INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 6/15 axa 14-19
  • Wɔla La Ate Ŋu Ana Gɔmesese Nanɔ Wò Agbe Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wɔla La Ate Ŋu Ana Gɔmesese Nanɔ Wò Agbe Ŋu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ŋuɖoɖowo Kple Gɔmesese Didi
  • Susu Siwo Ta Woaxɔe Ase
  • Na Wɔla la Nana Gɔmesese Nanɔ Wò Agbe Ŋu
  • Mía Wɔla Gã la Tsɔa Ðe Le Eme na Mí!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Wɔwòla—Nya Amesi Ƒomevi Wònye
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Aleke Xexea Kple Agbe Wɔ Va Dzɔ?
    Nyɔ!—2002
  • Eka Dzie Wòle Be Nàxɔ Ase?
    Nyɔ!—2021
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 6/15 axa 14-19

Wɔla La Ate Ŋu Ana Gɔmesese Nanɔ Wò Agbe Ŋu

“Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ, elabena ede se, eye wodzɔ.”—PSALMO 148:5.

1, 2. (a) Biabia ka ŋue wòle be míade ŋugble le? (b) Aleke Yesaya ƒe biabia la ku ɖe xexemewɔwɔ ŋui?

‘MÈNYA oa?’ Nya sia adze abe gbetɔame ene, wòaʋã ame geɖe woabia be, ‘Nyemenya nuka o?’ Gake enye biabia si nye ŋkubiãnya. Míate ŋu ase ŋuɖoɖoa gɔme nyuie wu ne míenya afisi biabiaa dze le—si nye le Biblia-gbalẽ si nye Yesaya ƒe ta 40 lia me. Blema Hebritɔ Yesaya ye ŋlɔe, eyata biabiaa gbɔ metsɔ o. Gake egasɔ na míaƒe ɣeyiɣia hã ŋutɔ, eye eku ɖe nusi tututu ta nèle agbe ɖo ŋu.

2 Esi biabiaa le vevie nenema gbegbe ta la, ehiã vevie be míabu esi dze le Yesaya 40:28 ŋu, be: “Mènyae, eye mèsee kpɔ be, Mawu mavɔ enye Yehowa, amesi wɔ anyigba ƒe mlɔeanuwo oa?” (Míawoe te gbe ɖe edzi.) Eyata anyigba Wɔla la ‘nyanya’ ŋue nya la ku ɖo, eye nya bubuawo ɖee fia be mese ɖe anyigba la ɖeɖeko dzi o. Yesaya ŋlɔ nu tso ɣletiviwo ŋu le kpukpui eve siwo do ŋgɔ me be: “Mifɔ mo dzi, ne miakpɔ nu! Ameka wɔ nusiawo, eye wòkplɔa eŋu nuwo doa goe dedie? . . . Eye wo dometɔ aɖeke mesusɔna o le eƒe ŋusẽ geɖe kple alɔkame sesẽ la nu.”

3. Ne ènya nu geɖe tso Wɔla la ŋu xoxo hã la, nukata wòle be nàganya geɖe kpee?

3 Ẽ, xexeame katã Wɔla la ŋu koŋ ye biabia si nye ‘Mènya oa?’ ku ɖo. Ðewohĩ ènya be Yehowae nye “amesi wɔ anyigba ƒe mlɔeanuwo.” Anɔ eme be ènya nu geɖe tso eƒe amenyenye kple eƒe mɔwo hã ŋu. Gake ne èdo go ŋutsu alo nyɔnu aɖe si meka ɖe edzi be Wɔla li o eye wòdze kɔte be menya amesi ƒomevi wònye o ɖe? Mele be wòawɔ nuku na wò be nàdo go ame aɖe nenema o, elabena ame miliɔn gbogbo aɖewo li siwo menya be Wɔla li alo xɔ edzi se o.—Psalmo 14:1; 53:2.

4. (a) Nukata ŋugbledede tso Wɔla la ŋu nye nusi sɔ le ɣeyiɣi sia me? (b) Ŋuɖoɖo kawoe dzɔdzɔmeŋutinunya mate ŋu ana o?

4 Wofiaa nu ame geɖe le suku wodona va zua ɖikela siwo susunɛ be dzɔdzɔmeŋutinunyae akpɔ (alo be ava kpɔ ta na) nya siwo ku ɖe alesi xexeame wɔ va dzɔ kple afisi agbe dze egɔme tsoe. Le agbalẽ si nye The Origin of Life (si ƒe tanya ŋutɔŋutɔ le Fransegbe mee nye: Aux Origines de la Vie) me la, eŋlɔla siwo nye Hagene kple Lenay gblɔ be: “Wogale alesi agbe wɔ dze egɔme ŋu nya hem le ƒe alafa blaeve vɔ ɖekɛ lia ƒe gɔmedzedze. Ebia be woaku kuxi sia si sesẽ be woakpɔ ta na me le goawo katã me, tso yamenutome gbahoo la dzi vaseɖe nu suetɔ kekeake dzi.” Azɔ hã ta mamlɛa si nye, “Biabia la Kpɔtɔ Li,” gblɔ be: “Míekpɔ dzɔdzɔmeŋutinunya me ŋuɖoɖo aɖewo na biabia si nye, Aleke agbe wɔ va dzɔ le anyigba dzi? Gake nukata agbe dzɔ? Ðe tameɖoɖo aɖe le agbe ŋua? Dzɔdzɔmeŋutinunya mate ŋu aɖo biabia siawo ŋu o. Biabia si wodia ŋuɖoɖo na koe nye ‘aleke.’ Evɔ la, ‘aleke’ kple ‘nukata’ nye biabia eve siwo to vovo na wo nɔewo kuraa. . . . Le biabia si nye ‘nukata’ gome la, ele be xexemenunya, mawusubɔsubɔ kple—ƒo wo katã ta la—mía dometɔ ɖesiaɖe, nadi eƒe ŋuɖoɖo.”

Ŋuɖoɖowo Kple Gɔmesese Didi

5. Ameka ƒomeviwo koŋue nusɔsrɔ̃ tso Wɔla la ŋu aɖe vi na?

5 Ẽ, míedi be míase nusita agbe dzɔ—eye vevietɔ nusita míele afisia ɖo—gɔme. Gakpe ɖe eŋu la, ele be míatsɔ ɖe le amesiwo melɔ̃ ɖe edzi be Wɔla aɖe li o eye nu sue aɖe koe wonya le eƒe mɔwo ŋu me. Alo bu amesiwo ƒe nɔnɔme wɔe be woƒe nukpɔsusu le Mawu ŋu to vovo kura tso Biblia tɔ gbɔ ŋu kpɔ. Ɣedzeƒenutowo me alo afisi ame akpa gãtɔ mebua Mawu be enye ame ŋutɔŋutɔ si si amenyenye nyoameŋu le o lae ame biliɔn geɖe nɔ tsi. Le woawo gome ne woyɔ “mawu” la, dzɔdzɔmeŋusẽ maɖedzesi alo nuwɔŋusẽ manyeame aɖe koe vaa susu me na wo. ‘Womenya Wɔla la’ alo eƒe mɔwo o. Ne woamawo, alo ame miliɔn geɖe siwo si nukpɔsusu mawo tɔgbe le, ava dze sii be Wɔla aɖe li la, vi gbogbo ka gbegbee nye si wòaɖe na wo, hekpe ɖe agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ ŋu! Azɔ hã nane si mebɔ kura o ate ŋu asu wo si—si nye gɔmesese kple tameɖoɖo ŋutɔŋutɔ si le agbe ŋu kpakple vovo le susu me.

6. Aleke amesiwo li egbea dometɔ geɖe ƒe agbenɔnɔ ɖi nusi me Paul Gauguin to kple eƒe nutatawo dometɔ ɖekae?

6 Le kpɔɖeŋu me: Le ƒe 1891 me la, France-nutala Paul Gauguin yi French Polynesia, si de sɔsɔ ge kple paradiso, be yeanɔ agbe kpɔdzidzedze le afima. Gake mexɔ ɣeyiɣi aɖeke hafi agbe baɖabaɖa si wònɔ va yi la kplɔ dɔléle ƒu eya kple ame bubuwo o. Esi wòkpɔ be yeƒe kuɣi gogo la, eta nu gã aɖe ɖe avɔ dzi si dze abe etsɔe ‘nɔ fiafiam be agbe nye nya ɣaɣla goglo aɖe’ ene. Ènya ŋkɔ si Gauguin tsɔ na nutata maa? Eyɔe be: “Afika Míedzɔ Tso? Amekawoe Míenye? Afikae Míeyina?” Biabia mawo aɖi biabia siwo nèse kpɔ. Ame geɖe bianɛ. Gake ne womekpɔ ŋuɖoɖo siwo me kɔ o—ne womekpɔ gɔmesese ŋutɔŋutɔ si le agbe ŋu o—la, afikae woate ŋu atrɔ ɖo? Woaƒo nya ta be yewoƒe agbe meto vovo boo na lãwo tɔ o.—Petro II, 2:12.a

7, 8. Nukata dzɔdzɔmeŋutinunya me numekukuwo megogo afi aɖeke kura o?

7 Eyata àte ŋu ase nusita dzɔdzɔmeŋusẽŋununyafialagã Freeman Dyson ŋlɔ nya sia me be: “Makpɔ amewo akpe ɖe ŋunye kpaŋkpaŋ ne mebia nya siwo Hiob bia la ake. Nukatae míekpea fu ɖo? Nukatae madzɔmadzɔnyenye bɔ ɖe xexeame alea gbegbe ɖo? Nuka wɔm vevesese kple dzɔgbevɔ̃edzɔɖeamedziwo le?” (Hiob 3:20, 21; 10:2, 18; 21:7) Abe alesi míegblɔe va yi ene la, ame geɖe trɔna ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya ŋu na ŋuɖoɖowo le esi woatrɔ ɖe Mawu ŋu teƒe. Agbeŋutinunyalawo, atsiaƒuŋutinunyalawo, kple ame bubuwo tsɔ nu yeyewo le kpekpem ɖe nusiwo míenya le míaƒe anyigba kple nugbagbe siwo le edzi la ŋu. Ɣletiviŋununyalawo kple dzɔdzɔmeŋusẽŋununyalawo hã ɖo ta teƒe bubu le nu yeyewo srɔ̃m tso míaƒe ɣe kple eŋu ɣletinyigbawo, kple ɣletiviwo kpakple ɣletivihatsotso siwo le adzɔge ʋĩ ke hã ŋu. (Tsɔe sɔ kple Mose I, 11:6.) Nyataƒoƒo si me susu le kae nyateƒenya mawo le asi fiamee?

8 Dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo ƒoa nu tso Mawu ƒe “susu” alo eƒe “asinuŋɔŋlɔ” si dze le xexeame godoo ŋu. Gake ɖe ema do kpo nyateƒe vevitɔ la ɖeɖe ɖe goa? Science magazine gblɔ be: “Ne numekulawo gblɔ be Mawu ƒe ‘susu’ alo eƒe ‘asinuŋɔŋlɔ’ dze le xexeame nuwɔwɔwo me la, nusi ɖewohĩ eyae nye esi le tsɛ wu le xexeame godoo—eƒe akpa si dzena wokpɔna—ye wole gbɔgblɔm be enye Mawu ƒe asinudɔwɔwɔ.” Le nyateƒe me, dzɔdzɔmeŋusẽŋununyala kple Nobel nunanaxɔla Steven Weinberg ŋlɔ be: “Zi geɖe alesi wòdzena abe ɖe woate ŋu ase xexeame gɔmee ene la, zi geɖe nenema ke wòdzena nusi ŋu gɔmesese mele o.”

9. Kpeɖodzi kae ate ŋu akpe ɖe mía kple ame bubuwo ŋu be míasrɔ̃ nu atso Wɔla la ŋu?

9 Gake wò ya ànya nɔ ame miliɔn geɖe siwo tsɔ moveviɖoɖo ku nyaa me kpɔe be gɔmesese ŋutɔŋutɔ si le agbe ŋu do ƒome kple Wɔla la nyanya. Ðo ŋku nya si apostolo Paulo ŋlɔ dzi be: “Tso xexemewɔwɔ dzi la, ne wobua tame le eŋuti la, wokpɔa eƒe numanyakpɔ, si nye eƒe ŋusẽ mavɔmavɔ kple mawunyenye la kɔte le eƒe dɔwɔwɔwo me, bena taflatsedodo aɖeke naganɔ wo [amesiwo gbe lɔlɔ̃ ɖe eƒe anyinɔnɔ dzi la] si o.” (Romatɔwo 1:20) Nyateƒee, nuwo le xexeame kple mía ŋutɔwo mía ŋuti siwo ate ŋu akpe ɖe amewo ŋu be woadze si Wɔla la eye woakpɔ tameɖoɖo si le agbe me le sidzedzee me. Mina míadzro eƒe akpa etɔ̃ me: xexeme si ƒo xlã mí, afisi agbe dzɔ tso, kple mía ŋutɔwo míaƒe susu ƒe ŋutetewo.

Susu Siwo Ta Woaxɔe Ase

10. Nukata wòle be míade ŋugble atso “alesi nuwo wɔ dze egɔme” ŋu? (Mose I, 1:1; Psalmo 111:10)

10 Aleke míaƒe xexeame wɔ va dzɔ? Ðewohĩ ànyae tso nyatakaka siwo ku ɖe yamenutomekpɔmɔ̃wo kple nusiwo ŋu woke ɖo le yamenutome ŋu be dzɔdzɔmeŋutinunyala akpa gãtɔ nyae be míaƒe xexeame menɔ anyi tso mavɔmavɔ me o. Gɔmedzedze le esi eye wòle kekem ɖe enu. Nya sia gɔme ɖe? Se nya si ɣletiviŋununyala Aƒetɔ Bernard Lovell gblɔ ɖa: “Ne ɣeaɖeɣi le ɣeyiɣi si va yi me, Xexeame Godoo nye nu suesue aɖe si nɔ foyafoya ale gbegbe la, ke ele be míabia be nukae nɔ anyi do ŋgɔ na ema hã . . . Ele be míadze ŋgɔ kuxi si nye Alesi Nuwo Wɔ Dze Egɔme.”

11. (a) Aleke gbegbe xexeame godoo loloe? (b) Nukae xexeame katã si le ɖoɖo deblibo nu ɖe fia?

11 Míaƒe xexeame godoo, si me míaƒe anyigba la hã le, ƒe wɔwɔme fia be wowɔ asitɔtrɔ wɔnuku siwo na be nuwo natsɔ afɔ le edzi. Le kpɔɖeŋu me, nu ɖedzesi eve siwo dze le míaƒe ɣea kple ɣletivi bubuwo ŋue nye woƒe dɔwɔwɔ ɖe ɖoɖo nu ɖaa kple woƒe ɖoɖo matrɔmatrɔ. Ɣletivihatsotsowo ƒe xexlẽme si wobu be woli fifia le xexeame godoo ƒe akpa si dzena wokpɔna la anɔ biliɔn 50 (50,000,000,000) va ɖo biliɔn 125 sɔŋ. Eye ɣletivi biliɔn nanewo ye le míaƒe Masa ɣletivihatsotsoa me. Azɔ de ŋugble tso esia ŋu kpɔ: Míenya be ele be ami kple ya si anɔ ʋu ƒe mɔ̃ me la ƒe agbɔsɔsɔme nasɔ kple wo nɔewo pɛpɛpɛ. Ne ʋu le asiwò la, àyɔ ʋudzraɖola bibi aɖe be wòatrɔ asi le wò ʋua ƒe mɔ̃ ŋuti, be wò ʋua nazɔ nyuie wu, ahawɔ dɔ ɖe ɖoɖonu nyuie wu. Ne dɔwɔwɔ ɖe ɖoɖonu nenema le vevie le mɔ̃ gbɔlo gome la, ke le kpɔɖeŋu me, ɣletivi siwo ‘bina’ ɖe ɖoɖo deblibo nu ya ɖe? Edze ƒã be, wotrɔ asi le ŋusẽ vevi siwo ƒe dɔwɔwɔ do ƒome kple wo nɔewo ŋu wosɔ pɛpɛpɛ ale gbegbe be nuwo nate ŋu anɔ agbe le anyigba dzi. Ðe asitɔtrɔ le nuwo ŋu alea dzɔ le eɖokui sia? Wobia blematɔ Hiob be: “Ènya dziƒo ƒe sewoa, alo wòe ɖoa eƒe dziɖuɖu ɖe anyigba dzia?” (Hiob 38:33) Menye amegbetɔ aɖekee wɔe o. Ke afikae wòtso be woɖo nuwo wosɔ ɖe ɖoɖo nu pɛpɛpɛ?—Psalmo 19:2.

12. Nukata menye nusi me susu mele o be woabui be Nunyala triakɔ aɖee wɔ xexeame o?

12 Anye nane alo Ame aɖe si míate ŋu akpɔ o gbɔe wòatsoa? De ŋugble tso biabia sia ŋu le egbegbe dzɔdzɔmeŋutinunya gome kpɔ. Ɣletiviŋununyala akpa gãtɔ lɔ̃ ɖe edzi azɔ be dziƒonu siwo tri akɔ ŋutɔ li—siwo woyɔna be do dovivitiwo. Eŋununyalawo gblɔ be womate ŋu akpɔ wo o, gake woli. Nenema ke Biblia hã gblɔ be le nuto bubu aɖe me la, nuwɔwɔ triakɔ siwo míate ŋu akpɔ o li—siwo woyɔna be gbɔgbɔmenuwɔwɔwo. Ne gbɔgbɔmenuwɔwɔ triakɔ mawo li la, ɖe menye nusi me susu le be nuwo ƒe ɖoɖonunɔnɔ pɛpɛpɛ si dzena le xexeame godoo la tso Nunyala triakɔ aɖe gbɔ oa?—Nexemya 9:6.

13, 14. (a) Nuka dzie dzɔdzɔmeŋutinunya ɖo kpee ku ɖe agbe dzɔtsoƒe ŋu? (b) Nukae nugbagbe siwo le anyigba dzi le asi fiamee?

13 Kpeɖodzi evelia si ate ŋu akpe ɖe amewo ŋu be woalɔ̃ ɖe Wɔla ƒe anyinɔnɔ dzi ku ɖe agbe dzɔtsoƒe ŋu. Tso Louis Pasteur ƒe nuwo dodokpɔɣi ke la, wolɔ̃ ɖe edzi be agbe medzɔna kpoyi le eɖokui si o. Eyata aleke agbe wɔ va dzɔ ɖe anyigba dzi? Le ƒe 1950 ƒeawo me la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo dze agbagba be yewoaɖo kpe edzi be blematsiaƒu aɖe mee agbe dzɔ tso esime dzi nɔ dzo kem ɖe yamenuto gbãtɔ si nɔ anyi ɣemaɣi la me. Gake nusiwo ŋu wova ke ɖo yeyee fia be agbe mate ŋu adze egɔme nenema le anyigba dzi o elabena yamenuto aɖeke menɔ anyi nenema kpɔ o. Eyata dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo le numeɖeɖe aɖe si ŋu kpɔtsotso manɔ nenema o dim. Gake ɖe woawo hã do kpo nyateƒe vevitɔa ɖeɖe ɖe goa?

14 Britaintɔ dzɔdzɔmeŋutinunyala Aƒetɔ Fred Hoyle, amesi zã ƒe gbogbo aɖewo srɔ̃ nu tso xexeame kple nugbagbe siwo le eme ŋu la ɖe nu me be: “Le esi míaxɔ nu sesẽ si nye be agbe dzɔ tso dzɔdzɔmeŋusẽ siwo mele mɔfiafia aɖeke te o me dzi ase teƒe la, edze nusi sɔ wu be míatsɔe be nuɖowɔ si me susu le mee agbe dzɔ tso.” Nyateƒee, zi geɖe alesi míasrɔ̃ nu tso nu wɔnuku siwo le agbe me ŋu ayi ŋgɔe la, zi nenemae wòdzena na mí be susu le eme wu be Nunyala aɖe gbɔe agbe dzɔ tso.—Hiob 33:4; Psalmo 8:4, 5; 36:10; Dɔwɔwɔwo 17:28.

15. Nukata woate ŋu agblɔ be èle etɔxɛ kura?

15 Susu gbãtɔ si ŋu míeƒo nu tsoe ku ɖe xexeame godoo ŋu, eye evelia ku ɖe afisi agbe dzɔ tso le anyigba dzi ŋu. De dzesi nu etɔ̃lia—eyae nye alesi míeto vovoe kura. Amegbetɔ ɖesiaɖe to vovo le nu geɖe me, si fia be wò hã èle etɔxɛ. Aleke? Ðewohĩ èsee kpɔ be wogblɔna be ame ƒe ahɔhɔ̃ le abe kɔmpiuta sesẽ aɖe ene. Gake le nyateƒe me la, nusiwo ŋu woke ɖo yeyee fia be nuwo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo alea megogo afi aɖeke kura o. Massachusetts Mɔ̃ɖaŋusuku ƒe dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖe gblɔ be: “Egbe kɔmpiutawo ƒe ŋutete megogo ƒe 4 vi ƒe nukpɔkpɔ, nuƒoƒo, zɔzɔ, alo susu ŋudɔwɔwɔ o. . . . Wobui be kɔmpiuta sesẽtɔ kekeake ƒe dɔwɔwɔ tso nyatakakawo ŋu le ko abe abɔbɔ ƒe ahɔhɔ̃ ƒe dɔwɔwɔ ene—esi nye ŋusẽ si le kɔmpiuta sesẽtɔ kekeake si le [wò] tago me la ƒe akpa sue aɖe ŋutɔ ko.”

16. Nukae gbe vovovo dodo ƒe ŋutete si le asiwò fia?

16 Gbe vovovo dodo nye ŋutete siwo le asiwò dometɔ ɖeka le esi ahɔhɔ̃ le asiwò ta. Togbɔ be ame aɖewo doa gbe ɖeka, eve, etɔ̃, alo wu nenema hã la, gbe ɖeka dodo gɔ̃ hã nye nusi na nèto vovo etɔxɛe. (Yesaya 36:11; Dɔwɔwɔwo 21:37-40) Nufialagã siwo nye R. S. kple D. H. Fouts bia be: “Amegbetɔ koe . . . te ŋu zãa gbegbɔgblɔ tsɔ ƒoa nuia? . . . Ele eme baa be lã siwo de ŋgɔ wu zãa nɔnɔme aɖewo ɖeɖefia, nuʋeʋẽse, xɔxlɔ̃, gbagba, kple anyiwo ƒe ɣeɖuɖu kura gɔ̃ hã . . . tsɔ gblɔa nya na wo nɔewoe ya. Gake edze abe gbegbɔgblɔ si ŋu gbeŋutise le mele lã aɖeke si wu amegbetɔ o ene. Anye nusi aɖe dzesi ŋutɔ be lãwo nawɔ nuwo ƒe nɔnɔmetata le susu me, gake womete ŋu wɔnɛ o. Ne wodze agbagba ƒãe nye be woate fli gbɔlo aɖewo ɖe nu dzi.” Le nyateƒe me, amegbetɔ koe te ŋu zãa ahɔhɔ̃ tsɔ ƒoa nu eye wotaa nusiwo ŋu gɔmesese le.—Tsɔe sɔ kple Yesaya 8:1; 30:8; Luka 1:3.

17. Nukae nye vovototo vevi si le lã aɖe ƒe ahuhɔ̃e me kpɔkpɔ kple amegbetɔ ƒe ahuhɔ̃e me kpɔkpɔ dome?

17 Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ènya nu tso ɖokuiwò ŋu; ètsɔa ɖe le nusiwo ku ɖe ŋuwò me. (Lododowo 14:10) Èkpɔ xevi, avu, alo dadi wòkpɔ ahuhɔ̃e me eye wòtɔ dɔe, wó, alo di be yealée kpɔa? Esusu be lã bubue, menya be ye ŋutɔ ye ɖokui kpɔm yele o. Gake wò ya ne èkpɔ ahuhɔ̃e me la, ènya be ɖokuiwò kpɔm nèle. (Yakobo 1:23, 24) Àte ŋu alé ŋku ɖe wò dzedzeme ŋu alo abu alesi wò dzedzeme atrɔe le ƒe aɖewo siwo ava kpuie me ŋu. Lãwo mewɔa nu ma o. Ẽ, wò ahɔhɔ̃ na nèto vovo kura. Amekae wòdze be míatsɔ kafukafua ana? Aleke wò ahɔhɔ̃ wɔ va dzɔ, ne menye Mawue wɔe o?

18. Susu ƒe ŋutete kawoe na nèto vovo tso lãwo gbɔ?

18 Wò ahɔhɔ̃ kpena ɖe ŋuwò nutatawo nya kpɔna na wò, hadzidzi nya sena na wò, tsɔ kpe ɖe agbenyuinɔnɔ ƒe seselelãme si le mewò ŋu. (Mose II, 15:20; Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:34; Fiawo I, 6:1, 29-35; Mateo 11:16, 17) Ke nukata wòle asiwò gake mele lãwo ya si o? Wozãa woƒe ahɔhɔ̃ na nusiwo hiã wo enumake la ko kpɔkpɔ—nuɖuɖudidi, asididi, alo atɔwɔwɔ. Amegbetɔ koe te ŋu bua tame gbɔa nusi hiã wo fifi laa ko kpɔkpɔ ŋu. Ame aɖewo bua ŋusẽ si woƒe nuwɔnawo akpɔ ɖe nutoa me alo ɖevi siwo ava dzɔ dzi gɔ̃ hã ŋu. Nukata? Nyagblɔla 3:11 gblɔ le amegbetɔwo ŋu be: “[Wɔla la de] mavɔmavɔ dzi me na wo.” Ẽ, ŋutete si le asiwò be nèbuna mavɔmavɔnyenye alo agbe mavɔ nɔnɔ ŋu nye nu tɔxɛ.

Na Wɔla la Nana Gɔmesese Nanɔ Wò Agbe Ŋu

19. Numeɖeɖe na amewo be woabu tame tso Wɔla la ŋu ƒe mɔnu etɔ̃ kae nàte ŋu azã?

19 Nu etɔ̃ ŋu koe míeƒo nu tsoe: nuwo ƒe zɔzɔ ɖe ɖoɖo nu pɛpɛpɛ le xexe gã nyadri sia me, afisi agbe dzɔ tso le anyigba dzi, kple alesi amegbetɔ ƒe ahɔhɔ̃ to vovo kura, tsɔ kpe ɖe eƒe ŋutete vovovoawo si ŋu míate ŋu ake ɖi aɖeke le o ŋu. Nuka fiam nu etɔ̃ siawo le? Alesi nàte ŋu aɖe nu mee atsɔ akpe ɖe amewo ŋu be woawo hã nakpɔe nenemae nye si. Gbã la, àte ŋu abia be: Gɔmedzedze le xexeame sia? Ame akpa gãtɔ alɔ̃ ɖe edzi be ele esi. Ke gabia be: Ke ɖeko wòdze egɔme le eɖokui si ko loo alo ame aɖee na? Ame akpa gãtɔ nya be ame aɖee na xexeame dzɔ. Esia akplɔ wò va biabia susɔea gbɔ, si nye: Nane si nɔa anyi ɖaa alo Ame aɖe si nɔa anyi ɖaa ye na wòdzɔa? Ne ègblɔ nyaawo le mɔ si nu wo me kɔ nyuie eye susu le wo me alea la, ate ŋu ana ame geɖe nakpɔe dze sii be: Ele be Wɔla aɖe nanɔ anyi! Esi wòle alea ta la, ɖe mele be gɔmesese nanɔ agbe ŋu oa?

20, 21. Nukata Wɔla la nyanya le vevie be gɔmesese nanɔ míaƒe agbe ŋu?

20 Ele be míaƒe agbe si míele katã, si me agbenyuinɔnɔ ƒe seselelãme si le mía me kple agbenyuia ŋutɔ nɔnɔ hã le, nado ƒome kple Wɔla la. Ðk. Rollo May ŋlɔ kpɔ be: “Nu vevi si ko dzi agbenyuinɔnɔ nɔ te ɖoe nye tameɖoɖo vevi si le agbe ŋu.” Afika míakpɔe le? Eyi edzi be: “Nu vevi lae nye Mawu ƒe amenyenye. Mawu ƒe gɔmeɖosewoe nye gɔmeɖose siwo dzi agbe nɔ te ɖo tso nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedze tsɔ yi nuwuwu.”

21 Ke azɔ míate ŋu akpɔ nusita hakpala la ɖe ɖokuibɔbɔ kple nunya fia esime wòƒo koko na Wɔla la gblɔ be: “Yehowa, ɖe wò mɔwo fiam, eye nafia wò toƒewom! Na mazɔ le wò nyateƒe me, eye nafia num; elabena wòe nye nye xɔname Mawu.” (Psalmo 25:4, 5) Anɔ eme kokoko be esi hakpala la va nya Wɔla la nyuie wu la, gɔmesese, tameɖoɖo, va nɔ eƒe agbe ŋu wòto mɔ ɖeka wu. Ate ŋu anɔ nenema le mía dometɔ ɖesiaɖe gome.—Mose II, 33:13.

22. Nukae wòbia be woanya Wɔla la ƒe mɔwo?

22 Wɔla la ƒe “mɔwo” nyanya bia hã be woanya alesi wòle, anya eƒe amenyenye kple mɔwo siaa geɖe wu. Gake esi wònye be womate ŋu akpɔ Wɔla la o eye ŋusẽ triakɔ le esi la, aleke míawɔ anyae nyuie wu? Nyati si kplɔe ɖo adzro esia me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Esi Ðk. Viktor E. Frankl nɔ nu ƒom tso Nazi fuwɔamegaxɔwo me nuteƒekpɔkpɔwo ŋu la, nusi wòkpɔ gblɔe nye be: “Amegbetɔ ƒe gɔmesese didi nye didi vevi le eƒe agbe me ke menye ‘lãmenusese ƒe susu si va su esi emegbe dzro ko,’ ” abe alesi lãwo sena le wo ɖokui me ene o. Egblɔ kpee be ƒe bla nanewo le xexemeʋa evelia megbe la, numekuku aɖe si wowɔ le France “ɖee fia be amesiwo wobia gbee dometɔ 89 le alafa me lɔ̃ ɖe edzi be amegbetɔ hiã ‘nane’ si ta wòle agbe ɖo.”

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

◻ Nukata wòle be míaku nu me ayi ŋgɔ le míaƒe xexeame ŋu wu dzɔdzɔmeŋutinunya me nyatakaka nyanya ko?

◻ Be nàkpe ɖe amewo ŋu woabu tame tso Wɔla la ŋu la, nuka dzie nàte ŋu ahe susu ayii?

◻ Nukata Wɔla la nyanya nye nu vevi aɖe si ana gɔmesese si me dzidzeme le le agbe ŋu nasu ame si?

[Nuwo ƒe nɔnɔme/Nɔnɔmetata si le axa 18]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Nukae Nàgblɔ?

Míaƒe Xexeame Godoo

↓ ↓

Gɔmedzedze Gɔmedzedze

Meli Nɛ o Li Nɛ

↓ ↓

Ame Aɖeke Ðe Wowɔe

Mewɔe o ↓ ↓

NANE Si Nɔa Anyi AME AÐE Si Nɔa Anyi

Ðaa Ye Wɔe Ðaa Ye Wɔe

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Alesi gbegbe xexeame keke kple eƒe ɖoɖo deblibo nu nɔnɔ na ame geɖe bu tame tso Wɔla la ŋu

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Pages 15 and 18: Jeff Hester (Arizona State University) and NASA

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe