‘Dziƒobli la’ Ðuɖu
ESI woɖe Israel-viwo nukutɔe tso Egipte megbe teti la, woɖe xɔsemanɔamesi gã aɖe fia woƒe Ðela Yehowa. Ewɔe be Yehowa na wotsa tsaglãla le Sinai gbedzi ƒe 40. Le ɣeyiɣi mawo katã me la, Israel-viwo kple ‘amedzro geɖe’ siwo ʋu kple wo ɖu nu heno nu “ɖi ƒo.” (Mose II, 12:37, 38) Psalmo 78:23-25 gblɔ alesi wòdzɔe na mí be: “[Yehowa de] se na alilikpowo le dzi me, eʋu dziƒo nu, eye mana dza, ne woaɖu; ẽ, dziƒobli wòna wo, mawudɔlawo ƒe abolo amegbetɔ ɖu, eye wòna nuɖuɖu woɖu ɖi ƒo.”
Mose si ɖu mana la ɖɔ alesi nuɖuɖu tɔxɛ sia le. Eŋlɔ be le ŋdi me esi “afu la kɔ ɖa la, . . nu sue nogonogoewo le anyigba le gbe la dzi abe ketsi ene. Eye esi Israel-viwo kpɔe la, wogblɔ na wo nɔewo bena: Nuka nye esi?” alo “man huʼ?” le Hebrigbe me. Anye nyagbɔgblɔ sia mee woɖe nya “mana” si nye ŋkɔ si Israel-viwo na nuɖuɖua tsoe. Mose gblɔ be: “Ele abe xetsetse ene hele ɣie; eye wòvivina abe tatali, si me wode anyitsii ene.”—Mose II, 16:13-15, 31, NW ƒe etenuŋɔŋlɔ.
Menye nuɖuɖu si dzana le eɖokui sie mana la nye abe alesi amewo gblɔnɛ ene o. Ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔme tɔ ŋu gbɔe wòtso. Le kpɔɖeŋu me, menye teƒe aɖe ko alo ɣeyiɣi aɖe koe wòdzana o. Ne wogblẽe ɖi ŋu ke la, edzea nyẽ henɔ ʋeʋẽm; gake ŋkeke eve tɔ si ƒome ɖesiaɖe fɔna le ŋkeke si do ŋgɔ na kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Sabat la megblẽna ne ŋu ke ɖe edzi o, be woate ŋu aɖui le Sabat—si nye ŋkeke si dzi mana medzana o la dzi. Nyateƒee, nunana si wɔ nuku ye mana la nye.—Mose II, 16:19-30.
Alesi woyɔ “mawudɔlawo” le Psalmo 78 ate ŋu afia be mawudɔlawo dzie Yehowa tsɔ manaa toe. (Psalmo 78:25, NW ƒe etenuŋɔŋlɔ) Aleke ke wòɖadzɔe o, ele be ameawo nada akpe na Mawu ɖe eƒe dɔmenyonyo ta. Gake wo dometɔ geɖe ɖe akpemadamada ƒe nɔnɔme fia ɖe Amesi ɖe wo tso kluvinyenye me le Egipte. Míawo hã míate ŋu abu Yehowa ƒe nunanawo nu tsɛe, alo azu akpemadalawo gɔ̃ hã ne míede ŋugblẽ le eƒe amenuveve ŋu o. Eyata míate ŋu ada akpe be Yehowa na woŋlɔ alesi woɖe Israel kple nusiwo dzɔ emegbe hã ɖi hena “míaƒe nufiafia.”—Romatɔwo 15:4.
Nusi Wofia Israel Ðe Vi na Kristotɔwo
Esi Yehowa na mana la, menye Israel-vi siwo anɔ ame miliɔn etɔ̃ ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ko tae wònae wo o. Edi be ‘yeabɔbɔ wo ɖe anyi ado wo akpɔ’ be yeatsɔ akɔ wo ŋu ana hehe wo hena woawo ŋutɔ ƒe viɖe. (Mose V, 8:16; Yesaya 48:17) Ne wolɔ̃ wokɔ wo ŋu eye wohe wo la, Yehowa ‘awɔ nyui na wo le ŋkeke siwo nɔ ŋgɔ na wo me’ ana ŋutifafa, dzidzedzekpɔkpɔ, kple dzidzɔ wo le Ŋugbedodonyigbaa dzi.
Nu vevi ɖeka si wòhiã be woanyae nye be “amegbetɔ mele abolo ƒe agbe ko o, ke boŋ amegbetɔ le agbe le nya, siwo katã do tso Yehowa nu la ta.” (Mose V, 8:3) Ne ɖe Mawu mena mana o la, anye ne dɔ awu ameawo woaku—enye nyateƒenya si woawo ŋutɔ wonya. (Mose II, 16:3, 4) Ena Israel-vi siwo kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu la ɖoa ŋku edzi gbesiagbe be yewoƒe agbe nɔ te ɖe Yehowa dzi bliboe, eyata ena wobɔbɔ wo ɖokui. Ne woɖo Ŋugbedodonyigba si dzi ŋutilãmenu geɖe le la, asesẽ be woaŋlɔ Yehowa kple alesi woƒe agbe nɔ te ɖe edzie la be.
Abe alesi wònɔ le Israel-viwo gome ene la, ele be Kristotɔwo naɖo ŋku edzi ɣesiaɣi be Mawu ko sinue wòle be yewoakpɔ hena yewoƒe agbemenuhiahiãwo katã—ŋutilãme kple gbɔgbɔ me tɔwo siaa. (Mateo 5:3; 6:31-33) Esi Yesu Kristo nɔ nya ŋu ɖom na Abosam le eƒe tetekpɔawo dometɔ ɖeka me la, eyɔ Mose ƒe nya siwo le Mose V, 8:3 gblɔ be: “Woŋlɔ ɖi bena: “Menye abolo ɖeɖe ko ŋuti ame lanɔ agbe ɖo o, negbe ɖe nya sia nya, si dona tsoa Mawu ƒe nu me la ŋuti.’” (Mateo 4:4) Ẽ, Mawu subɔla vavãwo kpɔa ŋusẽdodo ne woxlẽ Yehowa ƒe nya siwo le eƒe Nya la me. Gakpe ɖe eŋu la, ne wole zɔzɔm kple Mawu hetsɔa eƒe Fiaɖuƒenuwo ɖoa nɔƒe gbãtɔ ale be wokpɔa alesi nya siawo ɖea vi na wo le woƒe agbe me la, ena ŋusẽ ɖoa woƒe xɔse ŋu.
Ate ŋu adzɔ be amegbetɔ madeblibowo magava nɔ ŋudzedze kpɔm ɖe nusiwo va zu gbesiagbenu dzrowo ko ŋu o—ne nusiawo ganye Yehowa ƒe lɔlɔ̃ ɖeɖefia gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, mana si wona nukutɔe la wɔ nuku na Israel-viwo eye edze wo ŋu le gɔmedzedzea me, gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wo dometɔ geɖe to nyatoƒoe. Woxa nu amemabumabutɔe be “nuɖuɖu vlo sia le ŋu nyɔm na mí”—enye dzesi be ‘wote tɔtrɔ tso Mawu gbagbe la gbɔ.’ (Mose IV, 11:6; 21:5; Hebritɔwo 3:12) Eyata woƒe kpɔɖeŋua nye “nuxɔxlɔ̃ hena mí amesiwo dzi xexe sia me ƒe nuwuwu va ɖo la.”—Korintotɔwo I, 10:11.
Aleke míate ŋu awɔ ɖe nuxlɔ̃amekpɔɖeŋu sia dzi? Mɔ ɖekae nye be míagaɖe mɔ gbeɖe be Biblia me nufiafiawo alo nunana siwo tsoa dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la gbɔ nazu nu tsɛ alo nu maɖinu na mí o. (Mateo 24:45) Ne míedze Yehowa ƒe nunanawo bubu nu tsɛ alo ne woti mí ko la, mía kplii dome ƒomedodo me ate gbegblẽ.
Enyo be Yehowa menɔa nu yeye dodzidzɔnamewo nam mí atraɖii o. Ke boŋ ekɔa eƒe Nya la me ɖe edzi vivivi. (Lododowo 4:18) Esia kpena ɖe eƒe amewo ŋu wosea nusiwo wosrɔ̃na gɔme hewɔa wo ŋudɔ. Yesu wɔ nu ɖe Fofoa ƒe kpɔɖeŋu nu esi wònɔ nu fiam eƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo. Eɖe Mawu ƒe Nya la me na wo “abe alesi wòanya se na wo ene” alo alesi “egɔme anya se na wo,” le Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo ƒe nya nu.—Marko 4:33; tsɔe sɔ kple Yohanes 16:12.
Na Alesi Nèkpɔa Ŋudzedze Ðe Mawu ƒe Nunanawo Ŋu me Nasẽ
Yesu gblɔa nya ɖeka edziedzi hã. Enye nyateƒe be susua ate ŋu ase nya aɖe gɔme kaba—ate ŋu anye Biblia me gɔmeɖose aɖe—gake etsɔtsɔ ade dzi me, be wòazu Kristotɔ ƒe ‘amenyenye yeyea’ ƒe akpa aɖe axɔ ɣeyiɣi didi wu, vevietɔ ne nɔnɔme kple agbenɔnɔ xoxotɔwo ma ame ale gbegbe. (Efesotɔwo 4:22-24) Nenema tututue wònɔ le Yesu ƒe nusrɔ̃lawo gome esi wòva hiã be woaɖu dada dzi ahasrɔ̃ ɖokuibɔbɔ. Ehiã be Yesu nafia nu wo le ɖokuibɔbɔ ŋu zi geɖe, eye ɣesiaɣi la, efiaa nu ma ke wo le mɔ bubu nu be woase egɔme, eye mlɔeba la wose egɔme hã.—Mateo 18:1-4; 23:11, 12; Luka 14:7-11; Yohanes 13:5, 12-17.
Le egbeŋkekeawo me la, wowɔa nu ɖe Yesu ƒe kpɔɖeŋua nu le Kristotɔwo ƒe kpekpewo kple Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽwo me ale be wotrɔa asi le nya ŋu gagbugbɔ gblɔna. Eyata mina míakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu abui be enye Mawu ƒe ɖetsɔtsɔ le mía me lɔlɔ̃tɔe ɖeɖefia, eye nusiwo míesrɔ̃na megati mí gbeɖe abe alesi manaa ti Israel-viwo ene o. Le nyateƒe me, ne míegbɔ dzi ɖi dze agbagba be míasrɔ̃ Yehowa ƒe ŋkuɖodzinya siwo wònana edziedzi ahase wo gɔme la, míakpɔ eƒe kutsetse nyuiwo le míaƒe agbe me. (Petro II, 3:1) Ŋudzedzekpɔkpɔ ƒe nɔnɔme sia afia le nyateƒe me be míele Mawu ƒe Nya la ‘gɔme sem’ le míaƒe dzi kple susu me. (Mateo 13:15, 19, 23) Hakpala Dawid ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe na mí le go sia me, amesi togbɔ be gbɔgbɔmenuɖuɖu vovovo siwo le mía si egbea menɔ esi o hã la, egblɔ be Yehowa ƒe sewo “[vivina] wu anyitsi kple anyiɖaɖa”!—Psalmo 19:11.
“Mana” si Naa Agbe Mavɔ
Yesu gblɔ na Yudatɔwo be: “Nyee nye agbebolo la. Mia fofowo ɖu mana le gbeadzi, eye woku. . . . Nyee nye agbebolo la, si ɖi tso dziƒo va; ne ame aɖe ɖu abolo sia ƒe ɖe la, anɔ agbe tegbetegbe; . . abolo, si na ge mala ɖe xexeame ƒe agbe ta la, enye nye ŋutilã.” (Yohanes 6:48-51) Abolo ŋutɔŋutɔ mena agbe mavɔ o, eye mate ŋu anae hã o. Gake amesiwo xɔ Yesu ƒe tafevɔsaa dzi se ava kpɔ agbe mavɔ ƒe yayrawo.—Mateo 20:28.
Amesiwo Yesu ƒe tafevɔsa la aɖe vi na dometɔ akpa gãtɔ anɔ agbe mavɔ le paradisonyigba dzi. Amesiawo dome “ameha gã”—si “amedzro geɖe” siwo dzo kple Israel-viwo le Egipte nye kpɔɖeŋu na—atsi agbe le “xaxa gã” si gbɔna, si aɖe vɔ̃ɖinyenye katã ɖa le anyigba dzi la me. (Nyaɖeɖefia 7:9, 10, 14; Mose II, 12:38) Teƒeɖoɖo si galolo wu asu amesiwo Israel-viawo ŋutɔ nye kpɔɖeŋu na si. Apostolo Paulo yɔ amesiawo siwo ƒe xexlẽme nye 144,000 be wonye Mawu ƒe gbɔgbɔ me Israel. Teƒeɖoɖo si asu wo si ne wokue nye tsitretsitsi hena agbenɔnɔ le dziƒo. (Galatiatɔwo 6:16; Hebritɔwo 3:1; Nyaɖeɖefia 14:1) Yesu ana mana tɔxɛ aɖe wo le afima.
Nusi “Mana Ɣaɣla la” Nye
Yesu si wofɔ ɖe tsitre la gblɔ na gbɔgbɔ me Israel be: “Amesi ke ɖu dzi la, mana mana ɣaɣla la ƒe ɖee.” (Nyaɖeɖefia 2:17) Kpɔɖeŋumana ɣaɣla sia na míeɖo ŋku mana si Mawu de se na Mose be wòadzra ɖo ɖe sikakplu me wòanɔ nubablaɖaka kɔkɔe la me dzi. Aɖakaa nɔ avɔgbadɔa ƒe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe. Ne ele afima la, womekpɔnɛ o, abe ɖe woɣlae ene. Mana sia si wodzra ɖo be wòanye ŋkuɖodzinu la megblẽna ne ekpɔtɔ le Aɖakaa me o, eyata enye kpɔɖeŋu si sɔ na nuɖuɖu si megblẽna o. (Mose II, 16:32; Hebritɔwo 9:3, 4, 23, 24) Ne Yesu na mana ɣaɣlaa ame 144,000 la, anye kpeɖodzi be wona wozu Mawu ƒe gbɔgbɔmevi makumaku siwo magblẽ o.—Yohanes 6:51; Korintotɔwo I, 15:54.
Hakpala gblɔ be: “[Yehowa,] gbɔwò agbedzɔƒe le.” (Psalmo 36:10) Aleke gbegbe mana si wona—mana ŋutɔŋutɔ kple kpɔɖeŋutɔa siaa—ɖo kpe nyateƒenya vevi sia dzi nyuie enye esi! Mana si Mawu na blema Israel-viwo, kpɔɖeŋumana si nye Yesu ƒe ŋutilã si wòna ɖe mía ta, kple kpɔɖeŋumana ɣaɣla si wònaa ame 144,000 to Yesu dzi la ɖo ŋku edzi na mí katã be míaƒe agbe katã nɔ te ɖe Mawu dzi. (Psalmo 39:6, 8) Mina míalɔ̃ ɖe edzi ɖokuibɔbɔtɔe ɣeawokatãɣi be eya sinu kpɔm míele. Ekema Yehowa ‘awɔ nyui na mí le ŋkeke siwo le mía ŋgɔ me.’—Mose V, 8:16.
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
Be amegbetɔ ɖesiaɖe nakpɔ agbe mavɔ la, wo katã ƒe agbe nɔ te ɖe ‘agbebolo si ɖi tso dziƒo va’ la dzi
[Nɔnɔmetata si le axa 28]
Kristotɔwo ƒe kpekpe ɖesiaɖe dede afia be míekpɔa ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo ŋu