Yesu Ƒe Amegbetɔgbenɔɣi Ƒe Ŋkeke Mamlɛa
Fiɖa, Nisan 14, 33 M.Ŋ. ƒe ɣetrɔ mee. Ŋutsu kple nyɔnuwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe dzra ɖo be yewoaɖi yewo xɔlɔ̃ vevi aɖe. Ŋutsuawo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Nikodemo tsɔ atike ʋeʋẽwo vɛ be woatsɔ adzra ŋutilã la ɖo hena ɖiɖi. Ŋutsu aɖe hã si ŋkɔe nye Yosef tsɔ aklala nyui aɖe vɛ ne woaxatsa ɖe ŋutilã si woƒo wòwɔ abi la ŋu.
AMEKAWOE amesiawo nye, eye ameka ɖimee wonɔ? Ðe esiawo katã ka wòa? Be míaɖo nya siawo ŋu la, na míagbugbɔ ayi ɖe ŋkeke vevi ma ƒe gɔmedzedze.
Yawoɖa Fiẽ, Nisan 14
Dzinu si sɔ tegblẽ hele ɖiɖim nɔ dzedzem le Yerusalem vivivi. Ame sɔgbɔ siwo nɔ dugã la me ƒe hloloetsoɣi va yi le ŋkekea ƒe dɔwo megbe. Fiẽ sia la, alẽvi siwo mem wonɔ ƒe ʋeʋẽ lilili xɔ yame katã. Ẽ, ame akpe geɖe le dzadzram ɖo ɖe wɔna tɔxɛ aɖe ŋu—ƒe sia ƒe ƒe Ŋutitotoŋkekenyui ƒe azã lae.
Míekpɔ Yesu Kristo kple eƒe apostolowo 12 la le kplɔ̃ɖoɖo aɖe ŋu le amedzroxɔ gã aɖe me. Se ɖa! Yesu le nu ƒom. Ebe: “Medi vevie ŋutɔ bena, maɖu ŋutitotolẽvi sia kpli mi, hafi ne makpe fu.” (Luka 22:15) Yesu nya be yeƒe futɔ subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo ɖoe be woana woawu ye. Gake hafi esia nadzɔ la, nu ɖedzesi ŋutɔŋutɔ aɖe dzɔ fiẽ ma.
Le Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu vɔ megbe la, Yesu gblɔ be: “Mia dometɔ ɖeka adem asi.” (Mateo 26:21) Esia ɖe fu na apostoloawo. Amekae amesia anye? Le dzeɖoɖo aɖewo megbe la, Yesu gblɔ na Yuda Iskariot be: “Nusi wɔ ge nala la, wɔe kaba.” (Yohanes 13:27) Togbɔ be ame bubuawo menya o hã la, yomemɔfialae Yuda nye. Edzo yi eƒe dɔ gbegblẽa wɔ ge le nugbe si woɖo ɖe Yesu ŋu me.
Azã Tɔxɛ Aɖe Ðuɖu
Azɔ Yesu ɖo azã yeye kura anyi—esi aɖo ŋku eƒe kua dzi. Esi Yesu tsɔ abolo la, eda akpe ɖe eta eye wòŋe eme. Egblɔ na wo be: “Mixɔe ɖu, esia nye nye ŋutilã, si woŋe le mia ta.” Esi wo dometɔ ɖesiaɖe ɖu aboloa ƒe ɖe vɔ la, etsɔ kplu si me wein dzĩ nɔ eye wòyra ɖe edzi. Yesu gblɔ na wo be: “Mi katã mino le enu,” eye eɖe eme be, “kplu sia enye nublabla yeye le nye ʋu me, si [woakɔ] ɖe anyi le mia ta.” Ede se na apostolo nuteƒewɔla 11 siwo susɔ be: “Miwɔ esia hena ŋkuɖoɖo dzinye.”—Mateo 26:26-28; Luka 22:19, 20; Korintotɔwo I, 11:24, 25.
Fiẽ ma la, Yesu dzra eƒe apostolo wɔnuteƒeawo ɖo dɔmenyotɔe ɖe nusi nɔ ŋgɔ ŋu eye wòɖo kpe lɔlɔ̃ deto si nɔ esi na wo dzi. Egblɔ be: “Lɔlɔ̃ gã wu esia megale ame aɖeke si bena, wòatsɔ eƒe agbe aɖo anyi ɖe xɔlɔ̃awo ta o. Miawoe nye xɔ̃nyewo, ne miewɔa nusiwo ƒe se mede na mi.” (Yohanes 15:13-15) Ẽ, apostolo 11 la ɖee fia be xɔlɔ̃ vavãwoe yewonye esi woku ɖe Yesu ŋu le eƒe tetekpɔwo me.
Esi zã tsi—ɖewohĩ zã ga wuieve ƒo to eŋu—la, Yesu do gbe aɖe si dzi woaɖo ŋkui la ɖa, eye emegbe wodzi kafukafuhawo na Yehowa. Emegbe woto ɣleti si nɔ ɖiɖim si na be xexeame kɔ la me do go le dua me hezɔ to Kidron-bali la me.—Yohanes 17:1–18:1.
Le Getsemane-bɔa Me
Eteƒe medidi o la, Yesu kple apostoloawo ɖo Getsemane-bɔa me. Yesu gble apostolo enyi ɖe abɔa ƒe mɔnu eye wòkplɔ Petro, Yakobo, kple Yohanes ɖe asi yi ŋgɔe ɖe amitiawo dome. Egblɔ na ame etɔ̃a be: “Nye luʋɔ le nu xam kakaka vaseɖe ku me; minɔ afisia, eye minɔ ŋudzɔ!”—Marko 14:33, 34.
Esime apostolo etɔ̃awo nɔ Yesu lalam la, egayi ŋgɔ be yeado gbe ɖa. Edo ɣli sesĩe kple aɖatsiwo eye wòbia bena: “Fofo, ne èlɔ̃ la, tsɔ kplu sia yii le gbɔnye.” Agbanɔamedzi gã aɖe nɔ Yesu dzi. Nuxaxa ka gbegbee nye si wònye nɛ esi wòbu nusi Yehowa ƒe futɔwo agblɔ ne woklã Eƒe Tenuvia ɖe ati ŋu abe adzodala ene la ŋu! Nusi gado nuxaxa na Yesu wue nye vlodoame si woali kɔ ɖe Fofoa lɔlɔ̃tɔ si le dziƒo la dzi nenye be mete ŋu ɖu dodokpɔ sesẽ sia dzi o. Yesu do gbe ɖa kple ŋkubiã eye ese veve ale gbegbe be eƒe fifia zu abe ʋu ene nɔ gegem ɖe anyigba.—Luka 22:42, 44.
Ðeko Yesu wu gbedodoɖa nu zi etɔ̃lia enye sia. Ameha siwo lé kakatiwo kple akaɖiwo ɖe asi la va do. Amesi nɔ ŋgɔ na wo menye ame bubu aɖeke wu Yuda Iskariot o, eye eva Yesu gbɔ tẽ. Egbugbɔ nu na Yesu lɔlɔ̃tɔe hegblɔ be: “Rabi, fiẽ na wò loo!” Yesu ɖo eŋu be: “Yuda, nugbugbɔ netsɔ le Amegbetɔvi la dem asi mahã?”—Mateo 26:49; Luka 22:47, 48; Yohanes 18:3.
Enumake apostoloawo kpɔ nusi le dzɔdzɔm la dzesii. Wole woƒe Aƒetɔ kple xɔlɔ̃ lɔlɔ̃tɔ la lé ge! Eyata Petro ɖe yi enumake hekpa to na nunɔlagã ƒe dɔla. Yesu do ɣli enumake gblɔ be: “Mina mɔ wo, be woayi dzi nenema.” Esi wòte va ŋgɔ la, eda dɔ na dɔla la eye wòde se na Petro bena: “Gbugbɔ wò yi la ɖo eteƒe; elabena amesiwo katã dia yi la, yi kee woatsɔ awu woe.” (Luka 22:50, 51; Mateo 26:52) Amegãawo kple asrafoawo lé Yesu heblae. Esi vɔvɔ̃ ɖo apostoloawo eye wotɔtɔ ta la, wogblẽ Yesu ɖi hesi yi ɖe vivitia me.—Mateo 26:56; Yohanes 18:12.
Fiɖagbe Ŋdi, Nisan 14
Zã ga wuieve ƒo to eŋu xoxoxo eye Fiɖagbe ƒe ŋu le kekem. Wokplɔ Yesu yi ɖe Hana si nye Nunɔlagã tsã evɔ wògakpɔtɔ kpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzi geɖe la ƒe aƒeme gbã. Hana bia gbee eye wòna woɖoe ɖe Nunɔlagã Kayafa ƒeme afisi Sanhedrin la va kpe ta ɖo.
Azɔ la subɔsubɔhaŋgɔnɔlaawo dze agbagba be yewoadi ɖasefowo be woakpa nya ada ɖe Yesu dzi. Ke hã aʋatsoɖasefoawo ƒe nu menɔ ɖeka le woƒe ɖaseɖiɖiawo me o. Le ɣeyiɣi siawo katã me la, Yesu zi kpi. Kayafa bia tsɔ di mɔnu bubu be: “Meta Mawu gbagbe la na wò, be nagblɔe na mí, nenye wòe nye Kristo, Mawuvi la!” Esia nye nyateƒe si dzi womate ŋu aŋe aɖaba aƒui o, eyata Yesu ɖo eŋu dzinɔameƒotɔe be: “Nyee! Eye miakpɔ amegbetɔvi la wòanɔ anyi ɖe ŋusẽ ƒe nuɖusi me gbɔna kple dziƒo ƒe alilikpowo.”—Mateo 26:63; Marko 14:60-62.
Kayafa do ɣli be: “Egblɔ busunya! Ðaseɖila kawo gahiã mí?” Azɔ ame aɖewo ƒo tome na Yesu heɖe ta ɖe eŋu. Ame bubuwo tu kɔe hedo vloe. (Mateo 26:65-68; Marko 14:63-65) Esi dzite tso Fiɖagbe la, Sanhedrin la gakpe ta ake, eye anye be ɖe wodi be yewoana ʋɔnu si yewodrɔ̃ le zãa me la nadze abe nusi le se nu ene. Yesu gaɖee fia ake be yee nye Kristo, Mawu ƒe Vi la.—Luka 22:66-71.
Emegbe nunɔlagã la kple ame tsitsiawo he Yesu yi ɖe Roma-mɔ̃mefia, Pontio Pilato, si nɔ Yudea dzi ɖum gbɔe be wòadrɔ̃ ʋɔnui. Wotsɔ nya ɖe Yesu ŋu be ele dukɔa ƒe tame trɔm, gblɔ be amewo negadzɔ nu na Kaisaro o, eye wòle “gbɔgblɔm bena, ye ŋutɔe nye Kristo, fia la.” (Luka 23:2; tsɔe sɔ kple Marko 12:17.) Esi Pilato bia gbe Yesu vɔ la, egblɔ be: “Nyemekpɔ vɔ̃ aɖeke le amesia ŋu o.” (Luka 23:4) Esi Pilato se bena Galileatɔe Yesu nye la, ena wokplɔe yi ɖe Herodes Antipa si nye Galilea-dziɖula, amesi va Yerusalem be yeaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la gbɔ. Menye Herodes ƒe tameɖoɖoe nye be yeakpɔ egbɔ be wowɔ nu ɖe dzɔdzɔenyenye nu o. Ðeko wòdi be Yesu nawɔ nukunu aɖe ne yeakpɔ. Esi Yesu zi kpi eye mewɔ ɖe eƒe didia dzi o ta la, Herodes kple eƒe asrafowo ɖu fewu le eŋu hetrɔe ɖo ɖe Pilato gbɔ.
Pilato gabia ake be: “Nuvɔ̃ ka gɔ̃ amesia wɔ mahã? Nyemekpɔ naneke le eŋu, si dze ku o; azɔ maƒoe, eye maɖe asi le eŋu!” (Luka 23:22) Eyata ena woƒo Yesu kple ameƒoka si nu ka gbigbiwo sɔ gbɔ ɖo siwo de abi dzime na Yesu vevie ŋutɔ. Emegbe asrafoawo te fiakuku aɖe si wotsɔ ŋù wɔe la ɖe ta nɛ. Woɖu fewu le eŋu eye wotsɔ ayeti sesẽ ƒoe hete ŋù fiakukua ɖe ta ŋu nɛ wòtɔe vevie wu. Le vevesese sia kata, si míate ŋu aɖɔ o me la, Yesu lé bubu kple ŋusẽ tɔxɛ si le eŋu la me ɖe asi.
Pilato gakplɔe do ɖe ameha la ŋkume—ɖewohĩ enɔ mɔ kpɔm be Yesu ƒe nɔnɔme wɔnublanui la ana be woakpɔ nublanui nɛ. Pilato do ɣli gblɔ bena: “Mikpɔ ɖa, mekplɔe do go vɛ na mi, ne miadze sii bena, nyemekpɔ nya vɔ̃ aɖeke le eŋuti o.” Gake nunɔlagãwo do ɣli bena: “Klãe ɖe ati ŋuti, klãe ɖe ati ŋuti!” (Yohanes 19:4-6) Esi ameha la ƒe gbe nɔ dzi dem wu la, Pilato na ta eye wòɖe asi le Yesu ŋuti be woaɖaklãe ɖe ati ŋuti.
Vevesese Heliheli ƒe Ku
Fifia ŋu ke nyuie eye ŋdɔ ga wuieve anya yi ƒoƒo ge. Wokplɔ Yesu do goe le Yerusalem yi ɖe teƒe aɖe si woyɔna be Golgata. Wotsɔ gatagbadzɛ gãwo klã Yesu ƒe asiwo kple afɔwo ɖe fuwɔameti ŋuti. Míate ŋu aɖɔ alesi wòse vevee esi wofɔ atia ɖe tsitrenu eye eƒe ŋutilã ƒe kpekpeme nɔ gatagbadzɛbiawo me hem la o. Amewo ƒo zi ɖe afima be yewoakpɔ Yesu kple adzodala eve siwo klãm wonɔ ɖe ati ŋu la. Wo dometɔ geɖe dzu Yesu. Nunɔlagãwo kple ame bubuwo ɖu fewu le eŋu bena: “Eɖe ame bubuwo, eye mate ŋu aɖe ye ŋutɔ ɖokui o.” Asrafoawo kple adzodala eve siwo woklã ɖe ati ŋu la gɔ hã ɖu fewu le Yesu ŋu.—Mateo 27:41-44.
Esi Yesu nɔ atia ŋu sẽe la, enumake zãdokeli si tso Mawu ŋutɔ gbɔ do ɖe anyigbaa dzi gaƒoƒo etɔ̃ sɔŋ le ŋdɔ me.a Ðewohĩ anye esiae ʋã nuvɔ̃wɔla sia be wòka mo na evelia. Emegbe etrɔ ɖe Yesu ŋu ɖe kuku be: “Ðo ŋku dzinye, ne èva ɖo wò fiaɖuƒe la me.” Xɔse wɔnuku ka gbegbee nye esi wòɖe fia esi wòɖo kudo nu! Yesu ɖo eŋu be: ‘Vavã mele egblɔm na wò egbea be, ànɔ Paradiso la me kplim.’—Luka 23:39-43.
Anɔ abe ŋdɔ ga etɔ̃ me ene la, Yesu se le eɖokui me be yeƒe nuwuwu ɖo azɔ. Egblɔ be: “Tsikɔ le wuyem.” Emegbe la, edo ɣli kple gbe sese aɖe gblɔ bena: “Nye Mawu, nye Mawu, nukaŋuti nègblem ɖi mahã.” Yesu te ŋu se le eɖokui me be ye Fofo gblẽ ye ta kpɔkpɔ ɖi bene woado yeƒe nuteƒewɔwɔ kpɔ vaseɖe nuwuwu, eye eyɔ Dawid ƒe nyawo gblɔ. Ame aɖe tsɔ ƒumekutsa aɖe si wode aha tsitsi me la ɖo Yesu ƒe nu to. Esi Yesu no aha ƒe ɖe la, egbɔ fũ hegblɔ bena: “Wowu nu vɔ!” Eye wòdo ɣli gblɔ bena, “Fofo, asiwò me metsɔ nye gbɔgbɔ la de,” ede ta to, eye wòku.—Yohanes 19:28-30; Mateo 27:46; Luka 23:46; Psalmo 22:2.
Esi ɣetrɔ nɔ ɖoɖom ta la, wowɔ ɖoɖowo kabakaba be woaɖi Yesu hafi Sabat (Nisan 15 lia) nadze egɔme le ɣeɖoto. Yosef si tso Arimatia, amesi nye Sanhedrin la me tɔ si wonya nyuie eye wònye Yesu yomedzela le adzame la, bia be yeaɖii. Nikodemo si nye Sanhedrin la me tɔ, amesi ʋu eme le adzame be yexɔ Yesu dzi se la hã tsɔ mire kple aloe si de pounde alafa ɖeka vɛ tsɔ na kpekpeɖeŋu. Wotsɔ Yesu ƒe ŋutilã la mlɔ ŋkuɖodziyɔdo yeye aɖe si tsɔ ɖe teƒea gbɔ la me beléletɔe.
Egbɔ Agbe Ake!
Le Kwasiɖagbe ŋdi kanya, esi dzite mekpɔ tso haɖe o la, Maria Magdalatɔ kple nyɔnu bubu aɖewo yi ɖe Yesu ƒe yɔdoa gbɔ. Gake kpɔ ɖa! Womli kpe si nɔ yɔdoa nu ɖa. Nuka, yɔdoa ɖi ƒuƒlu! Maria Magdalatɔ ƒu du yi be yeava gblɔe na Petro kple Yohanes. (Yohanes 20:1, 2) Esi wòdzo teti ko la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fia nyɔnu bubuawo. Egblɔ be: “Miawo la migavɔ o.” Exlɔ̃ nu wo hã be: “Miyi kaba ɖagblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Etsi tre tso ame kukuwo dome.”—Mateo 28:2-7.
Esi wonɔ du dzi yina la, amesi wodo goe la menye ame bubu aɖeke wu Yesu ŋutɔ o! Egblɔ na wo bena: “Miyi ɖaka eta na nɔvinyewo.” (Mateo 28:8-10) Emegbe Maria Magdalatɔ la va nɔ yɔdoa to nɔ avi fam esime Yesu ɖe eɖokui fiae. Mete ŋu ɖu eƒe dzidzɔkpɔkpɔ dzi o eye wòƒu du dzo be yeaɖagblɔ nukunya la na nusrɔ̃la bubuawo. (Yohanes 20:11-18) Le nyateƒe me la, zi gbɔ zi atɔ̃ sɔŋ ye Yesu si wofɔ ɖe tsitre la ɖe eɖokui fia nusrɔ̃la vovovowo le Kwasiɖagbe ma si womaŋlɔ be o, si wɔe be ɖikeke aɖeke menɔ eŋu o be egbɔ agbe ake!
Alesi Esia Ka Wòe
Aleke nusiwo dzɔ ƒe 1,966 siwo va yi ka wòe esi míele gegem ɖe ƒe alafa 21 lia me? Nudzɔdzɔ siawo teƒekpɔla aɖe gblɔ be: “Esia me woɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ la ɖe go fia le le mía me bena, Mawu dɔ eƒe Tenuvi ɖo ɖe xexeame, bena míanɔ agbe to eyama me. Esia me lɔlɔ̃ la le: Menye bena míawo míelɔ̃ Mawu o, ke boŋ bena eya lɔ̃ mí, eye wòdɔ Via ɖo ɖa, bena wòanye avuléle le mía nuvɔ̃wo ta.”—Yohanes I, 4:9, 10.
Mɔ ka nue Kristo ƒe kua nye “avuléle” le? Enye avuléle elabena to edzi la, ƒomedodo nyui ate ŋu agava nɔ mía kple Mawu dome. Ŋutsu gbãtɔ Adam dze aglã ɖe Mawu ŋu eye wògblẽ domenyinu si nye nuvɔ̃ kple ku ɖi na eƒe dzidzimeviwo. Gake Yesu ya tsɔ eƒe agbe na tafee tsɔ xe fe ɖe ameƒomea ƒe nuvɔ̃ kple ku ta, eye wòto esia dzi na nusi dzi Mawu anɔ te ɖo akpɔ nublanui na mí ahave mía nu. (Timoteo I, 2:5, 6) Ne èxɔ Yesu ƒe vɔsa si klɔa nuvɔ̃ ɖa dzi se la, àte ŋu ado le fɔbubu si ƒe dome nènyi tso nuvɔ̃wɔla Adam gbɔ la te. (Romatɔwo 5:12; 6:23) Esia hã ʋua mɔ wɔnuku aɖe ɖi be ƒomedodo nanɔ mia kple Fofowò lɔlɔ̃a si le dziƒo, Yehowa Mawu, dome. Kpuie ko la, Yesu ƒe vɔsa si ƒo ɖesiaɖe ta la ate ŋu ahe agbe si nuwuwu meli na o vɛ na wò.—Yohanes 3:16; 17:3.
Woadzro nya sia kple nya siwo do ƒome kplii me le Yawoɖagbe fiẽ, April 1 dzi, le teƒe akpe geɖe le xexeame godoo esime ame miliɔn geɖe aƒo ƒu hena ŋkuɖoɖo Yesu Kristo ƒe kua dzi. Míele kpewòm be nàva kpɔ eteƒe. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me be woagblɔ teƒe si nàyi kple gamea na wò. Ðikeke mele eme o be ne èva kpɔ eteƒe la, ana nàgakpɔ ŋudzedze ɖe nusi mía Mawu lɔlɔ̃tɔ kple Via lɔlɔ̃a wɔ le Yesu ƒe amegbetɔgbenɔɣi ƒe ŋkeke mamlɛa dzi ŋu geɖe wu.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Menye ɣea ƒe vivitidodo gbɔe zãdokeli sia tso o elabena esi dzinua sɔ tegblẽ ye Yesu ku. Aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo koe zãdokeli dona eye ne ɣleti si do yeyee va le anyigba kple ɣea dome koe wòdzɔna.
[Nyaɖoɖo/Nɔnɔmetata siwo le axa 7]
YESU ƑE KU KPLE TSITRETSITSI
NISAN 33 M.Ŋ. NUDZƆDZƆWO AME VEVITƆ KEKEAKEb
14 Yawoɖa Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɖu; Yesu klɔ afɔ 113, mm. 2 vaseɖe
gbe fiẽ na apostoloawo; Yuda yi ɖade 117, mm. 1
Yesu asi; Kristo ɖo eƒe kua ƒe
Ŋkuɖodzi anyi (si woaɖu ƒe sia
me le Yawoɖa, April 1 ƒe ɣeɖoto
megbe); exlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo
tsɔ dzra wo ɖo ɖe eƒe dzodzo ŋu
Zãtsiƒe vaseɖe Le gbedodoɖa kple kafukafuhawo 117 vaseɖe 120
fɔŋli dzidzi megbe la, Yesu kple apostoloawo
yi Getsemane-bɔa me; Yesu tsɔ ɣlidodo
kple aɖatsi do gbe ɖae; Yuda Iskariot
kplɔ ameha gã aɖe vɛ eye wòde Yesu asi;
apostoloawo si esime wobla Yesu
hekplɔe yi Hana gbɔ; wokplɔ Yesu yi ɖe
Nunɔlagã Kayafa gbɔ be wòado ɖe
Sanhedrin la ŋkume; wotso kufia nɛ;
wodzui hewɔ fui; Petro gbe
nu le Yesu gbɔ zi etɔ̃
Fiɖagbe Yesu gado ɖe Sanhedrin la ŋkume ake 121 vaseɖe 124
ŋdi le fɔŋli; wokplɔe yi ɖe Pilato gbɔ;
woɖoe ɖe Herodes gbɔ; wogakplɔe va
Pilato gbɔ ake; woƒo Yesu, wodzui, eye
wowɔ funyafunyae; le esi wozii ɖe Pilato
dzi ta edee asi be woaɖaklã ɖe ati ŋuti;
wokplɔe yi ɖe Golgata hena ewuwu esi ŋu ke nyuie
Ŋdɔ Woklãe ɖe ati ŋu hafi wòƒo ŋdɔ ga wuieve; 125, 126
vaseɖe ɣetrɔ viviti do tso ŋdɔ ga wuieve vaseɖe
dome ga etɔ̃ lɔƒo, esime Yesu ku; anyigbaʋuʋu gã aɖe;
gbedoxɔmetsovɔ la dze ɖe eve
Ɣetrɔ Wotsɔ Yesu ƒe ŋutilã mlɔ̃ yɔdo si le abɔa 127, mm.
me me la me do ŋgɔ na Sabat 1-7
15 Fiɖagbe Sabat dze egɔme
fiẽ
Memleɖagbe Pilato na dzɔlawo yi ɖadzɔ Yesu 127, mm.
ƒe yɔdoa ŋu 8-9
16 Kwasiɖagbe Le ŋdi kanya wokpɔ be Yesu ƒe 127, mm. 10
yɔdoa ɖi ƒuƒlu; Yesu si wofɔ ɖe vaseɖe 129, mm.
tsitre la ɖe eɖokui fia (1) nyɔnu 10
nusrɔ̃lawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe, siwo dome Salome,
Yohana, kple Yakobo dada Maria nɔ;
(2) Maria Magdalatɔ; (3) Kleopa kple
eƒe zɔhɛ; Simon Petro; (5) apostolowo
kple nusrɔ̃la bubuwo ƒe ƒuƒoƒo
[Etenuŋɔŋlɔ]
b Míeyɔ Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ ƒe agbalẽa ƒe ta siwo me wodze le ɖe afisia. Ne èdi be yeakpɔ nyaɖoɖo si fia afisi woakpɔ Yesu ƒe subɔsubɔdɔ mamlɛa ŋuti nuŋlɔɖiwo le le Ŋɔŋlɔa me la, ke kpɔ “All Scripture Is Inspired of God and Beneficial,” axa 290. Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye ta agbalẽ siawo.