Metso Hiãkame Kolikoli Me Va Kpɔ Kesinɔnu Gãtɔ Kekeake
ABE ALESI MANUEL DE JESUS ALMEIDA GBLƆE ENE
Wodzim le October 1916 me eye menye dɔmlɔe na ɖevi 17. Dɔléle kple nunyuimakpɔɖui wu nɔvinyeŋutsu kple nɔvinyenyɔnu asieke, eyata nyemenya wo gɔ hã o. Mí ame enyi susɔeawo nɔ mía dzilawo gbɔ le kɔƒe sue aɖe si te ɖe Porto ŋu me le Portugal.
AƑE tsɛ si me míenɔ la nye akpata sue aɖe kple xɔdɔme ɖeka. Vudo si me míekua tsinono le gbɔ didi ade kilometa afã kloe tso mía gbɔ, eye míaƒe nuɖanuwo nye gbaɖegbetɔ.
Ne fonyewo tsi ʋɛ la, wodzea dɔwɔwɔ gɔme le bligblewo dzi. Fetu si woxɔna la wɔnɛ be ƒomea te ŋu kpɔa nane ɖuna. To woƒe kpekpeɖeŋu me la, meva nye ɖevi ɖeka kolia si de suku vie. Togbɔ be agbenɔnɔ sesẽ na mí hã la, míetsɔ nuteƒewɔwɔ nɔ Katoliko-haa me henɔ mɔ kpɔm be esia ana míaƒe agbemekuxiwo naka ɖe eme le mɔ aɖe nu.
Le May me la, sɔlemeha la ɖu azã si woyɔna be novena. Míefɔa fɔŋli esime dzite mekpɔ tso haɖe o yia sɔleme ŋkeke asieke sɔŋ tsia ɖe enu. Míedo gbe ɖa le afima eye kakaɖedzi nɔ mía si be esia ahe yayra tso Mawu gbɔ vɛ. Míesusui hã be nunɔla la nye ame kɔkɔe kple Mawu teƒenɔla. Gake míaƒe nukpɔsusu va trɔ le ɣeyiɣi aɖe megbe.
Nane Si Nyo Wu Didi
Esi míete ŋu xe adzɔ si sɔlemeha la xɔna o la, nunɔla la metsɔ ɖeke le gakuxi sesẽ siwo me míenɔ la me o. Esia ɖe dzi le mía ƒo. Nye seselelãme ɖe sɔlemehaa ŋu trɔ kura, eyata esi mexɔ ƒe 18 la, metso nya me be madzo le ƒonyemeawo gbɔ aɖakpɔ be nu nyui aɖe mele agbe me wu dɔwɔwɔ le agble dzi kpakple nyahehe kple sɔlemeha la o hã. Le ƒe 1936 me la, meyi ɖe Lisbon, si nye Portugal ƒe fiadu.
Medo go Edminia le afima. Togbɔ be mese le ɖokuinye me be woblem le mawusubɔsubɔ me hã la, míewɔ ɖe kɔnuwo dzi eye míeɖe mía nɔewo le Katoliko-ha me. Emegbe le ƒe 1939 me la, Xexemeʋa II dze egɔme eye Portugal nɔ Dukɔ Wɔɖekaawo ƒe akpa dzi. Esi aʋaa nɔ edzi yim la, menɔ aʋawɔnudzraɖoƒe 18 nu, eye míeɖoa aʋawɔnu siwo ade agbatsɔʋu 125 ɖe aʋagbea dzi le ŋkeke ɖeka dzi.
Alesi aʋaa dzi ŋɔe kple alesi Katoliko-ha la ƒo eɖokui ɖe eme vevie la wɔ mo yaa nam ale gbegbe. Mebia be, ‘Ðe Mawu tsɔ ɖe le eme na ameƒomea vavãa? Aleke wòle be míasubɔ eyamae?’ Le ƒe aɖewo megbe le ƒe 1954 me la, ame tsitsi ɖɔʋu aɖe si nye Yehowa Ðasefo ƒo nu nam tso nyabiabia siwo nɔ asinye ŋu. Dzeɖoɖo sia trɔ nye agbenɔnɔ blibo.
Biblia me Mɔkpɔkpɔ Do Dzidzɔ Nam
Ŋutsu dɔmenyotɔ sia si ŋkɔe nye Joshua ɖe eme nam be Mawu ƒe Fiaɖuƒe koe nye xexemekuxiwo gbɔ kpɔnu ɖeka kolia eye be Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu dzi koe woate ŋu ato akpɔ ŋutifafa kple dedienɔnɔ. (Mateo 6:9, 10; 24:14) Nusi wògblɔ la dzɔ dzi nam, gake mebua gbe be nyemaxɔ eƒe numeɖeɖeawo o le nuteƒekpɔkpɔ si su asinye le mawusubɔsubɔ me ta. Esi wòdoe ɖa be yeasrɔ̃ Biblia kplim la, megblɔ nɛ be ne maxɔ ga le asinye o eye maƒo nu tso dunyahehe ŋu o la, ekema masrɔ̃e. Elɔ̃ ɖe edzi heka ɖe edzi nam be yemaxɔ ga aɖeke ɖe nusi yeafiam la ta o.—Nyaɖeɖefia 22:17.
Kakaɖedzi si nɔ menye ɖe Joshua ŋu tsi kabakaba. Eyata mebia nane si dim menɔ vevie tso nye ɖevime ke lae. “Ðe wòanya wɔ be Biblia nate ŋu asu nye ŋutɔ asinyea?” Esi wòsu asinye la, aleke gbegbe dzi dzɔm enye si be maxlẽ Wɔla la ŋutɔ ƒe Nya zi gbãtɔ, si ƒe ɖee nye ŋugbedodo si gblɔ be: “Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le [ameƒomea ƒe] ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi”!—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.
Vevietɔ Biblia ƒe ŋugbedodo siwo ku ɖe ahedada kple dɔléle ɖeɖeɖa ŋu fa akɔ nam. Nuteƒewɔla Elihu gblɔ le Mawu ŋuti be: ‘Enaa nuɖuɖu kpaŋkpaŋ.’ (Hiob 36:31) Eye le Mawu ƒe Fiaɖuƒe dziɖuɖu dzɔdzɔea te la, Biblia gblɔ be “duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.” (Yesaya 33:24) Aleke gbegbe Yehowa Mawu tsɔ ɖe le eme na ameƒomea lɔlɔ̃tɔe nye si! Nye ɖetsɔleme ɖe eƒe ŋugbedodowo ŋu va dzi ɖe edzi ale gbegbe!
April 17, 1954 dzie mede Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe zi gbãtɔ. Kpekpe tɔxɛ aɖee wònye—Kristo ƒe kua ƒe Ŋkuɖodzi ye. Tso ɣemaɣi dzi la, medea kpekpeawo edziedzi. Eteƒe medidi o, mete nu nyui siwo srɔ̃m mele la gbɔgblɔ na ame bubuwo. Le ŋkeke mawo me le Portugal la, míetsɔa nuɖuɖu ɖe asi ɖaɖea modzaka le ƒuta dzinu ɖesiaɖe, eye emegbe wonyrɔa amewo. Ɣleti adre tso esime Joshua ƒo nu kplim zi gbãtɔ megbe la, meɖe adzɔgbe na Yehowa Mawu eye metsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me ɖo kpe edzi le atsiaƒua me.
Le ƒe 1954 ƒe gɔmedzedze la, Ðasefo siwo ade alafa ɖeka koe nɔ Portugal katã. Eyata ŋutsu siwo axɔ ŋgɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me va hiã. Mewɔ ŋgɔyiyi kabakaba le gbɔgbɔ me eye eteƒe medidi o wotsɔ hamea me agbanɔamedziwo de asi nam. Le ƒe 1956 me la, wotiam hamesubɔlae, si nye alesi woyɔa dzikpɔla zimenɔla ɣemaɣi, le Yehowa Ðasefowo ƒe hame evelia si le Lisbon. Egbea hame siwo wu alafa ɖekae le dugã sia kple eƒe gbɔtoduwo me.
Viɖekpɔkpɔ to Amedzrowɔwɔ Me
Togbɔ be ga menɔ mía kple Edminia si fũ o hã la, míewɔa amedzro na mía nɔvi Kristotɔwo ɣesiaɣi. Le ƒe 1955 me la, mɔɖela aɖe, si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖelawoe, si nɔ mɔ zɔm tso wo de Brazil yina “Fiaɖuƒe Kpɔdziɖuɖu” dukɔwo dome Takpekpe le Germany la va to Portugal. Le mɔzɔzɔ me kuxiwo ta enɔ míaƒe aƒeme dzinu ɖeka, eye aleke gbegbe eƒe sasrãkpɔa ɖe vi na míi enye si!
Amedzro bubu siwo va dze míaƒe aƒea me ɣemaɣi la dometɔ aɖewo nye Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒea ƒe ta si le Brooklyn, New York, ƒe ƒomea me tɔwo, siwo ƒe ɖewoe nye Hugo Riemer kple eƒe xɔmetɔ Charles Eicher. Woɖu fiẽnu kpli mí eye woƒo nuƒowo na Portugal nɔviwo. Míenɔa lalam na gbɔgbɔmenuɖuɖu vivi siwo ame siawo naa mí la abe alesi xevi si woƒo yeyee kea nui ɖe te nɔa lalam be woade nu eme nɛ la ene.
Yehowa Ðasefowo ƒe dzikpɔla mɔzɔlawo hã dzea míaƒe aƒeme le woƒe sasrãkpɔɣiwo. Amedzro si dze mí le ƒe 1957 me si dzi míeɖoa ŋkui enye Álvaro Berecochea, amesi nye Morocco-lɔdzedzikpɔla, si wodɔ ɖe Portugal be wòade dzi ƒo na nɔviawo. Eva agbalẽ me nusrɔ̃ƒe le míaƒe aƒeme, eye míezi edzi be wòanɔ mía gbɔ vaseɖe esime wòadzo le Portugal. Míekpɔ yayra geɖe hede ami le gbɔgbɔ me le eƒe dzinu ɖeka ƒe sasrãkpɔa me eye Álvaro hã kpɔ lãme nyuie le nye lɔlɔ̃tɔ Edminia ƒe nu nyui ɖaɖa ta.
Hiãkame kolikoli si tɔgbe me menɔ le ɖevime ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ame dzi vevie. Ke hã meva kpɔe be zi alesi míeyi edzi le nu nam Yehowa kple esubɔla wɔnuteƒewo la, zi nenema ke wòyraa míi. Mekpɔ nya sia ƒe nyateƒenyenye zi geɖe le amedzro si míewɔna na amesiame si míate ŋui la me.
Le míaƒe takpekpe si míewɔ le Porto le ƒe 1955 me la, woɖe gbeƒã be woawɔ Yehowa Ðasefowo ƒe dukɔwo dome takpekpe le Yankee Stadium le New York City le ƒe 1958 me. Woda nudzɔɖaka ɖe Fiaɖuƒe Akpata ɖesiaɖe si nɔ dukɔa me—siwo mesɔ gbɔ kura ɣemaɣi o—la me be woatsɔ akpe asi ɖe Portugal nɔvi siwo ayi takpekpea ŋu. Ðe nàte ŋu abu dzidzɔ si gbegbe míekpɔ le susu me esi wotia mía kple srɔ̃nye be míanɔ takpekpeayilaawo domea? Dzidzɔ ka gbegbee nye si míekpɔ esi míeɖi tsa yi Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒea ƒe ta le Brooklyn esi míede takpekpea le United States!
Dzidodo le Tetekpɔwo Me
Le ƒe 1962 me la, woxe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa nu le Portugal, eye wonyã dutanyanyuigblɔlawo—siwo nye Eric Britten, Domenick Piccone, Eric Beveridge, kple wo srɔ̃wo—be woadzo. Emegbe womeɖe mɔ na mí be míawɔ míaƒe kpekpewo le Fiaɖuƒe Akpatawo me o, eyata míewɔa wo le amewo ƒe aƒewo me le adzame; eye meganya wɔ be míawɔ takpekpe gãwo le Portugal o. Eyata eva zu nye agbanɔamedzi be mawɔ mɔzɔzɔ ŋuti ɖoɖo na mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔwo be woayi takpekpe siawo tɔgbe le dukɔ bubuwo me.
Ðoɖowɔwɔ na Ðasefo gbogbowo be woazɔ mɔ ayi dukɔ bubu me menɔ bɔbɔe o. Gake gbɔgbɔmeviɖe wɔnuku siwo Portugal nɔviwo kpɔ la wɔe be viɖe geɖe nɔ agbagbadzedzea me. Nuteƒekpɔkpɔ tuameɖo kae nye esi wònye na wo be yewonɔ takpekpewo me le Switzerland, England, Italy, kple France! Takpekpe siawo hã ʋu mɔ na wo wotsɔ agbalẽwo gbɔ va dukɔa mee. Le ƒe mawo me la, míebia enuenu be woade míaƒe ŋkɔ agbalẽ me le Portugal abe subɔsubɔha ene, gake wogbe biabia siawo katã.
Esi wonyã dutanyanyuigblɔlawo le ƒe 1962 ƒe gɔmedzedze megbe la, adzame kpovitɔwo dze agbagba geɖe wu be yewoatɔ te míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa. Wolé mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu gbogbo aɖewo kplɔ wo yi ʋɔnui. Wota nudzɔdzɔ siawo dometɔ geɖe ŋu nyawo siwo ŋu kpeɖodzi le ɖe magazine sia kple eƒe kpeɖeŋutɔ si nye Nyɔ!a me.
Mɔɖela aɖe si meɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋuti nyanyuia ƒe gbeƒã na la nɔ amesiwo wode gaxɔ me le gbeƒãɖeɖe ta la dome. Esi kpovitɔwo kpɔ nye adrɛs le eƒe nuwo me ta la, woɖo du ɖem be mava eye wote nye nu me se.
Emegbe kpovitɔ eve siwo wodɔ va aƒenyeme. Wolɔ nye Biblia-srɔ̃gbalẽwo kpakple Biblia 13 dzoe. Woyi woƒe fuɖenamea dzi eye zi gbɔ zi adre sɔŋ wotrɔ va ka míaƒe nɔƒea. Woɖe fu na mí kple nyabiabiawo ɣesiaɣi si wova.
Wobia tso asinye zi geɖe be mava ɖi ɖase le Ðasefo bubuwo ŋu le ʋɔnu. Togbɔ be nyemede suku yi ŋgɔ o hã la, Yehowa na ‘nunya si nu ketɔwo katã mete ŋu nɔ te alo tsi tre ɖo o’ lam. (Luka 21:15) Ɣeaɖeɣi nye ɖaseɖiɖia wɔ mo yaa na ʋɔnudrɔ̃laa ale gbegbe be ebia afisi mede suku se ɖo. Esi megblɔ be sukuxɔ enelia me koe mese la, amesiwo katã le ʋɔnudrɔ̃xɔa me ko nu.
Zi alesi yometitia nu sẽe la, zi nenemae amesiwo nɔ Fiaɖuƒegbedasia xɔm ƒe xexlẽme hã nɔ dzidzim ɖe edzii. Le esia ta, kaka ƒe 1974 naɖo la, Ðasefo siwo mede 1,300 o le Portugal le ƒe 1962 me la dzi ɖe edzi wu 13,000! Ɣemaɣie wokpem be mazu dzikpɔla mɔzɔla, le May 1967 me. Mesrãa Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo kpɔna le dɔ sia wɔwɔ me be mado ŋusẽ wo le gbɔgbɔ me.
Vivisese le Kesinɔnu Gãtɔ Kekeake Me
Le December 1974 me la, mɔnukpɔkpɔ su asinye be menɔ eme wode asi agbalẽ si ɖe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa ŋu le se nu le Portugal la te. Le ƒe si kplɔe ɖo me la, mía kple srɔ̃nye míeva zu Yehowa Ðasefowo ƒe Betel-ƒome si le Estoril la me tɔwo. Wotiam be manye Portugal ƒe Alɔdzekɔmiti la me tɔ.
Dzidzɔ ka gbegbee nye si wònye be makpɔ alesi gbeƒãɖeɖedɔa le dzidzedze kpɔm le Portugal kple anyigbamama siwo dzi kpɔm míaƒe alɔdzea le me! Esia ƒe ɖewoe nye Angola, Azores, Cape Verde, Madeira, kple São Tomé and Príncipe. Le ƒeawo me la, enye dzidzɔ be woakpɔ dutanyanyuigblɔla siwo wodɔ ɖa tso Portugal be woaɖasubɔ le dukɔ siawo me, afisi ame gbogbo aɖewo ɖe ɖetsɔleme fia ɖe Fiaɖuƒegbedasia ŋu le. Tsɔ susu kpɔ dzidzɔ siwo kpɔm míele be Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo wu 88,000 ye le teƒe siawo fifia, tsɔ kpe ɖe esi wu 47,000 ŋu le Portugal ɖa! Amesiwo de Ŋkuɖodzia le dukɔ siawo me le ƒe 1998 me la wu 245,000, si sɔ gbɔ ŋutɔ ne míetsɔe sɔ kple amesiwo mede 200 o si va esi mezu Ðasefo le ƒe 1954 me.
Mía kple Edminia míetsɔ dzi blibo wɔ ɖeka kple Biblia me hakpala la, amesi gblɔ be “ŋkeke akpe mede [Yehowa ƒe] xɔxɔnu nɔnɔ ŋkeke ɖeka nu o.” (Psalmo 84:11) Ne mebu alesi medze agbe gɔme le nɔnɔme madeamedzi me eye metsɔe sɔ kple gbɔgbɔmekesinɔnu siwo mekpɔ tso ɣemaɣi la, mesena le ɖokuinye me abe alesi nyagblɔɖila Yesaya hã see ene be: “Yehowa, nye Mawu nènye, mado wò ɖe dzi, eye makafu wò ŋkɔ! Elabena èwɔ nukunuwo . . . Elabena mɔ̃ sesẽ nènye na ame beliwo, mɔ̃ sesẽ nènye na ame dahewo.”—Yesaya 25:1, 4.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ May 22, 1964, Eŋlisigbe me Nyɔ!, axa 8-16, kple October 1, 1966, Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, axa 581-92.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 24]
Etame: Nɔviŋutsu Almeida le gbeƒã ɖem le Lisbon le ɖoɖo si wowɔ be woaɖo amewo ɖe 1958 New York takpekpea me ŋu
Domedome: Menɔ subɔlawo ƒe kpekpe dzi kpɔm le wɔwɔfia aɖe me le “Ŋutifafa le Anyigba Dzi” Dukɔwo Dome Takpekpe me le Paris
Ete: Bɔs siwo míeda le klalo be woatsɔ amewo ayi nutome gã takpekpe le France
[Nɔnɔmetata si le axa 25]
Ŋɔŋlɔawo me dzodzro gbesiagbe dzi kpɔkpɔ le Portugal-lɔdzedɔwɔƒea
[Nɔnɔmetata si le axa 25]
Portugal-lɔdzedɔwɔƒe si nu woʋu le ƒe 1988 me
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
Mía kple srɔ̃nye
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
Nɔviŋutsu Hugo Riemer ƒe nuƒowo de dzi ƒo na mí esi wòtso Brooklyn Betel va srã mí kpɔ