INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 4/1 axa 23-27
  • Menɔ Paradiso Dim

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Menɔ Paradiso Dim
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Metrɔ Va Kɔƒenuto Me
  • Meva Xɔ Mawu Dzi Se
  • Woɖo Nye Gbedodoɖawo Ŋu
  • Gbɔgbɔmeŋgɔyiyi Wɔwɔ
  • Kpekpeɖeŋu Kpɔkpɔ le Xaxa Me
  • Nusi Nyo Wu Minyãminyã
  • Betel—Enye Gbɔgbɔmeparadiso Ðedzesi
  • Ðe Esia Ate Ŋu Anye Agbemedɔ Nyuitɔ Kekeake na Wòa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Nyemedzudzɔ Nusɔsrɔ̃ O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Wole Ame Sia Ame Kpem!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 4/1 axa 23-27

Menɔ Paradiso Dim

ABE ALESI PASCAL STISI GBLƆ ENE

Zã tsi xoxo, eye ame aɖeke menɔ Béziers si nye du le France ƒe anyiehe la ƒe ablɔwo dzi o. Esi mía kple xɔ̃nye míekpɔ mawusubɔsubɔgbalẽwo dzraƒe aɖe ƒe gli si wosi aŋɔ na yeyee la, míetsɔ nu yibɔ ŋlɔ Germany-xexemenunyala Nietzsche ƒe nyawo ɖe eŋu gãgã be: ‘Mawuawo ku. Amegbetɔ Ŋusẽtɔ nenɔ agbe didi!’ Gake nukae na meva le nusiawo katã wɔm?

WODZIM le France ɖe Katoliko-ƒome aɖe si tso Italy me le ƒe 1951 me. Le nye ɖevime la, míeyia mɔkeke le Italy ƒe anyiehe. Ðetugbi Nɔaƒe Maria ƒe kpememe le kɔƒe ɖesiaɖe me tɔwo si le afima. Menɔ tɔgbuinye yome míezɔ to toawo dzi le kpememe gã siawo siwo wodo awu na heɖo ɖe fli me legbee la ŋu—gake mewɔ dɔ aɖeke ɖe dzinye o. Mewu gɔmedzesuku nu le mawusubɔsubɔsuku aɖe si nye Yesutɔwo tɔ la me. Gake nyemeɖo ŋku edzi be mese nya aɖe le wo gbɔ si tu nye Mawu dzixɔse ɖo ŋutɔŋutɔ o.

Esime meyi yunivɛsiti le Montpellier be masrɔ̃ atikewɔwɔ ye mete ŋugbledede le tameɖoɖo si le agbe ŋu ŋuti. Nuvevi wɔ fofonye le aʋaa wɔɣi eye enɔ aba dzi ɖɔktawo nɔa egbɔ kpɔm ɣesiaɣi. Ðe manyo wu be woatsi aʋawɔwɔ nu tsɔ wu be woagblẽ ɣeyiɣi gbogbowo adze agbagba vevie be woada dɔ na amesiwo ŋu wògblẽ nu le boŋ oa? Ke hã Vietnam Ʋa la nɔ edzi sesĩe ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, mebui be mɔ nyuitɔ si dzi woato ada dzitodzito me kansa ye nye be woaɖe nusi henɛ vɛ ɖa—si nye atama. Ke dɔléle siwo tsoa nunyuimakpɔɖui me le dukɔ madeŋgɔwo me kple esiwo tsoa nutsuɖuɖu gbɔ le kesinɔdukɔwo me ya ɖe? Ðe manyo boŋ be woaɖe nusiwo henɛ vɛ ɖa tsɔ wu be woadze agbagba be woakpɔ nu gbegblẽ siwo dona tsoa eme gbɔ oa? Nukata fukpekpe le anyigba dzi alea gbegbe? Mebui be nane gblẽ le xexe sia si me tɔwo wɔa nusi gblẽa nu le woa ŋutɔ ɖokui ŋu la ŋu vevie, eye meda fɔbubua ɖe dziɖuɖuwo dzi.

Amesi tsia tre ɖe dziɖuɖu ŋue ŋlɔ agbalẽ si melɔ̃a xexlẽ wu, eye megbugbɔa emenya aɖewo ŋlɔna ɖe gliwo ŋu. Vivivi la, nye hã meva zu amesi tsia tre ɖe dziɖuɖu ŋu, si si xɔse alo agbenyuinɔnɔsewo mele o, eye nyemedi Mawu alo aƒetɔ aɖeke o. Mebui be kesinɔtɔwo kple ŋusẽtɔwoe to Mawu kple mawusubɔsubɔ vɛ be woatsɔ aɖu mí ame susɔeawo dzi ahatafa mí. Ewɔna nam be ɖe wole gbɔgblɔm be, ‘Miwɔ dɔ sesĩe na mí le anyigba dzi, eye miaƒe fetu asɔ gbɔ le paradiso me le dziƒo.’ Gake mawuawo ƒe ɣeyiɣi va yi. Ele be woana amewo nanya. Nuŋɔŋlɔɖegliŋue nye mɔ siwo dzi mato agblɔe na wo la dometɔ ɖeka.

Esia na nyemegate ŋu srɔ̃a nu boo o. Le ɣeyiɣi ma me la, meva nɔ nu srɔ̃m tso anyigba kpakple nu gbagbewo kple wo nɔƒewo ŋu le yunivɛsiti bubu si aglãdzedze yia edzi le ɖaa le Montpellier. Zi alesi mesrɔ̃a nu le nu gbagbewo kple wo nɔƒewo ŋui la, zi nenemae ɖiƒoƒo míaƒe anyigba dzeania kua dzi namee.

Ƒe sia ƒe ne dzomeŋɔli ƒe mɔkeke ɖo la, menɔa ʋukulawo ŋu zɔa mɔ kilometa akpe geɖe ɖia tsa le Europa katã. Ne mele mɔ zɔm heɖo dze kple ʋukula alafa geɖe la, nye ŋutɔ mekpɔa nu vɔ̃ɖi kple nu gbegblẽ siwo le fu wɔm ameƒomea. Ɣeaɖeɣi esime menɔ dzidzɔteƒe dzeani dim la, meva ke ɖe ƒuta lédziname aɖewo ŋu le Crete-ƒukpo dzeania dzi eye mekpɔe be ami gbagba ɖe ƒua dzi. Ewɔ nublanui nam ale gbegbe. Ðe teƒe aɖe le anyigba dzi si kpɔtɔ nye paradisoa?

Metrɔ Va Kɔƒenuto Me

Le France la, nugbagbewo ŋuti nusrɔ̃lawo nɔ dzi dem ƒo na amewo be woawɔ anyigba abe alesi wònɔ tsã be woatsɔ akpɔ amegbetɔ ƒe kuxiwo gbɔe. Medi be matsɔ nye asiwo awɔ dɔ. Eyata meƒle kpexɔ xoxo aɖe le kɔƒe sue aɖe me le togbɛ siwo le Cévennes Towo gɔme le anyiehe France. Meŋlɔ Amerika-gbevuviwo ƒe nyagbɔgblɔ ɖe nye ʋɔtru ŋu be “Míehiã Paradiso Fifia.” Nyɔnuvi Germanytɔ aɖe si tso eme va yina va zu nye ahiãvi. Nyemedi kura be míava tɔ ɖe dudzikpɔla si nye dziɖuɖuteƒenɔla ƒe ŋkume be míele srɔ̃ ɖem o. Ke ewɔwɔ le sɔleme ya ɖe? Medzrom kura o!

Zi geɖe la, afɔ ƒuƒlue míezɔna, eye ɖa legbee kple ge ʋuyaa aɖe nɔ asinye. Atikutsetse kple amagbewo ƒe agble dede doa dzidzɔ nam. Le dzomeŋɔli la, yame ƒe amadede nyea blɔtɔ eye cicada si nye nudzodzoe ƒomevi aɖewo nɔa ha dzim. Dzogbenyigba la dzi seƒoƒowo ʋẽna lilili ale gbegbe, eye Mediterranea-nutome ti siwo míedo—weinti kple gbotiwo—ƒe tsetsewo vivi ŋutɔ! Edze abe míekpɔ nɔƒe si sɔ na mí le paradiso me ene.

Meva Xɔ Mawu Dzi Se

Esi menɔ yunivɛsiti la, mesrɔ̃ nu tso lãmenugbagbeviwo ƒe dɔwɔwɔ, fugboe, kple ŋutilã ŋu, eye alesi nusiawo katã ƒe dɔwɔwɔ me goglo hewɔ ɖekae la wɔ dɔ ɖe dzinye vevie. Fifia si nye ŋutɔ mete ŋu kpɔa dzɔdzɔmenuwo hebua wo ŋu la, woƒe nyonyo kple ŋutete wɔa nuku nam ale gbegbe. Dzɔdzɔmenu hamehamewo fiaa num gbesiagbe. Gbeɖeka esi mezɔ mɔ didi aɖe le togbɛawo dzi eye mede ŋugble le agbe ŋu vevie la, meva ƒo nya ta be ele be Wɔla aɖe nanɔ anyi. Meɖoe le nye dzime be maxɔ Mawu dzi se. Tsã la, mesenɛ le dzime be metsi asi, eye akogotsitsi ɖea kpe nam. Tso gbesigbe mete Mawu dzixɔxɔse la, megblɔ na ɖokuinye be ‘Pascal, màgatsi akogo akpɔ gbeɖe o.’ Seselelãme wɔnuku aɖee wònye ɖo menye.

Eteƒe medidi o mía kple nye ahiãvia míedzi nyɔnuvi sue aɖe—eŋkɔe nye Amandine. Eƒe nu dzɔa dzi nam ale gbegbe. Fifia si meva xɔ Mawu dzi se la, medze egɔme nɔ wɔwɔm ɖe agbenyuinɔnɔse ʋee siwo menya dzi. Medzudzɔ fififi kple aʋatsokaka, eye eteƒe medidi o mekpɔe be esia kpe ɖe ŋunye meƒo asa na kuxi geɖe si ɖoa mía kple amesiwo dome menɔ la dome. Ẽ, kuxiwo nɔ mía ŋu, eye nye paradisoa menye esi tututu dim menɔ la o. Amesiwo dea weingble le mía gbɔ zãa nudzodzoewutike kple gbewutike siwo hã gblẽa nye agblemenuwo. Nyemekpɔ ŋuɖoɖo na nye biabia si ku ɖe nusita amewo vɔ̃ɖi ŋu o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, togbɔ be mexlẽ nu geɖe tso ƒomegbenɔnɔ ŋu hã la, esia mexe mɔ ɖe nyahehe kple nye ahiãvia vevie nu o. Xɔlɔ̃ ʋee aɖewo koe nɔ mía si, gake alakpaxɔlɔ̃woe wonye; wo dometɔ aɖewo dze agbagba be yewoana nye ahiãvia nade ŋutsu bubuwo gbɔ. Mebui be ele be makpɔ paradiso si nyo wu esia.

Woɖo Nye Gbedodoɖawo Ŋu

Nye ŋutɔ medoa gbe ɖa edziedzi na Mawu alesi mate ŋui be wòafia mɔm le agbe me. Le Kwasiɖagbe ŋdi aɖe la, nyɔnu vividoɖeameŋula aɖe si ŋkɔe nye Irène Lopez kple viaŋutsuvi va míaƒe ʋɔtru nu. Yehowa Ðasefoe wònye. Meɖo to se nya si le esi eye melɔ̃ be woagatrɔ ava ɣebubuɣi. Ŋutsu eve va srãm kpɔ. Melé nu eve ɖe susu me le míaƒe dzeɖoɖoa me—Paradiso kple Mawu ƒe Fiaɖuƒe. Medzra nya eve mawo ɖo ɖe dzime vevie, eye esi ɣletiwo va nɔ yiyim la, meva kpɔe be ne medi be dzitsinya dzadzɛ nanɔ asinye eye makpɔ dzidzɔ vavãtɔ la, ke ahiã be gbeɖeka matrɔ nye agbenɔnɔ wòasɔ ɖe Mawu ƒe didiwo nu.

Nye ahiãvia lɔ̃ gbã be míaɖe srɔ̃ ale be míate ŋu anɔ agbe wòasɔ ɖe Mawu ƒe Nya la nu. Gake emegbe eva de ha kple ame gbegblẽ aɖewo siwo ɖua fewu le Mawu kple eƒe sewo ŋu. Esi meva ɖo aƒeme le adame aɖe ƒe fiẽ la, nye nu koe tsi te. Naneke meganɔ nye aƒea me o. Nye ahiãvia kplɔ mía vinyɔnuvi ƒe etɔ̃ via ɖe asi wodzo. Melala ŋkeke geɖe be woatrɔ agbɔ—ɖeko wòglom. Le esi teƒe be mabu fɔ Mawu la, medo gbe ɖa nɛ be wòakpe ɖe ŋunye.

Ema megbe kpuie la, metsɔ Biblia va nɔ nye gboti te, eye medze egɔme nɔ exlẽm. Le nyateƒe me la, emenyawo xɔ nye susu katã. Togbɔ be mexlẽ agbalẽ ƒomevi geɖe siwo susuŋutinumedzrolawo kple susuŋutinunyalawo ŋlɔ hã, nyemeke ɖe nunya sia tɔgbe ŋu kpɔ. Mekpɔe be Mawu ƒe gbɔgbɔ mee agbalẽ sia anya tso. Yesu ƒe nufiafia kple alesi wòse amegbetɔ ƒe nɔnɔmewo gɔmee wɔ nuku nam. Psalmowo fa akɔ nam eye nunya vavãtɔ si dze le Lododowo me wɔ nuku nam. Mekpɔe dze sii enumake be togbɔ be nusɔsrɔ̃ tso dzɔdzɔme ŋu te ŋu hea ame ɖe Mawu ŋu nyuie hã, “eƒe mɔwo to” koe wòɖena fiana.—Hiob 26:14.

Ðasefoawo tsɔ agbalẽ siwo nye Nyateƒe, Si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Mee kple Alesi Nàna Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomegbenɔnɔ Me hã nam.a Wo xexlẽ ʋu ŋku nam. Nyateƒe-gbalẽa kpe ɖe ŋunye mese nusita amegbetɔwo ƒoa ɖi teƒe geɖe, eye wodze ŋgɔ aʋawɔwɔ, nuvlowɔwɔ si le ta kekem, kple nuklia ƒe ametsɔtsrɔ̃ ƒe ŋɔdzi la gɔme. Eye abe alesi dziŋgɔli si biã hẽ si menɔ nye abɔ me kpɔ fia be yame ƒe nɔnɔme anyo le ŋkeke si akplɔe ɖo me ene la, nenema ke nudzɔdzɔ siawo hã ɖo kpe edzii be Mawu ƒe Fiaɖuƒea tu aƒe. Le Ƒomegbenɔnɔ-gbalẽa gome la, anye ne madi be matsɔe afia nye ahiãvia eye magblɔe nɛ be míate ŋu akpɔ dzidzɔ ne míetsɔ Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo wɔ dɔe hafi. Gake maganya wɔ o.

Gbɔgbɔmeŋgɔyiyi Wɔwɔ

Medi be manya nu geɖe, eyata megblɔ na Robert si nye Ðasefo be nenɔ gbɔnye vam. Ewɔ nuku nɛ ŋutɔ esi megblɔ nɛ be medi be maxɔ nyɔnyrɔ, eyata míedze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme. Enumake medze egɔme ƒoa nu tso nusiwo srɔ̃m menɔ ŋu na ame bubuwo eye mete agbalẽ siwo mexɔna le Fiaɖuƒe Akpata me nana amewo.

Meva de nye ŋkɔ hehexɔƒe aɖe be masrɔ̃ xɔtutu atsɔ akpɔ ɖokuinye dzii. Esi menya alesi Mawu ƒe Nya te ŋu ɖea vi na ame ta la, mewɔ mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ tsɔ ɖe gbeƒã na hati nusrɔ̃viwo kple nufialawo le vome. Gbeɖeka fiẽ medo go Serge le xɔdomemɔ aɖe dzi. Elé magazine aɖewo ɖe asi. Megblɔ nɛ be: “Mekpɔe be nuxexlẽ dzɔa dzi na wò ŋutɔ.” Eɖo eŋu be: “Ẽ, gake esiawo xexlẽ tim.” Mebiae be: “Èdi be yeakpɔ agbalẽ nyui ŋutɔ aɖe axlẽa?” Míeɖo dze geɖe tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu, eye wòxɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖewo. Le kwasiɖa si kplɔe ɖo me la, ezɔ kplim va Fiaɖuƒe Akpata me, eye wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kplii.

Gbeɖeka mebia Robert ne mate ŋu aɖe gbeƒã tso aƒeme yi aƒeme. Ege ɖe eƒe awuwo dzraɖoƒe eye wòtsɔ kot kple eƒe atalegbe nam. Le Kwasiɖagbe si kplɔe ɖo la, meyi gbeadzi kplii zi gbãtɔ. Mlɔeba le March 7, 1981 dzi la, mexɔ nyɔnyrɔ tsɔ wɔ nye adzɔgbeɖeɖe na Yehowa Mawu ƒe kpɔɖeŋui.

Kpekpeɖeŋu Kpɔkpɔ le Xaxa Me

Le ɣeyiɣi ma me la, mekpɔ afisi Amandine kple dadaa wonɔ le duta. Gake dadaa—wɔ se ƒe mɔnu ɖesiaɖe, le dukɔ si me wònɔ ƒe sewo nu ŋudɔ—gbe be nyemate ŋu ayi aɖakpɔ vinyenyɔnua ɖa o. Dzi ɖe le ƒonye ale gbegbe. Amandine dadaa ɖe srɔ̃, eye dzi gaɖe le ƒonye wu esime woɖo nyanyanagbalẽ ɖem le se nu be srɔ̃ŋutsua xɔ vinyenyɔnuvia wòzu via—wowɔ esia katã le nye manyamanya me. Fifia nyemekpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe vinyea dzi o. Togbɔ be mewɔ se ŋudɔ hã womeɖe mɔ nam be manɔ esrãm kpɔ o. Veve si mese la nɔ abe ɖe metsɔ agba kilogram 50 ɖe tume ene.

Gake Yehowa ƒe Nya lém ɖe te le mɔ geɖe nu. Gbeɖeka esi menɔ veve sem vevie la, megbugbɔ Lododowo 24:10 gblɔ enuenu be: “Ne ègbɔdzɔ le xaxaɣi la, ekema ŋusẽ boo mele ŋuwò o.” Mawunyakpukpui sia kpe ɖe ŋunye be ŋusẽ mevɔ le ŋunye keŋkeŋ o. Esi megadi be makpɔ vinyenyɔnua do kpoe ɣebubuɣi la, meyi ɖe gbeadzi eye melé nye akploa sesĩe alesi mate ŋui. Mete ŋu kpɔ Psalmo 126:6 ƒe nyawo ƒe nyateƒenyenye le ɣeyiɣi sesẽ siawo me, si gblɔ be: “Azɔli dzi wole le avi fam hele nuku ƒaƒãwo tsɔm, ke wotsɔ lu bablawo gbɔ va aƒee kple dzidzɔ.” Nu vevi aɖe si mesrɔ̃e nye be ne èdo go tetekpɔ sesẽwo eye èwɔ wò ŋutete ɖesiaɖe be yeatsɔ akpɔ wo gbɔe vɔ la, ele be nàɖe susu le wo dzi ahayi wò dɔ dzi le Yehowa subɔsubɔ me. Mɔ sia dzi ko nàte ŋu ato be nàyi edzi akpɔ dzidzɔ.

Nusi Nyo Wu Minyãminyã

Esi dzinyela lɔlɔ̃awo kpɔ tɔtrɔ siwo mewɔ la, wogblɔ be yewoakpe ɖe ŋunye mayi nye nusɔsrɔ̃ dzi le yunivɛsiti. Meda akpe na wo, gake taɖodzinu bubu aɖee nɔ asinye fifia. Nyateƒea na mevo tso amegbetɔ ƒe xexemenunya, vivimenunya, kple ɣletivimefakaka me. Xɔlɔ̃ vavãwo va su asinye fifia siwo mawu wo nɔewo le aʋawɔwɔ me gbeɖe o. Eye mlɔeba mekpɔ ŋuɖoɖo na biabia siwo ɖe fu nam le nusita fukpekpe geɖe le anyigba dzi alea ŋu. Medi be matsɔ nye ŋusẽ katã asubɔ Mawu atsɔ ada akpe nɛ. Yesu tsɔ eɖokui katã de eƒe subɔsubɔdɔa me eye medi be masrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua.

Le ƒe 1983 me la, meɖe asi le xɔtudɔ si mewɔna ŋu va zu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla. Woɖo nye gbedodoɖawo ŋu ale be mekpɔ ɣeyiɣi kpui ƒe dɔ le abɔ aɖe me tsɔ kpɔ ɖokuinye dzii. Dzidzɔ kae nye si wònye be made mɔɖelawo ƒe suku kple Serge, ɖekakpui si meɖi ɖase na le xɔtudɔsrɔ̃ƒea! Esi mewɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa ƒe etɔ̃ la, medi be magawɔ geɖe wu le Yehowa subɔsubɔ me. Eyata le ƒe 1986 me la, woɖom mɔɖela vevii le Provins-du dzeani si medidi tso Paris o la me. Zi geɖe ne meva ɖo aƒeme fiẽ me la, medzea klo doa gbe ɖa na Yehowa ɖe alesi ŋkekea me vivi nam esi menɔ nu ƒom tso eŋu na ame bubuwo ta. Le nyateƒe me la, nu eve siwo doa dzidzɔ nam wu le agbe mee nye nuƒoƒo kple Mawu kpakple nuƒoƒo tso Mawu ŋu.

Nu bubu si hã do dzidzɔ nam geɖe ye nye danye si nɔ Cébazan, si nye kɔƒe sue aɖe le France ƒe anyiehe la ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ esime wòxɔ ƒe 68. Esime danye te Biblia xexlẽ la, medɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! nɛ. Nyɔnu si bua tame ye wònye, eye eteƒe medidi o ekpɔ nyateƒea le nusi wòxlẽ me.

Betel—Enye Gbɔgbɔmeparadiso Ðedzesi

Esime Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ɖoe be yeaɖe mɔɖela veviwo dzi akpɔtɔ la, mebia be made Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasuku kple be mava wɔ dɔ le Betel, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le France. Medi be magblẽe ɖe Yehowa si me wòafia mɔ nyuitɔ kekeake si nu mate ŋu asubɔe le. Ɣleti ʋee aɖewo megbe, le December 1989 me la, woyɔm yi Betel si le Louviers, le France ƒe dzieheɣetoɖoƒe. Nu nyuiwo va do tso esia me ŋutɔ, elabena afisi wòle na mete ŋu kpe ɖe nɔvinyeŋutsu kple srɔ̃a ŋu wokpɔ dzinyelawo dzi esime woƒe lãme gblẽ vevie. Ne ɖe mele dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔm le afisi didi kilometa akpe geɖe la, anye ne nyemate ŋu awɔ esia o.

Danye va srãm kpɔ le Betel zi geɖe. Esi wòhiã be wòatsɔ nuwo asa vɔe anɔ adzɔge tso gbɔnye hã la, egblɔna nam zi geɖe be: “Vinye, nɔ Betel. Edzɔ dzi nam be èle Yehowa subɔm le mɔ sia nu.” Nublanuitɔe la, fifia dzinyela eveawo siaa ku. Aleke gbegbe mele mɔ kpɔm be magakpɔ wo le anyigba si woatrɔ wòazu paradiso ŋutɔŋutɔ dzii enye si!

Mexɔe se vevie be ne aƒe aɖe dze woaŋlɔ nya siwo nye “Paradiso si Li Fifia” ɖe eŋu la, ke Betel—si nye “Mawu ƒe Aƒe”—elabena paradiso ŋutɔŋutɔ si ƒo ɖesiaɖe ta la nye gbɔgbɔ me tɔ, eye gbɔgbɔmemenyenyee nye nu vevitɔ le Betel. Mɔnukpɔkpɔ sua mía si be míatse gbɔgbɔa ƒe kutsetsewo. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Gbɔgbɔmenu gbogbo siwo míeɖuna le gbesiagbe mawunyakpukpuia me dzodzro kple ƒomea ƒe Gbetakpɔxɔ sɔsrɔ̃ me doa ŋusẽm ɖe Betel-subɔsubɔ ŋu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, hadede kple nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo ƒe susu nɔa gbɔgbɔmenuwo ŋu, amesiwo tsɔ ƒe bla nanewo subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe la na Betel nye teƒe tɔxɛ aɖe si woanɔ atsi le gbɔgbɔ me. Togbɔ be nyemegakpɔ vinyenyɔnua kpɔ o ƒe 17 sɔŋ enye sia hã, mekpɔ sɔhɛ veviedola geɖe le Betel, amesiwo mebuna abe vinyewo ene, eye mekpɔa dzidzɔ ɖe woƒe gbɔgbɔmeŋgɔyiyi ŋu. Mexɔ dɔdasi vovovo adre le ƒe enyi siwo va yi me. Togbɔ be tɔtrɔ siawo wɔwɔ menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o hã, hehexɔxɔ alea va ɖe vi nam mlɔeba.

Meƒaa ayi ƒomevi aɖe tsã si tsena zi alafa. Nenema ke meva kpɔe be ne èƒa nu gbegblẽ la, àxa nusiwo gblẽ wu zi alafa—eye màkpɔ nu nyui ɖeka pɛ hã tso eme o. Kaka ame nasrɔ̃ nu tso nuteƒekpɔkpɔ me la, ke nu geɖe gblẽ le eŋu. Nyemadi be masrɔ̃ nu to mɔ ma dzi hafi o, ke boŋ woanyim le Yehowa ƒe mɔwo dzi. Mɔnukpɔkpɔ kae nye si su sɔhɛ siwo dzilawo nye Kristotɔwo si! Ðikeke mele eme o be enyo wu be woaƒa nu nyui le Yehowa subɔsubɔ me eye be woakpɔ ŋutifafa kple dzidzeme zi alafa.—Galatiatɔwo 6:7, 8.

Esime menye mɔɖela vevi la, metoa mawusubɔsubɔgbalẽwo dzraƒe si ƒe gli ŋu míeŋlɔ tsitretsiɖeŋunyawo ɖo tsã la gbɔ. Mege ɖe eme gɔ̃ hã ƒo nu na fiasea tɔ le Mawu gbagbe la kple eƒe tameɖoɖo ŋu. Ẽ, Mawu le agbe! Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yehowa, Mawu vavã ɖeka kolia la nye Fofo nuteƒewɔla, amesi megblẽa viawo ɖi gbeɖe o. (Nyaɖeɖefia 15:4) Neva eme be ame bubu geɖe siwo tso dukɔwo katã me nakpɔ gbɔgbɔmeparadiso si li fifia—kple Paradiso si woagbugbɔ aɖo anyi—to Yehowa, Mawu gbagbe la subɔsubɔ kple kafukafu tsɔtsɔ nɛ me!

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye ta wo.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]

Dzɔdzɔmenu wɔnukuwo ʋãm meɖoe le dzime be maxɔ Mawu dzi ase. (Ðusime) Mele dɔ wɔm le Betel egbea

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe