Baal Subɔsubɔ—Enye Aʋa Israel-Viwo Wɔ Le Woƒe Dzime
Aʋa aɖe yi edzi le Israel-dukɔa me tɔwo ƒe dzime ƒe akpe ɖeka kloe. Vɔvɔ̃ si tso aʋatsodzixɔse gbɔ kple gbɔdɔdɔ ƒe kɔnuwɔwɔwo kpe aʋa kple woƒe xɔse kpakple nuteƒewɔwɔ. Agbe kple ku ƒe ʋiʋli sia na wotsɔ Baal-subɔsubɔ tɔtɔ Yehowa ƒe tadedeagui.
ÐE Israel-dukɔa aku ɖe Mawu vavã si kplɔ wo tso Egipte la ŋu nuteƒewɔwɔtɔea? (Mose II, 20:2, 3) Alo ɖe woagblẽe ɖi aku ɖe Baal si nye mawu si Kanaantɔwo subɔna wu, amesi do ŋugbe be yeana anyigba la nawɔ nu geɖe la ŋua?
Gbɔgbɔmeʋa sia si wowɔ ƒe akpe geɖe enye sia la ka mí. Nukatae? Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “[Woŋlɔ nusiawo] ɖi, bene wòanye nuxɔxlɔ̃ hena mí amesiwo dzi xexe sia me ƒe nuwuwu va ɖo la.” (Korintotɔwo I, 10:11) Gɔmesese geɖe wu anɔ nuxlɔ̃ame vevi si le ŋutinya me ʋiʋli sia me ŋu na mí ne míenya amesi Baal nye kple nusi wowɔ le Baal-subɔsubɔ me.
Amekae Nye Baal?
Israel-viwo va nya nu tso Baal ŋu esime wova ɖo Kanaan le ƒe 1473 D.M.Ŋ. me lɔƒo. Wokpɔe be Kanaantɔwo subɔa mawu geɖe siwo le abe Egipte-mawuwo ke ene, togbɔ be woƒe ŋkɔwo to vovo eye nɔnɔme bubu aɖewo le wo si hã. Gake Biblia tɔ asi Baal ɖeka dzi be enye Kanaantɔwo ƒe mawu vevitɔ, eye blematomenukuku ɖo kpe eƒe gãnyenye dzi. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 2:11) Togbɔ be menye Baal ye nye mawu gãtɔ le woƒe gbedoxɔgã me o hã la, enye mawu si ŋu Kanaantɔwo tsia dzi ɖo wu ɖesiaɖe. Woxɔe se be ekpɔ ŋusẽ ɖe tsidzadza, yaƒoƒo, kple alilikpo dzi eye be eya ɖeɖekoe ate ŋu aɖe dukɔa—kple woƒe lãwo kple agblẽmenuwo—tso kotsitsi alo ku gɔ̃ hã me. Ne Baal mekpɔ wo ta o la, Mot si nye Kanaantɔwo ƒe mawu aɖe si biaa hlɔ̃ la ahe afɔkuwo ava wo dzi godoo.
Baal-subɔsubɔ kple gbɔdɔdɔ kɔnuwoe zɔ aduadu. Gbɔdɔdɔ ƒe nuwo dze le nusiwo ku ɖe Baal-subɔsubɔ ŋu siwo ƒe ɖewoe nye sɔti kɔkɔewo kple ati kɔkɔewo la gɔ̃ hã ŋu. Edze ƒã be sɔti kɔkɔeawo—kpe nyadri alo kpe kpakpa siwo nye gbɔdɔnu ƒe nɔnɔme la—tsi tre ɖi na Baal, si nye ŋutsu le gbɔdɔdɔ gome. Gake ati kɔkɔeawo ya nye atinuwo alo ati siwo tsi tre ɖi na Asera, si nye Baal srɔ̃ si nye nyɔnu.—Fiawo I, 18:19.
Gbedoxɔ me gbolowɔwɔ kple ɖeviwo tsɔtsɔ sa vɔe hã nye Baal-subɔsubɔ ƒe akpa vevi bubuwo. (Fiawo I, 14:23, 24; Kronika II, 28:2, 3) Agbalẽ si nye The Bible and Archaeology gblɔ be: “Ŋutsu kple nyɔnu gbolowɔlawo (ŋutsu kple nyɔnu ‘kɔkɔewo’) nɔ Kanaantɔwo ƒe gbedoxɔwo me eye gbɔdɔdɔ ƒomevi ɖesiaɖe yi edzi le afima wògbɔ eme. [Kanaantɔwo] xɔe se be le mɔ aɖe nu la, kɔnu siawo na agblemenuwo nyona eye lãhawo dzina ɖe edzi.” Ne mede ɖeke o hã la, mawusubɔsubɔ tae wowɔnɛ ɖo, togbɔ be ɖikeke mele eme o be agbegbegblẽnɔnɔ alea sɔ ɖe amesiwo subɔnɛ ƒe ŋutilãmedzodzrowo nu hã. Ekema aleke Baal va kpɔ ŋusẽ ɖe Israel-viwo ƒe dziwo dzii?
Nukata Wòdzro Wo Nenema Gbegbe?
Ðewohĩ edze Israel-vi geɖe ŋu be woanɔ subɔsubɔ si mebia nu boo aɖeke tso wo si o me. Ne wova le Baal subɔm la, awɔe be Sea dzi wɔwɔ ƒe agba ado le wo dzi, siwo ƒe ɖewoe nye Sabat kple agbenyuinɔnɔ ŋuti se geɖe. (Mose III, 18:2-30; Mose V, 5:1-3) Ate ŋu anɔ eme be alesi nu dze edzi na Kanaantɔwo le ŋutilã me na ame bubuwo bu be ele be yewoasa vɔ na Baal.
Anye be Kanaantɔwo ƒe vɔsaxɔ, siwo woyɔ be nuxeƒewo eye wonɔ ati dodowo te le togbɛwo dzi nye teƒe si sɔ nyuie na vidzidzikɔnu siwo wowɔ le afima. Eteƒe medidi o Kanaantɔwo ƒe vɔsaƒewo yiyi edziedzi ɖeɖe mesu na Israel-viwo o; woa ŋutɔwo tu wo tɔ gɔ̃ hã. “Woawo hã wɔ nuxeƒewo, aƒeliwo kple Aserawo ɖe togbɛ kɔkɔwo katã dzi kple ati damawo katã te.”—Fiawo I, 14:23; Hosea 4:13.
Gake nu gbãtɔ kple vevitɔe nye be Baal-subɔsubɔ dzro ŋutilã la. (Galatiatɔwo 5:19-21) Nuwɔna gbegblẽawo gbɔ didi be woaxa agblemenu ahakpɔ lãha geɖe la ŋu. Wokafu gbɔdɔdɔ. Esia ƒe kpeɖodzi dze le numeme geɖe siwo woku le tome, siwo wowɔ ɖe gbɔdɔdɔnuwɔna siwo wobu le susu me nu tsɔ fia gbɔdɔdɔ nyɔnyɔɖeameme la me. Nuwɔna ɖigbɔawo yia edzi ne nuɖuɖu, ɣeɖuɖu, kple haƒoƒo le edzi yim.
Míate ŋu akpɔ alesi nɔnɔmea nɔ le kele ƒe gɔmedzedze la le susu me. Trɔ̃subɔla siwo ɖu nu fũ eye aha le wo mum la le ɣe ɖum le teƒe dama dzeani aɖe. Woɖoe be woƒe vidzidzi ɣeɖuɖua nanyɔ Baal tso eƒe dzomeŋɔli ƒe numawɔmawɔa me ale be wòatsɔ tsidzadza ayra anyigba lae. Wole ɣe ɖum le xlã ƒom gbɔdɔnu ƒe sɔtia kple ati kɔkɔeawo. Woƒe ɣeɖuɖua, vevietɔ gbedoxɔ me gboloawo tɔ, ku ɖe gbɔdɔdɔ ŋu eye wòdea dzodzro ame me. Haƒoƒo kple nukpɔlaawo le dzi dem ƒo na wo wole ɣea ɖum vevie. Eye anɔ eme be ne ɣeɖulawo ɖu ɣea vɔ la, woyia Baal-ƒeme xɔwo me ɖanɔa agbe gbegblẽ.—Mose IV, 25:1, 2; tsɔe sɔ kple Mose II, 32:6, 17-19; Amos 2:8.
Wozɔ le Nukpɔkpɔ Nu, Menye le Xɔse me O
Togbɔ be tadedeagu si me dzodzro le alea he Israel-vi geɖe hã la, vɔvɔ̃ hãe na wova subɔ Baal. Esi Israel-viwo megaxɔ Yehowa dzi se o ta la, vɔvɔ̃ na ame kukuwo, vɔvɔ̃ na etsɔme, kple vividodo ɖe vivimenuwo ŋu kplɔ wo de gbɔgbɔyɔyɔ, si hã bia kɔnu siwo ɖi gbɔ wu ɖesiaɖe la wɔwɔ me. The International Standard Bible Encyclopedia gblɔ le alesi Kanaantɔwo dea bubu gbɔgbɔ si dzo ŋu be enye tɔgbui kukuwo subɔsubɔ ƒe akpa aɖe la ŋu be: “Woɖoa kplɔ̃ . . . ɖe ƒomea ƒe agado alo yɔdodzikpewo dzi eye ahamumu kple gbɔdɔdɔ (ɖewohĩ ƒometɔ kplikplikpliwo gbɔ dɔdɔ hã nɔ eme) si me wobu be ame kukua hã kpɔa gome le yia edzi.” Gomekpɔkpɔ le gbɔgbɔyɔyɔnuwɔna ɖigbɔ siawo me na Israel-viwo kple woƒe Mawu, Yehowa, dome mã ɖe edzi.—Mose V, 18:9-12.
Legbawo—kple wo ŋuti kɔnuwo—dzro Israel-vi mawo siwo di be yewoazɔ le nukpɔkpɔ nu tsɔ wu be woazɔ le xɔse me la. (Korintotɔwo II, 5:7) Esi Israel-vi siwo ʋu tso Egipte kpɔ nukunu gã siwo Yehowa ƒe asi makpɔmakpɔ wɔ megbe hã la, wo dometɔ geɖe di be yewoanɔ nane kpɔm kokoko hafi aɖo ŋku edzi. (Mose II, 32:1-4) Nenema ke woƒe dzidzimevi aɖewo hã di be yewoade ta agu na nane si woate ŋu akpɔ, abe Baal ƒe legbawo ene.—Fiawo I, 12:25-30.
Amekae Ðu Aʋa Dzi?
Aʋa la yi edzi le Israel-viwo ƒe dzime ƒe alafa geɖe, tso esime wova ɖo Moab-gbadzaƒe do ŋgɔ teti na woƒe gege ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi vaseɖe esime wokplɔ wo yi Babilon. Woɖua kuxia dzi ɣeaɖewoɣi gake egava gloa wo ɣebubuɣi. Israel-viwo ƒe akpa gãtɔ wɔa nuteƒe na Yehowa ɣeaɖewoɣi, gake wotrɔna ɖe Baal subɔsubɔ ŋu edziedzi. Nusi koŋ gbɔ wòtsoe nye woƒe hadede kple trɔ̃subɔla siwo ƒo xlã wo.
Le Kanaantɔwo dzi ɖuɖu le aʋa megbe la, woawo hã to ayemɔ dzi ɖu wo dzi. Wonɔ Israel-viwo gbɔ eye wode dzi ƒo na wo dziɖulaawo be woasubɔ anyigba la dzi mawuwo. Gideon kple Samuel siwo nye ʋɔnudrɔ̃la siwo ƒo dzi nɔ tsi tre ɖe nuwɔna sia ŋu. Samuel xlɔ̃ nu dukɔa be: “Miɖe mawu bubuwo . . . ɖa le mia dome; mitsɔ miaƒe tame ɖo Yehowa ŋu, eye misubɔ eya ɖeɖeko.” Israel-viwo wɔ ɖe Samuel ƒe nuxlɔ̃amea dzi hena ɣeyiɣi aɖe, eye “[woɖe] Baalwo kple Astartewo ɖa, eye wosubɔ Yehowa ɖeɖeko.”—Samuel I, 7:3, 4; Ʋɔnudrɔ̃lawo 6:25-27.
Le Saul kple Dawid ƒe dziɖuɣiwo megbe la, Solomon te vɔsasa na mawu bubuwo le eƒe ƒe mamlɛawo me. (Fiawo I, 11:4-8) Israel kple Yuda fia bubuwo hã wɔ nenema ke eye wogava subɔ Baal. Gake nyagblɔɖila kple fia nuteƒewɔlawo abe Eliya, Elisa, kple Yosia ene, xɔ ŋgɔ ho aʋa ɖe Baal-subɔsubɔ ŋu. (Kronika II, 34:1-5) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ame ɖekaɖekawo wɔ nuteƒe na Yehowa le Israel ƒe ŋutinya ƒe ɣeyiɣi sia katã me. Le Axab kple Yezebel ƒe ɣeyiɣia me, esime Baal-subɔsubɔ ɖo eƒe kɔkɔƒe gɔ̃ hã la, ame akpe adre gbe be ‘yewomadze klo na Baal o.’—Fiawo I, 19:18.
Mlɔeba, esi Yudatɔwo trɔ gbɔ tso aboyo me le Babilon megbe la, womegaƒo nu tso Baal-subɔsubɔ ŋu o. Abe alesi amesiwo ŋu woƒo nu tsoe le Ezra 6:21 wɔ ene la, wo katã ‘ɖe wo ɖokui ɖa tso anyigba la dzi dukɔwo ƒe nu makɔmakɔwo me eye woɖoe be yewoadi Yehowa, Israel ƒe Mawu la, yome mɔ.’
Nuxlɔ̃ame Siwo le Tadedeagu na Baal Me
Togbɔ be Baal-subɔsubɔ bu gbaɖegbe ke hã, nɔnɔme ɖeka aɖe dze le Kanaantɔwo ƒe mawusubɔsubɔ kple egbegbe hadomegbenɔnɔ ŋu—eyae nye gbɔdɔdɔ kafukafu. Edze abe agbegbegblẽnɔnɔ ƒe nudzroamewo xɔ afisiafi ene. (Efesotɔwo 2:2) Paulo xlɔ̃ nu be: “Míetso ɖe ŋusẽ makpɔmakpɔ siwo ɖua xexe doblukɔ sia dzi, kple gbɔgbɔ vɔ̃ siwo tso vɔ̃ɖinyenye tsoƒe ŋutɔŋutɔ la ŋu.”—Efesotɔwo 6:12, Phillips.
Satana ƒe “ŋusẽ makpɔmakpɔ” sia doa gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ ɖe ŋgɔ kple susu be yeawɔ amewo kluviwoe le gbɔgbɔ me. (Yohanes 8:34) Le egbegbe hadomegbenɔnɔ si me woɖea mɔ ɖe nu ŋu le me la, menye vidzidzikɔnu aɖe tae gbɔdɔdɔ dzroa amewo vevie o, ke boŋ enye mɔ si dzi wotona be woase vivi alo be woawɔ nusi dze wo ŋu. Eye eŋuti nya siwo wokakana hã te ŋu blea ame nenema ke. Wotoa modzakaɖeɖe, hadzidzi, kple boblododo dzi dea gbɔdɔdɔ ŋu nyawo amewo ƒe susu me fũ. Mawu subɔlawo meto le amedzidzedze sia me o. Le nyateƒe me la, amesiwo woɖena le Kristo-hamea me ƒe akpa gãtɔ nye amesiwo va wɔ nusiawo. Ne Kristotɔ yi edzi tsri agbegbegblẽnɔnɔ ŋu nya siawo ko hafi wòakpɔtɔ anɔ dzadzɛ.—Romatɔwo 12:9.
Sɔhɛ Ðasefowo koŋue le afɔku me, elabena gbɔdɔdɔ ƒe susu ate ŋu anɔ nu geɖe siwo adzɔ dzi na wo me. Vɔ̃ɖitɔ wue nye be ele be woatsi tre ɖe sɔhɛ bubu siwo anɔ asi tum ʋume na wo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi hã ŋu. (Tsɔe sɔ kple Lododowo 1:10-15.) Le kpɔɖeŋu me, wo dometɔ geɖe ge ɖe afɔku me le ƒuƒoƒo gãwo me. Abe alesi wònɔ le Baal-subɔsubɔ me ene le blemaɣeyiɣiwo me la, wotsɔ hadzidzi, ɣeɖuɖu, kple gbɔdɔdɔ ƒe nudzroame tsaka wòflua ame.—Timoteo II, 2:22.
Hakpala la bia be: “Aleke ɖekakpui alé eƒe mɔ atsɔ fɔɖiɖi manɔmee?” Eɖo eŋu be: “Ne elé ŋku ɖe eɖokui ŋu ɖe [Yehowa ƒe] nya la nu.” (Psalmo 119:9) Abe alesi Mawu ƒe Sea bia tso Israel-viwo si be woatsri hadede kplikplikpli kple Kanaantɔwo ene la, nenema ke Biblia xlɔ̃ nu míi le afɔku siwo le hadede gbegblẽwo me ŋu. (Korintotɔwo I, 15:32, 33) Sɔhɛ Kristotɔ ɖea eƒe tsitsi fiana ne egbe nusi adzro ame gake wònya be enye agbe gbegblẽ la wɔwɔ. Abe Eliya nuteƒewɔla la ene la, míate ŋu aɖe mɔ nukpɔsusu bɔbɔ siwo trɔna natso nya me na mí o.—Fiawo I, 18:21; tsɔe sɔ kple Mateo 7:13, 14.
Woxlɔ̃ nu mí hã le xɔsemanɔamesi, si nye “nuvɔ̃, si ɖea to ɖe mí” la ŋu. (Hebritɔwo 12:1) Edze abe Israel-vi geɖe gaxɔ Yehowa dzi se ene, gake wokpɔ Baal sinu be enye mawu si akpɔ yewoƒe agblemenuwo ta eye wòana gbesiagbenuhiahiãwo yewo. Ðewohĩ wobu be Yehowa ƒe gbedoxɔ si nɔ Yerusalem la gbɔ didi akpa eye be eƒe sewo dzi manya wɔ o. Baal-subɔsubɔ mebia nu boo aɖeke tso wo si o eye ele bɔbɔe—woate ŋu ado dzudzɔ na Baal le woa ŋutɔwo ƒe xɔta gɔ̃ hã. (Yeremya 32:29) Enɔ bɔbɔe be wohe wo de Baal-subɔsubɔ me to gomekpɔkpɔ le kɔnu aɖewo wɔwɔ me alo to vɔsasa na Baal le Yehowa ƒe ŋkɔ me.
Aleke míagbe xɔse eye míate ɖa le Mawu gbagbe la gbɔe? (Hebritɔwo 3:12) Alesi míekpɔa ŋudzedze ɖe kpekpewo kple takpekpewo ŋu tsã nu ate ŋu anɔ fafam vivivi. Nɔnɔme sia afia be míeka ɖe ‘gbɔgbɔmenuɖuɖu’ si Yehowa nana ‘le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi’ la dzi o. (Mateo 24:45-47) Ne míegbɔdzɔ alea la, ɖewohĩ míagate ŋu ‘alé agbenya la me ɖe asi sesĩe’ o alo míaƒe dzi maganɔ nu ɖeka ŋu o, eye ɖewohĩ míava nɔ ŋutilãmenuwo yome tim alo ava nɔ agbe gbegblẽ.—Filipitɔwo 2:16; tsɔe sɔ kple Psalmo 119:113.
Míaƒe Nuteƒewɔwɔ me Léle Ðe Asi Sesĩe
Ðikeke mele eme o be aʋa aɖe le edzi yim le míaƒe dzime egbea. Ðe míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa loo alo ana xexe sia me ƒe agbe bliba nɔnɔ nakplɔ mí atraea? Ewɔ nublanui be woble Kristotɔ ŋutsu kple nyɔnu aɖewo egbea wowɔ ŋukpenanuwo, abe alesi Kanaantɔwo ƒe nuwɔna nyɔŋuwo dzro Israel-viwo ene.—Tsɔe sɔ kple Lododowo 7:7, 21-23.
Míate ŋu aƒo asa na gbɔgbɔmekpododonu sia ne, abe Mose ene, ‘míeyi edzi nɔ te sesĩe abe ɖe míele Amesi womekpɔna o la kpɔm ene.’ (Hebritɔwo 11:27) Nyateƒee, ele be ‘míaʋli xɔsea ta vevie.’ (Yuda 3) Gake ne míeyi edzi wɔ nuteƒe na mía Mawu hewɔ eƒe gɔmeɖosewo dzi la, míate ŋu akpɔ mɔ na ɣeyiɣi si me alakpasubɔsubɔ nu ayi tegbee. Abe alesi Yehowa ƒe tadedeagu va ɖu Baal-subɔsubɔ dzi ene la, nenema ke míate ŋu aka ɖe edzi be eteƒe madidi o “sidzedze Yehowa [axɔ] anyigba la dzi, abe alesi tsi yɔ atsiaƒu me ene.”—Yesaya 11:9.
[Nɔnɔmetata si le axa 31]
Sɔti kɔkɔe siwo wozã le Baal- subɔsubɔ me siwo wogbã le Gezer
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 28]
Musée du Louvre, Paris