‘Amesiwo Wotsɔ Na Mí’ Be Woakpɔ Yehowa Ƒe Alẽwo Dzi
“Esi wòlia yi dzime ʋĩ la, eɖe aboyo aboyomewo tsɔ yii; ena nunana siwo nye amewo.”—EFESOTƆWO 4:8, NW.
1. Nya kae nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖe gblɔ tso eƒe hamemegãwo ŋu?
“MEDA akpe na mi ɖe alesi gbegbe mieléa be na mí ta. Miaƒe nukomoɖoɖo, miaƒe vividoɖeameŋu, kple ɖetsɔleme tso miaƒe dzime nyateƒe. Miele klalo ɣesiaɣi be miaɖo to mí eye be miatsɔ Biblia me nya siwo doa ŋusẽ ame la ana mí. Medoa gbe ɖa be wòagava eme gbeɖe be mabu mi ame tsɛwoe o.” Nya mawoe nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖe ŋlɔ na hamemegã siwo le eƒe hamea me. Edze ƒã be lɔlɔ̃ si Kristotɔ alẽkplɔla belénamelawo ɖe fia la wɔ dɔ ɖe eƒe dzi dzi.—Petro I, 5:2, 3.
2, 3. (a) Le Yesaya 32:1, 2 ƒe nya nu la, aleke hamemegã siwo ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu léa be na Yehowa ƒe alẽwoe? (b) Ɣekaɣie woate ŋu abu hamemegã be enye nunana?
2 Hamemegãwo nye nunana tso Yehowa gbɔ be woakpɔ eƒe alẽwo ta. (Luka 12:32; Yohanes 10:16) Yehowa melɔ̃a nu le eƒe alẽwo gbɔ o—le nyateƒe me la, elɔ̃ wo ale gbegbe be etsɔ Yesu ƒe ʋu xɔasi la ƒle wo. Eyata mewɔ nuku o be dzi dzɔa Yehowa ne hamemegãwo wɔ nu ɖe eƒe alẽwo ŋu le dɔmetɔtrɔ me. (Dɔwɔwɔwo 20:28, 29) Se alesi woɖɔ hamemegã alo ‘amegã’ siawo le etsɔme le nyagblɔɖi mee ɖa, be: “Amesiame anɔ abe sitsoƒe tso ya nu, bebeƒe tso tsidzadza nu, tɔʋu le gbegbe kple agakpe gã nyadri ƒe vɔvɔli le kuɖiɖinyigba dzi ene.” (Yesaya 32:1, 2) Ẽ, woƒe dɔe nye be woakpɔ eƒe alẽwo ta, anyi wo, eye woafa akɔ na wo. Eyata hamemegã siwo kplɔa alẽawo le dɔmetɔtrɔ me le agbagba dzem be yewoawɔ nusi Mawu di tso wo si.
3 Woƒo nu tso hamemegã siawo ŋu le Biblia me be wonye “nunana siwo nye amewo.” (Efesotɔwo 4:8) Ne èbu nusi nunana nye ŋu la, nusi vaa susu me na amee nye nane si wotsɔ na be wòakpɔ hiahiã aɖe gbɔ alo be wòana dzi nadzɔ amesi xɔe. Woate ŋu abu hamemegã be enye nunana ne ezãa eƒe ŋutetewo tsɔ naa kpekpeɖeŋu si hiã eye wòwɔa nusi ana alẽha la nakpɔ dzidzɔ. Aleke wòate ŋu awɔ esiae? Ŋuɖoɖoa, si dze le Paulo ƒe nya siwo le Efesotɔwo 4:7-16 la, te gbe ɖe Yehowa ƒe ɖetsɔleme lɔlɔ̃tɔe na eƒe alẽwo dzi.
“Nunana Siwo Nye Amewo”—Tso Afika?
4. Le Psalmo 68:19 ƒe emevava me la, mɔ ka nue Yehowa ‘yi dzi me ʋĩ’ le, eye amekawoe nye “nunana siwo nye amewo”?
4 Esi Paulo zã nyagbɔgblɔ si nye “nunana siwo nye amewo” la, nya siwo Fia Dawid gblɔ le Yehowa ŋu be, “Èdzo yi dzi me ʋĩ, èɖe amewo aboyoe, eye nèxɔ nunana [siwo nye amewo, NW]” la gbugbɔ gblɔm wònɔ. (Psalmo 68:19) Esi Israel-viwo va nɔ Ŋugbedodonyigbaa dzi ƒe aɖewo megbe la, Yehowa “yi” Zion-to dzi le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu eye wòwɔ Yerusalem Israel-fiaɖuƒea ƒe fiadu eye Dawid nye eƒe fia. Gake amekawoe nye “nunana siwo nye amewo” ɣemaɣi? Woawoe nye amesiwo woɖe aboyoe esime woxɔ anyigba la. Wotsɔ aboyome siawo dometɔ aɖewo na Lewi-viwo emegbe be woana kpekpeɖeŋu le avɔgbadɔa ŋuti dɔwo me.—Ezra 8:20.
5. (a) Aleke Paulo ɖee fiae be Psalmo 68:19 kpɔ emevava le Kristo-hamea mee? (b) Mɔ ka nue Yesu ‘yi dzi me ʋĩ’ le?
5 Paulo ɖee fia le lɛta si wòŋlɔ na Efesotɔwo me be hakpala la ƒe nyawo kpɔ emevava gãtɔ le Kristo-hamea me. Paulo gbugbɔ Psalmo 68:19 me nyawo gblɔ, eye wòŋlɔ be: “Ke mia dome amesiamee wona amenuveve le Kristo ƒe nunana ƒe dzidzenu la nu. Eyata wogblɔ be: ‘Esi wòlia yi dzime ʋĩ la, eɖe aboyo aboyomewo tsɔ yii; ena nunana siwo nye amewo.’ ” (Efesotɔwo 4:7, 8, NW) Le afisia la, Paulo zã psalmo sia na Yesu wònye Mawu teƒenɔla. Yesu to eƒe nuteƒewɔwɔ me ‘ɖu xexeame dzi.’ (Yohanes 16:33) Eɖu ku kple Satana hã dzi le esi Mawu fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome ta. (Dɔwɔwɔwo 2:24; Hebritɔwo 2:14) Le ƒe 33 M.Ŋ. me la, Yesu si wofɔ ɖe tsitre la yi “dziƒowo katã ƒe dziƒo”—eƒo nuwɔwɔ bubu siwo katã le dziƒo ta. (Efesotɔwo 4:9, 10; Filipitɔwo 2:9-11) Esi Yesu ɖu aʋa dzi ta la, eɖe ‘aboyo amewo’ tso eƒe futɔ la ƒe amewo dome. Alekee?
6. Aleke Yesu si yi dziƒo la dze Satana ƒe aƒemenuwo haha gɔme tso 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzii, eye nukae wòtsɔ ‘aboyomeawo’ wɔe?
6 Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, eɖe alesi wòsesẽ wu Satana fia esi wòxɔ na amesiwo gbɔgbɔ vɔ̃wo de gae. Ðeko wòle abe ɖe Yesu ge ɖe Satana ƒe aƒeme, lée bla, hexɔ eƒe nunɔamesiwo ene. (Mateo 12:22-29) Wò ya bu eŋu kpɔ ko, fifia esi wofɔ Yesu ɖe tsitre eye wotsɔ ‘ŋusẽ katã si le dziƒo kple anyigba dzi de asi nɛ’ la, ate ŋu aha nu gbogbo aɖe ŋutɔ azɔ! (Mateo 28:18) Tso ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi la, Yesu, amesi nye Mawu teƒenɔla si yi dziƒo la, dze Satana ƒe aƒemenuwo haha gɔme to ‘amewo ɖeɖe aboyoe’ me—amesiwo nye kluviwo na nuvɔ̃ kple ku eye wonɔ Satana ƒe ŋusẽ te ɣeyiɣi didi aɖe. ‘Aboyome’ siawo tsɔ wo ɖokui na faa zu “Kristo ƒe dɔla, siwo wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu tso dzi [blibo] me.” (Efesotɔwo 6:6) Míagblɔe ko be Yesu ɖe wo tso Satana ƒe ŋusẽ te eye le Yehowa ƒe ŋkɔ me la, etsɔ wo na hamea wonye “nunana siwo nye amewo.” Kpɔ alesi gbegbe dzi aku Satana esi wonɔ wo xɔm wònɔ eteƒe kpɔm evɔ wɔna aɖeke menɔ eŋu o ɖa!
7. (a) Dɔ kawoe “nunana siwo nye amewo” la wɔna le hameawo me? (b) Mɔnukpɔkpɔ kae Yehowa tsɔ na ŋutsu ɖesiaɖe si nye hamemegã?
7 Ðe míekpɔa ‘amesiawo siwo wotsɔ na’ la le hamea me egbea? Ẽ, míekpɔa wo! Woawoe nye hamemegãwo, ‘nyanyuigblɔlawo, alẽkplɔlawo, kple nufialawo,’ amesiwo le vevie dom nu le Mawu ƒe hame siwo wu 87,000 le xexeame katã la me. (Efesotɔwo 4:11) Naneke mado dzidzɔ na Satana tsɔ wu be wòakpɔ wo woanɔ ŋuta sẽm le alẽha la ŋu o. Gake menye susu ma tae Mawu tsɔ wo na hamea to Kristo dzi o. Ke boŋ Yehowa tsɔ amesiawo na be woakpɔ hamea ƒe dedienɔnɔ ta, eye woabu akɔnta nɛ le alẽ siwo wotsɔ de wo si ŋu. (Hebritɔwo 13:17) Ne hamemegãe nènye la, ke Yehowa na mɔnukpɔkpɔ wɔnuku aɖe wò be nàɖee afia be yenye nunana, alo yayra na nɔviwòwo. Àte ŋu awɔ nenema to agbanɔamedzi vevi ene aɖewo tsɔtsɔ me.
Ne ‘Ðɔɖɔɖo’ Hiã
8. Mɔ kawo nue mí katã míehiã ɖɔɖɔɖo le ɣeaɖewoɣi?
8 Gbã la, Paulo gblɔ be wotsɔ “nunana siwo nye amewo” na be ‘woaɖɔ ame kɔkɔewo ɖo.’ (Efesotɔwo 4:12) Helagbe me nya si gɔme woɖe le afisia be ‘ɖɔɖɔɖo’ fia be ‘woagada nane ɖe mɔ nyuitɔ dzi.’ Esi míenye ame madeblibowo ta la, mí katã míehiã ɖɔɖɔɖo ɣeaɖewoɣi—bene míaƒe tamebubu, nɔnɔme, alo nuwɔna ‘nagatrɔ ɖe mɔ nyuitɔ dzi’ asɔ kple Mawu ƒe susu kple lɔlɔ̃nu. Yehowa na “nunana siwo nye amewo” mí lɔlɔ̃tɔe be woakpe ɖe mía ŋu míawɔ ɖɔɖɔɖo siwo hiã. Aleke wowɔa esiae?
9. Aleke hamemegã ate ŋu ana kpekpeɖeŋu le alẽ si da vo la ɖɔɖɔɖo me?
9 Ɣeaɖewoɣi la, woabia tso hamemegã si be wòakpe ɖe alẽ aɖe si da vo, eye ɖewohĩ ‘vodada la ɖi ɖee’ ŋu. Aleke hamemegã la akpe ɖe eŋui? Galatiatɔwo 6:1 gblɔ be: “Miɖɔ nenem me sia ɖo le dɔmefafa ƒe gbɔgbɔ la me.” Eyata ne hamemegã le aɖaŋu ɖom na vodalaa la, mele be wòanɔ bublum ɖe eta, anɔ gbe dam ɖe egbɔ o. Ele be aɖaŋuɖoɖo nade dzi ƒo na ame, ke menye be ‘wòado vɔvɔ̃’ na amesi wole eɖom na la o. (Korintotɔwo II, 10:9; tsɔe sɔ kple Hiob 33:7.) Anɔ eme be ŋukpe lé amesi da voa xoxo, eyata alẽkplɔla lɔ̃ame aƒo asa na dzi gbagbã nɛ. Ne wòdze ƒã be lɔlɔ̃e ʋã ame woɖo aɖaŋu, alo ka mo si nu sẽ gɔ̃ hã, eye wowɔe lɔlɔ̃tɔe la, ele eme be ada vodala la ƒe tamebubu alo agbenɔnɔ ɖe mɔ dzi, ale be wòagaɖo te.—Timoteo II, 4:2.
10. Nukae ameɖɔɖɔɖo bia?
10 Susu si ta Yehowa tsɔ “nunana siwo nye amewo” na be woaɖɔ mí ɖoe nye be hamemegãwo nana gbɔɖeme le gbɔgbɔ me eye woanye amesiwo dze eƒe amewo nasrɔ̃. (Korintotɔwo I, 16:17, 18; Filipitɔwo 3:17) Menye amesiwo da vo la ɖɔɖɔ ɖo koe ameɖɔɖɔɖo bia o, ke ebia hã be woakpe ɖe nuteƒewɔlawo ŋu be woanɔ mɔ dzɔdzɔe dzi.a Egbea le kuxi gbogbo siwo ɖea dzi le ame ƒo ta la, ame geɖe hiã dzideƒonyawo bene woanɔ te sesĩe. Ame aɖewo ahiã kpekpeɖeŋu lɔlɔ̃tɔe be wòana woƒe tamesusu nasɔ kple Mawu tɔ. Le kpɔɖeŋu me, ele fu ɖem na Kristotɔ nuteƒewɔla aɖewo vevie be yewomedze o alo be yewomeɖi naneke o. ‘Blanuiléla mawo’ ate ŋu ase le wo ɖokui me be yewoƒe nu mate ŋu adze Yehowa ŋu gbeɖe o eye be aleke ke yewodze agbagbae be yewoasubɔ Mawu gɔ̃ hã la, madze eŋu gbeɖe o. (Tesalonikatɔwo I, 5:14) Gake nuŋububu alea mewɔ ɖeka kple alesi tututu Mawu sena le eɖokui me ɖe esubɔlawo ŋu o.
11. Nukae hamemegãwo ate ŋu awɔ akpe ɖe amesiwo wòɖea fu na be viɖe mele yewo ŋu o ŋu?
11 Hamemegãwo, nukae miate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe ame mawo ŋu? Migblɔ kpeɖodzi siwo le Ŋɔŋlɔawo me na wo dɔmenyotɔe be Yehowa tsɔ ɖe le eme na esubɔla ɖesiaɖe eye mina woaka ɖe edzi be woawo tututu ŋue Biblia ƒe kpukpui siawo ku ɖo. (Luka 12:6, 7, 24) Mikpe ɖe wo ŋu woase egɔme be Yehowae ‘he wo vɛ’ be woasubɔ eyama, eyata woxɔ asi le egbɔ kokoko. (Yohanes 6:44) Ka ɖe edzi na wo be menye woawo ɖeɖekoe o—Yehowa subɔla nuteƒewɔla geɖe hã se le wo ɖokui me nenema kpɔ. Nyagblɔɖila Eliya lé blanui vevie nenema kpɔ eye wòdi ku. (Fiawo I, 19:1-4) Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ amesiamina aɖewo ŋutɔ ƒe dzi ‘bu fɔ’ wo. (Yohanes I, 3:20) Efaa akɔ na ame ne míenya be ‘nu te ɖe’ nuteƒewɔla siwo nɔ anyi le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me ‘dzi abe míawo ke ene.’ (Yakobo 5:17) Miate ŋu adzro nyati dedziƒoname siwo le Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! hã me kple amesiwo lé blanui. Mawu si tsɔ mi na mienye “nunana siwo nye amewo” la maŋlɔ miaƒe agbagbadzedze lɔlɔ̃tɔe be yewoana dzi nagaɖo amesiawo ƒo la be o.—Hebritɔwo 6:10.
Alẽha la ‘Tutuɖo’
12. Nuka nyagbɔgblɔ si nye “Kristo ƒe ŋutilã tutu” fia, eye nukae nye nu vevi si hiã hena alẽha la tutu?
12 Evelia, wotsɔ “nunana siwo nye amewo” na hena “Kristo ƒe ŋutilã tutu.” (Efesotɔwo 4:12) Kpɔɖeŋunyagbɔgblɔe Paulo zã le afisia. “Tutu” si he míaƒe susu yi xɔtutu dzi, eye “Kristo ƒe ŋutilã” fia amewo—Kristotɔ amesiaminawo ƒe hametɔwo. (Korintotɔwo I, 12:27; Efesotɔwo 5:23, 29, 30) Ehiã be hamemegãwo nakpe ɖe wo nɔviwo ŋu be ŋusẽ nanɔ wo ŋu le gbɔgbɔ me. Woƒe taɖodzinue nye be ‘woado’ alẽha la ‘ɖe ŋgɔ, eye menye be woagblẽ wo dome o.’ (Korintotɔwo II, 10:8) Lɔlɔ̃e nye nu vevi si hiã bene woatu alẽha la ɖo, elabena “lɔlɔ̃ la tua ame [ɖo].”—Korintotɔwo I, 8:1.
13. Nukae wòfia be woanye veveseɖeamenula, eye nukatae wòle vevie be hamemegãwo nase veve ɖe ame nu?
13 Nu vevi aɖe si le lɔlɔ̃ ŋu si akpe ɖe hamemegãwo ŋu le alẽha la tutuɖo mee nye veveseseɖeamenu. Be woanye veveseɖeamenula fia be woase veve ɖe ame bubuwo ti—si fia be woase woƒe nukpɔsusu kple seselelãmewo gɔme, abu woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu. (Petro I, 3:8) Nukatae wòle vevie be hamemegãwo nanye veveseɖeamenulawo? Ƒo wo katã ta la, le esi Yehowa—amesi tsɔ “nunana siwo nye amewo” na—nye Mawu si sea veve ɖe ame nu tae. Ne esubɔlawo le fu kpem alo le veve sem la, etena ɖe edzi. (Mose II, 3:7; Yesaya 63:9) Enya woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo. (Psalmo 103:14) Gake aleke hamemegãwo ate ŋu aɖe veveseseɖeamenu afiae?
14. Mɔ kawo nue hamemegãwo ate ŋu aɖe veveseseɖeamenu afia amewo le?
14 Ne amesi ƒo dzi ɖe le te ɖe wo ŋu la, woaɖo to, ase amea ƒe seselelãmewo gɔme. Woadze agbagba be yewoanya nusiwo me yewo nɔviwo to le agbe me, ase woƒe amenyenye kple nɔnɔmewo gɔme. Emegbe ne hamemegãwo na kpekpeɖeŋu tuameɖo si tso Ŋɔŋlɔawo me la, anɔ bɔbɔe na alẽawo be woaxɔe elabena etso alẽkplɔla siwo sea nu gɔme eye wotsɔa ɖe le eme na wo vavã la gbɔ. (Lododowo 16:23) Azɔ hã veveseseɖeamenu aʋã hamemegãwo be woabu afisi amewo ƒe ŋutetewo se ɖo kple seselelãme siwo ema ate ŋu ahe vɛ ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Kristotɔ siwo tsɔa dzo ɖe dɔ ŋu ate ŋu abu fɔ wo ɖokui le esi womete ŋu le geɖe wɔm le Mawu subɔsubɔ me o, ɖewohĩ le tsitsi alo lãmegbegblẽ ta. Le go bubu me la, ame aɖewo ahiã dzideƒo be woana woƒe subɔsubɔdɔa nanyo ɖe edzi. (Hebritɔwo 5:12; 6:1) Veveseseɖeamenu aʋã hamemegãwo be ‘woadi nya vivi’ siwo atu amewo ɖo. (Nyagblɔla 12:10) Ne wotu Yehowa ƒe alẽwo ɖo eye wodo ŋusẽ wo la, woƒe lɔlɔ̃ na Mawu aʋã wo be woawɔ woƒe ŋutete katã le esubɔsubɔ me!
Ŋutsu Siwo Doa Ðekawɔwɔ Ðe Ŋgɔ
15. Nukae nyagbɔgblɔ ‘dzixɔse ƒe ɖekanyenye’ fia?
15 Etɔ̃lia, wotsɔ “nunana siwo nye amewo” na bene “mí katã míade Mawuvi la dzixɔse kple sidzedze [vavãtɔ] ƒe ɖekanyenye la gbɔ.” (Efesotɔwo 4:13) Nyagbɔgblɔ si nye “dzixɔse . . . ƒe ɖekanyenye” fia ɖekawɔwɔ menye le dzixɔsewo gome ɖeɖeko o ke le xɔsetɔwo hã dome. Eyata esia nye susu bubu si ta Mawu tsɔ “nunana siwo nye amewo” na mí—be woana ɖekawɔwɔ nanɔ eƒe amewo dome. Aleke wowɔa esiae?
16. Nukatae wòle vevie be hamemegãwo nana ɖekawɔwɔ nanɔ woa ŋutɔwo dome?
16 Gbã la, ele be ɖekawɔwɔ nanɔ woa ŋutɔwo dome. Ne mamã le alẽkplɔlawo dome la, awɔe be alẽawo makpɔ beléle nyui o. Awɔe be woazã ɣeyiɣi xɔasi siwo woate ŋu azã na alẽhaa kpɔkplɔ la madzemadzee ɖe kpekpe siwo xɔa ɣeyiɣi didi kple nya siwo mele vevie o ŋu. (Timoteo I, 2:8) Hamemegãwo ƒe susu mate ŋu asɔ le nya sia nya si me woadzro me ɣesiaɣi o, elabena wonye amesiwo ƒe amenyenye to vovo kura na wo nɔewo tɔ. Ðekawɔwɔ mefia be nukpɔsusu si to vovo naganɔ wo si alo woagagblɔe alesi da sɔ ne wole nya me dzrom amesiame le eƒe susu gblɔm faa o. Hamemegãwo akpɔ woƒe ɖekawɔwɔ ta ne woaɖo to wo nɔewo bubutɔe nazãmabumabui. Eye ne menye dada le Biblia ƒe gɔmeɖose aɖeke dzi o ko la, ele be wo dometɔ ɖesiaɖe nalɔ̃ faa aɖe asi le nya ŋu ada asi ɖe hamemegãwo ƒe ha la ƒe nyametsotso si wowɔ mlɔeba dzi. Lɔlɔ̃ faa aɖe asi le nya ŋu ɖenɛ fiana be “nunya, si tso dziƒo” si ƒe “dɔme fana, [hefaa] tu” ye fiaa mɔ wo.—Yakobo 3:17, 18.
17. Kpekpeɖeŋu kae hamemegãwo ate ŋu ana be ɖekawɔwɔ nanɔ hamea me?
17 Hamemegãwo kpɔa egbɔ hã be ɖekawɔwɔ nanɔ hamea me. Ne nusiwo ate ŋu ahe mamã vɛ—abe amenyagbɔgblɔ vɔ̃ɖi, susu vɔ̃ bubu ɖe ame ŋu, alo dzrewɔwɔ ene—di be yeagblẽ ŋutifafa dome la, woɖoa aɖaŋu nyuiwo enumake. (Filipitɔwo 2:2, 3) Le kpɔɖeŋu me, anɔ eme be hamemegãwo nya amesiwo dia vodada le ame ŋu kakaka alo dea nu ame bubuwo ƒe nya me si wɔnɛ be wova zua gaglãsudolawo. (Timoteo I, 5:13; Petro I, 4:15) Hamemegãwo adze agbagba akpe ɖe amesiawo ŋu be woadze sii be afɔ si ɖem wole mesɔ kple nusi Mawu fia mí o eye ele be amesiame ‘natsɔ ye ŋutɔ ƒe agba.’ (Galatiatɔwo 6:5, 7; Tesalonikatɔwo I, 4:9-12) Woazã Ŋɔŋlɔawo atsɔ aɖe nu me be Yehowa gblẽa nu geɖe ɖe mía ŋutɔwo si be míazã míaƒe dzitsinya, eye mele be mía dometɔ aɖeke nadrɔ̃ ʋɔnu ame bubu le nya mawo ŋuti o. (Mateo 7:1, 2; Yakobo 4:10-12) Be míasubɔ le ɖekawɔwɔ me la, ele be kakaɖeamedzi kple bubudedeameŋu ƒe nɔnɔme nanɔ hamea me. Ne ehiã la, “nunana siwo nye amewo” toa Ŋɔŋlɔawo ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi kpena ɖe mía ŋu be ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ nakpɔtɔ anɔ mía dome.—Romatɔwo 14:19.
Alẽha la Ta Kpɔkpɔ
18, 19. (a) Amekawo si mee “nunana siwo nye amewo” kpɔa mía ta tsonɛ? (b) Afɔku bubu kawo mee wòhiã be woakpɔ alẽawo ta tsoe, eye aleke hamemegãwo wɔa nu tsɔ kpɔa alẽawo tae?
18 Enelia, Yehowa tsɔ “nunana siwo nye amewo” na be woakpɔ mía ta ne ‘nufiafia ƒe ya sia ya si tso amewo ƒe beble me to aɖaŋu vɔ̃, si nu sẽ me, le nudadafiafia ƒe amebeblemɔ nu’ nagaflu mí o. (Efesotɔwo 4:14) Wogblɔ be nya si tututu wozã “aɖaŋu vɔ̃” na fia “aɖidada amebabatɔe” alo “aɖidakpevia totro aɖaŋutɔe.” Ðe esia meɖo ŋku alesi xɔsegbelawo flua ame aɖaŋutɔe dzi na mí oa? Wogblɔa tomefienyawo, trɔa Ŋɔŋlɔawo kple susu be yewoable Kristotɔ vavãwo tso woƒe xɔse gbɔ. Ele be hamemegãwo nanɔ ŋudzɔ ɖe ‘amegãxi nyanyra’ mawo ŋu!—Dɔwɔwɔwo 20:29, 30.
19 Ele be woakpɔ Yehowa ƒe alẽwo ta tso afɔku bubuwo hã me. Blematɔ alẽkplɔla Dawid kpɔ fofoa ƒe alẽha ta tso lãlénuwo si me vɔvɔ̃manɔmee. (Samuel I, 17:34-36) Egbea hã la, nɔnɔmewo ate ŋu ado mo ɖa si me wòahiã le be Kristotɔ alẽkplɔla siwo tsɔa ɖe le eme na ame naɖe dzinɔameƒo afia be woakpɔ alẽha la ta tso amesiame si asẽ ŋuta le Yehowa ƒe alẽwo ŋu alo ate wo ɖe anyi si me, vevietɔ esiwo ŋu ŋusẽ mele o. Hamemegãwo atso kaba aɖe amesiwo bua wɔa nuvɔ̃, eye woɖonɛ koŋ zãa aɖaŋu vɔ̃, amebeble, kple tamevɔ̃ɖoɖo be yewoanɔ nuvɔ̃wɔwɔ dzi la ɖa le hamea me.b—Korintotɔwo I, 5:9-13; tsɔe sɔ kple Psalmo 101:7.
20. Nukatae míate ŋu ase le mía ɖokui me be míele dedie le ‘amesiwo wotsɔ na mí’ ƒe beléle te?
20 Aleke gbegbe míeda akpe ɖe ‘amesiwo wotsɔ na mí’ tae nye esi! Le woƒe beléle lɔlɔ̃tɔe me la, míate ŋu ase le mía ɖokui me be míele dedie, elabena woɖɔa mí ɖo lɔlɔ̃tɔe, wotua mí ɖo le lɔlɔ̃ me, wotsona kaba kpɔa míaƒe ɖekawɔwɔ ta, eye wokpɔa mía ta dzinɔameƒotɔe. Gake aleke wòle be “nunana siwo nye amewo” nabu akpa si wowɔna le hamea mee? Eye aleke míaɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu? Míadzro biabia siawo me le nyati si kplɔe ɖo me.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Le Helagbe me Septuagint Biblia me la, wozã dɔwɔnya sia ke eye woɖe egɔme be “ɖɔ ɖo” le Psalmo 17[16]:5, afisi nuteƒewɔla Dawid do gbe ɖa le be yeƒe afɔɖeɖewo nali ɖe Yehowa ƒe mɔwo dzi sesĩe.
b Le kpɔɖeŋu me, kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” si dze le November 15, 1979, Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ ƒe axa 31-2 me, kple “Mina Míatsri Vɔ̃” si dze le Eʋegbe tɔ, January 1, 1997, axa 26-9 me.
Èɖo Ŋku Wo Dzia?
◻ Amekawoe nye “nunana siwo nye amewo,” eye nukatae Mawu tsɔ wo na hamea to Kristo dzi?
◻ Aleke hamemegãwo tsɔa woƒe agbanɔamedzi si nye alẽha la ɖɔɖɔɖoe?
◻ Nukae hamemegãwo ate ŋu awɔ atsɔ atu haxɔsetɔwo ɖoe?
◻ Aleke hamemegãwo ate ŋu akpɔ hamea ƒe ɖekawɔwɔ tae?
[Nɔnɔmetata si le axa 10]
Veveseseɖeamenu kpena ɖe hamemegãwo ŋu wodea dzi ƒo na amesiwo lé blanui
[Nɔnɔmetata si le axa 10]
Ðekawɔwɔ nɔa hamea me ne ɖekawɔwɔ le hamemegãwo dome