Yi Edzi Nàzɔ Yehowa Ƒe Mɔ Dzi
“Kpɔ mɔ na Yehowa, eye nalé ŋku ɖe eƒe mɔwo ŋu, ekema ado wò ɖe dzi, ne nanyi anyigba la dome.”—PSALMO 37:34.
1, 2. Nukae Yehowa ƒe mɔ dzi zɔzɔ fia na Fia Dawid, eye nukae wòbia le mía gome egbea?
“ÐE MƆ, si mato la fiam, elabena wòe mewu nye luʋɔ dzi na.” (Psalmo 143:8) Egbea Kristotɔwo gbugbɔ gblɔa Fia Dawid ƒe nya mawo tso dzi blibo me. Wodi anukwaretɔe be yewoadze Yehowa ŋu eye yewoazɔ eƒe mɔ dzi. Nukae esia bia? Le Dawid gome la, ebia Mawu ƒe se dzi wɔwɔ. Ebia dziɖoɖo ɖe Yehowa ŋu tsɔ wu be wòawɔ ɖeka kple dukɔwo. Ẽ, ebia Yehowa subɔsubɔ nuteƒewɔwɔtɔe, ke menye dukɔ siwo te ɖe eŋu ƒe mawuwo o. Le Kristotɔwo gome la, zɔzɔ le Yehowa ƒe mɔ dzi bia nu geɖe wu.
2 Mɔ vevi ɖeka si dzi woato azɔ Yehowa ƒe mɔ dzi egbea ye nye be woatsɔ Yesu Kristo ƒe tafevɔsa dzixɔxɔse awɔ dɔe eye woadze si eyama be enye “mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la.” (Yohanes 3:16; 14:6; Hebritɔwo 5:9) Egafia hã be míawu “Kristo ƒe se la” nu si bia be míalɔ̃ mía nɔewo, vevietɔ Yesu nɔvi amesiaminawo. (Galatiatɔwo 6:2; Mateo 25:34-40) Amesiwo zɔa Yehowa ƒe mɔ dzi lɔ̃a eƒe gɔmeɖosewo kple sewo. (Psalmo 119:97; Lododowo 4:5, 6) Wobua woƒe mɔnukpɔkpɔ xɔasi si nye gomekpɔkpɔ le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me nu vevii. (Kolosetɔwo 4:17; Timoteo II, 4:5) Wodoa gbe ɖa ɣeawokatãɣi le agbe me. (Romatɔwo 12:12) Eye ‘wokpɔa nyuie be yewoazɔ pɛpɛpɛ, menye abe numanyamanyatɔwo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene.’ (Efesotɔwo 5:15) Le nyateƒe me la, wometsɔa gbɔgbɔmenu xɔasiwo saa vɔe ɖe ŋutilãmedzidzedzekpɔkpɔwo alo ŋutilãmevivisese manɔsenuwo ta o. (Mateo 6:19, 20; Yohanes I, 2:15-17) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, nuteƒewɔwɔ na Yehowa kple dziɖoɖo ɖe eyama ŋu nye nusiwo le vevie. (Korintotɔwo II, 1:9; 10:5; Efesotɔwo 4:24) Nukata? Elabena nɔnɔme si me míele sɔ kple blema Israel-viwo tɔ.
Ŋuɖoɖeŋu Kple Nuteƒewɔwɔ Hiã
3. Nukatae nuteƒewɔwɔ, xɔse, kple ŋuɖoɖeŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míayi edzi azɔ Yehowa ƒe mɔ dzi?
3 Israel nye dukɔ sue aɖe si dukɔ sẽŋuta siwo wɔa kɔnu manɔsenuwo le tadedeagu na legbawo me la ƒo xlãe. (Kronika I, 16:26) Israel ɖeɖekoe subɔa Mawu makpɔmakpɔ vavã ɖeka si nye Yehowa, eye ebia tso wo si be woalé agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔwo me ɖe asi. (Mose V, 6:4) Nenema ke egbea la, ame miliɔn ʋee aɖewo koe subɔa Yehowa, eye wole agbe le xexe si me tɔwo de biliɔn ade kloe eye woƒe dzidzenuwo kple subɔsubɔnukpɔsusuwo to vovo kura tso wo tɔ gbɔ la dome. Ne míele ame miliɔn ʋee mawo dome la, ele be míanɔ ŋudzɔ be egodotɔwo nagakpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe mía dzi o. Aleke? Nuteƒewɔwɔ na Yehowa Mawu, eyama dzixɔxɔse, kple kakaɖedzi sẽŋu be awɔ eƒe ŋugbedodowo dzi akpe ɖe mía ŋu. (Hebritɔwo 11:6) Esia akpe ɖe mía ŋu be míaɖo ŋu ɖe nusiwo xexeame kpɔa mɔ na ŋu o.—Lododowo 20:22; Timoteo I, 6:17.
4. Nukatae dukɔwo “ƒe nyasã do viviti”?
4 Apostolo Paulo ɖe alesi wòle be Kristotɔwo nato vovo tso xexeame gbɔe fia esi wòŋlɔ be: “Azɔ la mele esia gblɔm, eye mele ɖase ɖim le Aƒetɔ la me bena, azɔ la miagazɔ abe alesi trɔ̃subɔlawo hã zɔna le woƒe tamesusu ƒe yakanyenye me la ene o, amesiwo ƒe nyasã do viviti, eye wonye amedzrowo le Mawu ƒe agbe la gome le numanyamanya, si le wo me la ŋuti, le woƒe dzimesesẽ la ŋuti.” (Efesotɔwo 4:17, 18) Yesue nye ‘kekeli vavã la.’ (Yohanes 1:9) Amesiame si agbe eyama alo agblɔ be yexɔ edzi se gake meɖoa to “Kristo ƒe se la” o la, eƒe “nyasã do viviti.” Wole adzɔge ʋĩ tso Yehowa ƒe mɔ dzi zɔzɔ gbɔ, wonye “amedzrowo le Mawu ƒe agbe la gome.” Xexemenunya ka kee woasusu be ele yewo si o, ‘wole numanyamanya me’ le sidzedze si ko kplɔa ame yia agbe me, si nye Yehowa Mawu kple Yesu Kristo ŋuti sidzedze gome.—Yohanes 17:3; Korintotɔwo I, 3:19.
5. Togbɔ be nyateƒea ƒe kekeli le keklẽm le xexeame hã la, nukatae ame geɖe ƒe dzi ku atri?
5 Gake nyateƒea ƒe kekeli le keklẽm le xexeame! (Psalmo 43:3; Filipitɔwo 2:15) “Nunya [vavãtɔ] le ɣli dom le kpɔdomee.” (Lododowo 1:20) Le ƒe si va yi me la, Yehowa Ðasefowo zã gaƒoƒo si wu biliɔn ɖeka sɔŋ tsɔ ƒo nu na wo haviwo tso Yehowa Mawu kple Yesu Kristo ŋu. Ame akpe alafa geɖe xɔ nya la. Gake ɖe wòle be wòawɔ nuku na mí be ame bubu geɖe gbe nyaa xɔxɔa? Gbeɖe. Paulo ƒo nu tso “woƒe dzimesesẽ” ŋu. Ame aɖewo ƒe dzi ku atri le ɖokuitɔdidi alo galɔlɔ̃ ta. Alakpasubɔsubɔ alo xexeame ƒe nukpɔsusu si bɔ ɖe afisiafi egbea kpɔ ŋusẽ ɖe ame bubuwo dzi. Agbemenya sesẽwo wɔe be ame geɖe gbe Mawu. Ame bubuwo gbe wɔwɔ ɖe Yehowa ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔwo dzi. (Yohanes 3:20) Ðe nu mawo ate ŋu ana be amesi zɔa Yehowa ƒe mɔ dzi ƒe dzi naku atria?
6, 7. Togbɔ be Israel-viwo dea ta agu na Yehowa Mawu hã la, nudzɔdzɔ ka mee wode megbe le, eye nukata?
6 Esia dzɔ ɖe blema Israel dzi abe alesi Paulo ɖee fia ene. Eŋlɔ be: “Nusiawo zu kpɔɖeŋu na mí, bene míaganye nu vɔ̃ɖi dzrolawo, abe alesi wòdzro ame mawo ene la o. Migazu trɔ̃subɔlawo hã abe wo dome ame aɖewo ene o, abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: ‘Dukɔ la bɔbɔ nɔ anyi, woɖu nu, eye wono nu, eye wotsi tre, eye wode asi fefe me.’ Migana míawɔ ahasi, abe alesi wo dome ame aɖewo wɔ ahasi, eye ame akpe blave vɔ etɔ̃ tsrɔ̃ le ŋkeke ɖeka dzi ene la o.”—Korintotɔwo I, 10:6-8.
7 Paulo ƒo nu tso nudzɔdzɔ si me Israel de ta agu na sikanyivi aɖe le Sinai-toa gbɔ ŋu gbã. (Mose II, 32:5, 6) Esia nye tomaɖomaɖo Mawu ƒe se si dzi wolɔ̃ ɖo be yewoawɔ kwasiɖa ʋee aɖewo do ŋgɔ la tẽ. (Mose II, 20:4-6; 24:3) Emegbe Paulo ƒo nu tso ɣeyiɣi si me Israel-viwo wɔ ɖeka kple Moab-nyɔnuwo wode ta agu na Baal la ŋuti. (Mose IV, 25:1-9) Wonɔ agbe blibaa, “wode asi fefe me” le nyivisubɔsubɔ me.a Wonɔ gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nyɔŋuwo le Baal-subɔsubɔ me. (Nyaɖeɖefia 2:14) Nukatae Israel-viwo wɔ nuvɔ̃ siawo? Le esi woɖe mɔ ‘nu vɔ̃ɖiwo dzro’ woƒe dzi ta—eɖanye trɔ̃subɔsubɔa alo nu manɔsenu siwo wowɔ kpe ɖe eŋu ye o.
8. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso nusiwo dzɔ ɖe Israel-viwo dzi me?
8 Paulo fia be ele be míasrɔ̃ nu tso nudzɔdzɔ siawo me. Míasrɔ̃ nuka? Mava susu me na Kristotɔ gbeɖe be wòabɔbɔ ade ta agu na sikanyivi alo blema Moabitɔwo ƒe mawu o. Ke agbegbegblẽnɔnɔ alo agbeblibanɔnɔ ya ɖe? Nusiawo bɔ egbea ŋutɔ, eye ne míena woƒe dzodzro tsi ɖe míaƒe dzi me la, woava mã mía kple Yehowa dome. Emetsonu anɔ pɛpɛpɛ abe ɖe míesubɔ trɔ̃ ene—ate mí ɖa tso Mawu gbɔ. (Tsɔe sɔ kple Kolosetɔwo 3:5; Filipitɔwo 3:19.) Le nyateƒe me Paulo xlɔ̃ nu haxɔsetɔwo tsɔ wu nudzɔdzɔ eve siawo me dzodzro nui be: “Misi le trɔ̃subɔsubɔ la nu!”—Korintotɔwo I, 10:14.
Kpekpeɖeŋu le Mawu ƒe Mɔ Dzi Zɔzɔ Me
9. (a) Kpekpeɖeŋu kae míexɔna be wòakpe ɖe mía ŋu míayi edzi azɔ Yehowa ƒe mɔ dzi? (b) Mɔ ɖeka ka nue míesea ‘nya le mía megbe’ le?
9 Ne míeɖoe kplikpaa be míazɔ Yehowa ƒe mɔ dzi la, womagbe kpekpe ɖe mía ŋu o. Yesaya gblɔe ɖi be: “Miaƒe to ase nya sia le mia megbe bena: Mɔ la enye si, mito edzi! nenye ɖusi me alo mia me miebe, yewoato.” (Yesaya 30:21) Aleke ‘míaƒe towo’ sea ‘nya’ ma ‘le mía megbee’? Nya lae nye be, ame aɖeke mesea gbeɖiɖi ŋutɔŋutɔ aɖe alo xɔa gbedasi tsoa Mawu gbɔ tẽ egbea o. “Nya” si míesena la vana na mí katã le mɔ ɖeka nu. Gbãtɔ kple vevietɔ la, evana to Ŋɔŋlɔ siwo tso gbɔgbɔ me, si nye Biblia, si me Mawu ƒe susuwo kple alesi wòwɔ nu kple amewoe ŋuti nuŋlɔɖi le la dzi. Esi amesiwo nye “amedzrowo le Mawu ƒe agbe la gome” gblɔa togblẽnyawo gbesiagbe ta la, ehiã be míaxlẽ Biblia ade ŋugble le eŋu gbesiagbe bene míanɔ gbɔgbɔmelãmesẽ me. Esia akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na ‘yakanuwo’ eye bene ‘míasu te blibo, anɔ dzadzraɖo ɖi keŋkeŋ hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.’ (Dɔwɔwɔwo 14:14, 15; Timoteo II, 3:16, 17) Ado ŋusẽ mí, atu mí ɖo, akpe ɖe mía ŋu be ‘míaƒe mɔwo nadze edzi na mí.’ (Yosua 1:7, 8) Eyata Yehowa ƒe Nya xlɔ̃ nu be: “Eyata, mi viwo, miɖo tom. Woayra amesiwo dzra nye mɔwo ɖo. Miɖo to amehehe, ne miadze nunya, eye migagbee o.”—Lododowo 8:32, 33.
10. Mɔ evelia ka nue míesea ‘nya le mía megbe’ le?
10 ‘Nya si ɖina le mía megbe’ vana toa “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela,” si naa ‘nuɖuɖu le ɣeyiɣi nyui dzi’ la hã dzi. (Mateo 24:45-47) Mɔ ɖeka si dzi wotona naa nuɖuɖua enye to Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo wotana dzi, eye nuɖuɖu sia do agbogbo le nyitsɔ laa ƒewo me. Le kpɔɖeŋu me, to Gbetakpɔxɔ magazinea dzi la, míaƒe nyagblɔɖiwo gɔmesese me gakɔ ɖe edzi. Woto magazine sia dzi de dzi ƒo na mí be míaku kutri le gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa me togbɔ be amewo ƒe ɖekematsɔleme le dzidzim ɖe edzi hã, wokpe ɖe mía ŋu be míaƒo asa na mɔ̃tetrewo, eye wode dzi ƒo na mí be míatu Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo ɖo. Aleke gbegbe míedea asixɔxɔ nuɖuɖu sia si wonana le ɣeyiɣi nyui dzi ŋu enye si!
11. Ƒo nu tso mɔ etɔ̃lia si nu míate ŋu ase ‘nya le mía megbe’ ŋu.
11 Dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la naa nuɖuɖu to kpekpe siwo míewɔna edziedzi hã dzi. Esiawoe nye míaƒe hame ƒe kpekpewo, ɣleti ade ɖesiaɖe ƒe nutome sue takpekpewo, kple ƒe sia ƒe nutome gã takpekpewo. Kristotɔ nuteƒewɔla kae medea asixɔxɔ kpekpe siawo ŋu o? Wonye kpekpeɖeŋu vevi aɖe siwo doa ŋusẽ mí le Yehowa ƒe mɔ dzi zɔzɔ me. Esi wònye ame geɖe zãa ɣeyiɣi geɖe le dɔ me alo suku dea ha kple amesiwo ƒe dzixɔsewo to vovo na wo tɔ ta la, Kristotɔwo ƒe hadede ɣesiaɣi nye agbetakpɔnu ŋutɔŋutɔ. Kpekpewo naa mɔnukpɔkpɔ nyui mí be ‘míade dzi ƒo na mía nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me.’ (Hebritɔwo 10:24) Míelɔ̃ mía nɔviwo, eye hadede kpli wo dzɔa dzi na mí.—Psalmo 133:1.
12. Tame kae Yehowa Ðasefowo ɖo kplikpaa, eye aleke woɖee fia nyitsɔ laa?
12 Egbea la, gbɔgbɔmenuɖuɖu siawo do ŋusẽ amesiwo ade miliɔn ade kloe ale be wole Yehowa ƒe mɔ dzi zɔm, eye ame miliɔn geɖe bubuwo le Biblia srɔ̃m be woanya alesi woazɔ mɔ sia dzii. Ðe dzi ɖena le wo ƒo le esi woƒe xexlẽme le ʋee ne wotsɔ wo sɔ kple ame biliɔn nane siwo le anyigba dzi ta? Gbeɖe! Woɖoe kplikpaa be yewoayi dzi awɔ ɖe ‘nya si le ɖiɖim le wo megbe’ la dzi, awɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu nuteƒewɔwɔtɔe. Be woaɖe tameɖoɖo sia afia le gaglãgbe la, amesiwo de ƒe 1998/99 “Mawu ƒe Agbemɔ” Nutome Gã Kple Dukɔwo Dome Takpekpewo la da asi ɖe tameɖoɖo kplikpaa aɖe dzi tsɔ ɖe woƒe tenɔnɔ si tso dzi blibo me fia. Woƒe tameɖoɖoa me nyawoe nye esi gbɔna.
Tameɖoɖo Kplikpaa
13, 14. Xexeame ƒe nɔnɔme ŋuti nukpɔsusu si sɔ kae le Yehowa Ðasefowo si?
13 “Mí Yehowa Ðasefo siwo kpe ta ɖe ‘Mawu ƒe Agbemɔ’ Takpekpea me lɔ̃ ɖe edzi tso dzi blibo me be Mawu ƒe mɔe nye agbemɔ nyuitɔ kekeake. Gake míenyae be menye nenemae ameƒomea me tɔ akpa gãtɔ bunɛ egbea o. Amegbetɔƒomea to susu, xexemenunya, kple subɔsubɔ nufiafia vovovowo vɛ le nusi nye agbemɔ nyuitɔ ŋu eye wote wo zazã kpɔ. Ŋkuléle ɖe amegbetɔ ƒe ŋutinya kple nuwo ƒe nɔnɔme le xexeame egbea ŋu anukwaretɔe ɖo kpe edzi be nyateƒee Mawu ƒe nya si woŋlɔ ɖe Yeremya 10:23 nye, be: ‘Amegbetɔ ƒe . . . zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.’
14 “Míekpɔa kpeɖodzi bubuwo gbesiagbe si ɖoa kpe nya mawo ƒe nyateƒenyenye dzi. Amegbetɔƒomea metsɔ ɖeke le Mawu ƒe agbemɔ me le woƒe nuwɔna akpa gãtɔ me o. Amewo wɔa nusi dze woawo ŋutɔ ŋu. Nublanuinyawo sɔŋ ye wòhe vɛ—ƒomewo ƒe gbagbã, si wɔnɛ be ɖeviwo tsia anyi mɔfiame maxɔmaxɔe; ŋutilãmenudidi vivivo, si hea tamanyamanya le ame ƒe agbe ŋu kple dzidzememakpɔmakpɔ vɛ; nu vlo kple ŋutasesẽnuwo wɔwɔ susumanɔmee, si gblẽ nu le ame gbogbo aɖewo ŋutɔ ŋu; gbevovovodolawo dome dzre kple aʋa siwo le amewo tsrɔ̃m ŋɔdzitɔe; agbegbegblẽnɔnɔ si xɔ aƒe ɖe afisiafi, si na nulɔdɔwo bɔ wu gbɔgblɔ. Kuxi manyatalenu siwo gblẽa dzidzɔkpɔkpɔ, ŋutifafa, kple dedienɔnɔ me dometɔ ʋee aɖewo koe nye sia.
15, 16. Tame kae woɖo le Mawu ƒe agbemɔ ŋu le tameɖoɖo kplikpaa la me?
15 “Le nɔnɔme wɔnublanui sia si me amegbetɔƒomea ge ɖo kple ‘Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ,’ si woyɔna be Harmagedon (Nyaɖeɖefia 16:14, 16) la ƒe aƒetutu ta la, mí Yehowa Ðasefowo míeɖoe kplikpaa be:
16 “Gbã: Míebua mía ɖokui be míenye Yehowa Mawu tɔ, elabena mía dometɔ ɖesiaɖe ŋutɔ tsɔ eɖokui ɖe adzɔgbe nɛ le nusianu me, eye míalé Yehowa ƒe nunana si nye tafe si wòna to Via Yesu Kristo dzi la dzixɔxɔse me ɖe asi maʋãmaʋãe. Míeɖoe kplikpaa be míazɔ Mawu ƒe agbemɔ la dzi, anye eƒe Ðasefowo eye míabɔbɔ mía ɖokui ɖe eƒe dziɖulanyenye si wòɖena fiana to Yesu Kristo ƒe fianyenye dzi la te.
17, 18. Tenɔnɔ ka mee Yehowa Ðasefowo ayi edzi alé ɖe asi le agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo kple nɔvi Kristotɔwo ƒe habɔbɔa gome?
17 “Evelia: Míayi edzi alé agbenyuinɔnɔ deŋgɔ kple Biblia ƒe gbɔgbɔmedzidzenu kɔkɔwo me ɖe asi. Míeɖoe kplikpaa be míazɔ abe alesi dukɔwo zɔna le woƒe tamesusu ƒe yakanyenye me ene o. (Efesotɔwo 4:17-19) Míeɖoe kplikpaa be míanɔ dzadzɛ le Yehowa ŋkume eye míadzra mía ɖokui ɖo ɖimaƒomaƒoe tso xexeame.—Yakobo 1:27.
18 “Etɔ̃lia: Míalé míaƒe tenɔnɔ si míetu ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi be xexeame katã ƒe nɔvi Kristotɔwo ƒe habɔbɔe míenye la me ɖe asi goŋgoŋ. Míalé Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade le dukɔwo dome me ɖe asi eye míaɖe mɔ ameƒomevinyenye, dukɔmevinyenye, alo gbegbɔgblɔ ƒe vovototo nade fuléle alo mamã mía me o.
19, 20. (a) Nukae dzila Kristotɔwo awɔ? (b) Aleke Kristotɔ vavãwo katã ayi edzi aɖe wo ɖokui afia be yewonye Kristo ƒe nusrɔ̃lawo?
19 “Enelia: Mí amesiwo nye dzilawo la, míaku Mawu ƒe mɔ la ɖe tome na mía viwo. Míaɖo kpɔɖeŋu nyui le Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ me, si ƒe akpa aɖewoe nye Biblia xexlẽ kple ƒomenusɔsrɔ̃ wɔwɔ edziedzi, Kristotɔwo ƒe hamea ƒe dɔwo kple gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ tso luʋɔ blibo me.
20 “Atɔ̃lia: Mí katã míadze agbagba atu mawumenɔnɔme siwo mía Wɔla la ɖena fiana la ɖo, eye míadze agbagba asrɔ̃ eƒe amenyenye kple eƒe mɔwo, abe alesi Yesu srɔ̃e ene. (Efesotɔwo 5:1) Míeɖoe kplikpaa be míawɔ míaƒe nusianu le lɔlɔ̃ me, eye to ewɔwɔ alea me míaɖee afia be Kristo ƒe nusrɔ̃lawoe míenye.—Yohanes 13:35.
21-23. Nukae Yehowa Ðasefowo ayi edzi awɔ, eye nuka dzie woka ɖo?
21 “Adelia: Míayi gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒea ƒe nyanyuia dzi, awɔ nusrɔ̃lawo, eye míafia Mawu ƒe agbemɔa wo ade dzi ƒo na wo be woayi woƒe hehexɔxɔa dzi le hamea ƒe kpekpewo me.—Mateo 24:14; 28:19, 20; Hebritɔwo 10:24, 25.
22 “Adrelia: Mía dometɔ ɖesiaɖe kple habɔbɔ bliboa, míayi edzi atsɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me. Míana eƒe Nya Biblia nanye míaƒe mɔfianu, míadze ɖe ɖusime alo miame o, eye míatsɔ esia wɔwɔ aɖo kpe edzi be Mawu ƒe mɔ la le ŋgɔ sasasã na xexeame ƒe mɔwo. Míeɖoe kplikpaa be míanɔ Mawu ƒe agbemɔa dzi—míali ɖe edzi goŋgoŋ le nuteƒewɔwɔ me, tso fifia tsɔ yi ɖe mavɔmavɔ me!
23 “Míeɖo tame kplikpaa sia elabena míeka ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodo si me lɔlɔ̃ le dzi be amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me. Míeɖo tame kplikpa alea elabena míeka ɖe edzi be agbenɔnɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe gɔmeɖosewo, aɖaŋuɖoɖo, kple nuxlɔ̃ame nue nye agbemɔ nyuitɔ kekeake egbea eye wònye gɔmeɖoanyi ɖoɖo na etsɔme, ale be míaƒe asi nasu agbe vavã la dzi goŋgoŋ. (Timoteo I, 6:19; Timoteo II, 4:7b, 8) Ƒo wo katã ta la, míeɖo tame kplikpa sia le esi míelɔ̃ Yehowa Mawu kple míaƒe dzi, luʋɔ, tamesusu, kple ŋusẽ blibo ta!
24, 25. Aleke woxɔ tameɖoɖo kplikpaa si wodo ɖa lae, eye tame kae amesiwo zɔa Yehowa ƒe mɔ dzi ɖo kplikpaa?
24 “Ne mi amesiwo katã va takpekpe sia mieda asi ɖe tameɖoɖo kplikpaa sia dzi la, ke taflatse milɔ̃ ɖe edzi be Ẽ!”
25 Ɣli de dzi bobobo le takpekpewɔƒe alafa geɖe le xexeame godoo esi vavalawo katã ɖo nyaa ŋu sesĩe be “Ẽ!” Ðikeke aɖeke mele Yehowa Ðasefowo me be yewoayi edzi azɔ Yehowa ƒe mɔ dzi o. Woka ɖe Yehowa dzi bliboe eye woxɔe se be awɔ eƒe ŋugbedodowo dzi. Woaku ɖe eŋu ɖaa, eɖanye nuka kee adzɔ o. Eye woɖoe kplikpaa be yewoawɔ eƒe lɔlɔ̃nu.
“Mawu Le Mía Dzi”
26. Dzidzɔ ƒe nɔnɔme ka mee amesiwo zɔa Yehowa ƒe mɔ dzi le?
26 Yehowa Ðasefowo ɖoa ŋku hakpala ƒe nuxlɔ̃amea dzi be: “Kpɔ mɔ na Yehowa, eye nalé ŋku ɖe eƒe mɔwo ŋu, ekema ado wò ɖe dzi, ne nanyi anyigba la dome.” (Psalmo 37:34) Womeŋlɔ Paulo ƒe dzideƒonamenyawo be o be: “Ne Mawu le mía dzi la, ameka atsi tre ɖe mía ŋutii? Amesi mehe ye ŋutɔ ƒe Vi ɖe megbe o, ke wòtsɔe hena ɖe mí katã mía ta boŋ; aleke lawɔ, eye matsɔ nuwo katã hã akpe ɖe eŋuti na mí oa?” (Romatɔwo 8:31, 32) Ẽ, ne míeyi edzi zɔ le Yehowa ƒe mɔ dzi la, atsɔ ‘nuwo katã ana mí fũ hena míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ.’ (Timoteo I, 6:17) Teƒe bubu si nyo wu kae gali tsɔ wu afisi míele—si nye Yehowa ƒe mɔ dzi zɔzɔ le hadede me kple mía nɔviŋutsu kpakple nɔvinyɔnu lɔlɔ̃wo. Esi Yehowa le mía dzi ta la, mina míaɖoe kplikpaa be míanɔ afima eye míado dzi vaseɖe nuwuwu, kple kakaɖedzi blibo be le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, míakpɔe wòawɔ eƒe ŋugbedodo ɖesiaɖe dzi keŋkeŋ.—Tito 1:2.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Esi numeɖela aɖe nɔ nu ƒom tso Helagbe me nya si gɔme woɖe le afisia be “de asi fefe me” ŋu la, egblɔ be eku ɖe ɣeɖuɖu siwo yia edzi le trɔ̃subɔlawo ƒe azãɖuƒewo ŋu eye wògblɔ kpee be: “Abe alesi ame geɖe nyae ene la, wotrɔ asi le ɣeɖuɖu siawo dometɔ geɖe ŋu koŋ be woanyɔ dzodzro vɔ̃ɖitɔ kekeake ɖe ame me.”
Èɖo Ŋku Wo Dzia?
◻ Nukae wòbia be Kristotɔ nazɔ le Yehowa ƒe mɔ dzi?
◻ Nukatae wòhiã be míaɖo dzi ɖe Yehowa ŋu ahawɔ nuteƒe nɛ?
◻ Kpekpeɖeŋu kae li na mí esi míele zɔzɔm le Yehowa ƒe mɔ dzi?
◻ Gblɔ tameɖoɖo kplikpaa si dzi míelɔ̃ ɖo le “Mawu ƒe Agbemɔ” Takpekpewo me ƒe nya vevi aɖewo.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 18]
Wolɔ̃ ɖe tameɖoɖo kplikpaa aɖe dzi le “Mawu ƒe Agbemɔ” Nutome Gã Kple Dukɔwo Dome Takpekpewo me