INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 4/15 axa 18-22
  • Alesi Míawɔ Akpɔ Gbɔgbɔmegbɔdzɔgbɔdzɔ Ðesiaɖe Ahaɖu Edzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Alesi Míawɔ Akpɔ Gbɔgbɔmegbɔdzɔgbɔdzɔ Ðesiaɖe Ahaɖu Edzi
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Do Wò Gbɔgbɔmeʋawɔnuwo Kpɔ
  • Dzesiawo Kpɔkpɔ Dze Sii
  • Afɔ Nyuitɔ Siwo Míaɖe Aɖu Gbɔgbɔmegbɔdzɔgbɔdzɔ Dzi
  • Yi Edzi Nàsẽ Ŋu le Gbɔgbɔ Me Fifia
  • “Mido Mawu Ƒe Aʋawɔnu Blibo La Katã”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • “Mido Aʋawɔnu Blibo Si Tso Mawu Gbɔ La”
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2019
  • ‘Miyi Edzi Mianɔ Ŋusẽ Xɔm Le Aƒetɔ La Me’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Yehowa Akpɔ Tawò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 4/15 axa 18-22

Alesi Míawɔ Akpɔ Gbɔgbɔmegbɔdzɔgbɔdzɔ Ðesiaɖe Ahaɖu Edzi

WOGBLƆ LE HELATƆWO ƑE GLIWO ME BE LE TROY-ƲA SI ME WOHO aʋa ɖe Troy-dugã ŋu me la, Achilles ye nye kalẽtɔ wu nɔ Helatɔwo ƒe aʋawɔlawo dome. Wotu xo be esi Achilles nye vidzĩ la, dadaa nyrɔe ɖe Styx-tɔsisi me, eyata womete ŋu wɔa nuvevi ame bliboa o negbe teƒe si dadaa lé nɛ ko—si nye Achilles ƒe afɔkpodzi si wotsɔ doa loe. Afima tututue aŋutrɔ vɔ̃ɖi si Paris si nye Troy Fia Priam ƒe viŋutsu da la tɔ na Achilles eye wòku.

Kristo ƒe asrafowoe Kristotɔwo nye hele gbɔgbɔmeʋa wɔm. (Timoteo II, 2:3) Apostolo Paulo ɖe eme be: “Míele kame tem kple ʋu kpakple ŋutilã o, ke boŋ mía kple dziɖulanyenye kple ŋusẽ kple xexe sia me fia, siwo le fifi viviti sia me kpakple vɔ̃ɖinyenye ƒe gbɔgbɔ, siwo le dziƒonutowo me lae le kame tem.” Ẽ, míaƒe futɔwo menye ame bubu aɖeke tsɔ wu Satana Abosam kple gbɔgbɔ vɔ̃wo o.—Efesotɔwo 6:12.

Edze ƒã be ɖe menye kpekpeɖeŋu si míexɔna tso Yehowa Mawu, amesi ŋu woƒo nu tsoe be enye “aʋawɔla” gbɔe o la, anye ne woaɖu mía dzi gbidii ɣeawokatãɣi. (Mose II, 15:3) Wona gbɔgbɔmeʋawɔnuwo mí be míatsɔ akpɔ mía ɖokui tae tso míaƒe futɔ vɔ̃ɖiawo si me. Esia tae apostoloa xlɔ̃ nu be: “Mido Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã, bene miate ŋu anɔ te ɖe Abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃wo nu.”—Efesotɔwo 6:11.

Ðikekemanɔmee la, aʋawɔnu siwo Yehowa Mawu na la nye nyuitɔ kekeake siwo ate ŋu anɔ te ɖe gbɔgbɔ me ƒe amedzidzedze ɖesiaɖe ƒomevi nu. Wò ya lé ŋku ɖe esiwo Paulo yɔ la ŋu kpɔ: nyateƒe ƒe alidziblanu, dzɔdzɔenyenye ƒe akɔtakpoxɔnu, nyanyuia si míatsɔ abla míaƒe afɔ gɔmee, xɔse ƒe akpoxɔnu, xɔxɔ ƒe gakuku, kple gbɔgbɔ ƒe yi. Aʋawɔnu kawoe ame aɖe asusu be wonyo wu esiawo? Ne asrafo Kristotɔ kpla aʋawɔnu siawo la, mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe le esi be wòaɖu dzi godoo, togbɔ be ado go nusiwo dzi ɖuɖu sesẽ hã.—Efesotɔwo 6:13-17.

Togbɔ be gbɔgbɔmeʋawɔnu siwo Yehowa na mí nye nyuitɔ kekeake eye wònye takpɔnu na mí hã la, mele be míawɔ nu ɖekematsɔlemetɔe o. Ne míeɖo ŋku Achilles si dzi wosusu be womate ŋu aɖu o dzi la, ɖe wòate ŋu adzɔ be gbɔdzɔgbɔdzɔƒe aɖe ate ŋu anɔ míawo hã mía ŋu, si nye Achilles ƒe afɔkpodzi gbɔgbɔmetɔa? Ema ate ŋu ahe ku vɛ na mí ne míeɖe ŋu ɖi.

Do Wò Gbɔgbɔmeʋawɔnuwo Kpɔ

Snodzihoʋlila aɖe si xɔ Olimpik sikanunana zi eve, amesi edze ƒã be enɔ lãmesẽ nyui me, dze anyi kpata eye wòku. Ema megbe kpuie la, woka nya aɖe ta le The New York Times me si ble fu lãme be: “Dzesi aɖeke medzena le Amerikatɔ 600,000 siwo xɔa dzidɔ ƒe sia ƒe la ƒe afã ŋu do ŋgɔ o.” Edze ƒã be, menye alesi míase le mía ɖokui me dzaa koe aɖe nɔnɔme si me míaƒe lãmesẽ le afia o.

Nenemae wòle le míaƒe gbɔgbɔmelãmesẽ hã gome. Biblia xlɔ̃ nu mí be: “Amesi ke susuna be, yele tsitre la, nakpɔ nyuie, bena wòagadze anyi o.” (Korintotɔwo I, 10:12) Togbɔ be míaƒe gbɔgbɔmeʋanuwoe nye nyuitɔ kekeake si li hã la, gbɔdzɔgbɔdzɔ ate ŋu ado mo ɖa. Nusitae nye be, nuvɔ̃ mee wodzi mí ɖo, eye nuvɔ̃ kple blibomademade si me míele ate ŋu aɖu tame si míeɖo kplikpaa be míawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la dzi bɔbɔe. (Psalmo 51:7) Togbɔ be susu nyuiwo anɔ mía si hã la, míaƒe dzi fluamea ate ŋu ana míanɔ susu gbegblẽwo bum ahanɔ taflatsedodo dzi, ale be míaŋe aɖaba aƒu míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi bɔbɔe ahanɔ susum be naneke megblẽ le mía ŋu o.—Yeremya 17:9; Romatɔwo 7:21-23.

Gakpe ɖe eŋu la, míele xexe aɖe si me zi geɖe la, woblua afɔ na nu nyui kple nuvɔ̃ hetrɔ gboe. Alesi ame sena le eɖokui mee fiana ne nua nye nu nyui alo nu gbegblẽ. Woƒoa nukpɔsusu sia ɖe amewo nu le boblododowo, modzakaɖeɖe xɔŋkɔwo, kple nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo me. Edze ƒã be ne míekpɔ nyuie o la, woate ŋu aƒoe ɖe mía nu míava nɔ tame bum alea, eye míaƒe gbɔgbɔmeʋawɔnuawo ate gbɔdzɔgbɔdzɔ.

Le esi teƒe be míage adze nɔnɔme vɔ̃ɖi sia me la, ele be míase aɖaŋu si Biblia ɖo be: “Mite mia ɖokui kpɔ, abe ɖe miele xɔse me ene; mido mia ɖokui kpɔ!” (Korintotɔwo II, 13:5) Ne míewɔe alea la, míate ŋu akpɔ gbɔdzɔgbɔdzɔ ɖesiaɖe si aɖo mía ŋu adze sii ahaɖe afɔ siwo hiã aɖɔ wo ɖo hafi míaƒe futɔwo nava de dzesi wo ahatso ɖe mía ŋu. Gake aleke míele dodokpɔ sia wɔ gee? Dzesi siwo wòle be míadi le ɖokuimedzodzro sia me dometɔ aɖewo ɖe?

Dzesiawo Kpɔkpɔ Dze Sii

Dzesiawo dometɔ ɖeka si bɔ ŋutɔ si ate ŋu afia gbɔgbɔmegbɔdzɔgbɔdzɔe nye fɔmalémalé ɖe ɖokuisinusɔsrɔ̃ ŋu. Ame aɖewo senɛ le wo ɖokui me be ele be yewoasrɔ̃ nu geɖe, gake menyawɔna na yewo o. Le vovomanɔanyi ƒe ɣeyiɣi si me míele egbea ta la, ele bɔbɔe be ame nage ɖe nɔnɔme gbegblẽ sia me. Gake esi vɔ̃ɖi wue nye be zi geɖe la, amewo va nɔa dzi dem ƒo na wo ɖokui be esi yewoxlẽa Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɣesiaɣi si yewote ŋui eye yewote ŋu yia Kristotɔwo ƒe kpekpe aɖewo ta la, nuwo megblẽ fũ akpa le yewo gome o.

Tamebubu alea nye ameɖokuibeble ƒomevi aɖe. Ðeko wòle abe ame aɖe si susu be vovo mele ye ŋu kura yeanɔ anyi aɖu nusi me nunyiame le o ale be esi wòle hloloe tsom le dɔwo wɔm eye ɖeko wòdea nane nu me ne wòkpɔ vovo vi aɖe la ene. Togbɔ be dɔ mawui o hã la, madidi o lãmegbegblẽ ate fuɖeɖe nɛ. Nenema ke ne míeléa fɔ ɖe gbɔgbɔmenuɖuɖu si me nunyiame le ɖuɖu ŋu edziedzi o la, madidi o míaƒe gbɔgbɔmeʋawɔnuwo ate gbɔdzɔgbɔdzɔ. Esi wotsɔa xexeame ƒe nukpɔsusuwo kple nuwɔnawo le fu ɖemee na mí gbawotsyogbe ta la, Satana ƒe asi ate ŋu asu mía dzi bɔbɔe.

Gbɔgbɔmegbɔdzɔgbɔdzɔ ƒe dzesi bubue nye nuwɔwɔ kpata ƒe susu si maganɔ mía si le míaƒe gbɔgbɔmeʋaa wɔwɔ me o. Ne aʋa ke la, asrafo ɖea dzi ɖi dzika megatsoa eƒo be yele aʋagbedzi o. Eyata nuwɔwɔ kpata ƒe susu manɔ esi be yeadze aʋa ɖi o. Ne woyɔe kpata be wòatso la, ate ŋu adzɔ be medzra ɖo o. Nenemae wòle le gbɔgbɔ me hã. Ne míeɖe mɔ nuwɔwɔ kpata ƒe susu si le mía si me gbɔdzɔ la, ate ŋu adzɔ be míadzra ɖo ne wodze mía dzi míahayi ʋiʋli ge o.

Gake aleke míawɔ anya ne míeva le nɔnɔme sia me? Míate ŋu abia nya aɖewo mía ɖokui si aɖe alesi tututu nɔnɔmea le afia: Ðe metsɔa dzo ɖe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ŋu abe alesi metsia dzi ɖe tsaɖiƒewo yiyi ŋu enea? Ðe melɔ̃na be mazã ɣeyiɣi adzra ɖo ɖe kpekpeawo ŋu abe alesi megblẽa ɣeyiɣi ɖe asiƒeƒle alo television kpɔkpɔ ŋu enea? Ðe dɔwɔna alo mɔnukpɔkpɔ siwo ŋu meɖe asi le esi meva zu Kristotɔ gadzroama? Ðe alesi wòdzena abe nu le edzi dzem na amewo biãa ŋu nama? Nyabiabia siawo tɔa ame, gake woakpe ɖe mía ŋu míakpɔ gbɔdzɔgbɔdzɔ ɖesiaɖe si le míaƒe gbɔgbɔmeʋawɔnua ŋu adze sii.

Esi aʋawɔnu siwo le mía si míetsɔ kpɔa mía ɖokuiwo ta nye gbɔgbɔmetɔ ta la, ele vevie be Mawu ƒe gbɔgbɔ nawɔ dɔ ɖe mía dzi ɣesiaɣi le míaƒe agbe me. Esia aɖe dzesi le alesi míetsea Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kuwo le míaƒe dɔwɔna ɖesiaɖe me la me. Ne ame bubuwo gblɔ nya aɖe alo wɔ nane si medzɔ dzi na wò o la, ɖe wòɖea fu na wò enumake alo ɖe nèdoa dɔmedzoe gɔ̃ hã? Ðe wòsesẽna na wò be nàxɔ aɖaŋuɖoɖo, alo ɖe nèsusuna be ame bubuwo tɔa ŋku ye ɣesiaɣia? Ðe nusiwo le ame bubuwo si alo woƒe nudzedzinamewo biãa ŋu na wò veviea? Ðe anyinɔnɔ kple ame bubuwo le ŋutifafa me, vevietɔ kple hawòtiwo sesẽna na wòa? Mía ɖokui me dzodzro anukwaretɔe akpe ɖe mía ŋu míanya ne Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetse xɔ míaƒe agbe me loo alo ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo le dzedzem le mía ŋu vivivi.—Galatiatɔwo 5:22-26; Efesotɔwo 4:22-27.

Afɔ Nyuitɔ Siwo Míaɖe Aɖu Gbɔgbɔmegbɔdzɔgbɔdzɔ Dzi

Nya bubu wònye kura be woadze si gbɔgbɔmegbɔdzɔgbɔdzɔ ƒe dzesiwo; eye akɔkpekpe kple wo ahaɖe afɔ aɖɔ wo ɖo hã nye nya bubu le eɖokui si. Nublanuitɔe la, ame aɖewo va nɔ ɖokuinuɖenyawo gblɔm be yewoana kuxia nadze numaɖinu alo agbe kura be naneke meli nenema o. Aleke gbegbe afɔku le ema ŋui enye si—ele abe amesi yia aʋa eye wòkpla aʋawɔnu aɖewo hegblẽ ɖewo ɖi la ene! Nɔnɔme ma aʋu mɔ ɖe mía ŋu gbadzaa na Satana wòadze mía dzi. Ele boŋ be míadze agbagba aɖe afɔ kaba aɖɔ gbɔdzɔgbɔdzɔ ɖesiaɖe si míade dzesii la ɖo. Nukae míate ŋu awɔ?—Romatɔwo 8:13; Yakobo 1:22-25.

Esi wònye gbɔgbɔmeʋa wɔm míele—si nye aʋawɔwɔ be míakpɔ ŋusẽ ɖe susu kple dzi si le mí Kristotɔwo si dzi—ta la, ele be míawɔ nusianu si míate ŋui be míadzɔ míaƒe ŋutetewo ŋu. Ðo ŋku edzi be “dzɔdzɔenyenye ƒe akɔtakpoxɔnu” si kpɔa míaƒe dzi ta, kple “xɔxɔ ƒe gakuku” si kpɔa míaƒe susu ta la le míaƒe gbɔgbɔmeʋawɔnuawo dome. Ne míenya alesi míazã nunana siawo nyuie lae afia ne míaɖu dzi loo alo woaɖu mía dzi.—Efesotɔwo 6:14-17; Lododowo 4:23; Romatɔwo 12:2.

“Dzɔdzɔenyenye ƒe akɔtakpoxɔnu” la kpakpla nyuie bia be míanɔ mía ɖokui dom kpɔ edziedzi le alesi míelɔ̃ nu dzɔdzɔe helé fu sedzimawɔmawɔe gome. (Psalmo 45:8; 97:10; Amos 5:15) Ðe míeɖiɖi míaƒe dzidzenuwo ɖe anyi wosɔ kple xexeame tɔa? Ðe nusiwo anye ne tsã woatso dzika ƒo na mí alo womanyo mía ŋu o va le mía nu vivim fifia—eɖanye nuwɔna ŋutɔŋutɔe wònye loo alo television dzi, kple sinimawo, agbalẽwo, kple magazinewo mee wodze le oa? Nu dzɔdzɔe lɔlɔ̃ akpe ɖe mía ŋu míakpɔe be nusiwo ŋu wodea bubui le xexeame be ablɔɖe le wo me eye wofia ŋkuʋuʋu la ate ŋu anye gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ kple ɖokuiŋudzedze le adza me.—Romatɔwo 13:13, 14; Tito 2:12.

“Xɔxɔ ƒe gakuku” la ɖɔɖɔ bia be míalé yayra wɔnuku siwo le mía ŋgɔ la ɖe susu me vevie, eye míagaɖe mɔ xexeame ƒe vivisese kple dzidzɔdonamenuwo nagakplɔ mí atrae o. (Hebritɔwo 12:2, 3; Yohanes I, 2:16) Nukpɔsusu sia ƒe mía si nɔnɔ akpe ɖe mía ŋu míatsɔ gbɔgbɔmenuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ na ŋutilã me viɖewo alo mía ŋutɔ ƒe dzidzedzekpɔkpɔ. (Mateo 6:33) Eyata be kakaɖedzi nanɔ mía si be míekpla aʋawɔnu sia tututu la, ele be míabia mía ɖokui anukwareɖiɖitɔe be: Taɖodzinu kae le asinye le agbe me? Ðe gbɔgbɔmetaɖodzinu gobii aɖewo le asinyea? Nuka wɔmee mele be maɖo wo gbɔ? Míeɖanye Kristotɔ amesiamina mamlɛawo dometɔwo alo “ameha gã” la me tɔwo o, ele be míasrɔ̃ Paulo, amesi gblɔ be: “Nye ŋutɔ nyemebu ɖokuinye bena, nye asi su edzi haɖe o. Ke nu ɖeka ko menya: Nusiwo le megbenye la, meŋlɔ wo be, hafi nusiwo le ŋgɔnye la, nyãm mele, mele dzesiɖoƒe yome tim.”—Nyaɖeɖefia 7:9; Filipitɔwo 3:13, 14.

Paulo wu alesi wòɖɔ míaƒe gbɔgbɔmeʋawɔnuawoe nu kple aɖaŋuɖoɖo sia be: “Mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖewo katã do gbe ɖa le ɣeawokatãɣi me le Gbɔgbɔ me, eye eyaŋuti minɔ ŋudzɔ, ne mianɔ kukuɖeɖewo dzi ɖaahe ɖe ame kɔkɔewo katã ta.” (Efesotɔwo 6:18) Be míaɖu gbɔgbɔmegbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe dzi alo axe mɔ ɖe enu la, ke esia fia afɔɖeɖe ŋutɔŋutɔ le mɔ eve aɖewo nu si míaɖe: Be míatu ƒomedodo nyui ɖo le mía kple Mawu dome, eye míana ɖekawɔwɔ kplikplikpli nanɔ mía kple hati Kristotɔwo dome.

Ne wòzu numãme na mí be míedoa gbe ‘ƒomeviwo katã’ ɖa (míaƒe nuvɔ̃wo me ʋuʋu, tsɔtsɔke biabia, mɔfiame biabia, akpedada ɖe yayra siwo míexɔ ta, kafukafu siwo tso dzi me) eye míedonɛ ɖa “ɣeawokatãɣi” (le dutoƒo, ɣaɣlaƒe, ɖokuisi, dzi me) la, mía kple Yehowa dome ava nɔ kplikplikpli. Takpɔkpɔ gãtɔ kekeake si míate ŋu akpɔe nye ema.—Romatɔwo 8:31; Yakobo 4:7, 8.

Wogaxlɔ̃ nu mí hã be míado gbe ɖa “ɖe ame kɔkɔewo katã ta,” efia be míadoe ɖa ɖe mía hati Kristotɔwo ta. Ðewohĩ míaɖo ŋku gbɔgbɔmenɔvi siwo le dutanyigbawo dzi siwo le yometiti alo fukpekpe bubuwo me tom la dzi le míaƒe gbedodoɖawo me. Gake Kristotɔ siwo mía kpli wo míewɔa dɔ hedea ha kpli wo tso ŋkeke yi ŋkeke ya ɖe? Enyo be míado gbe ɖa ɖe woawo hã ta, abe alesi Yesu gɔ̃ hã doe ɖa ɖe eƒe nusrɔ̃lawo tae ene. (Yohanes 17:9; Yakobo 5:16) Gbedodoɖa siawo tea mí ƒoa ƒu ɖekae eye wodoa ŋusẽ mí be míanɔ te ɖe “vɔ̃ɖitɔ la” ƒe amedzidzedzewo nu.—Tesalonikatɔwo II, 3:1-3.

Mlɔeba la, apostolo Petro ƒe aɖaŋu si wòɖo lɔlɔ̃tɔe nanɔ susu me na mí vevie be: “Nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ. Eyaŋuti miɖu mia ɖokui dzi, eye minɔ mo xexi hena gbedodoɖa. Ke vevietɔ la mitsɔ lɔlɔ̃ lɔ̃ mia nɔewo vevie; elabena lɔlɔ̃ tsyɔa nuvɔ̃wo ƒe agbɔsɔsɔ dzi.” (Petro I, 4:7, 8) Ele bɔbɔe ŋutɔ be míaɖe mɔ amegbetɔ ƒe blibomademade—ame bubuwo kple mía ŋutɔwo tɔ—naxɔ míaƒe dzi kple susu me ava zu mɔxenu kple nuklikli na mí. Satana nya amegbetɔ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ sia nyuie. Amewo dome mamã ahato ema dzi aɖu wo dzi nye eƒe aɖaŋu vɔ̃awo dometɔ ɖeka. Eyata ele be míatso kaba atsɔ lɔlɔ̃ si nu sẽ atsyɔ mía nɔewo ƒe nuvɔ̃wo dzi, eye ‘míagana mɔ Abosam o.’—Efesotɔwo 4:25-27.

Yi Edzi Nàsẽ Ŋu le Gbɔgbɔ Me Fifia

Ne ède dzesii be yemevu ɖa o alo yeƒe kɔla si yebla medzɔ ɖe kɔme na ye o la, nukae nàwɔ? Zi geɖe la, àdzra nuawo ɖo enumake alesi wòanya wɔe. Ame ʋee aɖewo koe agblẽ wo ɖi nenema anɔ susum be yewo ŋutinu totro mawo megblẽ naneke o. Mina míawɔ nu kaba nenema ne nyaa ku ɖe míaƒe gbɔgbɔmegbɔdzɔgbɔdzɔ ŋu. Ne míedzra mía ɖokui ɖo nyuie le ŋutilã me o la, míakpɔe le amewo ƒe ŋkume be medzɔ dzi na wo o to ŋku si woatsɔ akpɔ míi dzi, gake ne nuwo gblẽ le mía ŋu le gbɔgbɔ me eye míedzra wo ɖo o la, Yehowa makpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu o.—Samuel I, 16:7, 8.

Lɔlɔ̃tɔe la, Yehowa tsɔ nusiwo katã hiã be míaɖe gbɔgbɔmegbɔdzɔgbɔdzɔ ɖesiaɖe ɖa ahayi edzi asẽ ŋu le gbɔgbɔ me la na mí. Etoa Kristotɔwo ƒe kpekpewo, Biblia-srɔ̃gbalẽwo, kple hati Kristotɔ tsitsi nugɔmesenamelawo dzi naa nusi wòle be míawɔ ŋuti ŋkuɖodzinyawo kple aɖaŋuɖoɖowo mí. Mía gbɔe wòkpo ɖo be míaxɔ wo ade wo dɔwɔwɔ me. Esia bia agbagbadzedze kple ɖokuimamlã. Gake ɖo ŋku nusi apostolo Paulo gblɔ anukwareɖiɖitɔe dzi be: “Nye la mele dudime kem ale, bena nyemele ɖikeke me o, eye mele kɔ dam ale, bena nyemedaa dadagbo o; hafi meƒoa nye ŋutilã wòdoa ʋusrã, eye mewɔnɛ kluvi boŋ, bene esi menye gbeƒãɖela na ame bubuwo la, nye ŋutɔ la nyemagazu ame madzemadze o.”—Korintotɔwo I, 9:26, 27.

Nɔ ŋudzɔ, eye mègaɖe mɔ Achilles ƒe afɔkpodzi gbɔgbɔmetɔ naɖo ŋuwò o. Ke boŋ mina míatsɔ ɖokuibɔbɔ kple dzinɔameƒo awɔ nusi hiã fifia be míakpɔ gbɔgbɔmegbɔdzɔgbɔdzɔ ɖesiaɖe si anɔ mía ŋu adze sii eye míaɖu wo dzi.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 19]

“MITE MIA ÐOKUI KPƆ, ABE ÐE MIELE XƆSE ME ENE; MIDO MIA ÐOKUI KPƆ!”—Korintotɔwo II, 13:5.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 21]

“MINƆ MO XEXI HENA GBEDODOÐA. KE VEVIETƆ LA MITSƆ LƆLƆ̃ LƆ̃ MIA NƆEWO VEVIE, ELABENA LƆLƆ̃ TSYƆA NUVƆ̃WO ƑE AGBƆSƆSƆ DZI.”—Petro I, 4:7, 8.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 20]

BIA ÐOKUIWÒ BE . . .

◆ Ðe metsia dzi be mazã ɣeyiɣi adzra ɖo ɖe kpekpeawo ŋu abe alesi metsia dzi ɖe asiƒeƒle kple television kpɔkpɔ ŋu enea?

◆ Ðe alesi wòdzena abe nu le edzi dzem na amewo biãa ŋu nama?

◆ Ðe medoa dziku enumake ne ame bubuwo gblɔ nya aɖe alo wɔ nane si medzɔ dzi nam oa?

◆ Ðe aɖaŋuɖoɖo xɔxɔ sesẽna nam alo ɖe mesusuna be ame bubuwo tɔa ŋkum ɣesiaɣia?

◆ Ðe anyinɔnɔ kple ame bubuwo le ŋutifafa me sesẽna nama?

◆ Ðe meɖiɖi nye dzidzenuwo ɖe anyi wosɔ kple xexeame tɔa?

◆ Ðe gbɔgbɔmetaɖodzinu gobii aɖewo le asinyea?

◆ Nuka wɔm mele be maɖo nye gbɔgbɔmetaɖodzinuwo gbɔ?

[Nɔnɔmetatawo Tsoƒe si le axa 18]

Achilles: Etso agbalẽ si nye Great Men and Famous Women; Roma-srafowo kple axa 21: Historic Costume in Pictures/Dover Publications, Inc., New York

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe