INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 8/1 axa 16-21
  • Mide Bubu Ame Bubuwo Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mide Bubu Ame Bubuwo Ŋu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yehowa Dea Bubu Amegbetɔwo Ŋu
  • Yesu De Bubu Amewo Ŋu
  • Paulo De Bubu Amewo Ŋu
  • Bubudede Amewo Ŋu le Míaƒe Ŋkekea Me
  • Bubudede Yehowa Ŋu
  • De Bubu Ame Siwo Dze Na Bubu La Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
  • Ðe Nèxɔa Ŋgɔ Le Bubudede Nɔvi Haxɔsetɔwo Ŋu Mea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Ðe Nèxɔa Ŋgɔ Le Bubudede Amewo Ŋu Mea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Mina Mí Katã Míade Bubu Yehowa Kple Via Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 8/1 axa 16-21

Mide Bubu Ame Bubuwo Ŋu

“Mitre mia nɔewo bubu.”—ROMATƆWO 12:10.

1, 2. (a) Nukae wòle be míawɔ si afia be míebɔbɔ mía ɖokui ɖe anyi? (b) Zi geɖe la, aleke Biblia zãa nya “bubu,” eye amekawoe wònɔa bɔbɔe na be woade bubu amewo ŋu?

MÍAƑE nyati si do ŋgɔ te gbe ɖe aɖaŋuɖoɖo si dze le Mawu ƒe Nya la me dzi be: “Mi katã mibɔbɔ mia ɖokui ɖe mia nɔewo te, eye mitsɔ ɖokuibɔbɔɖeanyi hetsyɔ; elabena Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti, ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.” (Petro I, 5:5) Mɔ ɖeka si dzi míato atsɔ ɖokuibɔbɔɖeanyi atsyɔe nye bubudede ame bubuwo ŋu.

2 Zi geɖe la, wozãa nya “bubu” le Biblia me tsɔ fiaa bubudedeameŋu, asixɔxɔdedeameŋu, kple ameŋububu si wòle be míaɖe afia ame bubuwo. Ne míenyoa dɔme na amewo, dea asixɔxɔ wo ŋu, ɖoa to woƒe nukpɔsusu, eye míele klalo be míawɔ nusiwo me nunya le siwo wobia tso mía si na wo la, ke míele bubu dem amewo ŋu. Zi geɖe la, esia wɔwɔ masesẽ na amesiwo bɔbɔ wo ɖokui ɖe anyi o. Gake ate ŋu asesẽ na amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi le woƒe dzi me be woade bubu nyuitɔ amewo ŋu eye woanɔ agbagba dzem be yewoaxɔ kpekpeɖeŋu tso amewo gbɔ boŋ to kafukafunya siwo metso woƒe dzime o gbɔgblɔ na wo me.

Yehowa Dea Bubu Amegbetɔwo Ŋu

3, 4. Aleke Yehowa de bubu Abraham ŋui, eye nukatae?

3 Yehowa ŋutɔ ɖo bubudede amewo ŋu ƒe kpɔɖeŋu ɖi. Ena tiatiawɔblɔɖe amegbetɔwo esi wòwɔ wo, eye mewɔa nu ɖe wo ŋu abe mɔ̃ aɖewo koe wonye ene o. (Petro I, 2:16) Le kpɔɖeŋu me, esi wògblɔ na Abraham be le Sodom ƒe vɔ̃ɖinyenye si do agbogbo ta yeatsrɔ̃e la, Abraham biae be: ‘Ðe àtsrɔ̃ ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa mahã? Ðewohĩ ame dzɔdzɔe blaatɔ̃ anɔ dua me; ɖe àtsrɔ̃e, eye màtsɔe ake teƒe la le ame blaatɔ̃a ta o mahã?’ Yehowa ɖo eŋu be le ame dzɔdzɔe 50 ta yematsrɔ̃ dua o. Abraham gayi edzi ɖe kuku le ɖokuibɔbɔ me. Ke ne ame 45? 40? 30? 20? 10 koe li ɖe? Yehowa na kakaɖedzi Abraham be ne yeakpɔ ame dzɔdzɔe ewo le Sodom la, yematsrɔ̃e o.—Mose I, 18:20-33.

4 Yehowa nyae be ame dzɔdzɔe ewo menɔ Sodom o, gake ede bubu Abraham ŋu esi wòɖo to se eƒe nukpɔsusu eye wòwɔ nu kplii le bubudedeameŋu me. Nukatae? Elabena Abraham “[xɔ] Yehowa dzi se, eye wòbui nɛ dzɔdzɔenyenyee.” Woyɔ Abraham be “[Yehowa] xɔlɔ̃.” (Mose I, 15:6; Yakobo 2:23) Gawu la, Yehowa kpɔe be Abraham de bubu ame bubuwo ŋu. Esi dzre dzɔ ɖe eƒe lãnyilawo kple tɔgãyɔvia Lot tɔwo dome ku ɖe anyigba ŋu la, Abraham de bubu Lot ŋu esi wògblɔ nɛ be wòatia afisi wòdi gbã. Lot tia afisi wòkpɔ be enyo wu, eye Abraham ʋu yi afi bubu.—Mose I, 13:5-11.

5. Aleke Yehowa de bubu Lot ŋui?

5 Nenema ke Yehowa de bubu ame dzɔdzɔe Lot ŋui. Hafi wòatsrɔ̃ Sodom la, egblɔ na Lot be wòasi ayi towo dzi. Gake Lot gblɔ be yemedi be yeayi afima o; yedi be yeanɔ Zoar si mele didiƒe o, togbɔ be du ma nɔ nuto si tsrɔ̃ ge wòala me hã. Yehowa gblɔ na Lot bena: “Le nya sia me hã meɖo to wò, eye nyemagblẽ du, si nèwɔnɛ la o.” Yehowa de bubu nuteƒewɔla Lot ŋu esi wòwɔ nusi wòbia la dzi.—Mose I, 19:15-22; Petro II, 2:6-9.

6. Aleke Yehowa de bubu Mose ŋui?

6 Esime Yehowa gbugbɔ ɖo Mose ɖe Egipte be wòakplɔ Eƒe amewo adzoe le kluvinyenye me eye wòaƒo nu na Farao be wòaɖe asi le Mawu ƒe amewo ŋu woadzo la, Mose ɖo eŋu be: “Taflatse, [Yehowa], nyemenya nuƒoƒo o.” Yehowa na kakaɖedzi Mose be: “Makpe ɖe ŋuwò naƒo nu, eye mafia nusi nagblɔ la wò.” Gake Mose ganɔ hehem ɖe megbe kokoko. Ema ta Yehowa gana kakaɖedzi Mose ake eye wòwɔ ɖoɖo be yeana nɔvia Aron nanye eƒe nyanuɖela.—Mose II, 4:10-16.

7. Nukatae Yehowa lɔ̃ faa be yeade bubu amewo ŋu?

7 Le kpɔɖeŋu siawo katã me la, Yehowa ɖe alesi wòlɔ̃ faa be yeade bubu amewo ŋu vevietɔ amesiwo subɔnɛ la fia. Togbɔ be nusi wobia anya to vovo na nusi Yehowa ɖo le gɔmedzedzea me hã, ebu woƒe biabiaawo ŋu eye wòwɔ asitɔtrɔ zi alesi biabia siawo meda le eƒe tameɖoɖo dzi o ko.

Yesu De Bubu Amewo Ŋu

8. Aleke Yesu de bubu nyɔnu aɖe si dze dɔ vevie la ŋui?

8 Yesu srɔ̃ Yehowa le bubudede amewo ŋu me. Nyɔnu aɖe nɔ amehawo dome gbeɖeka si ŋu ʋu nɔ sisim le ƒe 12 sɔŋ. Atikewɔlawo mete ŋu dae nɛ o. Le Mose ƒe Sea te la, wobui be eŋuti mekɔ le kɔnu nu o, eye mele be wòanɔ afima hafi o. Enɔ Yesu megbe, ka asi eƒe awu ŋu, eye wòhaya. Yesu melé Sea me ɖe asi goŋgoŋ heblu ɖe eta le nusi wòwɔ la ta o. Ke boŋ esi wònya nɔnɔme si me wònɔ ta la, ede bubu eŋu gblɔ bena: “Vinyenyɔvi, wò xɔse la ɖe wò; heyi le ŋutifafa me, wò lãme nasẽ tso wò dɔléle la me!”—Marko 5:25-34; Mose III, 15:25-27.

9. Aleke Yesu de bubu Trɔ̃subɔla aɖe ŋui?

9 Ɣebubuɣi la, Kanaan-nyɔnu aɖe gblɔ na Yesu be: “Aƒetɔ, Dawid vi la, kpɔ nye nublanui! Vinyenyɔnuvi le fu kpem ŋɔdzitɔe tso gbɔgbɔ vɔ̃ si me.” Esi Yesu nyae be Israel-dukɔ gbɔe woɖo ye ɖo, ke menye ɖe Trɔ̃subɔlawo gbɔ o la, egblɔ be: “Womeɖe mɔ bena, woatsɔ ɖeviwo [Israel-viwo] ƒe abolo aƒu gbe na avũviwo [Trɔ̃subɔlawo] o.” Nyɔnua ɖo eŋu be: “Gake avũviwo hã ɖua abolo wuwlui, siwo duduna tsoa woƒe aƒetɔ ƒe kplɔ̃ dzi.” Tete Yesu gblɔ bena: “O, nyɔnu, wò xɔse la lolo! Neva me na wò, abe alesi nèdi ene.” Vianyɔnuvi la haya. Yesu de bubu Trɔ̃subɔla sia ŋu le eƒe xɔse ta. Alesi wògblɔ nya lae be “avũviwo,” le esi teƒe be wòayɔ avũ wɔadãwo, kura gɔ̃ hã trɔ asi le nya la ŋu eye wòɖe eƒe nublanuikpɔkpɔ fia.—Mateo 15:21-28.

10. Nufiame vevi kae Yesu na eƒe nusrɔ̃lawo, eye nukatae wòhiã?

10 Yesu nɔ nufiafia eƒe nusrɔ̃lawo dzi tso alesi wòhiãe be woabɔbɔ wo ɖokui ɖe anyi ahade bubu amewo ŋui la ŋu, esi ɖokuitɔdidi ƒe kuxia ganɔ wo ŋu kokoko ta. Gbeɖeka esi woʋli nya aɖe vɔ megbe la, Yesu bia be: ‘Nuka ʋlimee mienɔ?’ Wozi kpi, elabena “wole nya ʋlim le wo nɔewo dome le mɔ dzi bena: Amekae nye gãtɔ mahã?” (Marko 9:33, 34) Le zã si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku gɔ̃ hã me la, ‘dzre ɖo wo dome bena, yewo dometɔ kae nye gãtɔ mahã?’ (Luka 22:24) Eyata le Ŋutitotoa ɖuɣi la, Yesu “[trɔ] tsi ɖe tsileze me, eye wòde asi eƒe nusrɔ̃lawo ƒe afɔwo ŋuti kɔklɔ me.” Nusɔsrɔ̃ vevi kae nye esi! Yesu nye Mawu ƒe Vi, eye le xexeame katã la, eya ɖeka ko ƒe ŋusẽe kplɔ Yehowa tɔ ɖo. Ke hã eklɔ eƒe nusrɔ̃lawo ƒe afɔ ŋu tsɔ fia bubudedeameŋu wo. Egblɔ be: “Mena kpɔɖeŋu mi, bena miawo hã miawɔ, abe alesi nye la mewɔ na mi ene.”—Yohanes 13:5-15.

Paulo De Bubu Amewo Ŋu

11, 12. Esi Paulo va zu Kristotɔ megbe la, nukae wòsrɔ̃, eye le nuwɔwɔ kple Filemon me la, aleke wòwɔ nusɔsrɔ̃ sia ŋudɔe?

11 Esi apostolo Paulo srɔ̃ Kristo ta la, ede bubu ame bubuwo ŋu. (Korintotɔwo I, 11:1) Egblɔ be: “Eye míedi bubu tso amewo gbɔ hã o, . . . ke míefa tu le mia dome, abe alesi vidada kpɔa ye ŋutɔ viawo dzii ene.” (Tesalonikatɔwo I, 2:6, 7) Vidada léa be na via suewo. Esi Paulo va zu Kristotɔ megbe la, esrɔ̃ ɖokuibɔbɔɖeanyi eye wòde bubu ehati Kristotɔwo ŋu esi wòwɔ nu kpli wo le tufafa me. Le ema wɔwɔ me la, ede bubu tiatiawɔblɔɖe si le wo si la hã ŋu, abe alesi wòdze le nudzɔdzɔ aɖe me esi wònɔ game le Roma la ene.

12 Subɔvi aɖe si si le eƒe aƒetɔ gbɔ si ŋkɔe nye Onesimo ɖo to Paulo ƒe nufiafia. Eva zu Kristotɔ kple Paulo xɔlɔ̃. Subɔvia ƒe aƒetɔe nye Filemon, amesi hã nye Kristotɔ, si nɔ Asia Sue. Le lɛta si Paulo ŋlɔ na Filemon me la, egblɔ alesi Onesimo nye kpekpeɖeŋu nɛ esi wògblɔ be: “Medi be, wòanɔ gbɔnye.” Gake Paulo gbugbɔ Onesimo ɖo ɖe Filemon, elabena eŋlɔ bena: “Esi nyemenya wò lɔlɔ̃nu o la, nyemedi be, mawɔ naneke o, bena wò nyuiwɔwɔ la nagato dzizizi me o, ke boŋ wòato lɔlɔ̃nu faa me.” Paulo mezã eƒe apostolonyenye tsɔ wɔ nusi wòdi la o, ke boŋ ede bubu Filemon ŋu esi mebia be yeazi Onesimo dzi wòatsi Roma o la ta. Gakpe ɖe eŋu la, Paulo xlɔ̃ nu Filemon be wòade bubu Onesimo ŋu, wòawɔ nu ɖe eŋu abe amesi ‘wu kluvi, abe nɔvi lɔlɔ̃ ene.’—Filemon 13-16.

Bubudede Amewo Ŋu le Míaƒe Ŋkekea Me

13. Nukae Romatɔwo 12:10 gblɔ na mí be míawɔ?

13 Mawu ƒe Nya xlɔ̃ nu mí be: “Mitre mia nɔewo bubu.” (Romatɔwo 12:10) Esia fia be mele be míalala be amewo natre bubudede mía ŋu o, míawoe adee wo ŋu gbã boŋ. “Ame aɖeke nagadi ye ŋutɔ tɔ o, ke nusi nye ame bubu tɔ la boŋ.” (Korintotɔwo I, 10:24; Petro I, 3:8, 9) Eyata Yehowa subɔlawo dia mɔ siwo dzi woato ade bubu amesiwo le ƒomea me, hati Kristotɔ siwo le hamea me, kple amesiwo le hamea godo la kura gɔ̃ hã ŋu.

14. Aleke srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu woade bubu wo nɔewo ŋui?

14 Biblia gblɔ be: “Ŋutsu sia ŋutsu ƒe ta enye Kristo, ke nyɔnu ƒe ta enye ŋutsu.” (Korintotɔwo I, 11:3) Yehowa ɖoe na ŋutsua be wòawɔ nu ɖe srɔ̃a ŋu abe alesi Kristo wɔ nu ɖe hamea ŋui ene. Le Petro I, 3:7 la, woxlɔ̃ nu ŋutsua be wòanɔ anyi kple srɔ̃a le “nunya me, esi wonye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo wu la ŋuti.” Ate ŋu awɔ esia to lɔlɔ̃ faa be yeaɖo to ye srɔ̃, kple to eƒe nukpɔsusuwo ŋu bubu me. (Mose I, 21:12) Ne nyɔnua ƒe didiwo metsi tre ɖe gɔmeɖose aɖeke ŋu o la, ŋutsua ate ŋu awɔ ɖe wo dzi eye wòawɔ dɔwo akpe ɖe eŋu ahawɔ nu ɖe eŋu le tufafa me. Nenema ke “nyɔnu la nasi srɔ̃a ɖa.” (Efesotɔwo 5:33) Esea srɔ̃aŋutsua ƒe gbe, meʋlina ɣesiaɣi be yeatsi tre ɖe eŋu o, medanɛ ɖe anyi alo nɔa vodada dim le eŋu ɣesiaɣi o. Ebɔbɔa eɖokui ɖe anyi eye ne eƒe ŋutete le nanewo wɔwɔ me gbɔ srɔ̃a tɔ ŋu gɔ̃ hã la, medzea agbagba be yeaɖu ye srɔ̃ŋutsua dzi o.

15. Ameŋububu kae wòle be woaɖe afia ame tsitsiwo, eye aleke wòle be woawɔ nu ɖe eŋui?

15 Le Kristo-hamea me la, ame aɖewo li siwo ŋu wòle be woade bubui koŋ, amesiawoe nye ame tsitsiwo. “Amegã taɣi ŋku me nanɔ tsitre ɖo, eye bu amegã ɖeɖi [alo nyagã] la.” (Mose III, 19:32) Alea wòle enye sia, vevietɔ le amesiwo subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe ƒe geɖe gome, elabena “atsyɔ̃fiakuku enye ta ƒowɔ, dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzi wokpɔnɛ lena.” (Lododowo 16:31) Ele be dzikpɔlawo naɖo esia ƒe kpɔɖeŋu to bubu si dze la dede hati Kristotɔ siwo tsi wu wo ŋu me. Gake ele be ame tsitsiwo hã nawɔ nu ɖe ɖekakpuiwo ŋu bubutɔe, vevietɔ amesiwo le alẽawo nyinyi ƒe agbanɔamedzia tsɔm kpli wo.—Petro I, 5:2, 3.

16. Aleke dzilawo kple wo viwo ade bubu wo nɔewo ŋui?

16 Ele be ɖeviwo nabu wo dzilawo: “Mi ɖeviwo la, miɖo to mia dzilawo le Aƒetɔ la me, elabena esia le eteƒe. ‘Bu fofowò kple dawò,’ esia enye sedede gbãtɔ, si me ŋugbedodo le la, ‘bene wòanyo na wò, eye nanɔ agbe didie le anyigba dzi!’” Nenema ke dzilawo hã dea bubu wo viwo ŋu, elabena wogblɔ na wo bena ‘womegado dziku na wo viwo o, ke woanyi wo le Yehowa ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.’—Efesotɔwo 6:1-4; Mose II, 20:12.

17. Amekawoe dze be woatsɔ bubu “teƒe eve” ana?

17 Amesiwo hã ŋu wòle be woade bubui nye amesiwo wɔa dɔ sesĩe le hamea dzikpɔkpɔ me: “Hamemegã, siwo kpɔa ha la dzi nyuie la, edze be, woatsɔ bubu teƒe eve abu wo, vevietɔ amesiwo dze agbagba le nyagbɔgblɔ kple nufiafia me.” (Timoteo I, 5:17) Mɔ ɖeka si dzi míato atsɔ bubu sia na woe nye nusi wogblɔ le Hebritɔwo 13:17 dzi wɔwɔ: ‘Miɖo to amesiwo le ŋgɔ xɔm le mia dome, eye mibɔbɔ mia ɖokui na wo.’

18. Nukae wòle be míawɔ na amesiwo mele hamea me o?

18 Ðe wòle be míabu amesiwo mele hamea me o la hã? Ẽ. Le kpɔɖeŋu me, woxlɔ̃ nu mí be: “Amesiame nabɔbɔ eɖokui na dziɖuɖu, siwo ŋusẽ li na.” (Romatɔwo 13:1) Amesiawoe nye xexeame dziɖula siwo Yehowa ɖe mɔ na be woaɖu dzi vaseɖe esime yeƒe Fiaɖuƒea nava xɔ ɖe wo teƒe. (Daniel 2:44) Eyata ‘míetua fe na amesiame, alesi dze: Amesi tɔ nye nudzɔdzɔ la, míedzɔa nu nɛ; amesi tɔ nye adzɔnana la, míenaa adzɔe; amesi dze vɔvɔ̃ la, míevɔ̃nɛ; amesi dze bubu la, míebunɛ.’ (Romatɔwo 13:7) Ele na mí be ‘míabu amewo katã, ŋutsuwo alo nyɔnuwo.’—Petro I, 2:17.

19. Aleke míate ŋu ‘awɔ nu nyui’ na ame bubuwo ahade bubu wo ŋui?

19 Togbɔ be enye nyateƒe be ele be míabu amesiwo mele hamea me o hã la, de dzesi nusi dzi Mawu ƒe Nya la te gbe ɖo: “Esi asinukpɔkpɔ le mía si la, mina míawɔ nu nyui na amesiame, ke vevietɔ na haxɔsetɔwo.” (Galatiatɔwo 6:10) Ẽ, mɔ nyuitɔ kekeake si dzi míate ŋu ‘awɔ nu nyui’ na ame bubuwoe nye be míana woakpɔ woƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo adze sii eye míakpe ɖe wo ŋu woaɖi kɔ na wo. (Mateo 5:3) Míate ŋu awɔ esia ne míewɔ apostolo Paulo ƒe ŋkuɖodzinya dzi be: “Do vevie be, natsɔ ɖokuiwò afia Mawu abe ame like kple dɔwɔla, si mehiã be, ŋu nakpee o, kpakple amesi ma nyateƒenya la me pɛpɛpɛ ene.” Ne míedze aɖaŋu hezã mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe be míaɖi ɖase ‘hewɔ míaƒe subɔsubɔdɔa bliboe’ la, menye nu nyui ɖeɖeko wɔm míele na amesiame o, ke míele bubu hã dem wo ŋu.—Timoteo II, 2:15; 4:5.

Bubudede Yehowa Ŋu

20. Nukae dzɔ ɖe Farao kple eƒe asrafowo dzi, eye nukatae?

20 Yehowa dea bubu eƒe nuwɔwɔwo ŋu. Nunya le eme be ele be míawo hã míade bubu eŋu. (Lododowo 3:9; Nyaɖeɖefia 4:11) Yehowa ƒe Nya gblɔ hã be: “Amesi buam la, mabui eye amesi doa vlom la, mado vloe.” (Samuel I, 2:30) Esi wogblɔ na Egiptetɔ Farao be wòaɖe asi le Mawu ƒe amewo ŋu ne woadzo la, eɖo eŋu dadatɔe be: “Ameka nye Yehowa, ne maɖo to eƒe gbe?” (Mose II, 5:2) Esi Farao kplɔ eƒe asrafowo be woaɖatu nu kple Israel-viwo la, Yehowa na Ƒudzĩa ma ɖe akpa eve na Israel-viwo. Gake esi Egiptetɔwo kplɔ wo ɖo la, Yehowa na tsia nyẽ zi va kpe eye wòŋe ɖe wo dzi. “[Yehowa] de Farao ƒe tasiaɖam kple eƒe aʋakɔ la ƒu.” (Mose II, 14:26-28; 15:4) Eyata esi Farao da eɖokui hegbe be yemade bubu Yehowa ŋu o la he nuwuwu manyomanyo vɛ nɛ.—Psalmo 136:15.

21. Nukatae Yehowa tsi tre ɖe Belsazar ŋu, eye nukae do tso eme?

21 Babilon Fia Belsazar gbe bubudede Yehowa ŋu. Le kplɔ̃ɖoɖo aɖe si me wòno aha le mu la, eno wein le sika kple klosalo kplu siwo wofɔ tso Yerusalem gbedoxɔa me la me tsɔ do vlo Yehowae. Eye esi wònɔ nusia wɔm la, ekafu mawu siwo nye trɔ̃wo. Gake Yehowa ƒe subɔla si nye Daniel gblɔ nɛ be: “Mèbɔbɔ wò dzi ɖe anyi o . . . Èdo ɖokuiwò ɖe dzi ɖe dziƒo ƒe Aƒetɔ la ŋu.” Le zã ma ke me la wowu Belsazar, eye woxɔ eƒe fiaɖuƒea le esi.—Daniel 5:22–6:1.

22. (a) Nukatae Yehowa ƒe dɔmedzoe va Israel-viwo ƒe kplɔlawo kple wo teviwo dzi? (b) Amekawoe Yehowa kpɔ nublanui na, eye nukae do tso eme?

22 Le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, Fia Herodes nɔ nu ƒom na takpelawo, eye wodo ɣli bena: “Mawuwo ƒe gbee, eye menye ame tɔe o.” Fia ɖokuidoɖedzila la megbe be womegakafu ye nenema o, ke boŋ eda asi ɖe edzi. Le esia ta “[Yehowa] ƒe dɔla ƒoe, le esi metsɔ bubu na Mawu o la ta.” (Dɔwɔwɔwo 12:21-23) Herodes do eɖokui ɖe dzi, ke mede bubu Yehowa ŋu o, eye woƒoe ƒu anyi wòku. Subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi ɣemaɣi mede bubu Mawu ŋu o esi woɖo nugbe be yewoawu Via, Yesu. Dziɖula aɖewo nyae be nusi fiam Yesu nɔ la nye nyateƒe, gake womedze eyome o, “elabena wolɔ̃a amewo ƒe bubu wu Mawu ƒe bubu.” (Yohanes 11:47-53; 12:42, 43) Dukɔ bliboa mede bubu Yehowa alo Eteƒenɔla, Yesu, si wòtia la ŋu o. Le esia ta Yehowa megayi edzi de bubu wo ŋu o, eɖe asi le wo kple woƒe gbedoxɔa ŋu wotsrɔ̃. Gake ekpɔ amesiwo de bubu eya kple Via ŋu la ta wotsi agbe.—Mateo 23:38; Luka 21:20-22.

23. Nukae wòle be míawɔ be míanɔ Mawu ƒe xexe yeyea me? (Psalmo 37:9-11; Mateo 5:5)

23 Ele be amesiwo katã di be yewoatsi agbe anɔ Mawu ƒe xexe yeyea me ne wotsrɔ̃ nuɖoanyi sia la nade bubu Mawu kple Via Kristo Yesu ŋu, ahaɖo to wo. (Yohanes 5:22, 23; Filipitɔwo 2:9-11) ‘Woatsrɔ̃’ amesiwo medea bubu wo ŋu o la ‘ɖa le anyigba la dzi.’ Gake ame dzɔdzɔe siwo dea bubu Mawu kple Kristo ŋu heɖoa to woe nye amesiwo “anɔ anyigba la dzi.”—Lododowo 2:21, 22.

Numetoto

◻ Nukae bubudede amewo ŋu fia, eye aleke Yehowa wɔ esiae?

◻ Aleke Yesu kple Paulo wode bubu amewo ŋui?

◻ Amekawoe dze be míade bubu wo ŋu le míaƒe ŋkekea me?

◻ Nukatae wòle be míade bubu Yehowa kple Yesu ŋu?

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Yehowa de bubu Abraham ŋu esi wòɖo to eƒe biabiawo

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Le srɔ̃ɖeɖe kpɔdzidzedzewo me la, srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu dea bubu wo nɔewo ŋu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe