INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 7/1 axa 3
  • Nukatae Wòle Be Nàxɔ Yesu Kristo Dzi Ase?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nukatae Wòle Be Nàxɔ Yesu Kristo Dzi Ase?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yesu Kristo—Amekae Wònye?
    Yesu Kristo—Amekae Wònye?
  • Nyanyuiawo—Ŋutinya Wonye Loo alo Nyakpakpawoe?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Amesi Tututu Yesu Nye
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Apokrifa Nya Nyui Gbalẽwo—Yesu Ŋu Nyateƒenya Ɣaɣlɛwoe Wonyea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 7/1 axa 3

Nukatae Wòle Be Nàxɔ Yesu Kristo Dzi Ase?

“AME geɖe siwo menye Kristotɔwo o gɔ̃ hã xɔe se be nufialagã kple nunyalae Wònye. Amesiwo kpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi wu siwo nɔ anyi kpɔ la dometɔ ɖekae wònye vavã.” (The World Book Encyclopedia) Amekae “Wònye”? Eyae nye Yesu Kristo, Kristotɔnyenye gɔmeɖoanyila.

Gake togbɔ be numekugbalẽ la gblɔ nya ma hã la, amedzroe Yesu Kristo nye na ame miliɔn alafa nanewo le Ɣedzeƒenutome kple afi bubuwo, ɖewohĩ ŋkɔ aɖe si dzi woaɖo ŋkui le kɔledzi nusrɔ̃gbalẽwo me koe wònye. Le Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo me kura gɔ̃ hã la, mawunyaŋununyala kple subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo li siwo gblɔ be míenya Yesu ŋutɔŋutɔ o eye woke ɖi nuŋlɔɖi deŋgɔ ene siwo li tso eƒe agbe ŋu (Nyanyuigbalẽawo) si dze le Biblia me la.

Ðe Nyanyuigbalẽa ŋlɔlawo ate ŋu akpa Yesu ƒe agbe me ŋutinyaa? Gbeɖe! Esi Will Durant, si nye ŋutinyaŋlɔla si wonya nyuie lé ŋku ɖe Nyanyuiawo ƒe nuŋlɔɖiwo ŋu vɔ la, eŋlɔ bena: “Be amegbetɔ gbɔlo ʋɛ aɖewo ko natso akpa ame aɖe si ƒe amenyenye kpɔ ŋusẽ ɖe ame dzi henyoa ame ŋu nenema gbegbe, amesi ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo kɔkɔ nenema gbegbe, kple amesi me amegbetɔ ƒe nɔviwɔwɔ nyoameŋu si wɔa dɔ ɖe ame dzi nenema gbegbe le ƒe ŋutinya la anye nukunu si dzi xɔxɔ se asesẽ sã wu esiwo woŋlɔ ɖe Nyanyuiawo me la dzi xɔxɔ se. Le ƒe eve ƒe Numekuku Deŋgɔ wɔwɔ megbe la, gɔmesese deto kpɔtɔ le agbalẽ siwo ƒo nu tso Kristo ƒe agbe, nɔnɔme, kple nufiafia ŋu la ŋu, eye wònye ŋutsu si tso Ɣetoɖoƒe la ƒe ŋutinya ƒe akpa siwo do dzidzɔ na ame wu.”

Gake ame aɖewo li siwo madi be yewoabu Yesu Kristo ŋu o le nusi amesiwo be yewonye eyomedzelawo wɔ la ta. Ame aɖewo siwo le Japan agblɔ be ‘Woda atɔm bɔmb ɖe Nagasaki. Evɔ Nagasaki ye Kristotɔwo le wu dugã akpa gãtɔwo le Japan.’ Gake ɖe nàte ŋu abu fɔ atikewɔla le dɔnɔ aɖe ƒe dɔléle ta, amesi gbe be yemawɔ ɖɔkta la ƒe mɔfiafiawo dzi o la? Ame akpa gãtɔ siwo be yewonye Kristotɔwo la gbe Yesu ƒe mɔfiafia ku ɖe ameƒomea ƒe dɔlélewo dzi ɖuɖu ŋu la dzi wɔwɔ gbidii. Gake Yesu na míaƒe gbesiagbe kuxiwo kpakple ameƒomea si le xexeame katã ƒe fukpekpewo gbɔ kpɔnu mí. Esia tae míekpe wò be nàxlẽ nyati si kplɔe ɖo eye wò ŋutɔ nànya amesi ƒomevi wònye.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe