INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 8/15 axa 8-9
  • Mègana Dziku Nazu Nukikli Na Wò o

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mègana Dziku Nazu Nukikli Na Wò o
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Dzikudodo Ŋu?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Ðe Wònye Nu Gbegblẽ Ɣesiaɣi be Woado Dzikua?
    Nyɔ!—1994
  • Nukata Wòle Be Nàɖu Dzikudodo Dzi?
    Nyɔ!—1997
  • ‘Ame Si Sea Nu Gɔme Nyuie La, Medoa Dziku Kabakaba O’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 8/15 axa 8-9

Mègana Dziku Nazu Nukikli Na Wò o

“GBƆ dzi ɖi!” “Mègatsi dzi o!” “Zi ɖoɖoe!” Èse nya siawo kpɔa? Ðewohĩ ègblɔa wo tsɔ faa wò dziku nui. Ame aɖewo doa go va ɖia tsa be woatsɔ axe mɔ ɖe dɔmedzoedodo nu. Esiawo nye mɔ bɔbɔe siwo dzi woato alé dziku nu, ahakpɔ mía kple ame bubuwo dome ƒomedodowo ta.

Gake le ƒe siawo me la, be woalé dziku nu loo alo azi edzi ƒe aɖaŋu si eŋutinunyalawo ɖona tsia tre ɖe wo nɔewo ŋu eye ewɔe be ame geɖe tɔtɔna. Le kpɔɖeŋu me, susuŋununyala aɖewo fia nu be “ne dzikudodo naa wò dzi dzea eme wu la,” ekema do dziku faa. Bubuwo xlɔ̃ nu be dzikudodo edziedzi “awu ame kaba wu nu bubu siwo wua ame, abe atamanono, ʋusɔgbɔdɔ, kple ʋumemi sɔgbɔ ene.” Mawu ƒe Nya gblɔe eme kɔ be: “Wò dɔmedzoe nu nefa, eye nadzudzɔ dzikudodo; dzi megaku wò o, elabena nu vɔ̃ɖi ko nayi wɔwɔ ge!” (Psalmo 37:8) Nukatae Biblia ɖo aɖaŋu tẽ nenema?

Seselelãme si nu womelé o na wowɔa nu gbegblẽ. Esia dze ƒã le amegbetɔ ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze ke. Míexlẽ be: “Kain bi dzi ŋutɔ, eye wòɖo adã.” Nuka mee wòkplɔe dee? Eƒe dzikua nu sẽ eye wòkpɔ ŋusẽ ɖe edzi ale gbegbe be ena eƒe dzi me sẽ, eye wògbe Yehowa ƒe nuxlɔ̃ame be wòatrɔ ɖe nyuiwɔwɔ ŋu la sese. Kain ƒe dziku si nu melé o kplɔe de nuvɔ̃ gã me—ewu nɔvia.—Mose I, 4:3-8.

Saul si nye Israel-fia gbãtɔ hã do dziku nenema ke esi wòse wonɔ kafukafu geɖe tsɔm na Dawid. “Nyɔnuawo le ʋu ƒom hedo ha ɖa bena: Saul wu akpe, Dawid wu akpe nane! Tete dzi ku Saul ŋutɔ, eye nya la medze eŋu o.” Dzikudodo kpɔ ŋusẽ ɖe Saul ƒe susu dzi ale gbegbe be etee kpɔ zi geɖe be yeawu Dawid. Togbɔ be Dawid ɖe afɔ zi geɖe be yeagadze xɔlɔ̃e hã la, Saul melɔ̃ be yeadi ŋutifafa ahawɔ ɖeka kplii o. Mlɔeba la, ebu Yehowa ƒe ŋudzedzekpɔkpɔɖeameŋu keŋkeŋ.—Samuel I, 18:6-11; 19:9, 10; 24:1-21; Lododowo 6:34, 35.

Kokoko la, ne ame do dziku eye melé enu o la, agblɔ nya alo awɔ nane si ave amesiame si wòlɔ ɖe eme. (Lododowo 29:22) Kain kple Saul do dziku, elabena wo dometɔ ɖesiaɖe ʋã ŋu eye dɔme ve wo. Gake nu vovovo ate ŋu ana woado dziku. Nuƒoƒo tsi tre ɖe ame ŋu madzemadzee, amedzudzu, nugɔmemasemase, alo numawɔmawɔ nyuie ɖe ame ŋu ate ŋu ana woado dziku.

Kain kple Saul ƒe kpɔɖeŋuawo fia be kuxi sesẽ aɖe nɔ wo kple evea ŋu. Edze ƒã be xɔse mekpe ɖe Kain ƒe vɔsaa ŋu o. (Hebritɔwo 11:4) Saul ƒe tomaɖomaɖo Yehowa ƒe sedede kple eƒe agbagbadzedze be yeaʋli ye ɖokui ta emegbe na be wòbu Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔɖeameŋu kple eƒe gbɔgbɔ. Edze ƒã be ŋutsu evea siaa gblẽ woa kple Yehowa dome ƒomedodo me.

Tsɔ nɔnɔme mawo sɔ kple Dawid si tɔ dzɔ be wòado dziku le nusiwo Saul wɔ ɖe eŋu ta hafi la tɔ. Dawid ɖu eƒe gbɔgbɔ dzi. Nukatae? Egblɔ be: “Nede megbe xaa tso gbɔnye le Yehowa ta be, mawɔ nusia ɖe nye aƒetɔ, si nye Yehowa ƒe amesiamina la ŋu.” Dawid ƒe susu nɔ eya kple Yehowa dome ƒomedodo ŋu, eye ekpɔ ŋusẽ ɖe alesi wòwɔ nu ɖe Saul ŋui dzi. Egblẽ nyawo ɖe Yehowa sime ɖokuibɔbɔtɔe.—Samuel I, 24:7, 16.

Le nyateƒe me la, dziku si nu womelé o ate ŋu agblẽ nu ŋutɔ. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu be: “Mibi dzi, eye migawɔ nuvɔ̃ o.” (Efesotɔwo 4:26) Togbɔ be dzikudodo si le eteƒe sɔ hã la, afɔku li ɣesiaɣi be ate ŋu azu nukikli na mí. Eyata mewɔ nuku o be, esesẽna na mí be míaɖu dziku dzi. Aleke míate ŋu awɔ aɖu edzi?

Mɔ vevi ɖekae nye be nàtu ƒomedodo sẽŋu ɖo le mia kple Yehowa dome. Ede dzi ƒo na wò be nàʋu wò dzi kple susu me na ye. Gblɔ wò nuhiahiãwo kple seselelãmewo nɛ, eye nàbia be wòana dzi fatu si yeatsɔ aɖu dziku dzii la ye. (Lododowo 14:30) Kakaɖedzi nenɔ asiwò be, “Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe kukuɖeɖe ŋu.”—Petro I, 3:12.

Gbedodoɖa ate ŋu atrɔ wò nɔnɔme ahakplɔ wò. Le mɔ ka nu? Ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe wò nuwɔna ɖe ame bubuwo ŋu dzi ale gbegbe. Ðo ŋku alesi Yehowa wɔ nu ɖe ŋuwòe dzi. Abe alesi Ŋɔŋlɔawo gblɔe ene la, Yehowa “mewɔna na mí ɖe míaƒe nuvɔ̃wo nu o.” (Psalmo 103:10) Tsɔtsɔkegbɔgbɔ le vevie bene “Satana nagaba” wò o. (Korintotɔwo II, 2:10, 11) Gawu la, gbedodoɖa ate ŋu aʋu wò dzi me bena gbɔgbɔ kɔkɔe si te ŋu trɔa nɔnɔme siwo ma ame gɔ̃ hã nafia mɔ wò. Yehowa naa “ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta” si ate ŋu aɖe wò tso dziku ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi me la faa.—Filipitɔwo 4:7.

Gake ele be Ŋɔŋlɔawo me dzodzro edziedzi nakpe ɖe gbedodoɖa ŋu be ‘míadze si nusi nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu.’ (Efesotɔwo 5:17; Yakobo 3:17) Ne esesẽna na wò be nàɖu dziku dzi la, ke dze agbagba be Yehowa ƒe susu le nya la ŋu nasu asiwò. Dzro mawunyakpukpui siwo ku ɖe dziku dzi ɖuɖu ŋu koŋ la me.

Apostolo Paulo na mí ŋkuɖodzi vevi sia be: “Mina míawɔ nu nyui na amesiame, ke vevietɔ na haxɔsetɔwo.” (Galatiatɔwo 6:10) Na wò susu kple nuwɔnawo nanɔ nyuiwɔwɔ na amewo ŋu. Nuwɔna ɖɔʋu mawo ana nublanuikpɔkpɔ kple kakaɖeamedzi si ate ŋu axe mɔ ɖe nugɔmemasemase siwo ate ŋu ahe dziku vɛ bɔbɔe nu la nasu asiwò.

Hakpala la gblɔ be: “Tsɔ wò nya la li ke nye afɔɖeɖe, eye megana nu vɔ̃ɖi aɖeke naɖu fia le dzinye o! Ŋutifafa gã le amesiwo lɔ̃a wò sea la si, eye nukikli aɖeke meli na wo o.” (Psalmo 119:133, 165) Wò hã àte ŋu awɔe nenema.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 9]

AFƆ SIWO NÀÐE ATSƆ AÐU DZIKU DZII

□ Do gbe ɖa na Yehowa.—Psalmo 145:18.

□ Dzro Ŋɔŋlɔawo me gbesiagbe.—Psalmo 119:133, 165.

□ Ƒo ɖokuiwò ɖe dɔ nyuiwo wɔwɔ me.—Galatiatɔwo 6:9, 10.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe