Ðeka pɛ hã o!”—Hiob 14:4.
3. Aleke wòdzɔe be mí katã míekuna?
3 Eyata nuvɔ̃ va zu abe dɔ aɖe si dze mía dometɔ ɖesiaɖe dzi ene, elabena Biblia gblɔ be “wo katã wɔ nuvɔ̃.” Kunyae. Nyateƒee, “nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku.” (Romatɔwo 3:23; 6:23) Mía dometɔ aɖeke mate ŋu asi le enu o. Amesiame wɔa nuvɔ̃, eyata amesiame kuna. Esi míenye Adam ƒe dzidzimeviwo ta wodzi mí ɖe fukpekpe sia me. (Psalmo 51:7) Paulo ŋlɔe be: “To ame ɖeka dzi nuvɔ̃ la va xexeame, eye to nuvɔ̃ me ku la va, eye nenema ku la va to amewo katã dzi yi, esi wo katã wɔ nuvɔ̃ ŋuti.” (Romatɔwo 5:12) Gake mefia be ɖeɖekpɔkpɔ ƒe mɔkpɔkpɔ aɖeke mele mía si o.
Nuvɔ̃ Kple Ku Ðeɖeɖa
4. Nukata amegbetɔwo ŋutɔ mate ŋu aɖe dɔléle kple ku ɖa o?
4 Nukae hiã woatsɔ aɖe nuvɔ̃ kple emetsonu si nye ku ɖa? Edze kɔte be anye nane si de ŋgɔ boo wu nusi amegbetɔ ate ŋu akpɔ ana. Hakpala la fa konyi be: “[Amegbetɔ ƒe] agbe ƒeƒle xɔ asi ŋutɔ, eye ado kpoe tegbee,—be wòanɔ anyi ayi dzi, eye makpɔ yɔdo o.” (Psalmo 49:9, 10) Ele eme be nuɖuɖu nyui kple atikewɔwɔ si sɔ ate ŋu ana ƒe ʋee aɖewo nagadze míaƒe agbenɔƒe dzi ya, gake mía dometɔ aɖeke mate ŋu aɖe nuvɔ̃ si ƒe dome míenyi ya ɖa o. Mía dometɔ aɖeke mate ŋu atrɔ tsitsi kple gbɔdzɔgbɔdzɔ siwo wòhena vɛ la be míaƒe ŋutilã nade blibo abe alesi Mawu ɖo eƒe tamee le gɔmedzedzea me ene o. Eyata menye ɖe Paulo nɔ nume vivim esi wòŋlɔ be le Adam ƒe nuvɔ̃ ta, “wobɔbɔ nuwɔwɔ” si nye amegbetɔ “ɖe gbegblẽ la te” o—alo abe alesi woɖe egɔmee le The Jerusalem Bible me ene la, “mete ŋu ɖo eƒe taɖodzinu gbɔ o.” (Romatɔwo 8:20) Gake dzidzɔtɔe la, Wɔla la megblẽ mí ɖi o. Ewɔ ɖoɖo be yeaɖe nuvɔ̃ kple ku ɖa zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu. Aleke?
5. Aleke Se si wotsɔ na Israel ɖe dzɔdzɔenyenye ƒe vevienyenye fiae?
5 Yehowa ‘lɔ̃a dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃.’ (Psalmo 33:5) Se si wòtsɔ na Israel la fia be ekpɔa egbɔ be yeda sɔ pɛpɛpɛ le nya ƒe akpa sia akpa ŋu bubu me eye yedrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe ameŋkumemakpɔmakpɔe. Le kpɔɖeŋu me, le se siawo me la, míexlẽ be ‘ele be woaɖo agbe agbe teƒe.’ Ne míagagblɔe bubui la, ne Israel-vi aɖe wu ame la, ele be woaɖe eya hã ƒe agbe ɖa ɖe agbe si wòɖe ɖa la teƒe. (Mose II, 21:23; Mose IV, 35:21) Esia awɔe be woakpɔ nusianu gbɔ wòasɔ pɛpɛpɛ ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye ƒe dzidzenu la nu.—Tsɔe sɔ kple Mose II, 21:30.
6. (a) Gɔmesese ka nue míate ŋu agblɔ le be Adam nye amewula? (b) Agbe ka ƒomevie Adam bu, eye vɔsa ka ƒomevie ahiã be nuwo nasɔ ɖe dzɔdzɔenyenye ƒe dzidzenuwo nu?
6 Esi Adam wɔ nuvɔ̃ la, etrɔ zu amewula. Aleke? Le gɔmesese sia nu be aɖe eƒe nuvɔ̃ la—kpakple ku—ɖe eƒe dzidzimeviwo katã ŋu. Adam ƒe tomaɖomaɖo tae fifi laa sia míaƒe ŋutilã le gbɔdzɔgbɔdzɔm ɖo ta tsiẽƒe megbemakpɔmakpɔe. (Psalmo 90:10) Gake nusi Adam ƒe nuvɔ̃a gblẽ la yi ŋgɔ sã wu ema. Ðo ŋku edzi be menye agbe si ƒomevi míenɔna ƒe 70 alo 80 egbea ye wòbu na eɖokui kple eƒe dzidzimeviwo o. Agbe deblibo—le nyateƒe me, agbe mavɔ—ye wòbu. Eyata ne ‘woaxɔ agbe ɖe agbe ta’ la, ke agbe ka ƒomevie ahiã be woana be nusianu nasɔ ɖe dzɔdzɔenyenye ƒe nudidiwo nu le nya sia me? Eme kɔ be ele be wòanye amegbetɔ ƒe agbe deblibo—agbe si sɔ kple Adam tɔ, si ate ŋu adzi vi siwo nye amegbetɔ deblibowo. Ne wotsɔ amegbetɔ deblibo ƒe agbe sa vɔe la, menye ɖeko wòana nuwo nada asɔ le dzɔdzɔenyenye ƒe dzidzenuwo nu ko o ke ana woate ŋu aɖe nuvɔ̃ kple emetsonu si nye ku hã ɖa keŋkeŋ.
Nusi Nuvɔ̃ Gblẽ la Ðeɖeɖa
7. Kɔ gɔmesese si le nya “tafe” ŋu me.
7 Woyɔ nusi hiã be woatsɔ aɖe mí tso nuvɔ̃ me le Biblia me be “tafe.” (Psalmo 49:8) Le Eŋlisigbe me la, nya sia ate ŋu afia nusi amesiwo lé ame sesẽe biana hafi ɖea asi le ame lélea ŋu. Gake tafe si Yehowa xe meku ɖe ame aɖe si wolé be woaxɔ nane ɖe eta ŋu o. Ke hã fexexe ɖe nane ta ƒe susu dze le eme kokoko. Le nyateƒe me la, Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “tafe” la ƒe dɔwɔnya gɔmeɖeɖe le nyaa ŋutɔ nu fia be “woatsyɔ nu nane dzi.” Be tafea nanye avuléle ɖe nuvɔ̃ ta la, ele be wòasɔ ɖe nusi dzi wòle be wòatsyɔ la nu pɛpɛpɛ—wòasɔ ɖe Adam ƒe amegbetɔ ƒe agbe deblibo la nu.
8. (a) Ƒo nu tso ame alo nu xɔfe ŋu. (b) Aleke ame alo nu xɔfe gɔmeɖose la ku ɖe mí nuvɔ̃wɔlawo ŋui?
8 Esia wɔ ɖeka kple gɔmeɖose aɖe si le Mose ƒe Sea me—fe si woaxe agbugbɔ nu alo ame axɔ ƒe gɔmeɖose la. Ne Israel-vi aɖe ɖo ko eye wòdzra eɖokui kluvii na amesi menye Israel-vi o la, eƒe ƒometɔ aɖe ate ŋu axɔe (alo axe etafe) nenye be exe fe si wobu be esɔ kple ga si woaxɔ ɖe kluvia ta. (Mose III, 25:47-49) Biblia gblɔ be mí amegbetɔ madeblibowo míenye ‘nuvɔ̃ ƒe kluviwo.’ (Romatɔwo 6:6; 7:14, 25) Nukae hiã woatsɔ axɔ míi? Abe alesi míekpɔe ene la, amegbetɔ ƒe agbe deblibo si bu la bia amegbetɔ ƒe agbe deblibo tsɔtsɔna—naneke madze edzi o, naneke mado le eme o.
9. Aleke Yehowa wɔ ɖoɖo ɖe nusi nuvɔ̃ gblẽ la ɖeɖeɖa ŋui?
9 Gake wodzia mí amegbetɔwo ame madeblibowoe. Mía dometɔ ɖeka pɛ hã mesɔ kple Adam o; mía dometɔ ɖeka pɛ hã mate ŋu axe tafe la ƒe asixɔxɔ si dzɔdzɔenyenye bia la o. Abe alesi míegblɔe tsɔ dze egɔmee ene la, ɖeko wòsɔ kple alesi kudɔ aɖe adze mía dzi evɔ ga manɔ mía si woawɔ dɔ na mí atsɔ adae na míi o ene. Le nɔnɔme sia me la, ɖe míada akpe ne ame aɖe tso mí xɔ eye wòxe fea ɖe mía nu oa? Nusia tututue Yehowa wɔ! Ewɔ ɖoɖo be yeatso mí axɔ tso nuvɔ̃ me, zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu. Ẽ, elɔ̃ faa be yeana nusi míate ŋu akpɔ ana le mía ɖokui si akpɔ o la ɖe mía nu. To mɔ ka nu? Paulo ŋlɔe be: “Mawu ƒe amenuvevenunana la enye agbe mavɔ le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ me.” (Romatɔwo 6:23) Yohanes yɔ Yesu be enye “Mawu ƒe alẽvi, si le xexeame ƒe nuvɔ̃ la tsɔm yina.” (Yohanes 1:29) Mina míakpɔ alesi Yehowa zã Via lɔlɔ̃a tsɔ xe tafeae ɖa.
“Tafe si Sɔ Ðe Enu”
10. Aleke nyagblɔɖi siwo ku ɖe ‘dzidzimevi’ aɖe ŋu va ku ɖe Yosef kple Maria ŋui?
10 Le aglãdzedze le Eden vɔ megbe teti ko la, Yehowa ɖe gbeƒã tame si wòɖo be yeana ‘dzidzimevi’ aɖe si ava aɖe ameƒomea tso nuvɔ̃ me. (Mose I, 3:15) Yehowa to ɖeɖefia vovovowo dzi ɖe ƒome si me dzidzimevi sia atso la fia. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ɖeɖefia siawo va ɖo Yosef kple Maria, amesiwo le srɔ̃ɖeŋugbedodo me le Palestina la dzi. Wogblɔ na Yosef le drɔ̃eƒe be Maria fɔ fu tso gbɔgbɔ kɔkɔea me. Mawudɔla la gblɔ be: “Adzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yesu; elabena eyae laɖe eƒe dukɔ la tso woƒe nuvɔ̃wo me.”—Mateo 1:20, 21.
11. (a) Aleke Yehowa wɔ ɖoɖo be woadzi Via amegbetɔ debliboe? (b) Nukatae Yesu te ŋu xe “tafe si sɔ ɖe enu”?
11 Fu sia menye fufɔfɔ gbɔlo o, elabena hafi Yesu nava zu amegbetɔ la, enɔ anyi do ŋgɔ le dziƒo. (Lododowo 8:22-31; Kolosetɔwo 1:15) Yehowa ƒe ŋusẽ wɔnuku la trɔ eƒe agbe tsɔ de Maria ƒe vidzidɔ me eye esia na wòte ŋu dzɔ be wodzi Mawu Vi lɔlɔ̃ la amegbetɔe. (Yohanes 1:1-3, 14; Filipitɔwo 2:6, 7) Yehowa de asi eme be Adam ƒe nuvɔ̃ meɖe ɖe Yesu ŋu o. Ke boŋ wodzi Yesu ame debliboe. Esia ta amegbetɔ ƒe agbe deblibo—nusi Adam bu—nɔ esi. Mlɔeba, amegbetɔ aɖe ate ŋu ana nusi dome nuvɔ̃ gblẽ la azɔ! Eye eya tututue Yesu na le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Nisan 14 lia dzi. Le ŋkeke vevi ma dzi la, Yesu ɖe mɔ le eɖokui ŋu eƒe futɔwo wui, eye to esia dzi la, ena “tafe si sɔ ɖe enu.”—Timoteo I, 2:6, NW.
Asixɔxɔ si Le Amegbetɔ ƒe Agbe Deblibo Ŋu
12. (a) Ƒo nu tso vovototo gã si le Yesu ƒe ku kple Adam tɔ dome ŋu. (b) Aleke Yesu va zu “fofo mavɔ” na amegbetɔ siwo nye toɖolawoe?
12 Vovototo le Yesu ƒe ku kple Adam tɔ dome—enye vovototo si na tafea ƒe asixɔxɔ dze kɔte. Adam dze na eƒe kua, elabena ɖe wòɖoe gbe toɖoɖo Ewɔla. (Mose I, 2:16, 17) Gake Yesu ya medze na ku le go aɖeke me o, elabena “mewɔ nuvɔ̃ aɖeke o.” (Petro I, 2:22) Eyata esime Yesu ku la, nane si ŋu asixɔxɔ gã aɖe ŋutɔ le, si menɔ Adam si le eƒe kuɣi o nɔ esi—amegbetɔ ƒe agbe deblibo ƒe gomenɔamesi. Eyata vɔsa ƒe asixɔxɔ nɔ Yesu ƒe kua ŋu. Esi wòzu gbɔgbɔmeme yi dziƒo la, etsɔ eƒe vɔsa la ƒe asixɔxɔ yi na Yehowa. (Hebritɔwo 9:24) Nusia si Yesu wɔ la na be wòxɔ ameƒome wɔnuvɔ̃ la ƒle eye wòzu wo Fofo yeye, amesi xɔ ɖe Adam teƒe. (Korintotɔwo I, 15:45) Esɔ bliboe be woyɔ Yesu be “fofo mavɔ.” (Yesaya 9:5) Bu nusi wòfia ŋu kpɔ! Fofo si nye nuvɔ̃me Adam gblẽ kudomenyinyi ɖi na eƒe dzidzimeviwo katã. Fofo deblibo Yesu zã eƒe tafevɔsa la ƒe asixɔxɔ tsɔ na agbe mavɔ ameƒomea me tɔ siwo nye toɖolawo.
13. (a) Wɔ alesi Yesu va xe Adam ƒe agbaɖuɖufe lae ƒe kpɔɖeŋu aɖe. (b) Nukatae Yesu ƒe vɔsa la mexe fe ɖe mía dzila gbãtɔwo ƒe nuvɔ̃ ta o?
13 Gake aleke ame ɖeka pɛ ko ƒe ku ate ŋu aɖe ame geɖe ƒe nuvɔ̃ ɖae? (Mateo 20:28) Le nyati aɖe si míeta va yi ƒe aɖewoe nye sia me la, míewɔ tafe la ƒe kpɔɖeŋu ale: “Tsɔe be dɔwɔƒe gã aɖe li si me dɔwɔla alafa geɖewo wɔa dɔ le. Dɔwɔƒea dzi kpɔla maɖianukware ɖu agba de dɔwɔƒea; wotu dɔwɔƒea ƒe ʋɔtruawo. Dɔ ge le ame alafa geɖewo si eye womete ŋu le woƒe fewo xem o. Wo srɔ̃wo, wo viwo, kple, ẽ, amesiwo gbɔ wodo ga le la katã le fu kpem le ame ɖeka ma ƒe gaɖuɖu ta! Gake enumake kesinɔtɔ dɔmenyotɔ aɖe va xe fe si dɔwɔƒea nyi la eye wòna wogaʋu dɔwɔƒea ake. Ame ma ƒe fe si me wote fli ɖo la he gbɔdzɔe blibo vɛ na dɔwɔla geɖeawo, woƒe ƒomeawo, kpakple amesiwo gbɔ wodo ga le la emegbe. Gake ɖe wòle be dɔdzikpɔla gbãtɔa nakpɔ gome le dzidzedze yeye sia mea? Kpao, wodee game eye eyata woxɔ dɔ le esi tegbee! Nenema ke Adam ƒe fe ɖeka si me wote fli ɖo la he viɖewo vɛ na eƒe dzidzimevi miliɔn geɖewo—gake menye na Adam ya o.”
14, 15. Nukatae míate ŋu agblɔ be ɖe Adam kple Xawa ɖoe wɔ nuvɔ̃, eye aleke nɔnɔme si me míele to vovo na wo tɔe?
14 Esɔ alea. Ðo ŋku edzi be ɖe Adam kple Xawa ɖoe wɔ nuvɔ̃. Ðe wobua gbe toɖoɖo Mawu. Gake le míawo ya gome la, ɖe wodzi mí ɖe nuvɔ̃a me. Naneke meli míawɔ le eŋu o. Aleke gbegbe míegadze agbagbae hã o, míate ŋu agbe nuvɔ̃wɔwɔ keŋkeŋ o. (Yohanes I, 1:8) Ɣeaɖewoɣi míase le mía ɖokui me abe Paulo ene, esi wòŋlɔ be: “Esime melɔ̃na bena, mawɔ nu nyui la, nuvɔ̃ la lé ɖe ŋutinye. Elabena mekpɔa dzidzɔ le Mawu ƒe se la ŋuti le ememe la gome; ke mekpɔ se bubu, si le aʋa wɔm kple se, si le nye nyasã me la, le nye ŋutinuwo me, eye wòlém aboyo le nuvɔ̃ ƒe se, si le nye ŋutinuwo me la me. O, nye nublanuitɔ! Amekae aɖem tso kuŋutilã si me mahã?”—Romatɔwo 7:21-24.
15 Ke hã le tafea ta la, mɔkpɔkpɔ le mía si! Yesue nye dzidzimevi si ŋu Mawu do ŋugbe le be ‘anyigba dzi dukɔwo katã ato edzi ayra wo ɖokui’ la. (Mose I, 22:18; Romatɔwo 8:20) Yesu ƒe vɔsa la ʋu mɔnukpɔkpɔ wɔnukuwo ƒe ʋɔtru ɖi na amesiwo ɖea eyama dzixɔxɔse fiana. Mina míakpɔ wo dometɔ aɖewo ɖa.
Viɖekpɔkpɔ tso Kristo ƒe Tafe la Me
16. Togbɔ be míenye nuvɔ̃mewo hã la, vi kawoe Yesu ƒe tafea ate ŋu aɖe na mí fifia?
16 Biblia-ŋlɔla Yakobo lɔ̃ ɖe edzi be ‘mí katã míedaa vo zi geɖe.’ (Yakobo 3:2) Gake le Kristo ƒe tafea ta la, woate ŋu atsɔ míaƒe dzidadawo ake mí. Yohanes ŋlɔ be: “Ne ame aɖe wɔ nuvɔ̃ la, nyaxɔɖakɔla le mía si le Fofoa gbɔ, eyae nye Yesu Kristo, dzɔdzɔetɔ la. Eye ya kee nye avuléle le míaƒe nuvɔ̃wo ŋuti; ke menye le mía tɔ ŋuti ɖeɖeko o, ke boŋ le xexe blibo la katã tɔ ŋuti.” (Yohanes I, 2:1, 2) Nyateƒee, mele be míabu nuvɔ̃ nu tsɛe o. (Yuda 4; tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 9:27.) Gake ne míewɔ nuvɔ̃ la, míate ŋu atrɔ míaƒe dzi aƒo ɖe Yehowa ŋkume, eye míaka ɖe edzi be ‘elɔ̃a tsɔtsɔke.’ (Psalmo 86:5; 130:3, 4; Yesaya 1:18; 55:7; Dɔwɔwɔwo 3:19) Eyata tafe la wɔnɛ be míate ŋu atsɔ dzitsinya dzadzɛ asubɔ Mawui eye be míate ŋu ate ɖe eŋu le gbedodoɖa me le Via Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me.—Yohanes 14:13, 14; Hebritɔwo 9:14.
17. Yayra kawoe ate ŋu asu mía si le etsɔme le tafea ta?
17 Kristo ƒe tafea ʋu mɔ ɖi na Mawu ƒe tameɖoɖo ƒe emevava—be amegbetɔ siwo nye toɖolawo anɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigba dzi. (Psalmo 37:29) Paulo ŋlɔ be: “Mawu ƒe ŋugbedodowo, alesi nu wole la, Yesu me ẽ le.” (Korintotɔwo II, 1:20) Nyateƒee, ku la “ɖu fia.” (Romatɔwo 5:17) Tafea nye gɔmeɖokpe si dzi Mawu anɔ te ɖo aɖe “futɔ mamlɛtɔ” sia ɖa keŋkeŋ. (Korintotɔwo I, 15:26; Nyaɖeɖefia 21:4) Yesu ƒe tafea ate ŋu aɖe vi na amesiwo ku gɔ̃ hã. Yesu gblɔ be: ‘Gaƒoƒo gbɔna, le esi me amesiwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la, woase Yesu ƒe gbe; eye woado go.’—Yohanes 5:28, 29; Korintotɔwo I, 15:20-22.
18. Nublanuinya kae nuvɔ̃ he va ameƒomea dzi, eye aleke woatrɔ nɔnɔme sia le Mawu ƒe xexe yeyea mee?
18 Bu dzidzɔ gã si wòanye be míanɔ agbe abe alesi woɖoe ene—nuteɖeamedzi siwo ŋu míetsia dzimaɖeɖi ɖo egbea ƒe ɖeke manɔmee—ŋu kpɔ! Menye ɖekawɔwɔ si anɔ mía kple Mawu dome ɖeɖeko mee nuvɔ̃ gblẽ o, egblẽ ɖekawɔwɔ si anɔ míawo ŋutɔ míaƒe susu, dzi, kple ŋutilã dome la hã me. Gake Biblia do ŋugbe be le Mawu ƒe xexe yeyea me la, “duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.” Ẽ, lãmedɔ kple seselelãmedɔwo magaɖe fu na mí o. Nukatae? Yesaya ɖo eŋu be: “Wotsɔ vodada ke amesiwo le eme.”—Yesaya 33:24.
Tafe la—Enye Lɔlɔ̃ Ðeɖefia
19. Aleke wòle be mía dome amesiame nawɔ nu ɖe Kristo ƒe tafea ŋui?
19 Lɔlɔ̃e ʋã Yehowa wòdɔ Via lɔlɔ̃tɔ ɖa. (Romatɔwo 5:8; Yohanes I, 4:9) Lɔlɔ̃ ye ʋã Yesu hã ‘wòɖɔ ku kpɔ ɖe amesiame nu.’ (Hebritɔwo 2:9; Yohanes 15:13) Eyata esɔ be Paulo ŋlɔ be: “Kristo ƒe lɔlɔ̃ la [ƒoa nya ɖe mía nu, NW], . . . bene amesiwo le agbe la, naganɔ agbe na wo ɖokui o, ke ne woanɔ agbe hena amesi ku, eye wògatsi tre le wo ta la boŋ.” (Korintotɔwo II, 5:14, 15) Ne míekpɔ ŋudzedze ɖe nusi Yesu wɔ na mí ŋu la, míawɔ nu wòasɔ ɖe enu. Ne míebu eŋu kpɔ la, le tafea ta woate ŋu axɔ mí tso ku si me! Míadi gbeɖe be míaƒe nuwɔnawo nafia be míebua Yesu ƒe vɔsa la nu tsɛe o.—Hebritɔwo 10:29.
20. Mɔ siwo dzi míewɔna ɖe Yesu ƒe “nya” la dzi le dometɔ aɖewo ɖe?
20 Aleke míate ŋu aɖee afia be míekpɔ ŋudzedze si tso dzi me ɖe tafea ŋu? Ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na Yesu léle la, egblɔ be: “Ne ame aɖe le lɔ̃yem la, alé nye nya la me ɖe asi.” (Yohanes 14:23) Yesu ƒe “nya” la ƒe akpa aɖee nye be míatsɔ dzonɔameme awɔ dɔ sia si ƒe se wòde be: “Eyata miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me nɔlawo ne woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo.” (Mateo 28:19, NW) Toɖoɖo Yesu bia hã be míalɔ̃ míaƒe gbɔgbɔmenɔviwo.—Yohanes 13:34, 35.
21. Nukatae wòle be míayi Ŋkuɖodzia ɖuƒe April 1?
21 Mɔ nyuitɔwo kekeake siwo dzi míate ŋu ato aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe tafea ŋu la dometɔ ɖekae nye be míayi Kristo ƒe ku la ƒe Ŋkuɖodzi, si woawɔ le ƒe sia me le April 1 dzi, la ɖuƒe.a Esia hã le Yesu ƒe “nya” la me, elabena esime Yesu nɔ wɔna sia ɖom anyi la, ede se na eyomedzelawo be: “Minɔ esia wɔwɔ dzi hena ŋkuɖoɖo dzinye.” (Luka 22:19, NW) Ne míede wɔna vevi sia wɔƒe eye míelé fɔ ɖe nusiwo katã ƒe se Kristo de ŋu la, míaɖee afia be míeka ɖe edzi bliboe be Yesu ƒe tafea ye nye Mawu ƒe agbexɔxɔmɔ la. Le nyateƒe me, “menye ame bubu aɖeke me xɔxɔ la le o.”—Dɔwɔwɔwo 4:12.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Ƒe sia me, April 1 dzie ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Nisan 14 lia, si nye ɣletiŋkeke si dzi Yesu ku, la dze. Bia Yehowa Ðasefo siwo le mia gbɔ ne woagblɔ teƒe si woakpe ta le na Ŋkuɖodzia ɖuɖu kple gamea na wò.
Àte Ŋu Aɖo Ŋku Wo Dzia?
◻ Nukatae amegbetɔwo mate ŋu alé avu ɖe nuvɔ̃ ƒe nɔnɔme si me wole la ta o?
◻ Mɔ ka nue Yesu nye “tafe si sɔ ɖe enu” le?
◻ Aleke Yesu zã eƒe amegbetɔ deblibo ƒe agbe ƒe gomenɔamesi ɖe mía tae?
◻ Aleke Kristo ƒe tafea na be woyraa ameƒomeae?
[Nɔnɔmetata si le axa 15]
Amegbetɔ deblibo—amesi sɔ kple Adam—koe ate ŋu atsɔ nusi dzɔdzɔenyenye bia la ana
[Nɔnɔmetata si le axa 16]
Esi amegbetɔ ƒe agbe deblibo ƒe gomenɔamesi nɔ Yesu si ta la, vɔsa ƒe asixɔxɔ nɔ eƒe kua ŋu